Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukae Ʋua Dzidzedzekpɔkpɔ ƒe Mɔ na Ame?

Nukae Ʋua Dzidzedzekpɔkpɔ ƒe Mɔ na Ame?

Nukae Ʋua Dzidzedzekpɔkpɔ ƒe Mɔ na Ame?

ÐEKAKPUI veviedonula eve nɔ mɔ̃ wɔmoyaa aɖe kpem ɖe ɖoɖo nu hena dodokpɔ vevi aɖe wɔwɔ. Kasia yaʋuduʋudu aɖe va ƒo kɔ mɔ̃ falɛfalɛ sia ɖe yame hexlã ɖe anyi sesĩe wòkaka. Dzi ɖe le ɖekakpuiawo ƒo eye woƒe nu ku. Dɔ sesẽ si wɔm wonɔ ŋuɖɔɖɔɖotɔe la gbã ʋayaʋaya wòsusɔ ati kple gakpo siwo li kɔ ɖi.

Menye nusi dzɔ le October ƒe ŋkeke ma dzi le ƒe 1900 me lae nye Orville kple Wilbur Wright ƒe agbagba si dzem wonɔ be yewoawɔ mɔ̃ si ate ŋu ato yame ƒe kpododonu gbãtɔ o. Wozã ƒe aɖewo kple ga gbogbo aɖe tsɔ tee kpɔ xoxo.

Gake woƒe kutrikukua va tse ku mlɔeba. Le December 17, 1903 dzi, le Kitty Hawk, North Carolina, U.S.A. la, Wright-ɖekakpuiawo dze agbagba wɔ yameʋu gbãtɔ si nɔ yame sɛkɛnd 12—si le kpuie wu alesi yameʋuwo nɔa yamee egbea, gake wònye nusi te ŋu trɔ xexeame tegbee emegbe!

Dzidzedzekpɔkpɔ le nuwɔna akpa gãtɔ me nɔ te ɖe kutrikuku dzigbɔɖitɔe dzi. Eɖanye gbegbɔgblɔ yeye aɖe sɔsrɔ̃, dɔ aɖe sɔsrɔ̃, alo xɔlɔ̃dzedze gɔ̃ hãe o, agbagbadzedze madzudzɔmadzudzɔe dzi koe ame tona eƒe asi sua nu xɔasi akpa gãtɔ dzi. Agbalẽŋlɔla Charles Templeton gblɔ be: “Zi asieke le ewo me la, wogblɔ be dzidzedzekpɔkpɔ nɔ te ɖe nu ɖeka dzi: dɔ sesẽ wɔwɔ.” Nyadzɔdzɔŋlɔla Leonard Pitts, Jr., gblɔ be: “Míeƒoa nu tso dzɔdzɔmenunana ŋu, míelɔ̃na ɖe dzɔgbese dzi, gake enuenu la, míeŋea aɖaba ƒua nusiwo le vevie wu la dzi. Dɔ sesẽ wɔwɔ kple kpododonu geɖe. Dɔ gɔme dzedze kaba kple dɔ gbɔ nɔnɔ ɣeyiɣi didi.”

Esia ɖo kpe nusi Biblia gblɔ ɖi xoxoxo dzi be: “Veviedola ƒe asi aɖu fia.” (Lododowo 12:24) Veviedodo fia be míaku kutri le míaƒe agbagbadzedzewo me. Esia le vevie ne míedi be míakpɔ ta na nusi gɔme míedze. Nukae nye kutrikuku? Aleke míate ŋu aku kutri le míaƒe taɖodzinuwo minyaminya mee, eye nuka mee wòle be míaku kutri le? Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia siawo ŋu.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

U.S. National Archives photo