Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akɔfafa Hiã Geɖe Ŋutɔ!

Akɔfafa Hiã Geɖe Ŋutɔ!

Akɔfafa Hiã Geɖe Ŋutɔ!

“Kpɔ ɖa, amesiwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo le tsyɔtsyɔm, ke akɔfala aɖeke meli na wo o; amesiwo te wo ɖe anyi la, sẽ ŋuta le wo ŋu, ke akɔfala aɖeke meli na wo o.”—NYAGBLƆLA 4:1.

ÐE NÈLE akɔfafa dima? Èle akɔfaname sue aɖe dim nàtsɔ anɔ te ɖe mɔkpɔkpɔbuɖeame keŋkeŋ nua? Ðe nèle akɔfafa sue aɖe dim be nàte ŋu ase vivi na agbe si me fukpekpe sesẽ kple nuteƒekpɔkpɔ madodzidzɔnamewo lea?

Ɣeaɖewoɣi la, mí katã míehiãa akɔfafa kple dzideƒoname vevie. Nusitae nye be nu geɖe le agbe me siwo hea blanuiléle vɛ. Mí katã míehiã takpɔkpɔ, dzidzɔdoname, asikplakɔname. Mía dometɔ aɖewo míetsi eye ema menye dzidzɔ na mí o. Dzi ɖe le ame bubuwo ƒo vevie be agbe meva le na yewo abe alesi yewo kpɔ mɔe ene o. Nyatakaka siwo woxɔna tsoa dɔlékuiwodokpɔƒe hã doa ŋɔdzi na ame bubuwo.

Gakpe ɖe eŋu la, ame akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe edzi be nusiwo le dzɔdzɔm le míaƒe ɣeyiɣiawo me wɔe be akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ va hiã ale gbegbe. Le ƒe alafa si va yi ɖeɖeko me la, amesiwo wu miliɔn alafa ɖeka ye tsi aʋa. * Wo katã kloe gble ƒome ɖi—dadawo kple fofowo, nɔvinyɔnuwo kple nɔviŋutsuwo, ahosiwo kple tsyɔ̃eviwo—siwo le nu xam eye wohiã akɔfafa vevie. Egbea la, amesiwo wu biliɔn ɖeka nye hiãtɔ kolikoliwo. Amesiwo katã le xexeame ƒe afã mete ŋu dea kɔdzi wokpɔa wo gbɔ eye woxɔa atike veviwo edziedzi o. Ðevi miliɔn geɖe siwo wogblẽ ɖi siwo dometɔ geɖe zãa atike muamewo hewɔa gbolo la nɔa tsatsam le dugã ƒoɖi ƒe ablɔwo dzi. Sitsoƒedila miliɔn geɖe kpea fu le asaɖa dziŋɔwo me.

Gake xexlẽmeawo—togbɔ be wowɔa dɔ ɖe ame dzi hã—meɖea vevesese kple fukpekpe siwo me tom ame aɖewo le le woƒe agbenɔnɔ me la fiana o. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso Svetlana, ɖetugbi aɖe si tso Balkan, amesi wodzi ɖe hiã kolikoli me ŋu kpɔ. * Egblɔ be: “Dzinyelawo dɔam ɖa be mava bia nu alo afi fi be míate ŋu akpɔ ga. Ƒomegbenɔnɔ va gblẽ ale gbegbe be ƒonyemetɔ kplikplikpli dɔ gbɔnye. Mekpɔ dɔ le nuɖuɖudzraƒe aɖe ale be mesubɔna le kplɔ̃ ŋu, eye danye, amesi xɔa fetu si mexɔna la gblɔ nam be ne dɔ sia ge le asinye la, yeawu ye ɖokui. Esia katã wɔe be meva zu gbolo. Ƒe 13 koe mexɔ. Eteƒe medidi o, mefɔ fu heɖee. Esi mexɔ ƒe 15 la, menɔ abe amesi xɔ ƒe 30 ene.”

Laimonis si nye ɖekakpui tso Latvia, gblɔ alesi akɔfafa hiãe kple nu ɖedzileameƒo siwo me wòto va yi siwo na wòlé blanui. Esi wòxɔ ƒe 29 la, edze ʋufɔku si wɔe be wòtu tso eƒe ali gbɔ yi afɔ gbɔ. Mɔkpɔkpɔ bu ɖee keŋkeŋ eye wòte aha sesẽ nono. Le ƒe atɔ̃ megbe la, wɔna aɖeke meganɔ eŋu o—ezu lãmetututɔ ahatsunola si si etsɔme aɖeke mele o. Afikae wòakpɔ akɔfafa le?

Alo bu Angie ŋu kpɔ. Woko susu na srɔ̃aŋutsu zi etɔ̃ sɔŋ si wɔe be wòtu afã kple afã gbã. Le ekoko zi mamlɛtɔ ƒe ƒe atɔ̃ megbe la, edze afɔku dziŋɔ aɖe si ate ŋu awui hafi. Esi srɔ̃anyɔnua ge ɖe xɔ si me wokpɔa nɔnɔme kpatawo gbɔ le, eye wòkpɔ be ye srɔ̃ŋutsu yi ɖi me, le abi dziŋɔ siwo wòxɔ ɖe ta ŋu eye wotsɔe mlɔ afima la, enyae be afɔku aɖe le dzɔdzɔ ge. Ŋkeke siwo le ŋgɔ na eya kple eƒe ƒomea mele nɔnɔ ge bɔbɔe o. Aleke wòawɔ akpɔ kpekpeɖeŋu kple dzideƒoname?

Le Pat gome la, edze abe wodze vuvɔŋɔli ŋkeke aɖe gɔme nyuie ene ƒe aɖewoe nye si va yi. Gake menya nusiwo yi edzi le ŋkeke etɔ̃ siwo kplɔe ɖo me o. Srɔ̃ŋutsua gblɔ nɛ be le akɔta ƒe veve sẽŋu aɖe si wòse megbe la, eƒe dzi tɔ te dɔwɔwɔ keŋkeŋ. Eƒe dzi te tsotso kabakaba eye menɔ ɖoɖo nu hã o, eye emegbe megava nɔ dɔ wɔm kura o. Meganɔ gbɔgbɔm o. Pat gblɔ be: “Le nyateƒe me la, nye susu dzudzɔ dɔwɔwɔ.” Gake to mɔ aɖe nu la, etsi agbe. Egblɔ le ɣeyiɣi didi si wòtsɔ nɔ kɔdzii ŋu be: “Dodokpɔawo dometɔ geɖe, vevietɔ ne wodi be woana nye dzi nawɔ dɔ ahatɔ, abe alesi wòwɔna tsã ene la, doa ŋɔdzi nam.” Nukae ate ŋu ana akɔfafa kple gbɔdzɔe si hiãe le ɣeyiɣi sesẽ sia me?

Joe kple Rebecca ƒe viŋutsu si xɔ ƒe 19 ku le ʋufɔku aɖe me. Wogblɔ be: “Míedo go naneke si gblẽ nu le mía ŋu alea gbegbe kpɔ o. Togbɔ be míefa konyi kple ame bubu siwo ame ku na va yi hã la, míese veve helĩhelĩ le dzime alea gbegbe kpɔ abe alesi míele esem fifia ene o.” Nukae ate ŋu atsi “dzime vevesese helĩhelĩ”—nuxaxa vevie le lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku ŋuti—sia nu?

Le nyateƒe me la, amesiawo, kple ame miliɔn bubuwo, ke ɖe akɔfafatsoƒe si ƒo ɖesiaɖe ta ŋu. Be nàkpɔ alesi akɔfafatsoƒe sia ate ŋu aɖe vi na wò hãe la, taflatse yi nuxexlẽa dzi.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Asrafo kple dumevi siwo ku ƒe xexlẽme tututu mele nyanya o. Le kpɔɖeŋu me, ƒe 1998 ƒe agbalẽ si nye Facts About the American Wars gblɔ le Xexemeʋa II ɖeɖeko ŋu be: “Nyatakakatsoƒe akpa gãtɔ gblɔ be amesiwo ku le Xexemeʋa II me (asrafowo kple dumevi dzrowo) ƒe xexlẽme enye miliɔn 50, gake amesiwo srɔ̃ nu tso nyaa ŋu nyuie la xɔe se be xexlẽmea ŋutɔŋutɔ yi dzi wu nenema—ade ema ƒe teƒe eve.”

^ mm. 6 Míetrɔ ŋkɔa.

[Picture Credit Lines on page 3]

UNITED NATIONS/PHOTO BY J. K. ISAAC

UN PHOTO 146150 BY O. MONSEN