Alesi Yehowa Le Mía Kplɔmee
Alesi Yehowa Le Mía Kplɔmee
‘Kplɔm to mɔ dzɔdzɔe la dzi.’—PSALMO 27:11.
1, 2. (a) Aleke Yehowa le eƒe amewo kplɔm egbeae? (b) Nukae kpekpeawo ŋudɔwɔwɔ bliboe be wòaɖe vi na mí bia?
YEHOWAE nye kekeli kple nyateƒe Tsoƒe, abe alesi míesrɔ̃e le nyati si do ŋgɔ me ene. Eƒe Nya la klẽna ɖe mɔ dzi na mí esi míele mɔ dzɔdzɔe la dzi tom. Yehowa kplɔa mí to eƒe mɔwo fiafia mí dzi. (Psalmo 119:105) Míawo hã míetsɔa akpedada xɔa Mawu ƒe mɔfiamewo abe alesi blema hakpala la wɔe ene, eye míedoa gbe ɖa be: “Yehowa, fia wò mɔm, eye nakplɔm to [mɔ dzɔdzɔe la dzi] le nye futɔwo ta!”—Psalmo 27:11.
2 Kristotɔwo ƒe kpekpewo nye mɔ siwo dzi Yehowa tona fiaa nu mí egbea dometɔ ɖeka. Ðe míewɔa nunanamɔnu sia si wona mí lɔlɔ̃tɔe ŋudɔ bliboe to (1) kpekpewo yiyi edziedzi, (2) nuƒoawo sese moveviɖoɖotɔe, kple (3) gomekpɔkpɔ faa le akpa siwo lɔ nyaselawo ɖe eme dzia? Gakpe ɖe eŋu la, ne woɖo aɖaŋu siwo akpe ɖe mía ŋu be míakpɔtɔ anɔ ‘mɔ dzɔdzɔea dzi’ la, ɖe míexɔnɛ akpedadatɔea?
Aleke Wò Kpekpewo Dede Le?
3. Aleke ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla aɖe tu kpekpewo dede edziedzi ƒe nɔnɔme nyui ɖoe?
3 Fiaɖuƒegbeƒãɖela aɖewo le kpekpewo dem edziedzi tso ɖevime ke. Yehowa Ðasefowo ƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla aɖe gblɔ be: “Esime mía kple nɔvinyenyɔnuwo míenɔ tsitsim le ƒe 1930 ƒeawo me la, mehiã be míabia mía dzilawo be míele kpekpe yi ge hã o. Míenya be míele yiyi ge kokoko, negbe ɖe míedze dɔ. Kpuie ko la, míaƒe ƒomea medaa kpekpewo ƒuna o.” Nɔvinyɔnu sia ‘medaa Yehowa ƒe tadeaguƒe yiyi ƒu gbeɖe o,’ abe alesi wònɔ Luka 2:36, 37.
le nyɔnunyagblɔɖila Hana gome ene.—4-6. (a) Nukatae Fiaɖuƒegbeƒãɖela aɖewo daa kpekpewo ƒuna? (b) Nukatae wòle vevie ŋutɔ be míade kpekpewo?
4 Ðe nènye amesiwo dea Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi dometɔ ɖekaa, alo ɖe nèdanɛ ƒuna? Kristotɔ aɖewo siwo susu be yewonɔ agbagba dzem la ɖoe be yewoakpɔ kakaɖedzi na yewo ɖokui. Le kwasiɖa ʋɛ aɖewo me la, woŋlɔ kpekpe ɖesiaɖe si wode la ɖi. Esi wova to nuŋlɔɖia me le ɣeyiɣi si woɖo ɖi ƒe nuwuwu la, kpekpe agbɔsɔsɔme si woda ƒu la wɔ nuku na wo.
5 Ðewohĩ ame aɖe agblɔ be: ‘Mewɔ nuku o ɖe. Nu gbogbo aɖewo do agba ɖe amewo dzi egbea ale gbegbe be mele bɔbɔe na wo be woade kpekpewo edziedzi o.’ Ele eme baa be míele xaxa ɣeyiɣiwo me. Nusi gavloe wue nye be, nuteɖeamedziawo agadzi ɖe edzi godoo. (Timoteo II, 3:13) Gake ɖe ema mena wògale vevie kura wu be míade kpekpewo edziedzi oa? Ne míeɖua gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui si alé mí ɖe te edziedzi o la, míate ŋu akpɔ mɔ be míanɔ te ɖe nusiwo nuɖoanyi sia ahe va mía dzi nu o. Nya lae nye be, ne míekpena kple hamea edziedzi o la, adzro mí be míagblẽ “ame dzɔdzɔe ƒe toƒe” la ɖi kura! (Lododowo 4:18) Enye nyateƒe be ne ɖeɖi te mía ŋu le ŋkekea me hafi míegbɔ va aƒeme la, menye ɣesiaɣie wòadzro mí be míayi kpekpe o. Gake ne míeyi kple ɖeɖiteameŋua la, mía ŋutɔwoe wòaɖe vi na, eye míade dzi ƒo na hati Kristotɔwo le Fiaɖuƒe Akpataa me.
6 Hebritɔwo 10:25 gblɔ susu vevi bubu si ta wòle be míade kpekpewo edziedzi. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu hati Kristotɔwo le afima be woanɔ ƒu ƒom ‘geɖe wu zi alesi wokpɔ be ŋkeke la le ɖoɖom la.’ Ẽ, mele be míaŋlɔ be o be ‘Yehowa ƒe ŋkekea’ le aƒe tum. (Petro II, 3:12) Ne míeƒo nya ta be nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le ŋgɔgbe ʋĩ la, míate ŋu ava nɔ mɔ ɖem na mía ŋutɔwo ƒe nudidiwo be woaxɔ ɖe gbɔgbɔmedɔ siwo hiã, abe kpekpewo dede ene, teƒe. Ekema abe alesi Yesu xlɔ̃ nui ene la, ‘ŋkekea ava lili mí.’—Luka 21:34.
Nye Toɖola Nyui
7. Nukatae wòle vevie be ɖeviwo nalé to ɖe nya ŋu le kpekpewo me?
7 Kpekpewo dede dzro ko mesɔ gbɔ o. Ele be míaɖo to nyuie, alé fɔ ɖe nya siwo gblɔm wole le afima ŋu. (Lododowo 7:24) Esia lɔ ɖeviwo hã ɖe eme. Ne ɖevi yi suku la, wokpɔa mɔ be wòalé to ɖe nufiala ƒe nyawo ŋu, ne nusɔsrɔ̃ aɖe medzɔa dzi nɛ o alo egɔme sese sesẽna nɛ gɔ̃ hã. Nufialaa nya be ne ɖevia dze agbagba be yealé to ɖe nyaa ŋu la, akpɔ viɖe aɖe ya teti tso nusɔsrɔ̃a me. Ekema ɖe susu mele eme be ɖevi siwo le suku dem nalé to ɖe nufiame siwo wonana le hamea ƒe kpekpewo me ŋu tsɔ wu be woaɖe mɔ na wo be woadɔ alɔ̃ ne kpekpea dze egɔme teti ko oa? Nyateƒee, “nya aɖewo [siwo] gɔmesese nye dɔ la” le nyateƒe xɔasi siwo le Ŋɔŋlɔawo me la me. (Petro II, 3:16) Gake mele be míabu ɖevi ƒe nusɔsrɔ̃ŋutete nu tsɛe o. Mawu mebunɛ nu tsɛe o. Ede se na esubɔla siwo nye sɔhɛwo le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me be ‘woase nya ahasrɔ̃e, woavɔ̃ Yehowa, eye woakpɔ egbɔ be yewolé se sia ƒe nyawo katã me ɖe asi, eye woawɔ wo dzi,’ eye ɖikeke mele eme o be wo dometɔ aɖewo gɔme sese asesẽ na ɖeviwo. (Mose V, 31:12; tsɔe sɔ kple Mose III, 18:1-30.) Ðe menye nu mae Yehowa di tso ɖeviwo si egbea oa?
8. Afɔ kawoe dzila aɖewo ɖena be wòakpe ɖe wo viwo ŋu be woalé to ɖe nya ŋu le kpekpewo me?
8 Dzila Kristotɔwo dze sii be wokpɔa yewo viwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ƒe akpa aɖe gbɔ to nusiwo wosrɔ̃na le kpekpewo me la me. Eyata dzila aɖewo wɔa ɖoɖo be yewo viwo nadɔ alɔ̃ vie do ŋgɔ na kpekpewo ale be woaɖi ɖe eme ahanɔ dzadzraɖoɖi na nusɔsrɔ̃ hafi aɖo Fiaɖuƒe Akpata me. Dzila aɖewo te ŋu ɖoa seɖoƒe na television kpɔkpɔ alo woxea mɔ ɖe ekpɔkpɔ nu kura na wo viwo le nunya me le fiẽ siwo me woayi kpekpewo. (Efesotɔwo 5:15, 16) Eye dzila siawo ƒoa asa na susuhenuwo, eye wodea dzi ƒo na wo viwo le woƒe ƒexɔxɔ kple ŋutete nu be woaɖo to ahasrɔ̃ nu.—Lododowo 8:32.
9. Nukae akpe ɖe mía ŋu be míatu toɖoɖo ŋutete ɖo?
9 Ame tsitsiwoe Yesu nɔ nu ƒom na esime wògblɔ be: ‘Mikpɔ nyuie le miaƒe nusese ŋuti.’ (Luka 8:18) Egbɔgblɔ le bɔbɔe wu ewɔwɔ le egbeŋkeke siawo me. Nyateƒe wònye be toɖoɖo ŋutɔŋutɔ nye dɔ, gake míate ŋu atu toɖoɖo ŋutete ɖo. Ne èle nuƒo si wotu ɖe Biblia dzi alo kpekpe me nuƒo aɖe sem la, dze agbagba nàde dzesi nya veviawo. Kpɔ mɔ na nya siwo nuƒola la agagblɔ. Di nya siwo nàte ŋu azã le wò gbeadzisubɔsubɔdɔ kple agbenɔnɔ me. Nɔ nya siwo gblɔm wole la me dzrom le susu me. Wɔ nuŋlɔɖi kpuiwo.
10, 11. Aleke dzila aɖewo kpe ɖe wo viwo ŋu be wozu toɖola nyuiwo, eye mɔnu kawoe nèkpɔ be woɖea vi?
10 Ðevimee woate ŋu asrɔ̃ toɖoɖo nyuie ƒe nɔnɔmewo le. Hafi ɖevi aɖewo siwo medze suku gɔme haɖe o nasrɔ̃ nuxexlẽ kple nuŋɔŋlɔ gɔ̃ hã la, wo dzilawo dea dzi ƒo na wo be woawɔ “nuŋlɔɖiwo” le kpekpewo me. Wona wotea fli ɖe pepa dzi ne woyɔ nya nyanyɛ aɖewo abe “Yehowa,” “Yesu,” alo “Fiaɖuƒe” ene. To mɔ sia dzi la, ɖeviwo ƒe susu te ŋu nɔa nya siwo gblɔm wole le nuƒolanɔƒea ŋu.
11 Ehiã be woade dzi ƒo na ɖevi tsitsiwo gɔ̃ hã ɣeaɖewoɣi be woalé to ɖe nya ŋu. Esi ƒome ƒe ta aɖe de dzesii be ye vi ŋutsuvi si xɔ ƒe 11 ƒe susu nɔ tsaglãla tsam le Kristotɔwo ƒe takpekpe gã aɖe me la, etsɔ Biblia de ŋutsuvia si hegblɔ nɛ be wòaʋu ŋɔŋlɔawo ne nuƒolaawo le wo yɔm. Vifofoa nɔa nu ŋlɔm, eye viaŋutsua léa Biblia la wòkpɔa edzi. Emegbe ewɔe be ŋutsuvia ɖo to takpekpea me nuƒowo kple dzonɔameme yeye geɖe.
Na Woase Wò Gbe
12, 13. Nukatae wòle vevie be míakpɔ gome le hamea ƒe hadzidzi me?
12 Fia Dawid dzi ha be: “Maƒo xlã wò vɔsamlekpui, Yehowa, ahana kafukafuha naɖi.” (Psalmo 26:6, 7) Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo naa mɔnukpɔkpɔ nyuiwo mí be míaɖe míaƒe xɔse afia amewo nase. Mɔ siwo dzi míate ŋu awɔe toe dometɔ ɖekae nye gomekpɔkpɔ le hamea ƒe hadzidzi me. Enye míaƒe tadedeagu ƒe akpa vevi aɖe, gake míate ŋu aŋe aɖaba aƒu edzi bɔbɔe.
13 Ðevi siwo menya nuxexlẽ haɖe o dometɔ aɖewo léa Fiaɖuƒeha siwo woadzi le kpekpewo me kwasiɖa ɖesiaɖe la ɖe susu me. Edzɔa dzi na wo be yewote ŋu dzia ha ɖe ame tsitsiwo ti. Efesotɔwo 5:19) Míewɔa mía tɔ sinua be míakafu Yehowa le gbeadzi. Ðe míagate ŋu akafui ne míekɔ míaƒe gbe dzi—gbea vivi alo mevivi o—atsɔ adzi kafukafuha tso dzi me oa?—Hebritɔwo 13:15.
Gake ne ɖeviwo va le tsitsim la, ate ŋu adzɔ be gomekpɔkpɔ le Fiaɖuƒehawo dzidzi me magadzro wo boo o. Hadzidzi le kpekpewo me kpea ŋu na ame tsitsi aɖewo hã. Ke hã la, hadzidzi nye míaƒe tadedeagu ƒe akpa aɖe, abe alesi gbeadzisubɔsubɔdɔ nye míaƒe subɔsubɔ ƒe akpa aɖe ene. (14. Nukatae wòle be míadzra ɖo ɖe nusiwo míasrɔ̃ le hamea ƒe kpekpewo me ŋu nyuie do ŋgɔ?
14 Eganyea Mawu kafukafu ne míeɖo nya ŋu wòtu ame ɖo le míaƒe kpekpeawo ƒe akpa siwo bia be nyaselawo nakpɔ gome le eme la me. Esia bia dzadzraɖo. Ebia ɣeyiɣi be woade ŋugble le Mawu ƒe Nya la ƒe nya goglowo ŋu. Apostolo Paulo si nye Ŋɔŋlɔawo srɔ̃la veviedonula dze si nusia. Eŋlɔ be: “Oo, Mawu ƒe kesinɔnuwo kple nunya kple sidzedze me goglo loo!” (Romatɔwo 11:33) Ƒome ƒe tawo, ele vevie ŋutɔ be miakpe ɖe miaƒe ƒomea me tɔ ɖesiaɖe ŋu be wòaku Mawu ƒe nunya si woɖe ɖe go le Ŋɔŋlɔawo me la me. Ðo ɣeyiɣi aɖe ɖi le ƒomea ƒe Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔɣi be nàɖe nya sesẽ aɖewo me ahakpe ɖe wò ƒomea ŋu be woadzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu.
15. Aɖaŋuɖoɖo kawoe ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòaɖo nya ŋu le kpekpewo me?
15 Ne àdi be yeanɔ nya ŋu ɖom enuenu le kpekpewo me la, nukata màdzra ɖo ɖe nusi nèdi be yeagblɔ ŋu do ŋgɔ o? Mehiã nya gbogbo aɖeke gbɔgblɔ o. Ne àxlẽ mawunyakpukpui si sɔ kakaɖedzitɔe alo agblɔ nya ʋɛ aɖewo siwo ŋu nèdzra ɖo ɖo tso dzi me la, anyo. Gbeƒãɖela aɖewo gblɔna na nusɔsrɔ̃a dzi kpɔla be wòabia memama aɖe ƒe nya gbãtɔ yewo, ale be woƒe xɔse ɖeɖegblɔ nagato wo ŋu o.
Amemakpɔnuteƒewo Dzea Nunya
16, 17. Aɖaŋu kae hamemegã aɖe ɖo na subɔsubɔdɔwɔla aɖe, eye nukatae wòwɔ dɔ?
16 Woɖoa ŋku edzi na mí le Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo me zi geɖe be míaxlẽ Mawu ƒe Nya la gbesiagbe. Nusia wɔwɔ tua ame ɖo. Egakpena ɖe mía ŋu be míewɔa nyametsotso nyuiwo, míeɖɔa míaƒe nɔnɔme gbegblẽwo ɖo, míeɖua tetekpɔwo dzi, eye míeganɔa te le gbɔgbɔ me ne míeɖe afɔ gbegblẽ aɖe.—Psalmo 19:8.
17 Hamemegã bibiwo nɔa klalo be yewoanɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi aɖo aɖaŋu siwo sɔ ɖe míaƒe nuhiahiãwo nu. Nusi wòle be míawɔ koe nye be míabia woƒe aɖaŋuɖoɖo si nɔ te ɖe Biblia dzi bene ‘woaɖee agblɔ.’ (Lododowo 20:5) Gbeɖeka ɖekakpui subɔsubɔdɔwɔla dzonɔamemetɔ aɖe bia aɖaŋuɖoɖo tso hamemegã aɖe gbɔ tso alesi wòawɔ be viɖe geɖe nanɔ eŋu le hamea me ŋuti. Hamemegãa nye amesi nya ɖekakpuia nyuie, ale be wòʋu Timoteo I, 3:3 le eƒe Biblia me nɛ, afisi wogblɔ le be ŋutsu siwo wotia nanye ‘nugɔmeselawo.’ Etsɔ dɔmefafa gblɔ mɔ siwo dzi ɖekakpuia ate ŋu ato aɖe nugɔmesese afia le eƒe nuwɔwɔ kple amewo me. Ðe aɖaŋuɖoɖo sia si me wometsɔ naneke ɣla le o la na ɖekakpuia bi dzia? Kura o! Eɖe nu me be: “Bibliae hamemegãa zã, eyata medze sii be Yehowa gbɔe aɖaŋuɖoɖoa tso.” Subɔsubɔdɔwɔla la wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoa dzi akpedadatɔe eye ele ŋgɔyiyi nyui wɔm.
18. (a) Nukae kpe ɖe Kristotɔ sɔhɛ aɖe ŋu be wònɔ te ɖe tetekpɔ nu le suku? (b) Mawunyakpukpui kawo dzie nèɖoa ŋkui ne èdo go tetekpɔ?
18 Mawu ƒe Nya agate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be ‘woasi le ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo’ nu. (Timoteo II, 2:22) Ðetugbi aɖe si nye Yehowa Ðasefo si do le suku kɔkɔ nyitsɔ laa te ŋu nɔ te ɖe tetekpɔ nu le eƒe sukudeɣi katã to ŋugbledede le mawunyakpukpui aɖewo ŋu kpakple wo ŋudɔ wɔwɔ me. Ebua aɖaŋuɖoɖo si le Lododowo 13:20 ŋu zi geɖe, afisi woŋlɔ ɖo be: “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.” Eyata ekpɔa egbɔ be amesiwo dea bubu deto Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo ŋu koe yedzea xɔ̃e. Egblɔ be: “Nyemenyo wu ame aɖeke o. Ne mede ha kple ame gbegblẽwo la, xɔ̃nyewo ŋue madi be madze eye ɖeko maɖo nya me.” Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo si le Timoteo II, 1:8 hã kpe ɖe eŋu. Eŋlɔ be: “Ŋu nagakpe wò le mía Aƒetɔ ƒe ɖaseɖiɖi . . . ŋuti o; ke boŋ kpe fu kple nyanyui la.” (Timoteo II, 1:8) Le ɖekawɔwɔ me kple aɖaŋuɖoɖo ma la, ɖetugbia gblɔa eƒe dzixɔse siwo nɔ te ɖe Biblia dzi na eƒe sukuxɔmehatiwo le ɣeyiɣi siwo sɔ me. Ɣesiaɣi si woabia tso esi be wòagblɔ nya aɖe na eƒe klass la, etiaa nyati si ana wòaɖi ɖase ŋuɖɔɖotɔe tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu.
19. Nukatae ɖekakpui aɖe mete ŋu nɔ te ɖe xexeame ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu o, gake nukae do ŋusẽe le gbɔgbɔ me?
19 Ne wòva dzɔ be míetra le “ame dzɔdzɔe ƒe toƒe” la, Mawu ƒe Nya ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖɔ míaƒe zɔzɔme ɖo. (Lododowo 4:18) Ðekakpui aɖe si le Afrika srɔ̃ nusia. Esi Yehowa Ðasefo aɖe yi egbɔ la, elɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye. Nusi srɔ̃m wònɔ la vivi enu gake eteƒe medidi o eva te ha baɖa dede le suku. Eva te agbe gbegblẽ nɔnɔ le ɣeyiɣi aɖe megbe. Egblɔ be: “Nye dzitsinya ɖea fu nam edziedzi, eye meva dzudzɔ kpekpewo dede.” Egava dze kpekpewo dede gɔme emegbe. Ðekakpuia gblɔ nya aɖe si me kɔ ŋutɔ be: “Meva kpɔe be nusi gbɔ koŋ nusia katã tsoe nye be dɔ nɔ wuyem le gbɔgbɔ me. Nyemewɔa ɖokuisinusɔsrɔ̃ aɖeke o. Susu ma tae nyemete ŋu nɔ te ɖe tetekpɔa nu o ɖo. Emegbe meva te Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! xexlẽ. Ʋɛʋɛʋɛ la, ŋusẽ gava ɖo ŋunye le gbɔgbɔ me eye meɖɔ nye agbenɔnɔ ɖo. Nusia nye ɖaseɖiɖi nyui na amesiwo kpɔ tɔtrɔ siwo mewɔ. Meva xɔ nyɔnyrɔ, eye dzi le dzɔyem fifia.” Nukae do ŋusẽ ɖekakpui sia be wòte ŋu ɖu ŋutilãmegbɔdzɔgbɔdzɔ sia dzi? Ðokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ edziedzi dzie wòto ŋusẽ gaɖo eŋu le gbɔgbɔ me.
20. Aleke sɔhɛ awɔ ate ŋu anɔ te ɖe Satana ƒe amedzidzedzewo nu?
20 Kristotɔ sɔhɛwo, woho aʋa ɖe mia ŋu egbea hee! Hafi miate ŋu anɔ te ɖe Satana ƒe amedzidzedzeawo nu la, ele be miaɖu gbɔgbɔmenuɖuɖu edziedzi. Hakpala, si edze ƒã be eya hã nye ɖekakpui la, se nya sia gɔme. Eda akpe na Yehowa be wòtsɔ eƒe Nya la na, be ‘ɖekakpui nate ŋu akɔ eƒe mɔ ŋu.’—Psalmo 119:9.
Afisiafi si Mawu Akplɔ Mí Toe la, Míakplɔe Ðo
21, 22. Nukatae mele be míaƒo nya ta be nyateƒemɔa dzi zɔzɔ sesẽ akpa o?
21 Yehowa kplɔ Israel-dukɔa do goe le Egipte yi Ŋugbedodonyigbaa dzi. Le amegbetɔ ƒe nukpɔkpɔ nu la, mɔ si wòtia be woato la adze abe esi dzi toto sesẽ si mehiã be woato hafi o ene. Le esi teƒe be Yehowa nakplɔ eƒe amewo ato Mediterranea Ƒutamɔ si le tẽ eye wòdze abe eyae le bɔbɔe wu ene dzi la, dzogbemɔ si dzi toto sesẽ dzie wòkplɔ wo toe boŋ. Gake le nyateƒe me la, dɔmee Mawu nyo na wo. Togbɔ be ƒutamɔa le kpuie wu hã la, anye ne mɔ ma toto ana Israel-viwo nava to Filistitɔ anyrawɔlawo ƒe anyigba dzi. Esi Yehowa tia mɔ bubu ta la, ena eƒe amewo ƒo asa na aʋawɔwɔ kaba kple Filistitɔwo.
22 Nenema ke adze ɣeaɖewoɣi abe mɔ si dzi Yehowa le mía kplɔm toe egbea sesẽ ene. Kristotɔwo ƒe dɔwɔna geɖe ƒe ɖoɖowɔɖi le mía si kwasiɖa ɖesiaɖe, siwo dometɔ aɖewoe nye hame ƒe kpekpewo dede, ɖokuisinusɔsrɔ̃, kple gbeadzisubɔsubɔdɔ wɔwɔ. Ðewohĩ adze abe mɔ bubuwo dzi toto anɔ bɔbɔe wu ene. Gake Mawu yomenɔnɔ koe ana míaɖo afisi míele agbagba dzem vevie be míaɖo. Eyata mina míayi edzi axɔ mɔfiame veviwo tso Yehowa gbɔ eye míakpɔtɔ anɔ ‘mɔ dzɔdzɔe la’ dzi tegbee!—Psalmo 27:11.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
• Nukatae wòle vevie ŋutɔ be míade Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi?
• Nukae dzilawo ate ŋu awɔ akpe ɖe wo viwo ŋu be woalé to ɖe nya ŋu le kpekpewo me?
• Nukae toɖola nyui nyenye bia?
• Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖo nya ŋu le kpekpewo me?
[Biabiawo]
[Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]
Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede kpena ɖe mía ŋu be Yehowa ƒe ŋkekea nɔa susu me na mí
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Mɔ vovovo li siwo dzi míato akafu Yehowa le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me