Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Le Romatɔwo 12:19 la, ɖe apostolo Paulo nɔ fiafiam be mele be Kristotɔwo nado dziku oa, esime wògblɔ be: “Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mɔ na dziku la boŋ”?

Ne míagblɔe tututu la, mefia nenema o. Mawu ƒe dziku ŋutie Paulo nɔ nu ƒom le le afisia. Gake mefia be ne Kristotɔwo do dziku la, megblẽ naneke o. Biblia ɖo aɖaŋu na mí tsi tre ɖe dzikudodo ŋu. De ŋugble le Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo siawo ƒe ɖewo ŋu kpɔ.

“Wò dɔmedzoe nu nefa, eye nadzudzɔ dzikudodo; dzi megaku wò o, elabena nu vɔ̃ɖi ko nayi wɔwɔ ge!” (Psalmo 37:8) “Amesiame, si le dɔmedzoe dom ɖe nɔvia ŋuti la, adze ʋɔnudɔdrɔ̃.” (Mateo 5:22) “Ke ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo dze ƒã keŋ, esiwo nye: Matrewɔwɔ, ahasiwɔwɔ, makɔmakɔnyenye, hadzedze, trɔ̃subɔsubɔ, afakaka, kewɔwɔ, dzrewɔwɔ, ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo.” (Galatiatɔwo 5:19, 20) ‘Mina woaɖe veve heliheli kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kple busubɔbɔ katã ɖa le mia dome.’ (Efesotɔwo 4:31) “Amesiame naɖe abla le nusese me, nenɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me.” (Yakobo 1:19) Gakpe ɖe eŋu la, Lododowo ƒe agbalẽa ɖo aɖaŋu na mí edziedzi be míatsri dzikudodo alo dɔmedzoedodo kabakaba le agɔdzedze suesuewo kple amegbetɔ ƒe vodadawo ta.—Lododowo 12:16; 14:17, 29; 15:1; 16:32; 17:14; 19:11, 19; 22:24; 25:28; 29:22.

Romatɔwo 12:19 me nyawo wɔ ɖeka kple aɖaŋuɖoɖo siawo. Paulo kafui be alakpanuwɔwɔ naganɔ míaƒe lɔlɔ̃ me o, be míayra amesiwo tia mía yome, be míadze agbagba abu susu nyui ɖe amewo ŋu, be míagaɖo vɔ̃ vɔ̃ teƒe o, eye be míadze agbagba anɔ anyi kple amewo katã le ŋutifafa me. Emegbe hafi wòxlɔ̃ nu be: “Migabia hlɔ̃ na mia ɖokui o, nye lɔlɔ̃tɔwo, ke miɖe mɔ na dziku la boŋ, elabena woŋlɔ ɖi bena: ‘Tɔnyee nye hlɔ̃biabia, nye la maɖo eteƒe, Aƒetɔ la gblɔe.’ ”—Romatɔwo 12:9, 14, 16-19.

Ẽ, mele be míana dziku nana míabia hlɔ̃ o. Nusi míenyana le nɔnɔmewo ŋu kple alesi míewɔa dzɔdzɔenyenye ŋudɔe medea blibo o. Ne míedoa dziku ʋuu wòna míewɔa wɔɖenui la, míada vo edziedzi. Ema ade Mawu ƒe Futɔ, Abosam, dzi. Paulo ŋlɔ le teƒe bubu be: “Mibi dzi, eye migawɔ nuvɔ̃ o; ɣe la nagaɖo to ɖe miaƒe dzibibi o; eye migana mɔ Abosam hã o!”—Efesotɔwo 4:26, 27.

Nu nyuitɔ si me nunya le míawɔ enye be, míana Mawu natia ɣeyiɣi si wòabia hlɔ̃ kple amesi wòabia hlɔ̃ lae. Ate ŋu awɔ esia le esi wònya kpeɖodziawo katã ta, eye alesi wòaɖo eteƒee la aɖe eƒe dzɔdzɔenyenye deblibo la afia ta. Míate ŋu akpɔe be esiae Paulo wɔnɛ le Romatɔwo 12:19 ne míede dzesi afisi wòyɔ nya tsoe si nye Mose V, 32:35, 41, si me nyawo ƒe akpa aɖee nye: “Tɔnye enye hlɔ̃biabia kple teƒeɖoɖo.” (Tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 10:30.) Eyata togbɔ be nya “Mawu ƒe” medze le Helagbe me nuŋlɔɖia me o hã la, gbegɔmeɖela siwo li egbea dometɔ aɖewo tsɔe de Romatɔwo 12:19 me. Esia na gɔmeɖeɖe aɖewo xlẽ be “na Mawu nabia hlɔ̃” (The Contemporary English Version); “miɖe mɔ na Mawu ƒe dziku la” (American Standard Version); “mina Mawu nahe to ne elɔ̃” (The New Testament in Modern English); “miɖe asi ne Mawu naɖo eteƒe.”—The New English Bible.

Ne nyateƒea ƒe futɔwo ti mía yome gɔ̃ hã la, míate ŋu aɖee afia be míeka ɖe alesi Mose se woɖɔ Yehowa Mawui dzi be: ‘Yehowa, Yehowa, nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ, amesi dzra amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wòtsɔa vodada, dzidada, kple nuvɔ̃ kena; ke megbea tohehe o.’Mose II, 34:6, 7.