Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Ŋɔŋlɔdzesi Ɣaɣlawo Le Biblia Mea?

Ðe Ŋɔŋlɔdzesi Ɣaɣlawo Le Biblia Mea?

Ðe Ŋɔŋlɔdzesi Ɣaɣlawo Le Biblia Mea?

ANƆ ƒe eve le Israel Dɔnunɔlawo ƒe Tatɔ Yitzhak Rabin wuwu le ƒe 1995 me vɔ megbe la, nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe gblɔ be to kɔmpiuta mɔ̃ɖaŋununya dzi la, yeke ɖe nudzɔdzɔ ma ŋuti nyagblɔɖi ŋu si woɣla ɖe Hebrigbe me Biblia gbãtɔ me. Michael Drosnin, si nye nyadzɔdzɔŋlɔla la ŋlɔ bena ƒe ɖeka kple edzivɔ do ŋgɔ na dɔnunɔlawo ƒe tatɔa wuwu la, yedze agbagba be yeaxlɔ̃ nui gake yemete ŋui o.

Wota agbalẽ kple nyati bubuwo fifia siwo gblɔ be ŋɔŋlɔdzesi ɣaɣla siawo ɖo kpe edzi bliboe be Mawue na woŋlɔ Biblia. Ðe ŋɔŋlɔdzesi sia ƒomevi lia? Ðe wòanye ŋɔŋlɔdzesi ɣaɣlawo dzie woanɔ te ɖo axɔe ase be Mawue na woŋlɔ Bibliaa?

Nukpɔsusu Yeye Wònyea?

Nukpɔsusu si li be ŋɔŋlɔdzesi ɣaɣlawo le Biblia me la menye nu yeye o. Enye Kabala, alo Yudatɔwo ƒe vivimenunya ƒe nufiafia vevi aɖe. Kabalanunyafialawo gblɔ be menye gɔmesese bɔbɔe si le Biblia si lae nye eƒe gɔmeɖeɖe ŋutɔŋutɔ o. Woxɔe se be Mawu zã Hebrigbe me Biblia ƒe ŋɔŋlɔdzesiwo abe dzesiwo ene, siwo gɔme ne wose nyuie la, eɖea nyateƒe geɖe ɖe go. Le woƒe nukpɔsusu nu la, Mawue ɖo Hebri ŋɔŋlɔdzesi ɖesiaɖe ɖe Biblia ƒe akpa si wòle le tameɖoɖo vevi aɖe ta.

Le Jeffrey Satinover, si nye Biblia ƒe ŋɔŋlɔdzesi ɣaɣlaawo me kula ƒe nya nu la, Yudatɔ vivimenunya dzixɔsela siawo xɔe se be vivimeŋusẽ gã aɖe le Hebri ŋɔŋlɔdzesi siwo wotsɔ ŋlɔ xexemewɔwɔ ŋutinya si le Mose ƒe agbalẽ gbãtɔ me ŋu. Eŋlɔ bena: “Kpuie ko la, Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ menye nuɖɔɖɔ dzro ko o; eyae nye nusi dzi wokpɔ ŋutɔŋutɔ tsɔ wɔ xexeame, enye aɖaŋu si le tame na Mawu si woɖe ɖi wòdze gaglãa.”

Ƒe alafa 13 lia me Kabalatɔwo ƒe rabi aɖe si ŋkɔe nye Bachya ben Asher, si tso Saragossa, Spain, ŋlɔ nu tso nyatakaka ɣaɣla aɖewo si ŋu wòva ke ɖo to ŋɔŋlɔdzesi 42 lia ɖesiaɖe xexlẽ le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe akpa aɖe me la ŋu. Ŋɔŋlɔdzesiawo fɔflɔ le ɖoɖo tɔxɛ aɖe nu be woake ɖe gbedasi ɣaɣlawo ŋu ƒe mɔnu sia dzie wotu egbeŋkekea me ƒe Biblia me nya ɣaɣlawo ƒe nufiafiaa ɖo.

Kɔmpiutawo “Ðe” Ŋɔŋlɔdzesia “Me”

Hafi woava to kɔmpiuta vɛ la, ŋutete menɔ amegbetɔwo ŋu be woadzro Biblia me boo o. Gake le August 1994 me la, magazine si nye Statistical Science ta nyati aɖe si me Eliyahu Rips si le Jerusalem ƒe Hebrigbe Yunivɛsiti kple ehati numekulawo gblɔ nya dovoɖiname aɖewo le. Woɖe eme be esi yewote ŋɔŋlɔdzesiwo katã ƒo ƒui eye yewozã ɖoɖo aɖe si me yewoti kpo flɔ ŋɔŋlɔdzesiwo le dometsotso ɖoɖi aɖe nu le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe Hebrigbe me nuŋlɔɖia me la, yewoke ɖe rabi xɔŋkɔ 34 siwo ƒe ŋkɔwo ɣla ɖe nuŋlɔɖia me ŋu, eye yewokpɔ nyatakaka bubuwo, abe woƒe dzigbe alo kugbe ene, be wole woƒe ŋkɔwo xa tututu. * Le dodokpɔ geɖe wɔwɔ vɔ megbe la, numekulaawo ɖe gbeƒã woƒe nyataƒoƒoa be le ɖoɖo si nu nyatakaka si ɣla ɖe Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔa me le nu la, menye nudogoɖenunu wònye o—enye kpeɖodzi be ɖe woɖoe ŋlɔ nyatakaka siwo tso gbɔgbɔ me la ɖe dzesiwo me wòle ɣaɣla le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me ƒe akpe geɖe enye sia.

Nyadzɔdzɔŋlɔla Drosnin nɔ te ɖe mɔnu sia dzi wɔ eya ŋutɔ ƒe dodokpɔ, henɔ nyatakaka ɣaɣlawo dim le Hebrigbe me Biblia ƒe agbalẽ atɔ̃ gbãtɔawo me. Drosnin gblɔ be, le kpotiti flɔ ŋɔŋlɔdzesi 4,772 ɖesiaɖe me la, yeke ɖe Yitzhak Rabin ƒe ŋkɔ si ɣla ɖe Biblia me nuŋlɔɖi me ŋu. Esi Drosnin ɖo Biblia ƒe nuŋlɔɖia ɖe fliwo me ale be ŋɔŋlɔdzesi 4,772 nɔ fli ɖesiaɖe dzi la, ekpɔ be Rabin ƒe ŋkɔ (esi wòxlẽe tso dzi va anyi) tso ga fli aɖe (Mose V, 4:42, si le fli si tso miame yi ɖusime dzi), si gɔme wòɖe be “dumegãwula si awu dumegã.”

Le nyateƒe me la, Mose V, 4:42 ƒo nu tso amesi mebua wu ame o ŋuti. Eyata ame geɖe ke ɖi Drosnin ƒe numekukua le alesi wòwɔe le eya ɖeka ƒe nukpɔkpɔ nu ta, hegblɔ be woate ŋu ato mɔ sia si menɔ te ɖe dzidzenu vavã aɖeke dzi o la dzi ake ɖe gbedasi mawo tɔgbe ŋu le ŋɔŋlɔ ɖesiaɖe me. Gake Drosnin te tɔ ɖe eƒe nya dzi, hetɔ gbe wo gblɔ be: “Ne amesiwo le ɖi kemem la kpɔ gbedasi ɣaɣla aɖe ku ɖe Dudɔnulawo ƒe Tatɔa wuwu ŋu le [agbalẽ si nye] Moby Dick me la, maxɔ wo dzi ase.”

Eyae Ðo Kpe Edzi be Etso Gbɔgbɔ Mea?

Nufialagã Brendan McKay, si le Kɔmpiuta Mɔ̃ɖaŋuŋutinunya Fiaƒe le Australia Dukɔa ƒe Yunivɛsiti xɔ Drosnin ƒe gbetɔamea hewɔ kɔmpiuta dzi numekuku deŋgɔwo le Moby Dick ƒe Eŋlisigbe me tata me. * Esi McKay zã mɔnu si ŋuti Drosnin ƒo nu tsoe la, egblɔ be yeke ɖe ‘nyagblɔɖi siwo’ ku ɖe Indira Gandhi, Martin Luther King, Jr., John F. Kennedy, Abraham Lincoln, kple ame bubuwo wuwu ŋu. Le McKay ƒe nya nu la, Moby Dick “gblɔe ɖi” hã be woawu Yitzhak Rabin.

Le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ ƒe Hebri ŋɔŋlɔawo gome la, Nufialagã Mckay kple ehatiwo hã tɔ gbe nusiwo Rips kple ehatiwo kpɔ le woƒe numekukua me. Nya si wohe ɖe wo ŋu enye be menye nya ɣaɣla si tso gbɔgbɔ me dzie nusiwo wokpɔ la ɖo kpee o ke mɔ si dzi numekulawo to kple alesi wowɔe dzi koe wòde—si fia be ɖeko numekulaawo ɖo nyaawo alesi dze wo ŋu ko. Agbalẽnyalawo gakpɔtɔ le nya sia ʋlim.

Nya bubu gafɔ ɖe te ne amewo gblɔ be ɖe woɖoe koŋ zã dzesinuŋɔŋlɔwo tsɔ ɣla gbedasiwo ɖe Hebrigbe me nuŋlɔɖi si “sɔ ɖe dzidzenu nu” alo “gbãtɔa” me. Rips kple ehati numekulawo gblɔ be “Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ si sɔ ɖe dzidzenu nu si dzi amewo katã da asi ɖo” ye yewotsɔ wɔ yewoƒe numekukuae. Drosnin ŋlɔ bena: “Biblia siwo katã gakpɔtɔ li egbea le Hebrigbe gbãtɔa me la ƒe ŋɔŋlɔdzesiwo sɔ kple wo nɔewo tɔ pɛpɛpɛ le teƒe ɖesiaɖe.” Gake aleae nyaa lea? Ðe ŋɔŋlɔ si “sɔ ɖe dzidzenu nu” teƒe la, Hebrigbe me Biblia geɖe ye wozãna egbea, siwo wotu ɖe blema asinuŋɔŋlɔgbalẽ vovovo dzi. Togbɔ be Biblia ƒe gbedasia mele vovovo o hã la, asinuŋɔŋlɔgbalẽ vovovoawo me ŋɔŋlɔdzesiwo mesɔ kple wo nɔewo tɔ pɛpɛpɛ o.

Leningrad Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽa—si nye Masoratɔwo ƒe Hebrigbe me asinuŋɔŋlɔgbalẽ xoxotɔ kekeake—si dzi wokpɔ gbugbɔ ŋlɔ anye le ƒe 1000 M.Ŋ. me dzie wotu egbe Biblia gɔmeɖeɖe geɖe ɖo. Gake Rips kple Drosnin zã nuŋlɔɖi bubu si ŋkɔe nye Koren. Shlomo Sternberg, amesi nye Orthodɔksha ƒe rabi kple akɔntanyalagã le Harvard Yunivɛsiti, ɖe nu me be Leningrad Blemasinuŋɔŋlɔgbalẽa “tsɔ ŋɔŋlɔdzesi 41 to vovo tso Koren si Drosnin zã gbɔ le Mose ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia ɖeɖe dzaa ko me.” Biblia ƒe akpa aɖewo siwo dzi wokpɔ ŋlɔ ƒe 2,000 kple edzivɔe nye sia la dometɔ aɖewo le Dzeƒu ƒe Agbalẽ Bablawo dome. Ŋɔŋlɔdzesi siwo le agbalẽxatsaxatsa siawo me la to vovo tso Masoratɔwo ƒe nuŋlɔɖiwo siwo wowɔ emegbe la gbɔ geɖe ŋutɔ. Le agbalẽxatsaxatsa aɖewo me la, wotsɔ ŋɔŋlɔdzesi aɖewo de nya aɖewo me be wòatsi tre ɖi na ablɔɖegbeɖiɖiwo le esi womede dzesi afisi ablɔɖegbeɖiɖiwo anɔ ɣemaɣi o ta. Le agbalẽxatsaxatsa bubuwo me la, wozã ŋɔŋlɔdzesi siwo le ʋɛ wu. Biblia ƒe agbalẽ siwo wotsɔ asi ŋlɔe siwo katã li egbea la tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo ɖee fia be gɔmesese si le Biblia me nyawo ŋu ya gakpɔtɔ le nenema. Ke hã, eɖee fia eme kɔ ƒã hã be ŋɔŋlɔdzesiawo to vovo le nuŋlɔɖi ɖesiaɖe me.

Nusi wosusu be anye gbedasi ɣaɣla didi nɔ te ɖe nuŋlɔɖi si metrɔna o dzi. Ŋɔŋlɔdzesi ɖeka si woatrɔ la atɔtɔ ɖoɖo si nu wole—kple gbedasia, ne nenemae nyaa le. Mawu kpɔ eƒe gbedasia ta le Biblia me. Gake mekpɔ ŋɔŋlɔdzesi ɖesiaɖe ta be wole woƒe nɔƒewo pɛpɛpɛ o, abe ɖe wòtsi dzi ɖe nya suewo abe ŋɔŋlɔdzesiwo ene ŋu be ɖewohĩ woava trɔ ne ƒe alafawo va le yiyim ene o. Ðe esia mefia be metsyɔ nu gbedasi ɣaɣla aɖeke dzi ɖe Biblia me oa?—Yesaya 40:8; Petro I, 1:24, 25.

Ðe Míehiã Biblia me Ŋɔŋlɔdzesi Ɣaɣla Aɖea?

Apostolo Paulo ŋlɔe eme kɔ nyuie be: “Ŋɔŋlɔawo katã tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me eye enye viɖenu hena nufiafia, na mokaka, na nuwo ɖɔɖɔɖo dzɔdzɔe, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo keŋkeŋ, anɔ dzadzraɖo ɖi keŋkeŋ hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.” (Timoteo II, 3:16, 17, NW) Gbedasi si me kɔ hele tẽ si le Biblia me la gɔmesese kple edziwɔwɔ mesesẽ o, gake ɖeko ame geɖe ɖoe ŋe aɖaba ƒu edzi. (Mose V, 30:11-14) Nyagblɔɖi siwo wogblɔ wo me kɔ nyuie le Biblia me la nye nusi dzi woate ŋu anɔ te ɖo axɔe ase be etso gbɔgbɔ me. * To vovo na ŋɔŋlɔdzesi ɣaɣlawo la, Biblia me nyagblɔɖiwo menɔ te ɖe ame ɖekaɖekawo ƒe gɔmesese dzi o, eye metso ‘ame aɖeke ƒe numeɖeɖe me o.’—Petro II, 1:19-21.

Apostolo Petro ŋlɔ bena “menye gli, siwo wokpa kple aɖaŋu la, yome míedze, esi míena mienya mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋusẽ kple eƒe [anyinɔnɔ] la o.” (Petro II, 1:16) Yudatɔwo ƒe vivimenunya mee Biblia me ŋɔŋlɔdzesi ɣaɣlawo ƒe nufiafia la dzɔ tso eye wozã mɔnu “siwo wokpa kple aɖaŋu” siwo wotsɔna ɣlaa Biblia me nya siwo me kɔ eye wotso gbɔgbɔ me la eye wotɔtɔnɛ. Hebri Ŋɔŋlɔawo ŋutɔ tsi tre ɖe vivimenufiafia mawo ƒomevi ŋu wòdze ƒã.—Mose V, 13:1-5; 18:9-13.

Aleke gbegbe dzi dzɔa míi enye si be Biblia ƒe gbedasi kple nufiame si me kɔ, si ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míanya Mawu la le mía si! Enyo sasasã wu be míanɔ agbagba dzem be míasrɔ̃ nu tso mía Wɔla la ŋu to gbedasi ɣaɣla siwo tso amewo ŋutɔ ƒe numeɖeɖe me kple nuŋububu to kɔmpiuta ƒe kpekpeɖeŋu dzi.—Mateo 7:24, 25.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Le Hebrigbe me la, ŋɔŋlɔdzesiwo te ŋu tsia tre ɖi na xexlẽdzesiwo hã. Eyata ŋɔŋlɔdzesiwo dzie wonɔ te ɖo kpɔ ŋkeke siawo le Hebri nuŋlɔɖia me ke menye xexlẽdzesiwo dzie wonɔ te ɖo o.

^ mm. 13 Hebrigbe nye gbegbɔgblɔ aɖe si me ablɔɖegbeɖiɖi ƒe ŋɔŋlɔdzesiwo mele o. Exlẽlawoe dea ablɔɖegbeɖiɖiawo eme le alesi nyawo le nu. Ne woŋe aɖaba ƒu nya bubu siwo dome nya aɖe le dzi la, eƒe gɔmesese ate ŋu atrɔ keŋkeŋ ne wotsɔ ablɔɖegbeɖiɖi bubu de eme. Ablɔɖegbeɖiɖi ɖoɖiwo koŋ le Eŋlisigbe si, si awɔe be nyawo didi nenema asesẽe ŋutɔ.

^ mm. 19 Ne èdi numeɖeɖe bubuwo ku ɖe Biblia ƒe gbɔgbɔmetsotso kple eƒe nyagblɔɖiwo ŋu la, kpɔ agbalẽ gbadza si nye Agbalẽ si Nyo na Amesiame, si Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania ta.