Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ƒomegbenɔnɔ si Me Dzidzɔ le Hea Ame Bubuwo Vaa Mawu Gbɔe

Ƒomegbenɔnɔ si Me Dzidzɔ le Hea Ame Bubuwo Vaa Mawu Gbɔe

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Ƒomegbenɔnɔ si Me Dzidzɔ le Hea Ame Bubuwo Vaa Mawu Gbɔe

YEHOWA yra Yosef kple nunya kpakple nugɔmesese geɖe. (Dɔwɔwɔwo 7:10) Eyata Yosef ƒe nugɔmesese “dze Farao kple eŋuti mewo katã ŋu.”—Mose I, 41:37.

Nenema ke Yehowa naa nunya kple nugɔmesese eƒe amewo egbea to Biblia sɔsrɔ̃ me. (Timoteo II, 3:16, 17) Kutsetse nyuiwo dona tsoa nunya kple nugɔmesese sia me ne wotsɔ aɖaŋuɖoɖo si le Biblia me de dɔwɔna me. Zi geɖe la, woƒe agbe nyui si wonɔna ‘dzea amesiwo léa ŋku ɖe wo ŋuti’ la ŋu, abe alesi nuteƒekpɔkpɔ siwo tso Zimbabwe ɖee fia ene.

• Nyɔnu aɖe ƒe aƒelikawo nye Yehowa Ðasefowo. Togbɔ be melɔ̃ Ðasefoawo ƒe nya o hã la, woƒe agbenɔnɔ dzɔ dzi nɛ, vevietɔ woƒe aƒemegbenɔnɔ. Ede dzesii be ƒomedodo nyui aɖe nɔ srɔ̃ŋutsua kple srɔ̃nyɔnua dome, eye be wo viwo nye toɖolawo. Ede dzesii be srɔ̃ŋutsua lɔ̃a srɔ̃anyɔnua ale gbegbe.

Dzixɔse si bɔ ɖe Afrikatɔ aɖewo me enye be ne srɔ̃ŋutsu aɖe lɔ̃ srɔ̃a la, ekema wobuna be ɖewohĩ nyɔnua anya wɔ akunya aɖe “tsɔ wu ta le enu.” Eyata nyɔnua te ɖe srɔ̃nyɔnu Ðasefoa ŋu hebiae be: “Taflatse, màtsɔ akunya si nèwɔ ɖe srɔ̃wò ŋutsua dzi ƒe ɖe na nye hã, ale be srɔ̃nye nalɔ̃m abe alesi srɔ̃wò lɔ̃ wò ene oa?” Ðasefoa ɖo eŋu nɛ be: “Ẽ, mana wò, matsɔe vɛ na wò le etsɔ ɣetrɔ me.”

Ŋkeke si kplɔe ɖo la, nɔvinyɔnua yi eƒe aƒelikaa gbɔ kple eƒe “akunya” la. Nukae wònye? Eyae nye Biblia kple agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me. Le nyati si nye “Ƒome Si Nyea Bubu Na Mawu Ðoɖo Anyi” si le Sidzedze-gbalẽa me la me dzodzro vɔ megbe la, egblɔ na nyɔnua be: “Esiae nye ‘akunya’ si mía kple srɔ̃nye ‘míewɔ ɖe’ mía nɔewo dzi, eye ema tae míelɔ̃ mía nɔewo nenema gbegbe ɖo.” Wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme eye nyɔnua wɔ ŋgɔyiyi kabakaba heva xɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me tsɔ ɖo kpe eƒe adzɔgbeɖeɖe dzi na Yehowa.

• Mɔɖela vevi eve siwo woɖo ɖe hame sue aɖe si te ɖe Zimbabwe kple Mozambique ƒe de dzi le anyieheɣedzeƒe gome la mewɔ tso aƒeme yi aƒeme dɔa o kwasiɖa eve sɔŋ. Nukatae? Elabena amewo nɔ wo gbɔ vam be yewoase nya si le wo si. Mɔɖelaawo dometɔ ɖeka gblɔ alesi wòdzɔe be: “Míezɔa mɔ kilomita 15 va wɔa aƒeme Biblia-nusɔsrɔ̃ kple ɖetsɔlemetɔ aɖe kwasiɖa ɖesiaɖe. Teƒe sia yiyi menɔ bɔbɔe na mí o. Ele be míato ba me, atso tɔsisi siwo ɖɔ heɖo míaƒe kɔme. Esia bia be míaɖe míaƒe awuwo kple afɔkpawo alé ɖe ta, atso tɔa, eye emegbe míegadoa awuawo le go kemɛ dzi.

“Míaƒe dzonɔamemea wɔ dɔ ɖe ɖetsɔlemetɔa ƒe aƒelikawo dzi ale gbegbe. Amesiwo kpɔ esia dze sii la dometɔ ɖeka nye subɔsubɔha aɖe si le afima ƒe ŋgɔnɔla. Egblɔ na eyomedzelawo be: ‘Ðe miedi be dzo nanɔ mia me abe ɖekakpui Yehowa Ðasefo eve mawo ene oa?’ Le ŋkeke siwo kplɔe ɖo me la, eyomedzela geɖewo va mía gbɔ le aƒeme be yewoanya nusita míekua kutri vevie nenema gbegbe ɖo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, le kwasiɖa eve siwo kplɔe ɖo me la, amedzro geɖewo va mía gbɔ ale gbegbe be míekpɔ ɣeyiɣi gɔ̃ hã na nuɖaɖa o!”

Amesiwo srã mɔɖelaawo kpɔ le kwasiɖa eve siawo me la dometɔ ɖekae nye subɔsubɔhaŋgɔnɔla la. Bu dzidzɔ si gbegbe mɔɖelaawo kpɔ esi wòlɔ̃ be woawɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli ye la ŋu kpɔ!