Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wowɔ Nuteƒe Eye Womevɔ̃ O Le Nazitɔwo ƒe Ameteteɖeanyi Te

Wowɔ Nuteƒe Eye Womevɔ̃ O Le Nazitɔwo ƒe Ameteteɖeanyi Te

Wowɔ Nuteƒe Eye Womevɔ̃ O Le Nazitɔwo ƒe Ameteteɖeanyi Te

Le June 17, 1946, dzi la, Netherlands Fianyɔnu Wilhelmina ɖo babadonamenya aɖe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe ƒome aɖe le Amsterdam. Taɖodzinu si nɔ eŋue nye be yeaɖe yeƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe ƒomea ƒe viŋutsu, Jacob van Bennekom, amesi Nazitɔwo wu le Xexemeʋa II me ŋu. Le ƒe aɖewo siwo va yi me la, Doetinchem, si nye du si le Netherlands ƒe ɣedzeƒekpa dzi, ƒe aɖaŋuɖotakpekpe me nɔlawo tso nya me be yewoatsɔ Bernard Polman, amesi hã nye Yehowa Ðasefo si wowu le aʋaa me la ƒe ŋkɔ ana mɔdodo aɖe.

NUKATAE Nazitɔwo tsi tre ɖe Jacob, Bernard, kple Yehowa Ðasefo bubuwo ŋu le Netherlands le Xexemeʋa II wɔɣi? Eye nukae kpe ɖe Ðasefo siawo ŋu be wote ŋu wɔ nuteƒe le yometiti sesẽwo me ƒe geɖe si wɔe be wo dedukɔ me viwo kple fianyɔnu de bubu wo ŋu hekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu nenema gbegbe? Be míakpɔ ŋuɖoɖoa la, mina míadzro nudzɔdzɔ aɖewo si he Dawid-kple-Goliat dome nyaʋiʋli ƒomevi aɖe de Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe kple Nazi-habɔbɔ gãa dome ŋu.

Woxe Mɔ Ðe Wo Nu Gake Dzo Nɔ Wo Me Wu Tsã

Le May 10, 1940, dzi la, Nazi-srafowo dze Netherlands dzi. Esi agbalẽ siwo Yehowa Ðasefowo mana kloa nu le Nazi dziɖuɖua ƒe nuvlowɔwɔ dzi heɖea gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea ta la, Nazitɔwo dze agbagba enumake be yewoatɔ te Ðasefoawo ƒe dɔwɔnawo. Esi Nazitɔwo dze Netherlands dzi mede kwasiɖa etɔ̃ o megbe la, wode se le adzame tsɔ xe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo nu. Le March 10, 1941, dzi la, nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe he mɔxeɖenua ɖe go hetsɔ nya ɖe Ðasefowo ŋu be woho aʋa “ɖe dukɔa me habɔbɔwo kple sɔlemehawo katã ŋu.” Ewɔe be Ðasefoawo yometiti nu va sẽ ɖe dzi.

Gake togbɔ be Adzamekpovitɔ vloeawo nɔ sɔlemehawo katã ɖiam hã la, Kristotɔwo ƒe habɔbɔ ɖeka pɛ yome koe woti vevie. Hollandtɔ ŋutinyaŋlɔla Ðk. Louis de Jong gblɔ be: “Subɔsubɔha ɖeka—Yehowa Ðasefowo—pɛ ko yomee woti yi ɖase ku me.”—Het Koninkrijk der Nederlanden in de Tweede Wereldoorlog (Netherlands Fiaɖuƒea Le Xexemeʋa II Wɔɣi).

Holland kpovitɔwo kpe asi ɖe Adzamekpovitɔwo ŋu le Ðasefoawo didi kple wo léle me. Gakpe ɖe eŋu la, dzikpɔla mɔzɔla aɖe si vɔvɔ̃ ɖo eye wòde megbe la na amesiwo nye eƒe haxɔsetɔwo tsã la ŋuti nyatakakawo Nazitɔawo. Kaka April 1941 nawu enu la, wolé Ðasefo 113. Ðe amedzidzedze ŋutasesẽtɔe sia tɔ te gbeƒãɖeɖedɔa?

Míakpɔ ŋuɖoɖoa le Meldungen aus den Niederlanden (Nyatakaka Siwo Tso Netherlands) si nye agbalẽ si Germanytɔwo ƒe Sicherheitspolizei (Ŋkutsakpovitɔwo) ŋlɔ le April 1941 me gake meɖo dutoƒo o la me. Nyatakakaa gblɔ le Yehowa Ðasefowo ŋu be: “Kɔmamã sia si nu wode se ɖo la le dɔ dzi kple ŋusẽ le dukɔ bliboa me, wowɔa kpekpe siwo mele se nu o heklãa agbalẽvi siwo dzi woŋlɔ ɖo be ‘Mawu ƒe Ðasefowo yome titi nye nuvlowɔwɔ’ kple ‘Yehowa atsɔ tsɔtsrɔ̃ mavɔ ahe toe na yometilawo.’ ” Kwasiɖa eve megbe la, wogaka nya ta le agbalẽ sia ke me be “togbɔ be Ŋkutsakpovitɔwo na se sesẽ siwo wode ɖe Biblia Nusrɔ̃viawo nu gasẽ ɖe edzi hã la, woƒe dɔwɔwɔwo yi edzi le ta kekem ɖe edzi.” Ẽ, togbɔ be wonɔ Ðasefowo lém hã la, woyi woƒe dɔ dzi eye wona agbalẽ siwo wu 350,000 amewo le ƒe 1941 ɖeɖe ko me!

Nukae kpe ɖe Ðasefo alafa ʋɛ siawo ƒe ƒuƒoƒo sue si kpɔtɔ nɔ dzidzim ɖe edzi la ŋu be wotsɔ dzideƒo nɔ te ɖe woƒe futɔ dziŋɔwo nu nenema? Abe alesi wònɔ le blema nyagblɔɖila wɔnuteƒe Yesaya gomee ene la, Mawue Ðasefoawo vɔ̃na, menye amegbetɔ o. Nukatae? Elabena woɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe dzideƒonya siwo wògblɔ na Yesaya ŋu be: “Nyee, nyee nye amesi afa akɔ na mi. Ameka nènye, be nèle amegbetɔ, si nye nu kukua, kple amegbetɔvi, si wowɔna abe gbe ene la vɔ̃m?”—Yesaya 51:12.

Tenɔnɔ Vɔvɔ̃manɔmee Na Wodea Bubu Ame Ŋu

Kaka ƒe 1941 nawu enu la, Ðasefo siwo wolé ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi ɖo 241. Gake wo dometɔ ʋɛ aɖewo na ta le amegbetɔ vɔvɔ̃ ta. Willy Lages, amesi ƒe nuvlowɔwɔ de du wu le Germantɔwo ƒe adzamekpovitɔwo dome la gblɔ be “Yehowa Ðasefowo dometɔ 90 le alafa me gbe be yewomaʋu go nya aɖeke o, evɔ ha bubu me tɔwo ƒe alafa memama sue aɖe koe te ŋu doa dzi gbea nukɔkɔ le nya dzi.” Nya si Hollandtɔ subɔsubɔhakplɔla, Johannes J. Buskes, si wode gaxɔ me kpe ɖe Ðasefo aɖewo ŋu gblɔ la ɖo kpe Lages ƒe nyaa dzi. Buskes ŋlɔ le ƒe 1951 me be:

“Ɣemaɣi la, medea bubu wo ŋu ŋutɔ le woƒe ŋuɖoɖeŋu kple alesi woƒe xɔse sẽŋui ta. Nyemaŋlɔ ɖekakpui aɖe—manya xɔ wu ƒe 19 o—si ma agbalẽvi siwo gblɔ Hitler kple Nazi Dziɖuɖua ƒe anyidzedze ɖi la be gbeɖe o. . . . Ne ɖe wògbe be yemagawɔ dɔ ma o la, anye ne woɖe asi le eŋu le ɣleti ade ko megbe hafi. Egbe be yemawɔ nusia o, eye wokplɔe yi dɔsesẽwɔsaɖa me le Germany vaseɖe ɣeyiɣi mavɔ. Míenya nusi esia fia nyuie. Esi wokplɔe dzoe le ŋufɔke eye míedo hede nyuie nɛ vɔ la, megblɔ nɛ be míabu eyama ŋu ahado gbe ɖa ɖe eta. Ŋuɖoɖo si wòna koe nye be: ‘Migatsi dzi ɖe nunye o. Mawu ƒe Fiaɖuƒea ava godoo.’ Nenye be mèlɔ̃ ɖe Yehowa Ðasefo siawo ƒe nufiafiawo dzi o gɔ̃ hã la, màŋlɔ nya ma ƒomevi be o.”

Togbɔ be wotsi tre ɖe Ðasefowo ŋu ŋutasesẽtɔe hã la, woƒe xexlẽme kpɔtɔ nɔ dzidzim ɖe edzi. Togbɔ be wo ame 300 aɖe koe nɔ anyi do ŋgɔ na xexemeʋa evelia hã la, woƒe xexlẽmea yi edzi va ɖo 1,379 le ƒe 1943 me. Nublanuitɔe la, kaka ƒe ma nawu enu la, Ðasefo siwo wu 350 siwo wolé la dometɔ 54 ku le fuwɔamegaxɔ vovovo me. Le ƒe 1944 me la, Yehowa Ðasefo 141 siwo tso Netherlands gakpɔtɔ nɔ fuwɔamegaxɔ vovovo me.

Nazi Yometiti ƒe Ƒe Mamlɛa

Le ŋkeke vevi si nye June 6, 1944, megbe la, Ðasefoawo yometiti ɖo eƒe ƒe mamlɛa me. Woɖu Nazitɔwo kple amesiwo wɔ ɖeka kpli wo la dzi le aʋaa me vɔ. Ame aɖe asusui be Nazitɔwo adzudzɔ Kristotɔ maɖifɔwo yometiti le nɔnɔme sia me. Gake le ƒe ma me la, wogalé Ðasefo 48 bubu, eye Ðasefo siwo nɔ gaxɔ me la dometɔ 68 ku. Wo dometɔ ɖekae nye Jacob van Bennekom si ŋkɔ míeyɔ do ŋgɔ.

Jacob si xɔ ƒe 18 la nɔ ame 580 siwo xɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefowo le ƒe 1941 me la dome. Le ema megbe kpuie la, eɖe asi le dɔ aɖe si me wòkpɔa ga tsonɛ la ŋu elabena dɔa bia be wòaɖe asi le eƒe Kristotɔ ƒe akpaɖekedzimademade ŋu. Edi dɔtsɔla ƒe dɔ aɖe eye wòdze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme. Esi wònɔ mɔ zɔm kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɣeaɖeɣi la, woke ɖe eŋu eye wolée. Le August 1944 me la, Jacob si xɔ ƒe 21 la ŋlɔ agbalẽ tso gaxɔ aɖe si nɔ Rotterdam dugã me ɖo ɖe eƒe ƒometɔwo be:

“Mele lãmesẽ nyui me eye dzidzɔ yɔ menye fũ. . . . Vaseɖe fifia, wote nunye me se zi ene sɔŋ xoxo. Zi eve gbãtɔawo tɔ sẽ ŋutɔ, woƒom nyamanyama ŋutɔ, gake le Aƒetɔ la ƒe ŋusẽdodo kple amenuveve ta la, nyemeʋu go nya aɖeke o vaseɖe fifia. . . . Meƒo dutoƒonuƒo ade xoxo, eye amesiwo katã see la ƒe ƒuƒoƒo ade 102. Amesiawo dometɔ aɖewo ɖe ɖetsɔleme nyui fia hedo ŋugbe be ne wonya ɖe asi le yewo ŋu ko la, yewoayi edzi.”

Le September 14, 1944, dzi la, wokplɔ Jacob yi ɖe fuwɔamegaxɔ aɖe si le Holland dugã si nye Amersfoort me. Le afima gɔ̃ hã la, eyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Le mɔ ka nu? Ame aɖe si nɔ gaxɔ me kplii gblɔ be: “Gamenɔlawo fɔa sigaret gɔmee si dzɔlawo tsɔ ƒu gbe la blana ɖe Biblia ɖeɖiwo me henona. Ɣeaɖewoɣi la, Jacob dzea agbagba xlẽa nya ʋɛ aɖewo le Biblia ƒe axa ɖeɖi si wodi be woatsɔ abla sigaret la dzi hafi wozãnɛ. Enumake la, enɔa te ɖe nya siawo dzi heɖea gbeƒã na mí. Eteƒe medidi o, míetsɔ ŋkɔ na Jacob be ‘Biblia Ŋutsua.’ ”

Le October 1944 me la, Jacob nɔ gamenɔlawo ƒe ƒuƒoƒo gã aɖe si woɖe gbe na be woaɖe ʋewo be futɔ ƒe aʋawɔʋuwo nava dze eme la dome. Jacob gbe be yemawɔ dɔa o elabena eƒe dzitsinya meɖe mɔ nɛ be wòakpe asi ɖe aʋaa ŋu o. Togbɔ be dzɔlawo doa ŋɔdzi nɛ edziedzi hã la, mena ta o. Le October 13 lia dzi la, amegã aɖe ɖee le ameɖekɛgaxɔ me be wòava wɔ dɔ le doa ɖeƒe. Jacob mena ta le go sia hã me o. Mlɔeba, woɖe gbe na Jacob be wòaɖe eya ŋutɔ ƒe yɔdo eye woda tui wòku.

Ðasefoawo Didi Yi Edzi

Dzideƒo si Jacob kple ame bubuwo ɖe fia la gado dziku na Nazitɔawo eye wòna wogadze Ðasefoawo didi gɔme. Amesiwo dim wonɔ vevie la dometɔ ɖekae nye Evert Kettelarij si xɔ ƒe 18. Gbã la, Evert te ŋu si heɣla eɖokui ɖe teƒe aɖe, gake emegbe wolée heƒoe vevie be wòana nyatakaka tso Ðasefo bubuwo ŋu. Egbe eye wokplɔe yi Germany be wòawɔ dɔ sesẽ.

Le October 1944 ƒe ɣleti ma ke me la, kpovitɔwo ti Evert ƒe nyo, Bernard Luimes, yome. Esi woke ɖe eŋu la, eya kple Ðasefo eve bubu—Antonie Rehmeijer kple Albertus Bos—ye nɔ anyi. Albertus nɔ fuwɔamegaxɔ me ɣleti 14 xoxo. Ke hã esi woɖe asi le eŋu la, egadze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme dzonɔamemetɔe. Gbã la, Nazitɔawo ƒo ŋutsu etɔ̃ siawo nublanuimakpɔmakpɔtɔe, eye emegbe woda tu wo woku. Esi aʋaa ke megbe hafi wokpɔ woƒe ŋutilãwo hegbugbɔ wo ɖi. Le aʋaa megbe kpuie la, nyadzɔdzɔgbalẽ geɖe ka nya ta tso amewuwu sia ŋu. Nyadzɔdzɔgbalẽawo dometɔ ɖeka ŋlɔ bena, Ðasefo etɔ̃awo gbe gbidii be yewomawɔ dɔ aɖeke si tsi tre ɖe Mawu ƒe se ŋu na Nazitɔawo o eye wògblɔ kpee be “le esia ta, wobu woƒe agbe.”

Le ɣeyiɣi sia me le November 10, 1944, dzi la, wolé Bernard Polman, amesi ƒe ŋutinya míegblɔ do ŋgɔ, eye wokplɔe yi be wòava wɔ dɔ le asrafowo ƒe dɔ aɖe wɔƒe. Eya koe nye Ðasefo le amesiwo dzi wozi be woava wɔ dɔa dome eye eya koe gbe be yemawɔ dɔ sia o. Dzɔlawo to aye vovovo dzi be yewoana wòana ta. Wogbe nuɖuɖu nanae. Wotsɔ kpowo, sofi, kple tu ƒe zɔ ƒoe kutɔkutɔe. Gakpe ɖe eŋu la, wozi edzi be wòazɔ tsi fafɛ si se eƒe klonu me, eye emegbe wotui ɖe tomexɔ aɖe si me ƒo tsi me, afisi wòmlɔ kple eƒe awu ƒotsiwo. Ke hã, Bernard mena ta o.

Le ɣeyiɣi ma me la, woɖe mɔ na Bernard nɔvinyɔnu eve siwo menye Yehowa Ðasefowo o be woava srãe kpɔ. Woxlɔ̃ nui be wòatrɔ eƒe susu, gake ema meʋuʋui le mɔ aɖeke nu o. Esi wobia Bernard be nane li yewoate ŋu awɔ nɛ hã la, egblɔ na wo be woayi aƒeme asrɔ̃ Biblia. Emegbe eyometilawo ɖe mɔ na srɔ̃a si ƒo fu nɔ be wòava srãe kpɔ, kple susu be nyɔnua ana wòana ta. Gake ɖeko eƒe vava kple dzideƒonyawo do ŋusẽ tame si Bernard ɖo be yealé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu la boŋ. Le November 17, 1944, dzi la, amesiwo nɔ funyafunya wɔm Bernard la dometɔ atɔ̃ da tui le amesiwo katã dzi wozi be woawɔ dɔ la ŋkume. Esi tukpewo ŋɔ Bernard ƒe ŋutilã wòku vɔ megbe gɔ̃ hã la, dzi ku amegã si nɔ wo nu ale gbegbe be wòɖe tu heda Bernard ƒe ŋkuwo.

Togbɔ be ŋutasesẽnuwɔna sia ʋuʋu Ðasefo siwo see hã la, wolé woƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi eye vɔvɔ̃ meɖo wo o eye woyi woƒe Kristotɔwo ƒe dɔa dzi. Yehowa Ðasefowo ƒe hame sue aɖe si nɔ nuto si me wowu Bernard le la ka nya ta le eƒe kua megbe kpui be: “Le ɣleti sia me la, togbɔ be yame ƒe nɔnɔme mede mía dzi o eye Satana hã tsɔ nɔnɔme sesẽwo xe mɔ na mí hã la, míete ŋu dzi míaƒe subɔsubɔdɔa ɖe edzi. Gaƒoƒo si míezã le gbeadzi la yi dzi tso 429 va ɖo 765. . . . Nɔviŋutsu aɖe ɖe gbeƒã na ŋutsu aɖe esime wònɔ gbeadzi. Ŋutsua bia be ha sia ke mee ŋutsu si woda tui la nɔ mahã. Esi wòse be eyae la, ŋutsua gblɔ kple ɣli be: ‘Ŋutsue wònye vavã, xɔse ma mebɔ o! Esiae meyɔna be xɔse me kalẽwɔwɔ!’ ”

Yehowa Ðoa Ŋku Wo Dzi

Le May 1945 me la, woɖu Nazitɔawo dzi eye wonya wo dzoe le Netherlands. Togbɔ be woti Yehowa Ðasefowo yome atraɖii le aʋaa wɔɣi hã la, wodzi ɖe edzi tso alafa ʋɛ aɖewo heto 2,000 ŋu. Esi ŋutinyaŋlɔla Ðk. de Jong nɔ nu ƒom tso Ðasefo siwo nɔ anyi le aʋawɔɣia me ŋu la, egblɔ be: “Wo dometɔ akpa gãtɔ gbe be yewomaɖe asi le yewoƒe xɔse ŋu o togbɔ be wodo ŋɔdzi na wo hewɔ funyafunya wo hã.”

Eyata susu nyuiwo tae dziɖuɖumegã aɖewo ɖo ŋku Yehowa Ðasefowo dzi le dzideƒo si wotsɔ nɔ te ɖe Nazi dziɖuɖua nui ta. Gake esi le vevie wue nye be, Yehowa kple Yesu aɖo ŋku Ðasefo siawo siwo nɔ anyi le aʋawɔɣia me la ƒe kpɔɖeŋu ɖedzesia dzi. (Hebritɔwo 6:10) Le Yesu Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua si tu aƒe vɔ me la, woafɔ Ðasefo siawo siwo wɔ nuteƒe eye vɔvɔ̃ meɖo wo o eye wotsɔ woƒe agbe na le Mawu subɔsubɔ me la tso ŋkuɖodziyɔdowo me kple mɔkpɔkpɔ be woanɔ agbe tegbee le paradisonyigba dzi!—Yohanes 5:28, 29.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Jacob van Bennekom

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Nyadzɔdzɔgbalẽ ƒe akpa si ka nya ta be woxe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo nu

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Ðusime: Bernard Luimes; ete: Albertus Bos (miame) kple Antonie Rehmeijer; anyime: Habɔbɔa ƒe dɔwɔƒe si le Heemstede