Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ŋutsu Kpɔɖeŋuɖola aɖe si Xɔ Ðɔɖɔɖo

Ŋutsu Kpɔɖeŋuɖola aɖe si Xɔ Ðɔɖɔɖo

Ŋutsu Kpɔɖeŋuɖola aɖe si Xɔ Ðɔɖɔɖo

“ZAMBIA Lowo Ðu Ame 30 le Ɣleti Ðeka Me.” Aleae Afrika nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe ka nya tae le ƒe aɖewo siwo va yi me. Lãwo ŋuti nunyala aɖe si lé lã siawo be yeasrɔ̃ nu tso wo ŋu la gblɔ be, “ŋutsu 12 ye te ŋu lé lo ɖeka.” Le asike sesẽ kple glã sẽŋu si le lo si ta la, ate ŋu anye lã si ŋu ŋɔdzi le vavã!

Edze ƒã be esi Wɔla la nɔ nu ƒom tso ‘lo’ ŋuti la, ezã lã sia si nye “fia ɖe lã ɖaɖadzrawo katã dzi” la tsɔ fia nu vevi aɖe esubɔla Hiob. (Hiob 40:25; 41:26) Esia dzɔ anye ƒe 3,500 enye sia le Uz-nyigba dzi, afisi anya nɔ dziehe Arabia ƒe akpa aɖe. Esi Mawu nɔ nugbagbe sia ɖɔm la, egblɔ na Hiob be: “Ame aɖeke medoa nu tamee, be wòaʋuʋui o; eye ameka ate ŋu anɔ te ɖe nunye?” (Hiob 41:2) Aleke nya sia nye nyateƒee nye si! Ne míevɔ̃a lo la, ke aleke gbegbe wòle be míavɔ̃ be míagaƒo nu atsi tre ɖe Amesi wɔ loa ŋu o enye si! Hiob ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe nufiame sia ŋu to eƒe vodada me ʋuʋu me.—Hiob 42:1-6.

Ne woyɔ Hiob ŋkɔ la, ɖewohĩ míeɖoa ŋku nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu si wòɖo esi wòdo dzi le dodokpɔ me dzi. (Yakobo 5:11) Le nyateƒe me la, Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe Hiob ŋu hafi wodo eƒe xɔse kpɔ vevie gɔ̃ hã. Le Mawu ƒe nukpɔkpɔ nu la, “enye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi, eye ame aɖeke mede enu le anyigba dzi [ɣemaɣi] o.” (Hiob 1:8) Ele be esia naʋã mí be míasrɔ̃ nu geɖe tso Hiob ŋu, le esi esia wɔwɔ akpe ɖe mía ŋu míakpɔ alesi míawo hã míate ŋu awɔ nusi dzea Mawu ŋui ta.

Eƒe Ƒomedodo Kple Mawue Xɔ Nɔƒe Gbãtɔ

Hiob nye kesinɔtɔ. Tsɔ kpe ɖe sika si nɔ esi ŋu la, alẽ 7,000, kposɔ 3,000, tedzinɔ 500, nyi 1,000, kple dɔla gbogbo ŋutɔ nɔ esi. (Hiob 1:3) Gake Yehowa ŋue Hiob ɖo ŋu ɖo, menye ɖe kesinɔnuwo ŋu o. Egblɔ be: “Ne meɖo dzi ɖe sika ŋu, eye megblɔ na sika nyuitɔ be: wò ŋue mele ŋu ɖom ɖo; ne mekpɔ dzidzɔ be, nye kesinɔnuwo sɔ gbɔ, eye nye alɔ wɔ dɔ kpɔ nu geɖe . . . , ekema esia hã anye se me dzedze le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋku me; elabena meda alakpa na Mawu [si] le dzi.” (Hiob 31:24-28) Abe Hiob ene la, ele be míade asixɔxɔ mía kple Yehowa Mawu dome ƒomedodo ŋu sasasã wu ŋutilãmenuwo.

Nu Dzɔdzɔe Wɔwɔ Kple Ehavi Amegbetɔwo

Aleke Hiob wɔa nu kple eƒe subɔviwoe? Nusi fia be wobu Hiob be enye ameŋkumemakpɔla kple amesi ŋu wote ŋu tena ɖo la dze le eya ŋutɔ ƒe nya me be: “Ne nye dɔlaŋutsu kple nye dɔlanyɔnu ɖo nya me kplim, eye megbe woƒe nya dzɔdzɔe la, nuka mawɔ, nenye be, Mawu tso? Eye ne edzro eme kpɔ la, aleke maɖo eŋu nɛ?” (Hiob 31:13, 14) Hiob de asixɔxɔ Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu eye esia wɔe be wòwɔ nu kple eƒe dɔlawo le nublanuikpɔkpɔ me. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye si esia nye, vevietɔ na amesiwo wotsɔ dzikpɔkpɔdɔ de asi na le Kristo-hamea me! Ele be woawo hã nanye anukwareɖilawo, ameŋkumemakpɔlawo, kple amesiwo ŋu woate ŋu ate ɖo bɔbɔe.

Hiob kpɔ ŋudzedze ɖe amesiwo menye eƒe aƒemetɔwo o hã ŋu. Esi wònɔ alesi wòtsɔ ɖe le eme na ame bubuwo me ʋum la egblɔ be: “Ðe mete ame dahewo ƒe nudidi wo, eye mena nu ti kɔ na ahosiwo ƒe ŋkuwoa? . . . Ne menyè nye asi ɖe tsyɔ̃evi ŋu, le esi xɔnametɔ le asinye le dua me ta la, ekema nye abɔta nege le abɔgba ŋu, eye nye abɔ netu ɖa le ekpeƒe!” (Hiob 31:16-22) Mina míabu amesiwo míenya le hamea me be nu mede wodzi o ŋu.

Le esi Hiob tsɔa ɖe le eme na ehavi amegbetɔ ta la, ewɔ amedzro na ame tutɔwo. Eyata ete ŋu gblɔ be: “Amedzro metsia xexe dɔna o, ke boŋ meʋua nye ʋɔ na mɔzɔla.” (Hiob 31:32) Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye si esia nye na Mawu subɔla siwo li egbea! Ne ame yeye siwo tsɔ ɖe le Biblia ƒe nyateƒea me va Fiaɖuƒe Akpataa me la, míaƒe amedzrowɔwɔ na wo ate ŋu ana woatsi le gbɔgbɔ me. Le nyateƒe me la, ehiã be míawɔ amedzro na dzikpɔla mɔzɔlawo kple Kristotɔ bubuwo hã.—Petro I, 4:9; Yohanes III, 5-8.

Nɔnɔme nyui nɔ Hiob si ɖe eƒe futɔwo gɔ̃ hã ŋu. Mekpɔa dzidzɔ ɖe afɔku si ate ŋu adzɔ ɖe amesi lé fui ŋu o. (Hiob 31:29, 30) Ke boŋ edina be yeawɔ nyui na amesiawo, abe alesi wòdze le alesi wòlɔ̃ faa be yeado gbe ɖa ɖe eƒe akɔfala alakpatɔ etɔ̃awo ta la mee ene.—Hiob 16:2; 42:8, 9; tsɔe sɔ kple Mateo 5:43-48.

Enɔ Dzadzɛ le Gbɔdɔdɔnyawo Me

Hiob wɔ nuteƒe na srɔ̃a, eye meɖe mɔ na eƒe dzi be wòaku ɖe nyɔnu bubu ŋu o. Hiob gblɔ be: “Mebla nu kple nye ŋku, eye aleke lawɔ malé ŋku ɖe ɖetugbi ŋu? Ne woflu nye dzi ɖe nyɔnu ŋu, eye mede xa ɖe hanyevi ƒe ʋɔtru nu la, ekema srɔ̃nye netu wɔ na ame bubu, eye ame tutɔ nedɔ egbɔ. Elabena ŋukpenanu enye esia, eye se me dzedze wònye le ʋɔnudrɔ̃lawo ŋku me.”—Hiob 31:1, 9-11.

Hiob mena agbegbegblẽnɔnɔ ƒe dzodzro gblẽ eƒe dzi o. Ke boŋ eyi edzi wɔ nu dzɔdzɔe. Eyata mewɔ nuku o be Yehowa Mawu kpɔ dzidzɔ ɖe ŋutsu nuteƒewɔla sia si wɔ aʋa tsi tre ɖe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe beble ŋu la ŋuti.—Mateo 5:27-30.

Etsɔ Ðe Le Ƒomea ƒe Gbɔgbɔ me Nɔnɔme Me

Ɣeaɖewoɣi la, Hiob viŋutsuwo ɖoa kplɔ̃ eye via ŋutsuwo kple nyɔnuwo katã dena. Ne kplɔɖoŋkeke siawo wu enu la, Hiob tsia dzi vevie be ame aɖe menya nu o, ye viawo anya wɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu le mɔ aɖe nu hĩ. Eyata Hiob ɖea afɔ enumake, elabena Ŋɔŋlɔa me nuŋlɔɖia gblɔ be: “Ne aglotuɣiawo trɔ va kpe la, Hiob dɔa ame ɖa woɖakɔa wo ŋu. Efɔna ŋdikanya, eye wòsa numevɔ ɖe wo katã ƒe xexlẽme nu; elabena Hiob gblɔ be: ‘Misela vinyewo wɔ nuvɔ̃, eye wofe Mawu ɖe aga le woƒe dziwo me hĩ.’ ” (Hiob 1:4, 5) Aleke Hiob ƒe dzitsitsi sia anya wɔ dɔ ɖe eƒe ƒomea me tɔwo dzi be woavɔ̃ Yehowa bubutɔe ahazɔ Eƒe mɔwo dzi enye si!

Egbea ehiã be ƒome ƒe ta siwo nye Kristotɔwo nafia Mawu ƒe Nya, Biblia, woƒe ƒomewo. (Timoteo I, 5:8) Eye nenema ke wòsɔ be woado gbe ɖa ɖe ƒomea me tɔwo ta hã.—Romatɔwo 12:12.

Edo Dzi Nuteƒewɔwɔtɔe Esi Wodoe Kpɔ

Biblia xlẽla akpa gãtɔ nya nu tso dodokpɔ sesẽ siwo me Hiob to la ŋu. Satana Abosam tsɔ nya ɖe Hiob ŋu be aƒo fi de Mawu ne nɔnɔmewo sesẽ nɛ. Yehowa xɔ gbetɔame sia, eye enumake Satana he fukpekpewo va Hiob dzi. Eƒe lãhawo katã ku. Esi vɔ̃ɖi wue nye be viawo katã ku. Le esia megbe kpuie la, Satana tsɔ ƒoƒoe vɔ̃ɖi aɖe ƒo Hiob tso tame vaseɖe afɔƒome.—Hiob, ta 1, 2.

Nukae do tso eme? Esi srɔ̃a xlɔ̃ nui be wòaƒo fi de Mawu la, Hiob gblɔ be: “ȃo nu, abe alesi nyɔnu abunetɔwo ƒoa nui ene. Míexɔ nu nyuiwo tso Mawu si, ɖe míaxɔ vɔ̃ hã oa?” Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ kpee be: “Le nusiawo katã me la Hiob mewɔ nuvɔ̃ kple eƒe nuyiwo o.” (Hiob 2:10) Ẽ, Hiob do dzi nuteƒewɔwɔtɔe eye wòto edzi ɖee fia be Abosam nye alakpatɔ. Mina míawo hã míado dzi le dodokpɔwo me atsɔ aɖee afia be lɔlɔ̃ akuaku si le mía si na Yehowae ʋãa mí be míasubɔ Mawu.—Mateo 22:36-38.

Exɔ Ðɔɖɔɖo Ðokuibɔbɔtɔe

Togbɔ be Hiob ɖo kpɔɖeŋu nyuiwo le mɔ geɖe nu hã la, menye ame deblibo o. Eya ŋutɔ gblɔ be: “Ðe ame dzadzɛ ate ŋu atso ame madzamadza mea? Ðeka pɛ hã o!” (Hiob 14:4; Romatɔwo 5:12) Eyata esi Mawu gblɔ be Hiob nye ame maɖifɔ la, enye nyateƒe le susua nu be enɔ agbe ɖe nusiwo katã Mawu di tso esubɔla amegbetɔ madeblibo nuvɔ̃mewo si la nu. Dzideƒonya ka gbegbee nye si!

Hiob nɔ te ɖe eƒe dodokpɔa nu, gake kpɔtsɔtsɔ aɖe dze le eŋu. Esi yeaɖi akɔfala etɔ̃ aɖewo se afɔku siwo katã dzɔ ɖe edzi la, woyi ɖasrãe kpɔ. (Hiob 2:11-13) Wogblɔ be ɖe Yehowa nɔ to hem na Hiob le nuvɔ̃ gãwo ta. Ðikeke mele eme o be aʋatsonutsotso siawo ve dɔme na Hiob, eye wòdze agbagba vevie be yeaɖe ye ɖokui nu. Gake meva da sɔ le eɖokui nuɖeɖe me o. Nukutɔe la, Hiob fia be yenye ame dzɔdzɔe wu Mawu gɔ̃ hã!—Hiob 35:2, 3.

Esi Mawu lɔ̃ Hiob ta, Eto ɖekakpui aɖe dzi ɖe Hiob ƒe vodada fiae. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Tete dzi ku Elihu, . . . Hiob ŋue dzi kui ɖo, elabena ebu eɖokui dzɔdzɔetɔe wu Mawu.” Elihu gblɔ be: “Hiob be: ‘Tɔnye dzɔ, gake Mawu gbe afiatsotso nam.’ ” (Hiob 32:2; 34:5) Ke hã Elihu mewɔ ɖeka kple “akɔfala” etɔ̃awo hegblɔ vodadatɔe be Mawu nɔ to hem na Hiob le eƒe nuvɔ̃wo ta o. Ðe eteƒe la, Elihu ka ɖe Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ dzi eye wòɖo aɖaŋu nɛ be: “Nya la le [Yehowa ŋku] me, dzɔ esi nu ko!” Le nyateƒe me la, ɖe wòle be Hiob nakpɔ Yehowa sinu hafi tsɔ wu be wòatsɔ dzitsitsi aƒo nu le eɖokui taʋiʋli me. Elihu ka ɖe edzi na Hiob be: “[Mawu] metea se kple dzɔdzɔenyenye blibo ɖe to o.”—Hiob 35:14; 37:23.

Ehiã be woaɖɔ alesi Hiob nɔ tame bumee ɖo. Eyata Yehowa fia nui tso alesi ame le sue ne wotsɔe sɔ kple Mawui ŋu. Yehowa ƒo nu tso anyigba, atsiaƒu, ɣletivi siwo le dziƒo, lãwo, kple nuwɔwɔ wɔnuku bubu geɖewo ŋu. Mlɔeba, Mawu ƒo nu tso lo ŋu. Hiob xɔ ɖɔɖɔɖoa ɖokuibɔbɔtɔe, eye wògaɖo kpɔɖeŋu le esia me.

Togbɔ be míanɔ agbagba dzem le Yehowa subɔsubɔ me hã la, míawɔ vodadawo. Ne vodadaa lolo la, Yehowa ate ŋu aɖɔ mí ɖo to mɔ aɖe nu. (Lododowo 3:11, 12) Míaƒe susu adze ŋɔŋlɔ aɖe dzi si aɖe fu na míaƒe dzitsinya. Ðewohĩ Gbetakpɔxɔ alo agbalẽ bubu aɖe si Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ta agblɔ nya aɖe si ana míakpɔ vodada aɖe adze sii. Alo hati Kristotɔ aɖe aɖee afia mí dɔmenyotɔe be míedo kpo Biblia ƒe gɔmeɖose aɖe tsɔtsɔ wɔ dɔe. Aleke míawɔ nu ɖe ɖɔɖɔɖo sia ƒomevi ŋui? Hiob ɖe dzimetɔtrɔ fia hegblɔ be: “Megbe nye nyawo, eye wovem le ke kple afi me.”—Hiob 42:6.

Yehowa Ðo Eteƒe Nɛ

Yehowa ɖo eteƒe na Hiob, eye wòna esubɔla la ganɔ agbe ƒe 140 kpee. Le ɣeyiɣi ma me la, exɔ nusiwo ƒo esiwo bu nɛ la ta sasasã. Eye togbɔ be Hiob ku mlɔeba hã la, kakaɖedzi li be woafɔe ɖe tsitre le Mawu ƒe xexe yeyea me.—Hiob 42:12-17; Xezekiel 14:14; Yohanes 5:28, 29; Petro II, 3:13.

Kakaɖedzi ate ŋu anɔ míawo hã si be Mawu akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu eye wòayra mí ne míesubɔe le nuteƒewɔwɔ me hexɔ ɖɔɖɔɖo siwo katã woanɔ te ɖe Biblia dzi ana mí. Awɔe be mɔkpɔkpɔ anɔ mía si kple kakaɖedzi be míanɔ agbe le Mawu ƒe nuɖoanyi yeyea me. Vevietɔ wu la, míade bubu Mawu ŋu. Woaɖo míaƒe nuteƒewɔwɔ teƒe na mí eye wòaganye kpeɖodzi be menye ɖokuitɔdidi tae amewo subɔa eyama o, ke boŋ etso dzi blibo ƒe lɔlɔ̃ me. Mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye si su mía si be míado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi, abe alesi nuteƒewɔla Hiob, amesi xɔ ɖɔɖɔɖo ɖokuibɔbɔtɔe hã wɔe ene!—Lododowo 27:11.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Hiob tsɔ ɖe le eme na tsyɔ̃eviwo, ahosiwo, kple ame bubuwo lɔlɔ̃tɔe

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Woɖo Hiob ƒe ɖɔɖɔɖo xɔxɔ ɖokuibɔbɔtɔe la teƒe nɛ geɖe