Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nusi Wòle Be Nànya Tso Adzewɔwɔ Ŋu

Nusi Wòle Be Nànya Tso Adzewɔwɔ Ŋu

Nusi Wòle Be Nànya Tso Adzewɔwɔ Ŋu

EGBEŊKEKEA me ƒe adzewɔwɔ gɔmeɖeɖe sesẽ. Nusitae nye be ame vovovowoe wɔnɛ. Dziɖuha alo nufiafia, alo agbalẽ kɔkɔe aɖeke mele wo si ana be dzixɔse ɖeka nanɔ wo si o. Azɔ hã vovototo le woƒe kɔnyinyi, habɔbɔ, kɔnuwɔwɔ, kple woƒe nukpɔsusu le mawu si ŋu woade bubui ŋu dome. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be: “Vivime xexeame naa afisi woakpɔ ‘nukpɔsusuwo le femaxee’ sua wo si.” Bubu gblɔ be: “Trɔ̃subɔla Yeye akpa gãtɔwo ƒe susu mewɔa ɖeka gbeɖe le nya sia nya ŋu o.”

Le ame geɖe gome la, alesi nukpɔsusuawo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu meɖe fu na wo kura o. Mɔfiamegbalẽ aɖe si amesiwo di be yewoava zu adzetɔwo le etsɔme zãna la gblɔ be: “Ne nyatakaka aɖe si dze abe ɖe wòtsi tre ɖe eɖokui ŋu ene dze ŋgɔ wò la, wò ya lé ŋku ɖe nyatakakaa ŋu eye nàwɔ nyametsotso le esi dzi nàwɔ ɖo la ŋu. Ðo to nusi wò dzitsinya agblɔ na wò. Ne míagblɔe bubui la, ɖe dzi ɖi nàlé ŋku ɖe kɔnuwɔwɔ siwo wota ɖe agbalẽwo me kple esiwo le kɔnuwɔwɔsrɔ̃gbalẽwo me ŋu, eye nàtia esi nèsusu be enyo wu.”

Nya vovovo mawo siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu nye kuxi na amesiwo nya nusi nyateƒe nye. Nyateƒe nye nya ŋutɔŋutɔ si ŋu kpeɖodzi le. Nane menyea nyateƒe le esi ame se le eɖokui me alo ka ɖe edzi alo xɔe se be enye nyateƒe ta ko o. Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖeɣi la, ɖɔktawo xɔe se be yewoate ŋu alã koklo gbagbe me ɖe eve atsɔ kakɛ evea ada ɖe axamedɔléla ƒe akɔta ko dɔa navɔ nɛ. Ðikekemanɔmee la, dɔnɔ geɖe xɔe se vevie be dɔdamɔnu sia ate ŋu ada dɔ na yewo. Gake woƒe dzixɔsewo kple mɔkpɔkpɔwo mewɔ ɖeka kple nyateƒea o—dɔdamɔnu sia tɔgbe medaa axamedɔ o. Womekpaa nyateƒenya dzro ko o; ɖe wodzea agbagba sea egɔme.

Biblia ɖee fia be ye me koe woakpɔ gbɔgbɔmenyawo ŋuti nyateƒea le. Esime Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, egblɔ na Fofoa le gbedodoɖa me be: “Wò nya la enye nyateƒe.” (Yohanes 17:17) Apostolo Paulo ŋlɔ bena: ‘Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me.’ (Timoteo II, 3:16) Adzetɔ geɖe meda asi ɖe nya sia dzi o. Ke boŋ gliwo, blema mawusubɔsubɔ, kple dzɔdzɔmeŋutinunya me glitotowo gbɔe wotrɔna ɖo hena ŋusẽ kple mɔfiame xɔxɔ. Gake ɖe nunya mele eme be woade ŋugble le nusi Biblia gblɔ ŋu ya teti oa? Evɔ wònye woxɔe se le xexeame katã kloe be enye agbalẽ kɔkɔe hafi. Azɔ hã enye mawunyagbalẽ tsitsi siwo kpɔtɔ li la dometɔ ɖeka. Biblia ŋɔŋlɔ xɔ ƒe 1,600 sɔŋ, gake eƒe nufiafiawo katã to mɔ ɖeka. Mina míatsɔ Biblia ƒe nufiafiawo asɔ kple dzixɔse nyanyɛ aɖewo siwo le amesiwo doa adzewɔwɔ ɖe ŋgɔ si fifia la akpɔ.

Amekawoe le Gbɔgbɔmenutowo Me?

Biabia vevi aɖe si amesi le gbɔgbɔ me nugɔmesese dim abia enye si be, Amekawoe le gbɔgbɔmenutowo me? Togbɔ be egbegbe adzetɔ akpa gãtɔ nye dzɔdzɔme mawu geɖe dzixɔselawo hã la, wo dometɔ aɖewo subɔa mawunɔ gã aɖe si ma ɖe akpa etɔ̃ me, ɖetugbui, vidada, kple nyagã, si tsi tre ɖi na nɔnɔme siwo me ame tona le agbe me. Srɔ̃a nye mawu aɖe si to dzo. Adzetɔ bubuwo subɔa mawu kple mawunɔ siaa ɖekae. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be: “Wobua Mawunɔa kple Mawua be wonye nyɔnu kple ŋutsu gome dzɔdzɔmeŋusẽwo ƒe ɖeɖefia. Nɔnɔme tɔxɛ siwo woate ŋu ate aƒo ƒu wòazu agbe la le wo dometɔ ɖesiaɖe si.” Agbalẽŋlɔla bubu ŋlɔ bena: “Tiatiawɔwɔ ƒe mɔnu vevi siwo le adzewɔwɔ me la dometɔ ɖekae nye (Mawu/Mawunɔ) siwo nàtia be yeawɔ dɔ kplii. . . . Adzewɔwɔ naa tiatiawɔblɔɖe wò be nàtia Mawu si nèdi be yeasubɔ ahade bubu eŋu.”

Biblia meda asi ɖe nukpɔsusu siawo dometɔ aɖeke dzi o. Yesu Kristo fia nu amewo tso Yehowa, “Mawu vavã ɖeka la” ŋu le eƒe subɔsubɔdɔ bliboa me. (Yohanes 17:3) Biblia gblɔ be: “Yehowa lolo, edze kafukafu ŋutɔ, eye vɔvɔ̃ le eŋu wu mawuwo katã. Elabena dukɔwo ƒe mawuwo katã nye legbawo.”—Kronika I, 16:25, 26.

Ke Abosam ya ɖe? Webster’s Ninth New Collegiate Dictionary ɖe adzewɔwɔ gɔme be enye “kadodo kple abosam.” Asesẽ be nàkpɔ adzetɔ aɖe si alɔ̃ ɖe gɔmeɖeɖe sia dzi egbea, elabena wo dometɔ geɖe melɔ̃na ɖe edzi gɔ̃ hã be Satana Abosam li o. Ðetugbi aɖe si ŋu woƒo nu tsoe le The Irish Times me be “enye adzetɔ xɔŋkɔ aɖe eye wònye adzetɔwo ƒe habɔbɔ siwo wonya nyuie le Ireland la dometɔ ɖeka ƒe ŋgɔnɔla” gblɔ be: “Abosam dzixɔxɔse fia lɔlɔ̃ ɖe Kristotɔnyenye dzi . . . [Abosam] mate ŋu anɔ xexe aɖe si me Mawu aɖeke mele me o.”

Biblia ɖo kpe edzi be Abosam li eye wògblɔ be eya gbɔe fukpekpe kple tɔtɔ akpa gãtɔ si le anyigba dzi la tso. (Nyaɖeɖefia 12:12) Menye ɖeko Yesu fia nu be Abosam li o ke eɖee fia hã be ele bɔbɔe be woate ŋu asubɔ Abosam le manyamanya me. Le kpɔɖeŋu me, ƒe alafa gbãtɔ me subɔsubɔhakplɔla ɖokuiŋudzelawo gblɔ be le mɔ aɖe nu la, yewonye Mawuviwo eye yewoxɔe se be yewonɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔm. Yesu, amesi te ŋu nya nusi nɔ woƒe dzi me la nya be menye nyateƒee o. Egblɔ na wo tẽ bena: “Miawo la mietso fofo, si nye Abosam la me, eye mia fofo ƒe nudzodzrowo miedina be, miawɔ.” (Yohanes 8:44) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Biblia ƒe agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia gblɔ be: Abosam le ‘xexeame katã blem.’—Nyaɖeɖefia 12:9.

Ðe Akunyawɔwɔ Aɖewo Nyoa?

Le nyateƒe me la, akunyawɔwɔ do ƒome kple vivimenuwɔna tso ɣeaɖeɣi ke. * Ame geɖe le blema kple egbea siaa xɔe se be adzetɔwo wɔa akunya tsɔ gblẽa ame bubuwo domee. Wogblɔ be ŋusẽ si le adzetɔwo si hea vevesese helĩhelĩ kple ku gɔ̃ hã vaa amewo dzi to akunyawɔwɔ me. Tso gbaɖegbe ke la, wobua fɔ adzetɔwo ɖe vɔ̃ gbogbo siwo nuwuwu meli na o hekpe ɖe dɔléle, ku, kple agblemenuwo ƒe manyomanyo ta.

Egbea la, adzetɔwo meda asi ɖe fɔbunya siawo dzi kura o. Togbɔ be wolɔ̃ ɖe edzi be adzetɔ vɔ̃ɖi aɖewo nɔa anyi ɣeaɖewoɣi siwo wɔa nu vɔ̃ɖi hã la, wo dometɔ akpa gãtɔ te tɔ ɖe edzi be viɖe boŋue yewoƒe akunyawɔwɔ hena vɛ ke menye nuvevi wòwɔa ame o. Adzetɔwo fiaa nu be amesi to akunyawɔwɔ me ƒo fi de ame aɖe la, aɖi eya ŋutɔ ŋu zi gbɔ zi etɔ̃ eye esia nye mɔxenu gãtɔ be womazãe le mɔ ma nu o. Akunyawɔwɔ si gblɔm wole be wonyo ƒe ɖewoe nye dzosasa atsɔ akpɔ ɖokuiwò ta, atsɔ akɔ wò aƒe ŋu tso gbɔgbɔ vɔ̃ siwo amesiwo nɔ aƒea me tsã gblẽ ɖi si me, atsɔ adi asii, atsɔ ada dɔe eye atsɔ adi lãmesẽe, atsɔ axe mɔ na dɔ ƒe gege le ame si, eye atsɔ akpɔ gae. Le nusiawo siwo gbegbe wobe wote ŋu toa adzewɔwɔ me wɔna ta la, mewɔ nuku be wòva bɔ alea gbegbe o.

Gake Biblia mede vovototo aɖeke dzosasa si nyo kple esi gblẽ dome o. Le se si Mawu tsɔ na Mose me la, egblɔ eƒe nukpɔsusu eme kɔ nyuie le nya sia me. Egblɔ be: “Migasa dzo o.” (Mose III, 19:26) Míexlẽ hã be: “Ame aɖeke meganɔ dowòme, si . . . [nye] goloɖola, zidoedola kple dzotɔ, busudoamela, adzetɔ, nukala, kple ŋɔliyɔla aɖeke meganɔ dowòme o.”—Mose V, 18:10, 11.

Nukatae Mawu gblɔ nya ma ɖo? Menye le esi wòdi be yeaxɔ nusi aɖe vi na mí le mía si tae o. Yehowa de se siawo na eƒe amewo elabena elɔ̃ wo eye medi be vɔvɔ̃ kple aʋatsodzixɔse nawɔ wo kluviwoe o. Ke boŋ emiã asi esubɔlawo be woate ɖe ye ŋu abia nusi wodi la ye. Eyae nye “nunana nyuiwo katã” Nala. (Yakobo 1:17) Apostolo Yohanes na kakaɖedzi haxɔsetɔwo be: “Nusianu, si [míebia Mawu] la, míaxɔe atso esi me; elabena míeléa eƒe seawo me ɖe asi, eye míewɔa nusiwo dzea eŋu.”—Yohanes I, 3:22.

Ke Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Ya Ðe?

Adzetɔ geɖe da asi ɖe nusi Biblia gblɔ ku ɖe nya sia ŋu dzi be: Gbɔgbɔ vɔ̃wo li. Ŋutsu aɖe si doa adzewɔwɔ ɖe ŋgɔ xlɔ̃ nu le ŋutinya aɖe me be: “Ŋɔliawo le afima: Wole vivime xexe aɖe si sɔ kple mía tɔ la me, nu gbagbewo wonye. . . . Nya siwo nye ‘Gbɔgbɔ vɔ̃’ kple ‘Gbetsi’ nye nya siwo sɔ kple wo pɛpɛpɛ. Ŋusẽ le wo si ŋutɔ. . . . Esiwo ƒe susu ɖa wu la . . . (ne ame aɖe kpe ɖe wo ŋu ʋu agbo na wo la) woate ŋu age ɖe míaƒe xexeame. . . . Woate ŋu age ɖe mewò . . . , woate ŋu akpɔ ŋusẽ aɖe ƒomevi ɖe dziwò gɔ̃ hã. Ẽ, esia sɔ tututu kple amesiwo me Gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔ ƒe ŋutinya xoxoawo.”

Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, gbɔgbɔ vɔ̃wo wɔa nuvevi amesiwo me woɖo le mɔ vovovowo nu. Amesiwo dzi wodze la dometɔ aɖewo megaƒoa nu o, ɖewo ƒe ŋku gbã, ɖewo ku tsu, eye ŋusẽ si tri akɔ wu amegbetɔ tɔ nɔ wo dometɔ aɖewo si. (Mateo 9:32; 12:22; 17:15, 18; Marko 5:2-5; Luka 8:29; 9:42; 11:14; Dɔwɔwɔwo 19:16) Ɣeaɖewoɣi la, vevesesea nu sẽna ne gbɔgbɔ vɔ̃ geɖe va ge ɖe ame aɖe me le ɣeyiɣi ɖeka me. (Luka 8:2, 30) Vavãe, ekema susu nyui tae Yehowa xlɔ̃ nu amewo be woaɖe wo ɖokui ɖa tso adzewɔwɔ kple vivime nuwɔwɔ bubu ƒomeviwo gbɔ ɖo.

Mawusubɔsubɔ si Wotu Ðe Nyateƒe Dzi

Egbea adzewɔwɔ dzroa ame geɖe elabena edze abe mawusubɔsubɔ si me afɔku mele o, si ŋu viɖe le, si le dzɔdzɔme nu ene. Le nuto aɖewo me la, eva zu nusi dzi amesiame da asi ɖo. Womevɔ̃nɛ o. Ke boŋ eva zu nusi bɔ zi geɖe. Le teƒe siwo mɔɖeɖe ɖe mawusubɔsubɔ ƒomevi ɖesiaɖe ŋu na be amewo wɔa mawusubɔsubɔ me nuvloetɔwo kekeake gɔ̃ hã la, wodea bubu adzewɔwɔ ŋu le afimawo ale gbegbe.

Le nyateƒe me la, mawusubɔsubɔ ƒe xexeame va zu asi si me mɔɖeɖe li be amewo nayi aɖatia nusi sɔ kple woƒe nudidiwo abe alesi ko woƒlea afɔkpae ene. To vovo na ema la, Yesu ƒo nu tso tiatia eve dzaa ko ŋu. Egblɔ be: “Miyi ɖe agbo bii la me; elabena agbo la keke, eye mɔ la le gbadza, si kplɔa amewo yina ɖe tsɔtsrɔ̃ me, eye ame geɖewo nye amesiwo le edzi yina ɖe eme. Elabena agbo la le biie, eye mɔ la hã xaxa, si kplɔa amewo yina ɖe agbe la me, eye ame ʋɛwo nye amesiwo kpɔnɛ.” (Mateo 7:13, 14) Le dzɔdzɔme nu la, mɔɖeɖe li be míatia mɔ si dzi míedi be míato. Gake esi wònye míaƒe dedienɔnɔ mavɔ ɖo afɔku me ta la, tiatia si míawɔ la le vevie ale gbegbe. Be gbɔgbɔmenugɔmesese nasu mía si la, ele be míati agbemɔ la—mɔ si woakpɔ le Mawu ƒe Nya, Biblia, ɖeɖeko me—yome.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 12 Le Eŋlisigbe me la, ame aɖewo ŋlɔa akunyawɔwɔ “magick” tsɔ fiaa vovototo si le vivimenuwɔna kple akunyawɔwɔ amebletɔwo dome. Kpɔ September 8, 1993, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ!, axa 26, ƒe tanya si nye “Is There Danger in Practicing Magic?” [Ðe Afɔku le Akunyawɔwɔ Mea?].

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Ame geɖe bua adzewɔwɔ egbea be enye dzɔdzɔmesubɔsubɔ si me afɔku aɖeke mele o

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Akunyawɔwɔ do ƒome kple vivimenuwɔna tso ɣeaɖeɣi ke

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Ðe adzewɔlawo le Abosam ƒe lɔlɔ̃nu wɔm le manyamanya mea?

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Biblia ɖe nyateƒemɔ la ɖe go fia