Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wɔ Ðe Nuxlɔ̃amea Dzi!

Wɔ Ðe Nuxlɔ̃amea Dzi!

Wɔ Ðe Nuxlɔ̃amea Dzi!

GBOO! Le June 3, 1991, dzi la, Fugen-to si le Japan la ʋuʋu kpekpekpe sesĩe hewó kpoyi eye dzo kple dzofi xɔdzo do tso eme bababa. Tsu si xɔ dzo gbãgbãgbã la tsa yi toa gɔme. Ame 43 ye tsi eme. Amesiwo to eme do la dometɔ geɖe fiã vevie. Wo dometɔ aɖewo nɔ ɣli dom be: “Taflatse mina tsim, mina tsim.” Dzotsilawo kple kpovitɔwo nɔ du dzi sesĩe be yewoakpe ɖe wo ŋu.

ANYE kwasiɖa eve do ŋgɔ la, wokpɔ ba si bla zu kpe le Fugen-toa tame, eyata dziɖuɖumegãwo kple dua me tɔwo nɔ ŋudzɔ. Woxlɔ̃ nu amewo be woadzo le nutoa me kwasiɖa blibo ɖeka do ŋgɔ na afɔkua ƒe dzɔdzɔ. Ŋkeke ɖeka ko do ŋgɔ na toa ƒe wowó la, kpovitɔwo gblɔ na nyadzɔdzɔŋlɔlawo be woagaɖo afɔ afɔkuteƒea o. Gake le ŋdɔ dziŋɔ ma me la, ame 43 siwo tsi eme la nɔ afɔkuteƒea.

Nukatae ame geɖe ŋutɔ te kpɔ yi nutoa me alo gbe dzodzo? Agbledela aɖewo siwo ʋu le woƒe aƒewo me gbugbɔ yi woƒe nunɔamesiwo kple agblewo kpɔ ge ɖa. Dzotoŋutinyala etɔ̃ nɔ agbagba dzem nɔ tetem ɖe dzotoa ŋu vivivi be yewoado nusi yewosrɔ̃ tso dzoto ŋu la akpɔ. Nyadzɔdzɔŋlɔla kple fotoɖela geɖe te kpɔ yi afisi ŋu womeɖe mɔ ɖo be ame aɖeke nayi o elabena wodi be yewoakpɔ alesi tututu dzoto wónae ahaŋlɔ nu tso eŋu. Taksikula etɔ̃ siwo nyadzɔdzɔŋlɔlawo da hã nɔ afima. Kpovitɔwo kple lɔlɔ̃nu faa dzotsilawo nɔ afima. Amesiame kple susu si ta wòyi afɔkuteƒea ɖo—eye emetsonuae nye ku.

Ðe Nèle Afɔkuteƒe Aɖea?

Ðewohĩ míanɔ afisi te ɖe dzoto aɖe si gbɔna wowó ge kpuie la ŋu o. Gake ne míedze ŋgɔ afɔku aɖe si gbɔna xexeame katã dzi, si da mí katã ɖe afɔkuteƒe si ƒo xlã anyigba katã ɖe? Agbalẽ aɖe si me nyatakaka si nye nyagblɔɖi si ŋu kakaɖedzi le xlɔ̃ nu mí tso afɔku si gbɔna xexea katã dzi ŋu eye wòɖɔe ale: “Ɣe la ado viviti, eye ɣleti megale ɖiɖi ge o, ɣletiviwo lage tso dziƒo, eye dziƒowo ƒe ŋusẽwo aʋuʋu. . . . Anyigba dzi ƒomeawo katã woado konyifaɣli.” (Mateo 24:29, 30) Le afisia la, woƒo nu tso dziƒonudzɔdzɔ si ava xexe bliboa katã dzi si alɔ “anyigba dzi ƒomeawo katã” ɖe eme la ŋu. Ne míagblɔe bubui la, nyagblɔɖi sia ƒo nu tso afɔku aɖe si ka amesiame ŋu.

Nyagblɔɖigbalẽ sia si ŋu kakaɖedzi le lae nye Biblia. Dzidzɔtɔe la, kpukpui siwo ƒo xlã mawunyakpukpui si míeyɔ va yi me nyawo gblɔ nusiwo adzɔ do ŋgɔ na dzɔgbevɔ̃e si gbɔna xexea katã dzi la tsitotsito. Abe alesi ba si bla kple dzesi bubu siwo ɖenɛ fiana be dzoto aɖe gbɔna wowó ge na Shimabara dumegãwo tɔ asi teƒe aɖe dzi be enye afɔkuteƒee ene la, nenema ke Biblia gblɔ susu si ta wòle be míanɔ ŋudzɔ ahadzra ɖo na agbetsitsi la na mí. Míate ŋu asrɔ̃ nu tso afɔku si dzɔ le Fugen-toa gbɔ la me, eye míanya nusi le ŋgɔ gbɔna la ƒe kpekpeme.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 2]

COVER: Yomiuri/Orion Press/Sipa Press

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 3]

Yomiuri/Orion Press/Sipa Press