Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Aleke Mawu ƒe Gbɔgbɔ Wɔa Dɔ Egbeae?

Aleke Mawu ƒe Gbɔgbɔ Wɔa Dɔ Egbeae?

Aleke Mawu ƒe Gbɔgbɔ Wɔa Dɔ Egbeae?

WODZII tekunɔe tso dadaa ƒe dɔme ke. Enɔa anyi ɖe mawuxɔa ƒe ʋɔtru si woyɔna be Nyui la nu gbesiagbe, be yeabia nu le amesiwo yina ɖe mawuxɔa me si. Gake gbeɖeka la, nuwɔametɔ nubiala sia xɔ nunana aɖe si xɔ asi sasasã wu gaku sue ʋɛ aɖewo. Woda gbe le eŋu!—Dɔwɔwɔwo 3:2-8.

Togbɔ be apostolo Petro kple Yohanes ye nye amesiwo ‘kɔe ɖe dzi’ ale be “ŋusẽ ɖo eƒe afɔwo . . . me” hã la, wometsɔ gbedadaa ƒe kafukafu na wo ɖokui o. Nukata? Petro ŋutɔ ɖe eme be: “Israel-ŋutsuwo, nukaŋuti miaƒe mo wɔ yaa le amesia ŋuti mahã? Alo nuka wɔ, eye mielé ŋku ɖe mía dzi gã, abe ɖe míeto mía ŋutɔwo ƒe ŋusẽ, alo vɔvɔ̃ na Mawu dzi wɔ be, amesia le azɔli zɔm ene?” Le nyateƒe me la, Petro kple Yohanes kpɔe dze sii be menye yewoƒe ŋusẽ mee yewote ŋu wɔ nusia le o, ke boŋ le Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽ mee.—Dɔwɔwɔwo 3:7-16; 4:29-31.

Wowɔa ‘ŋusẽdɔ’ siawo ƒomevi le ɣeyiɣi ma me be woatsɔ afia be Mawu le megbe na Kristo-hame yeye la. (Hebritɔwo 2:4) Gake apostolo Paulo gblɔ be ne tameɖoɖo si le nusiawo ŋu va eme vɔ la, “woaɖe wo ɖa.” * (Korintotɔwo I, 13:8) Eyata míegakpɔnɛ le Kristotɔwo ƒe hame vavã la me egbea be Mawu na wogadaa gbe le amewo ŋu, gblɔa nya ɖi, alo nyaa gbɔgbɔ vɔ̃wo doa goe o.

Gake ɖe esia fia be Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea megale dɔ wɔm fifia oa? Menye nenema kura o! Mina míade ŋugble le mɔ bubu siwo nu Mawu ƒe gbɔgbɔa wɔ dɔ le ƒe alafa gbãtɔ me kple míaƒe ŋkekea me ŋu.

“Nyateƒegbɔgbɔ” La

Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe dɔ ɖekae nye be wòana nyatakaka ame, akɔ nu me na ame, kple be wòaɖe nyateƒenyawo ɖe go. Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Nya geɖewo gale asinye be, magblɔ na mi; gake miele eŋute ge atsɔe fifia o. Ke ne eya, si nye nyateƒegbɔgbɔ va la, akplɔ mi ayi ɖe nyateƒe blibo la katã me.”—Yohanes 16:12, 13.

Wokɔ “nyateƒegbɔgbɔ” la ɖe anyi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi esi wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe na nyɔnyrɔ nusrɔ̃la siwo ade 120 siwo ƒo ƒu ɖe dziƒoxɔ aɖe dzi le Yerusalem. (Dɔwɔwɔwo 2:1-4) Apostolo Petro nɔ amesiwo ƒo ƒu hena ƒezã ma ɖuɖu dome. Esi gbɔgbɔ kɔkɔea yɔ Petro taŋ la, ‘etsi tre’ heƒo nu alo ɖe nyateƒe aɖewo siwo ku ɖe Yesu ŋu me. Le kpɔɖeŋu me, eƒo nu tso alesi ‘wodo Yesu, Nazaretetɔ la ɖe dzi le Mawu ƒe nuɖusi me’ ŋu. (Dɔwɔwɔwo 2:14, 22, 33) Mawu ƒe Gbɔgbɔ kɔkɔea gaʋã Petro wògblɔ na Yudatɔ nyaselawo dzideƒotɔe be: “Eyata Israel-ƒome katã nanyae kɔte bena, Yesu sia, si ke miawo mieklã ɖe ati ŋuti la, Mawu wɔe Aƒetɔ kple Kristo.” (Dɔwɔwɔwo 2:36) Gbedasi sia si gbɔgbɔ ʋã Petro wògblɔ la wɔe be ame akpe etɔ̃ ‘xɔ eƒe nya la tso dzi blibo me’ eye woxɔ nyɔnyrɔ. Le mɔ sia nu la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔ wo be wose nyateƒea gɔme.—Dɔwɔwɔwo 2:37-41.

Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, wɔa dɔ abe nufiala kple ŋkuɖonudzila ene hã. Yesu gblɔ be: “Nyaxɔɖakɔla, Gbɔgbɔ kɔkɔe, si Fofo la aɖo ɖa le nye ŋkɔa dzi la, eya afia nuwo katã mi, eye wòaɖo ŋku nusiwo katã megblɔ na mi la, dzi na mi.”—Yohanes 14:26.

Aleke gbɔgbɔ kɔkɔea, wɔ dɔ abe nufiala ene? Mawu ƒe gbɔgbɔa ʋu susu me na nusrɔ̃laawo be woɖo ŋku nusiwo wose tso Yesu gbɔ va yi gake womese egɔme nyuie o dzi. Le kpɔɖeŋu me, apostoloawo nya be esi wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Yesu la, egblɔ na Roma-mɔ̃mefia Pontio Pilato si nɔ Yudea dzi ɖum be: “Nye fiaɖuƒe metso xexe sia me o.” Ke hã le ŋkeke blaene kple edzivɔ megbe, hafi Yesu nayi dziƒo la, nukpɔsusu totro ganɔ wo si be woaɖo Fiaɖuƒea anyi ɖe anyigba dzi afisia. (Yohanes 18:36; Dɔwɔwɔwo 1:6) Edze ƒã be apostoloawo mete ŋu se Yesu ƒe nyaawo me nyuie o vaseɖe esime wokɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ɖe wo dzi le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi hafi.

Mawu ƒe gbɔgbɔa wɔ dɔ abe ŋkuɖonudzila ene hã to ŋkuɖoɖo Yesu ƒe nufiafia vovovo dzi na wo me. Le kpɔɖeŋu me, to gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu dzi la, nyagblɔɖi siwo ku ɖe Kristo ƒe ku kple tsitretsitsi ŋu la ƒe gɔmesese yeye va su wo si. (Mateo 16:21; Yohanes 12:16) Ŋkuɖoɖo Yesu ƒe nufiafiawo dzi wɔe be dzi ɖo apostoloawo ƒo wote ŋu ʋli woƒe dzixɔse ta le fiawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, kple subɔsubɔhakplɔlawo ŋkume.—Marko 13:9-11; Dɔwɔwɔwo 4:5-20.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea fia mɔ Kristotɔ gbãtɔwo be woayi anyigbamama tsekuwo me le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. (Dɔwɔwɔwo 16:6-10) Mawu ƒe gbɔgbɔa ʋã Kristotɔ gbãtɔwo be wokpɔ gome le Mawu ƒe Nya, Biblia, ŋɔŋlɔ me hã be wòaɖe vi na amegbetɔƒomea katã. (Timoteo II, 3:16) Eyata edze ƒã be gbɔgbɔ kɔkɔea wɔ dɔ le mɔ vovovo nu le ƒe alafa gbãtɔ me. Menye nukunuwo wɔwɔ ta koŋ wonae ɖo o.

Gbɔgbɔ Kɔkɔea le Míaƒe Ŋkekea Me

Nenema ke gbɔgbɔ kɔkɔea le dɔ wɔm ɖe Kristotɔ vavãwo nu le míaƒe ŋkekea me. Biblia nusrɔ̃viwo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe si nɔ Allegheny, Pennsylvania, U.S.A., le ƒe alafa 19 lia ƒe nuwuwu lɔƒo la va kpɔ nusia dze sii. Biblia nusrɔ̃vi veviedonula siawo di vevie be yewoanya “nyateƒe la.”—Yohanes 8:32; 16:13.

Ƒuƒoƒo sia me tɔ ɖeka, si nye Charles Taze Russell, gblɔ tso alesi wòdi vevie be yeake ɖe Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea ŋu la ŋuti be: “Medo gbe ɖa . . . be mate ŋu aɖe nazãbubu ɖesiaɖe ƒomevi si ate ŋu anye mɔxenu nam ɖa le nye dzi kple susu me, eye mana eƒe gbɔgbɔ nafia mɔm be gɔmesese vavãtɔ nasu asinye.” Mawu yra ɖe ɖokuibɔbɔ ƒe gbedodoɖa sia dzi.

Esi Russell kple ehatiwo nɔ Ŋɔŋlɔawo me dzrom veviedodotɔe la, nanewo me va kɔ na wo. Russell gblɔ be: “Míekpɔe be le ƒe alafa geɖe siwo va yi me la, kɔmamãwo kple ha vovovowo kuna ɖe Biblia ƒe nufiafia aɖe koŋ ŋu, eye wotsɔa amegbetɔ ƒe nususugblɔ kple vodadawo tsakanɛ.” Eyɔ nusia me tsonu be “nyateƒea ta tɔtrɔ gbo.” Le nyateƒe me la, wotsɔ trɔ̃subɔlawo ƒe nufiafia siwo va ge ɖe Kristodukɔa me le ƒe alafa siwo va yi me la dometɔ aɖewo blu mo na Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea. Gake Russell ɖoe kplikpaa be yeake ɖe nyateƒea ŋu ahaɖe gbeƒãe.

To Zion’s Watch Tower and Herald of Christ’s Presence si nye Gbetakpɔxɔ dzi la, Russell kple ehatiwo ƒo nu dzideƒotɔe tsɔ klo nu le alakpasubɔsubɔhawo ƒe nufiafia siwo gblɔ nya totrowo le Mawu ŋu la dzi. Wokpɔe dze sii be—to vovo na nusi subɔsubɔha xɔŋkɔwo xɔse la—luʋɔ la kuna, be ne míeku la míeyina yɔdo me, eye be Yehowae nye Mawu vavã ɖeka kolia eyata menye Mawuɖekaetɔ̃ ƒe akpa aɖeke o.

Gake abe alesi nàte ŋu asusui ene la, nukoklo le alakpanufiafia mawo dzi ve dɔme na Kristodukɔa ƒe hakplɔlawo vevie. Esi Katoliko kple Protestant nunɔlawo di vevie be yewoakpɔtɔ anɔ ɖoƒe kɔkɔ siwo wole ta la, wode zi amewo me kple susu be woaƒo ɖi Russell ƒe ŋkɔ. Gake eya kple ehatiwo mena ta o. Wotsɔ dzideƒo kpɔ mɔ na Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia. Russell gblɔ be: “Kakaɖedzinya si mía Aƒetɔ gblɔ na mí enye be . . . Fofo la ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe si wòɖo ɖa le Yesu ta, amesi nye mía Ðela, Domenɔla kple Ta ƒe kukuɖeɖe ta, anye míaƒe nufiala.” Gbɔgbɔa fia nu wo vavã! Biblia nusrɔ̃vi vavã siawo yi edzi le nyateƒetsi dzadzɛ siwo tso Biblia me la nom hele gbeƒã ɖemee le xexeame katã.—Nyaɖeɖefia 22:17.

Egbeŋkekea me Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa kpɔtɔ le nu wɔm aduadu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiamewo nu ƒe alafa ɖeka kple edzivɔe nye esia. Esi Yehowa ƒe gbɔgbɔa le woƒe gbɔgbɔme ŋkuwo dzi kɔm vivivi la, Ðasefoawo lɔ̃na faa wɔa tɔtrɔ siwo hiã be woanɔ agbe ɖe gɔmesese yeyea nu.—Lododowo 4:18.

“Mianye Nye Ðaseɖilawo”

Yesu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe dɔwɔna bubu fia esi wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Miaxɔ Gbɔgbɔ kɔkɔe, si le mia dzi va ge la, ƒe ŋusẽ, eye mianye nye ɖaseɖilawo . . . vaseɖe anyigba ƒe seƒe ke.” (Dɔwɔwɔwo 1:8) Yesu ƒe ŋugbe si wòdo be yeana “ŋusẽ” kple ‘gbɔgbɔ kɔkɔe’ nayɔ eƒe nusrɔ̃lawo fũ be woate ŋu awɔ dɔ si Mawu de wo si la gale dɔ wɔm egbea.

Wonya Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒoa nyuie le woƒe gbeƒãɖeɖedɔa ta. (Kpɔ aɖakaa me.) Le nyateƒe me la, Yehowa Ðasefowo le gbeƒã ɖem nyateƒegbedasia le dukɔ kple ƒukpo siwo wu 230 me. Wotsɔa dzinɔameƒo dea woƒe agbe afɔku me le nɔnɔme ƒomevi ɖesiaɖe me heɖea gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea. Dzo si wotsɔna ɖe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ŋu nye kpeɖodzi sẽŋu si fia be gbɔgbɔ kɔkɔea le dɔ wɔm egbea. Eye edze ƒã be Yehowa Mawu le yayram ɖe woƒe agbagbadzedzewo dzi.

Le kpɔɖeŋu me, le ƒe si va yi me la, wozã gaƒoƒo siwo wu biliɔn ɖeka tsɔ ɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea ƒe nyanyuia. Nukae nye emetsonu? Amesiwo ade 323,439 ɖo kpe woƒe adzɔgbeɖeɖe dzi na Mawu to nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wowɔ kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kple ɖetsɔlemetɔ yeye 4,433,884. Ne míaƒo nu tso nu ɖesiaɖe ŋu tsitotsito la, wona agbalẽ 24,607,741, magazine 631,162,309, kple agbalẽ gbadza kple agbalẽvi 63,495,728. Ðaseɖiɖi sẽŋu si ɖee fia be Mawu ƒe gbɔgbɔa le dɔ wɔm ka gbegbee nye si!

Mawu ƒe Gbɔgbɔa Kple Wò

Ne ame aɖe xɔ nyanyuia, wɔ tɔtrɔ le eƒe agbenɔnɔ me wòsɔ ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo nu, eye wòxɔ tafe ƒe ɖoɖoa dzi se la, mɔ ʋuna nɛ be ƒomedodo nyui nanɔ eya kple Mawu dome. Amesiawo ƒomevie Paulo gblɔ na be: ‘Mawu na eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe mi.’—Tesalonikatɔwo I, 4:7, 8; Korintotɔwo I, 6:9-11.

Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe amesinɔnɔ hea yayra nyui geɖewo vɛ. Yayra kawo ƒomevi? Ðekae nye be, Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me gblɔ be: “Gbɔgbɔ ƒe kutsetse enye: Lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, anukwaretɔnyenye, dɔmefafa, [kple] ɖokuidziɖuɖu.” (Galatiatɔwo 5:22, 23) Eyata Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nye ŋusẽ triakɔ si kpɔa ŋusẽ nyui ɖe mía dzi, si wɔnɛ be ame te ŋu ɖea mawusosroɖa ƒe nɔnɔmewo fiana.

Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne èxlẽ Biblia eye nètsɔ nusiwo nèxlẽ de dɔwɔna me la, Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàtsi ɖe edzi le nunya, sidzedze, nugɔmesese, nyametsotsowɔwɔ, kple tamebubuŋutete me. Wona “nunya kple nugɔmesese geɖe kpakple sidzedze gã” Fia Salomo elabena edi be yeadze Mawu ŋu tsɔ wu amegbetɔwo. (Fiawo I, 4:29) Esi Yehowa na gbɔgbɔ kɔkɔe Salomo ta la, kakaɖedzi li be magbe eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea nana amesiwo di be yewoadze eŋu egbea o.

Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe kpena ɖe Kristotɔwo ŋu be woawɔ aʋa atsi tre ɖe Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo, nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia, kpakple woƒe nuvɔ̃ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo hã ŋu. Aleke esia anya wɔe? Apostolo Paulo ɖo eŋu be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.” (Filipitɔwo 4:13) Ðewohĩ gbɔgbɔ kɔkɔea maɖe dodokpɔ alo tetekpɔwo ɖa o; gake ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nànɔ te ɖe wo nu. Ne míeɖo ŋu ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ŋu la, míate ŋu axɔ ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu’ be míanɔ te ɖe xaxa alo fukpekpe ɖesiaɖe si ava mía dzi nu.—Korintotɔwo II, 4:7; Korintotɔwo I, 10:13.

Ne ède ŋugble le kpeɖodzi siawo katã ŋu la, ɖikeke aɖeke mele eme o be, Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea le dɔ wɔm egbea. Yehowa ƒe gbɔgbɔa doa ŋusẽ esubɔlawo be woaɖe gbeƒã tso eƒe tameɖoɖo wɔnukuwo ŋu. Eyi edzi na gbɔgbɔmekekeli le keklẽm na mí, eye edoa ŋusẽ míaƒe xɔse, hekpena ɖe mía ŋu be míayi edzi awɔ nuteƒe na mía Wɔla. Aleke gbegbe míate ŋu ada akpee nye si be Mawu yi edzi le ŋugbe si wòdo be yeana gbɔgbɔ kɔkɔe ye subɔla nuteƒewɔlawo egbea la dzi wɔm!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Kpɔ nyati si nye “Why Have the Miraculous Gifts of the Spirit Ceased?” [Nukata Gbɔgbɔa ƒe Nukununanawo Nu Tso?] si dze le August 15, 1971, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, axa 501-5 me.

[Aɖaka si le axa 10]

Nya Siwo Ame Bubuwo Gblɔ tso Yehowa Ðasefowo Ŋu

“Togbɔ be sɔlemeha bubuwo haya aɖaŋuɖolawo be woable amewo nu woade sɔleme alo wole dagbadagbam le egbeŋkekea me kuxiwo abe amesiwo si vidzinu ɖeka tɔgbe le ƒe wo nɔewo gbɔdɔdɔ kple fuɖeɖe ene ŋu hã la, Ðasefowo mena ta hele nu wɔm be wòasɔ ɖe xexe sia si le tɔtrɔm kabakaba la nu o. Wole edzi gale gbeƒã ɖem vivivi be wòaxɔ Anyigba bliboa dzi.”—The Orange County Register si wotana le Orange County, California, U.S.A.

“Le nuƒoƒo tso ame ƒe xɔse ŋu na ame bubuwo gome la, subɔsubɔha ʋɛ aɖewo me koe dzo le . . . abe Yehowa Ðasefowo ene.”—The Republic si wotana le Columbus, Indiana, U.S.A.

“Woawo koe nye amesiwo tsɔa ‘nyanyuia’ yina na amewo tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu, henɔa Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi wɔm.”—Życie Literackie, Poland.

“Le gbeƒãɖeɖedɔ gãtɔ kekeake si wowɔ le xexeame kpɔ wɔwɔ me la, Yehowa Ðasefowo gblɔ Yehowa ƒe gbedasia na amewo le xexeame ƒe akpa sia akpa.”—News-Observer, Tamaqua, Pennsylvania, U.S.A.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea na míesea gbɔgbɔmenuwo gɔme,

. . . ena míetua Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ɖo,

. . . eye ekpena ɖe mía ŋu le xexeame katã ƒe

gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me