Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

“Mienya Nu Geɖe tso Biblia Ŋu”

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

ESI Yesu si xɔ ƒe 12 ƒo nu na subɔsubɔhaŋgɔnɔlawo le Yerusalem la, “amesiwo katã see la, woƒe mo wɔ yaa le eƒe nugɔmesese kple eƒe ŋuɖoɖowo ŋuti.” (Luka 2:47) Nenema ke egbea hã, sɔhɛ siwo nye Yehowa subɔlawo dometɔ geɖe tsɔa dzideƒo ƒoa nu tso Mawu kple Biblia ŋu na woƒe nufialawo kple sukuhatiwo, eye zi geɖe la, nusiwo dona tsoa eme nyea dzidzɔnyawo sɔŋ nenema ke.

Tiffany si xɔ ƒe 14 nɔ nusɔsrɔ̃ ƒuƒoƒo aɖe me esime nusɔsrɔ̃a va ku ɖe ƒewo ƒe kwasiɖa 70 si Biblia gblɔ ɖi, si dze le Daniel 9:24-27 la ŋu. Nufiala la gblɔ nya ʋɛ aɖewo tso kpukpuiawo ŋu heƒu du to nyatia me dzradzradzra.

Gbã la, Tiffany medi be yeado asi ɖe dzi o. Egblɔ be: “Gake le susu aɖe ta la, eɖe fu nam vevie be womeɖe kpukpuiawo me keŋkeŋ o. Kaka manya la, nye asi le dzi.” Ewɔ nuku na nufiala la be nya aɖe le ame aɖe si wòagblɔ tso nyatia ŋu, le esi sukuviawo dometɔ akpa gãtɔ menɔ egɔme sem o ta.

Esi wona mɔnukpɔkpɔa Tiffany be wòaɖe nyagblɔɖia me la, etsi tre eye wòƒo nu agbalẽ aɖeke dzi makpɔmakpɔe. Esi wòwu enu la, sukuxɔa me zi ɖoɖoe toŋtoŋtoŋ. Vɔvɔ̃ ɖo Tiffany vie. Emegbe sukuviawo si akpe kplokplokplo.

Nufiafia la gblɔ enuenue be: “Tiffany, eme kɔ ŋutɔ, eme kɔ ŋutɔ.” Nufiala la lɔ̃ ɖe edzi be yenya be nya geɖe anɔ anyi ku ɖe kpukpui mawo ŋu, gake Tiffany enye ame gbãtɔ si ɖe wo me eme kɔ na ye nyuie. Le nusɔsrɔ̃a ƒe nuwuwu la, ebia Tiffany alesi wòwɔ nya nusia gbegbe tso Biblia me.

Eɖo eŋu be: “Esi menye Yehowa Ðasefo tae. Dzinyelawo ɖe nyagblɔɖi sia me nam zi gbɔ zi geɖe hafi mete ŋu se egɔme.”

Biblia ƒe sidzedze si su esi la wɔ nuku na eƒe sukuxɔmehatiwo hã. Sukuvi ɖeka gblɔ na Tiffany be: “Fifia menya nusitae mi Yehowa Ðasefowo mieyia tso aƒeme yi aƒeme ɖo; esi mienya nu geɖe tso Biblia ŋu tae.” Sukuvi bubuwo do ŋugbe be yewomagakoe le eƒe dzixɔsewo ta gbeɖe o.

Esi Tiffany gblɔ eƒe nuteƒekpɔkpɔa na edzilawo la, wodo susu ɖa be wòana agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me eƒe nufiala. Esi wòtsɔe yi nɛ hefia nufiala la akpa si ɖe Daniel ƒe nyagblɔɖia me la, exɔ agbalẽa enumake eye wòda akpe nɛ ɖe eta.

Le nyateƒe me ne Kristotɔ sɔhɛwo ƒo nu dzideƒotɔe tso nusiwo wo dzilawo fia wo tso Mawu kple Biblia ŋu la, enyea kafukafu kple bubu na Yehowa eye wònyea yayra na woawo ŋutɔwo.—Mateo 21:15, 16.