Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbe Si Le Bɔbɔe Nɔnɔ Be Masubɔ Yehowa

Agbe Si Le Bɔbɔe Nɔnɔ Be Masubɔ Yehowa

Agbemeŋutinya

Agbe Si Le Bɔbɔe Nɔnɔ Be Masubɔ Yehowa

ABE ALESI CLARA GERBER MOYER GBLƆE ENE

Mexɔ ƒe 92 eye azɔli meganya zɔna nam o, gake nye susu me kɔ, eye megate ŋu léa nu ɖe susu me. Aleke gbegbe medaa akpee enye si be mɔnukpɔkpɔ su asinye mesubɔ Yehowa tso ɖevime! Agbe si le bɔbɔe, si me nuwo medo agba nam le o nɔnɔ gbɔe nu xɔasi sia gbegbe si ɖeke mesɔ kplii o la tso.

WODZIM le August 18, 1907 dzi, le Alliance, Ohio, U.S.A., eye nyee nye vi atɔ̃ ƒe tsitsitɔ. Esi mexɔ ƒe enyi la, Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowoe ɣemaɣii, ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla aɖe do gasɔ va míaƒe nyinotsifiãƒe. Ekpɔ danye, Laura Gerber, le mɔa nu eye wòbiae be enya nusitae woɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu hã. Dada bua nya ma ŋu ɣesiaɣi.

Esi Dada bia mɔ le Papa, amesi nɔ avaa me, gbɔ vɔ megbe la, edɔ Studies in the Scriptures (Nusɔsrɔ̃ le Ŋɔŋlɔawo Me) ƒe babla adea katã. Wo xexlẽ dzɔ dzi nɛ eye Biblia ƒe nyateƒe siwo srɔ̃m wònɔ la ʋãe vevie. Esrɔ̃ Babla 6 lia si ƒe tanyae nye The New Creation, eye wòse alesi wòhiã be Kristotɔ naxɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me la gɔme nyuie. Esi menya afisi wòakpɔ Biblia Nusrɔ̃viawo le o ta la, egblɔ na Papa be wòanyrɔ ye ɖe tɔsisi sue aɖe si to nyinotsiɖaƒea me la me, togbɔ be enye vuvɔŋɔli le March 1916 me hã.

Le esia megbe kpuie la, Dada kpɔ dutoƒonuƒo aɖe si woaƒo le Asrafo Dzudzɔxɔlawo Vinyɔnuwo ƒe Akpata si le Alliance me ŋuti gbeƒãɖenya le nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me. Woɖo tanya na nuƒoa be “Mawu ƒe Ɣeyiɣiwo Ŋuti Ðoɖo.” Esi wònye be tanya ma kee le Studies in the Scriptures ƒe Babla 1 hã si ta la, edzra ɖo ɖe eŋu enumake. Wotsi tasiaɖam enumake, eye ƒome bliboa nɔ tasiaɖam si sɔ hena me yi míaƒe kpekpe gbãtɔ. Tso ɣemaɣi la, míedea kpekpewo le nɔviwo ƒe aƒewo me le Kwasiɖa kple Kuɖa fiẽwo. Le esia megbe kpuie la, Kristo-hamea ƒe amedɔdɔ aɖe gana nyɔnyrɔ Dada ake. Mlɔeba la, Papa, amesi ŋu vovo aɖeke menɔ o le nyinotsifiafiãdɔa ta, hã va tsɔ ɖe le Biblia-nusɔsrɔ̃ me, eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe ʋɛ aɖewo megbe.

Gododo Amesiwo Nɔ Ŋgɔ Xɔm

Le June 10, 1917, dzi la, J. F. Rutherford, amesi nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi, va ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Nukatae Dukɔwo Wɔa Aʋa?” esi wòva Alliance. Mexɔ ƒe asieke eye mí kpakple dzinyelawo kple nɔvinye ŋutsu eve, Willie kple Charles míede. Amewo va wu alafa ɖeka. Le Nɔviŋutsu Rutherford ƒe nuƒoa megbe la, vavalawo dometɔ akpa gãtɔ ɖo fli ɖe Columbia Fefewɔƒea, afisi wòƒo eƒe nuƒoa le, la godo eye woɖe foto. Le kwasiɖa si kplɔe ɖo me la, A. H. Macmillan ƒo nuƒo si ƒe tanyae nye “Mawu ƒe Fiaɖuƒe si Gbɔna” le afima ke. Mɔnukpɔkpɔ ŋutɔe wònye be nɔviŋutsu siawo va srã míaƒe du suea kpɔ.

Takpekpe Vevi Gbãtɔwo

Takpekpe gbãtɔ si medee nye esi wowɔ le ƒe 1918 me le Atwater, Ohio, si gbɔ didi kilometa ʋɛ aɖewo tso Alliance. Dada bia Habɔbɔa ƒe amedɔdɔ si va afima nenye be metsi axɔ nyɔnyrɔ. Mese le ɖokuinye me be meɖe adzɔgbe si dze na Mawu be mawɔ eƒe lɔlɔ̃nu, eyata woɖe mɔ nam be maxɔ nyɔnyrɔa gbemagbe le tɔsisi sue aɖe si te ɖe atikutsetsebɔ aɖe ŋu me. Meɖɔli nye awuwo le agbadɔ aɖe si nɔviawo tu be woaɖɔli awu le eme la me hedo anyimlɔwu titri xoxo aɖe tsɔ xɔ nyɔnyrɔ lae.

Le September 1919 me la, mía kple dzinyelawo míeɖo keteke yi Sandusky, Ohio, si le Erie Ta to. Míeɖo tɔdziʋu le afima, eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, míeɖo Cedar Point afisi woawɔ míaƒe takpekpe vevia le. Esi míeɖi tso tɔdziʋua me la, ŋdɔnuɖuɖudzraƒe sue aɖe nɔ tɔdziʋudzeƒea. Mekpɔ nyilãtutu si ɖuɖu dzɔa dzi nam le ŋkeke mawo me la ƒle. Evivi ŋutɔ! Míaƒe ŋkeke enyi takpekpea valawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔe nye 7,000. Nuƒomɔ̃ aɖeke menɔ anyi o, eyata ele be malé to ɖe nyaawo ŋu nyuie.

Le takpekpe sia me la, woɖe Gbetakpɔxɔ magazine ƒe kpeɖeŋutɔ si ƒe ŋkɔe nye The Golden Age (si míeyɔna egbea be Nyɔ!) la ɖe go. Be mate ŋu ade takpekpe ma la, suku ƒe kwasiɖa gbãtɔ to ŋunye, gake eɖe vi nam. Cedar Point nye mɔkekeɖuƒe aɖe, eye nuɖalawo nɔa nuɖuɖudzraƒe si le afima heɖaa nu na vavalawo. Gake le susu aɖe ta la, nuɖalaawo kple kplɔ̃ŋusubɔlawo gbe dɔmeyiyi, eyata nɔvi Kristotɔ siwo nya nuɖaɖa tsɔ wo ɖokui na heɖa nu na vavalawo. Tso esia dzi la, Yehowa ƒe amewo ɖaa woawo ŋutɔ ƒe nuɖuɖu le takpekpe sue kple gãwo me.

Mɔnukpɔkpɔ gasu mía si be míegatrɔ yi Cedar Point le September 1922 me hena ŋkeke asieke ƒe takpekpe si valawo wu 18,000. Afimae Nɔviŋutsu Rutherford de dzi ƒo na mí le be “miɖe gbeƒã, miɖe gbeƒã, miɖe gbeƒã Fia la kple eƒe fiaɖuƒe” la. Gake metsɔ traktwo kple The Golden Age la mama dze nye subɔsubɔdɔa gɔme ƒe aɖewo do ŋgɔ xoxo.

Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Subɔsubɔdɔa Ŋu

Le ƒe 1918 ƒe gɔmedzedze la, mekpɔ gome le trakt si nye The Fall of Babylon (Babilon ƒe Anyidzedze) mama na amesiwo le agble siwo ƒo xlã mí me. Le xexeame ƒe fafa ta la, míedea kpe dzo me le aƒeme hetsɔna dea tasiaɖam la me bene dzoxɔxɔ nalé míaƒe afɔwo. Esi wònye tasiaɖam la tame kple axawo dzi koe avɔ xe eye naneke meli miatsɔ ana eme naxɔ dzo o ta la, míedoa awu kple kuku titriwo. Gake ɣeyiɣi mawo nye esiwo me dzidzɔ nɔ.

Le ƒe 1920 me la, wota The Finished Mystery ƒe tata tɔxɛ aɖe ɖe magazine ƒe nɔnɔme me si ŋkɔe nye ZG *. Mía kple dzinyelawo míetsɔ agbãle sia yi gbea dzii le Alliance. Le ŋkeke mawo me la, amesiame yia gbeadzi le eɖokui si, eyata metsɔ vɔvɔ̃ lia dzi yi xɔtakpatɛ aɖe dzi afisi ame geɖe nɔ anyi ɖo. Esi megblɔ nye ɖaseɖinya vɔ la, nyɔnu ɖeka gblɔ be: “Ðe eƒe nuƒo kpuia medze to oa,” eye wòxɔ agbalẽa. Mena ZG 13 gbemagbe, eye wònye zi gbãtɔ si nye ɖaseɖiɖi didi wu le tso aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa wɔwɔ me.

Esi menɔ titinasuku xɔ etɔ̃lia me la, axamedɔ lé Dada eye wòtsi aba dzi wu ɣleti ɖeka. Nɔvinyenyɔnu suetɔ, Hazel, nye vidzĩ, eyata medzudzɔ suku be makpe asi ɖe nyinotsiɖaɖadɔa ŋu ahakpɔ ɖeviawo gbɔ. Ke hã míaƒe ƒomea lé Biblia ƒe nyateƒea me ɖe asi sesĩe, eye míedea hamea ƒe kpekpewo katã edziedzi.

Le ƒe 1928 me la, wotsɔ trakt si ƒe tanyae nye “Where Are the Nine?” [Ame Asiekeawo Ðe?] na amesiwo katã va Kristo ƒe kua ƒe Ŋkuɖodzia ɖuƒe. Eɖe Luka 17:11-19 me, afisi Biblia gblɔ le be anyidzela ewo siwo ŋuti wokɔ la dometɔ ɖeka pɛ koe tsɔ ɖokuibɔbɔ va da akpe na Yesu le nukugbedada la ta. Ewɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe. Mebia ɖokuinye se be: ‘Aleke gbegbee meɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fianae?’

Esi nuwo nɔ afɔ tsɔm nyuie le aƒeme eye lãmesẽ nɔ asinye eye agbanɔamedzi aɖeke menɔ dzinye o ta la, metso nya me be madzo le aƒeme be mawɔ mɔɖeɖedɔa, si nye alesi woyɔa ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔae. Dzinyelawo de dzi ƒo nam be mawɔe. Eyata, wode dɔ asi na mía kple nye zɔhɛ, Agnes Aleta, eye le August 28, 1928 dzi la, míeɖo keteke le zã ga 9:00 me. Mɔzɔkplo ɖeka kple akplo si wotsɔna kua abɔ si me míatsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo dee koe nɔ mía dometɔ ɖesiaɖe si. Nɔvinye nyɔnuwo kple dzinyelawo fa avi le ʋua ɖoƒe, eye míawo hã míefae. Esi míexɔ se be Harmagedon tu aƒe ta la, mesusu be nyemagakpɔ wo ake o. Esi ŋu ke la, míeɖo Brooksville, Kentucky afisi míawɔ dɔ le.

Míehaya xɔ sue aɖe le amedzrodzeƒe aɖe eye míeƒle spaghetti si wode ganu me eye míawo ŋutɔwo míemea abolo siwo me míede lãe. Míemaa mɔ gbesiagbe, eye míewɔa dɔa le mía ɖokui si henaa agbalẽ atɔ̃ aƒemenɔlawo eye wodzɔa ga dɔlar 1.98 ɖe eta. Ʋeʋeʋe la, míekpe dua ɖo, eye míeke ɖe ame geɖe siwo tsɔ ɖe le Biblia me vevie ŋu.

Anye ɣleti etɔ̃ sɔŋ la, míede amesiwo katã nɔ Brooksville kple Augusta kple woƒe golɔgoewo me gbɔ. Eyata míeyi edzi ɖawɔ dɔ le du siwo nye Maysville, Paris, kple Richmond me. Le ƒe etɔ̃ siwo kplɔe ɖo me la, míekpe nuto geɖe ɖo le Kentucky, afisi hame aɖeke menɔ o. Zi geɖe la, xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo kua ʋu tsoa Ohio va wɔa ɖeka kpli mí le subɔsubɔdɔa me hena kwasiɖa ɖeka alo wu nenema le ɣeyiɣi ɖeka me.

Takpekpe Ðedzesi Bubuwo

Takpekpe si míewɔ le Columbus, Ohio, tso July 24-30, 1931, dzi la ɖe dzesi vavã. Afimae woɖe gbeƒã le be ŋkɔ si wotu ɖe Biblia dzi, si woayɔ na mí enye Yehowa Ðasefowo. (Yesaya 43:12) Do ŋgɔ na ema la, ne amewo bia mí be subɔsubɔha ka me tɔwoe míenye hã la, míegblɔna be, “Dukɔwo Dome Biblia Nusrɔ̃viwo” míenye. Gake ema mena míeto vovo tututu o, esi wònye be Biblia nusrɔ̃viwo nɔ subɔsubɔha vovovowo hã me ta.

Nye zɔhɛ, Agnes, ɖe srɔ̃, eye nye ɖeka koe kpɔtɔ; eyata dzi dzɔm esime woɖe gbeƒã be amesiwo le zɔhɛ mɔɖelawo dim nava teƒe aɖe. Medo go Bertha kple Elsie Garty kple Bessie Ensminger le afima. Ʋu eve nɔ wo si eye wonɔ nɔvinyɔnu mɔɖela enelia dim be wòawɔ dɔ kpli yewo. Míezɔ mɔ ɖekae dzo le takpekpea wɔƒe, togbɔ be míedze si mía nɔewo ɖi tsã o hã.

Le dzomeŋɔlia me la, míewɔ dɔ le Pennsylvania nutoa katã me. Emegbe si vuvɔŋɔli nɔ ɖoɖom la, míebia be woaɖe mí ayi anyiehe-nuto siwo nye North Carolina, Virginia, kple Maryland, afisi xɔ dzo vie wu. Le adame la, míetrɔ yi dziehe. Aleae mɔɖelawo wɔna ɣemaɣi. Le ƒe 1934 me la, John Booth kple Rudolph Abbuhl, amesiwo hã wɔ dɔ alea la kplɔ Ralph Moyer kple nɔviaŋutsu suetɔ Willard kpe ɖe wo ɖokui ŋu yi Hazard, Kentucky.

Mía kple Ralph míedo go zi geɖe, eye míeva nya mía nɔewo nyuie wu le takpekpe gã si míewɔ le Washington, D.C. le May 30–June 3, 1935 dzi me. Mía kple Ralph míenɔ teƒe ɖeka le takpexɔa ƒe yaxɔƒe esime wonɔ nu ƒom tso “ameha gã” la ŋuti. (Nyaɖeɖefia 7:9-14) Do ŋgɔ la, míexɔe se be amesiwo le ameha gã la me nye dziƒoyila siwo ƒe nuteƒewɔwɔ mede ame 144,000 la tɔ nu o. (Nyaɖeɖefia 14:1-3) Eyata nyemedi be manye wo dometɔ ɖeka o!

Esi Nɔviŋutsu Rutherford ɖe eme be ameha gã la me tɔwo nye anyigbadzinɔla wɔnuteƒe siwo atsi agbe le Harmagedon me la, ewɔ nuku na ame geɖe. Emegbe ekpe ameha gãa me tɔwo katã be woatsi tre. Nyemetso o, gake Ralph ya tso. Emegbe nuwo me va kɔ nam, eyata ƒe 1935 ye nye ƒe mamlɛtɔ si meɖu kpɔɖeŋu bolo kple wein la le Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia ɖuƒe. Gake Dada ya yi eɖuɖu dzi vaseɖe esime wòku le November 1957 me.

Zɔhɛ si Manɔ Anyi Kplii Ðaa

Mía kple Ralph míeyi edzi nɔ lɛta ŋlɔm na mía nɔewo. Menɔ subɔsubɔm le Lake Placid, New York, eye eya nɔ Pennsylvania. Le ƒe 1936 me la, ewɔ kekexɔ sue aɖe si wòate ŋu ahe kple eƒe ʋu. Ehee tso Pottstown, Pennsylvania, yi Newark, New Jersey, hena takpekpe si woawɔ le afima le October 16-18 dzi. Le wɔnaa ƒe nuwuwu fiẽ aɖe la, mí mɔɖela geɖe míeyi ɖakpɔ Ralph ƒe kekexɔ yeyea. Mía kplii míetsi tre ɖe nuklɔƒe sue si wòwɔ ɖe kekexɔa me la ŋu esime wòbiam be, “Kekexɔa dze ŋuwòa?”

Esi melɔ̃ ta la, ebiam be, “Èdi be yeanɔ emea?”

Meɖo eŋu be “Ẽ,” eye wògbugbɔ nu nam lɔlɔ̃tɔe, si nyemaŋlɔ be akpɔ gbeɖe o. Le ŋkeke aɖewo megbe la, míexɔ srɔ̃ɖegbalẽ. Le October 19, si nye ŋkeke si kplɔ takpekpea ɖo dzi la, míeyi Brooklyn ɖaɖi tsa le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽtaƒea. Emegbe míebia be woana anyigbamama mí. Grant Suiter ye nɔ anyigbamama dzi kpɔm, eye wòbia be amekawoe awɔ dɔ le eme hã. Ralph gblɔ be, “Míawɔe ne míate ŋu aɖe mía nɔewo ko.”

Nɔviŋutsu Suiter ɖo eŋu be, “Ne míeva le fiẽ ga 5:00 me la, míate ŋu awɔ ɖoɖo ɖe eŋu.” Eyata míeɖe mía nɔewo fiẽ ma le Ðasefo aɖe ƒe aƒeme le Brooklyn Nutoa me. Míeɖu nu kple xɔlɔ̃ aɖewo le nuɖuɖudzraƒe aɖe si le afima eye míeɖo ʋu yi Ralph ƒe kekexɔa gbɔ le Newark, New Jersey.

Le esia megbe kpuie la, míeɖo ta Heathsville, Virginia, afisi nye teƒe gbãtɔ si woɖo mí ɖo na mɔɖeɖedɔa wɔwɔ. Míewɔ dɔ le Northumberland Nutome eye emegbe míeyi Fulton kple Franklin nuto, siwo le Pennsylvania la me. Le ƒe 1939 me la, womia asi Ralph be wòava wɔ nutome subɔla ƒe dɔ, si me míanɔ hame xexlẽme aɖewo srãm kpɔ edziedzi. Míesubɔ hame siwo nɔ Tennessee nutoa me. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, míedzi míaƒe viŋutsu, Allen, eye le ƒe 1941 me la, wotɔ te nutome subɔsubɔdɔa. Woɖo mí ɖe Marion, Virginia, be míanye mɔɖela veviwo. Le ŋkeke mawo me la, ebia gaƒoƒo 200 zazã ɣleti ɖesiaɖe le subɔsubɔdɔa me.

Asitɔtrɔwo Wɔwɔ

Le ƒe 1943 me la, mede dzesii be ehiã be maɖe asi le mɔɖela vevi ƒe subɔsubɔdɔa ŋu. Kekexɔ sue ma me nɔnɔ, ɖevi sue dzi kpɔkpɔ, nuɖaɖa, mí katã míaƒe nudodowo ƒe dzadzɛnɔnɔ gbɔ kpɔkpɔ, kple gaƒoƒo si anɔ 60 zazã le subɔsubɔdɔa me ɣleti sia ɣleti koe nye nusi magate ŋu awɔ. Gake Ralph yi eƒe mɔɖela vevi dɔa dzi.

Míedzra kekexɔ si me míenɔ ƒe asieke sɔŋ la hetrɔ gbɔ va Alliance, Ohio, le 1945 me, eye míenɔ aƒeme kple dzinyelawo le agblea dzi. Afimae medzi mía vinyɔnu Rebekah le, le akpata si le ŋkumea me. Ralph di ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe dɔ le dua me eye wòyi gbesiagbe mɔɖeɖedɔa wɔwɔ dzi. Mewɔa dɔ le agblea dzi eye mewɔ nusianu si mate ŋui be matsɔ akpe ɖe eŋu ne wòayi mɔɖeɖedɔa wɔwɔ dzi. Togbɔ be ƒonyemetɔwo na anyigba kple xɔ mí femaxee hã la, Ralph mexɔ wo o. Medi be naneke naɖe fu na ye o ale be míate ŋu akpɔ vovo ɖe Fiaɖuƒea ƒe nuwo ŋu bliboe.

Le ƒe 1950 me la, míeʋu yi Pottstown, Pennsylvania, eye míehaya aƒe aɖe si ta míexea dɔlar 25 ɖo ɣleti sia ɣleti. Le ƒe 30 siwo kplɔe ɖo megbe la, dɔlar 75 koe xɔfetua yi dzi va ɖo. Míese le mía ɖokui me be Yehowa nɔ kpekpem ɖe mía ŋu be míanɔ agbe si le bɔbɔe wu. (Mateo 6:31-33) Ralph wɔa takokodɔ ŋkeke etɔ̃ le kwasiɖa me. Kwasiɖa ɖesiaɖe la, míesrɔ̃a Biblia kple mía vi eveawo, míedea hame ƒe kpekpewo, eye ƒomea ɖaɖea gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia. Ralph nye hame si nɔ afima ƒe dzikpɔla zimenɔla. To nana be míaƒe agbenɔnɔ nanɔ bɔbɔe dzi la, míete ŋu wɔ geɖe le Yehowa subɔsubɔ me.

Nye Kpeɖeŋutɔ Lɔlɔ̃tɔa ƒe Ku

Le May 17, 1981 dzi la, míenɔ dutoƒonuƒo sem le Fiaɖuƒe Akpata me. Ralph ƒe lãme meɖe mɔ nɛ o, eyata edo yi ɖe akpataa godo eye wòna anyinɔƒedzikpɔlawo dometɔ ɖeka tsɔ agbalẽvi aɖe si dzi wòŋlɔ ɖo be yeyina aƒeme la vɛ nam. Ralph mewɔ esia kpɔ o, eyata mena ame aɖe kɔm ɖe ʋu me yi aƒeme enumake. Le gaƒoƒo ɖeka me la, tutudɔ sesẽ aɖe wu Ralph. Le ŋdi ma ƒe Gbetakpɔxɔ nusɔsrɔ̃ megbe la, woɖe gbeƒãe na hamea be eku.

Ralph zã gaƒoƒo si wu 50 xoxo le subɔsubɔdɔa me le ɣleti ma me. Etsɔ ƒe si wu 46 wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖeɖedɔae. Esrɔ̃ Biblia kple amesiwo sɔ gbɔ wu alafa ɖeka siwo va zu Yehowa ƒe Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo. Gbɔgbɔmeyayra siwo míekpɔ la xɔ asi de nusianu ƒomevi si míetsɔ sa vɔe le ƒe siwo katã va yi me nu.

Meda Akpe Ðe Nye Mɔnukpɔkpɔwo Ta

Le ƒe 18 siwo va yi me la, nye ɖeka koe li, medea kpekpewo, ɖea gbeƒã na amewo alesi mate ŋui, hesrɔ̃a Mawu ƒe Nya. Fifia mele ame tsitsi siwo xɔ dzudzɔ le dɔme dzikpɔƒe. Xɔmenu ʋɛ aɖewo koe le asinye eye nyemedi be television hã nanɔ asinye o. Gake gbɔgbɔmekesinɔnuwo yɔ nye agbe me fũ. Dzinyelawo kple nɔvinyeŋutsu eveawo wɔ nuteƒe vaseɖe woƒe ku me, eye nɔvinyenyɔnu eveawo gakpɔtɔ lé nyateƒea me ɖe asi.

Edzɔa dzi nam be vinyeŋutsu, Allen, nye hamemegã Kristotɔ. Etsɔ ƒe geɖe wɔ dɔ le Fiaɖuƒe Akpatawo kple Takpexɔwo me nuƒomɔ̃wo dede me eye wòwɔa dɔ le nuƒomɔ̃wo dede me le dzomeŋɔli takpekpewo me. Srɔ̃a nye Mawu subɔla wɔnuteƒe, eye wo viŋutsu eveawo nye hamemegãwo. Vinyenyɔnu Rebekah Karres, tsɔ ƒe si wu 35 wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔae, eye ewɔ dɔ ƒe ene le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn. Eya kple srɔã tsɔ ƒe si wu 25 wɔ mɔzɔzɔdɔa le United States ƒe akpa vovovowo.

Yesu gblɔ be Fiaɖuƒea ɖi kesinɔnu si woɣla si ŋu woate ŋu ake ɖo. (Mateo 13:44) Meda akpe be nye ƒomea ke ɖe kesinɔnu ma ŋu ƒe geɖe siwo va yi. Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si wònye ne meɖo ŋku ƒe 80 kple edzivɔ siwo metsɔ ɖokuinye ke Mawu hesubɔe la dzi—tse aɖeke maɖumaɖui! Le nyateƒe me la, nenye be magakpɔ agbe anɔ ake la, manɔe ɖe mɔ ma ke nu elabena ‘Mawu ƒe amenuveve nyo wu agbe.’—Psalmo 63:4.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 17 The Finished Mystery la nye Studies in the Scriptures ƒe babla vovovoawo ƒe adrelia, eye eƒe ade gbãtɔawo nye esiwo Charles Taze Russell ŋlɔ. Russell ƒe ku megbee wota The Finished Mystery la.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Míese Nɔviŋutsu Rutherford ƒe nuƒo le ƒe 1917 me le Alliance, Ohio

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Mía kple Ralph le kekexɔ si wòtu la ŋgɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Mía kple vinye eveawo egbea