Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusitae Ameƒomea Hiã Nyaxɔɖeakɔla

Nusitae Ameƒomea Hiã Nyaxɔɖeakɔla

Nusitae Ameƒomea Hiã Nyaxɔɖeakɔla

ŊUTSU si nye dadala kple ŋutasẽla tsã la lɔ̃ ɖe edzi be yenye ‘yometila vlodoamela.’ Enye busunyagblɔla amemabula aɖe si ɖe fu na Yesu Kristo yomedzela mawuvɔ̃lawo hewɔ funyafunya wo nublanuimakpɔmakpɔe. Egblɔ akpedadatɔe be “ke wokpɔ nublanui nam.” Togbɔ be womaxɔ esia dzi ase bɔbɔe o hã la, yometila ŋutasẽla vɔ̃ɖi sia va zu Kristotɔ nuteƒewɔla apostolo Paulo.—Timoteo I, 1:12-16; Dɔwɔwɔwo 9:1-19.

Menye amesiamee wɔ nusiwo gbegbe Paulo wɔ o. Gake mí katã míete ŋu wɔa Mawu ƒe dzidzenuwo dzi bliboe o. Nukatae? Elabena ‘mí katã míewɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã mí.’ (Romatɔwo 3:23) Gawu la, ele bɔbɔe ŋutɔ be dzi naɖe le mía ƒo, eye ɖewohĩ míase le mía ɖokui me be míaƒe nuvɔ̃wo sɔ gbɔ akpa be Mawu nakpɔ nublanui na mí. Esime Paulo nɔ tame bum le eƒe nuvɔ̃ ƒe nɔnɔme ŋu la, eya ŋutɔ gblɔ be: “O, nye nublanuitɔ! Amekae aɖem tso kuŋutilã si me mahã?” Esi wònɔ nya ŋu ɖom na eɖokui la, eŋlɔ bena: “Meda akpe na Mawu to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ, la dzi!”—Romatɔwo 7:24, 25.

Aleke nuvɔ̃wɔlawo awɔ ate ŋu ate ɖe Wɔla dzɔdzɔe la ŋu? (Psalmo 5:5) De dzesii be Paulo gblɔ be: ‘Meda akpe na Mawu to Yesu Kristo, mía Aƒetɔ, la dzi!’ Ame bubu si Mawu kpɔ nublanui na la ɖe nu me be: “Ne ame aɖe wɔ nuvɔ̃ la, nyaxɔɖakɔla le mía si le Fofoa gbɔ, eyae nye Yesu Kristo, dzɔdzɔetɔ la. Eye eya kee nye avuléle le míaƒe nuvɔ̃wo ŋuti; ke menye mía tɔ ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ le xexe blibo katã hã tɔ ŋuti.”—Yohanes I, 2:1, 2.

Nukatae woyɔ Yesu be ‘nyaxɔɖeakɔla si le Fofoa gbɔ.’ Eye aleke Yesu nye ‘avuléle’ le nuvɔ̃wo ŋuti?

Nusita Nyaxɔɖeakɔla Hiã

Yesu va anyigba dzi be “yeatsɔ [yeƒe] agbe la ana [tafee] ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.” (Mateo 20:28) Fe si woxena ɖe ame alo nane si le awɔba ta be woagbugbɔ axɔe lae nye tafe. Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be ‘tafe’ la ƒe dɔwɔnya ƒe gɔmeɖeɖe fia be woatsyɔ nu nuvɔ̃ dzi alo woalé avu ɖe eta. (Psalmo 78:38) Wozã Helagbe me nya abe esi dze le Mateo 20:28 ene la tẽ tsɔ fia ga si woxe be woaɖe asi le amesi wolé le aʋawɔwɔ me alo ga si woaxɔ hafi aɖe asi le kluviwo ŋu. Be woawɔ nu ɖe nusi dzɔdzɔenyenye bia nu la, wotsɔa nusi ƒe asixɔxɔ sɔ kple esi xɔm wole la nana ɖe eta.

Ameƒomea va ge ɖe kluvinyenye me le ame gbãtɔ ƒe aglãdzedze ɖe Mawu ŋu ta. Abe alesi woɖee fia le Mose ƒe agbalẽ gbãtɔ ta 3 me ene la, ame deblibo ma—Adam—tia be yemaɖo to Yehowa Mawu o. Le ema wɔwɔ me la, etsɔ eɖokui kple eƒe dzidzimevi siwo mekpɔ dzi haɖe o dzra de kluvinyenye kple ku me. Ale Adam wɔ bu amegbetɔ ƒe agbe deblibo ƒe nunana la na eɖokui kple eƒe dzidzimeviwo katã.—Romatɔwo 5:12, 18, 19; 7:14.

Le blema Israel la, Mawu wɔ ɖoɖo be woatsɔ lãwo asa vɔe atsɔ alé avu ɖe amewo ƒe nuvɔ̃wo ta alo atsɔ atsyɔ wo dzi. (Mose III, 1:4; 4:20, 35) Efia be wotsɔ vɔsalã la ƒe agbe na ɖe nuvɔ̃wɔla la tɔ ta. (Mose III, 17:11) Le ema ta woate ŋu ayɔ avulégbea be ‘tafenagbe’ hã.—Mose III, 23:26-28.

Esi lãwo bɔbɔ ɖe nyi wu ame ta la, “nyitsuwo kple gbɔ̃tsuwo ƒe ʋu mate ŋu aɖe nuvɔ̃wo ɖa [keŋkeŋ] akpɔ o.” (Hebritɔwo 10:1-4) Ne asixɔxɔ anɔ vɔsa aɖe ŋu wòate ŋu alé avu ɖe nuvɔ̃wo ta alo aɖe wo ɖa keŋkeŋ la, ke ele be asixɔxɔ si le eŋu nasɔ kple nusi Adam bu la. Dzɔdzɔenyenye ƒe nudanuwo bia be amegbetɔ deblibo (Yesu Kristo) natsɔ nusi amegbetɔ deblibo bubu (Adam) bu la ana hafi wòada asɔ. Amegbetɔ deblibo ƒe agbe koe ate ŋu axe tafea ɖe Adam ƒe dzidzimeviwo ta, aɖe wo tso kluvinyenye si me wo fofo gbãtɔa dzra wo ɖo la me. ‘Luʋɔe woana ɖe luʋɔ teƒe’ hafi nusi dzɔdzɔenyenye vavãtɔ bia la nasɔ ɖe enu pɛpɛpɛ.—Mose II, 21:23-25.

Esi Adam wɔ nuvɔ̃ eye wotso kufia nɛ la, eƒe dzidzimeviwo kpɔtɔ nɔ alime nɛ medzi wo haɖe o, eyata eku kpakpli wo. Ame deblibo Yesu, “Adam mamlɛtɔ” la lɔ̃ faa gbe vidzidzi. (Korintotɔwo I, 15:45) Eƒe dzidzimeviwo kpɔtɔ nɔ alime nɛ wòtsɔ kui wònye amegbetɔ deblibo ƒe vɔ si wòsa. Eyata míate ŋu agblɔe be ameƒome si ado tso eƒe alime la ku kplii. Yesu xɔ Adam ƒe ƒome wɔnuvɔ̃ si le kukum la wɔ etɔe. Eɖe asi le mɔnukpɔkpɔ si le esi be wòadzi eya ŋutɔ ƒe viwo la ŋu. Esi Yesu tsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe deblibo sa vɔe ta la, eƒle ameƒomea katã si do tso Adam me ale be wova zu Eƒe viwo, eye Wòva zu ‘Fofo Mavɔ’ na wo.—Yesaya 9:5, 6.

Yesu ƒe tafe vɔsaa ʋu mɔ na amegbetɔ toɖolawo be woaxɔ Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ eye agbe mavɔ nasu wo si. Esia tae apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me.” (Romatɔwo 6:23) Kafukafu koe wòle be míatsɔ na Yehowa le alesi wòlɔ̃ mí hekpɔ nublanui na mí eye wòtsɔ tafe si xɔ asi na eya kple Via lɔlɔ̃a ale gbegbe na ɖe mía ta la ta. (Yohanes 3:16) Eye Yesu ɖee fia vavã be yenye ‘nyaxɔɖeakɔla si le Fofoa gbɔ’ esi wofɔe yi dziƒogbenɔnɔ me eye wòtsɔ eƒe tafevɔsaa ƒe asixɔxɔ na Mawu le dziƒo. * (Hebritɔwo 9:11, 12, 24; Petro I, 3:18) Gake aleke Yesu le eɖem fia fifia be yenye nyaxɔɖeakɔla na mí le dziƒo?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 12 Kpɔ agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la ƒe ta 4 kple 7.

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Yesu ƒe amegbetɔ deblibo ƒe agbe va nye tafe si woxe ɖe Adam ƒe dzidzimeviwo ta