Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa Nye Nye Sitsoƒe Kple Ŋusẽ

Yehowa Nye Nye Sitsoƒe Kple Ŋusẽ

Agbemeŋutinya

Yehowa Nye Nye Sitsoƒe Kple Ŋusẽ

ABE ALESI MARCEL FILTEAU GBLƆE ENE

“Ne èɖe ŋutsu ma la, àyi game kokoko.” Nenemae amewo gblɔ na nyɔnu si menɔ ɖoɖo wɔm be maɖe. Mina maɖe nusita wogblɔ nya ma me na mi.

ESIME wodzim le ƒe 1927 me la, Katoliko subɔsubɔhae xɔ aƒe ɖe Canada ƒe nuto si nye Quebec me. Anɔ ƒe ene megbe la, Cécile Dufour, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla dze míaƒe aƒeme vava le dugã si nye Montreal me. Míaƒe aƒelikawo doa ŋɔdzi nɛ zi geɖe le esia ta. Le nyateƒe me la, wolée hewɔ fui zi geɖe le gbeƒãɖeɖe Biblia me gbedasia ta. Eyata medidi o, míedze si Yesu ƒe nya siawo ƒe nyateƒenyenye be: “Dukɔwo katã woalé fu mi le nye ŋkɔ ŋuti.”—Mateo 24:9.

Le ɣeyiɣi mawo me la, ame geɖe susui be manya wɔ be Canadatɔwo ƒe ƒome si doa Fransegbe nado le woƒe Katoliko subɔsubɔ me o. Togbɔ be dzinyelawo meva zu Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo gbeɖe o hã la, medidi o wova kpɔe be Katoliko Sɔlemehaa ƒe nufiafiawo mewɔ ɖeka kple Biblia o. Eyata wode dzi ƒo na wo vi enyiawo be míaxlẽ Ðasefowo ƒe agbalẽwo, eye wokpe asi ɖe mía dometɔ siwo tso nya me be míaxɔ Biblia me nyateƒea ŋu.

Nyametsotso Wɔwɔ le Ɣeyiɣi Sesẽwo Me

Le ƒe 1942 me, esime mekpɔtɔ nɔ suku la, meva dze ŋudzedze kpɔkpɔ ŋutɔŋutɔ ɖe Biblia sɔsrɔ̃ ŋu. Woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le Canada ɣemaɣi le esi wosrɔ̃a Kristotɔ gbãtɔwo ƒe kpɔɖeŋu eye womekpɔa gome le dukɔwo ƒe aʋawo me o ta. (Yesaya 2:4; Mateo 26:52) Wode nɔvinyeŋutsu tsitsitɔ si nye Roland dɔsesẽwɔsaɖa me le esi wògbe be yemakpɔ gome le xexemeʋa si nɔ edzi yim ɣemaɣi me o ta.

Le ɣeyiɣi ma me lɔƒo la, Papa nam Fransegbe me gbalẽ aɖe si ƒo nu tso fu siwo Germany Ðasefowo kpe le esi wogbe be yewomakpe asi ɖe Adolph Hitler ƒe aʋawɔwɔwo ŋu o ta. * Ede dzo lãme nam be mawɔ ɖeka kple nuteƒewɔwɔ dzinɔameƒotɔe ƒe kpɔɖeŋuɖola siawo, eye medze Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe siwo wowɔna le ame aɖe ƒe aƒeme la dede gɔme. Medidi o wokpem be makpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me. Melɔ̃ ɖe amekpekpea dzi, eye menyae nyuie be woate ŋu além ade game ɖe eta.

Esi medo gbe ɖa bia ŋusẽ vɔ megbe la, meƒo ʋɔ gbãtɔ. Nyɔnu lɔ̃ame aɖe do, eye esi meɖe ɖokuinye fiae vɔ megbe la, mexlẽ Timoteo II, 3:16 me nyawo nɛ be: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la [nyo].”

Mebiae be: “Àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso Biblia mea?”

Eɖo eŋu be: “Ẽ.”

Eyata megblɔ nɛ be makplɔ xɔ̃nye aɖe si nya Biblia nyuie wum la vɛ, eye mekplɔe yii le kwasiɖa si kplɔe ɖo me. Le nuteƒekpɔkpɔ gbãtɔ ma megbe la, dzi ɖo ƒonye geɖe wu, eye mesrɔ̃e be menye mía ŋutɔwo míaƒe ŋusẽe míetsɔ wɔa subɔsubɔdɔae o. Abe alesi apostolo Paulo gblɔe ene la, Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu mee míewɔnɛ le. Le nyateƒe me la, ehiã be míade dzesii be “ŋusẽ ƒe agbɔsɔsɔ, si gbã go la, [nye] Mawu tɔ, eye menye mía gbɔ [wòtso] o.”—Korintotɔwo II, 4:7.

Ema megbe la, gbeƒãɖeɖedɔa va zu nye agbemenuwɔna si mewɔna edziedzi, eye nenema ke woléam dea gamee edziedzi hã. Eyata mewɔ nuku o be wogblɔ na nye ŋugbetɔa be: “Ne èɖe ŋutsu ma la, àyi game godoo”! Gake menye ɖe nuteƒekpɔkpɔ mawo sesẽ nenema gbegbe ŋutɔŋutɔ o. Zi geɖe ne míetsi game zã ɖeka la, hati Ðasefo aɖe va ɖea mí.

Nyametsotso Veviwo

Le April 1943 me la, metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa eye metsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe edzi. Eye le August 1944 me la, mede takpekpe gã zi gbãtɔ le Buffalo, New York, U.S.A., si te ɖe Canada ƒe de ŋu. Vavalawo nɔ ame 25,000, eye wɔnaawo de dzo didi si nɔ menye be mawɔ mɔɖeɖedɔa, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawoe, la me. Woɖe mɔxeɖenua ɖa le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le Canada le May 1945 me, eye medze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le ɣleti si kplɔe ɖo me.

Gake esi nye gomekpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me nɔ ŋgɔ yim la, nenema ke nye gameyiyi hã nɔ dzidzim ɖe edzii. Ɣeaɖeɣi la, wode mía kple Mike Miller si subɔ Yehowa ɣeyiɣi didi la gaxɔ ɖeka me. Míenɔ anyigba si wode simintii henɔ dze ɖom. Míaƒe gbɔgbɔ me dzeɖoɖo tuameɖoawo do ŋusẽm ale gbegbe. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, biabia sia va susu me nam be, ‘Ke nenye ɖe masɔmasɔ aɖe nɔ mía dome eye míeƒoa nu na mía nɔewo do ŋgɔ o ɖe?’ Mesrɔ̃ nu vevitɔ kekeakewo dometɔ ɖeka le agbe me esime mía kple nɔvi lɔlɔ̃tɔ sia míenɔ game—míehiã mía nɔviwo, eyata ele be míatsɔe nɔ mía nɔewo kem eye míanɔ dɔme nyom na mía nɔewo. Ema manɔmee la, abe alesi apostolo Paulo gblɔe ene la: “Ne mieɖu, eye miemi mia nɔewo la, mikpɔ nyuie, be miagatsrɔ̃ mia nɔewo o!”—Galatiatɔwo 5:15.

Le September 1945 me la, wokpem be mava subɔ le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si míeyɔna be Betel le Toronto, Canada. Gbɔgbɔmeɖoɖo si nɔ afima la tua ame ɖo eye wòdoa ŋusẽ ame ƒe xɔse ŋutɔ. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, wode dɔ asi nam be mayi ɖawɔ dɔ le Betel-gble si anɔ kilometa 40 le alɔdzedɔwɔƒea ƒe dziehe gome la me. Esime mía kple ɖetugbi si nye Anne Wolynec míenɔ efɔ ƒomevi aɖe gbem la, menye eƒe gotagome tugbedzedze koe mede dzesii o, ke boŋ mede dzesi lɔlɔ̃ si nɔ esi na Yehowa kple eƒe veviedodonu hã. Míeva lɔ̃ mía nɔewo, eye míeɖe srɔ̃ le January 1947 me.

Le ƒe eve kple afã siwo kplɔe ɖo me la, míewɔ mɔɖeɖedɔa le London, Ontario, kple le ema megbe la, Cape Breton Ƒukpo dzi, afisi míekpe asi ɖe eŋu woɖo hame le. Emegbe le ƒe 1949 me la, wokpe mí be míava de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe klass 14 lia, afisi wona hehe mí le be míava zu dutanyanyuigblɔlawo.

Dutanyanyuigblɔdɔ Wɔwɔ le Quebec

Woɖo Canadatɔ siwo de Gilead va yi la ɖe Quebec be woava dze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme le afima. Le ƒe 1950 me la, woɖo mía kple míaƒe klass 14 lia me tɔ 25 bubuwo ɖa míeva kpe ɖe wo ŋu. Dutanyanyuigbɔgblɔdɔ si dzi ɖe edzi la he yometiti kple nuvlowɔhawo ƒe ŋutasẽnuwɔna geɖe siwo Roma Katoliko Ha ƒe ŋgɔnɔlawo nɔ megbe na vɛ.

Esi míeva ɖo míaƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔ gbãtɔ wɔƒe ƒe ŋkeke eve megbe, le dugã si nye Rouyn me la, wolé Anne tsɔ de kpovitɔwo ƒe ʋu aɖe megbe. Esia nye nuteƒekpɔkpɔ yeye nɛ, elabena Canada ƒe nuto si nye Manitoba ƒe kɔƒe sue aɖe mee wònɔ, afisi ƒã hafi wòkpɔa kpovitɔwo le. Le nɔnɔmea nu la, dzidzi ƒoe, eye wòɖo ŋku nya siawo dzi be, “Ne èɖe ŋutsu ma la, àyi game godoo.” Gake hafi woakui adzoe la, kpovitɔawo kpɔm eye wotsɔm kpe ɖe Anne ŋu le ʋua me. Egblɔ be, “Edzɔ dzi nam be mekpɔ wò!” Nukutɔe la, eɖe dzi ɖi, hegblɔ be, “Nusiawo ke koe dzɔ ɖe apostoloawo dzi le gbeƒãɖeɖe tso Yesu ŋu ta.” (Dɔwɔwɔwo 4:1-3; 5:17, 18) Woɖe asi le mía ŋu gbemagbe ke le ɣeyiɣi aɖe megbe.

Anɔ ƒe ɖeka le nudzɔdzɔ ma megbe esime míenɔ aƒeme yi aƒeme dɔa wɔm le míaƒe dɔdasi yeyea wɔƒe le Montreal la, mese amewo ƒe hoowɔwɔ le ablɔa dzi ɖaa eye mekpɔ nuvlowɔha aɖe woɖo adã nɔ kpewo dam. Esi meyi va nɔ kpekpem ɖe Anne kple eƒe zɔhɛa ŋu la, kpovitɔwo va teƒea. Le esi teƒe be kpovitɔawo nalé nuvlowɔhaa me tɔwo la, wolé Anne kple eƒe zɔhɛa boŋ! Esime wonɔ game la, Anne ɖo ŋku edzi na Ðasefo yeyea be Yesu ƒe nya siawo nɔ eme vam ɖe yewo dzi be: “Wo katã woalé mi ɖe ke me le nye ŋkɔ la ŋuti.”—Mateo 10:22.

Ɣeaɖeɣi la, nya siwo wotsɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le ʋɔnudrɔ̃ƒewo le Quebec la nɔ 1,700. Le wo katã kloe me la, wotso mía nu be míenɔ agbalẽ siwo dea dzi ƒo be woadze aglã ɖe dziɖuɖu ŋu la mam alo míenɔ agbalẽ mam le esime womena mɔɖegbalẽvi mí o. Eyata Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Sedɔwɔƒea tsɔ nya ɖe Quebec dziɖuɖua ŋu. Le nyaʋiʋli ƒe geɖe megbe la, Yehowa na aʋadziɖuɖu gã eve mí le Canada ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ. Le December 1950 me la, wote fli ɖe nya si wotsɔ ɖe mía ŋu be míaƒe agbalẽwo dea dzi ƒo be woadze aglã ɖe dziɖuɖu ŋu la me, eye le October 1953 me la, woda asi ɖe míaƒe gomenɔamesi be míama Biblia-srɔ̃gbalẽwo mɔɖegbalẽ manɔmee la dzi. Eyata míekpɔ alesi tututu Yehowa nye ‘sitsoƒe kple ŋusẽ kpakple xɔnametɔ ŋutɔ le xaxawo mee.’—Psalmo 46:2.

Eɖe dzesi ŋutɔ be Ðasefo siwo le Quebec ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi tso 356 le ƒe 1945 me, esime medze mɔɖeɖedɔa gɔme va ɖo 24,000 egbea! Eva eme nyeteƒe abe alesi Biblia me nyagblɔɖia gblɔe ɖi ene be: “Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye àbu fɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu.”—Yesaya 54:17.

Míaƒe Dɔwɔwɔ le France

Le September 1959 me la, wokpe mía kple Anne be míava subɔ le Betel le Paris, France, afisi wode dɔ asi nam be maxɔ ŋgɔ le agbalẽwo tata me. Do ŋgɔ na míaƒe afima yiyi le January 1960 me la, asitsahawoe taa míaƒe agbalẽwo. Esi wònye woxe mɔ ɖe Gbetakpɔxɔ magazinea nu le France ɣemaɣi ta la, míetaa magazinea wònyea axa 64 gbalẽvi dzinu sia dzinu. Woyɔa agbalẽvia be Yehowa Ðasefowo Dome Nyatakakagbalẽvi, eye nyati siwo woasrɔ̃ le hameawo me le dzinua mee nɔa eme. Tso ƒe 1960 va ɖo 1967 me la, amesiwo nɔ gbeƒãɖeɖedɔa wɔm le France ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi tso 15,439 va ɖo 26,250.

Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wogbugbɔ ɖo dutanyanyuigblɔla akpa gãtɔ ɖe teƒe bubuwo, woɖo ɖewo ɖe Afrika dukɔ siwo me wodoa Fransegbe le, eye wogbugbɔ bubuwo ɖo ɖe Quebec. Esi Anne ƒe lãme menɔ kɔkɔm o, eye wòhiã be woawɔ dɔ nɛ ta la, míegbugbɔ yi Quebec. Le atikewɔwɔ na Anne ƒe etɔ̃ megbe la, eƒe lãme gasẽ. Emegbe woɖom ɖe nutome sue dzikpɔdɔa me, eye mesrãa hame vovovowo kpɔna kwasiɖa ɖesiaɖe va dea dzi ƒo na wo le gbɔgbɔ me.

Dutanyanyuigbɔgblɔdɔ Wɔwɔ le Afrika

Le ƒe ʋɛ aɖewo megbe, le ƒe 1981 me la, dzi dzɔ mí esime míexɔ dɔdasi yeye be míava nye dutanyanyuigblɔlawo le Zaire, si nye Democratic Republic of Congo fifia. Ameawo da ahe eye wonɔ fu geɖe kpem. Esime míeɖo afima la, Ðasefo 25,753 ye nɔ afima, gake fifia la, xexlẽmea dzi ɖe edzi wu 113,000, eye ame 446,362 ye va Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia le ƒe 1999 me!

Le ƒe 1984 me la, míeƒle anyigba si ƒe lolome anɔ agbleka 500 hena alɔdzedɔwɔƒe yeye tutu. Eye le December 1985 me la, wowɔ dukɔwo dome takpekpe le dugã si nye Kinshasa me, eye ame 32,000 tso xexeame ƒe akpa vovovo va. Le ema megbe la, tsitretsiɖeŋu si osɔfowo nɔ megbe na va do kplamatse míaƒe dɔa le Zaire. Le March 12, 1986 dzi la, wona lɛta nɔvi siwo xɔa ŋgɔ si me wogblɔ le be se meɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa le Zaire o. Dukɔa ƒe dukplɔla Mobutu Sese Seko si megali o, ye de asi lɛta si wotsɔ xe mɔ ɖe míaƒe dɔwɔnawo katã nu la te.

Le nudzɔdzɔ kpata mawo ta la, eva hiã be míawɔ Biblia me ɖaŋuɖoɖo sia ŋudɔ be: “Nunyala kpɔa dzɔgbevɔ̃e, eye wòɣlaa eɖokui; ke ame bebewu dea ta eme, eye akpɔ etɔnua.” (Lododowo 22:3) Míedi mɔ siwo nu míakpɔ pepa, nuŋlɔtsi, fotoɖepepa, agbalẽtagbawo, kple agbalẽtatike bubuwo tso duta hena míaƒe agbalẽwo tata le Kinshasa. Míetrɔ asi le mía ŋutɔwo míaƒe agbalẽ mama mɔnuwo hã ŋu. Esi míaƒe ɖoɖoawo dze dɔwɔwɔ gɔme la, wozɔ nyuie wu dziɖuɖua ƒe posudɔwɔƒea tɔ gɔ̃ hã!

Wolé Ðasefo akpe geɖe, eye wowɔ funyafunya wo dometɔ geɖe vɔ̃ɖitɔe. Gake wo dometɔ ʋɛ aɖewo manɔmee la, akpa gãtɔ nɔ te ɖe fuwɔame mawo nu eye wolé woƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. Wolé nye hã eye mekpɔ nɔnɔme dziŋɔ siwo me mía nɔviwo to le gaxɔawo me. Zi geɖe la, adzame kpovitɔwo kple dziɖuɖumegãwo mimia mí ɖo le go sia go me, gake Yehowa ʋua mɔ si dzi míato ado le eme na mí ɣesiaɣi.—Korintotɔwo II, 4:8.

Míeɣla agbalẽ siwo nɔ agbalẽgo abe 3,000 ene me ɖe asitsala aɖe ƒe adzɔnudzraɖoƒe. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eƒe dɔwɔlawo dometɔ ɖeka ka eta na adzame kpovitɔwo, eye wolé asitsala la. Esime wokplɔe yina gamee la, wodo gom le vome menɔ nye ʋu me. Asitsala la gblɔ na wo be nyee nye amesi wɔ ɖoɖo kpli ye míeɣla agbalẽawo. Kpovitɔawo tɔm eye wobia gbem ku ɖe eŋu, eye wotso nunye be medzra agbalẽ siwo ŋu se meɖe mɔ ɖo o la ɖo ɖe ŋutsua ƒe adzɔnudzraɖoƒe.

Mebia wo be: “Agbalẽawo ƒe ɖe le mia sia?”

Woɖo eŋu be: “Ẽ.”

Mebia be: “Mate ŋu akpɔe ɖaa?”

Wotsɔ ɖeka nam, eye meʋu axa si woŋlɔ nya siawo ɖo la fia wo be: “Gbetakpɔxɔ Biblia kple Trakt Habɔbɔae Tae le United States, Amerika.”

Meɖo ŋku edzi na wo be: “Agbalẽ siwo mielé ɖe asi la nye Amerikatɔwo tɔ, menye Zairetɔwo tɔ o. Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔ si woɖo le se nu le Zaire nue miaƒe dziɖuɖua xe mɔ ɖo, ke menye United States tɔwo ƒe Gbetakpɔxɔ Biblia kple Trakt Habɔbɔa o. Eyata mikpɔ nyuie ŋutɔ le alesi miawɔ agbalẽ siawoe ŋu.”

Woɖe mɔ nam medzo elabena ʋɔnudrɔ̃ƒea meɖe gbe be woalém o. Le zã ma me la, míetsɔ agbatsɔʋu eve yi adzɔnudzraɖoƒea va lɔ agbalẽawo katã. Dzi ku dziɖuɖumegãawo ŋutɔ esime wova le ŋufɔke eye wokpɔ be teƒea nɔ ƒuƒlu. Ɣemaɣi la wonɔ nye dim, elabena woxɔ gbe tso ʋɔnudrɔ̃ƒe azɔ be woalém. Wova kpɔm, eye esi ʋu menɔ wo si o ta la, nye ŋutɔ meku ɖokuinye yi gamee! Ðasefo bubu yi kplim ale be wòaku nye ʋua adzoe hafi woava xɔe sesẽe.

Le gbe biabiam gaƒoƒo enyi megbe la, wotso nya me be woagbugbɔm aɖo ɖe mía de. Gake metsɔ dziɖuɖua ƒe lɛta si nye kpeɖodzi be woɖom be mabu akɔnta le Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔ si le Zaire si nu woxe mɔ ɖo ƒe nunɔamesiwo ŋu la ƒe fotokɔpi fia wo. Eyata woɖe mɔ nam meyi nye dɔ dzi le Betel.

Le subɔsubɔ le nɔnɔme sesẽ siwo mɔxexe ɖe dɔa nu he vɛ le Zaire me ƒe ene megbe la, nye dɔme va wɔ abi heɖuɖua ʋu si na nye agbe ɖo afɔku me. Míetso nya me be mayi ne woawɔ atike nam le South Africa, afisi alɔdzedɔwɔƒea lé be nam nyuie le, eye nye lãme sẽ. Esi míesubɔ le Zaire ƒe enyi megbe, si nye nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname si nyemaŋlɔ be o megbe la, míedzo yi South Africa alɔdzedɔwɔƒea le ƒe 1989 me. Le ƒe 1998 me la, míegbugbɔ yi mía de eye tso ɣemaɣi la, míegava nɔ subɔsubɔm le Canada Betel.

Enye Dzidzɔ be Mesubɔ

Ne metrɔ kpɔ ƒe 54 siwo metsɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa mee la, edzɔa dzi nam ale gbegbe be mezã nye ɖekakpuimeŋusẽ le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔ xɔasia me. Togbɔ be Anne to nɔnɔme sesẽ geɖe me hã la, metoa nyatoƒoe o, ke boŋ ekpea asi ɖe ŋunye le míaƒe dɔwɔnawo katã me. Mɔnukpɔkpɔ su mí ame evea si míekpe ɖe ame geɖe ŋu wova nya Yehowa, eye wo dometɔ aɖewo hã le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me fifia. Enye dzidzɔ ale gbegbe be makpɔ wo viwo dometɔ aɖewo kple wo viwo ƒe viwo gɔ̃ hã woanɔ mía Mawu gã Yehowa subɔm!

Meka ɖe edzi bliboe be xexe sia me ƒe naneke mesɔ kple mɔnukpɔkpɔ kple yayra siwo Yehowa na mí la o. Nyateƒee, míeto dodokpɔ geɖe me, gake wo katã tu míaƒe xɔse ɖo hena míeka ɖe Yehowa dzi. Le nyateƒe me la, enye ŋusẽtsoƒe, sitsoƒe, kple xɔnametɔ le xaxawo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Germanygbe mee wota agbalẽa ɖo gbã, Kreuzzug gegen das Christentum (Woho Aʋa ɖe Kristotɔnyenye Ŋu). Woɖe egɔme ɖe Fransegbe kple Polandgbe me, gake womeɖe egɔme ɖe Eŋlisigbe me o.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 26]

Mɔɖeɖedɔa wɔwɔ ɖekae le ƒe 1947 me; mía kple Anne egbea

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Amesiwo míedo goe le Zaire lɔ̃ Biblia me nyateƒea