Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuwo Katã Wɔwɔ Yeyee—Abe Alesi Wogblɔe Ði ene

Nuwo Katã Wɔwɔ Yeyee—Abe Alesi Wogblɔe Ði ene

Nuwo Katã Wɔwɔ Yeyee—Abe Alesi Wogblɔe Ði ene

“Amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye! Eye wògblɔ be: . . . Nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo.”—NYAÐEÐEFIA 21:5.

1, 2. Nukatae ame geɖe tɔ dzɔ esi womedina be yewoabu alesi etsɔme anɔ ŋu o?

ÈGBLƆ be ‘Amekae ate ŋu anya alesi etsɔme anɔ,’ alo èsusui nenema kpɔa? Àte ŋu ase nu gɔme na amesiwo medina be yewoasusu alesi etsɔme anɔ ŋu agblɔ loo alo amesiwo medina be yewoaka ɖe amesiwo tsona ko gblɔna adegbeƒoƒotɔe be yewoagblɔ alesi etsɔme anɔ ɖi dzi o. Kpuie ko la, ŋutete mele amegbetɔwo si be woagblɔ nusi adzɔ le ɣleti alo ƒe siwo gbɔna me ɖi wòasɔ pɛpɛpɛ o.

2 Woɖoe koŋ ƒo nu tso ɣeyiɣi ŋu le magazine si nye Forbes ASAP ƒe tata aɖe me. Robert Cringely, si nye amesi kpɔa nusiwo dzɔ ŋutɔŋutɔ ɖeɖefia le television dzi wɔnawo dzi ŋlɔ be: “Mlɔeba la, ɖeko ɣeyiɣi va doa ŋukpe mí katã, gake ame aɖeke mekpea fu le ɣeyiɣi si me wòdea etsɔmegblɔɖilawo nu o. Agbagbadzedze be míasusu etsɔme agblɔ ɖi nye fefe aɖe si me woɖua mía dzi le ɣesiaɣi kloe. . . . Ke hã amesiwo gblɔna be yewobi ɖe eme la ganɔa etsɔme gbɔgblɔ ɖi dzi kokoko.”

3, 4. (a) Mɔkpɔkpɔ kae le ame aɖewo si ku ɖe ƒe akpe yeyea ŋu? (b) Mɔkpɔkpɔ si me susu le kae le ame bubuwo si ku ɖe etsɔme ŋu?

3 Ðewohĩ ède dzesii be esi ame geɖe ƒe susu trɔ ɖe ƒe akpe yeyea ŋu ta la, edze abe ɖe ame geɖe wu va le nu ƒom le etsɔme ŋu fifia wu tsã ene. Maclean’s magazine gblɔ le ƒe si va yi ƒe gɔmedzedze be: “Ƒe yeye bubu aɖe koe ƒe 2000 lia anye le ƒegbalẽ dzi na Canadatɔ akpa gãtɔ, gake ate ŋu adzɔ be ado go ɖe nuwo ƒe gɔmedzedze yeye ŋutɔŋutɔ aɖe hã nu.” Susu si York Yunivɛsiti ƒe Nufialagã Chris Dewdney gblɔ be eyatae amewo le mɔ kpɔm be nuwo aka ɖe eme enye be: “Ƒe akpea ƒe vava fia be míate ŋu aklɔ asi le ƒe alafa si dzi ŋɔ ale gbegbe la me.”

4 Ðe nya mawo ɖi nudzroame gbɔlo na wòa? Numekuku aɖe si wowɔ le Canada fia be amesiwo wobia gbee dometɔ 22 le alafa me koe “xɔe se be ƒe 2000 anye nuwo ƒe gɔmedzedze yeye aɖe na xexeame.” Le nyateƒe me, amesiwo ade xexlẽme sia ƒe afã kloe “le mɔ kpɔm be aʋa bubu adzɔ”—si anye xexemeʋa—le ƒe 50 siwo gbɔna me. Eme kɔ ƒã be ame akpa gãtɔ senɛ le wo ɖokui me be ƒe akpe yeyea ƒe vava maɖe míaƒe kuxiwo ɖa eye wòawɔ nuwo katã yeyee o. Aƒetɔ Michael Atiyah si nye Britain Fiahawo ƒe Habɔbɔ ƒe zimenɔla tsã, ŋlɔ be: “Nuwo ƒe tɔtrɔ kabakaba . . . fia be ƒe alafa blaeve vɔ ɖekɛ lia ahe kuxi sesẽwo vɛ na míaƒe ŋkuʋuʋu bliboa katã. Amewo ƒe agbɔsɔsɔ, nuhiahiãwo ƒe anyimanɔmanɔ, ɖiƒoƒo nutowo me, kple ahedada si gba ɖe afisiafi nye kuxiwo le mía ŋu xoxo eye wòle be míakpɔ wo gbɔ kpata.”

5. Afikae míate ŋu akpɔ nyatakaka si ŋu kakaɖedzi le ku ɖe nusi le mía ŋgɔ ŋu le?

5 Ðewohĩ awɔ na wò be, ‘Esi amewo mate ŋu agblɔ nusi adzɔ le etsɔme ɖi na mí o la, menye ɖeko míaɖe susu le etsɔme ŋu bubu ŋu oa?’ Ŋuɖoɖoae nye ao! Ele eme baa be amewo mate ŋu agblɔ etsɔme ɖi pɛpɛpɛ o ya, gake mele be míatsɔe be ame aɖeke mate ŋui o. Ke amekae ate ŋui, eye nukata wòle be míakpɔ mɔ na etsɔme nyui aɖe? Àte ŋu akpɔ ŋuɖoɖo siwo me kɔ le nyagblɔɖi ene siwo le tẽ me. Woŋlɔ wo ɖe agbalẽ si bɔ ɖe amewo si wu eye wònye esi woxlẽna wu bubu ɖesiaɖe, si hã gɔme ame geɖe mete ŋu sena o eye wometsɔa ɖeke le eƒe nyawo me o wu la me—eyae nye Biblia. Nuka kee nye wò susu le Biblia ŋu o, eɖanye aleke gbegbe nèsusu be yenya emenyawoe o, ade dziwò be nàde ŋugble le mawunyakpukpui vevi ene siawo ŋu. Le nyateƒe me la, wogblɔ etsɔme nyui aɖe ɖi. Gakpe ɖe eŋu la, nyagblɔɖi vevi ene siawo ɖe alesi wò etsɔme kple wò lɔlɔ̃tɔwo tɔ ate ŋu anɔ fia.

6, 7. Ɣeyiɣi ka mee Yesaya gblɔ nya ɖi le, eye aleke eƒe nyagblɔɖiwo va eme nukutɔe?

6 Gbãtɔ le Yesaya ta 65 me. Hafi míaxlẽe la, na ɣeyiɣi si me woŋlɔ nya siawo kple nɔnɔme si ŋu wòku ɖo nanɔ susu me na wò nyuie. Mawu ƒe nyagblɔɖila Yesaya, amesi ŋlɔ nya siawo, nɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ do ŋgɔ hafi wova tsrɔ̃ Yuda-fiaɖuƒea. Tsɔtsrɔ̃a va esime Yehowa megakpɔa Yudatɔ mawɔnuteƒeawo ta o ale be wòɖe mɔ na Babilontɔwo wova wɔ Yerusalem aƒedoe eye wokplɔ dua me tɔwo yi aboyo mee. Yesaya ŋlɔ nya siawo ɖi ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ hafi wova dzɔ.—Kronika II, 36:15-21.

7 Be míanya ŋutinya me nudzɔdzɔ si ŋu emevava ku ɖo la, ɖo ŋku edzi be Mawu na Yesaya yɔ Persiatɔ, Kores, si womedzi haɖe ɣemaɣi o ƒe ŋkɔ le nyagblɔɖi me be eyae ava mu Babilon aƒu anyi mlɔeba. (Yesaya 45:1) Afɔ si Kores ɖe la ʋu mɔ be Yudatɔwo trɔ yi wo denyigba dzi le ƒe 537 D.M.Ŋ. me. Nukutɔe la, Yesaya gblɔ nuwo gbugbɔgaɖoanyi ma ɖi, abe alesi míate ŋu axlẽe le ta 65 lia mee ene. Eƒo nu tso alesi nuwo anɔ ne Israel-viwo trɔ gbɔ va wo denyigba dzi ŋu.

8. Etsɔme dodzidzɔname kae Yesaya gblɔ ɖi, eye nyagbɔgblɔ ka mee míetsɔ ɖe le?

8 Míexlẽ le Yesaya 65:17-19 be: “Kpɔ ɖa, mawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye, eye womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o; ke boŋ miakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye ɖaa le nusi mawɔ la ŋuti, elabena kpɔ ɖa, mawɔ Yerusalem hena aseyetsotso, eye eƒe dukɔ la hena dzidzɔkpɔkpɔ. Matso aseye ɖe Yerusalem ŋu, eye makpɔ dzidzɔ ɖe nye dukɔ ŋu, eye womagase avifagbe kple konyifagbe le eme azɔ o.” Le nyateƒe me la, nɔnɔme siwo ŋu Yesaya ƒo nu tsoe la nyo sasasã wu esiwo me Yudatɔwo nɔ le Babilon. Aseyetsotso kple dzidzɔkpɔkpɔ ŋu nyae wògblɔ ɖi. Azɔ lé ŋku ɖe nyagbɔgblɔ si nye “dziƒo yeye kple anyigba yeye” ŋu. Esiae nye afisiwo Biblia me nyagbɔgblɔ ene mawo ƒe gbãtɔ dze le, eye mawunyakpukpui ene siawo siwo me wòdze le ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe wò etsɔme dzi tẽ, woate ŋu agblɔe ɖi hã.

9. Aleke Yesaya 65:17-19 ƒe emevava lɔ blema Yudatɔwo ɖe emee?

9 Yesaya 65:17-19 me vava gbãtɔ ku ɖe blema Yudatɔwo ŋu, amesiwo abe alesi Yesaya gblɔe ɖi wòva eme tututu ene la, wotrɔ gbɔ va wo denyigba dzi, afisi wogbugbɔ ɖo tadedeagu dzadzɛtɔ anyi ɖo. (Ezra 1:1-4; 3:1-4) Ðikekemanɔmee la, àde dzesii be wo denyigba si le anyigba sia ke dzie wotrɔ gbɔ va, menye dziŋgɔlime ƒe teƒe bubu aɖee o. Enyanya nenema ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya nusi Yesaya yɔ be dziƒo yeye kple anyigba yeye. Mehiã be míasusu nane ko agblɔ abe alesi ame aɖewo gblɔna le etsɔmegblɔɖila Nostradamus, alo amegbetɔ nyagblɔɖila bubuwo, ƒe nyagblɔɖi gbɔlowo ŋu ene o. Biblia ŋutɔ ɖe nusi Yesaya wɔnɛ la me.

10. Aleke wòle be míase “anyigba yeye” si Yesaya gblɔ ɖi gɔmee?

10 Le alesi wozãa nya “anyigba” le Biblia mee nu la, menye míaƒe anyigba lae wòfiana ɣesiaɣi o. Le kpɔɖeŋu me, Psalmo 96:1 gblɔ tẽ be: ‘Midzi ha na Yehowa, mi anyigbawo katã.’ Míenya be míaƒe anyigba la—anyigba ƒuƒuia kple atsiaƒuwo—mate ŋu adzi ha o. Amewoe dzia ha. Ẽ, anyigbadzinɔlawo ŋue Psalmo 96:1 le nu ƒom tsoe. * Gake Yesaya 65:17 yɔ “dziƒo yeye” hã. Ne “anyigba” fia amewo ƒe habɔbɔ yeye si gbɔ va Yudatɔwo denyigba dzi la, ke ‘dziƒo yeyea’ hã ɖe?

11. Nukae nyagbɔgblɔ “dziƒo yeye” fia?

11 Cyclopedia of Biblical, Theological, and Ecclesiastical Literature, si McClintock kple Strong ŋlɔ, gblɔ be: “Ɣesiaɣi si wòku ɖe nyagblɔɖi me nudzɔdzɔ ŋu la, dziƒo fiaa . . . dziɖuŋusẽwo katã ƒe ƒuƒoƒo . . . siwo nye tatɔwo na wo teviwo eye woɖua wo dzi, abe alesi dziƒo ŋutɔŋutɔ le anyigba tame eye wòɖua edzi ene.” Le nyagbɔgblɔ “dziƒo kple anyigba” si nye nya eve ƒokpli gome la, Cyclopedia la ɖe nu me be, ‘le nyagblɔɖi me la, nyagbɔgblɔa fia amesiwo le ɖoƒe vovovo ƒe nɔƒewo le dunyagbɔkpɔkpɔ me. Dziƒoae nye fiahawo; anyigbae nye ame tsɛwo, amesiwo dzi tatɔwo ɖuna.’

12. Aleke blema Yudatɔwo kpɔ “dziƒo yeye kple anyigba yeye” teƒee?

12 Esi Yudatɔwo trɔ gbɔ va wo denyigba dzi la, nusi míayɔ be nuɖoanyi yeyee su wo si. Dziɖuha yeye nɔ wo si. Zerubabel, amesi nye Fia Dawid ƒe dzidzimevie nye dudzikpɔla, eye Yosua nye nunɔlagã. (Xagai 1:1, 12; 2:21; Zaxarya 6:11) Amesiawoe nye ‘dziƒo yeyea.’ Ðe amekawo dzi? “Dziƒo yeye” ma ɖu fia ɖe “anyigba yeye,” si nye amesiwo ŋu wokɔ siwo trɔ gbɔ va wo denyigba dzi be yewoagatso Yerusalem ahagbugbɔ dua kple eƒe gbedoxɔa atu hena Yehowa subɔsubɔ la dzi. Eyata le gɔmesese sia si nye nu ŋutɔŋutɔ nu la, dziƒo yeye kple anyigba yeye nɔ anyi le emevava si lɔ Yudatɔwo ɖe eme la me ɣemaɣi.

13, 14. (a) Nyagbɔgblɔ “dziƒo yeye kple anyigba yeye” ka hã ŋue wòle be míade ŋugble le? (b) Nukatae míetsɔ ɖe le Petro ƒe nyagblɔɖia me etɔxɛe le ɣeyiɣi sia me?

13 Migana míaŋlɔ nyaa be o. Menye Biblia me nyawo me ɖeɖe me dzrom míele alo blema ŋutinya me ko tom míele o. Esia me akɔ na wò ne èva teƒe bubu si nyagbɔgblɔ “dziƒo yeye kple anyigba yeye” dze le. Ne èʋu Petro II, ta 3 la, àkpɔ teƒe si wòdze le eye àkpɔe be eku ɖe míaƒe etsɔme ŋu.

14 Apostolo Petro ŋlɔ eƒe agbalẽa ƒe 500 sɔŋ le Yudatɔwo ƒe tɔtrɔgbɔ va wo denyigba dzi megbe. Esi Petro nye Yesu ƒe apostoloawo dometɔ ɖeka ta la, enɔ eƒe agbalẽa ŋlɔm na Kristo, “Aƒetɔ” si wòyɔ le Petro II, 3:2 la yomedzelawo. Le kpukpui 4 lia me la, Petro ƒo nu tso Yesu ƒe ‘anyinɔnɔ si ƒe ŋugbe wodo’ la ŋu, eye esia na nyagblɔɖia ka mí ŋutɔ egbea. Kpeɖodziwo li fũ siwo fia be tso Xexemeʋa I wɔɣi ke la, Yesu va li le gɔmesese sia nu be wona ŋusẽe be wòanye Mawu ƒe dziƒo Fiaɖuƒea ƒe Fia. (Nyaɖeɖefia 6:1-8; 11:15, 18) Esia na gɔmesese tɔxɛ va le nu bubu aɖe si ŋu nya Petro gblɔ ɖi le ta sia me ŋu.

15. Aleke “dziƒo yeye” si ŋu nya Petro gblɔ ɖi le eme vamee?

15 Míexlẽ le Petro II, 3:13 be: “Míele dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la, lalam le eƒe ŋugbedodo la nu.” Ðewohĩ ènyae xoxo be Yesu si woɖo zi dzi le dziƒo fifiae nye Dziɖula vevitɔ le ‘dziƒo yeyea’ me. (Luka 1:32, 33) Gake mawunyakpukpui bubuwo fia be menye eya ɖeɖekoe le dzia ɖum o. Yesu do ŋugbe be apostoloawo kple ame bubu siwo anɔ abe woawo ke ene anɔ ɖoƒe aɖe le dziƒo. Le Hebritɔwo ƒe agbalẽa me la, apostolo Paulo yɔ amesiawo be “dziƒoyɔyɔ gomekpɔlawo.” Eye Yesu gblɔ be ƒuƒoƒo sia me tɔwo anɔ fiazikpuiwo dzi kpli ye le dziƒo. (Hebritɔwo 3:1; Mateo 19:28; Luka 22:28-30; Yohanes 14:2, 3) Nya lae nye be ame bubu siwo anye dziƒo yeyea me tɔwo hã aɖu fia kple Yesu. Ke nukae nye “anyigba yeye” si Petro yɔ la?

16. “Anyigba yeye” kae li xoxo?

16 Abe alesi wònɔ le emevava blematɔ—si nye Yudatɔwo ƒe tɔtrɔgbɔ va wo denyigba dzi—gome ene la, Petro II, 3:13 me vava fifitɔ hã ku ɖe amesiwo bɔbɔa wo ɖokui ɖe dziƒo yeye sia ƒe dziɖuɖu te ŋu. Àte ŋu akpɔ ame miliɔn gbogbo siwo bɔbɔ wo ɖokui ɖe dziɖuɖu sia te dzidzɔtɔe egbea. Dziɖuɖua ƒe hehenanaɖoɖo le vi ɖem na wo eye wodzea agbagba wɔna ɖe eƒe se siwo le Biblia me dzi. (Yesaya 54:13) Amesiawo nye “anyigba yeye” ƒe gɔmeɖokpe le gɔmesese sia nu be wonye xexeame katã ƒe habɔbɔ si me dukɔ sia dukɔ me tɔ, gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ dola, kple ameƒomevi ɖesiaɖe si ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede to vovo le eye wonye amesiwo bɔbɔa wo ɖokui hewɔa dɔ le Fia Yesu Kristo si le dzi ɖum te. Nyateƒenya vevi aɖee nye be wò hã àte ŋu azu amesiawo dometɔ ɖeka!—Mixa 4:1-4.

17, 18. Nukatae nya siwo le Petro II, 3:13 wɔe be míele mɔ kpɔm na etsɔme?

17 Mègasusu be nyaa ƒe seƒe koe nye sia kple susu be womegblɔ naneke si me kɔ tsitotsito si ana míanya alesi tututu etsɔme anɔ o. Le nyateƒe me ne èkpɔ nya siwo ƒo xlã Petro II, ta 3 la, àkpɔe be wogblɔ nya siwo fia be tɔtrɔ gã aɖe gbɔna kpuie le afima. Petro ŋlɔ nu tso Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔ si he xexe vɔ̃ɖi si nɔ anyi ɣemaɣi ƒe nuwuwu vɛ ŋu le kpukpui 5 kple 6. Petro gblɔ le kpukpui 7 lia me be wodzra “fifi dziƒo kple anyigba,” si fia dziɖulawo kple amewo siaa, ɖo na “ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple gbegblẽ ƒe ŋkeke la.” Esia ɖo kpe edzi be nyagbɔgblɔ “dziƒo kple anyigba” mefia míaƒe anyigbaa ŋutɔŋutɔ o, ke boŋ amewo kple woƒe dziɖuɖuwoe.

18 Petro ɖe nu me le kpukpui siwo kplɔe ɖo me be Yehowa ƒe ŋkeke si gbɔna ahe nuŋukɔkɔ gã aɖe vɛ, si ana be dziƒo yeye kple anyigba yeye siwo ƒe nya wògblɔ le kpukpui 13 nate ŋu ava eme. De dzesi nya si wogblɔ le kpukpui ma ƒe nuwuwu—ebe ‘dzɔdzɔenyenye anɔ wo me.’ Ðe nya mawo mefia be tɔtrɔ gã aɖe si ahe nu nyuiwo vɛ ava oa? Ðe esia mena nèle mɔ kpɔm na nusiwo le yeye kura, na ɣeyiɣi si me amewo ase vivi na agbenɔnɔ ale gbegbe wòawu fifi tɔa oa? Ne ète ŋu kpɔe nenema la, ke efia be nusi Biblia gblɔ ɖi ƒe gɔmesese su asiwò, si nye gɔmesese si su ame ʋɛ aɖewo ko si.

19. Nukawo ŋue Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa nɔ nu ƒom tsoe hafi yɔ “dziƒo yeye kple anyigba yeye” si gbɔna?

19 Gake mina míabu nyaa ŋu agayi ŋgɔ vie. Míekpɔ afisi nyagbɔgblɔ “dziƒo yeye kple anyigba yeye” le, eyae nye Yesaya ta 65 eye teƒe bubu si wògadze le enye Petro II, ta 3. Azɔ ʋu Nyaɖeɖefia ta 21, afisi Biblia me nyagbɔgblɔ sia bubu gadze le. Le afisia hã nusiwo ŋu wole nu ƒom le gɔmesese akpe ɖe mía ŋu. Le ta eve do ŋgɔ na ema me, si nye Nyaɖeɖefia ta 19 me la, míekpɔ be woƒo nu le aʋa aɖe si wowɔ ŋu le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ siwo me kɔ nyuie me—gake menye dukɔ eve siwo dome fuléle le dome ʋae o. Amesi le aʋa sia ƒe akpa ɖekae nye “Mawu ƒe Nya.” Ðewohĩ èdze sii be Yesu Kristoe wozãa dzesideŋkɔ sia na. (Yohanes 1:1, 14) Ele dziƒo, eye woa kple dziƒoʋakɔwoe wokpɔ le ŋutega sia me. Amekawoe wole aʋaa wɔm kplii? Ta sia yɔ “fiawo,” “aʋafiawo,” kple amesiwo le ɖoƒe vovovowo, “ɖeviwo kpakple ame tsitsiwo” siaa. Aʋa sia nye Yehowa ƒe ŋkeke si gbɔna, si dzi woaɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le kuraa. (Tesalonikatɔwo II, 1:6-10) Le edziyiyi me la, Nyaɖeɖefia ta 20 dze egɔme ƒo nu tso “da xoxo, si nye Abosam kple Satana” ɖeɖeɖa ŋu. Esia dzra míaƒe susu ɖo be míadzro Nyaɖeɖefia ta 21 me.

20. Tɔtrɔ ɖedzesi kae Nyaɖeɖefia 21:1 ɖe fia be egbɔna?

20 Nya ʋãme siawoe apostolo Yohanes tsɔ dze egɔmee be: “Mekpɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye; elabena gbã dziƒo kple gbã nyigba la nu va yi, eye atsiaƒu megali o.” Le nya siwo míegblɔ le Yesaya ta 65 kple Petro II, ta 3 ŋu ta la, míate ŋu aka ɖe edzi be nya siawo mefia dziƒowo kple míaƒe anyigba la kpakple atsiaƒu siwo le edzi ŋutɔŋutɔ ɖeɖeɖa o. Abe alesi wòdze le ta siwo do ŋgɔ me ene la, ame vɔ̃ɖiwo kple woƒe dziɖuɖuwo, si me dziɖula makpɔmakpɔ si nye Satana hã le, ye woaɖe ɖa. Ẽ, nuɖoanyi yeye si ku ɖe anyigbadzinɔlawo ŋu ƒe ŋugbee wodo le afisia.

21, 22. Yayra kawo ƒe kakaɖedzinyawoe Yohanes gblɔ na mí, eye nukae aɖatsiwo tutuɖa fia?

21 Míakpɔ kakaɖedzi na nya sia ne míedzro nyagblɔɖi wɔnuku sia me yi ŋgɔe. Kpukpui 3 lia ƒe nuwuwu ƒo nu tso ɣeyiɣi si me Mawu anɔ anyi kple ameƒomea, eye wòatrɔ eƒe nyuiwɔname ƒe susu ɖe amesiwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu ŋu la ŋuti. (Xezekiel 43:7) Yohanes yi edzi le kpukpui 4 kple 5 be: “[Yehowa] Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi. Eye amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi la, gblɔ bena: Kpɔ ɖa, mewɔ nuwo katã yeye! Eye wògblɔ be: Ŋlɔe, elabena nya siawo nye nya vavãwo kple nyateƒenyawo.” Nyagblɔɖi tuameɖo ka gbegbee nye si!

22 Tɔ sẽ nàbu nusi gblɔm Biblia le ɖi ŋu kpɔ. “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me.” Mate ŋu anye dzɔdzɔmeɖatsi siwo klɔa míaƒe ŋku siwo nu vena dzi o eye manye dzidzɔɖatsifafa hã ye o. Ao, aɖatsi siwo Mawu atutu ɖae nye aɖatsi siwo míefana le fukpekpe, nuxaxa, dziɖeleameƒo, nuveviwɔame, kple vevesese helĩhelĩ ta. Aleke míawɔ aka ɖe edzi be nusiawoe? Le ŋugbedodo wɔnuku sia me la, wotsɔ aɖatsi siwo Mawu atutu ɖa do ƒome kple ‘ku, konyifafa, ɣlidodo kple veve ƒe anyimanɔmanɔ.’—Yohanes 11:35.

23. Nɔnɔme kawo dzie Yohanes ƒe nyagblɔɖia ɖo kpee be womaganɔ anyi o?

23 Ðe esia menye kpeɖodzi be kansa, gbagbadɔ, dzidɔ, kple ku gɔ̃ hã maganɔ anyi oa? Mía dometɔ ka ƒe amee meku le dɔléle kple afɔku ta, alo le dzɔgbevɔ̃e aɖe me kpɔ o? Mawu le ŋugbe dom le afisia be ku maganɔ anyi akpɔ o, eye ele fiafiam be ɖevi siwo ɖewohĩ woadzi ɣemaɣi dometɔ aɖeke manɔ agbe anɔ mɔ kpɔm be yeava tsi aku amegã alo nyagã—eye yeƒe nuwuwu nanye ku o. Nyagblɔɖi sia fia be tsitsime dɔléle si naa ame ƒe susu mewɔa dɔ nyuie o, ƒumasẽmasẽdɔ, vidzidɔme ƒe tete (fibroid), ŋkutsitsidɔ alo tàsi gɔ̃ hã—siwo nye dɔ siwo lɔ̃a ame tsitsiwo dzi dzedze ŋutɔ—maganɔ anyi o.

24. Aleke “dziƒo yeye kple anyigba yeye” la anye yayrae, eye nuka mee míagadzro?

24 Ðikekemanɔmee la, àlɔ̃ ɖe edzi be ne woɖe ku, amegã kple nyagã kuku, kpakple dɔléle ɖa la, konyifafa kple ɣlidodo dzi aɖe akpɔtɔ. Gake ahedada kolikoli, ŋutasesẽ le ɖeviwo ŋu, kpakple vovototodedeameme le afisi tɔ ame nye alo ame ƒe ŋutigbalẽ ƒe amadede ta si nye ŋutasesẽnuwɔna hã ɖe? Konyifafa kple ɣlidodo nu mayi ne nusiawo—siwo bɔ egbea—gali o. Eyata nusiawo siwo na woxaa nu egbea magblẽ agbenɔnɔ dome le “dziƒo yeye kple anyigba yeye” la me o. Tɔtrɔ gã ka gbegbee nye si! Gake va ɖo fifia la, teƒe ene siwo nyagbɔgblɔ “dziƒo yeye kple anyigba yeye” dze le le Biblia me dometɔ etɔ̃ ŋu koe míelé ŋku ɖo. Ðeka aɖe gali si do ka kple esiwo me míedzro eye eyae nye kpeɖodzi na nusita míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me Mawu awɔ ŋugbe si wòdo be ‘yeawɔ nuwo katã yeyee’ dzi kpakple alesi wòawɔe. Nyati si kplɔe ɖo ƒo nu tso nyagblɔɖi ma kple alesi wòana dzi nadzɔ míi ŋu.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 10 The New English Bible ɖe Psalmo 96:1 gɔme be: “Midzi ha na AƑETƆ la, mi anyigbadzitɔwo katã.” The Contemporary English Version xlẽ be: “Amesiame si le anyigba sia dzi, nedzi kafukafuhawo na AƑETƆ la.” Esia sɔ kple gɔmesesea be Mawu ƒe ame siwo gbɔ va wo denyigba dzi yɔm Yesaya le be “anyigba yeye” la.

Nuka Dzie Nèɖo Ŋkui?

• Teƒe etɔ̃ kawoe Biblia gblɔ nya ɖi tso “dziƒo yeye kple anyigba yeye” ŋu le?

• Aleke “dziƒo yeye kple anyigba yeye” va emee na blema Yudatɔwo?

• Le nya siwo Petro gblɔ nu la, gɔmesese kawo nue “dziƒo yeye kple anyigba yeye” ava eme le?

• Aleke Nyaɖeɖefia ta 21 fia mí be etsɔme nyui aɖe le ŋgɔ?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Abe alesi Yehowa gblɔe ɖii ene la, nusi Kores wɔ la na Yudatɔwo trɔ yi wo denyigba dzi le ƒe 537 D.M.Ŋ. me