Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyanyuigbalẽawo dometɔ etɔ̃ ƒo nu tso nyatoƒoe si woto esi wotsɔ ami xɔasi aɖe kɔ ɖe Yesu ƒe ta me ŋu. Apostoloawo dometɔ geɖe ye to nyatoƒoea loo, alo Yuda ɖeka koe?

Woƒo nu tso nudzɔdzɔ sia ŋu le Mateo, Marko, kple Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽawo me. Edze abe Yuda ye dze nyatoƒoea toto gɔme ene, eye emegbe apostoloawo dometɔ bubuwo hã wɔ ɖeka kplii. Nudzɔdzɔ sia nye kpɔɖeŋu na nusita wòle be míada akpe be Nyanyuigbalẽ ene ƒe nuŋlɔɖie li. Nusi nuŋlɔla ɖesiaɖe ŋlɔ la sɔ, gake menye wo katãe ƒo nu le nya ma ke ŋu tsitotsito o. To nuŋlɔɖi siwo ɖi wo nɔewo tsɔtsɔ sɔ kple wo nɔewo me la, nuwo me va kɔna na mí nyuie eye míesea nudzɔdzɔ geɖewo gɔme tsitotsito.

Nuŋlɔɖi si le Mateo 26:6-13 yɔ teƒea—eyae nye Betania le Simon, dzɔbutɔ la ƒe aƒe me—gake meyɔ nyɔnu si tsɔ ami ʋeʋĩa kɔ ɖe ta me na Yesu ƒe ŋkɔ o. Mateo gblɔ be: “Esi nusrɔ̃lawo kpɔe la, eve dɔme na wo,” eye woto nyatoƒoe be woate ŋu adzra ami la eye woatsɔ ga la ana ame dahewo.

Marko ƒe nuŋlɔɖia ƒo nu tso nya mawo ŋu tsitotsito. Gake egblɔ kpee be ɖe nyɔnua gbã goe la. “Nardomi nyuitɔ” si ʋẽna lilili, si woanya dɔ tso India ye nɔ eme. Marko ka nya ta ku ɖe nyatoƒoetotoa ŋu be “eve dɔme na wo dometɔ aɖewo” eye “woblu ɖe eta li liʋiliʋi le eŋuti.” (Marko 14:3-9) Eyata nuŋlɔɖi eveawo ɖee fia be apostolo si wu ɖeka ye to nyatoƒoea. Gake aleke esia dze egɔmee?

Yohanes, amesi nye eteƒekpɔla gblɔ nya vevi siwo ku ɖe nya la ŋu kpee. Eyɔ nyɔnua ƒe ŋkɔ—be Maria, si nye Marta kple Lazaro nɔvinyɔnu. Yohanes gblɔ nya bubu si hã míate ŋu abu be ekɔ nu me tsɔ wu be wòatsi tre ɖe bubuawo tɔ ŋu be: “[Esi] ami ɖe Yesu ƒe afɔwo ŋuti, eye wòtutu eƒe afɔwo ŋuti kple eƒe taɖa.” Ne míetsɔ nuŋlɔɖiawo sɔ kple wo nɔewo la, míate ŋu akpɔe be Maria anya kɔ ami si ŋu Yohanes gblɔ le be enye “nardomi nyuitɔ” ɖe Yesu ƒe ta me kple afɔwo ŋuti. Yohanes nɔ anyi ɖe Yesu gbɔ tututu eye ɖewohĩ anya ve dɔme nɛ be wo dometɔ aɖe medi be woade bubu Yesu ŋu o. Míexlẽ be: “Yuda Iskariot, si nye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka, amesi le eyome mɔ fia ge la, gblɔ be: ‘Nukaŋuti womedzra ami sia xɔ denario alafa etɔ̃, eye woatsɔe ana ame dahewo o mahã?’”—Yohanes 12:2-8.

Ele eme baa be Yuda nye “eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka,” gake àte ŋu ase nusita dɔme ve Yohanes be ame aɖe, si le ɖoƒe sia le ɖoɖo wɔm be yeade Yesu asi la gɔme. Gbegɔmeɖela Ðk. C. Howard Matheny gblɔ tso Yohanes 12:4 ŋu be: “Nya ‘ele’ si fia nusi le edzi yim kple ‘le eyome mɔ fia ge’ si nye dɔwɔnya si fia nusi le dzɔdzɔm la siaa nye nuwɔna siwo kplɔ wo nɔewo ɖo alo esi le edzi yim. Esia fia be Yuda ƒe Yesu dede asi menye nuwɔna si va eme le vome le ɣeyiɣi kpui aɖe me o, ke enye nusi ŋu wode ŋugble le hewɔ ɖoɖo le nyuie ŋkeke geɖe.” Yohanes gblɔ nusita Yuda to nyatoƒoe ɖo be: “Menye ame dahewo nu vem wòle o, ke boŋ fiafitɔ wònye, eye gakotoku la le esi, eye wòfia nusiwo wodzɔna dana ɖe eme.”

Eyata susu le eme be Yuda fiafitɔ lae nye amesi dze nyatoƒoetotoa gɔme, elabena akpɔ ga geɖe afi ne ɖe wodzra ami xɔasi la hetsɔ gaa de nudzɔɖaka si dzi kpɔm wòle me. Esi Yuda dze nyatoƒoea toto gɔme ko la, apostoloawo dometɔ aɖewo anya li liʋiliʋi tsɔ de nusi dze abe nya si me susu le ene la dzi. Gake Yudae nye amesi koŋ dze nyatoƒoetotoa gɔme.