Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xexeme Yeyea—Ànɔ Afimaa?

Xexeme Yeyea—Ànɔ Afimaa?

Xexeme Yeyea—Ànɔ Afimaa?

“Nu nyui aɖeke meli na wo wu be, woakpɔ dzidzɔ, eye woaɖu agbe le woƒe agbenɔɣi o. Ke be ame aɖe naɖu nu ano nu, eye wòanyo nɛ le eƒe agbagbadzedzewo katã me la, Mawu ƒe nunanae.”—NYAGBLƆLA 3:12, 13.

1. Nukatae míate ŋu akpɔ mɔ na nu nyuiwo le etsɔme?

AME geɖe bua Mawu Ŋusẽkatãtɔ la be enye amesi ƒe nya me sẽ eye wòtea tɔ ɖe nya dzi. Gake mawunyakpukpui si le etame nye nyateƒenya si nàkpɔ le eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la me. Esɔ ɖe ‘Mawu dzidzɔtɔ’ si wònye kple alesi wòda mía dzila gbãtɔwo ɖe anyigba dzi paradiso mee la nu. (Timoteo I, 1:11; Mose I, 2:7-9) Ne míele nu me kum be míanya etsɔme si ŋugbe Mawu do na eƒe amewo la, mele be wòawɔ nuku na mí ne míeke ɖe nɔnɔme siwo ana míakpɔ dzidzɔ mavɔ ŋu o.

2. Nusiwo nèle mɔ kpɔm na dometɔ aɖewoe nye kawo?

2 Le nyati si do ŋgɔ me la, míedzro teƒe ene siwo Biblia gblɔ “dziƒo yeye kple anyigba yeye” ŋu nya ɖi le la dometɔ etɔ̃ me. (Yesaya 65:17) Woŋlɔ nyagblɔɖi siawo siwo ŋu kakaɖedzi le la dometɔ ɖeka ɖe Nyaɖeɖefia 21:1. Kpukpui siwo kplɔe ɖo ƒo nu tso ɣeyiɣi si me Mawu Ŋusẽkatãtɔ la atrɔ nuwo le anyigba dzi kura be woanyo wu tsã la ŋuti. Atutu nuxaxaɖatsiwo ɖa. Amewo magaku le amegã alo nyagã kuku, dɔléle, alo afɔkuwo ta azɔ o. Konyifafa, ɣlidodo, kple vevesese nu ayi. Mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname ka gbegbee nye si! Gake ɖe míate ŋu aka ɖe edzi be ava emea, eye dɔ kae mɔkpɔkpɔ sia awɔ ɖe mía dzi fifi laa?

Nusiwo Ta Míaka Ðe Edzi

3. Nukatae míate ŋu aka ɖe ŋugbe si Biblia do le etsɔme ŋu dzi?

3 Kpɔ alesi Nyaɖeɖefia 21:5 yi nyaa dzii ɖa. Egblɔ nya si Mawu, amesi bɔbɔ nɔ fiazikpui dzi le dziƒo gblɔ, be: ‘Kpɔ ɖa! Mele nuwo katã wɔm yeyee.’ Mawu ƒe ŋugbedodo ma nyo wu dukɔwo ƒe ablɔɖexɔxɔ ɖesiaɖe, gomenɔamesise ɖesiaɖe si li egbea, alo nusianu si amewo ɖo be yewoawɔ le etsɔme. Enye nyagbɔgblɔ si ŋu kakaɖedzi blibo le si Amesi Biblia gblɔ be ‘mate ŋu aka aʋatso o’ gblɔ. (Tito 1:2) Míase eme na wò ne ewɔ na wò be míatɔ ɖe afisia abu alesi etsɔme nyui sia avivii ŋu eye míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu ko. Gake mehiã be míatɔ o. Nya bubu geɖe gali míasrɔ̃ tso míaƒe etsɔme ŋu.

4, 5. Biblia ƒe nyagblɔɖi kawo mee míedzro xoxo siwo ate ŋu ana míagaka ɖe nusiwo le ŋgɔ dzi geɖe wu?

4 Tɔ sẽ nàbu nusi dzi míeɖo kpee le nyati si do ŋgɔ me ku ɖe dziƒo yeye kple anyigba yeye siwo ƒe ŋugbe wodo le Biblia me ŋu kpɔ. Yesaya gblɔ nuɖoanyi yeye sia ƒe nya ɖi, eye eƒe nyagblɔɖia va eme esime Yudatɔwo trɔ gbɔ va wo denyigba dzi gagbugbɔ ɖo tadedeagu vavã anyi. (Ezra 1:1-3; 2:1, 2; 3:12, 13) Gake nusiwo ŋu Yesaya ƒe nyagblɔɖia ku ɖo katã koe nye ema? Kura o! Nusiwo wògblɔ ɖi ava eme le mɔ si lolo wu nu le ɣeyiɣi didi aɖe megbe. Nukatae míeƒo nya ta alea? Le nusi míexlẽ le Petro II, 3:13 kple Nyaɖeɖefia 21:1-5 tae. Mawunyakpukpui mawo me nyawo fia asi dziƒo yeye kple anyigba yeye siwo me yayrawo anɔ na Kristotɔwo le anyigba dzi godoo.

5 Abe alesi míegblɔe va yi ene la, wozã nyagbɔgblɔ “dziƒo yeye kple anyigba yeye” zi ene le Biblia me. Míedzro wo dometɔ etɔ̃ me eye míeke ɖe nya dedziƒoname aɖewo ŋu. Biblia gblɔe ɖi tẽ be Mawu aɖe vɔ̃ɖinyenye kple nu bubu siwo hea fukpekpe vɛ ɖa eye wòagayra ameƒomea le eƒe nuɖoanyi yeye si ƒe ŋugbe wòdo me.

6. Nya kae wogblɔ ɖi le nyagblɔɖi enelia si me woyɔ “dziƒo yeye kple anyigba yeye” le la me?

6 Azɔ mina míalé ŋku ɖe teƒe mamlɛa si nyagbɔgblɔ “dziƒo yeye kple anyigba yeye” dze le ŋu, le Yesaya 66:22-24: “Yehowa be: Alesi dziƒo yeye kple anyigba yeye, si wɔ ge mala la, anɔ anyi le ŋkunye mee la, nenema ke miaƒe ƒome kple miaƒe ŋkɔ anɔ anyi tegbee. Eye wòava me, ne dzinu yeye kple dzudzɔgbe sia dzudzɔgbe ɖo la, ŋutilãwo katã ava ado gbe ɖa le ŋkunye me, Yehowa ye gblɔe! Eye woado ayi, be woakpɔ amesiwo dze go ɖem la ƒe kukuwo; elabena woƒe nyẽwo maku o, woƒe dzo matsi o, eye woanye ŋunyɔ na ŋutilãwo katã.”

7. Nukatae wòle be míaƒo nya ta be Yesaya 66:22-24 ava eme le ɣeyiɣi siwo gbɔna me?

7 Nyagblɔɖi sia va eme na Yudatɔ siwo trɔ gbɔ va wo denyigba dzi, gake emevava bubu gali. Esia anye ɣeyiɣi geɖe le esime woŋlɔ Petro ƒe agbalẽ evelia kple Nyaɖeɖefia vɔ megbe, elabena wofia asi “dziƒo yeye kple anyigba yeye” si le etsɔme. Míate ŋu akpɔ mɔ be ava eme le mɔ si wɔ nuku eye wòde blibo wu nu le nuɖoanyi yeyea me. Bu nɔnɔme siwo míate ŋu akpɔ mɔ be míase vivi na dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

8, 9. (a) Gɔmesese ka nue Mawu ƒe amewo “anɔ anyi tegbee” le? (b) Nuka fiam nyagblɔɖia le esi wòbe Yehowa subɔlawo asubɔe “ne dzinu yeye sia dzinu yeye kple dzudzɔgbe sia dzudzɔgbe ɖo”?

8 Nyaɖeɖefia 21:4 ɖee fia be ku maganɔ anyi o. Nya siwo le Yesaya ta 66 wɔ ɖeka kplii. Míate ŋu akpɔe le kpukpui 22 lia me be Yehowa nya be dziƒo yeyea kple anyigba yeyea manye nusiwo anɔ anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko o. Gakpe ɖe eŋu la, eƒe amewo anɔ anyi ɖaa; ‘woanɔ eŋkume tegbee.’ Nusi Mawu wɔ na eƒe ame tiatiawo xoxo nye susu si ta kakaɖedzi le mía si. Woti Kristotɔ vavãtɔwo yome vevie, eye zazɛ̃nyahelawo dze agbagba ɖesiaɖe gɔ̃ hã be yewoaɖe wo ɖa kura. (Yohanes 16:2; Dɔwɔwɔwo 8:1) Gake futɔ siwo sẽ ale gbegbe, abe Roma Fiagã Nero kple Adolf Hitler ene, gɔ̃ hã mete ŋu ɖe Mawu ƒe nuteƒewɔlawo, amesiwo ŋu eƒe ŋkɔ le ɖa o. Yehowa kpɔ eƒe amewo ƒe hamea ta, eye míeka ɖe edzi be ayi edzi alé wo ɖe te.

9 Nenema ke amesiwo wɔ nuteƒe na Mawu eye wozu anyigba yeyea dzi nɔlawo, amesiwo nye esubɔla vavãtɔwo ƒe xexeme yeyea me habɔbɔa me tɔ ɖesiaɖe ayi edzi anɔ anyi elabena woanɔ tadedeagu dzadzɛ tsɔm na nuwo katã Wɔla la. Manye tadedeagu si woanɔ anyi ʋuu awɔ zi ɖeka alo awɔe ɖe kple ɖee o. Se si Mawu de na Israel to Mose dzi bia be woanɔ subɔsubɔnuwɔna aɖewo wɔm dzinu sia dzinu, ne dzinu yeye dze dzi, kple kwasiɖa sia kwasiɖa, le Sabat-ŋkeke dzi. (Mose III, 24:5-9; Mose IV, 10:10; 28:9, 10; Kronika II, 2:3) Eyata tadedeagu si woanɔ Mawu nam ɖaa dzinu sia dzinu kple kwasiɖa sia kwasiɖa ŋu nyae wogblɔ ɖi le Yesaya 66:23. Mawudzimaxɔse kple subɔsubɔhawo ƒe alakpanuwɔwɔ maganɔ anyi ɣemaɣi o. “Ŋutilãwo katã ava ado gbe ɖa le [Yehowa ŋkume].”

10. Nukatae nàte ŋu aka ɖe edzi be ame vɔ̃ɖiwo mayi edzi agblẽ xexe yeyea dome o?

10 Yesaya 66:24 na kakaɖedzi mí be ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye si anɔ anyigba yeyea dzi me magblẽ akpɔ gbeɖe o. Ame vɔ̃ɖiwo magblẽ edome o. Ðo ŋku edzi be Petro II, 3:7 gblɔ be nusi le mía ŋgɔ gbɔnae nye “ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple gbegblẽ ƒe ŋkeke.” Ame mavɔ̃mawuwo nue gbɔna yiyi ge. Vɔ̃ aɖeke madzɔ ɖe fɔmaɖilawo dzi, abe alesi wòdzɔna zi geɖe le amegbetɔwo ƒe aʋawɔwɔ, siwo me dumevi siwo kuna sɔa gbɔ wu asrafowo ene o. Ʋɔnudrɔ̃la Gã la ka ɖe edzi na mí be yeƒe ŋkekea anye ame mavɔ̃mawuwo tsrɔ̃gbe.

11. Nukae Yesaya ɖe fia be adzɔ ɖe amesiwo tsi tre ɖe Mawu kple eƒe tadedeagu ŋu dzi le etsɔme?

11 Ame dzɔdzɔe siwo atsi agbe la akpɔe be nyateƒee Mawu ƒe nyagblɔɖinyaa nye. Kpukpui 24 lia gblɔ ɖi be ‘amesiwo dze go ɖe Yehowa nu ƒe ŋutilã kukuwo’ anye eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe kpeɖodzi. Alesi Yesaya gblɔ nyaawo tẽ la aɖi abe ɖe medze to o ene. Gake esɔ ɖe ŋutinya me nudzɔdzɔ aɖe nu. Aɖukpowo nɔ Yerusalem-gliawo godo, eye ɣeaɖewoɣi wotsɔa nugbegblẽwɔla vɔ̃ɖi siwo wotso nya me be womedze be woaɖi wo bubutɔe o la ƒe kukuawo ƒua gbe ɖe afima. * Mexɔa ɣeyiɣi aɖeke hafi nyẽwo ɖua gbeɖuɖɔawo kple ame kuku mawo eye dzo si nu sẽ biaa wo wozua afi o. Edze ƒã be Yesaya zã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ sia tsɔ fia alesi wòanye ʋɔnu matrɔmatrɔ si Yehowa adrɔ̃ sedzidalawoe.

Nusi ƒe Ŋugbe Wòdo

12. Nu bubu kawoe Yesaya gagblɔ tso alesi agbe anɔ le xexe yeyea me ŋu?

12 Nyaɖeɖefia 21:4 gblɔ nusiwo manɔ nuɖoanyi yeye si gbɔna me o dometɔ aɖewo na mí. Gake nukawoe anɔ anyi ɣemaɣi? Aleke agbe anɔ? Ðe míate ŋu akpɔ eŋuti nyatakaka aɖewo siwo dzi míate ŋu aka ɖoa? Ẽ. To nyagblɔɖi me la, Yesaya ta 65 gblɔ alesi nuwo anɔ na mí ne Yehowa ve mía nu be míanɔ agbe, le ɣeyiɣi si me wòawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeyea le gɔmesese si de blibo keŋkeŋ nu. Amesiwo nu wove be woanɔ anyigba yeyea dzi tegbee la magaku amegã alo nyagã eye mlɔeba woava ku o. Yesaya 65:20 ka ɖe edzi na mí be: “Ðevi, si xɔ ŋkeke ʋɛ alo amegã ɖeɖi, si ƒe ŋkeke mede keŋ o la, maganɔ afima o; elabena amesi xɔ ƒe alafa hafi ku la, ɖevie, eye nuvɔ̃wɔla, si xɔ ƒe alafa la, fiƒode ava edzi.”

13. Aleke Yesaya 65:20 na kakaɖedzi mí be Mawu ƒe amewo anɔ dedie?

13 Esime nya sia va eme na Yesaya detɔwo zi gbãtɔ la, efia be vidzĩwo nɔ dedie le anyigbaa dzi. Futɔ aɖeke megavana abe alesi Babilontɔwo va kɔ vinonowo dzoe kpɔ alo wu amewo le woƒe sɔhɛmenɔɣi ene o. (Kronika II, 36:17, 20) Le nuɖoanyi yeye si gbɔna me la, amewo anɔ dedie, wo ŋu afa, eye woase vivi na agbe. Ne ame aɖe be yeadze aglã ɖe Mawu ŋu la, womaɖe mɔ nɛ be wòaganɔ agbe o. Mawu aɖee ɖa. Ke ne aglãdzela wɔnuvɔ̃a xɔ ƒe alafa ɖe? Aku ‘abe ɖevi dzaa ene’ ɖe agbe si nuwuwu meli na o nɔnɔ teƒe.—Timoteo I, 1:19, 20; Timoteo II, 2:16-19.

14, 15. Le nya siwo le Yesaya 65:21, 22 nu la, dɔwɔna tseku kawoe nàte ŋu akpɔ mɔ na?

14 Le esi teƒe be Yesaya nanɔ nu ƒom legbee tso alesi woawɔ aɖe amesiwo ɖoa nuvɔ̃ wɔna ɖa ŋu la, eƒo nu tso nɔnɔme siwo anɔ anyi le xexe yeyea me boŋ ŋu. Dze agbagba nàkpɔ nɔnɔmea ɖa le susu me be ye hã yele afima. Nusiwo ava susu me na wò gbãe nye nusiwo tsɔ ɖe aƒe gbɔ na wò wu. Eya dzie Yesaya he susu yii le kpukpui 21 kple 22 lia me, be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o; elabena nye dukɔ atsi, abe alesi ati tsinae ene, eye nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo.”

15 Ne mènya xɔtutu o alo mènya naneke tso abɔwɔwɔ ŋu o la, ke Yesaya ƒe nyagblɔɖia me nyawo fia be nane li nègbɔna sɔsrɔ̃ ge. Gake ɖe madzɔ dzi na wò be nufiala bibi siwo nya eŋu nyuie nakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃e, eye ɖewohĩ aƒelika siwo alɔ̃ kple dzidzɔ faa nakpe ɖe ŋuwò oa? Yesaya megblɔ be fesre gãwoe anɔ wò xɔa ŋu eye fesrenuvɔ nanɔ wo nu be ya fafɛ naƒo ɖe xɔa me, alo fesreawo anye ahuhɔ̃e ale be nànɔ xexe kpɔm o. Ðe nàgba wò aƒea etame nabi va anyi nyuie be tsi kple sno magaxa ɖe edzi oa? Alo ɖe yame ƒe nɔnɔme abia be nàgba etame gbadzaa—abe Titina Ɣedzeƒe xɔwo ene—be mia kple wò ƒomea mianɔ etame aɖu nu viviwo ahaɖo dzea?—Mose V, 22:8; Nexemya 8:16.

16. Nukatae nàte ŋu akpɔ mɔ be amewo ƒe dzi adze eme ɖaa le xexe yeyea me?

16 Nusi le vevie wu nya suesue mawo nyanyae nye be aƒe anɔ wò ŋutɔ asiwò. Anye tɔwò—manye abe egbea si nàdze agbagba ʋuu atu xɔ wòava zu ame bubu nɔƒe ene o. Yesaya 65:21 gblɔ be àde agble aɖu eme kutsetsewo. Esia na nɔnɔme bliboa me kɔ ƒã. Àse vivi deto na wò agbagbadzedzewo, àɖu wò ŋutɔ wò dɔwɔwɔ me kutsetsewo. Ànɔ nusiawo ƒe vivi sem ɣeyiɣi didi—“abe alesi ati tsinae ene.” Ðikekemanɔmee la, esia sɔ ɖe nyagbɔgblɔa nu be “[wowɔ] nuwo katã yeyee”!—Psalmo 92:12-14.

17. Ŋugbedodo kae anye dzideƒonya vevietɔ na dzilawo?

17 Ne dzilae nènye la, nya siawo awɔ dɔ ɖe dziwò: “Womadze agbagba dzodzro o, eye womadzi dzikudziku o; elabena Yehowa ƒe ame yayrawo ƒe ƒome wonye, eye wo viwo le wo ŋu. Eye wòava me be, matɔ, hafi woava yɔm, eye ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee.” (Yesaya 65:23, 24) Ènya alesi wòvena be ‘woadzi vi ɖevia nava nɔ fu kpema’? Mehiã be míayɔ kuxi vovovo siwo nɔa ɖeviwo ŋu si nyea fuɖeɖe na wo dzilawo kple ame bubuwo o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míekpɔa dzila siwo woa ŋutɔ woƒe dɔwɔɖuiwo, wɔnawo, alo vivisesewo xɔa ɣeyiɣi kple susu me na ale gbegbe be womegakpɔa vovo ɖe wo viwo ŋu o. Gake Yehowa ka ɖe edzi na mí be yease míaƒe nuhiahiãwo awɔ wo na mí, eye be yeawɔ wo hafi míava bia wo kura gɔ̃ hã.

18. Nukatae nàte ŋu akpɔ mɔ be yeakpɔ dzidzɔ kple lãwo le xexe yeyea me?

18 Ne èle nusiwo ƒe vivi nàse le xexe yeyea me ŋu bum la, na nɔnɔme si ŋu Mawu ƒe nyagblɔɖinyaa ƒo nu le la nanɔ susu me na wò: “Amegãxi kple alẽvi woaɖu gbe le wo nɔewo gbɔ, dzata aɖu gbe abe nyi ene, eye da ƒe nuɖuɖu anye kewɔ. Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye to kɔkɔe blibo la dzi o, Yehowa ye gblɔe!” (Yesaya 65:25) Amegbetɔ nutalawo dze agbagba be yewoata nɔnɔme sia, gake menye nutata si me nutalaa taa nusiwo medzɔna ŋutɔŋutɔ o siwo eya ŋutɔ kpɔ le susu me ko o. Nu ŋutɔŋutɔe wòanye. Ŋutifafa anɔ amewo dome, eye nenema ke ŋutifafa anɔ wo kple lãwo hã domee. Nugbagbeŋutinunyala kple amesiwo lãwo ƒe nu doa dzidzɔ na zãa woƒe agbenɔƒe ƒe akpa gãtɔ nɔa nu srɔ̃m tso lã ƒomevi ʋɛ aɖewo ko ŋu alo lã ɖeka ma ƒomevi aɖe ko ŋue wote ŋu srɔ̃a nu tsoe. Gake bu nusi nàte ŋu asrɔ̃ esime vɔvɔ̃ na amegbetɔ maganyã lãwo ɖa le ŋuwò o ŋu kpɔ. Ekema àte ŋu ate ɖe xeviwo kple lã sue siwo nɔa ave alo avetsu dodowo me gɔ̃ hã ŋu—ẽ, àte ɖe wo ŋu, alé ŋku ɖe wo ŋu, ahakpɔ dzidzɔ kple wo. (Hiob 12:7-9) Àte ŋu awɔ nusiawo dedie, eye mànɔ vɔvɔ̃m na ame alo lã aɖeke o. Yehowa gblɔ be: “Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye to kɔkɔe blibo la dzi o.” Tɔtrɔ gã ka gbegbee nye si to vovo tso nusiwo teƒe míekpɔna kple nusiwo dzɔna egbea gbɔe alea!

19, 20. Nukatae Mawu ƒe amewo to vovo kura tso ame akpa gãtɔ siwo li egbea gbɔ?

19 Míekpɔe do ŋgɔ be amegbetɔwo mate ŋu agblɔ etsɔme ɖi wòasɔ pɛpɛpɛ o, togbɔ be wotsi dzi ɖe ƒe akpe yeyea ŋu le afisiafi hã. Esia na dzi ɖe le ame geɖe ƒo, wotɔtɔ, alo mɔkpɔkpɔ bu ɖe wo. Peter Emberley si nye Canada ƒe yunivɛsiti aɖe dzikpɔla ŋlɔ be: “[Ame tsitsi] geɖe va le ŋgɔ dzem amegbetɔ ƒe anyinɔnɔ ŋu biabia veviwo mlɔeba. Woawoe nye, Amekae menye? Nuka tututu ƒe hloloe tsomee mele? Nuka gblẽm mele ɖi na megbeviwo? Esi wote tu amegãkuku la, wole agbagba dzem kpem be ɖoɖo kple gɔmesese nanɔ yewoƒe agbe ŋu.”

20 Àte ŋu ase nusita wòle alea na ame geɖe gɔme. Wowɔa dɔ aɖewo tsɔ ɖea modzakae alo wokpɔa gome le modzakaɖeɖe dodzidzɔname vovovo me kple susu be yewoase vivi na agbe. Ke hã womenya etsɔme o, eyata wobunɛ be viɖe aɖeke mele agbe sia ŋu o, ɖoɖo, alo gɔmesese gobi aɖeke mele eŋu o. Azɔ le nusiwo me míedzro va yi nu la, tsɔ wò agbenɔnɔ sɔ kple wo tɔ kpɔ. Wò ya ènya be le dziƒo yeye kple anyigba yeye siwo ƒe ŋugbe Yehowa do me la, míate ŋu atsa ŋku godoo agblɔ tso dzi me be, ‘Vavãe, Mawu nya wɔ nuwo katã yeyee!’ Míase vivi le eme ale gbegbe!

21. Nya siwo ɖi wo nɔewo kawoe míekpɔ le Yesaya 65:25 kple Yesaya 11:9?

21 Menye ɖokuidodoɖedzi wònye be míatsɔ susu akpɔe be míele Mawu ƒe xexe yeyea me o. Ele mía kpem, eye ele nu xlɔ̃m mí gɔ̃ hã be míade ta agu na ye le nyateƒe me fifia bene míadze na agbenɔnɔ le ɣeyiɣi si me ‘womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava yeƒe to kɔkɔe bliboa dzi o.’ (Yesaya 65:25) Gake ènya be Yesaya gblɔ nya sia ƒomevi va yi, eye be egblɔ nane si hiã vevie hena míaƒe vivisese le xexe yeyea mea? Yesaya 11:9 gblɔ be: “Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye tonyigba kɔkɔe blibo la dzi o; elabena sidzedze Yehowa xɔ anyigba la dzi, abe alesi tsi yɔ atsiaƒu me ene.”

22. Ele be Biblia ƒe nyagblɔɖi ene siwo me míedzro nagado ŋusẽ mí míaɖoe kplikpaa be míawɔ nuka?

22 Eyae nye “sidzedze Yehowa.” Ne Mawu wɔ nuwo katã yeyee la, anyigbadzinɔlawo adze si eyama kple eƒe lɔlɔ̃nu. Ema lɔ nu geɖe ɖe eme wu nu sɔsrɔ̃ tso lã siwo wòwɔ ko ŋu. Elɔ Eƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la ɖe eme. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nusi gbegbe ŋu míeke ɖo esi míedzro nyagblɔɖi ene siwo ƒo nu tso “dziƒo yeye kple anyigba yeye” me ŋu kpɔ. (Yesaya 65:17; 66:22; Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 21:1) Susu nyui aɖewo tae wòle be nàxlẽ Biblia gbesiagbe ɖo. Ðe wònye wò gbesiagbenuwɔnawo ƒe akpa aɖea? Ne menye eƒe akpa aɖe o la, asitɔtrɔ kawoe nàte ŋu awɔ be nàte ŋu axlẽ nya siwo le Mawu si la ƒe ɖewo gbesiagbe? Àkpɔe be tsɔ kpe ɖe mɔkpɔkpɔ si anɔ asiwò be yeanɔ xexe yeyea me ŋu la, àse vivi geɖe ŋutɔ fifi laa, abe alesi hakpala la hã see ene.—Psalmo 1:1, 2.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 11 Kpɔ Insight on the Scriptures, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe Babla 1, axa 906.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukatae míate ŋu aƒo nya ta be nusi le ŋgɔ gbɔnae Yesaya 66:22-24 gblɔ ɖi?

• Le nusiwo woyɔ le nyagblɔɖi siwo le Yesaya 66:22-24 kple Yesaya 65:20-25 me nu la, wo dometɔ kawoe nèle mɔ kpɔm na vevietɔ?

• Susu kawo tae kakaɖedzi le asiwò ɖe etsɔme ŋu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 15]

Yesaya, Petro, kple Yohanes gblɔ “dziƒo yeye kple anyigba yeye” la ŋu nyawo ɖi