Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Minɔ Ŋudzɔ”

“Minɔ Ŋudzɔ”

“Minɔ Ŋudzɔ”

“Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke ka dzi mia Aƒetɔ la ava o.”—MATEO 24:42.

1. Aleke Yehowa subɔla siwo le esubɔm ɣeyiɣi didi aɖee nye sia bua alesi wotsɔ wo ɖokui ke hesubɔ ƒe geɖee? Gblɔ kpɔɖeŋu ɖeka.

YEHOWA subɔla siwo le esubɔm ɣeyiɣi didi aɖee nye sia la dometɔ geɖe srɔ̃ nyateƒea esime wonye ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo. Biblia-nusrɔ̃vi veviedonula siawo gbe nu le wo ɖokui gbɔ hetsɔ woƒe agbe ke Yehowa abe alesi asitsala aɖe si ke ɖe dzonu xɔasi aɖe ŋu eye wòdzra eƒe nusianu tsɔ ƒlee la wɔe ene. (Mateo 13:45, 46; Marko 8:34) Aleke wosena le wo ɖokui me esi wòva hiã be woalala ɣeyiɣi didi wu alesi wokpɔ mɔ be Mawu ƒe tameɖoɖowo na anyigba nava eme yewoakpɔ hafi? Mete ɖe wo dzi kura o! Wowɔ ɖeka kple Nɔviŋutsu A. H. Macmillan, amesi le ƒe 60 kloe ƒe Mawu subɔsubɔ ɖokuitsɔtsɔnatɔe megbe wògblɔ be: “Megaɖoe kplikpaa wu tsã be mado dzi le xɔse me. Ena menya nusita mele agbe. Egale kpekpem ɖe ŋunye kokoko be madze ŋgɔ etsɔme vɔvɔ̃manɔmee.”

2. (a) Aɖaŋu si sɔ ɖe ɣeyiɣia nu kae Yesu ɖo na eyomedzelawo? (b) Biabia kawo mee míadzro le nyati sia me?

2 Ke wò hã ɖe? Ƒe ka kee nèɖaxɔ o, de ŋugble le Yesu ƒe nya siawo ŋu: “Eyaŋuti minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ŋkeke ka dzi mia Aƒetɔ la ava o.” (Mateo 24:42) Nyateƒenya goglo aɖe le nyagbɔgblɔ kpui sia me. Míenya ŋkeke si tututu dzi Aƒetɔ la ava drɔ̃ toheʋɔnu nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia o, eye enyanya mehiã mí hã o. Gake ele be míanɔ agbe alesi dze ale be ne eva va la, míakpla asi ta o. Le esia ta la, kpɔɖeŋu kawoe le Biblia me siwo akpe ɖe mía ŋu be míanɔ ŋudzɔ? Aleke Yesu wɔ hiahiã sia ƒe kpɔɖeŋui? Eye kpeɖodzi kawoe li siwo fia be míele xexe mavɔ̃mawu sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me?

Kpɔɖeŋu si Nye Nuxlɔ̃ame

3. Aleke amesiwo li egbea dometɔ geɖe ɖi Noa ŋɔli me tɔwoe?

3 Amesiwo li egbea le abe ŋutsu kple nyɔnu siwo nɔ anyi le Noa ŋɔli ene le go geɖe me. Ŋutasesẽnuwɔnawo bɔ ɖe anyigba dzi ɣemaɣi, eye amegbetɔ ƒe dzimedidiwo nye “vɔ̃ ko ɖaa.” (Mose I, 6:5) Ame akpa gãtɔ vu ɖe gbesiagbedɔwɔnawo ŋu. Gake hafi Yehowa nana Tsiɖɔɖɔa nava la, ena mɔnukpɔkpɔ amewo be woatrɔ dzime. Ede dɔ asi na Noa be wòaɖe gbeƒã, eye Noa wɔe—enye “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela” anɔ ƒe 40 alo 50 alo esi wu nenema. (Petro II, 2:5) Gake ameawo do toku Noa ƒe nuxlɔ̃amenyaawo. Womenɔ ŋudzɔ o. Eyata mlɔeba la, Noa kple eƒe ƒomea koe tsi agbe esi Yehowa drɔ̃ toheʋɔnua.—Mateo 24:37-39.

4. Gɔmesese ka nue woate ŋu agblɔ le be Noa ƒe subɔsubɔdɔa kpɔ dzidzedze, eye aleke woate ŋu agblɔ nya ma ke le wò gbeƒãɖeɖedɔa ŋui?

4 Ðe Noa ƒe subɔsubɔdɔa kpɔ dzidzedzea? Mèganɔ te ɖe ame ʋɛ siwo xɔ nyaa dzi atso nya me o. Aleke ke amewo ɖaxɔ gbeƒã si Noa ɖe o, le nyateƒe me la, dɔa ɖo taɖodzinua gbɔ. Nukatae? Elabena ena mɔnukpɔkpɔ geɖe ameawo be woatiae be yewoasubɔ Yehowa loo alo be yewomasubɔe o. Ke anyigbamama si me nèɖea gbeƒã le ya ɖe? Ne amewo mele nyaa xɔm boo o hã la, èle dzidzedze geɖe kpɔm. Nukata? Elabena to gbeƒãɖeɖe me la, èle Mawu ƒe nuxlɔ̃amenya gblɔm fia, eye èto esia wɔwɔ me le dɔ si Yesu de eyomedzelawo si la wɔm.—Mateo 24:14; 28:19, 20.

Tomaɖomaɖo Mawu ƒe Nyagblɔɖilawo

5. (a) Aleke nɔnɔmeawo nɔ le Yuda le Xabakuk ŋɔli, eye aleke ameawo xɔ eƒe nyagblɔɖinyawoe? (b) Aleke Yudatɔwo wɔ anyra le Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo ŋui?

5 Ƒe alafa geɖe le Tsiɖɔɖɔa megbe la, Yuda fiaɖuƒea va ɖo nɔnɔme sesẽ aɖe me. Trɔ̃subɔsubɔ, numadzɔmadzɔwɔwɔ, ameteteɖeanyi, kple amewuwu gɔ̃ hã bɔ. Yehowa tia Xabakuk be wòaxlɔ̃ nu ameawo be ne wometrɔ dzime o la, Kaldeatɔwo, alo Babilontɔwo, ahe dzɔgbevɔ̃e ava wo dzi. (Xabakuk 1:5-7) Gake ameawo gbe toɖoɖo. Ðewohĩ woƒe susue nye be, ‘Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ nuxlɔ̃amenya sia tɔgbe ke ƒe alafa ɖeka kple edzivɔe nye sia, evɔ naneke medzɔ kpɔ haɖe o!’ (Yesaya 39:6, 7) Menye ɖe Yuda-megãwo metsɔ ɖeke le gbedasiawo me ko o ke wowɔ anyra le dɔtsɔlaawo ŋu gɔ̃ hã. Wote kpɔ be yewoawu nyagblɔɖila Yeremya ɣeaɖeɣi, eye ne menye Axikam ye va xɔ nɛ o la, anye ne wowui. Esi wogava gblɔ nyagblɔɖinya bubu na Fia Yoyakim wòve dɔme nɛ ta la, ena wowu nyagblɔɖila Uriya.—Yeremya 26:21-24.

6. Aleke Yehowa do ŋusẽ Xabakuk?

6 Xabakuk hã gblɔ eƒe gbedasia kple dzinɔameƒo nenema ke, eye eya hã tɔ mesɔ to me na amewo o abe alesi Yeremya, amesi Mawu dɔ be wògblɔ Yuda ƒe aƒedozuzu ƒe 70 sɔŋ ɖi la hã tɔ mesɔ tome o ene. (Yeremya 25:8-11) Eyata míate ŋu ase Xabakuk ƒe nuxaxa gɔme esime wòfa konyi be: “Yehowa, ɣekaɣi manɔ yɔwòm sesĩe, eye nagbe esese ase ɖo? Mado ɣli na wò le ŋutasesẽ ta, ke màxɔ na ame o?” (Xabakuk 1:2) Yehowa ve Xabakuk nu ale be wòtsɔ nya siawo siwo doa ŋusẽ xɔse la ɖo eŋu nɛ be: “Azãgbe li na ŋutega la, eƒe nuwuwu le aƒe tum, eye maflu ame o; ke ne etsi megbe la, kpɔ esinu; elabena ele vava ge kokoko, eye mahe ɖe megbe o.” (Xabakuk 2:3) Eyata “azãgbe” le Yehowa si si dzi wòahe numadzɔmadzɔwɔwɔ kple ameteteɖeanyi ava nuwuwui. Ne wòwɔ abe ɖe nuwo le megbe tsim ene hã la, wobe dzi negaɖe le Xabakuk ƒo loo alo wòawɔ alɔgblɔdɔ o. Ke boŋ ele be ‘wòakpɔ esinu,’ eye wòanɔ susu me nɛ gbesiagbe si wòle agbe be nuwɔwɔ hiã kpata. Yehowa ƒe ŋkekea mahe ɖe megbe o!

7. Nukatae wogaɖoe be woatsrɔ̃ Yerusalem le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me?

7 Esi Yehowa ƒo nu kple Xabakuk vɔ anɔ ƒe 20 megbe la, wotsrɔ̃ Yuda ƒe fiadu, Yerusalem. Wogbugbɔe tso emegbe, eye woɖɔ nu gbegblẽ siwo do nuxaxa na Xabakuk la dometɔ geɖe ɖo. Gake le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, wogaɖoe be woatsrɔ̃ dua le emenɔlawo ƒe nuteƒemawɔmawɔ ta. Yehowa wɔ ɖoɖo nublanuikpɔkpɔtɔe be dzinyuitɔwo natsi agbe. Le ɣeyiɣi sia me ya la, menye nyagblɔɖila tsɛ aɖekee wòdɔ o, ke Yesu Kristoe wòdɔ be wòagblɔ gbedasia. Le ƒe 33 M.Ŋ. me la, Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Ne miekpɔ aʋakɔwo ɖe to ɖe Yerusalem ŋu la, ekema midze sii bena, eƒe aƒedozuɣi ɖo vɔ. Ekema amesiwo le Yudea la, nasi ayi towo dzi.”—Luka 21:20, 21.

8. (a) Anye nukawoe dzɔ ɖe Kristotɔ aɖewo dzi esi ɣeyiɣi va nɔ yiyim le Yesu ƒe ku megbe? (b) Aleke nya siwo Yesu gblɔ ɖi le Yerusalem ŋu va emee?

8 Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, anɔ eme be Kristotɔ siwo nɔ Yerusalem la dometɔ aɖewo anɔ tame bum le ɣeyiɣi si me tututu Yesu ƒe nyagblɔɖia ava eme ŋu. Wò ya de ŋugble le nanewo siwo ɖikeke mele eme o be wo dometɔ aɖewo tsɔ sa vɔe ŋu kpɔ. Ðewohĩ wogbe dɔ aɖewo siwo ana woakpɔ ga geɖe la wɔwɔ le esi woɖoe kplikpaa be yewoanɔ ŋudzɔ ta. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, ɖe nu ti kɔ na woa? Ðe wotsɔe be yewole ɣeyiɣi gblẽm hebui be dzidzime aɖe si gbɔna ŋue Yesu ƒe nyawo ku ɖo ke menye yewotɔ ŋue oa? Le ƒe 66 M.Ŋ. me la, Yesu ƒe nyagblɔɖia te emevava esime Roma-ʋakɔwo va ɖe to ɖe Yerusalem ŋu. Amesiwo nɔ ŋudzɔ la kpɔ dzesia, eye wosi le dua me, ale be Yerusalem tsɔtsrɔ̃ melɔ wo ɖe eme o.

Alesi Ŋudzɔnɔnɔ Hiã ƒe Kpɔɖeŋu Wɔwɔ

9, 10. (a) Aleke nàgblɔ kpɔɖeŋu si Yesu wɔ le subɔvi siwo lala woƒe aƒetɔ ƒe tɔtrɔgbɔ tso srɔ̃ɖeƒe la kpokploe? (b) Ðewohĩ nukatae wòasesẽ na subɔviawo be woalala aƒetɔ la? (d) Nukatae wòaɖe vi na subɔviawo be woagbɔ dzi ɖi?

9 Esi Yesu nɔ alesi wòhiã be woanɔ ŋudzɔe ɖem fia la, etsɔ eƒe nusrɔ̃lawo sɔ kple subɔvi siwo nɔ woƒe aƒetɔ lalam be wòagbɔ tso srɔ̃ɖeƒe. Wonya be agbɔ le zã aɖe me—gake le gaƒoƒo ka me? Ðe wòanye zãdzɔɣi gbãtɔa mea? Evelia me yea? Etɔ̃lia me yea? Womenya o. Yesu gblɔ be: “Eye ne [aƒetɔ la] ava le ŋudzɔɣi evelia kple etɔ̃lia me, eye wòakpɔ wo nenema [be wole ŋudzɔ] la, woayra woamawo.” (Luka 12:35-38) Wò ya bu alesi subɔvi siawo anɔ mɔkpɔkpɔ mee ŋu kpɔ. Ɣesiaɣi si woase gbeɖiɖi aɖe, alo akpɔ vɔvɔli aɖe pɛ ko la, woagakpɔ mɔ dzi wu tsã agblɔ be: ‘Míaƒe aƒetɔ ye loo?’

10 Ke ne wòanye zãdzɔɣi evelia si tso zã ga asieke va ɖo zãtiƒe ye aƒetɔ la gbɔ ɖe? Ðe subɔviawo katã, kpakple esiwo wɔ dɔ sesẽ tso keke ŋdime ke, anɔ dzadzraɖoɖi be yewoado dzaa nɛa, alo ɖe wo dometɔ aɖewo anɔ alɔ̃ dɔma? Ke ne aƒetɔ la trɔ gbɔ le zãdzɔɣi etɔ̃lia me—si nye tso zãtiƒe vaseɖe fɔfɔme ga etɔ̃—ya ɖe? Ðe dzi aɖe le subɔviawo dometɔ aɖewo ƒo, eye woanɔ tse ɖum gɔ̃ hã le alesi wòwɔ abe ɖe aƒea tɔ le megbe tsim ene taa? * Wo dometɔ siwo woakpɔ be wole ŋudzɔ le aƒetɔ la ƒe vavaɣi koe woayɔ be dzidzɔtɔwo. Nya siwo le Lododowo 13:12 asɔ na wo vavã be: “Lala vivivo ɖe wòdoa veve na dzi; ke didi, si va me la, agbeti wònye.”

11. Aleke gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanɔ ŋudzɔe?

11 Le ɣeyiɣi si me wòawɔ abe ɖe nuwo le megbe tsim ene la, nukae akpe ɖe Yesu yomedzelawo ŋu be woanɔ ŋudzɔ? Esime wòsusɔ vie woalé Yesu esi wonɔ Getsemane-bɔa me la, egblɔ na eƒe apostolo etɔ̃ be: “Minɔ ŋudzɔ, eye mido gbe ɖa, ne miagadze tetekpɔ me o.” (Mateo 26:41) Le ƒe aɖewo megbe la, Petro, amesi hã nɔ teƒea ɣemaɣi la ɖo aɖaŋu ma tɔgbe ke na hati Kristotɔwo. Eŋlɔ be: “Ke nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. Eyaŋuti miɖu mia ɖokui dzi, eye minɔ mo xexi hena gbedodoɖa.” (Petro I, 4:7) Edze ƒã be ele be gbedodoɖa kutrikukutɔe nanye mí Kristotɔwo ƒe gbesiagbenuwɔna ƒe akpa aɖe. Le nyateƒe me la, ehiã be míaɖe kuku na Yehowa enuenu bene wòakpe ɖe mía ŋu míanɔ ŋudzɔ.—Romatɔwo 12:12; Tesalonikatɔwo I, 5:17.

12. Vovototo kae le nususukpɔ agblɔ kple ŋudzɔnɔnɔ dome?

12 De dzesii be Petro gblɔ hã be: “Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ.” Aleke gbegbee wòɖo vɔe? Amegbetɔwo mate ŋu ato mɔ aɖeke dzi anya ŋkeke kple gaƒoƒo si tututu wòanye o. (Mateo 24:36) Gake vovototo le nususukpɔ agblɔ, si Biblia mede dzi ƒo be míawɔ o, kple mɔkpɔkpɔ na nuwuwua, si wòde dzi ƒo be míawɔ, la dome. (Tsɔe sɔ kple Timoteo II, 4:3, 4; Tito 3:9.) Mɔ siwo dzi míato anɔ ŋudzɔ dometɔ ɖekae nye ka? Eyae nye be míanɔ ŋudzɔ ɖe dzesi siwo fia be nuwuwua ɖo la ŋu nyuie. Eyata mina míadzro kpeɖodzi ade siwo ɖo kpe edzi be míele xexe mavɔ̃mawu sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me la me.

Kpeɖodzi Vavã Ade

13. Aleke Paulo ƒe nyagblɔɖi si le Timoteo II ta 3 na nèka ɖe edzi be míele “ŋkeke mamlɛawo” me?

13 Gbã la, míekpɔe kɔte be nya siwo apostolo Paulo gblɔ le “ŋkeke mamlɛawo” ŋu la le eme vam. Paulo ŋlɔe be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la ɣeyiɣi vɔ̃wo lava. Elabena amewo lanye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbe ƒuƒlu ƒolawo, dadalawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo kple ame makɔmakɔwo; amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o, amesiwo gbea avuléle, ameŋuzɔlawo, amesiwo mete ŋu ɖua wo ɖokui dzi o, ame wɔadãwo, amesiwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame mabunuwo, amesiwo doa wo ɖokui ɖe dzi glodzo, amesiwo lɔ̃a hadzedze wu esi woalɔ̃ Mawu, amesiwo si mawusosroɖa ƒe nɔnɔme le, gake wogbe eƒe ŋusẽ la. Te ɖokuiwò ɖa tso amesiawo gbɔ! Ke ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo la woayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu anɔ amewo blem, eye amewo able wo.” (Timoteo II, 3:1-5, 13) Ðe míekpɔe be nyagblɔɖi sia le eme vam le míaƒe ŋkekeawo me oa? Amesiwo ŋe aɖaba ƒu nyateƒeawo dzi koe asẽ nu! *

14. Aleke Nyaɖeɖefia 12:9 me nya siwo ku ɖe Abosam ŋu le eme vam egbeae, eye nukae adzɔ ɖe edzi kpuie?

14 Evelia, míele nusiwo Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo nyanya tso dziƒo he vɛ la teƒe kpɔm, si nye Nyaɖeɖefia 12:9 me vava. Míexlẽ le afima be: “Wotsɔ ʋɔ driba gã, si nye da xoxo la, esi woyɔna be: Abosam kple Satana, amesi nye xexeame katã blela la, ƒu gbe, eye wotsɔe ƒu gbe ɖe anyigba, eye wotsɔ eƒe dɔlawo hã ƒu gbe ɖe anyi hekpe ɖe eŋuti.” Ena anyigba ɖo afɔku gã aɖe me. Nyateƒe wònye be ameƒomea do go afɔku geɖe, vevietɔ tso ƒe 1914 me. Gake wogagblɔ le Nyaɖeɖefia ƒe nyagblɔɖia me be esi wonya Abosam va anyigba dzi la, enya be “vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” (Nyaɖeɖefia 12:12) Le vovoɣi vi sia me la, Satana le aʋa wɔm kple Kristo yomedzela amesiaminawo. (Nyaɖeɖefia 12:17) Míele eƒe amedzidzedzea me tsonuwo teƒe kpɔm nyateƒe le míaƒe ɣeyiɣia me. * Gake eteƒe madidi o, woade Satana aʋli me be “wòagable dukɔwo [azɔ] o.”—Nyaɖeɖefia 20:1-3.

15. Aleke Nyaɖeɖefia 17:9-11 ɖo kpe edzi be míele nuwuɣia me?

15 Etɔ̃lia, míele “fia” enyilia si ganye mamlɛtɔ si ŋu woƒo nu tsoe le nyagblɔɖi si le Nyaɖeɖefia 17:9-11 me la ƒe ɣeyiɣi me. Apostolo Yohanes yɔ fia adre le afisia, siwo tsi tre ɖi na xexemeŋusẽ adre—Egipte, Asiria, Babilon, Medo-Persia, Hela, Roma, kple Anglo-Amerika xexemeŋusẽ eve ƒokpli la. Ekpɔe hã be ‘fia enyilia’ aɖe ‘do tso adreawo dome.’ Fifia la, fia enyilia sia—si nye mamlɛtɔ si Yohanes kpɔ le ŋutegaa me—tsi tre ɖi na Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe habɔbɔa. Yohanes gblɔ be fia enyilia sia ‘yina ɖe gbegblẽ me’ eye womegayɔ fia bubu aɖeke ɖe eyome o. *

16. Aleke legba si ŋu Nebukadnezar ku drɔ̃e le ƒe nya siwo le eme vam la fia be míele ŋkeke mamlɛawo me?

16 Enelia, míele ɣeyiɣi si Nebukadnezar ƒe drɔ̃e me legba la ƒe afɔwo tsi tre ɖi na la me. Nyagblɔɖila Daniel ɖe drɔ̃e manyatalenu sia si ku ɖe legba gã si le ame ƒe nɔnɔme me la me. (Daniel 2:36-43) Legba la ƒe akpa ene siwo nye ga sesẽwo la tsi tre ɖi na xexemeŋusẽ vovovo si dze egɔme tso eƒe ta (Babilon Fiaɖuƒea) dzi yi anyime vaseɖe eƒe afɔwo kple afɔbidɛwo (dziɖuɖu siwo li egbea) dzi. Xexemeŋusẽ siwo katã legba la tsi tre ɖi na la ɖu dzi va yi. Míele ɣeyiɣi si legba la ƒe afɔwo tsi tre ɖi na la me. Womegayɔ ŋusẽ bubu aɖeke be woagava o. *

17. Aleke Fiaɖuƒe gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm míele la nye kpeɖodzi bubu be míele ŋkeke mamlɛawo me?

17 Atɔ̃lia, míekpɔe be wole gbeƒãɖeɖedɔ aɖe wɔm le xexeame katã, si Yesu gblɔ be adzɔ do ŋgɔ teti na nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu. Yesu gblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.” (Mateo 24:14) Egbea la, nyagblɔɖi ma le eme vam ale gbegbe be etɔgbe medzɔ kpɔ o. Nyateƒee, anyigbamama geɖe li siwo me womewɔ dɔ le haɖe o, eye ate ŋu adzɔ be le Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, dɔ geɖe wɔwɔ ƒe mɔnu aʋu. (Korintotɔwo I, 16:9) Ke hã Biblia megblɔ be Yehowa alala vaseɖe esime woɖi ɖase na anyigbadzinɔla ɖesiaɖe ɖekaɖeka o. Ke boŋ ele be woaɖe gbeƒã nyanyuia wòadze Yehowa ŋu. Ekema nuwuwua ava.—Tsɔe sɔ kple Mateo 10:23.

18. Edze ƒã be nukae ava eme na amesiamina aɖewo ne xaxa gã la dze egɔme, eye aleke míewɔ nya?

18 Adelia, Kristo ƒe nusrɔ̃la amesiamina akuakuawo ƒe xexlẽme dzi le ɖeɖem kpɔtɔ, togbɔ be edze ƒã be wo dometɔ aɖewo aganɔ anyigba dzi esime xaxa gã la adze egɔme hã. Amesiamina akpa gãtɔ tsi le ƒe me ŋutɔ, eye esi ƒeawo va le yiyim la, amesiwo nye amesiaminawo ŋutɔŋutɔ la ƒe xexlẽme le to yim. Gake esi Yesu nɔ nu ƒom tso xaxa gã la ŋu la, egblɔ be: “Ne womeɖe ŋkeke mawo dzi o la, ekema ŋutilã aɖeke makpɔ ɖeɖe o; ke le ame tiatiawo ta woaɖe ŋkeke mawo dzi.” (Mateo 24:21, 22) Eyata edze ƒã be Kristo ƒe “ame tiatiawo” dometɔ aɖewo akpɔtɔ anɔ anyigba dzi esime xaxa gã la adze egɔme. *

Nukae Le Ŋgɔ Gbɔna?

19, 20. Nukatae wòhiã kpata na mí fifia wu tsã be míanɔ mo xexi ahanɔ ŋudzɔ?

19 Aleke etsɔme anɔ na mí? Dzidzɔɣeyiɣiwo le ŋgɔ gbɔna. Paulo xlɔ̃ nu be “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la gbɔna, abe alesi fiafitɔ vana le zã me ene.” Esi wònɔ nu ƒom tso amesiwo dze abe woawoe nye xexeame ƒe nunyalawo ene ŋu la, egblɔ be: “Ne wole gbɔgblɔm be, ŋutifafa kple anyinɔnɔ dedie li la, tete gbegblẽ ava lili wo.” Eyata Paulo ɖo aɖaŋu na eƒe nyawo xlẽlawo be: “Migana míanɔ alɔ̃ dɔm abe ame bubuwo ene o, ke boŋ mina míanɔ ŋudzɔ, eye míanɔ mo xexi.” (Tesalonikatɔwo I, 5:2, 3, 6) Le nyateƒe me la, amesiwo kpɔa amegbetɔ habɔbɔwo sinu be woana ŋutifafa kple dedienɔnɔ nava la le aɖaba ŋem ƒu nyateƒea dzi. Ame mawo dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ!

20 Nuɖoanyi sia ƒe tsɔtsrɔ̃ ava kpoyi. Eyata kpɔ mɔ na Yehowa ƒe ŋkekea. Mawu ŋutɔ gblɔ na Xabakuk be: “Mahe ɖe megbe o”! Le nyateƒe me la, ŋudzɔnɔnɔ mehiã na mí alea gbegbe kpɔ o.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 10 Aƒetɔa meɖo gbe aɖeke ɖi kple eƒe subɔviawo o. Eyata mele nɛ be wòaɖe nusiwo yi edzi la me na wo o, eye menye dzizizi hã nɛ be wòaɖe nusita wòwɔ abe ɖe wòtsi megbe ene la me na wo o.

^ mm. 13 Ne èdi nyagblɔɖi sia me dzodzro tsitotsito la, ke kpɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la ƒe ta 11 lia.

^ mm. 14 Ne èdi nyatakaka bubuwo kpee la, ke kpɔ agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la ƒe axa 180-6.

^ mm. 15 Kpɔ Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, axa 251-4.

^ mm. 16 Kpɔ agbalẽ si nye Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La! si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la ƒe ta 4.

^ mm. 18 Le alẽwo kple gbɔ̃wo ƒe lododoa me la, Amegbetɔvi la va le eƒe ŋutikɔkɔe me le xaxa gã la ƒe ɣeyiɣi me eye wòbɔbɔ nɔ anyi be yeadrɔ̃ ʋɔnu. Kpekpeɖeŋu si amewo na Kristo nɔvi amesiaminawo alo wogbe wo nana dzie wònɔ te ɖo drɔ̃ ʋɔnua. Gɔmesese aɖeke manɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe dzidzenu sia ŋu o ne ɖe wòanye be Kristo nɔviwo katã dzo le anyigba la dzi xoxo hafi ʋɔnudrɔ̃ɣia ɖo.—Mateo 25:31-46.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu kawoe akpe ɖe mía ŋu be míanɔ ŋudzɔ?

Aleke Yesu wɔ alesi wòhiã be míanɔ ŋudzɔ ƒe kpɔɖeŋui?

Kpeɖodzi ade kawoe fia be míele ŋkeke mamlɛawo me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

A. H. Macmillan subɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe ƒe blaade kloe

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Yesu tsɔ eƒe nusrɔ̃lawo sɔ kple subɔvi siwo le ŋudzɔ