Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mawu Ðoa Gbedodoɖa Ŋu

Mawu Ðoa Gbedodoɖa Ŋu

Mawu Ðoa Gbedodoɖa Ŋu

Kornelio nye ŋutsu aɖe si bia Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ to gbedodoɖa vevie edziedzi me. Gawu la, ewɔ eƒe aʋafianyenye ŋudɔ nyuie. Biblia gblɔ be, ‘ewɔ dɔmenyonu geɖewo’ na amesiwo hiã tu.— Dɔwɔwɔwo 10:1, 2.

LE ƔEYIƔI ma me la, Yudatɔ siwo xɔ se, trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo, kple Samariatɔwoe nɔ Kristo-hamea me. Kornelio nye Trɔ̃subɔdukɔmetɔ aʋamatsomatsotɔ eye menɔ Kristo-hamea me o. Ðe ema fia be eƒe gbedodoɖawo nye dzodzroa? Ao. Yehowa Mawu de dzesi Kornelio kple nusiwo wòdoa gbe ɖa hewɔna.—Dɔwɔwɔwo 10:4.

To mawudɔla ƒe mɔfiafia dzi la, Kornelio va ke ɖe Kristo-hamea ŋu. (Dɔwɔwɔwo 10:30-33) Ewɔe be mɔnukpɔkpɔ su eya kple eƒe aƒemetɔwo si be wova zu Trɔ̃subɔdukɔmetɔ aʋamatsomatsotɔ gbãtɔ siwo woxɔ ɖe Kristo-hamea me. Yehowa Mawu bu Kornelio ŋutɔ ƒe nuteƒekpɔkpɔa be edze be woatsɔe akpe ɖe Biblia me nuŋlɔɖiwo ŋu. Ðikeke mele eme o be, ewɔ tɔtrɔ geɖe be eƒe agbenɔnɔ nasɔ bliboe kple Mawu ƒe dzidzenuwo. (Yesaya 2:2-4; Yohanes 17:16) Ele be Kornelio ƒe nuteƒekpɔkpɔa nade dzi ƒo na dukɔwo katã me tɔ siwo di be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu egbea. Xlẽ kpɔɖeŋu aɖewo kpɔ.

Egbeŋkekeawo me Kpɔɖeŋuwo

Ðetugbi aɖe si le India hiã akɔfafa vevie ŋutɔ. Eɖe srɔ̃ esi wòxɔ ƒe 21 eye vi eve nɔ esi. Gake le vi evelia dzidzi vɔ megbe teti la, srɔ̃ŋutsua ku. Kasia esi wòxɔ ƒe 24 la, ezu ahosi si si vinyɔnu si xɔ ɣleti 2 kple viŋutsu si xɔ ɣleti 22 nɔ. Eyata mewɔ nuku o be ehiã akɔfafa! Afikae wòakpɔe le? Etsɔ nuxaxa vevie do gbe ɖa le zã aɖe me gblɔ be: “Dziƒo Fofo, taflatse fa akɔ nam to wò Nya la dzi.”

Esi ŋu ke la, amedzro aɖe va egbɔ. Enye Yehowa Ðasefo. Gbemagbe la, tso aƒeme yi aƒeme ƒe subɔsubɔdɔ si wòwɔ la mevivi enu o elabena ame ʋɛ aɖewo koe na mɔe wòƒo nu na wo. Esi ɖeɖi te eŋu eye dzi ɖe le eƒo ta la, edi be yeayi aƒeme, gake ese le eɖokui me be yeayi aƒe ɖeka me hafi akpã. Afimae wòdo go ɖetugbi sia si nye ahosi la le. Ekpee be wòage ɖe eme eye wòxɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖe. Nyɔnua kpɔ akɔfaname tso agbalẽ ma xexlẽ kple numedzodzro kple Ðasefoa me. Esrɔ̃ nu tso ŋugbe si Mawu do be yeafɔ ame kukuwo ɖe tsi tre kple Mawu ƒe Fiaɖuƒe si awɔ anyigbaa wòazu paradiso kpuie la ŋu. Vevietɔ wu la, eva dze si Mawu vavã, Yehowa, amesi ɖo eƒe gbedodoɖaa ŋu eye wòlɔ̃e.

Nora, amesi le George-dugã me le South Africa la tsɔ ɣleti ɖeka ɖo anyi be yeawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa. Hafi wòadze egɔme la, edo gbe ɖa na Yehowa vevie be wòakpe ɖe ye ŋu yeake ɖe ame aɖe si tsɔ ɖe le Biblia sɔsrɔ̃ me vevie ŋu. Ame aɖe si ɖe amemabumabu fia Nora esi wòyi egbɔ le ɣeyiɣi siwo va yi me la ƒe aƒe nɔ anyigbamama si wotsɔ nɛ be wòawɔ dɔ le eme la me. Nora tsɔ dzideƒo yi ɖe aƒe ma me ake. Nukutɔe la, ekpɔe be xɔhayala yeye si ŋkɔe nye Noleen ye ʋu va aƒea me. Gakpe ɖe eŋu la, Noleen kple dadaa doa gbe ɖa na Mawu be wòakpe ɖe yewo ŋu yewoase Biblia gɔme. Nora gblɔ be: “Esi metsɔ Biblia nusɔsrɔ̃ ɖo wo ŋku me la, edzɔ dzi na wo.” Noleen kple dadaa wɔ ŋgɔyiyi kabakaba. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wo kpakple evea siaa va kpe ɖe Nora ŋu wote gomekpɔkpɔ le gbɔgbɔmegbedadadɔa me.

Kpɔɖeŋu bubu si ɖe gbedodoɖa ƒe ŋusẽ fiae nye srɔ̃tɔ aɖe siwo le South Africa ƒe dugã si nye Johannesburg me. Dennis kple Carol ƒe srɔ̃ɖeɖe ɖo afɔku me le ƒe 1996 ƒe Memleɖa aɖe ƒe zã me. Nu mamlɛtɔ si woɖo be yewoawɔ koe nye be yewoado gbe ɖa abia kpekpeɖeŋu, eye wonɔ esia wɔwɔ dzi vaseɖe esime zã tsi. Le ŋdi si kplɔe ɖo ƒe ga 11:00 me la, Yehowa Ðasefo eve va ƒo ʋɔ na wo. Dennis yi ɖakpɔ amesi wonye hegblɔ na wo be woalala ne yeayɔ ye srɔ̃ vɛ. Dennis de se na Carol be ne eɖe mɔ na Ðasefoawo woge ɖe xɔa me la, asesẽ hafi yewoate ŋu anya wo adzoe. Carol ɖo ŋku edzi na Dennis be yewonɔ gbe dom ɖa hena kpekpeɖeŋu hegblɔ be ɖewohĩ esiae anye yewoƒe gbedodoɖawo ƒe ŋuɖoɖo si Mawu le nanam. Eyata wona Ðasefoawo ge ɖe eme eye wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme le agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me la me. Dennis kple Carol kpɔ dzidzɔ vevie ŋutɔ ɖe nusi wosrɔ̃ la ŋu. Ŋdɔ ma ke la, wode kpekpe zi gbãtɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata si le nutoa me la me. To sidzedze si su Dennis kple Carol si le Biblia sɔsrɔ̃ me tsɔtsɔ wɔ dɔe dzi la, wokpɔ ta na woƒe srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo. Fifia wonye Yehowa kafula kpɔdzidzɔ siwo xɔ nyɔnyrɔ eye woƒoa nu tso woƒe dzixɔse siwo wotu ɖe Biblia dzi ŋu na wo haviwo.

Ke Ne Èsusu Be Yemedze Ado Gbe Ða O Ðe?

Dzianukwaretɔ aɖewo ase le wo ɖokui me be yewomedze ado gbe ɖa o le agbe gbegblẽ si yewonɔ ta. Yesu Kristo gblɔ ame ma tɔgbe si nye nudzɔla si woɖi gbɔ̃e ƒe ŋutinya. Esi ŋutsu sia ge ɖe gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu la, ese le eɖokui me be yemedze ayi ɖe gbedoɖaƒea ŋutɔŋutɔ o. ‘Etsi tre ɖe adzɔge ke ƒo akɔta gblɔ bena: “Mawu, kpɔ nublanui na nye, nuvɔ̃wɔla!” ’ (Luka 18:13) Yesu gblɔ be, woɖo to ŋutsu sia ƒe gbedodoɖa. Esia ɖo kpe edzi be Yehowa Mawu nye nublanuikpɔla nyateƒe eye wòdina be yeakpe ɖe nuvɔ̃wɔla siwo trɔ dzime vavã la ŋuti.

De ŋugble le sɔhɛ South Africa-vi aɖe si ŋkɔe nye Paul ŋu kpɔ. Esi Paul nye ɖevi la, ekplɔa dada ɖo yia Kristotɔwo ƒe kpekpewo. Gake esi wònɔ suku kɔkɔ dem la, eva te hadede kple sɔhɛ siwo mewɔna ɖe Mawu ƒe mɔfiafiawo dzi o. Esi wòdo le suku megbe la, eva ɖo South Africa ƒe vovototodedeameme dziɖuɖu si nɔ anyi tsã la ƒe asrafowo me. Emegbe eƒe ahiãvi dzudzɔ zɔzɔ kplii esime menɔ mɔ kpɔm kura o. Agbenɔnɔ sia si me dzidzedzekpɔkpɔ mele o na Paul lé blanui ale gbegbe. Egblɔ be: “Gbeɖeka fiẽ la, medo gbe ɖa na Yehowa hebia eƒe kpekpeɖeŋu, togbɔ be nyemete ɖe Mawu ŋu kple dzi blibo alea kpɔ o ƒe geɖe enye ma hã.”

Le gbedodoɖa sia megbe kpuie la, Paul dada kpee be wòava Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia si woɖuna ƒe sia ƒe la ɖuƒe. (Luka 22:19) Ewɔ nuku na Paul be ye dada kpe ye le esi wònyae be yedze go eye yemetsɔ ɖeke le Biblia me boo o ta. “Mebu amekpekpe sia be enye gbe si medo ɖa na Yehowa la ƒe ŋuɖoɖo hese le ɖokuinye me be ele be mawɔ nu ɖe eŋu.” Tso ɣemaɣi dzi la, Paul dze Kristotɔwo ƒe kpekpewo katã dede gɔme. Le Biblia sɔsrɔ̃ ɣleti ene megbe la, edze hena nyɔnyrɔxɔxɔ. Gakpe ɖe eŋu la, eɖe asi le mɔ̃ɖaŋuŋutinunya si srɔ̃m wònɔ la ŋu hetia dɔ si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔa. Egbea Paul nye amesi le dzidzɔ kpɔm eye eƒe agbenɔnɔ tsãtɔwo megana wòléa blanui azɔ o. Ele subɔsubɔm le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le South Africa ƒe 11 enye si va yi.

Le nyateƒe me la, Yehowa Mawu ɖoa gbedodoɖawo ŋu le nublanuikpɔkpɔ me eye ‘wònyea teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.’ (Hebritɔwo 11:6) Eteƒe madidi o, Yehowa ƒe ŋkeke gã la aɖo eye wòahe vɔ̃ɖinyenyewo katã ava nuwuwui. Hafi ɣeyiɣi ma nava la, Yehowa le gbe si eƒe amewo le dodom ɖa be wòana ŋusẽ kple mɔfiafia yewo yewoatsɔ veviedodo awɔ ɖaseɖiɖidɔ vevia la ŋu ɖom na wo. Woto mɔ sia dzi le ame miliɔn geɖe siwo tso dukɔwo katã me la kplɔm va Kristo-hamea mee eye wotsɔ Biblia me sidzedze si kplɔa ame yia agbe mavɔ mee la le wo yramee.—Yohanes 17:3.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Gbe si Kornelio do ɖa tso dzi me wɔe be apostolo Petro yi ɖe egbɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Gbedodoɖa kpe ɖe ame geɖe ŋu le ƒukpekpe ƒe ɣeyiɣiwo me

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Enyo be woado gbe ɖa abia kpekpeɖeŋu be woase Biblia gɔme

Srɔ̃tɔwo ate ŋu ado gbe ɖa abia kpekpeɖeŋu si woatsɔ ado ŋusẽ woƒe srɔ̃ɖeɖee