Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Te Ða Le Afɔkuteƒea!

Te Ða Le Afɔkuteƒea!

Te Ða Le Afɔkuteƒea!

ENYE dzotoŋutinunyalawo ƒe dɔ be woalé ŋku ɖe dzotowo ŋu eye woada dzesiwo akpɔ ale be ne dzoto aɖe awó la, woaxlɔ̃ nu amewo tso eŋu. (Ɣeaɖeɣi esi Fugen-toa gbɔna wowó ge la, ehiã be kpovitɔwo nanyã amewo ɖa le afɔkuteƒea.) Nenema ke Biblia srɔ̃lawo léa ŋku ɖe ‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu’ ƒe dzesi ŋu eye woxlɔ̃a nu amewo le afɔku si gbɔna ŋu.—Mateo 24:3.

Le Biblia ƒe ta ma ke si xlɔ̃ nu tso afɔku aɖe si gbɔna xexea katã dzi ŋu me la, míate ŋu axlẽ nu tso alesi woɖɔ nusiwo adzɔ do ŋgɔ na afɔkua ŋu be: “Dukɔ latsi tre ɖe dukɔ ŋuti, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋuti, dɔwuame kple dɔléame kple anyigbaʋuʋu ava teƒeteƒewo. . . . Aʋatsonyagblɔɖila geɖewo atsi tre ahaflu ame geɖewo. Eye le nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ ŋuti la ame geɖewo ƒe lɔlɔ̃ nu latsi. . . . Eye woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.”—Mateo 24:7-14.

Mehiã be míanye nyadzɔdzɔ me dzrolawo hafi ate ŋu anya alesi nyagblɔɖi sia le eme vamee egbea o. Vevietɔ tso keke ƒe 1914 me la, míele eteƒe kpɔm. Xexemeʋa eve, dukɔmeviʋa gbogbo aɖewo, nutomeʋawo, kple ame ƒomeviwo kple subɔsubɔhawo dome ʋawo dzɔ le ƒe alafa sia me. Aʋa siawo wɔwɔ na be ameƒomea kpe nuɖuɖu ƒe veve ƒe fu, hekpe ɖe agbemenuhiahiãwo ƒe anyimanɔmanɔ le dzɔdzɔmefɔkuwo ta ŋu. Anyigbaʋuʋu wu ame geɖe. Vivimehawo kple wo nunɔla gblẽkuwo kpakple zazɛ̃nyahela geɖewo do. “Nu madzɔmadzɔ wɔwɔ ƒe agbɔsɔsɔ” na be amewo dzudzɔ ame lɔlɔ̃, eye havilɔlɔ̃ megali o.

Le nyateƒe me la, gbeƒãɖeɖedɔa, si nye dzesia ƒe akpa bubu la le edzi yim. Wò ya trɔ ɖe magazine sia ƒe akpa dzi ko, àde dzesii be tanyaa ƒe akpa aɖe gblɔ be: “Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe.” Gbetakpɔxɔ si tam wole ɖe gbegbɔgblɔ 132 me eye womaa tata ɖesiaɖe miliɔn 22 kple edzivɔ la nye dɔwɔnu vevitɔ si zãm amesiwo le gbeƒã ɖem “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia” le anyigba bliboa dzi la le. Nyanyui ma ƒe akpa aɖee nye be xexeame katã Wɔla, Yehowa Mawu, ɖo Dziƒofiaɖuƒe si atsrɔ̃ nuɖoanyi vɔ̃ɖia eye wòahe paradiso ava anyigba dzi la anyi. Le nyateƒe me la, dzesi siwo fia be eteƒe madidi o Mawu aɖe afɔ la le dzedzem wole kpɔkpɔm fifia, eye ele eɖem fia be amewo ƒe agbe ɖo afɔku me le nuɖoanyi sia me.—Tsɔe sɔ kple Timoteo II, 3:1-5; Petro II, 3:3, 4; Nyaɖeɖefia 6:1-8.

Yehowa ƒe Ŋkeke Dziŋɔ La

Ne ŋkekea de be Yehowa nadrɔ̃ toheʋɔnua la, nukae adzɔ? Ðo to nàse alesi eya ŋutɔ ƒo nu tso nusi adzɔ ɣemaɣi ŋu tsitotsitoe ɖa: “Mana nukunuwo nado ɖe dziƒo ŋu kple anyigba dzi: Ʋu, dzo kple dzudzɔbabla kɔtɔɔ. Ɣe ado viviti, eye ɣleti azu ʋu, hafi Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la nava ɖo.”—Yoel 2:30, 31.

Ŋkeke ma, si ɖi vɔvɔ̃ eye wòatsrɔ̃ ame wu dzoto siwo wó alo anyigbaʋuʋu ɖesiaɖe si dzɔ kpɔ la tu aƒe. Nyagblɔɖila Zefanya gblɔ be: “Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe, etu aƒe, eye wòle du dzi ŋutɔ. . . . Eƒe ŋuʋaʋã ƒe dzo afiã anyigba blibo la; elabena ele anyigbadzinɔlawo katã tsrɔ̃ ge zi ɖeka.” Togbɔ be “woƒe klosalo kple sika hã mate ŋu aɖe wo le Yehowa ƒe dɔmedzoedogbe o” hã la, mɔ si dzi woato atsi agbe le ŋkeke dziŋɔ ma me li.—Zefanya 1:14-18.

Esi Zefanya nɔ nusi woawɔ akpɔ agbe ɖem fia la, egblɔ be: “Hafi ne Yehowa ƒe dɔmedzoe heliheli nava mia dzi, eye hafi ne Yehowa ƒe dzikudogbe nava mia dzi! Midi Yehowa, mi amesiwo katã bɔbɔ mia ɖokui ɖe anyi le anyigba dzi, midi dzɔdzɔenyenye, eye midi ɖokuibɔbɔ yome mɔ, ame aɖe menya nu o woatsɔ mi aɣla le Yehowa ƒe dzikudogbe la hĩ!” (Zefanya 2:2, 3) Míate ŋu akpɔ sitsoƒe ne ‘míedi Yehowa, míedi dzɔdzɔenyenye, eye míedi ɖokuibɔbɔ yome mɔ.’ Amekawoe le Yehowa dim egbea?

Ðikeke mele eme o be àyɔ nya “Yehowa” ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu le gbeƒãɖeɖedɔ si wɔm wole la ta. Ðewohĩ wo dometɔ aɖe sie nèxɔ magazine sia le. Wonya wo be wonye dumevi agbenyuinɔla siwo nɔa agbe dzɔdzɔe. Wole agbagba dzem be ‘woado amenyenye yeye’ si ƒe akpa ɖe nye ɖokuibɔbɔ tutuɖo. (Kolosetɔwo 3:8-10) Wolɔ̃ ɖe edzi be hehe si yewoxɔna tsoa Yehowa ƒe habɔbɔ si wokpɔna kple ŋku, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo le anyigba bliboa dzi gbɔ lae na yewoƒe agbenɔnɔ le alea. Ẽ, àte ŋu akpɔ sitsoƒe le Yehowa Ðasefowo ƒe ‘nɔviwo ƒe habɔbɔ bliboa,’ si le xexeame katã la dome.—Petro I, 5:9.

Di Sitsoƒe Fifia

Be míakpɔ sitsoƒe to Yehowa didi me la, ele be míanye exɔlɔ̃wo. Nukae ema lɔ ɖe eme? Biblia ɖo eŋu be: “Mienya bena, xexeame ƒe xɔlɔ̃dzedze enye ketɔnyenye na Mawu oa? Eyaŋuti amesi dina be, yeanye xexeame ƒe xɔlɔ̃ la, etsɔ eɖokui wɔ Mawu ƒe ketɔ.” (Yakobo 4:4) Be míanye Mawu xɔlɔ̃wo la, mele be ƒomedodo kplikplikpli aɖeke nanɔ mía kple egbexexe vɔ̃ɖi sia si dze aglã ɖe Mawu ŋu la dome o.

Biblia xlɔ̃ nu mí be: “[Mígalɔ̃] xexeame kple nusiwo le eme o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o. Elabena nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso. Eye xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes I, 2:15-17) Ŋutilã me nudzodzrowo—siwo nye gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro si dzi womete ŋu ɖuna o, gadidi vivivo, kple ŋusẽ zazã ɖe mɔ madzemadze nu ye ʋãa ame geɖewo egbea. Gake be ame nanɔ Yehowa ƒe akpa dzi la, ele be wòaɖu dzodzro siawo dzi.—Kolosetɔwo 3:5-8.

Ðewohĩ èxlẽa magazine sia edziedzi, eye ànya da asi ɖe alesi wòɖea Biblia me nyagblɔɖiwo mee la dzi. Ke hã ɖewohĩ ànɔ hehem ɖe megbe le afɔɖeɖe ayi ŋgɔ ade ha kple Yehowa Ðasefowo. Gake ne míedze ŋgɔ afɔku aɖe la, nuxlɔ̃amea sese ɖeɖekoe hiã? Abe alesi míekpɔe le Fugen-toa ƒe wowó gomee ene la, ele be míawɔ ɖe nuxlɔ̃amea dzi. Ðo ŋku edzi be ne mede ɖeke o hã la, nyadzɔdzɔŋlɔla kple fotoɖela 15 siwo di be yewoakpɔ alesi tututu nua adzɔe teƒe la bu woƒe agbe. Le nyateƒe me la, fotoɖela ɖeka ƒe asibidɛ le fotoɖemɔ̃a ƒe akpa si dzi wotea asi ɖo fotoa ɖena la dzi wòtsɔ kui. Dzotoŋutinunyala aɖe—si gblɔ be, “Ne wòahiã be maku gbeɖeka la, madi be maku ɖe dzoto aɖe gbɔ”—la bu eƒe agbe abe alesi wòdii ene. Wo katã wotsɔ wo ɖokui ke woƒe dɔwɔna kple nudidiwo. Gake wokpɔ tomaɖomaɖo nuxlɔ̃ame ŋuti fetu—si nye ku.

Egbea ame geɖe se nyametsotso si Mawu wɔ be yeatsrɔ̃ nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ŋuti gbedasia, eye wonya nusita wole nu xlɔ̃m wo vaseɖe afi aɖe. Woasusu be ‘ɖewohĩ ava eme gbaɖegbe, gake menye le ŋkeke siawo me o.’ Woɖe Yehowa ƒe ŋkekea ƒe vava ɖa le susu me da ɖe ɣeyiɣi si sɔ na woa ŋutɔwo dzi ale be womagadzudzɔ nusi le vevie fifia le woƒe ŋkume la wɔwɔ o.

Kuxi sia tɔgbe nɔ Barux ŋu. Esi Barux nye blemanyagblɔɖila Yeremya ƒe agbalẽŋlɔla ta la, etsɔ dzideƒo xlɔ̃ nu Israel-viwo tso tsɔtsrɔ̃ si gbɔna Yerusalem dzi la ŋu. Gake ɣeaɖeɣi la, dɔ si wode esi la wɔwɔ va te ɖeɖi eŋu ale gbegbe. Le ema ta la, Yehowa ɖɔe ɖo gblɔ be: “Wòa nèbe, yeadi nu gãwoa? Megadi wo o.” Wogblɔ na Barux be ‘wòagadi nu gãwo na eɖokui o,’ eɖanye kesinɔnu, ŋkɔxɔxɔ, alo ŋutilãmededienɔnɔ ye o. Nu ɖeka ko mee wòle be wòatsɔ ɖe le, si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu be wòakpe ɖe amewo ŋu woava nɔ Eƒe akpa dzi. Ne ewɔe nenema la, ‘eƒe agbe azu aboyonu’ nɛ wòaxɔ. (Yeremya 45:1-5) Nenema ke le esi teƒe be ‘míanɔ nu gãwo dim na mía ɖokui’ la, ele be míadi Yehowa, si ana míaxɔ míaƒe agbe la boŋ.

Le Fugen-toa gbɔ la, kpovitɔ siwo wu wuieve kple lɔlɔ̃nu faa dzotsilawo nɔ teƒea esi dzotoa wó bla wo. Wonɔ agbagba dzem be yewoakpe ɖe amesiwo ɖo afɔku me la ŋu ahakpɔ wo ta. Wole abe ŋutsu kple nyɔnu siwo si nukpɔsusu nyui le siwo le didim vevie be yewoaɖɔ xexe sia me nɔnɔmewo ɖo. Gake togbɔ be susu nyui ye anɔ wo si hã la, ‘womate ŋu adzɔ nusi glɔ̃ la o.’ (Nyagblɔla 1:15) Womate ŋu adzɔ nuɖoanyi si glɔ̃ la o. Ðe nunya le eme be ame nawɔ eɖokui ‘xexeame xɔlɔ̃’ anɔ agbagba dzem be yeakpɔ xexeame ƒe nuɖoanyi si Mawu ɖo tame be yeaɖe ɖa la taa?

Ne Ènya Si Ko La, Mègagbugbɔ Yi O

Nu bubue wònye be woasi le nuɖoanyi si le afɔku me la me, gake nya bubu kurae wònye be woakpɔtɔ anɔ ‘nɔviwo ƒe habɔbɔ bliboa’ ƒe beléle si kpɔa ame ta la te. (Petro I, 2:17) Migana míaŋlɔ agbledela siwo, esi woɖe wo tso Fugen-toa gbɔ vɔ la, wogbugbɔ yi toa gbɔ be yewoakpɔ yewoƒe agblewo ɖa la be o. Ðewohĩ wotsi dzi be alesi yewonɔa “agbee tsã” wòma yewo nagasu yewo si. Gake èkpɔe be nunya mele nyametsotso si wowɔ hegbugbɔ yi la me o. Ðewohĩ menye zi gbãtɔ si woɖo afɔ afɔkuteƒea nye ema o. Ðewohĩ woanya ɖo afɔ afɔkuteƒea hetɔ ɖe afima sẽ eye naneke medzɔ o. Ɣebubuɣi la, ɖewohĩ woanya nɔ teƒea wòadidi vie wu gbãtɔ, gake naneke medzɔ fifia hã o. Ðewohĩ eteƒe medidi o dedienɔƒea ŋu gbɔgbɔ ayi afɔkuteƒea va ma wo eye dzi ɖoa wo ƒo wonɔa tsatsam le afɔkuteƒea.

Yesu Kristo ƒo nu tso nɔnɔme ma tɔgbe si adzɔ le ‘nuɖoanyi siawo ƒe nuwuɣi’ ŋu. Egblɔ be: “Alesi wowɔ le ŋkeke, si dze ŋgɔ na tɔɖɔɖɔ me, wole nu ɖum, eye wole nu nom, wole srɔ̃ ɖem, eye wole wo tsɔm na, bena woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi ɖe aɖakaʋua me, eye womedze sii o, vaseɖe esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.”—Mateo 24:3, 38, 39.

De dzesii be Yesu yɔ nuɖuɖu, nunono, kple srɔ̃ɖeɖe. Nusiawo dometɔ aɖeke menye nugbegblẽ le eɖokui si le Yehowa ŋkume o. Ekema nukae gblẽ? Noa ŋɔli me tɔwo ‘mede dzesi naneke o,’ woƒe agbenɔnɔ si ku ɖe gbesiagbenuwɔnawo ko ŋue woƒe susu nɔ. Le nuwɔwɔ kpata ƒe ɣeyiɣi me la, ame mate ŋu anɔ agbe alesi “wonɔnɛ tsã” o. Ne ènya si, alo ɖe ɖokuiwò ɖe aga tso fifi xexe si gbɔna tsɔtsrɔ̃ ge ŋu ko la, ele be nàtsi tre ɖe dzodzro ɖesiaɖe si aɖo mewò be nàgbugbɔ ayi eme aɖafɔ nusiwo nègblẽ ɖi la ŋu. (Korintotɔwo I, 7:31) Ðewohĩ àdzo le gbɔgbɔmededienɔƒea vie agatrɔ agbɔ nuvevi aɖeke mawɔ o, eye ame aɖeke made dzesii gɔ̃ hã o. Gake ema ate ŋu ana dzi naɖo ƒowò eye wòakplɔ wò ayi xexeamee ake, eye ànɔ eme wòadidi vie. Madidi o àte gbɔgblɔ be: “Nuwuwua megbɔna fifia o.”

Azɔ hã bu taksikula etɔ̃a, siwo bu woƒe agbe esi wonɔ nyadzɔdzɔŋlɔlaawo kple fotoɖelaawo lalam esi dzotoa wó heɖiɖi kɔ ɖe wo dzi la ŋu kpɔ. Egbea la, ame aɖewo aku ɖe amesiwo le tetem kpɔ be yewoagbugbɔ ayi xexeame la ŋu goŋgoŋ. Nuka ke ɖanye woƒe susu o, eme kɔ ƒã be tɔtrɔ yi afɔkuteƒe tsɔtsɔ wɔ fefee maɖe vi o.

Amesiwo katã Fugen-toa wó bla la dzo le dedienɔƒea heyi ɖe afɔkuteƒea. Togbɔ be wonɔ mɔ kpɔm be dzotoa awó gbeɖeka hã la, wo dometɔ aɖeke mesusu be gbemagbee wòawó o. To ŋkuléle ɖe nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu ƒe dzesiwo ŋu me la, ame geɖe le mɔ kpɔm be Yehowa ƒe ŋkekea ava gbeɖeka, gake manye fifia o. Ame aɖewo gɔ̃ hã susuna be ŋkekea mate ŋu ava “fifia” gbeɖe o. Afɔku le nuŋububu alea me vavã.

Apostolo Petro xlɔ̃ nu be: “[Yehowa ƒe] ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene.” Ele be míanɔ ŋudzɔ, “eye mialala, eye miadi Mawu ƒe ŋkeke la ƒe vava vevie,” ‘míado vevie, bena woakpɔ mí le ŋutifafa me ɖimaƒomaƒo kple mokaka manɔŋui le eƒe ŋku me.’ (Petro II, 3:10-14) Ne wotsrɔ̃ fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖia vɔ la, paradisonyigba si dzi Mawufiaɖuƒea aɖu le mía lalam. Esi ŋkeke si dzi míatso flia agbugbɔ ayi xexeame ate ŋu anye Yehowa ƒe ŋkekea ta la, negadzro mí gbeɖe be míate kpɔ ayi afɔkuteƒea, eɖanye susu ka kee va míaƒe tame o.

Di sitsoƒe le Yehowa ƒe amewo gbɔ eye nànɔ wo dome.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Di sitsoƒe le Yehowa ƒe amewo gbɔ eye nànɔ wo dome

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 4]

Iwasa/Sipa Press