Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuƒoƒo tso Kristotɔwo ƒe Mɔkpɔkpɔa Ŋu le Senegal

Nuƒoƒo tso Kristotɔwo ƒe Mɔkpɔkpɔa Ŋu le Senegal

Míenye Amesiwo Si Xɔse Le

Nuƒoƒo tso Kristotɔwo ƒe Mɔkpɔkpɔa Ŋu le Senegal

TƆMELÃ nye nuɖuɖu vevi aɖe tso blema ɣeyiɣiwo me ke. Ƒe akpe nanewo enye esia esi amewo le lã ɖem le atsiaƒu, ta, kple tɔsisi siwo le anyigba dzi la me. Yesu Kristo ƒe apostolowo dometɔ aɖewo nye tɔƒodelawo le Galilea-ƒua dzi. Gake Yesu ƒo nu tso lãɖeɖe ƒomevi bubu aɖe ŋu na wo. Esia nye gbɔgbɔmelãɖeɖe si maɖe vi na lãɖelawo ɖeɖeko o ke na lã siwo woaɖe hã.

Esia nɔ susu me na Yesu esi wògblɔ na lãɖela Petro be: “Tso esia dzi yina la èle amewo ɖe ge.” (Luka 5:10) Lãɖeɖe sia ƒomevi le edzi yim egbea le dukɔ siwo wu 230, siwo dome Senegal hã le la me. (Mateo 24:14) Le afisia la, egbeŋkekeawo me “ameɖelawo” le nu ƒom dzideƒotɔe na ame bubuwo tso woƒe Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu.—Mateo 4:19.

Senegal le Afrika ƒe ɣetoɖoƒe kekeake gome lɔƒo. Ekeke ta tso kenyigba si nye dzogbe si do liƒo kple Sahara le dziehe gome vaseɖe avenyigba wɔnu si le Casamance si le anyiehe nutome lɔƒo. Senegal nye anyigba si dzi dzogbeya xɔdzo kple atlantik-ya fafɛ si naa dzidzeme ame siaa ƒona le. Ame siwo wu miliɔn asieke ye le afisia. Wonya Senegaltɔwo nyuie le woƒe amedzrowɔwɔ ta. Ame akpa gãtɔ menye Kristotɔwo o. Wo dometɔ geɖe nye alẽkplɔlawo, eye bubuwo nye nyi, kposɔ, kple gbɔ̃ nyilawo. Agbledela siwo dea azi, ɖeti, kple mɔli gblewo hã li. Ẽ, tɔƒodela siwo tsɔa ɖɔ siwo me yɔ fũ kple tɔmelãwo vɛ tso Atlantik-ƒu gã la kple tɔsisi gã siwo si to woƒe dukɔa me la hã li. Lãɖeɖedɔa wɔa akpa vevi aɖe le Senegal ƒe gaŋutiɖoɖowo me. Le nyateƒe me la, nuɖuɖu si doa dzidzɔ na amewo wu le dukɔa mee nye ceebu jën, si nye nuɖuɖu vivi si woɖana kple mɔli, tɔmelã, kple detsiƒonuwo.

“Ameɖelawo”

Gbeƒãɖela 863 siwo le gbeƒã ɖem dzonɔamemetɔe tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu ye le Senegal. Wodze gbɔgbɔmelãɖeɖedɔa gɔme le afisia le ƒe 1950 ƒeawo ƒe gɔmedzedze. Woʋu Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe ɖe Dakar, si nye fiadua me le ƒe 1965 me. Dutanyanyuigblɔla “lãɖelawo” dze vava gɔme tso dukɔ siwo le didiƒe ʋĩ la me. Wodze “lãɖeɖedɔa” gɔme eye gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖe tso Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔa ŋu le ŋgɔyiyi kpɔm le Senegal. Mlɔeba wotu alɔdzedɔwɔƒe yeye ɖe Almadies, si le Dakar ƒe gbɔto, eye wokɔ eŋu na Yehowa le June 1999 me. Dzidzɔɣi ka gbegbee esia nye!

Nyateƒea Xɔxɔ Me Kuxiwo

Wodea amesiwo le nɔnɔme vovovowo me la gbɔ edziedzi, eye wo dometɔ aɖewo xɔ mɔkpɔkpɔ gbedasi si le Mawu ƒe Nya la me nyuie. Togbɔ be Biblia me sidzedze aɖeke mele wo dometɔ geɖe si o hã la, wokpɔ dzidzɔ esi wose ŋugbe si Yehowa Mawu do na blema nyagblɔɖila nuteƒewɔlawo siwo ava eme kpuie.

Zi geɖe la, ebia dzideƒo be woanɔ te sesĩe le Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ me, vevietɔ ne elɔ ƒome kɔnyinyiwo kple kɔnuwo ɖe eme. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃ geɖe ɖeɖe nye nusi bɔ ɖe Senegal. De ŋugble le ŋutsu aɖe si si srɔ̃ eve nɔ esime wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme ŋu kpɔ. Ðe dzi anɔ eƒo wòaxɔ Kristotɔwo ƒe nyateƒea ahawɔ nu ɖe Ŋɔŋlɔawo me nudidi si bia be wòanye nyɔnu ɖeka srɔ̃ la nua? (Timoteo I, 3:2) Eye ɖe wòalé ɖe eƒe ɖekakpui me srɔ̃, si nye nyɔnu si wòɖe gbã la ŋua? Nusia tututue wòwɔ, eye fifia enye hamemegã veviedonula le hame gã siwo le Dakar nutoa me la dometɔ ɖeka me. Srɔ̃a gbãtɔ hã xɔ nyateƒea kpe ɖe via 12 katã ŋu, vi 10 nye srɔ̃a gbãtɔ ƒe viwo eye vi 2 nye srɔ̃a evelia si ŋu wòɖe asi le ƒe viwo.

Nu bubu si ate ŋu axe mɔ na Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔa xɔxɔ enye agbalẽmanyamanya. Ðe esia fia be amesi menya agbalẽ o mate ŋu axɔ nyateƒea ahawɔ ɖe edzi oa? Kura o. De ŋugble tso Marie si nye vidada vevienudola si si ɖevi enyi nɔ la ƒe kpɔɖeŋu ŋu kpɔ. Ekpɔ mawunyakpukpuia me dzodzro kple viawo gbesiagbe hafi woadzo ayi suku eye hafi eya hã nayi dɔ me ƒe vevienyenye dzesii enumake. Gake aleke wòate ŋu awɔ esia esi menya nuxexlẽ o? Etsɔa Ŋɔŋlɔawo Me Dzodzro ƒe agbalẽvia ɖe asi ŋdikanya ɖesiaɖe eye wòtsia tsitre ɖe ablɔ si to eƒe aƒea ŋgɔ si dzi ke geɖe le la dzi. Ne amewo to afima va yina la, ebiana wo be wonya nuxexlẽ hã. Ne ekpɔ ame aɖe si nya nuxexlẽ la, etsɔa agbalẽvia nɛ eye wògblɔna kple didi vevie be: “Nyemenya nuxexlẽ o, taflatse àte ŋu axlẽ akpa sia nam egbea?” Eɖoa to nuxexlẽa nyuie. Emegbe edaa akpe na amesi xlẽ nua nɛ eye egena ɖe aƒeme enumake hewɔa numedzodzro lédziname aɖe tso mawunyakpukpuia me kple viawo hafi woyia suku!

Ame Ƒomevi Vovovowo Ðe Ðetsɔleme Fia

Le Senegal la, woate ŋu akpɔ amewo woanɔ ablɔ dzi anɔ tɔmelã, detsiƒonuwo, alo atikutsetsewo dzram le asime, alo anɔ adidoti gã nyadri aɖe te anɔ ataya si nye tii ƒomevi aɖe si ƒe dzedzeme nye gbemu si de veve ge nom. Nɔviŋutsu eve aɖewo siwo ɖoe kplikpaa be yewoagblɔ nyanyuia na amesiame si yewoado goe la ɖe gbeƒã na nuwɔametɔ aɖe si nɔ nu biam le ablɔ dzi. Wogblɔ nɛ le gbedodo nɛ vɔ megbe be: “Ame geɖewo naa ga wò, gake wometɔna ɖoa dze kple wò o. Míeva be míaƒo nu na wò tso nya vevi aɖe si ku ɖe wò etsɔme ŋu la ŋuti.” Ewɔ nuku na nubiala la. Nɔviŋutsuawo yi edzi be: “Míedi be míabia nya aɖe wò. Nukae nèsusu be eya tae fukpekpe le xexeame alea gbegbe ɖo?” Nubiala la ɖo eŋu be “Mawu ƒe lɔlɔ̃nue.”

Emegbe nɔviŋutsuawo ɖe nu me nɛ tso Ŋɔŋlɔawo me eye woɖe Nyaɖeɖefia 21:4 me nyawo me nɛ. Mɔkpɔkpɔ gbedasi sia wɔ dɔ ɖe nubiala la dzi vevie eye alesi ame aɖe tsɔ ɖe le eme nɛ kakaka tɔ ɖe eŋu hedzro Biblia me kplii hã wɔ dɔ ɖe edzi nenema ke. Aɖatsi lólo ɖe ŋku dzi nɛ. Le esi teƒe be wòabia ga la, eƒo koko na nɔviŋutsuawo vevie be woalɔ gaku siwo katã le yeƒe nubiagbaa me! Ezii ɖe wo dzi ale gbegbe be ɖeko amesiwo katã to afima yina la nɔ wo kpɔm. Le agbagbadzedze geɖe megbe hafi nɔviŋutsuawo te ŋu ble enu be ga la nenɔ anyi ko. Elɔ̃ mlɔeba gake hete tɔ ɖe edzi be woagava srã ye akpɔ.

Gbɔgbɔmelãɖeɖeɖɔ la hã le nu lém le Yunivɛsiti gã si le Dakar la hã me. Afimae atikeŋutinusrɔ̃la aɖe si woyɔna be Jean-Louis dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme le. Exɔ nyateƒea alɔtsɔtsɔe, tsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa, eye wòxɔ nyɔnyrɔ. Eƒe didie nye be yeasubɔ Mawu le ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖeɖedɔa me, ke esea vivi na atikeŋutinu si srɔ̃m wònɔ hã. Esi wònye ebla nu kple eƒe dukɔ ta la, esia ƒoe ɖe enu be wòawu eƒe nusɔsrɔ̃a nu. Ke hã edze kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa gɔme le ɣeyiɣi ma ke me. Le eƒe ɖaseɖigbalẽ si fia be enye atikewɔla bibi xɔxɔ vɔ megbe teti ko la, womiã asii be wòasubɔ le Betel-ƒe gã aɖe si le Afrika me anye woƒe ƒomea ƒe ɖɔkta. Ðekakpui bubu si ŋu woke ɖo le Dakar Yunivɛsiti ma ke me hã le subɔsubɔm le Betel-ƒome si le wo de me.

Le nyateƒe me la, gbɔgbɔmelãɖeɖedɔ si wɔm wole le Senegal le vi ɖem vavã. Amewo kpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ŋu ale gbegbe eye wole wo tam fifia ɖe Wolofgbe si wodona le afima me. Nyanyuia sese le woawo ŋutɔ degbe me de dzi ƒo na dzianukwaretɔ geɖewo be woaxɔe kple akpedada. Ðikeke mele eme o be Yehowa ƒe yayra awɔe be woagaɖe kpɔɖeŋu lã geɖe, esi Senegal ƒe “ameɖela” siwo me dzo le la yi edzi le Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔa gblɔm fia nuteƒewɔwɔtɔe kple dzideƒotɔe.

[Anyigbata/Nɔnɔmetata si le axa 31]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

SENEGAL

[Nɔnɔmetata]

Gbeƒãɖeɖe Kristotɔwo ƒe mɔkpɔkpɔa le Senegal

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Mountain High Maps® Copyright © 1997 Digital Wisdom, Inc.