Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Yesu Kristo Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋui

Alesi Yesu Kristo Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋui

Alesi Yesu Kristo Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋui

NUSIWO Yesu Kristo wɔ tsɔ kpe ɖe amewo ŋu esi wònɔ anyigba dzi la sɔ gbɔ ŋutɔ. Le nyateƒe me la, esɔ gbɔ ale gbegbe be esi nuteƒekpɔla aɖe nɔ nu ƒom tso nu gbogbo siwo Yesu wɔ le eƒe agbe me ŋu la, egblɔ be: “Ke nu bubu geɖe, siwo Yesu wɔ la, hã gali, esiwo, ne woaŋlɔ wo ɖekaɖeka la, mebu bena, xexeame ŋutɔ mele ŋu te ge axɔ agbalẽ, siwo ŋlɔ ge woala o.” (Yohanes 21:25) Esi wònye anyigba dzie Yesu wɔ nu geɖe le ta la, míabia be: ‘Aleke wòate ŋu anye míaƒe kpeɖeŋutɔe esi wòle dziƒo? Ðe Yesu ƒe dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ ate ŋu aɖe vi na mí fifia?

Ŋuɖoɖoa de dzi ƒo hena kakaɖedzi mí ale gbegbe. Biblia gblɔ na mí be Kristo yi ɖe ‘dziƒo ŋutɔ, bene wòado ɖe Mawu ŋku me azɔ ɖe mía ta.’ (Hebritɔwo 9:24) Nukae wòwɔ na mí? Apostolo Paulo ɖe nu me be: “[Kristo] metsɔ gbɔ̃tsuwo kple nyiviwo ƒe ʋu hã o, ke boŋ ye ŋutɔ ƒe ʋu wòtsɔ yi ɖe kɔkɔeƒe [“dziƒo ŋutɔ”] la me zi ɖeka hɔ̃ ko ɖe ɣeyiɣiawo katã nu, eye wòtsɔ xɔxɔ mavɔ vɛ.”—Hebritɔwo 9:12; Yohanes I, 2:2.

Nyanyui ka gbegbee ema nye! Le esi teƒe be Yesu ƒe dziƒoyiyi nana dɔ wɔnuku siwo wòwɔ ɖe amegbetɔwo nu la nu natso la, ekpe ɖe eŋu boŋ be wòawɔ geɖe wu na ameƒomea. Elabena le Mawu ƒe amenuveve gã la me la, etia Yesu be wòanye “subɔla”—nunɔlagã—le “gãnyenye fiazikpui la ƒe nuɖusi me le dziƒowo.”—Hebritɔwo 8:1, 2.

“Subɔla”

Yesu anye ameƒomea ƒe subɔla le dziƒo. Awɔ dɔ si tɔgbe nunɔlagã wɔna le Israel ɖe Mawu ƒe subɔlawo nu le blemaɣeyiɣiwo me. Dɔ kae nye ema? Paulo ɖe nu me be: “Woɖo nunɔlagã sia nunɔlagã, bena wòatsɔ nunanawo kple numemewo ana; eyata ele vevie bena, nane nanɔ nunɔlagã sia [Yesu Kristo si yi dziƒo] hã si be, wòatsɔ ana.”—Hebritɔwo 8:3.

Nu nɔ Yesu si wòatsɔ ana si de ŋgɔ sasasã wu esi blema nunɔlagãwo nana. “Ne gbɔ̃tsuwo kple nyitsuwo ƒe ʋu” te ŋu na blema Israel-dukɔa ŋuti kɔ le gbɔgbɔ me le mɔ aɖe nu la, “geɖe aleke wu Kristo . . . ƒe ʋu maklɔ miaƒe dzitsinya tso dɔwɔwɔ kukuwo me, bena miasubɔ Mawu gbagbe la o mahã?”—Hebritɔwo 9:13, 14.

Gakpe ɖe eŋu la, Yesu nye subɔla si ɖe dzesi, elabena wotsɔ makumakunyenye nae. Le blema Israel la, ‘ame geɖe va zu nunɔlawo ɖe ame bubuwo teƒe le esi ku meɖe mɔ na wo be woanye nunɔlawo ɖaa o ta.’ Gake Yesu ya ɖe? Paulo ŋlɔ bena: “Nunɔlanyenye, si meɖɔlina o la, le esi. Eyata ate ŋu axɔ amesiwo to edzi va Mawu gbɔ la, ɖe agbe blibo keŋkeŋ, le esi wònɔa agbe ɖaa, bena wòaxɔ wo ɖe akɔ la ŋuti.” (Hebritɔwo 7:23-25; Romatɔwo 6:9) Ẽ, subɔla le mía si le Mawu ƒe nuɖusi me le dziƒo, amesi ‘le agbe ɖaa axɔ nya ɖe mía nu.’ Wò ya bu nusi ema fia na mí fifia ŋuti kpɔ ko!

Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, amewo ƒo zi ɖe eŋu be wòakpe ɖe yewo ŋu, eye ɣeaɖewoɣi la, wozɔa mɔ tso teƒe didiwo vaa egbɔ be wòakpe ɖe yewo ŋu. (Mateo 4:24, 25) Le dziƒo la, dukɔ ɖesiaɖe me tɔ ate ŋu ate ɖe Yesu ŋu bɔbɔe. Le teƒe deamedzi si wòle le dziƒo ta la, enye subɔla si li akpe ɖe mía ŋu ɣesiaɣi.

Nunɔlagã Ka Ƒomevie Yesu Nye?

Yesu ƒe nuwɔna siwo ŋuti woƒo nu tsoe le Nyanyuigbalẽawo ƒe nuŋlɔɖiwo me na ɖikeke aɖeke mele mía si ɖe eƒe kpekpeɖeŋunana kple dɔmetɔtrɔ ŋu o. Aleke gbegbe wòtsɔ eɖokui sa vɔe ɖe amewo tae nye si! Esi wo kple eƒe nusrɔ̃lawo di be yewoagbɔ ɖe eme vie la, amewo gblẽ eme nɛ zi geɖe. Le esi teƒe be wòase le eɖokui me be wogblẽ ɖiɖiɖemeɣi veviwo me na ye la, “eƒe dɔme trɔ ɖe” amesiwo nɔ kpekpeɖeŋu dim tso egbɔ la ŋuti. Esi ɖeɖi te Yesu ŋu, dɔ nɔ ewum, eye tsikɔ nɔ ewum gɔ̃ hã la, ‘exɔ wo dɔmenyotɔe,’ eye elɔ̃ faa ɖe asi le nuɖuɖu ŋu ale be wòate ŋu akpe ɖe nuvɔ̃wɔla trɔdzimewo ŋu.—Marko 6:31-34; Luka 9:11-17; Yohanes 4:4-6, 31-34.

Esi Yesu ƒe dɔme trɔ ɖe amewo ŋu ta la, ewɔ nu ŋutɔŋutɔwo tsɔ kpɔ amewo ƒe ŋutilãme, seselelãme kple gbɔgbɔ me nuhiahiãwo gbɔe. (Mateo 9:35-38; Marko 6:35-44) Gakpe ɖe eŋu la, efia mɔ si dzi woato akpɔ gbɔdzɔe kple dzidzeme si nɔa anyi ɖaa la wo. (Yohanes 4:7-30, 39-42) Le kpɔɖeŋu me, aleke gbegbe alesi wòkpe amewoe fa dzi na amee nye si: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana dzudzɔ mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo.”—Mateo 11:28, 29.

Yesu ƒe lɔlɔ̃ na amewo lolo ale gbegbe be etsɔ eƒe agbe gɔ̃ hã na ɖe amegbetɔ nuvɔ̃wɔlawo ta. (Romatɔwo 5:6-8) Esia ta Apostolo Paulo gblɔ be: “[Yehowa Mawu] amesi mehe ye ŋutɔ ƒe Vi ɖe megbe o, ke wòtsɔe hena ɖe mí katã mía ta boŋ; aleke lawɔ, eye matsɔ nuwo katã hã akpe ɖe eŋuti na mí oa? . . . Kristo [Yesu] ye nye amesi ku, ke nusi gawu enye: Amesi wofɔ ɖe tsitre hã, amesi le Mawu ƒe nuɖusi me, amesi xɔ mí ɖe akɔ hã.”—Romatɔwo 8:32-34.

Nunɔlagã si Ate Ŋu Ase Veve Ðe Ame Nu

Esi Yesu nye amegbetɔ kpɔ ta la, dɔ wui, tsikɔ wui, ɖeɖi te eŋu, exa nu, ese veve, eye wòɖɔ ku kpɔ. Xaxa kple nyaƒoɖeamenu siwo me wòto na wòsu te le mɔ tɔxɛ aɖe nu ate ŋu anye Nunɔlagã na ameƒome si le fu kpem. Paulo ŋlɔ bena: “Ele [na Yesu] be, wòaɖi nɔviawo le nuwo katã me, bene wòatrɔ zu nunɔlagã nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòalé avu le dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta. Elabena esi wòkpe fu, eye wotee kpɔ ŋuti la, ate ŋu axɔ na amesiwo wotena kpɔna.”—Hebritɔwo 2:17, 18; 13:8.

Yesu ɖee fia be yedze eye yelɔ̃ be yeakpe ɖe amewo ŋu be woate ɖe Mawu ŋu kplikplikpli. Gake ɖe esia fia be ehiã be wòaɖe kuku na Mawu aɖe si nye nublanuimakpɔla, dzimagbɔɖitɔ, amesi melɔ̃na be yeatsɔ ake o la hafia? Kura o, elabena Biblia na kakaɖedzi mí be ‘Yehowa ƒe dɔme nyo, eye wòlɔ̃a tsɔtsɔke.’ Egblɔ hã be: “Ne míeʋu míaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bene wòatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mía ŋuti.” (Psalmo 86:5; Yohanes I, 1:9) Le nyateƒe me la, alesi Yesu ƒoa nui hewɔa nu tufafatɔe ɖe Fofoa ŋutɔ ƒe dɔmetɔtrɔ, nublanuikpɔkpɔ, kple lɔlɔ̃ fia.—Yohanes 5:19; 8:28; 14:9, 10.

Aleke Yesu na gbɔdzɔe nuvɔ̃wɔla trɔdzimewoe? Ekpena ɖe wo ŋu be wokpɔa dzidzɔ eye woƒe dzi dzea eme le agbagba si dzem wole vevie be yewoawɔ nusi dzea Mawu ŋu la me. Esi Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na ehati Kristotɔ amesiaminawo la, eƒo nu tso nɔnɔmea ŋu kpokploe ale: “Azɔ esi nunɔlagã, si to dziƒowo me yi la, le mía si, si nye Yesu, Mawu Vi la, minɛ míalé míaƒe xɔsemeʋuʋu ɖe asi sesĩe. Elabena menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mí o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o. Eyata minɛ míatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.”—Hebritɔwo 4:14-16.

‘Kpekpeɖeŋu le Hiahiãgbe’

Gake nukae míawɔ ne míedo go kuxi siwo míesusu be wololo wu míaƒe tsɔtsɔ—dɔléle sesẽ, fɔɖiɖi sese ƒe agba, dziɖeleameƒo manyatalenu, kple blanuiléle? Míate ŋu awɔ mɔnuɖoɖo si ŋudɔ Yesu ŋutɔ hã wɔ edziedzi—si nye gbedodoɖa ƒe mɔnukpɔkpɔ xɔasi la. Le kpɔɖeŋu me, le zã si do ŋgɔ hafi wòtsɔ eƒe agbe na ɖe mía ta me la, “edo gbe ɖa vevie gawu, eye wòva ve me bena, eƒe fifia le abe ʋukɔwo ene hele gegem ɖe anyigba toŋtoŋ.” (Luka 22:44) Ẽ, Yesu nya nusi gbedodoɖa na Mawu moveviɖoɖotɔe fia. “[Etsɔ] gbedodoɖawo kple kukuɖeɖewo le eƒe ŋutilã me nɔnɔ ƒe ŋkekewo me hekpe ɖe ɣlidodo sesĩ kple aɖatsiwo ŋu va amesi te ŋu xɔe tso ku me la gbɔ, eye wòɖo toe le esi wòvɔ̃a Mawu la ŋuti.”—Hebritɔwo 5:7.

Yesu nya nusi gbegbe wòawɔ na amegbetɔwo ne ‘woɖo to woƒe gbedodoɖa’ hedo ŋusẽ wo. (Luka 22:43) Gakpe ɖe eŋu la, edo ŋugbe be: “Ne miabia nane Fofoa la, ana mi le nye ŋkɔa dzi. . . . Miɖe kuku, eye miaxɔ nu, bena miaƒe dzidzɔ la nayɔ fu.” (Yohanes 16:23, 24) Eyata míate ŋu aɖe kuku na Mawu kple dzideƒo eye ana Via nazã eƒe ŋusẽ kple eƒe tafevɔsaa ƒe asixɔxɔa ɖe mía ta.—Mateo 28:18.

Kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be le nɔƒe si le Yesu si le dziƒo ta la, ana kpekpeɖeŋu nyuitɔ si dze la mí le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Le kpɔɖeŋu me, ne míewɔ nuvɔ̃ si ta míese veve ɖo vavã la, kakaɖedzi si le mía si be “nyaxɔɖakɔla le mía si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la” ate ŋu afa akɔ na mí. (Yohanes I, 2:1, 2) Míaƒe Nyaxɔɖeakɔla kple Akɔfanamela si le dziƒo la aɖe kuku ɖe mía ta ale be woaɖo gbe siwo míado ɖa le eƒe ŋkɔ me eye wole ɖekawɔwɔ me kple Ŋɔŋlɔawo la ŋu.—Yohanes 14:13, 14; Yohanes I, 5:14, 15.

Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Kpekpeɖeŋu si Kristo Nana Ŋu

Nu geɖe hiã wu kokoƒoƒo na Mawu to Via dzi ko. Ne míagblɔe la, le Kristo ƒe tafevɔsaa ƒe asixɔxɔ ta la, ‘exe fe ɖe ameƒomea ta wozu etɔ.’ (Galatiatɔwo 3:13; 4:5; Petro II, 2:1) Míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe nusiwo katã Kristo wɔ na mí ŋu to lɔlɔ̃ ɖe edzi be etɔe míenye me eye míatsɔ dzidzɔ axɔ eƒe amekpekpe be: “Ne ame aɖe le didim be, yeadze yonyeme la, negbe nu le ye ŋutɔ gbɔ, eye wòatsɔ eƒe [fuwɔameti] gbawotsyogbe, eye wòadze yonyeme.” (Luka 9:23) ‘Nugbegbe le ameɖokui gbɔ’ menye gbɔgblɔ ko be yezu ame bubu tɔ ko evɔ o. Kristo gɔ̃ hã “ku ɖe wo katã ta, bene amesiwo le agbe la, naganɔ agbe na wo ɖokui o, ke ne woanɔ agbe hena amesi ku . . . le wo ta la boŋ.” (Korintotɔwo II, 5:14, 15) Eyata ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe tafea ŋu akpɔ ŋusẽ blibo ɖe míaƒe nukpɔsusu, taɖodzinuwo, kple alesi míenɔa agbee la dzi. Ele be alesi míenyi fe le “[Kristo Yesu], amesi tsɔ eɖokui hena ɖe mía ta,” ŋu naʋã mí be míasrɔ̃ nu geɖe tso woa kple Fofoa lɔlɔ̃a, Yehowa Mawu ŋu. Ele be míadi hã be míatsi le xɔse me, be míanɔ agbe ɖe Mawu ƒe dzidzenu ɖeviawo nu, eye be ‘míado vevie nu le dɔ nyui wɔwɔ me.’—Tito 2:13, 14; Yohanes 17:3.

Kristo hamea nye afisi míexɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu, dzideƒoname, kple mɔfiame tsona le ɣeyiɣi dzi. (Mateo 24:45-47; Hebritɔwo 10:21-25) Le kpɔɖeŋu me, ne ame aɖewo ƒe lãme gblẽ le gbɔgbɔ me la, woate ŋu “[ayɔ] hamemegãwo vɛ.” Yakobo tsɔ kakaɖedzinya sia kpee be: “Eye xɔse ƒe gbedodoɖa la axɔ dɔléla ma ɖe agbe, eye Aƒetɔ la afɔe ɖe tsitre, eye ne ewɔ nuvɔ̃wo la, woatsɔ wo akee.”—Yakobo 5:13-15.

Le kpɔɖeŋu me: Ŋutsu aɖe si wode mɔ le South Africa ŋlɔ lɛta na hamemegã aɖe tsɔ ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe “Yehowa Ðasefo siwo katã le dɔ nyui si gɔme Yesu dze la wɔm tsɔ le kpekpem ɖe amewo ŋui be Mawufiaɖuƒea nasu wo si la ŋuti.” Emegbe eŋlɔ bena: “Dzi dzɔm ale gbegbe esi mexɔ wò lɛta la. Alesi nètsi dzi ɖe nye gbɔgbɔmeɖeɖekpɔkpɔ ŋui wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe. Esia koŋue na medze egɔme le Yehowa Mawu ƒe yɔyɔ be matrɔ dzime la xɔm. Ƒe 27 sɔŋ menɔ tsaglãla tsam le nuvɔ̃, amebeble, nuwɔna manɔsenuwo, agbegbegblẽnɔnɔ, kple subɔsubɔ me alakpanuwɔwɔwo ƒe viviti me. Esi meva ke ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu vɔ la, mese le ɖokuinye me be mekpɔ mɔ la—mɔ dzɔdzɔe la—mlɔeba! Nusi ko wòle be mawɔe nye be mazɔ edzi.”

Agana Kpekpeɖeŋu Geɖe Mí le Etsɔ si Gbɔna Kpuie Me

Alesi xexeame ƒe nɔnɔmewo yi edzi le gbegblẽmee nye kpeɖodzi kɔte be míele ɣeyiɣi vevi aɖe si ado ŋgɔ na “xaxa ga” la ƒe vava la me. Fifi laa la, ameha gã aɖe si tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me le woƒe awuwo nyãm hele wo wɔm ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me.’ (Nyaɖeɖefia 7:9, 13, 14; Timoteo II, 3:1-5) Esi woxɔ Yesu ƒe tafevɔsaa dzi se ta la, wotsɔ woƒe nuvɔ̃wo ke wo eye wole kpekpem ɖe wo ŋu be woava nɔ ƒomedodo kplikplikpli me kple Mawu—le nyateƒe me la, wova zu exɔlɔ̃wo.—Yakobo 2:23.

Yesu Kristo, si nye Alẽvi la, “anyi [amesiwo atsi agbe le xaxa gã la me] eye wòakplɔ wo ayi agbetsi dzidziwo gbɔ, eye Mawu atutu aɖatsiwo katã ɖa le woƒe ŋkuwo me.” (Nyaɖeɖefia 7:17) Emegbe Kristo ahe eƒe Nunɔlagãnyenye ƒe dɔa ava nuwuwui. Akpe ɖe Mawu xɔlɔ̃wo katã ŋu be ‘agbetsi dzidziawo’ naɖe vi na wo bliboe—le gbɔgbɔ me, ŋutilãme, susume, kple seselelãme gome. Emegbe Yesu awɔ nusi gɔme wòdze le ƒe 33 M.Ŋ. heyi ewɔwɔ dzi le dziƒo tso ɣemaɣi la ade goe.

Eyata negadzɔ gbeɖe be nàdzudzɔ ŋudzedzekpɔkpɔ deto ɖeɖefia ɖe nusiwo katã Mawu kple Kristo wɔ na mí—eye woyi edzi le wɔwɔm na mí la ŋu o. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Dzi nadzɔ mi le Aƒetɔ la me ɖaasi. . . . Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.”—Filipitɔwo 4:4, 6, 7.

Mɔ vevi aɖe li si dzi nàto aɖe wò ŋudzedzekpɔkpɔ afia Yesu Kristo, amesi nye míaƒe Nyaxɔɖeakɔla si le dziƒo. Le Kuɖagbe, April 19, 2000, dzi la, Yehowa Ðasefowo le xexeame katã aƒo ƒu aɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia. (Luka 22:19) Esia anye mɔnukpɔkpɔ be nàdzi wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Kristo ƒe tafevɔsaa ŋu ɖe edzi. Míetsɔ vividoɖeameŋu geɖe le kpewòm be nàyi aɖase alesi ɖoɖo wɔnuku si Mawu wɔ hena ɖeɖekpɔkpɔ to Kristo dzi ate ŋu aɖe vi na wò tegbetegbee. Taflatse bia Yehowa Ðasefo siwo le mia gbɔ woagblɔ game si tututu dzi woawɔ kpekpe tɔxɛ sia kple teƒe si woawɔe le la na wò.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yesu nya nusi gbedodoɖa na Mawu moveviɖoɖotɔe fia

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Kristo akpe ɖe mía ŋu míakpɔ kuxiwo gbɔ wu alesi míawo ɖeɖe míate ŋu akpɔ wo gbɔe

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Kristo toa hamemegã lɔ̃amewo dzi naa kpekpeɖeŋu mí