Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Kristo Ƒe Tamesusu” Nyanya

“Kristo Ƒe Tamesusu” Nyanya

“Kristo Ƒe Tamesusu” Nyanya

“Ameka dze si [Yehowa] ƒe tamesusu, ne wòafia nui mahã? Ke míawo la Kristo ƒe tamesusu le mía si.”—KORINTOTƆWO I, 2:16.

1, 2. Nukae Yehowa kpɔ be esɔ be yeaɖe afia le Yesu ŋu le eƒe Nya la me?

ALEKE Yesu ƒe dzedzeme nɔ? Aleke eƒe taɖa, eƒe ŋutigbalẽ, kple ŋku ƒe amadede nɔ? Aleke eƒe kɔkɔme nɔ? Aleke eƒe kpekpeme nɔ? Ƒe alafa geɖe enye sia la, nɔnɔme si me nutalawo taa Yesu ɖo la nɔ vovovo, nutata aɖewo ka ɖe eme, eye ɖewo meɖii kura o. Wo dometɔ aɖewo tanɛ wònyea ŋutsu sesẽ kako, eye bubuwo tanɛ wònyea ame beli kudɔe.

2 Gake Biblia mehe susu yi Yesu ƒe dzedzeme dzi o. Yehowa ya kpɔe be esɔ be yeaɖe nusi le vevie wu kura afia, si nye: amesi ƒomevi Yesu nye. Menye nya siwo Yesu gblɔ kple nusiwo wòwɔ ŋu koe Nyanyuigbalẽawo me ŋutinyawo ku ɖo o, ke seselelãme si gbegbe ʋãe be wògblɔ nya aɖewo hewɔ nanewo kpakple eƒe tamesusu hã dze le wo me. Nuŋlɔɖi ene siawo siwo tso gbɔgbɔ me la akpe ɖe mía ŋu be míaku nusi apostolo Paulo yɔ be “Kristo ƒe tamesusu” me. (Korintotɔwo I, 2:16) Ele vevie be míanya Yesu ƒe nukpɔsusuwo, eƒe seselelãmewo, kple eƒe amenyenye. Nukata? Susu eve ya teti tae.

3. Nuka gɔmee míase ne míeva nya Kristo ƒe tamesusu?

3 Gbãtɔe nye be, Kristo ƒe tamesusu ana míanya Yehowa Mawu ƒe tamesusu. Yesu nya Fofoa ale gbegbe be egblɔ be: “Ame aɖeke menya amesi enye Vi la o, negbe Fofo la ko, kple amesi enye Fofo la o, negbe Vi la ko kple amesi ke Vi la lɔ̃ be, yeaɖee afiae.” (Luka 10:22) Ðeko wòle abe ɖe Yesu le gbɔgblɔm be, ‘Ne miedi be yewoanya alesi Yehowa le la, ke mikpɔe tso gbɔnye’ ene. (Yohanes 14:9) Eyata ne míesrɔ̃ nusi Nyanyuigbalẽawo ɖe fia tso Yesu ƒe nukpɔsusu kple seselelãme ŋu la, ke efia be míele alesi Yehowa bua nu ŋu hesena le eɖokui me la srɔ̃m. Sidzedze sia tɔgbe ate mí ɖe Mawu ŋu kplikplikpli.—Yakobo 4:8.

4. Ne míawɔ nu abe Kristo ene tututu la, nukae wòle be mía srɔ̃ gbã, eye nukatae?

4 Evelia, ne míenya Kristo ƒe tamesusu la, akpe ɖe mía ŋu be ‘míato eƒe afɔtoƒewo tututu.’ (Petro I, 2:21) Yesu ƒe afɔtoƒewo toto menye nya siwo wògblɔ la gbugbɔgagblɔ kple eƒe nuwɔnawo wɔwɔ dzro ko o. Esi wònye nukpɔsusu kple seselelãmee kpɔa ŋusẽ ɖe nuƒoƒo kple nuwɔnawo dzi ta la, Kristo ƒe afɔtoƒewo toto bia be míatu ‘tamesusu ƒe nɔnɔme’ si tututu nɔ esi la ɖo. (Filipitɔwo 2:5) Míagblɔe ko be ne míawɔ nu abe Kristo ene tututu la, ke gbã la, ele be míasrɔ̃ alesi míabu tame ahase le mía ɖokui me abe eyama ene, si fia be, míawɔ mía tɔ sinua le amegbetɔ madeblibowo ƒe ŋutete nu. Ekema mina Nyanyuiŋlɔlaawo nakpe ɖe mía ŋu míadzro Kristo ƒe tamesusu me akpɔ. Gbã la, míaƒo nu tso nusiwo kpɔ ŋusẽ ɖe Yesu ƒe tamesusu kple seselelãme dzi ŋuti.

Eƒe Agbenɔnɔ Do Ŋgɔ na Amegbetɔzuzu

5, 6. (a) Ŋusẽ kae amesiwo míedea ha kplii ate ŋu akpɔ ɖe mía dzi? (b) Amekae Mawu ƒe Ŋgɔgbevi la de ha kple le dziƒo hafi va anyigba dzi, eye ŋusẽ kae wòkpɔ ɖe edzi?

5 Amesiwo míedea ha kplii kplikplikpli ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi, woate ŋu akpɔ ŋusẽ nyui alo gbegblẽa ɖe míaƒe tamesusuwo, seselelãmewo, kple nuwɔnawo dzi. * (Lododowo 13:20) De ŋugble le amesi Yesu de ha kple le dziƒo hafi va anyigba dzi ŋu kpɔ. Yohanes ƒe Nyanyuia he susu yi Yesu ƒe agbenɔnɔ do ŋgɔ na amegbetɔzuzu dzi esi wòyɔe be “Nya la,” alo Mawu ƒe Nyanuɖela. Yohanes gblɔ be: “Le gɔmedzedzea me Nya la li, eye Nya la li kple Mawu, eye Nya la nye mawu aɖe. Eya kple Mawue li le gɔmedzedzea me.” (Yohanes 1:1, 2, NW) Esi gɔmedzedze meli na Yehowa o ta la, Nya la ƒe anyinɔnɔ kple Mawu le “gɔmedzedzea me” afia ɣeyiɣi si me Mawu dze nuwo wɔwɔ gɔme. (Psalmo 90:2) Yesue nye “nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi.” Eyata enɔ anyi hafi wova wɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ bubuwo kple xexeame godoo si míekpɔna.—Kolosetɔwo 1:15; Nyaɖeɖefia 3:14.

6 Le dzɔdzɔmeŋutinunyalawo ƒe akɔntabubu aɖewo nu la, xexeame godoo si míekpɔna la li ƒe biliɔn 12 ya teti. Ne míatsɔe be akɔntabubu mawo sɔ la, ke Mawu ƒe Ŋgɔgbevia zɔ kple Fofoa ƒe gbogbo si manya axlẽ o hafi wova wɔ Adam. (Tsɔe sɔ kple Mixa 5:1.) Eyata numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ ƒe ƒomedodo deto aɖe va ɖo wo ame evea dome. Hafi Ŋgɔgbevi sia nava zu amegbetɔ la, ewɔ nu abe nunyae dzɔ ɖe ame ƒe nɔnɔme me ene hegblɔ be: “Menye amesi ƒe nu nyoa [Yehowa ŋu] gbesiagbe, eye mekpɔa dzidzɔ le eŋku me ɣeawokatãɣi.” (Lododowo 8:30, NW) Godoo la, Mawu ƒe Vi la ƒe hadede kplikplikpli kple lɔlɔ̃ Dzɔtsoƒe la hena ƒe siwo mele xexlẽ me o la kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe edzi! (Yohanes I, 4:8) Vi sia va nya Fofoa ƒe tamesusuwo, eƒe seselelãmewo, kple eƒe mɔwo heɖe wo fia wu ame bubu ɖesiaɖe.—Mateo 11:27.

Anyigbadzigbenɔnɔ Kple Ŋusẽkpɔɖeamedziwo

7. Susu siwo tae wòhiã be Mawu ƒe Ŋgɔgbevi la nava anyigba dzi la dometɔ ɖekae nye ka?

7 Nu geɖe ganɔ anyi Mawu ƒe Vi la nasrɔ̃, elabena Yehowa ƒe tameɖoɖoe nye be wòadzra Via ɖo be wòanye Nunɔlagã veveseɖeamenula, amesi ate ŋu “anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mí.” (Hebritɔwo 4:15) Ðoƒe sia ƒe nudidiwo gbɔ ɖoɖo hã nye susu siwo ta Vi la va nye amegbetɔ le anyigba dzi la dometɔ ɖeka. Esi Yesu va nye amegbetɔ ŋutilã kple ʋu le afisia la, edo go nɔnɔme kple ŋusẽkpɔɖeamedzi siwo dziƒo koe wònɔ hafi kpɔa wo tsã. Fifia eya ŋutɔ kpɔ alesi amegbetɔ ƒe seselelãmewo kple dzimedidiwo le. Ðeɖi tea eŋu ɣeaɖewoɣi, tsikɔ wunɛ, eye dɔ wunɛ. (Mateo 4:2; Yohanes 4:6, 7) Gawu la, eto nɔnɔme sesẽwo kple fukpekpe ƒomevi vovovo me gɔ̃ hã. Eyata “[esrɔ̃] toɖoɖo” eye wòdze bliboe ate ŋu awɔ Nunɔlagã ƒe dɔa.—Hebritɔwo 5:8-10.

8. Nukae míenya tso Yesu ƒe ɖevimenɔɣi le anyigba dzi ŋu?

8 Ke nusiwo teƒe Yesu kpɔ esime wònɔ agbe le anyigba dzi ya ɖe? Nuŋlɔɖi si li tso eƒe ɖevimegbenɔnɔ ŋu le kpuie ŋutɔ. Le nyateƒe me la, Mateo kple Luka koe gblɔ nusiwo dzɔ le edziɣi. Nyanyuigbalẽawo ŋlɔlawo nya be Yesu nɔ dziƒo kpɔ hafi va anyigba dzi. Eƒe anyinɔnɔ do ŋgɔ na amegbetɔzuzu ɖe amesi ƒomevi wòva nye la me wu nu bubu ɖesiaɖe. Ke hã la, amegbetɔ ŋutɔŋutɔe Yesu nye. Togbɔ be enye ame deblibo hã la, ele be wòanye vidzĩ atsi ato ɖevi kple ɖekakpui me aɖo ŋutsu me, ahanɔ nu srɔ̃m le ɣeyiɣi siawo katã me. (Luka 2:51, 52) Biblia ɖe nanewo fia le Yesu ƒe ɖevimenɔɣi ŋu si kpɔ ŋusẽ ɖe edzi ɖikekemanɔmee.

9. (a) Kpeɖodzi kae li si fia be ƒome dahe mee wodzi Yesu ɖo? (b) Anye nɔnɔme kawo mee Yesu nɔ?

9 Kpeɖodziwo li siwo fia be ƒome dahe mee wodzi Yesu ɖo. Esia dze le nunana si Yosef kple Maria tsɔ va gbedoxɔa me anɔ ŋkeke 40 le edzidzi vɔ megbe la me. Le esi teƒe be woatsɔ alẽvi vɛ hena numevɔ sasa kple ahɔ̃nevi alo akpakpa vɛ hena nuvɔ̃vɔ sasa la, “akpakpa eve alo ahɔ̃nevi eve” ye wotsɔ yi. (Luka 2:24) Le Mose ƒe Sea nu la, ame dahewoe wowɔ ɖoɖo na be woana nusia. (Mose III, 12:6-8) Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ƒome dahe sia va dzi ɖe edzi. Ne mede ɖeke o hã la, Yosef kple Maria gadzi vi ade bubu ya teti to dzɔdzɔmemɔ nu le Yesu dzidzi nukutɔe vɔ megbe. (Mateo 13:55, 56) Eyata ƒome si me tɔwo sɔ gbɔ mee Yesu nɔ tsi, eye ɖewohĩ alɔme menɔ wo si boo o.

10. Nukae fia be Maria kple Yosef nye mawuvɔ̃lawo?

10 Dzila mawuvɔ̃lawoe nyi Yesu eye wolé be nɛ. Dadaa Maria nye nyɔnu ɖedzesi aɖe. Ðo ŋku edzi be esime mawudɔla Gabriel nɔ gbe dom nɛ la, egblɔ be: “Medo gbe na wò, wò amesi nu wove! [Yehowa] li kpli wò.” (Luka 1:28) Yosef hã doa vevie mawusubɔsubɔ. Ƒe sia ƒe la, ezɔa mɔ kilometa 150 yia Yerusalem hena Ŋutitotoa ɖuɖu nuteƒewɔwɔtɔe. Maria hã dena, togbɔ be ŋutsuwo si koe wobia tso be woayi hã. (Mose II, 23:17; Luka 2:41) Le ŋkekenyui sia ɖuɣi ɣeaɖeɣi la, Yosef kple Maria di Yesu si xɔ ƒe 12 la ʋuu va kpɔe emegbe le gbedoxɔ me le nufialawo dome. Yesu gblɔ na edzila siwo tsi dzi la be: “Ðe mienyae be Fofonye ƒeme manɔ oa?” (Luka 2:49, NW) “Fofonye”—anye be nya ma fia numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ ƒe ƒomedodo dodzidzɔname aɖe na Yesu. Nu ɖekae nye be, edze ƒã be wogblɔ nɛ be Fofoa ŋutɔŋutɔe nye Yehowa. Gakpe ɖe eŋu la, anye be Yosef nye fofo vixɔnyila nyui aɖe na Yesu. Godoo la, Yehowa matia ŋutsu tagbɔsesẽtɔ alo anyrawɔla be wòanyi Ye Vi lɔlɔ̃a o!

11. Asinudɔ kae Yesu srɔ̃, eye le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, nukae dɔ sia wɔwɔ bia?

11 Esime Yesu nɔ Nazaret la, esrɔ̃ atikpadɔ, eye anye Yosef, fofoa si xɔe nyi, gbɔe wòsrɔ̃e le. Yesu nya dɔa ale gbegbe be “atikpala” ye woyɔna nɛ. (Marko 6:3) Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, woxɔa atikpalawo wotua xɔwo, wokpaa xɔmenuwo (abe kplɔ̃wo, zikpuiwo, kple amagoewo ene), eye wotua agbledɔwɔnuwo hã. Justin Martyr, si nɔ anyi le ƒe alafa evelia M.Ŋ. me ŋlɔ tso Yesu ŋu le eƒe agbalẽ si nye Dialogue With Trypho me be: “Atikpadɔe wòwɔna esime wònɔ amegbetɔwo dome, eye agbleŋlɔnuwoe wotuna hekpaa kɔkutiwo.” Dɔ sia wɔwɔ menɔ bɔbɔe o, elabena blema atikpala meƒlea ati hafi zãna o. Anye kokoko be eya ŋutɔe yia gbeme va dia ati tsona kple fia, eye wòtsɔnɛ vaa aƒemee. Eyata Yesu anya kuxi siwo le dɔwɔɖui wɔwɔ, asisiwo gbɔ kpɔkpɔ, kple aƒedzikpɔga nana me.

12. Kpeɖodzi kae fia be Yosef ku do ŋgɔ na Yesu, eye nukae nusia anya fia na Yesu?

12 Esi Yesue nye vi tsitsitɔ ta la, ɖewohĩ ekpe asi ɖe ƒomea dzi kpɔkpɔ ŋu, vevietɔ esi wòdze abe Yosef ku hafi Yesu ku ene ta. * January 1, 1900, ƒe Zion’s Watch Tower gblɔ be: “Wotua xo be Yesu metsi tututu hafi Yosef ku o, ale be eva yi atikpakpadɔa dzi eye wòva zu ƒomea dzi kpɔla. Nya sia ƒe kpeɖodzi aɖe le Ŋɔŋlɔawo me afisi woyɔ Yesu ŋutɔ le be atikpala, eye woyɔ dadaa kple nɔviawo ƒe ŋkɔ, gake womeyɔ Yosef ya o. (Marko 6:3) . . . Eyata anye be míaƒe Aƒetɔa zã eƒe agbenɔƒe ƒe ƒe wuienyi sɔŋ, tso esime nya [si woŋlɔ ɖe Luka 2:41-49] dzɔ va ɖo eƒe nyɔnyrɔxɔɣi, tsɔ nɔ agbemedɔ nyanyɛwo wɔmee.” Anɔ eme be Maria kple viawo, hekpe ɖe Yesu ŋu, nya vevesese si wònyena be srɔ̃ŋutsu kple fofo lɔlɔ̃ naku le ame gbɔ.

13. Nukatae sidzedze, nugɔmesese, kple seselelãme deto si tɔgbe mate ŋu anɔ amegbetɔ aɖeke si o lae nɔ Yesu si esi wòdze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme?

13 Edze ƒã be womedzi Yesu de agbe bɔbɔe nɔnɔ me o. Ke boŋ eya ŋutɔ to agbe si ƒomevi me ame tsɛwo tona la me. Emegbe ɣeyiɣia va de le ƒe 29 M.Ŋ. me be Yesu nawɔ dɔ si Mawu de esi, si nɔ elalam. Le ƒe ma ƒe kele me la, wonyrɔe ɖe tsi me eye wogbugbɔ dzii wònye Mawu ƒe gbɔgbɔ me Vi. ‘Dziƒo nu ʋu nɛ,’ eye edze ƒã be efia be egate ŋu ɖo ŋku eƒe agbenɔnɔ le dziƒo do ŋgɔ na amegbetɔzuzu dzi azɔ, eye eɖo ŋku nukpɔsusu kple seselelãme siwo nɔ esi ɣemaɣi la dzi. (Luka 3:21, 22) Eyata esi Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme la, sidzedze, nugɔmesese, kple seselelãme deto si mate ŋu anɔ amegbetɔ aɖeke si o lae nɔ esi. Susu nyui aɖe tae Nyanyuiŋlɔlaawo ƒe nuŋlɔɖiawo ƒe akpa gãtɔ ku ɖe nusiwo dzɔ le Yesu ƒe subɔsubɔdɔa me ŋu. Togbɔ be ele nenema hã la, menye nya siwo wògblɔ kple nusiwo wòwɔ katãe wote ŋu ŋlɔ hã o. (Yohanes 21:25) Gake nusiwo gbɔgbɔ ʋã wo woŋlɔ la kpe ɖe mía ŋu be míenya nu tso ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ la ƒe tamesusu ŋu.

Amesi Ƒomevi Yesu Nye

14. Aleke Nyanyuigbalẽawo ɖee fia be Yesu nye amesi lɔ̃a ame vevie eye eƒe seselelãmewo de toe?

14 Yesu ƒe amenyenye si dze le Nyanyuigbalẽawo me fia be enye amesi lɔ̃a ame vevie eye eƒe seselelãmewo de to. Eɖe seselelãme ƒomevi geɖe fia: eƒe dɔme trɔ ɖe anyidzela aɖe ŋu (Marko 1:40, 41); exa nu ɖe amewo ƒe dzimesesẽ ta (Luka 19:41, 42); edo dɔmedzoe si sɔ ɖe gaɖuɖɔla ŋuklẽlawo ŋu (Yohanes 2:13-17). Esi Yesu nye veveseɖeamenula ta la, nu te ɖe edzi wòfa avi, eye meɣla eƒe seselelãmewo o. Esi Yesu xɔlɔ̃ vevi Lazaro ku eye wòkpɔ alesi Maria, Lazaro nɔvinyɔnu, nɔ avi fam la, ewɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be wòfa avi hehehe le amewo ŋkume.—Yohanes 11:32-36.

15. Aleke alesi gbegbe Yesu sena le eɖokui me ɖe amewo ŋu la dze le alesi wòbua wo hewɔa nu ɖe wo ŋui me?

15 Alesi gbegbe Yesu sena le eɖokui me ɖe amewo ŋu la dze vevietɔ le alesi wòbua amewo kple alesi wòwɔa nu ɖe wo ŋui me. Ete ɖe ame dahewo kple amesiwo wote ɖe anyi ŋu, eye wòkpe ɖe wo ŋu be ‘woakpɔ dzudzɔ na woƒe luʋɔwo.’ (Mateo 11:4, 5, 28-30) Eƒe ŋku mebiã ɖe dɔ ŋu ale gbegbe be wògbe fukpelawo ƒe nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ na wo o, eɖanye nyɔnu si ŋu ʋu nɔ sisim le si wɔ dzadzadza va ka asi eƒe awu ŋu alo nubiala ŋkuagbãtɔ si ta woblu ɖo be wòazi ɖoɖoe do kpoe o. (Mateo 9:20-22; Marko 10:46-52) Nu nyui siwo amewo wɔnae Yesu kpɔna eye wòkafua wo ɖe eta; ke hã la, egbea nya na ame faa ne ehiã. (Mateo 16:23; Yohanes 1:47; 8:44) Le ɣeyiɣi si me gome menɔ nyɔnuwo si boo o la, Yesu ya da sɔ le alesi wòdea asixɔxɔ wo ŋu hedea bubu wo ŋui la me. (Yohanes 4:9, 27) Eme kɔ be nyɔnu aɖewo lɔ̃ faa zã woƒe nunɔamesiwo tsɔ subɔe.—Luka 8:3.

16. Nukawoe ɖee fia be Yesu ƒe nukpɔsusu le agbenɔnɔ kple ŋutilãmenuwo ŋu da sɔ?

16 Nukpɔsusu si nɔ Yesu si le agbe ŋu la da sɔ. Menye ŋutilãmenuwoe nye nu vevitɔwo nɛ o. Edze abe nu ʋɛ aɖewo koe nɔ esi le ŋutilã me gome ene. Egblɔ be ‘yemekpɔ afisi yeatsɔ ta aziɔ ɖo o.’ (Mateo 8:20) Le ɣeyiɣi ma ke me la, Yesu na amewo gakpɔ dzidzɔ ɖe edzi. Esi wòyi srɔ̃ɖezãɖuƒe—si nye azãɖuƒe si haƒoƒo, hadzidzi, kple aseyetsotso nɔna geɖe—la, edze ƒã be meyi afima be yeagblẽ dzidzɔ si wokpɔna le wɔnaa me la me o. Le nyateƒe me la, afimae Yesu wɔ eƒe nukunu gbãtɔ le. Esi wein vɔ la, etrɔ tsi wòzu wein nyui, eye enye nunono si “doa dzidzɔ na amegbetɔ ƒe dzi.” (Psalmo 104:15; Yohanes 2:1-11) Eyata ena azãɖuɖua yi edzi, eye eɖe ŋugbetɔa kple ŋugbetɔsrɔ̃a le ŋukpe si anye ne alé wo la me. Yesu ƒe dadasɔ gadze le go bubuwo me le mɔ sia nu be woƒo nu tso ɣeyiɣi geɖe siwo me wòwɔ dɔ sesẽ ɣeyiɣi didi le subɔsubɔdɔa me ŋuti.—Yohanes 4:34.

17. Nukatae mewɔ nuku be Yesu nye Nufiala Gã o, eye nukawoe dze le eƒe nufiafiawo me?

17 Yesue nye Nufiala Gã la. Gbesiagbegbenɔnɔ me nya ŋutɔŋutɔ siwo ŋu wònya nu tsoe nyuie ye dzena le eƒe nufiafia me. (Mateo 13:33; Luka 15:8) Ame aɖeke ƒe nufiafia megogo alesi wòfiaa nui o—etɔ me kɔna, enɔa bɔbɔe, eye esɔna na agbenɔnɔ ɣesiaɣi. Nusi gaɖe dzesi wue nye nusiwo wòfia. Alesi wòdi tso dzi me be yeana yeƒe nyawo selawo nanya nu tso Yehowa ƒe nukpɔsusuwo, eƒe seselelãmewo, kple eƒe mɔwo ŋui la dzena le eƒe nufiafiawo me.—Yohanes 17:6-8.

18, 19. (a) Kpɔɖeŋunya siwo tsia susu me kawoe Yesu tsɔ ɖɔ Fofoae? (b) Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

18 To kpɔɖeŋuwo wɔwɔ enuenu me la, Yesu zã kpɔɖeŋunya siwo me kɔ nyuie la tsɔ ɖɔ Fofoae ale gbegbe be manɔ bɔbɔe be woaŋlɔ wo be o. Be woaƒo nu tso Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu gbadza ko la nye nya ɖeka. Eye nya bubu kurae wònye be woatsɔ Yehowa asɔ kple vifofo si tsɔa nuvɔ̃ kena, amesi esi wòkpɔ via wòtrɔ gbɔna la, ewɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be ‘eƒu du ɖadze eƒe kɔ dzi hegbugbɔ nu nɛ.’ (Luka 15:11-24) Yesu gbe kɔnyinyi sesẽ si me subɔsubɔhakplɔlawo doa vlo ame tsɛwo le heɖe eme be ye Fofo nye amesi ŋu woate ŋu ate ɖo eye exɔa nudzɔla ɖokuibɔbɔla ƒe kukuɖeɖewo wu Farisitɔ adegbeƒola ƒe gbe si wòdo ɖa henɔ eɖokui dom ɖe dzi. (Luka 18:9-14) Yesu ɖee fia be Yehowa nye Mawu si léa be na ame ale gbegbe be ne atsutsurɔe sue ɖeka dze ɖe anyigba hã la, enyana. Yesu na kakaɖedzi eƒe nusrɔ̃lawo be: “Migavɔ̃ o! Mia tɔ vena wu atsutsurɔe geɖewo tɔ.” (Mateo 10:29, 31) Eme kɔ be ‘alesi Yesu fiaa nui’ la na amewo ƒe nu ku eye eƒe nu lé dzi na wo. (Mateo 7:28, 29) Ɣeaɖeɣi gɔ̃ hã la, “ameha gã” aɖe nɔ eŋu ŋkeke etɔ̃ sɔŋ, numaɖumaɖui gɔ̃ hã!—Marko 8:1, 2.

19 Míeda akpe be Yehowa ɖe Kristo ƒe tamesusu fia le eƒe Nya la me! Gake aleke míate ŋu atu Kristo ƒe tamesusu ɖo ahaɖee afia le míaƒe nuwɔwɔ kple amewo me? Míadzro nya sia me le nyati si kplɔe ɖo me.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Nyateƒe si wònye be gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ƒe hadede kple wo nɔewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi la dze le Nyaɖeɖefia 12:3, 4. Wogblɔ le afima be Satana nye “ʋɔ driba” si te ŋu zã eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi tsɔ ble “dziƒoɣletiviwo,” alo gbɔgbɔmeviwo, be wowɔ ɖeka kplii le aglãdzedze me.—Tsɔe sɔ kple Hiob 38:7.

^ mm. 12 Zi mamlɛtɔ si wogayɔ Yosef tẽ enye esime wokpɔ Yesu ƒe 12 vi la le gbedoxɔa me. Womegblɔ naneke tso Yosef ŋu si fia be enɔ srɔ̃ɖeŋkekenyuia ɖuƒe le Kana esime Yesu dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme o. (Yohanes 2:1-3) Le ƒe 33 M.Ŋ. me, esime woklã Yesu ɖe ati ŋu la, etsɔ dadaa dzi kpɔkpɔ de asi na eƒe apostolo lɔlɔ̃a, Yohanes. Ne ɖe Yosef nɔ agbe la, anye ne Yesu mawɔ nusia o.—Yohanes 19:26, 27.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Nukatae wòle vevie be míanya “Kristo ƒe tamesusu”?

• Amekae Yesu de ha kplii esime mezu amegbetɔ haɖe o?

• Le Yesu ƒe anyigbadzigbenɔɣi la, nɔnɔme kple ŋusẽkpɔɖeamedzi kawo mee eya ŋutɔ to?

• Nukae Nyanyuigbalẽawo ɖe fia le Yesu ƒe amenyenye ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ƒome si me tɔwo sɔ gbɔ mee Yesu tsi le, anye be alɔme menɔ wo si boo o

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Yesu ƒe 12 vi la ƒe nugɔmesese kple nyaŋuɖoɖowo wɔ mo yaa na nufialaawo