Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpekpe Ðe Ame Ƒomeviwo Katã Ŋu le Netherlands

Kpekpe Ðe Ame Ƒomeviwo Katã Ŋu le Netherlands

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Kpekpe Ðe Ame Ƒomeviwo Katã Ŋu le Netherlands

XƆSE tɔxɛ nɔ Abraham si. Apostolo Paulo gblɔ be Abraham se Mawu ƒe gbe ale be ‘esime woyɔe la, edo go, gake menya afisi yim wòle o.’ Esi Abraham kple eƒe ƒomea ʋu la, ‘eva nye amedzro le ŋugbedodonyigba la dzi’ le eƒe agbenɔƒe alafa ɖeka mamlɛawo me.—Hebritɔwo 11:8, 9.

Nenema ke egbea hã, Yehowa Ðasefo geɖe lɔ̃ ʋu yi dukɔ bubu me bene yewoasubɔ le afisi hiahiã lolo le wu. Bubuwo srɔ̃ gbe bubu bene yewoate ŋu aɖi ɖase na dutatɔ siwo ʋu va yewoƒe dukɔa me. Abe alesi kpɔɖeŋu siwo gbɔna ɖee fia ene la, gbɔgbɔ nyui sia na ‘ʋɔtru gã aɖe ʋu ɖi na dɔ geɖe wɔwɔ’ le Netherlands, afisi ame miliɔn 15 siwo le afima dometɔ miliɔn ɖeka nye dutatɔwo.—Korintotɔwo I, 16:9.

□ Bahram nye Chinatɔwo ƒe kɔdada ƒe hehenala si tso Titina Ɣedzeƒe dukɔ aɖe me. Exɔ Biblia kple Gbetakpɔxɔ habɔbɔa ƒe agbalẽ aɖewo. Le ɣleti ɖeka me la, Bahram kpɔe be yekpɔ nyateƒea. Wodze nusɔsrɔ̃ gɔme kpakple eya kple srɔ̃a, gake kuxi aɖe nɔ anyi—woƒe Biblia-fiala mese wo degbe o. Wogblɔ be yewozãa ŋutinuwo tsɔ ɖoa dzee, tsɔa “asi kple afɔwo” ƒoa nui. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Bahram kple srɔ̃a te ŋu kpɔ hame aɖe si me wodoa wo degbe le, eye ema megbe wowɔ ŋgɔyiyi kabakaba. Fifia Bahram nye Ðasefo xɔnyɔnyrɔ.

□ Srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu aɖe siwo nye Netherlandstɔwo te ɖe Indonesia ŋutsu aɖe si nɔ tsitre ɖe fiase gã aɖe ŋgɔ la ŋu. Dzi dzɔe ŋutɔ esi srɔ̃tɔawo ƒo nu nɛ le eya ŋutɔ degbe me. Wowɔ ɖoɖo be yewoayi egbɔ le eƒe aƒeme. Eva dze be enɔ Russia wu ƒe 20, eye wòva zu nyɔnuwo ƒe dɔléle ŋuti nunyala le ɣeyiɣi ma me. Egblɔ be yenye mawudzimaxɔsela, gake elɔ̃ ɖe edzi be ɣesiaɣi si yeaxe vi aɖe la, ewɔa nuku na ye ale gbegbe, eye yegblɔna be, “Aleke gbegbe amegbetɔ ƒe ŋutilã de bliboe enye si! Nukunu ka gbegbee nye esi!” Elɔ̃ be yeasrɔ̃ Biblia eye medidi o, eva xɔe se be Wɔla aɖe li si tsɔa ɖe le eme na ameƒomea. (Petro I, 5:6, 7) Fifia enye nɔviŋutsu xɔnyɔnyrɔ eye wòle Indonesia hame si le Amsterdam me.

□ Le Rotterdam si nye xexeame ƒe melidzeƒe gãtɔ kekeakewo dometɔ ɖeka la, mɔɖelawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe va bi ɖe gbeƒãɖeɖe na gbe vovovo dola siwo nɔa meli siwo va dzena ɖe melidzeƒea gbesiagbe la me. Le gbeƒãɖelawo ƒe hatsotso sia ƒe dɔwɔna dzonɔamemetɔe ta la, ƒudzidela geɖe, siwo dometɔ aɖewo nye tɔdziʋumemegã ɖeka, ƒudzidelawo ƒe amegã ɖeka, kple amesi nye ameŋudzɔla tsã la va xɔ nyateƒea. Fifia woawo hã wokpea asi ɖe eŋu be woaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia le xexeame katã.—Mateo 24:14.

Abe alesi wòle le xexeame ƒe akpa bubuwo ene la, Yehowa Ðasefo siwo le Netherlands ɖoe kplikpaa be yewoawɔ yewotɔ sinua, aɖe gbeƒã nyanyui mavɔa na dukɔ, to, kple gbegbɔgblɔ ɖesiaɖe dolawo, kpakple amesiame.—Nyaɖeɖefia 14:6.