Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Mahe Ðe Megbe O

Yehowa Mahe Ðe Megbe O

Yehowa Mahe Ðe Megbe O

“Ne [ŋutega la tsi] megbe la, kpɔ esinu; elabena ele vava ge kokoko, eye mahe ɖe megbe o.”—XABAKUK 2:3.

1. Tameɖoɖo kplikpaa kae Yehowa ƒe amewo ɖe fia, eye nukae esia ʋã wo wowɔ?

“MAYI edzi atsi tre ɖe nye dzɔƒe.” Nenemae Mawu ƒe nyagblɔɖila Xabakuk ɖo be yeawɔ. (Xabakuk 2:1) Yehowa ƒe ame siwo le ƒe alafa 20 lia sia me ɖe tameɖoɖo kplikpaa ma ke fia. Eyata wotsɔ dzonɔameme wɔ ɖe yɔyɔ sia si ɖi le takpekpe ɖedzesi si wowɔ le September 1922 me la dzi be: “Ŋkeke sia ƒo ɖesiaɖe ta. Mikpɔ ɖa, Fia la le dzi ɖum! Miawoe nye eƒe gbeƒãɖelawo. Eyata miɖe gbeƒã, miɖe gbeƒã, miɖe gbeƒã Fia la kple eƒe fiaɖuƒe la.”

2. Esime wogaɖo Kristotɔ amesiaminawo te be woawɔ dɔ kple ŋkubiã le Xexemeʋa I megbe la, nya kae wote ŋu gblɔ?

2 Le Xexemeʋa I megbe la, Yehowa gaɖo amesiamina susɔeawo te be woawɔ dɔ kple ŋkubiã. Abe Xabakuk ene la, wo dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu agblɔ azɔ be: “Matsi tre ɖe xɔta, ne matsa ŋu akpɔ nya, si wòle gbɔgblɔ ge nam, kple nya, si tsɔ ge wòala aɖo nye nyahehe ŋu nam.” Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be ‘tsa ŋu’ kple ‘ŋudzɔnɔnɔ’ la dze le nyagblɔɖi geɖe me.

“Mahe Ðe Megbe O”

3. Nukatae wòle be míanɔ ŋudzɔ?

3 Esi Yehowa Ðasefowo le Mawu ƒe nuxlɔ̃mea gblɔm na amewo egbea la, ele be woanɔ ŋudzɔ ɣesiaɣi awɔ ɖe nya si Yesu gblɔ tsɔ ƒo eƒe nyagblɔɖi gã la ta dzi be: “Azɔ la minɔ ŋudzɔ. Elabena mienya ɣekaɣi dzi Aƒetɔ la le vava ge o, eɖanye fiẽ alo zã titina alo koklo kuatɔ alo ŋdi o, bena ne eƒe vava ɖi ɖe mi la, ne megakpɔ mi le alɔ̃ me o. Ke nusi gblɔm mele na mi la, mele egblɔm na amewo katã bena: Minɔ ŋudzɔ!” (Marko 13:35-37) Le ɖekawɔwɔ me kple Yesu ƒe nyawo la, ele be míanɔ ŋudzɔ abe Xabakuk ene!

4. Aleke míaƒe nɔnɔmea sɔ kple Xabakuk tɔ le ƒe 628 D.M.Ŋ lɔƒo?

4 Anɔ eme be Xabakuk ŋlɔ eƒe nyagblɔɖia le ƒe 628 D.M.Ŋ. lɔƒo, hafi Babilon va zu xexemefiaɖuƒe si kpɔ ŋusẽ gɔ̃ hã. Wogblɔ ʋɔnu si Yehowa ava drɔ̃ Yerusalem si gbe xɔse la ƒe geɖe. Ke hã naneke meli si fia ɣeyiɣi si tututu woadrɔ̃ ʋɔnu ma o. Amekae axɔe se be esusɔ ƒe 21 ko ne Babilon nazu Yehowa ƒe ametsrɔ̃la? Nenema ke egbea hã míenya ‘ŋkekea alo gaƒoƒo,’ si woɖo na nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu o, gake Yesu xlɔ̃ nu mí do ŋgɔ be: “Miawo hã misu te; elabena Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo, si ŋuti miebu o la me.”—Mateo 24:36, 44.

5. Nukae dea dzi ƒo na ame wu le Mawu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Xabakuk 2:2, 3 me?

5 Le susu nyui aɖe ta la, Yehowa de dɔ dodzidzɔname sia asi na Xabakuk be: “Ŋlɔ ŋutega la ɖi, eye naɖee ɖe kpe dzi, be wòanya xlẽ bɔbɔe. Elabena azãgbe li na ŋutega la, eƒe nuwuwu le aƒe tum, eye maflu ame o; ke ne etsi megbe la, kpɔ esinu; elabena ele vava ge kokoko, eye mahe ɖe megbe o.” (Xabakuk 2:2, 3) Egbea vɔ̃ɖinyenye kple ŋutasẽnuwɔwɔ dzi ɖe edzi le anyigba ƒe afisiafi, si fia be míeɖo “Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ” la ƒe agbo nu tututu. (Yoel 3:4) Kakaɖedzinya si Yehowa ŋutɔ gblɔ la dea dzi ƒo na mí ŋutɔ, ebe: “Mahe ɖe megbe o”!

6. Aleke míawɔ atsi agbe le ʋɔnudrɔ̃gbe si gbɔna me?

6 Ekema aleke míawɔ atsi agbe le ʋɔnudrɔ̃ŋkeke ma dzi? Yehowa ɖo eŋu hede vovototo ame dzɔdzɔe kple ame madzɔmadzɔwo dome be: “Kpɔ ɖa, eƒe luʋɔ vu gblotoo, eye meto mɔ ɖeka le eme o; ke ame dzɔdzɔe ya anɔ agbe to eƒe xɔse me.” (Xabakuk 2:4) Dziɖula kple ame bubu siwo nye dadalawo kple ŋuklẽlawo kɔ ame maɖifɔ miliɔn geɖe ƒe ʋu ɖi tsɔ gblẽ egbegbeŋutinya me, vevietɔ le xexemeʋa eveawo kple towo dome ʋa siwo me wowua ame gbogbowo le me. Gake Mawu ƒe ame siwo lɔ̃a ŋutifafa ya do dzi le nuteƒewɔwɔ me. Wonye “dukɔ dzɔdzɔe, si dzraa nyateƒe ɖo.” Dukɔ sia kple eƒe zɔhɛ ‘alẽha bubua’ me tɔwo wɔna ɖe nuxlɔ̃amenya sia dzi be: “Miɖo dzi ɖe Yehowa ŋu ɖaa, elabena Yehowa, ẽ, Yehowa enye agakpe tegbee.”—Yesaya 26:2-4; Yohanes 10:16.

7. Le nuwɔwɔ wòasɔ ɖe alesi Paulo zã Xabakuk 2:4 me nyawoe nu la, nukae wòle be míawɔ?

7 Esi apostolo Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na Hebri Kristotɔwo la, eyɔ nya tso Xabakuk 2:4 hegblɔ na Yehowa ƒe amewo be: “Dzidodo hiã mi, bena ne miewɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, miaxɔ ŋugbedodo la. ‘Elabena esusɔ ʋee ko, tete amesi gbɔna la, nava, eye mahe ɖe megbe o; ke ame dzɔdzɔe la anɔ agbe atso xɔse me, eye ne egbugbɔ ɖe megbe la, luʋɔnye makpɔ ŋudzedze nyui le eŋuti o.’ ” (Hebritɔwo 10:36-38) Menye fifiae míawɔ alɔgblɔlɔ alo míana Satana ƒe xexea ƒe ŋutilãmenudidi kple vivisese yomenɔnɔ nazu mɔ̃ aɖe mí o. Nukae wòle be míawɔ hafi ‘ɣeyiɣi sue’ ma navɔ? Ele be mí Yehowa ƒe dukɔ kɔkɔe la me tɔwo míanɔ abe Paulo ene, ‘aminyã nusiwo le mía ŋgɔ ahati agbe mavɔ ƒe dzesiɖoƒe la yome.’ (Filipitɔwo 3:13, 14) Eye abe alesi Yesu wɔ ene la, ele be ‘míado dzi le dzidzɔ si woɖo ɖi na mí la ta.’—Hebritɔwo 12:2.

8. Amekae nye “ŋutsu” si ƒe nya wogblɔ le Xabakuk 2:5, eye nukatae makpɔ dzidzedze o?

8 Xabakuk 2:5 ƒo nu tso “ŋutsu” si to vovo na Yehowa subɔlawo, si mete ŋu ɖo eƒe taɖodzinu gbɔ o, togbɔ be ‘eke eƒe nu abe tsiẽƒe ene’ hã ŋu. Amekae nye ŋutsu sia si ‘nu meɖia ƒo na o’? Abe alesi Babilon si xɔ anyigba geɖe le Xabakuk ƒe ɣeyiɣia me nɔ ene la, egbea “ŋutsu” ƒokpli siae nye dunyaheŋusẽ siwo wɔa aʋa tsɔ kekea woƒe anyigbawo ɖe enu—eɖanye Fasi, Nazi, Kɔmiunist, alo esiwo woyɔna be demokrasi tɔwo o. Etsɔ ame maɖifɔwo ƒe luʋɔwo hã le Tsiẽƒe, alo yɔdo me, yɔmee. Gake Satana ƒe xexea ƒe “ŋutsu” ƒokpli vɔ̃ɖi sia si ka ɖe eɖokui dzi kakaka la mekpɔ dzidzedze le agbagba si wòdze be ‘yeaƒo dukɔwo katã nu ƒu alɔ amewo aƒo ƒu ɖe eɖokui gbɔ’ la me o. Yehowa Mawu ɖeka koe ate ŋu ana ameƒomea katã nawɔ ɖeka, eye ato Mesia Fiaɖuƒea dzi awɔ esia.—Mateo 6:9, 10.

Babadonamenya Dziŋɔ Atɔ̃awo Dometɔ Gbãtɔ

9, 10. (a) Nya kae Yehowa yi edzi ɖe gbeƒãe to Xabakuk dzi? (b) Aleke nɔnɔmea le egbea le viɖe ƒoɖi didi gome?

9 Yehowa to eƒe nyagblɔɖila Xabakuk dzi gblɔ babadonamenya atɔ̃ tre ɖe enu, siwo nye ʋɔnu si woadrɔ̃ amewo atsɔ adzra anyigba dzi ɖo na Mawu subɔla nuteƒewɔlawo be woanɔ edzi. Dzi dzɔdzɔetɔ siawo ‘do hamelo’ si tso Yehowa gbɔ. Míexlẽ le Xabakuk 2:6 be: “Baba na amesi ƒo nu geɖe ƒu, hafi menye etɔ o, eye wòtsɔ awɔbanu do agba na eɖokui la. . . . Ɣekaɣi wòanɔ anyi ase ɖo?”

10 Viɖe ƒoɖi dzie wohe susu yii le afisia. Le xexe si me míele me la, kesinɔtɔwo kpɔa ho ɖe edzi, eye ame dahewo hã daa ahe ɖe edzi. Atikevɔ̃ɖidzralawo kple ametafalawo li kɔ kesinɔnuwo ɖi gleglegle, esime dɔ le ame tsɛwo wum. Wogblɔ be ne woma xexemenɔlawo ɖe akpa ene me la, akpa ɖeka ƒe ahedada gbɔ eme. Nɔnɔme siwo me amewo le le dukɔ geɖe me menya kpɔ kura o. Amesiwo di be dzɔdzɔenyenye naxɔ anyigba dzi la le ɣli dom be: Nu vlo siawo le edzi yim ‘eteƒe didi’ lo! Ke hã nuwuwua ɖo vɔ! Le nyateƒe me la, ŋutega la me vava “mahe ɖe megbe o.”

11. Nya kae Xabakuk gblɔ le amewo ƒe ʋukɔkɔɖi ŋu, eye nukatae míate ŋu agblɔ be ʋukɔkɔɖi sɔ gbɔ le anyigba dzi egbea?

11 Nyagblɔɖila la gblɔ na ame vɔ̃ɖiwo be: “Elabena esi nèha dukɔ geɖewo la, eyata dukɔwo ƒe susɔeawo katã aha wò le ameʋu, si nèkɔ ɖe anyi, kple ŋuta, si nèsẽ le anyigba kple du la kpakple emenɔlawo katã ŋu la ta.” (Xabakuk 2:8) Ʋukɔkɔɖi ka gbegbee nye si míekpɔna le anyigba dzi egbea! Yesu gblɔe eme kɔ ƒã be: “Amesiwo katã dia yi la, yi kee woatsɔ awu woe.” (Mateo 26:52) Ke hã le ƒe alafa 20 lia sia ɖeɖeko me la, dukɔ kple gbeɖekadola siwo lɔ̃a ʋukɔkɔɖi la wu amegbetɔ siwo sɔ gbɔ wu miliɔn alafa ɖeka. Baba na amesiwo kpɔa gome le ame gbogbowo wuwu alea me!

Babadonamenya Evelia

12. Babadonamenya evelia kae Xabakuk ŋlɔ, eye aleke míawɔ aka ɖe edzi be viɖe ƒoɖiwo maɖe vi aɖeke o?

12 Babadonamenya evelia si woŋlɔ ɖe Xabakuk 2:9-11, la yi na “amesi tafaa ame na eƒe aƒe, ne wòawɔ atɔ ɖe dziƒo ʋĩ, be wòasi le dzɔgbevɔ̃e nu la!” Viɖekpɔkpɔ to mɔ fitifitiwo dzi azu dzodzro, abe alesi hakpala la na eme kɔe ene be: “Ne ame aɖe zu kesinɔtɔ, eye eƒe aƒe ƒe bubu dzi ɖe dzi la, megavɔ̃ o! Elabena ne eku la, matsɔ nusiawo katã dometɔ aɖeke aɖo asi o, eye eƒe bubu makplɔe ɖo o.” (Psalmo 49:17, 18) Eyata ele be míade dzesi Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia be: “De se na xexe sia me kesinɔtɔwo bena, woagado wo ɖokui ɖe dzi glodzo o, eye womagatsɔ woƒe mɔkpɔkpɔ aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti dɔ la dzi.”—Timoteo I, 6:17.

13. Nukatae wòle be míayi edzi agblɔ Mawu ƒe nuxlɔ̃amenyawo?

13 Aleke gbegbe wòle vevie be míaɖe gbeƒã Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃gbedasiwo egbea enye si! Esi amehaawo nɔ Yesu kafum be enye ‘fia, si gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me’ eye Farisitɔwo gbe nya na wo la, egblɔ na wo be: “Mele egblɔm na mi bena: Ne amesiawo zi kpi la, kpewo ado ɣli.” (Luka 19:38, 40) Nenema ke ne ɖe Mawu ƒe amewo agbe nukoklo le xexeame ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ŋu la, “kpewo axlɔ̃ le gli me.” (Xabakuk 2:11) Eyata mina míayi edzi agblɔ Mawu ƒe nuxlɔ̃amenyawo dzinɔameƒotɔe!

Babadonamenya Etɔ̃lia

Kple Ʋukɔkɔɖi ƒe Nya La

14. Ʋukɔkɔɖi ka ƒe fɔe xexeame subɔsubɔhawo ɖi?

14 Babadonamenya etɔ̃lia si woɖe gbeƒãe to Xabakuk dzi la ku ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu. Xabakuk 2:12 gblɔ be: “Baba na amesi tsɔ ʋu tso dui, eye wòtsɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ tu mɔ̃e!” Le nuɖoanyi sia me la, numadzɔmadzɔwɔwɔ kple ʋukɔkɔɖie zɔna zi geɖe. Vevietɔ xexeme subɔsubɔhawoe kɔ ʋu ɖi wòdzi ŋɔ wu le ŋutinya me. Míate ŋu ayɔ Atitsogaʋa siwo na amesiwo woyɔ be Kristotɔwo kpe ŋgo kple Moslemtɔwo; Katolikotɔwo ƒe Ŋutasẽʋɔnudɔdrɔ̃ le Spain kple Latin Amerika; Ƒe Blaetɔ̃ Ʋa si Protestanttɔwo kple Katolikotɔwo wɔ le Europa; kple xexemeʋa eve siwo wowɔ le ƒe alafa sia me si me wokɔ ʋu ɖi le wu ɖesiaɖe, eye Kristodukɔa mee ɖesiaɖe dze egɔme tsoe.

15. (a) Nukae dukɔawo yi edzi le wɔwɔm si sɔlehawo da megbe na alo lɔ̃ ɖe edzi? (b) Ðe Dukɔ Ƒoƒuawo ate ŋu atɔ te aʋawɔnuwo wɔwɔ le xexeamea?

15 Nu vɔ̃ɖitɔ kekeake siwo dzɔ le xexemeʋa evelia me dometɔ ɖekae nye Nazitɔwo ƒe Ametsɔtsrɔ̃ gã si me wowu Yudatɔwo kple ame maɖifɔ bubu miliɔn geɖe le le Europa. Nyitsɔ laa koe Roma Katoliko-ha la ƒe osɔfoha si le France ʋu eme be yewomete ŋu tsi tre ɖe ame akpe alafawo kpɔkplɔ yi Nazitɔwo ƒe amewuƒewo la ŋu o. Ke hã dukɔwo yi edzi le dzadzram ɖo ɖe ʋukɔkɔɖi ŋu, eye sɔlemehawo doa alɔ wo alo lɔ̃na ɖe edzi. Esi Time si nye dukɔwo dome magazine, nɔ nu ƒom tso Russia Orthodɔks Sɔlemehaa ŋu nyitsɔ laa la, egblɔ be: “Sɔlemeha si me agbe gaɖo la kpɔ ŋusẽ ɖe akpa aɖe si ame aɖeke mabui ɖe eŋu tsã o hã dzi: eyae nye Russiatɔwo ƒe aʋawɔnuwo me. . . . Aʋawɔyameʋuwo kple asrafonɔƒewo yayra va zu nusi wowɔna ɖaa kloe. Le November me la, sɔlemeha la wɔ nusi yi ŋgɔ wu hekɔ Russia nukliaʋawɔnuwo dzraɖoƒea gɔ̃ hã ŋu le Moscow ƒe Danilovsky Saɖagaxɔ si nye Russia Sɔlememegãwo nɔƒe la me.” Ðe Dukɔ Ƒoƒuawo ate ŋu atsi aʋawɔnu vlo siwo wogale kɔ lim ɖi le xexe sia me nua? Ao, womate ŋui o! Nobel Ŋutifafa Nunanaxɔla aɖe gblɔ le Guardian nyadzɔdzɔgbalẽ si wotana le London, England, me be: “Nusi tɔtɔa ame ŋutɔe nye be dukɔ atɔ̃ siwo wotia be woanye Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dedienɔnɔ Dzikpɔha la kee nye dukɔ atɔ̃ siwo dzraa aʋawɔnuwo wu le xexeame.”

16. Nukae Yehowa awɔ dukɔ siwo nye aʋadzredɔlawo?

16 Ðe Yehowa adrɔ̃ ʋɔnu dukɔ aʋadzredɔlawoa? Xabakuk 2:13 gblɔ be: “Kpɔ ɖa, ɖe menye [aʋakɔwo ƒe Yehowa, NW] gbɔ wòtso be, dukɔwo nadze agbagba hena dzo, eye anyigba dzi dukɔwo naku kutri yakatsyɔ oa?” “Aʋakɔwo ƒe Yehowa”! Ẽ, mawudɔlawo ƒe aʋakɔwo le Yehowa si le dziƒo, amesiwo wòazã atsɔ aɖe amewo kple dukɔ siwo lɔ̃a aʋawɔwɔ ɖa!

17. Ne Yehowa drɔ̃ ʋɔnu dukɔ ŋutasẽnuwɔlawo vɔ la, afikae sidzedze Yehowa axɔ anyigba dzi ase ɖo?

17 Ne Yehowa drɔ̃ ʋɔnu dukɔ ŋutasẽnuwɔlawo vɔ la, nukae akplɔe ɖo? Xabakuk 2:14 ɖo eŋu be: “Sidzedze Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba dzi taŋ, abe alesi tsi yɔ atsiaƒui ene.” Mɔkpɔkpɔ wɔnuku ka gbegbee nye si! Le Harmagedon-ʋaa me la, woaʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta tegbee. (Nyaɖeɖefia 16:16) Ena kakaɖedzi mí be, ‘yeakɔ yeƒe afɔ nɔƒe,’ si nye anyigba sia si dzi míele la ‘ŋu.’ (Yesaya 60:13) Woafia nu ameƒomea katã woanya Mawu ƒe agbemɔ, ale be woƒe sidzedze Yehowa ƒe tameɖoɖo kɔkɔewo anɔ abe alesi tsi yɔ atsiaƒui ene.

Babadonamenya Enelia Kple Atɔ̃lia

18. Nukae nye babadonamenya enelia si woɖe gbeƒãe to Xabakuk dzi, eye aleke wòdzena le alesi wonɔa agbe le xexeame egbea mee?

18 Woƒo nu tso baba enelia si wodo ŋu le Xabakuk 2:15 be: “Baba na amesi na nu ehavi wòno, eye wòku dziku nɛ wòno mu, be yeakpɔ eƒe ama!” Nya sia ku ɖe alesi egbegbe xexea ƒe agbenɔnɔ vlo wògbɔ emee ŋu. Eƒe agbegbegblẽnɔnɔ si dzi subɔsubɔha siwo ɖea mɔ ɖe nu ŋu da asi ɖo la do fievo ɖe edzi. Dɔvɔ̃ siwo dometɔ aɖee nye AIDS kple nulɔdɔ bubuwo le ta kekem le anyigba dzi katã. Le esi teƒe be amewo naɖe “Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe” afia la, dzidzime si li egbea si si tɔnye ko nenyo ƒe nɔnɔme le la le gbegblẽm ɖe edzi eye woɖo ta Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ gbɔ. Esi “ŋukpe [ye ɖi] ƒo na” xexe dzeaglã sia “[ke] menye bubu o” ta la, esusɔ vie ko ne wòano nu le Yehowa ƒe dɔmedzoekplu si nye eƒe lɔlɔ̃nu na wo la nu. ‘Eƒe bubu aɖi gbɔ.’—Xabakuk 2:16.

19. Nuka ŋue nya si wogblɔ do ŋgɔ na babadonamenya atɔ̃lia si Xabakuk ɖe gbeƒãe la ku ɖo, eye nukatae nya mawo le vevie le egbeŋkekea me?

19 Nya si wogblɔ do ŋgɔ na baba atɔ̃lia dodo la xlɔ̃ nu vevie le tadedeagu na legbawo ŋu. Yehowa na nyagblɔɖila la ɖe gbeƒã nya sẽŋu siawo be: “Baba na amesi le gbɔgblɔm na ati be: Nyɔ! eye na kpe maƒonu be: Fɔ! Ðe wòate ŋu afia nu amea? Kpɔ ɖa, sika kple klosalo wotsɔ fa ɖe eŋu, eye gbɔgbɔ ku ɖeka hã mele eme o.” (Xabakuk 2:19) Vaseɖe egbegbe la, Kristodukɔa kple amesiwo woyɔna be xexemetɔwo la dea ta agu na woƒe atitsogawo, Ðetugbi Nɔaƒe Maria, nɔnɔmetatawo, kple amegbetɔ kple lãwo ƒe nɔnɔme bubuwo. Nusiawo dometɔ aɖeke mate ŋu anyɔ axɔ na wo subɔlawo ne Yehowa tso be yeadrɔ̃ ʋɔnu wo o. Sika kple klosalo siwo wofa ɖe wo ŋu azu nu gbegblẽ maɖinuwo ne wotsɔe sɔ kple Mawu mavɔ, Yehowa ƒe atsyɔ̃ kple eƒe nuwɔwɔ gbagbewo ƒe ŋutikɔkɔe. Neva eme be míado kɔkɔ eƒe ŋkɔ si ɖeke mesɔ kpli o la tegbee!

20. Gbedoxɔ me ɖoɖo ka mee mɔnukpɔkpɔ su mía si míele subɔsubɔm le dzidzɔtɔe?

20 Ẽ, mía Mawu, Yehowa, dze na kafukafu ɖesiaɖe. Mina míatsɔ bubu deto awɔ ɖe nuxlɔ̃ame vevi sia si ku ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu la dzi. Gake se ɖa! Yehowa gale nu ƒom: “Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me; anyigba blibo la nezi ɖoɖoe le eŋku me.” (Xabakuk 2:20) Ðikeke mele eme o be Yerusalem-gbedoxɔa ye nɔ susu me na nyagblɔɖila la. Gake mɔnukpɔkpɔ su mía si egbea be míade ta agu le gbɔgbɔmegbedoxɔ ƒe ɖoɖo si de ŋgɔ wu sã me, afisi woɖo Aƒetɔ Yesu Kristo wònye Nunɔlagã le. Míekpea ta, míesubɔna, eye míedoa gbe ɖa hedea bubu si dze Yehowa ƒe ŋkɔ nyo la ŋu le gbedoxɔ ma ƒe xɔxɔnu si le anyigba dzi afisia. Eye dzidzɔ kae nye esi míekpɔna le tadedeagu na míaƒe Dziƒofofo lɔlɔ̃tɔ la tso dzi blibo me la me!

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Aleke nèbua Yehowa ƒe nya siawoe be: “Mahe ɖe megbe o”?

• Aleke babadonamenya siwo woɖe gbeƒãe to Xabakuk dzi la ku ɖe egbeŋkekea ŋui?

• Nukatae wòle be míayi edzi aɖe gbeƒã Yehowa ƒe nuxlɔ̃amenyawo?

• Gbedoxɔ ka ƒe xɔxɔnue mɔnukpɔkpɔ su mía si míele subɔsubɔm le?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Abe Xabakuk ene la, Mawu subɔla siwo li egbea nyae be Yehowa mahe ɖe megbe o

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ðe nèkpɔa ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si su asiwò nèle Yehowa subɔm le eƒe gbɔgbɔ me gbedoxɔa ƒe anyigba dzi xɔxɔnu la ŋua?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 16]

U.S. Army photo