Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðokuibɔbɔ Nɔnɔme Si Doa Ŋutifafa Ðe Ŋgɔ

Ðokuibɔbɔ Nɔnɔme Si Doa Ŋutifafa Ðe Ŋgɔ

Ðokuibɔbɔ Nɔnɔme Si Doa Ŋutifafa Ðe Ŋgɔ

Aleke gbegbe xexeame avivi enye esi ne amesiame bɔbɔa eɖokui. Amewo manɔ nusianu ko dim akpasesẽtɔe o, ƒometɔwo mawɔ dzre edziedzi o, asitsahawo dome hoʋiʋli dzi aɖe akpɔtɔ, eye dukɔwo maganɔ vivi dom ɖe aʋawɔwɔ ŋu o. Àdi be yeanɔ amesiawo tɔgbe domea?

YEHOWA MAWU subɔla vavãwo le dzadzram ɖo ɖe xexeme yeye si ƒe ŋugbe wòdo, si me womabu ɖokuibɔbɔ be enye gbɔdzɔgbɔdzɔ o, ke be enye nyuiwɔwɔŋutete kple nɔnɔme la ŋu. (Petro II, 3:13) Le nyateƒe me la, wole nɔnɔme si nye ɖokuibɔbɔ tum ɖo fifia gɔ̃ hã. Nukatae? Vevietɔ esi wònye esiae Yehowa di tso wo si ta. Eƒe nyagblɔɖila Mixa ŋlɔ bena: “Amegbetɔ, egblɔ nusi nyo la na wò; nusi ko dim Yehowa le tso asiwò la, enye be, nawɔ nusi le eteƒe, nalɔ̃ dɔmenyowɔwɔ, eye nabɔbɔ ɖokuiwò ɖe anyi ahazɔ le wò Mawu ŋku me.”—Mixa 6:8.

Ðokuibɔbɔ ate ŋu afia nu geɖe si ƒe ɖewoe nye ɖokuiŋumadzemadze, alo ɖokuimakpɔmakpɔ, kple gbegbe be womatsɔ ame ƒe ŋutete, dzidzedzekpɔkpɔ, kple nunɔamesiwo aƒo adegbee o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be ɖokuibɔbɔ fia hã be “woawɔ nu ɖe se nu.” Ðokuibɔbɔla wɔa nu ɖe agbenyuinɔnɔ ƒe se nu. Edea dzesii hã be seɖoƒewo li na nusiwo wòle be yeawɔ kple esiwo yeate ŋu awɔ. Enya be nanewo li siwo ŋu womeɖe mɔ ɖo na ye o. Le nyateƒe me la, míedina be míate ɖe amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ŋu. Eŋlisitɔ hakpanyaŋlɔla Joseph Addison ŋlɔ bena: “Naneke menyoa ame ŋu wu ɖokuibɔbɔ vavãtɔ o.”

Ðokuibɔbɔ menye amegbetɔ madeblibowo ƒe nɔnɔme tso dzɔdzɔme o. Ele be míadze agbagba be míatu nɔnɔme sia ɖo. Mawu ƒe Nya ƒo nu tso nudzɔdzɔ geɖe siwo ɖe ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme vovovowo fia ŋu tsɔ de dzi ƒo na mí.

Fia Ðokuibɔbɔla Eve

Yehowa subɔla siwo wɔ nuteƒe wu dometɔ ɖekae nye Dawid, amesi nye ɖekakpui esime wosi ami nɛ be wòava nye Israel-fia emegbe. Le esia megbe la, Fia Saul si nɔ dzi ɖum la ɖe kpe na Dawid to agbagbadzedze be yeawui kple enyanya de gbe be wòzu sisila dzi.—Samuel I, 16:1, 11-13; 19:9, 10; 26:2, 3.

Le nɔnɔme siawo me gɔ̃ hã la, Dawid de dzesii be seɖoƒewo le nusiwo wòle be yeawɔ atsɔ akpɔ yeƒe agbe ta ŋu. Esi Dawid nɔ gbedzi ɣeaɖeɣi la, meɖe mɔ na Abisai be wòawɔ nuvevi Fia Saul si nɔ alɔ̃ dɔm la o, egblɔ be: “Nede megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be, made nye asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu!” (Samuel I, 26:8-11) Dawid nyae be menye yeƒe dɔe wònye be yeaxɔ fianyenye le Saul si o. Eyata Dawid ɖe ɖokuibɔbɔ fia le ɣeyiɣi sia me to nuwɔwɔ ɖe agbenyuinɔnɔ ƒe se nu me. Nenema ke Mawu subɔla siwo li egbea hã nya be “le Yehowa ta” la, nanewo li siwo yewomate ŋu awɔ le mɔ aɖeke nu o, ne amegbetɔ ƒe agbe ɖo afɔku me gɔ̃ hã.—Dɔwɔwɔwo 15:28, 29; 21:25.

Fia Dawid vi Salomo si nye ɖekakpui hã ɖe ɖokuibɔbɔ fia le mɔ si to vovo vie nu. Esi woɖo Salomo zi dzi la, ese le eɖokui me be yemedze atsɔ fia ƒe agbanɔamedzi o. Edo gbe ɖa be: “Yehowa, nye Mawu, ètsɔ wò dɔla ɖo fiae ɖe fofonye Dawid teƒe, ke ɖevi sue menye, eye nyemenya alesi madoe alo [agbɔe] o!” Edze ƒã be Salomo nyae be ŋutete kple nuteƒekpɔkpɔ mele ye si o. Ɣemaɣi la, ebɔbɔ eɖokui, eye medze eɖokui ŋu, alo kpɔ eɖokui o. Salomo bia Yehowa be wòana nugɔmesese ye, eye woɖo eƒe biabia la ŋu nɛ.—Fiawo I, 3:4-12.

Mesia la Kple Eƒe Mɔtala

Ƒe 1,000 kple edzivɔ le Salomo ŋɔli megbe la, Yohanes Amenyrɔɖetsimela wɔ mɔdzidzadzraɖo ƒe dɔ aɖe na Mesia la. Yohanes na Biblia ƒe nyagblɔɖi aɖe va eme esi wònye mɔtala na Amesiamina la. Ate ŋu aƒo adegbe le mɔnukpɔkpɔ si su esi la ŋuti hafi. Yohanes ate ŋu ada eɖokui hafi, le esi wònye Mesia la ƒe ŋutilã me ƒometɔ ta. Gake Yohanes gblɔ na amewo be yemedze atu Yesu ƒe atokotawo nu ka gɔ̃ hã o. Eye esi Yesu yi be wòanyrɔ ye ɖe Yordan Tɔsisia me la, Yohanes gblɔ be: “Nye boŋ wòhiã bena, wò [nana nyɔnyrɔm], eye wòa nèva gbɔnyea?” Esia fia be Yohanes menye dadala o. Ebɔbɔ eɖokui.—Mateo 3:14; Maleaxi 3:23, 24; Luka 1:13-17; Yohanes 1:26, 27.

Esi wonyrɔ Yesu vɔ la, edze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ gɔme henɔ gbeƒã ɖem Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia. Togbɔ be Yesu nye ame deblibo hã la, egblɔ be: “Nyemele naneke wɔm le ɖokuinye si o . . . nyemedia nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu ko.” Gakpe ɖe eŋu la, Yesu medi bubu tso amewo gbɔ o, gake etsɔ nusianu si wòwɔ la ƒe kafukafu na Yehowa. (Yohanes 5:30, 41-44) Ðokuibɔbɔ ka gbegbee nye si!

Ekema edze ƒã be Yehowa subɔla wɔnuteƒewo—abe Dawid, Salomo, Yohanes Amenyrɔɖetsimela, kple ame deblibo Yesu Kristo gɔ̃ hã ene—ɖe ɖokuibɔbɔ fia. Womedana, kpɔa wo ɖokui, alo dzea wo ɖokui ŋu o, eye wowɔ nu ɖe se nu. Woƒe kpɔɖeŋuawo nye susu nyui siwo ta wòle be Yehowa subɔla siwo li egbea natu ɖokuibɔbɔ ɖo ahaɖee afia. Ke hã susu bubuwo gali siwo ta wòle be woabɔbɔ wo ɖokui.

Le ameƒomea ƒe agbenɔɣi tɔzi sia me la, ɖokuibɔbɔ nye nɔnɔme aɖe si ŋu asixɔxɔ gã aɖe le na Kristotɔ vavãwo. Enana ame te ŋu nɔa ŋutifafa me kple Yehowa Mawu, kple ehavi amegbetɔwo, kpakple ame ɖokui.

Ŋutifafa me Nɔnɔ Kple Yehowa Mawu

Míate ŋu anɔ ŋutifafa me kple Yehowa ne míenɔ agbe ɖe se siwo wòde hena tadedeagu vavãtɔa nu ko. Mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, gbɔ seɖoƒe siwo Mawu ɖo na wo la ŋu, eye wova zu amegbetɔ gbãtɔ siwo nye ɖokuimabɔbɔlawo. Wobu ƒomedodo nyui si nɔ woa kple Yehowa dome, kpakple woƒe aƒe, woƒe etsɔme, kple woƒe agbe. (Mose I, 3:1-5, 16-19) Emetsonu wɔnublanui ka gbegbee nye si!

Mina míasrɔ̃ nu tso Adam kple Xawa ƒe kpododonua me, elabena tadedeagu vavãtɔ ɖo seɖoƒe na alesi wòle be míawɔ nui. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: “Ahasiwɔlawo kple trɔ̃subɔlawo kple matrewɔlawo kple hadzelawo kple ŋutsu, siwo dɔna kple ŋutsuwo, kple fiafitɔwo kple ŋubiãlawo kple ahamulawo kple busubɔlawo kple adzodalawo la womanyi mawufiaɖuƒe la ƒe dome o.” (Korintotɔwo I, 6:9, 10) Yehowae de se siawo nunyatɔe be eme nanyo na mí, eye míaɖee fia be míenya nu ne míewɔ wo dzi. (Yesaya 48:17, 18) Lododowo 11:2 gblɔ na mí be: “Amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe anyigba la, si me nunya le.”

Ke ne subɔsubɔha aɖe gblɔ na mí be míate ŋu agbɔ seɖoƒe siawo ŋu agakpɔtɔ anɔ ŋutifafa me kple Mawu ya ɖe? Subɔsubɔha ma le agbagba dzem be yeakplɔ mí atrae. Gake ɖokuibɔbɔ kpena ɖe mía ŋu be míanɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Yehowa Mawu.

Ŋutifafa me Nɔnɔ Kple Havi Amegbetɔwo

Ðokuibɔbɔ nana hã be ŋutifafa nɔa mía kple amewo dome. Le kpɔɖeŋu me, ne dzilawo ɖo kpɔɖeŋu nyui ale be nusiwo le wo si dzea wo ŋu eye wotsɔa gbɔgbɔmenuwo ɖoa nɔƒe gbãtɔ la, anɔ eme godoo be wo viwo asrɔ̃ nɔnɔme sia tututu. Anɔ bɔbɔe na ɖevi suetɔwo be woakpɔ ŋudzedze ɖe nusiwo le wo si ŋu, ne womekpɔa nusi dim wole la na wo ɣesiaɣi o gɔ̃ hã. Esia akpe ɖe wo ŋu be woanɔ agbe ɖe nu ʋɛ siwo le wo si nu, eye ŋutifafa anɔ ƒomea me wu.

Ehiã be amesiwo nye dzikpɔlawo nakpɔ nyuie be yewobɔbɔ yewo ɖokui eye woagazã woƒe ŋusẽa ɖe mɔ gbegblẽ nu o. Le kpɔɖeŋu me, woxlɔ̃ nu Kristotɔwo be: ‘Migasusu nusi wu esi woŋlɔ ɖi la o.’ (Korintotɔwo I, 4:6) Hamemegãwo dze sii be mele be yewoate nusi dze yewo ŋutɔ ŋu la ɖe ame bubuwo dzi o. Ðe eteƒe la, wozãa Mawu ƒe Nya tsɔ dea agbenɔnɔ, awudodo, dzadzraɖo, alo modzakaɖeɖe si sɔ ƒe dzi ƒoe. (Timoteo II, 3:14-17) Ne hamea me tɔwo kpɔ be hamemegãwo wɔa nu ɖe Ŋɔŋlɔawo nu la, ena wodea bubu ŋutsu siawo ŋu eye enana vividodoɖeameŋu, lɔlɔ̃, kple gbɔgbɔ fatu nɔa hamea me.

Ŋutifafa me Nɔnɔ Kple Ame Ðokui

Amesiwo bɔbɔa wo ɖokui la kpɔa ŋutifafa le ememe. Ðokuibɔbɔla metsia dzi ɖe ŋkɔxɔxɔ ŋu o. Esia mele fiafiam be taɖodzinu aɖeke mele esi o. Le kpɔɖeŋu me, adi be subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ bubuwo nagasu ye si, gake ekpɔa Mawu sinu, eye wòtsɔa Kristotɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe siwo sua esi la ƒe kafukafu naa Yehowa. Mebua wo be wotso ye ŋutɔ ƒe ŋutete gbɔ o. Esiae tea ɖokuibɔbɔla la ɖe Yehowa, “ŋutifafa Mawu la” ŋu.—Filipitɔwo 4:9.

Tsɔe be míesena le mía ɖokui me ɣeaɖewoɣi be amewo ŋe aɖaba ƒu mía dzi. Ðe manyo wu be woaŋe aɖaba aƒu mía dzi le esi míenye ɖokuibɔbɔlawo ta tsɔ wu be míahe amewo ƒe susu va mía ɖokui dzi dadatɔe oa? Ðokuibɔbɔlawo metsia dzi ɖe ŋkɔxɔxɔ ŋu o. Eyata wovona le wo ɖokui me, eye eyae na wodzea akɔ anyi henɔa lãmesẽ me.

Ðokuibɔbɔ Tutuɖo Kple Eme Léle Ðe Asi

Adam kple Xawa do wo ɖokui ɖe dzi—si nye nɔnɔme si woɖe ɖe woƒe dzidzimeviwo ŋu. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míagawɔ vodada mawo ke siwo mía dzila gbãtɔwo wɔ o? Aleke míate ŋu atu ɖokuibɔbɔ ƒe nɔnɔme nyuia ɖoe?

Gbã la, ele be míanya akpa si míele nyuie le ƒomedodo me kple Yehowa, xexeame katã Wɔla la. Dzidzedze kawoe míekpɔ si míate ŋu atsɔ asɔ kple nusiwo Mawu wɔ? Yehowa bia esubɔla wɔnuteƒe Hiob be: “Afika nènɔ, esime meɖo anyigba gɔme anyi? Ne nunya le tagbɔ na wò la, ekema gblɔe!” (Hiob 38:4) Hiob mete ŋu ɖo eŋu o. Ðe sidzedze, ŋutete, kple nuteƒekpɔkpɔ si le míawo hã si mele sue oa? Ðe maɖe vi na mí wu be míalɔ̃ ɖe míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi oa?

Gakpe ɖe eŋu la, Biblia gblɔ na mí be: “Yehowa tɔe nye anyigba kple nusiwo yɔ edzi, xexeame kple eme nɔlawo.” Esia lɔ “avemelãwo katã kple lã akpe nane, siwo le towo dzi” ɖe eme. Yehowa ate ŋu agblɔ be: “Tɔnyee nye klosalo, eye tɔnyee nye sika.” (Psalmo 24:1; 50:10; Xagai 2:8) Nunɔamesi kawoe míate ŋu aɖe afia si ade Yehowa tɔwo nu? Hotsuitɔ gãtɔ kekeake gɔ̃ hã mate ŋu aƒo adegbe le nusiwo le esi ta o! Eyata nunya le eme be míawɔ ɖe apostolo Paulo ƒe aɖaŋu si gbɔgbɔ ʋãe wòɖo na Kristotɔ siwo nɔ Roma la dzi be: “To amenuveve, si wonam la me mele egblɔm na mia dome amesiame bena, negabu eɖokui gã wu alesi dze o.”—Romatɔwo 12:3.

Esi míenye Mawu subɔla siwo di be yewoatu ɖokuibɔbɔ ɖo ta la, ele be míado gbe ɖa abia gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo—siwo nye lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, xɔse, dɔmefafa, kple ɖokuidziɖuɖu. (Luka 11:13; Galatiatɔwo 5:22, 23) Nukatae? Elabena nɔnɔme siawo dometɔ ɖesiaɖe ana wòanɔ bɔbɔe na mí be míabɔbɔ mía ɖokui. Le kpɔɖeŋu me, lɔlɔ̃ na ame havi akpe ɖe mía ŋu míatsi tre ɖe dada kple ɖokuiŋudzedze ƒe seselelãmewo ŋu. Eye ɖokuidziɖuɖu ana míatɔ abu tame hafi ayi nu wɔ ge dadatɔe.

Mina míakpɔ nyuie! Ehiã be míanɔ ŋudzɔ ɖe dada ƒe mɔ̃tetrewo ŋu. Fia siwo míeyɔ va yi la dometɔ eve mebɔbɔ wo ɖokui le ɣeyiɣiawo katã me o. Fia Dawid wɔ nu dzitsitsitɔe hexlẽ amewo le Israel, nusi mewɔ ɖeka kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu o. Fia Salomo va dze aglã ale gbegbe be wòƒo eɖokui ɖe alakpasubɔsubɔ me.—Samuel II, 24:1-10; Fiawo I, 11:1-13.

Zi alesi nuɖoanyi mavɔ̃mawu sia gakpɔtɔ li ko la, ɖokuibɔbɔ abia ŋudzɔnɔnɔ ɣeawokatãɣi. Gake agbagbadzedzea aɖe vi. Le Mawu ƒe xexe yeyea me la, amegbetɔƒomea katã anye ɖokuibɔbɔlawo. Woabu ɖokuibɔbɔ be enye nyuiwɔwɔŋutete, ke menye gbɔdzɔgbɔdzɔ o. Aleke gbegbe wòanyoe nye si ne wotsɔ ŋutifafa si ɖokuibɔbɔ hena vɛ la yra amewo kple ƒomewo!

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Yesu tsɔ nusiwo katã wòwɔ la ƒe kafukafu na Yehowa ɖokuibɔbɔtɔe