Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vaseɖe Ɣekaɣie Ame Vɔ̃ɖiwo Anɔ Anyi?

Vaseɖe Ɣekaɣie Ame Vɔ̃ɖiwo Anɔ Anyi?

Vaseɖe Ɣekaɣie Ame Vɔ̃ɖiwo Anɔ Anyi?

“[Yehowa], nukaŋuti . . . nèzi kpi, ne ame vɔ̃ɖi mi amesi nye ame dzɔdzɔe wui la?”—XABAKUK 1:13.

1. Ɣekaɣie sidzedze Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe axɔ anyigba dzi taŋ?

ÐE Mawu atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo gbaɖegbea? Ne atsrɔ̃ wo la, ke vaseɖe ɣekaɣie wòle be míagalala ase ɖo? Amewo biaa nya siawo tɔgbe le anyigba dzi godoo. Afikae míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖoawo le? Míakpɔe le Mawu ƒe nyagblɔɖinya siwo ku ɖe ɣeyiɣi ɖoɖia ŋu me. Wona kakaɖedzi mí be Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu ame vɔ̃ɖiwo katã kpuie. Ɣemaɣi koe wòava eme bliboe be “sidzedze Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba dzi taŋ, abe alesi tsi yɔ atsiaƒui ene.” Nya mawoe nye ŋugbedodo si nye nyagblɔɖi si dze le Mawu ƒe Nya Kɔkɔe la me le Xabakuk ta 2:14.

2. Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃nya etɔ̃ kawoe le Xabakuk ƒe agbalẽa me?

2 Yehowa Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃nya etɔ̃e le Xabakuk ƒe agbalẽ si woŋlɔ anɔ ƒe 628 D.M.Ŋ. lɔƒo la me. Ʋɔnudɔdrɔ̃ mawo dometɔ eve va eme xoxo. Gbãtɔe nye Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ blema Yuda-dukɔ dzeaglã la. Ke evelia enye ka? Eyae nye ʋɔnudɔdrɔ̃ si Mawu he va Babilontɔ ameteɖeanyilawo dzi. Ekema míate ŋu aka ɖe edzi be Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ siawo ƒe etɔ̃lia ava eme godoo. Le nyateƒe me la, míate ŋu akpɔ mɔ be ava eme kpuie ŋutɔ. Le ame dzɔdzɔe siwo le ŋkeke mamlɛ siawo me ta la, Mawu atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã. Woatsrɔ̃ avɔ keŋkeŋ le “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ” si le aƒe tum kabakaba me.—Nyaɖeɖefia 16:14, 16.

3. Nukae adzɔ ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi le míaƒe ŋkekea me godoo?

3 Mawu ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ le aƒe tum gbesiagbe. Eye kakaɖedzi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo le míaƒe ɣeyiɣia me ŋu abe alesi wònɔ le ʋɔnudɔdrɔ̃ siwo Yehowa he va Yuda kple Babilon dzi gome ene. Gake fifi laa la, nukata miana míatsɔe be míele Yuda le Xabakuk ƒe ŋkekea me o? Nukae le edzi yim le anyigba ma dzi?

Dukɔ si Tɔtɔ

4. Nyatakaka dziŋɔ kae Xabakuk se?

4 Kpɔe ɖa le susu me be Yehowa ƒe nyagblɔɖila Xabakuk nɔ anyi ɖe eƒe xɔta le fiẽsi me le ya fafɛ xɔm. Haƒonuwo nɔ eƒe axa dzi. (Xabakuk 1:1; 3:19, nuwunyawo) Gake Xabakuk se nyatakaka dziŋɔ aɖe. Yuda Fia Yoyakim na wowu Uriya, eye wòna wotsɔ eƒe kukua ƒu gbe ɖe dukɔ hahoo la ƒe yɔdowo dzi. (Yeremya 26:23) Enye nyateƒe be Uriya meyi edzi ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu o, evɔ̃ eye wòsi yi Egipte. Gake Xabakuk nya be menye didi be yeawɔ nusi ade bubu Yehowa ŋue ʋã Yoyakim wòwɔ ŋutasẽnu ma o. Esia dze le fia la ƒe bubu aɖeke mademade Mawu ƒe sewo ŋu kple alesi wòlé fu Yeremya kple ame bubu siwo subɔa Yehowa la me.

5. Aleke nuwo nɔ le gbɔgbɔ me le Yuda, eye aleke Xabakuk wɔ nu ɖe eŋui?

5 Xabakuk kpɔ alesi dzudzɔ ʋeʋĩ le tutum tso aƒe siwo le nutoa me la mee. Menye Yehowae wole dzudzɔ ʋeʋĩa dom na o. Alakpasubɔsubɔ me nuwɔna si Yuda-fia vɔ̃ɖi Yoyakim nɔ ŋgɔ na mee wole gome kpɔm le. Ŋukpenanu ka gbegbee nye si! Aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi na Xabakuk, wòɖe kuku be: “Yehowa, ɣekaɣi manɔ yɔwòm sesĩe, eye nagbe esese ase ɖo? Mado ɣli na wò le ŋutasesẽ ta, ke màxɔ na ame o? Nukaŋuti nèna mele nu vlo wɔwɔ teƒe kpɔm, eye nèle hiãkame kpɔm kple ŋku, gbegblẽ kple ŋutasesẽ le ŋkunye me, avuwɔwɔ li, eye dzre dzɔ? Eyata se la ŋuti nufiafia me gbɔdzɔ, eye nuteƒewɔwɔ megadona ɖe gota o. Elabena ame vɔ̃ɖi ɖe to ɖe ame dzɔdzɔe, eyata nuteƒewɔwɔ trɔ tagbo hafi do.”—Xabakuk 1:2-4.

6. Nukae dzɔ ɖe se kple dzɔdzɔenyenye dzi le Yuda?

6 Ẽ, nudomegbegblẽ kple ŋutasesẽ bɔ. Xabakuk kpɔa xaxa, dzrewɔwɔ, kple avuwɔwɔ le afisiafi. ‘Sea me gbɔdzɔ,’ eye ŋusẽ megale eŋu o. Ke dzɔdzɔenyenye ya ɖe? “Megadona ɖe gota” aʋadziɖuɖutɔe o! Meɖua dzi gbeɖe o. Ke boŋ “ame vɔ̃ɖi ɖe to ɖe ame dzɔdzɔe,” eye wotroa se siwo woɖo be woakpɔ ame maɖifɔ ta hafi la. “Nuteƒewɔwɔ trɔ tagbo hafi do” nyateƒe. Wogblẽ edome keŋkeŋ. Nɔnɔme wɔnublanui ka gbegbee nye si!

7. Nukae Xabakuk ɖo kplikpaa be yeawɔ?

7 Xabakuk tɔ sẽ hebu nɔnɔmea ŋu. Ðe wòana taa? Kura o! Esi ŋutsu nuteƒewɔla sia bu alesi woti Mawu subɔla wɔnuteƒewo yome katã ŋu vɔ la, egaɖoe kplikpaa wu tsã be yeanɔ te sesĩe anye Yehowa ƒe nyagblɔɖila si li ke. Xabakuk ɖoe be yeayi edzi agblɔ Mawu ƒe gbedasiwo—ne ewɔwɔ ahe ku vɛ nɛ gɔ̃ hã.

Yehowa Awɔ “Nane” si Womaxɔ Ase O

8, 9. ‘Nukae’ Yehowa awɔ si womaxɔ ase o?

8 Xabakuk kpɔ subɔsubɔnyahela alakpatɔ siwo medea bubu Mawu ŋu o la le ŋutega me. Se nya si Yehowa gblɔ na wo ɖa: “Miɖe ŋku ɖe dukɔwo dome, mikpɔ nu!” Anɔ eme be Xabakuk bu nusita Mawu ƒo nu na ame vɔ̃ɖiwo alea ŋu. Azɔ ese Yehowa gblɔ na wo be: “Miaƒe nu neku! Elabena mele nane wɔ ge le mia ŋɔli, eye ne wotoe na mi la, miele exɔ ge ase o.” (Xabakuk 1:5) Le nyateƒe me la, Yehowa ŋutɔe le nusia si womele xɔxɔ ge ase o la wɔ ge. Gake nukae wònye?

9 Xabakuk ɖo to nya bubu siwo Mawu gagblɔ la vevie, si woŋlɔ ɖe Xabakuk 1:6-11. Yehowa ƒe gbedasi—si alakpamawu alo legba aɖeke si me agbe mele o mate ŋu ana wòagbe emevava o—lae nye si: “Kpɔ ɖa, manyɔ Kaldeatɔwo, dukɔ nyanyrã, si ƒe afɔ tsɔna; woato anyigba ƒe kekeme, ne woaxɔ nɔƒe, siwo menye wo tɔ o la. Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ anɔ eŋu, ade se, eye wòaɖu gã ɖe eya ŋutɔ ƒe akɔta. Eƒe sɔwo [ƒua] du wu lãkle, eye woƒe afɔwo tsɔ wu amegãxi le zã me, eƒe sɔdolawo le zi nyẽm, didiƒe ke eƒe sɔdolawo tso, eye wole dzodzom abe hɔ̃, si le abla ɖem ɖe nuɖuɖu ŋu la ene. Wo katã wova ɖe ŋutasesẽ ŋu, wotsɔ woƒe ŋku me tu ŋgɔ tẽ, eye woƒo aboyomewo nu ƒu abe ke ene. Woaɖe alɔme le fiawo ŋu, eye woako amegãwo, mɔ̃ sesẽwo anye fefenu na wo, eye woatsɔ anyi aƒu kpoe ahaxɔ wo. Emegbe aho adzo abe ahom ene, eye enu ayi; ke amesi tsɔ eƒe ŋusẽ wɔ mawui la, to vo ɖe eya ŋutɔ ɖokui ŋu.”

10. Amekawoe Yehowa akplɔ vɛ?

10 Nyagblɔɖi si nye nuxlɔ̃ame ka gbegbee nye si wònye tso Dziƒoʋĩtɔ la gbɔ! Yehowa akplɔ Kaldeatɔ siwo nye Babilon-dukɔ nyanyrã la vɛ. Ne woho to ‘anyigba ƒe kekeme la,’ woaxɔ teƒe geɖe. Aleke gbegbe wòdzi ŋɔe nye si! “Ŋɔdzi kple vɔvɔ̃” le Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔa ŋu, elolo eye wòna dzidzi ƒoa ame. Eya ŋutɔ dea se sesẽwo. ‘Eya ŋutɔ gbɔe eƒe sedede tsona.’

11. Aleke nàɖɔ Babilon-ʋakɔ siwo ava dze Yuda dzi lae?

11 Babilontɔwo ƒe sɔwo ɖea abla wu lãkle siwo ƒua du sesĩe. Woƒe sɔdolawo wɔa adã wu amegãxi dɔwuitɔ siwo le ade dam le zã me. ‘Eƒe sɔwo le afɔ tum anyi’ le didim vevie be yewoaho. Wotso keke Babilon ke ɖo ta Yuda. Kaldeatɔwo le dzodzom abe hɔ̃e le du dzi ɖe nuɖuɖu ŋu ene eye woadze nusi minyãm wole la dzi kpuie. Gake ɖe esia anye ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe amedzidzedze si asrafo ʋɛ aɖewo ko awɔa? Gbeɖe! “Wo katã wova ɖe ŋutasesẽ ŋu,” eye wonye aʋakɔ gã aɖe si lɔ hoo yina nu gblẽ ge. Woɖo mo vevi, woɖo ta ɣedzeƒe gome yina Yuda kple Yerusalem, eye woƒe afɔ le tsɔtsɔm abe ɣedzeƒe ya ene. Babilon-ʋakɔwo ɖe ame gbogbo aɖewo ɖe nu wozu gamemewo ale gbegbe be “woƒo aboyomewo nu ƒu abe ke ene.”

12. Aleke Babilontɔwo awɔ nui, eye nuka mee futɔ sẽŋu sia “aɖi fɔ” le?

12 Kaldeatɔwo ƒe aʋakɔwo ɖea alɔme le fiawo ŋu eye wokoa amegãwo, amesiwo katã si ŋusẽ aɖeke mele woatsɔ axe mɔ na woƒe ablaɖeɖe la o. ‘Mɔ sesẽ ɖesiaɖe nye fefenu na wo,’ elabena Babilontɔwo xɔa mɔ ɖesiaɖe ne wotsɔ ‘anyi ƒu kpo’ si dzi woanɔ adze edzi. Le Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, futɔ dziŋɔ la “aho adzo abe ahom ene.” Ne edze Yuda kple Yerusalem dzi la, ‘aɖi fɔ’ le esi wòawɔ nuvevi Mawu ƒe amewo ta. Ne Kaldeatɔwo ɖu aʋa dzi alɔtsɔtsɔe vɔ la, woƒe aʋafia agblɔ dadatɔe be: ‘Mía mawu ƒe ŋusẽ mee esia tso.’ Gake aleke gbegbe woda ƒui enye si!

Nu Vevi si Dzi Woatu Mɔkpɔkpɔ Ðo

13. Nukatae mɔkpɔkpɔ kple kakaɖedzi ɖo Xabakuk me?

13 Esi Xabakuk va se Yehowa ƒe tameɖoɖowo me nyuie wu la, eƒe mɔkpɔkpɔ dzi ɖe edzi. Kakaɖedzi yɔe fũ wòƒo nu kafu Yehowa. Nyagblɔɖila la gblɔ le Xabakuk 1:12 be: “Yehowa, nye Mawu, nye kɔkɔetɔ, ɖe menye wòe li tso blema ke oa? [Mèle] kuku ge o.” Nyateƒee, Yehowa nye Mawu “tso mavɔ me yi mavɔ me”—si fia be eli tegbee.—Psalmo 90:1, 2.

14. Nuka wɔm Yudatɔ siwo gbe xɔse la nɔ?

14 Esi nyagblɔɖila la nɔ ŋutega si Mawu nɛ ŋu bum henɔ dzidzɔ kpɔm ɖe gɔmesese si wòna wòsu esi ŋu la, egblɔ kpee be: “Yehowa, wòe ɖoe na ʋɔnudɔdrɔ̃, wò agakpe, wòe ɖoe na tohehe.” Mawu drɔ̃ fɔbuʋɔnu Yuda si gbe xɔse la eye wodze na Yehowa ƒe mokaka kple tohehe sesẽ. Ðe wòle be woabu eyama be enye yewoƒe Agakpe, mɔ sesẽ, sitsoƒe, kple xɔxɔ Tsoƒe ɖeka kolia hafi. (Psalmo 62:8; 94:22; 95:1) Ke hã Yudatɔwo ƒe kplɔla xɔsegbelawo mete ɖe Mawu ŋu o, eye woyi edzi te Yehowa subɔla wɔnamanɔŋutɔwo ɖe to.

15. Susu ka nue Yehowa ƒe ‘ŋkuwo dza ale gbegbe be mate ŋu akpɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ o’?

15 Nɔnɔme sia do nuxaxa na Yehowa ƒe nyagblɔɖila la vevie. Eyata egblɔ be: “Wò amesi ƒe ŋkuwo dza, be màte ŋu akpɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ o, eye màte ŋu alé ŋku ɖe hiãkame ŋu o.” (Xabakuk 1:13) Ẽ, Yehowa ƒe ‘ŋkuwo dza ale gbegbe be mate ŋu akpɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ o,’ si fia be mazi kpi akpɔ nugbegblẽwɔwɔ o.

16. Aleke nàƒo nu tso Xabakuk 1:13-17 me nyawo ŋu kpuie?

16 Eyata biabia aɖewo siwo na wobua tame nɔ susu me na Xabakuk. Ebia be: “Nukaŋuti nèle ame tovo kpɔm kple ŋku, eye nèzi kpi, ne ame vɔ̃ɖi mi amesi nye ame dzɔdzɔe wui la? Èwɔ amegbetɔ abe ƒumelã ene, abe nutata, siwo nu aƒetɔ aɖeke mele o la ene. Etsɔ ƒu he wo katã ɖe go, eɖe wo kple eƒe ɖɔ, eye wòlɔ wo trɔ ɖe eƒe aguɖɔe me. Eyata wòle dzidzɔ kpɔm le aseye tsom ɖo. Eyata wòsa vɔ na eƒe ɖɔ, eye wòdo dzudzɔ na eƒe aguɖɔe; elabena woawoe na eƒe gome da ami, eye eƒe nuɖuɖu sɔ gbɔ fũ. Ðe wòanɔ eƒe ɖɔ kam, eye wòanɔ dukɔwo wuwu dzi ɖaa nublanui makpɔmakpɔea?”—Xabakuk 1:13-17.

17. (a) Aleke Babilontɔwo anɔ Mawu ƒe tameɖoɖo dzi wɔmee ne wodze Yuda kple Yerusalem dzi? (b) Nukae Yehowa aɖe afia Xabakuk?

17 Ne Babilontɔwo dze Yuda kple eƒe fiadu, Yerusalem dzi la, woawɔ nu alesi dze wo ŋu. Womanya be ɖe Mawu le yewo zãm be yeadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe eƒe ame mawɔnuteƒewo o. Ele bɔbɔe be míakpɔ nusita wòsesẽ na Xabakuk be wòase egɔme be Mawu azã Babilontɔ siwo nye ame vɔ̃ɖiwo atsɔ adrɔ̃ Eƒe ʋɔnui. Kaldeatɔ ŋutasẽla mawo menye Yehowa subɔlawo o. Wobua amegbetɔwo be wonye ‘tɔmelã kple nutata’ siwo woalé ate ɖe anyi. Gake nya siawo matɔtɔ Xabakuk eteƒe nadidi o. Eteƒe madidi o Yehowa aɖee fia eƒe nyagblɔɖila la be Babilontɔwo matsi tomahemahe ɖe nuwo haha ŋukeklẽtɔe kple woƒe ʋukɔkɔɖi yakatsyɔ la ta o.—Xabakuk 2:8.

Ele Klalo Hena Yehowa ƒe Nya Bubuwo Sese

18. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso Xabakuk ƒe nɔnɔme me, abe alesi wòdze le Xabakuk 2:1 ene?

18 Gake azɔ la, Xabakuk le lalam be yease nya bubu siwo Yehowa agagblɔ nɛ. Nyagblɔɖila la gblɔ be: “Mayi nye dzɔƒe, eye matsi tre ɖe xɔta, ne matsa ŋu akpɔ nya, si wòle gbɔgblɔ ge nam, kple nya, si tsɔ ge wòala aɖo nye nyahehe ŋu nam.” (Xabakuk 2:1) Xabakuk di vevie ŋutɔ be yease nya si Mawu agagblɔ to ye amesi nye nyagblɔɖila dzi. Esi wòxɔ Yehowa dzi se be enye Mawu si meɖea mɔ ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu o ta la, ewɔ nuku nɛ be nuvɔ̃ɖiwɔwɔ gale edzi yim, gake elɔ̃ faa be woaɖɔ yeƒe nukpɔsusu ɖo. Ke míawo hã ɖe? Ne ewɔ mo yaa na mí be woɖe mɔ nu vɔ̃ɖi aɖewo yia edzi la, ele be alesi míeka ɖe Yehowa Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye dzi nakpe ɖe mía ŋu míada asɔ eye míakpɔ esinu.—Psalmo 42:6, 12.

19. Le Mawu ƒe nya si wògblɔ na Xabakuk nu la, nukae dzɔ ɖe Yudatɔ dzeaglãwo dzi?

19 Mawu ƒe nya si wògblɔ na Xabakuk la va eme ale be edrɔ̃ ʋɔnu Yuda-dukɔ dzeaglã la esi wòɖe mɔ Babilontɔwo va dze Yuda dzi. Le ƒe 607 D.M.Ŋ. me la, wotsrɔ̃ Yerusalem kple gbedoxɔa, wowu ame tsitsiwo kple ɖeviwo siaa, eye wokplɔ ame geɖe yi aboyo mee. (Kronika II, 36:17-20) Esi Yudatɔwo nɔ aboyo me ɣeyiɣi didi aɖe le Babilon megbe la, wo dometɔ susɔe siwo nye nuteƒewɔlawo trɔ yi wo denyigba dzi eye wogbugbɔ gbedoxɔa tu mlɔeba. Gake emegbe Yudatɔwo megava wɔ nuteƒe na Yehowa o—vevietɔ esime wogbe Yesu si nye Mesia la.

20. Aleke Paulo zã Xabakuk 1:5 tsɔ ku ɖe Yesu gbegbe ŋui?

20 Le Dɔwɔwɔwo 13:38-41 la, apostolo Paulo ɖe nusi Yesu gbegbe kple afɔkpotutu eƒe tafevɔsa nye la fia Yudatɔ siwo nɔ Antioxia. Paulo yɔ nya siwo le Xabakuk 1:5 tso Helagbe me Septuagint gɔmeɖeɖea me tsɔ xlɔ̃ nu be: “Mikpɔ nyuie, bena nusi wogblɔ ɖi le nyagblɔɖilawo me la, nagava mia dzi o: ‘Mikpɔ ɖa, mi vlodolawo, eye miaƒe mo nawɔ yaa, eye mitsrɔ̃; elabena nye la mele dɔ aɖe wɔm le miaƒe ŋkekeawo me, dɔ, si ne ame aɖe axlẽe afia mi la, miele exɔ ge ase o.’” Edzɔ abe alesi nya siwo Paulo yɔ ɖee fia ene ale be Xabakuk 1:5 va eme zi evelia esime Roma-ʋakɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa le ƒe 70 M.Ŋ. me.

21. Aleke Yudatɔ siwo nɔ anyi le Xabakuk ƒe ŋkekea me bu Mawu ƒe “dɔ” si nye alesi wòana Babilontɔwo nava tsrɔ̃ Yerusalem lae?

21 Yudatɔ siwo nɔ anyi le Xabakuk ƒe ŋkekea me mete ŋu xɔ “dɔ” si Mawu awɔ si nye alesi wòana Babilontɔwo nava tsrɔ̃ Yerusalem la dzi se o elabena dugã mae nye Yehowa ƒe tadeagunɔƒe vevitɔ kple afisi fia siwo wòsi ami na nɔa fiazikpui dzi le. (Psalmo 132:11-18) Esi wòle alea ta la, wometsrɔ̃ Yerusalem kpɔ o. Wometɔ dzo eƒe gbedoxɔ kpɔ o. Womexɔ ŋusẽ le Dawid ƒe fiaƒomea si kpɔ o. Esesẽ be woaxɔe ase be Yehowa aɖe mɔ nusiawo nadzɔ. Gake Mawu to Xabakuk dzi xlɔ̃ nu eme kɔ ƒã be nu dovoɖiname siawo adzɔ. Eye ŋutinya ɖee fia be wova eme abe alesi wogblɔe ɖi ene.

Mawu ƒe “Dɔ” si Womaxɔ Ase O le Míaƒe Ŋkekea Me

22. Nukae Yehowa ƒe “dɔ” si womaxɔ ase o la anye le míaƒe ŋkekea me?

22 Ðe Yehowa awɔ “dɔ” si womaxɔ ase o le míaƒe ŋkekea mea? Kakaɖedzi nenɔ asiwò be awɔe, togbɔ be edzi manya xɔ ase na ɖikelawo o hã. Fifia ya Yehowa ƒe dɔ si womaxɔ ase o anye Kristodukɔa tsɔtsrɔ̃. Wogblɔna be yewole Mawu subɔm gake wogblẽ keŋkeŋ abe blema Yuda ene. Yehowa akpɔ egbɔ be woɖe Kristodukɔa ƒe mawusubɔsubɔ nuɖoanyia ƒe akpa ɖesiaɖe ɖa kpuie, abe alesi wòadzɔ ɖe “Babilon gã” bliboa, si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒea katã dzii ene.—Nyaɖeɖefia 18:1-24.

23. Nukae Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Xabakuk be wòawɔ azɔ?

23 Dɔ geɖe nɔ Yehowa si na Xabakuk be wòawɔ do ŋgɔ na Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. Nya kae gale Mawu si wòagblɔ na eƒe nyagblɔɖila la? Xabakuk le nyawo se ge wòaʋãe be wòatsɔ eƒe haƒonu adzi konyifaha si nye gbedodoɖa na Yehowa. Gake gbã la, Mawu ƒe gbɔgbɔ aʋã nyagblɔɖila la wòaɖe gbeƒã xaxa blefulãmewo. Adzɔ dzi na mí godoo be míase Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia ŋuti nyagblɔɖinya goglo siawo gɔme. Mina míagalé ŋku ɖe Xabakuk ƒe nyagblɔɖiawo ŋu.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nɔnɔme kawoe nɔ Yuda le Xabakuk ƒe ŋkekea me?

• ‘Nukae’ Yehowa wɔ le Xabakuk ƒe ŋkekea me si womexɔ se o?

• Nukae na mɔkpɔkpɔ Xabakuk?

• “Dɔ” si womaxɔ ase o kae Mawu awɔ le míaƒe ŋkekea me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Xabakuk bu nusita Mawu ɖe mɔ vɔ̃ɖinyenye nɔ edzi yim ŋu. Wò hã èbua eŋua?

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Xabakuk gblɔe ɖi be Babilontɔwo ahe tsɔtsrɔ̃ ava Yuda dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Yerusalem tsɔtsrɔ̃ le ƒe 607 D.M.Ŋ. si ŋu tomenukulawo ke ɖo