Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yehowa ƒe Ŋusẽ Nefa Akɔ na Wò

Yehowa ƒe Ŋusẽ Nefa Akɔ na Wò

Yehowa ƒe Ŋusẽ Nefa Akɔ na Wò

“Mele ŋugble geɖe dem le nye dzi me, ke wò akɔfaname doa dzidzɔ na nye luʋɔ.”—PSALMO 94:19.

AKƆFANYAWO le Biblia me na amesiwo katã le akɔfafa dim vevie. Eyata mewɔ nuku o be The World Book Encyclopedia gblɔ be “le xaxaɣiwo kple ɣeyiɣi siwo me amewo menyaa nusi woawɔ o la, ame gbogbo aɖewo trɔna ɖe Biblia ŋu hena akɔfafa, mɔkpɔkpɔ, kple mɔfiame.” Nukatae?

Elabena Biblia tso mía Wɔla lɔlɔ̃tɔ, “akɔfafawo katã ƒe Mawu la, amesi faa akɔ na mí le míaƒe xaxawo katã me” gbɔ. (Korintotɔwo II, 1:3, 4) Eyae nye ‘Mawu si faa akɔ na ame.’ (Romatɔwo 15:5) Yehowa wɔ eƒe kpɔɖeŋu esi wòwɔ ɖoɖo si dzi wòato ana gbɔdzɔe mí katã. Edɔ eƒe Tenuvi, Kristo Yesu, ɖo ɖe anyigba dzi be wòana mɔkpɔkpɔ kple akɔfafa mí. Yesu fia nu be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Biblia ɖɔ Yehowa be enye ‘míaƒe xɔname ƒe Mawu si tsɔa míaƒe agbawo gbeawotsyogbe.’ (Psalmo 68:20) Amegbetɔ mawuvɔ̃lawo ate ŋu agblɔ dzideƒotɔe be: “Metsɔa Yehowa ɖoa ŋkunye me ɖaa; ne ele nye nuɖusi me la, ke maɖe le tenye o.”—Psalmo 16:8.

Biblia me nya siawo tɔgbe ɖea lɔlɔ̃ deto si le Yehowa Mawu si na mí amegbetɔwo fiana. Eme kɔ ƒã be edi tso dzi me ke—eye ŋutete le esi hã—be wòana akɔfafa geɖe mí ahaɖe míaƒe vevesese dzi akpɔtɔ ne míele fu kpem. “Eyae naa lãmesesẽ amesiwo ŋu ɖeɖi te, eye wònaa ŋusẽ geɖe ame beliwo.” (Yesaya 40:29) Ekema aleke Yehowa ƒe ŋusẽ ate ŋu afa akɔ na míi?

Alesi Yehowa ƒe Ðetsɔleme Faa Dzie

Hakpala ŋlɔ bena: “Tsɔ wò nyawo dro ɖe Yehowa dzi, eyae akpɔ tawò; emana ke naɖe le ame dzɔdzɔe te akpɔ gbeɖe o.” (Psalmo 55:23) Ẽ, Yehowa Mawu tsɔ ɖe le eme na ameƒomea. Apostolo Petro na kakaɖedzi ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo be: “[Mawu] léa be na mi.” (Petro I, 5:7) Yesu Kristo te gbe ɖe asixɔxɔ si Mawu dea amegbetɔwo ŋu dzi esime wògblɔ be: “Alo womedzraa atsutsre atɔ̃ xɔa hotakpo oa? Eye womeŋlɔ wo dometɔ aɖeke be le Mawu ƒe ŋku me o. Ke woxlẽ miaƒe taɖawo katã hã. Migavɔ o; mia tɔ vena wua atsutsre geɖewo tɔ.” (Luka 12:6, 7) Míexɔ asi na Mawu ale gbegbe be eléa ŋku ɖe nu suetɔ kekeake gɔ̃ hã ŋu le mía ŋu. Enya nusiwo mía ŋutɔwo míenya o elabena etsɔ ɖe le eme na mí vevie.

Esi Svetlana, ɖetugbi si nye gbolo si ŋutinya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me se alesi Yehowa tsɔ ɖe le eme vevie na eyamae la, efa akɔ nɛ. Edo go Yehowa Ðasefowo esime wòbe yeawu ye ɖokui. Emegbe elɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye, eye ekpe ɖe eŋu wòva nya Yehowa be enye ame ŋutɔŋutɔ si tsɔ ɖe le yeƒe nyonyo me. Esia ɖo dzi gbɔ nɛ, eye eʋãe be wòtrɔ eƒe agbenɔnɔ hetsɔ eɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu. Esia na Svetlana de asixɔxɔ eɖokui ŋu hã, eye eyae nye nusi hiãe togbɔ be kuxiwo le eŋu hã la, wòate ŋu ado vevie nu eye be nukpɔsusu nyui nanɔ esi le agbe ŋu. Egblɔ azɔ be: “Meka ɖe edzi be Yehowa magblẽm ɖi akpɔ o. Mekpɔe be nusi woŋlɔ ɖe Petro I, 5:7 la nye nyateƒe. Afima gblɔ be: ‘Mitsɔ miaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe [Yehowa] dzi; elabena eyama léa be na mi.’”

Mɔkpɔkpɔ si Wotu Ðe Biblia Dzi Naa Akɔfafa

Mɔ ɖeka aɖe si dzi Mawu tona naa akɔfafa enye to eƒe Nya si woŋlɔ ɖi, si me etsɔme mɔkpɔkpɔ wɔnuku le dzi. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Nusi ke woŋlɔ ɖi tsã la, woŋlɔe le míaƒe nufiafia ta, bene míatsɔ ŋɔŋlɔawo ƒe dzidodo kple akɔfafa akpɔ mɔkpɔkpɔ.” (Romatɔwo 15:4) Paulo na kadodo si le mɔkpɔkpɔ vavã kple akɔfafa dome la me kɔ nyuie esime wòŋlɔ bena: “Mawu, mía Fofo, amesi lɔ̃ mí, eye wòtsɔ akɔfafa mavɔmavɔ kple mɔkpɔkpɔ nyui na mí to amenuveve me la, nafa akɔ na miaƒe dziwo, eye wòado ŋusẽ mi le dɔwɔwɔ nyui kple nya nyui katã me.” (Tesalonikatɔwo II, 2:16, 17) “Mɔkpɔkpɔ nyui” sia ƒe akpa aɖee nye agbe deblibo si me dzidzɔkpɔkpɔ anɔ eye nuwuwu manɔe nɛ o la nɔnɔ le paradisonyigba dzi.—Petro II, 3:13.

Mɔkpɔkpɔ nyui sia si ŋu kakaɖedzi le lae de dzi ƒo na Laimonis, lãmetututɔ ahamula si ƒe nya míegblɔ le nyati si do ŋgɔ me. Esi wònɔ Yehowa Ðasefowo ƒe Biblia-srɔ̃gbalẽ xlẽm la, dzi dzɔe be yesrɔ̃ nu tso xexeme yeyea si dzi Mawu ƒe Fiaɖuƒea aɖu, afisi woate ŋu ada gbe le eŋu keŋkeŋ le la ŋu. Exlẽ nu tso nukugbedada sia si ƒe ŋugbe wodo le Biblia me ŋu be: “Ekema ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu, eye tokunɔwo ƒe to aʋu; ekema xɔdrɔ̃wo ati kpo abe zi ene, eye aɖetututɔwo ƒe aɖe atso aseye.” (Yesaya 35:5, 6) Be Laimonis nate ŋu adze na agbenɔnɔ le Paradisoa me la, ewɔ tɔtrɔ ɖedzesiwo. Eɖe asi le aha muamewo nono ŋu, eye eƒe aƒelikawo kple ame nyanyɛwo kpɔ tɔtrɔ siwo wòwɔ. Fifia, ele Biblia srɔ̃m kple ame geɖe hele akɔfafa si mɔkpɔkpɔ si wotu ɖe Biblia dzi nana la gblɔm fia ame bubuwo.

Akpa si Gbedodoɖa Wɔna

Ne míaƒe dzi le veve sem le susu aɖe ta la, míate ŋu akpɔ akɔfafa to gbedodoɖa na Yehowa me. Ema ate ŋu aɖe agba le mía dzi. Le míaƒe kukuɖeɖewo me la, míakpɔ gbɔdzɔe ne míeɖo ŋku nusiwo wogblɔ le Mawu ƒe Nya me dzi. Ha si didi wu le Biblia me la le abe gbedodoɖa vivi aɖe ene. Ekpala dzi ha be: “Yehowa, meɖo ŋu wò se la tso mavɔ me ke, eye mefa akɔ na ɖokuinye.” (Psalmo 119:52) Le nɔnɔme siwo sesẽ ŋutɔŋutɔ me, vevietɔ esiwo nye lãmegbegblẽ gome la, egbɔkpɔnu ɖeka si awɔ dɔ le go sia go me meli o. Ne anye le mía ŋutɔwo ƒe ŋusẽ me la, míanya afisi tututu míatrɔ ɖo o. Ame geɖe kpɔe be esi yewo wɔ nusiwo katã amegbetɔ ate ŋu awɔ vɔ la, tɔtrɔ ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me na yewo kpɔa akɔfafa geɖe, eye ɣeaɖewoɣi la, yewo kpɔa ta na nyaawo wòɖina ɖe yewo.—Korintotɔwo I, 10:13.

Pat, amesi wotsɔ yi kɔdzi wòhiã be woakpɔ egbɔ kpata la kpɔ akɔfaname sia si tsoa gbedodoɖa me. Esi wòhaya vɔ la, egblɔ be: “Medo gbe ɖa na Yehowa eye mede dzesii le nyateƒe me be ele be magblẽ nye agbe ɖe eƒe asi me, aka ɖe edzi be wòawɔ nusianu si nye eƒe lɔlɔ̃nu. Le ɣeyiɣi siawo katã me la, meɖe dzi ɖi; menɔ Mawu ƒe ŋutifafa si ŋu nya wogblɔ le Filipitɔwo 4:6, 7 la ƒe nyateƒenyenye kpɔm.” Aleke gbegbe mawunyakpukpui siawo ate ŋu afa akɔ na mí katãe nye si! Paulo ɖo aɖaŋu le afima be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.”

Gbɔgbɔ Kɔkɔea Nye Akɔfala

Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, ena eme kɔ na eƒe apostolowo be madidi o yeagblẽ wo ɖi. Esia ɖe fu na wo eye wòna wolé blanui. (Yohanes 13:33, 36; 14:27-31) Esi Yesu de dzesii be wohiã akɔfafa edziedzi la, edo ŋugbe be: “Nye la maɖe kuku na Fofo la, eye wòana nyaxɔɖakɔla [alo, akɔfala] bubu mi, bena wòanɔ anyi kpli mi vaseɖe mavɔmavɔ me.” (Yohanes 14:16, NW ƒe etenuŋɔŋlɔ) Mawu ƒe gbɔgbɔ kekɔea ŋue Yesu nɔ nu ƒom le le afisia. Nusiwo Mawu ƒe gbɔgbɔa wɔ na apostoloawo dometɔ aɖee nye be efa akɔ na wo le woƒe dodokpɔwo me hedo ŋusẽ wo be woyi Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ dzi.—Dɔwɔwɔwo 4:31.

Angie, amesi srɔ̃ŋutsu ku kloe le ʋufɔku dziŋɔ aɖe me la, te ŋu nɔ te ɖe fukpekpe kple vevesese siwo katã nɔnɔme si me wòge ɖo he vɛ nu dzidzedzetɔe. Nukae kpe ɖe eŋu? Egblɔ be: “Yehowa ƒe gbɔgbɔ kekɔea ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee la, anye ne míete ŋu nɔ te ɖe nusi me míeto la nu agakpɔtɔ anɔ te sesĩe o. Le nyateƒe me la, Yehowa ƒe ŋusẽ dze nyuie míekpɔ le míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me, eye enye mɔ sesẽ le míaƒe fukpeɣiwo me.”

Nɔviwo ƒe Habɔbɔ Fakɔnamea

Aleke ke ame aɖe ƒe nɔnɔme anɔ le agbe me o, nɔnɔme si me vevesese le kae ado mo ɖa o, ele be wòate ŋu akpɔ akɔfafa le nɔvilɔlɔ̃ si le Yehowa ƒe hamewo me la me. Nɔviwo ƒe habɔbɔ sia me tɔwo doa alɔ wo nɔewo hekpena ɖe wo ŋu le gbɔgbɔ me. Woate ŋu akpɔ xɔlɔ̃ lɔ̃ame, siwo tsɔa ɖe le eme na ame, hefaa akɔ na ame, eye wolɔ̃ faa hedi vevie be yewoakpe ɖe ame bubuwo ŋu ahafa akɔ na wo le fukpeɣiwo me la le habɔbɔ sia me.—Korintotɔwo II, 7:5-7.

Wofiaa Kristo-hamea me tɔwo be “[woawɔ] nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na [woƒe] haxɔsetɔwo.” (Galatiatɔwo 6:10) Biblia me nufiame siwo woxɔna la ʋãa wo be woaɖe nɔvilɔlɔ̃ kple numalɔ̃malɔ̃leamegbɔ afia wo nɔewo. (Romatɔwo 12:10; Petro I, 3:8) Eʋãa gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le hamea me be woanyo dɔme na wo nɔewo, afa akɔ na wo, eye woƒe dɔme natrɔ ɖe wo ŋu.—Efesotɔwo 4:32.

Joe kple Rebecca, amesiwo ƒe viŋutsu ku la, kpɔ akɔfaname sia tɔgbe tso Kristo-hamea me tɔwo gbɔ. Wogblɔ be: “Yehowa kple eƒe hame lɔ̃amea kpe ɖe mía ŋu le míaƒe ɣeyiɣi sesẽwo me. Míexɔ babadonamegbalẽwo kple lɛta geɖe, eye woƒo ka na mí geɖe. Esia na míekpɔ asixɔxɔ si le míaƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ŋu. Esi afɔkua na be míetsi yaa la, hame geɖe siwo le nutoa me va na kpekpeɖeŋu mí, wona nuɖuɖuwo mí hedzra aƒea me ɖo.”

Wò Akɔ Nefa!

Ne fukpekpe ƒe ya sesẽwo te ƒoƒo, eye xaxa ƒe tsi kple tsikpe makpɔnublanuiawo te dzadza la, Mawu le klalo be yeakpɔ tawò afa akɔ na wò. Alesi hadzidziawo dometɔ ɖeka ɖɔ eyama be enye bebeƒe fakɔname enye si: “Atsɔ eƒe fu atsyɔ dziwò, eye eƒe aʋala te nabe ɖo.” (Psalmo 91:4) Kpɔɖeŋu si wɔm wole le afisia la aku ɖe hɔ̃ ŋu. Kpɔɖeŋua fia xe si kpɔa afɔku wògbɔna eye wòkekea eƒe aʋalawo me ɖe viawo dzi. Le gɔmesese si gayi ŋgɔ wu nu la, Yehowa nyea Ametakpɔla vavã na amesiwo katã sina yia eyama gbɔ.—Psalmo 7:2.

Ne èdi be yeagasrɔ̃ nu geɖe tso Mawu, eƒe amenyenye, eƒe tameɖoɖowo, kple eƒe akɔfafa ŋutete ŋu la, míele kpewòm be nasrɔ̃ eƒe Nya la. Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃e. Ẽ, Yehowa ƒe ŋusẽ ate ŋu afa akɔ na wò hã!

[Nɔnɔmetata siwo le axa 7]

Etsɔmemɔkpɔkpɔ si wotu ɖe Biblia dzi ate ŋu afa akɔ na ame