Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèbua Ŋutasẽlawo Alesi Mawu Bua Woea?

Ðe Nèbua Ŋutasẽlawo Alesi Mawu Bua Woea?

Ðe Nèbua Ŋutasẽlawo Alesi Mawu Bua Woea?

Tso blema ke la, ŋusẽtɔ siwo ɖea woƒe ŋusẽ kple kalẽwɔwɔ fiana ƒe nu nyoa amewo ŋu eye wodea bubu wo ŋu. Amesiawo dometɔ ɖekae nye blema Helatɔwo ƒe xotutu me ŋusẽtɔ aɖe si ŋkɔe nye Heracles alo esi Romatɔwo yɔna be Hercules.

HERACLES nye ŋusẽtɔ gã si xɔ ŋkɔ ale gbegbe eye wònye aʋawɔla gãtɔ kekeake. Wotu xo be enye mawu-afã-amegbetɔ-afã si Alcmene, si nye amegbetɔ nyɔnu, dzi na Helatɔwo ƒe mawu Zeus. Edze eƒe ŋusẽdɔwo wɔwɔ gɔme esime wònye vidzĩ nɔ keke me. Esi mawunɔ ʋãŋu aɖe ɖo da gã eve ɖa be woawu Heracles la, emia ve na wo woku. Esi wòtsi la, ewɔ aʋa geɖe, etsrɔ̃ lã wɔada gãwo katã ɖa, eye wòwɔ avu kple ku hexɔ exɔlɔ̃ aɖe ɖe agbe. Azɔ hã etsrɔ̃ du gãwo, dɔ nyɔnuwo gbɔ sesẽe, tsɔ ŋutsuvi aɖe ƒu gbe tso xɔ kɔkɔ aɖe ta, eye wòwu srɔ̃a kple viawo.

Togbɔ be Heracles menye ame ŋutɔŋutɔ o hã la, woƒo nu tso eŋu le xotutuwo me le anyigba siwo le nyanya na Helatɔwo dzi tso blema ke. Enye Romatɔwo ƒe mawu si wosubɔ; asitsalawo kple mɔzɔlawo do gbe ɖa nɛ be wòana nu nadze edzi na yewo eye wòakpɔ yewo ta le afɔku me. Ƒe akpe geɖe enye sia si eƒe ŋusẽdɔwɔwɔ ŋutinyawo doa dzidzɔ na amewo.

Afisi Xotutua Dzɔ Tso

Ðe kpeɖodzi aɖe li si fia be nya siwo wogblɔna tso Heracles kple xotutu me kalẽtɔ bubuwo ŋu nye nyateƒea? Le mɔ aɖe nu la, woate ŋu anɔ anyi. Biblia ƒo nu tso ɣeyiɣia aɖe si me “mawuwo” kple “mawu-afã-amegbetɔ-afãwo” nɔ anyigba dzi vavã le amegbetɔ ƒe gɔmedzeŋutinya me ŋu.

Esi Mose nɔ ɣeyiɣi ma ɖɔm la, eŋlɔ bena: “Ke esi amewo de asi agbɔsɔsɔ me le anyigba dzi, eye wodzi nyɔnuwo la, mawuviwo kpɔ bena, amegbetɔviwo ƒe nyɔnuwo dze tugbe ŋutɔ, eye woɖe wo dometɔ, siwo katã dze wo ŋu.”—Mose I, 6:1, 2.

‘Mawuvi’ mawo menye amegbetɔwo o; wonye Mawuvi siwo nye mawudɔlawo. (Tsɔe sɔ kple Hiob 1:6; 2:1; 38:4, 7.) Biblia ŋlɔla Yuda gblɔ be mawudɔla aɖewo “medzra woƒe amegãnyenye ɖo o, ke wogblẽ woa ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi.” (Yuda 6) Ne míagblɔe bubui la, wogblẽ nɔƒe si Mawu na wo le eƒe dziƒohabɔbɔa me ɖi elabena wodi be yewoanɔ anyi kple nyɔnu dzetugbewo le anyigba dzi. Yuda gblɔ kpee be mawudɔla dzeaglã siawo nɔ abe Sodom kple Gomora tɔwo, amesiwo ‘wɔ ahasi akpa eye wodze ŋutilã bubu yome’ la ene.—Yuda 7.

Biblia megblɔ nusianu si mawudɔla maɖoto siawo wɔ o. Gake Helatɔwo kple du bubu me tɔwo ƒe blema xotutuwo ƒo nu tso mawu kple mawunɔ geɖe siwo va nɔ amegbetɔwo dome ŋu, woɖadze wokpɔ kple ŋku loo alo womekpɔ wo o. Ne wodo amegbetɔ ƒe ŋutilã la, wonya kpɔna ale gbegbe. Woɖu nu, no nu, mlɔ anyi, eye wodɔ wo nɔewo kple amegbetɔwo gbɔ. Togbɔ be wodze ame kɔkɔe siwo mekuna o hã la, woda alakpa heble amewo, wowɔ dzre hewɔ avu kple amewo, woble nyɔnuwo hedɔ wo gbɔ sesẽe. Togbɔ be woate ŋu aɖe ami ɖe xotutu me nudzɔdzɔ siawo ahatro wo me nyawo agblɔ hã la, woate ŋu aɖe alesi tututu nɔnɔmewo nɔ do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia ƒe agbalẽ si nye Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me la afia.

Blema Ŋusẽtɔwo, Ŋutsu Xɔŋkɔwo

Mawudɔla maɖotoawo siwo trɔ ɖe amegbetɔ ƒe nɔnɔme me la dɔ kple nyɔnuwo, eye nyɔnuawo dzi vi. Ðevi siawo menye ɖevi dzrowo ko o. Wonye Nefilimwo, amegbetɔ afã kple mawudɔla afã. Biblia ƒe nuŋlɔɖi gblɔ be: “Le ŋkeke mawo me la amedzɔtsuwo le anyigba dzi; eye esi Mawu viŋutsuwo ɖe amegbetɔwo ƒe vinyɔnuwo, eye wodzi vi na wo megbe la hã wogale; woawo nye ame kako ŋkɔxɔla, siwo nɔ agbe le blema.”—Mose I, 6:4.

Hebrigbe me nya “nephilim” gɔmeɖeɖe tẽ enye “numuƒuanyilawo,” amesiwo léa amewo ƒua anyi, alo wotoa ŋutasẽnuwɔnawo dzi naa amewo dzea anyi. Eyata mewɔ nuku o be Biblia ƒe nuŋlɔɖi gblɔ kpee be: ‘Ŋutasesẽ xɔ anyigba la dzi.’ (Mose I, 6:11) Xotutu me mawu-afã-amegbetɔ-afãwo, abe Heracles kple Babilontɔwo ƒe ŋusẽtɔ Gilgamesh, ƒe ŋutinya sɔ kple Nefilimwo tɔ pɛpɛpɛ.

De dzesii be woyɔ Nefilimwo be ‘ame kakowo’ kple ‘ame xɔŋkɔwo.’ Nefilimawo metsɔ ɖeke le Yehowa ƒe ŋkɔ dodo ɖe dzi me abe ame dzɔdzɔe Noa, si nɔ anyi le ɣeyiɣi ma ke me ene la o. Woa ŋutɔwo ƒe ŋkɔ, bubu, kple nuwɔna me koe wotsɔ ɖe le. Woto ŋusẽdɔwo, si ɖikeke mele eme o be wo dometɔ aɖewoe nye ŋutasesẽ kple ʋukɔkɔɖi, me xɔ ŋkɔ si dim wonɔ le xexeme mavɔ̃mawu si me wonɔ la me. Woawoe nye ŋusẽtɔ gãtɔwo le woƒe ɣeyiɣia me—wovɔ̃na na wo, wodea bubu wo ŋu, eye edze abe ame aɖeke meli akpe wo dzi o ene.

Togbɔ be Nefilimawo kple wo fofo siwo nye mawudɔla siwo ɖi gbɔ wo ɖokui anya xɔ ŋkɔ le wo ŋɔlimetɔwo dome hã la, le nyateƒe me la, womexɔ ŋkɔ le Mawu ya ŋku me o. Woƒe agbenɔnɔ nyɔ ŋu. Eyata Mawu tso ɖe mawudɔla gegeawo ŋu. Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Mawu mekpɔ mawudɔla wɔnuvɔ̃wo ƒe nublanui o, ke wòtsɔ viviti tsiɖitsiɖi ƒe kɔsɔkɔsɔwo bla wo hetu asi wo xlã ɖe dzomavɔʋe me, bena woadzra wo ɖo hena ʋɔnudɔdrɔ̃; eye mekpɔ blema xexeme la ƒe nublanui o, negbe Noa, dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela la, hekpe ɖe ame adre bubuawo ŋu ko wòdzra ɖo, esime wòhe tɔɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexeme dzi.”—Petro II, 2:4, 5.

Le Tsiɖɔɖɔ si va xexeame katã me la, mawudɔla dzeaglãawo gbugbɔ tsɔ gbɔgbɔŋutilã do hegbugbɔ trɔ yi gbɔgbɔmenutowo me kple ŋukpe. Mawu he to na wo hexe mɔ na wo be womagate ŋu atsɔ amegbetɔwo ƒe ŋutilã ado azɔ o. Nefilim mawo, siwo nye mawudɔla dzeaglãawo ƒe dzidzimevi ŋusẽtɔ triakɔawo katã tsrɔ̃. Noa kple eƒe ƒome sue la me tɔwo koe tsi agbe le Tsiɖɔɖɔa me.

Ame Xɔŋkɔ Siwo Li Egbea

Egbea la, mawuwo kple mawu-afã-amegbetɔ-afãwo megale anyigba dzi o. Ke hã ŋutasesẽ bɔ. Wodea bubu ame xɔŋkɔ siwo li egbea ŋu le agbalẽwo, sinimawo, television, kple hadzidzi me. Esesẽ ŋutɔ be woanyẽ woƒe to kemɛ me na ame, be woalɔ̃ woƒe futɔwo, be woadi ŋutifafa, be woatsɔ ake, alo woagbe ŋutasẽnuwɔwɔ. (Mateo 5:39, 44; Romatɔwo 12:17; Efesotɔwo 4:32; Petro I, 3:11) Ðe eteƒe la, egbeŋkekea me ŋusẽtɔwo ƒe nu nyoa amewo ŋu le woƒe ŋusẽ kple ŋutete si le wo si ɖe avuwɔwɔ, hlɔ̃biabia na wo ɖokui, kple ŋutasesẽ vɔ̃ɖi tsɔtsɔ ɖo ŋutasesẽ teƒee ta. *

Tso Noa ŋɔli ke la, Mawu ƒe nukpɔsusu ɖe amesiawo ŋu metrɔ o. Ŋutasesẽ lɔ̃lawo ƒe nu menyoa Yehowa ŋu kaka woƒe ŋusẽdɔwɔnawo nava yi dzidzɔ do ge nɛ o. Hakpala la dzi ha be: “Yehowa doa ame dzɔdzɔe kpɔna, ke eƒe luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ la.”—Psalmo 11:5.

Ŋusẽ Bubu Ƒomevi

Amesi to vovo kura na ŋusẽtɔ sẽŋutawoe nye amegbetɔ si xɔ ŋkɔ wu amesiame si nɔ anyi kpɔ, Yesu Kristo, ŋutifafame la. Esi wònɔ anyigba dzi la, “mesẽ ŋuta o.” (Yesaya 53:9) Esi eƒe futɔwo va be yewoalée le Getsemane bɔa me la, yiwo nɔ eyomedzelawo si. (Luka 22:38, 47-51) Woate ŋu awɔ ɖeka awɔ avu atsi tre wo ŋu be woagalée aɖade asi na Yudatɔwo o hafi.—Yohanes 18:36.

Le nyateƒe me la, apostolo Petro he eƒe yi be yeatsɔ aʋli Yesu ta, gake Yesu gblɔ nɛ be: “Gbugbɔ wò yi la ɖo eteƒe; elabena amesiwo katã dia yi la, yi kee woatsɔ awu woe.” (Mateo 26:51, 52) Ẽ, ŋutasesẽ dzia ŋutasesẽ, abe alesi amegbetɔ ƒe ŋutinya ɖee fia enuenue ene. Le mɔnukpɔkpɔ si su Yesu si be wòatsɔ lãnuwo aʋli eɖokui ta megbe la, mɔnu bubu nɔ esi wòato aʋli eɖokui tae. Egblɔ na Petro emegbe be: “Èsusu bena, nyemate ŋu aɖe kuku na Fofonye, eye wòatsɔ mawudɔlawo nam wòawu aʋakɔ wuieve o mahã?”—Mateo 26:53.

Le esi teƒe be Yesu nawɔ ŋutasẽnu alo azã mawudɔlawo woaʋli eta la, eɖe mɔ ewulawo lée yii. Nukatae? Susu ɖekae nye be enyae bena ɣeyiɣia mede haɖe be yeƒe Dziƒofofoa naɖe nuvlowɔwɔ ɖa le anyigba dzi o. Le esi teƒe be Yesu ŋutɔ natsɔe aɖo eɖokui dzi akpɔ nyawo gbɔ la, eɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu boŋ.

Esia menye gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe nɔnɔme o ke ememe ŋusẽ gã boŋue. Yesu ɖe xɔse sẽŋu fia ɖe Yehowa me be aɖɔ nuwo ɖo le Eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi kple mɔ nu. Le Yesu ƒe toɖoɖo ta la, wodoe ɖe dzi hetsɔ nɔƒe kɔkɔ nɛ ale be eya ɖeɖeko ƒe nɔƒee kplɔ Yehowa ŋutɔ tɔ ɖo. Apostolo Paulo ŋlɔ nu tso Yesu ŋu be: “Ebɔbɔ eɖokui ɖe anyi, eye wòɖo to yiɖase ku me, yiɖase [fuwɔameti] ŋuti ku la me ke. Esia ke ŋuti hã Mawu do eyama ɖe dzi kakaka, eye wòtsɔ ŋkɔ, si ƒo ŋkɔ sia ŋkɔ ta la kee, bene amesiwo le dziƒo kple amesiwo le anyigba dzi kple amesiwo le anyigba te la, katã nadze klo le Yesu ƒe ŋkɔ la me, eye aɖe sia aɖe naʋu me bena, Yesu Kristo enye Aƒetɔ la hena Mawu Fofoa ƒe kafukafu.”—Filipitɔwo 2:8-11.

Mawu ƒe Ŋugbedodo be Yeaɖe Ŋutasesẽ Ða

Kristotɔ vavãwo nɔa agbe ɖe Yesu ƒe kpɔɖeŋu si wòɖo ɖi kple eƒe nufiafiawo nu. Womekpɔa dzidzɔ ɖe xexeame ŋkɔxɔlawo kple ŋutasẽlawo ŋu alo srɔ̃a wo o. Wonya be le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, woaɖe ame mawo ɖa tegbee, abe alesi ko wònɔ na ame vɔ̃ɖiwo le Noa ƒe ŋkekea me ene.

Mawue nye anyigba kple ameƒomea Wɔla. Azɔ hã eyae dze anye Dziɖula. (Nyaɖeɖefia 4:11) Ne ŋusẽ le amegbetɔ si nye ʋɔnudrɔ̃la si be wòatso afia le se nu la, ke ŋusẽ geɖe le Mawu si wu be wòatso afia. Bubu si wòde eya ŋutɔ ƒe gɔmeɖose dzɔdzɔewo ŋu, kpakple lɔlɔ̃ si le esi na amesiwo lɔ̃ eyama ana wòaɖe vɔ̃ɖinyenye katã kple ewɔlawo ɖa.—Mateo 13:41, 42; Luka 17:26-30.

Esia ana ŋutifafa si wotu ɖe nya dzɔdzɔe kple dzɔdzɔenyenye dzi nanɔ anyigba dzi tegbee. Wogblɔ esia ŋutinya ɖi le nyagblɔɖi aɖe si ku ɖe Yesu Kristo ŋu, si míenya nyuie me be: “Wodzi vi na mí, eye wona ŋutsuvi mí, dziɖuɖu le abɔta nɛ, eye wotsɔ ŋkɔ nɛ be: Nukunu, adaŋudela, Mawu kalẽtɔ, fofo mavɔ, ŋutifafafia, ne eƒe dziɖuɖu nakeke ta, eye seƒeɖo manɔe na ŋutifafa le Dawid ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòafɔe ɖe te, eye wòatsɔ ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ali kee tso fifia ɖaseɖe mavɔ me. Yehowa Zebaot ƒe ŋuʋaʋã awɔ esia ade goe.”—Yesaya 9:5, 6.

Ekema susu nyui aɖe tae Kristotɔwo ɖoa to blema nuxlɔ̃ame sia ɖo be: “Megaʋã ŋu sesẽnuɖula o, eye eƒe mɔ aɖeke megadze ŋuwò o. Elabena godzela enye ŋunyɔ na Yehowa, ke tsi metoa eya kple dzime dzɔdzɔe tɔ domee o.”—Lododowo 3:31, 32.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 17 Ŋutasẽla siwo dzena le video me fefe kple dzɔdzɔmeŋutinunya me glitoto ƒe sinima geɖe me ɖea ame vɔ̃ɖi sẽŋuta siawo ƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi fiana zi geɖe.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 29]

EGBEŊKEKEA ME ŊUSẼTƆWO ƑE NU NYOA AMEWO ŊU LE WOƑE ŊUSẼ KPLE ŊUTETE SI LE WO SI ÐE ŊUTASESẼ VƆ̃ÐI TSƆTSƆ ÐO ŊUTASESẼ TEƑEE TA

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 26]

Alinari/Art Resource, NY