Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Gbɔgbɔ ƒe Yi la Tsɔtsɔ Tsi Nufitifitiwɔwɔ Nui

Gbɔgbɔ ƒe Yi la Tsɔtsɔ Tsi Nufitifitiwɔwɔ Nui

Gbɔgbɔ ƒe Yi la Tsɔtsɔ Tsi Nufitifitiwɔwɔ Nui

“Mido ame yeye, si wowɔ le mawu ƒe nɔnɔme nu la, le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye la me.”—Efesotɔwo 4:24.

LE ƔEYIƔI si me ŋusẽ ɖo Roma Fiaɖuƒea ŋu wu ɖesiaɖe la, eyae nye amegbetɔ ƒe dziɖuɖuɖoɖo gãtɔ kekeake si wokpɔ kpɔ le xexeame. Romatɔwo ƒe sewɔwɔ nyo ale gbegbe be ekpɔtɔ nye nusi dzi wotu dukɔ geɖe ƒe senyawo ɖo. Gake togbɔ be Roma te ŋu wɔ nu geɖe hã la, eƒe asrafowo mete ŋu ɖu futɔ ɣaɣla aɖe ya dzi o: eyae nye nufitifitiwɔwɔ. Nufitifitiwɔwɔ va do tsɔtsɔe Roma ƒe anyidzedze mlɔeba.

Apostolo Paulo nye amesiwo kpe fu le Roma-dziɖuɖumegã baɖawo si me la dometɔ ɖeka. Edze ƒã be Roma-mɔmefia, Felike, si bia gbe Paulo la kpɔe be medze agɔ o. Gake Felike, amesi nye mɔmefia siwo vɔ̃ɖi wu dometɔ ɖeka ɣemaɣi, he nya dɔdrɔ̃ na Paulo ɖe megbe henɔ mɔ kpɔm be Paulo ana ga ye ne yeaɖe asi le eŋu.—Dɔwɔwɔwo 24:22-26.

Le esi teƒe be Paulo nana zãnu Felike la, etsɔ moveviɖoɖo ƒo nu nɛ tso “dzɔdzɔenyenye kple ɖokuidziɖuɖu” ŋu boŋ. Felike metrɔ eƒe mɔwo o, eye Paulo tsi gaxɔ me tsɔ wu be wòana zãnu ade axa sea ƒe ɖoɖo. Eɖe gbeƒã nyateƒe kple anukwareɖiɖi ƒe gbedasi, eye enɔ agbe ɖe enu hã. Eŋlɔ na Yudatɔ Kristotɔwo be: “Míenya le mía ɖokui me bena, dzitsinya nyui le mía si, le esi míelɔ̃ be, míanɔ agbe nyuie le nusianu me la ŋuti.”—Hebritɔwo 13:18.

Nuwɔwɔ alea to vovo sã na alesi amewo nɔa agbee ɣemaɣi. Felike nɔviŋutsu Pallas nye amesiwo kpɔ ho wu le blemaxexeame la dometɔ ɖeka, eye zãnuxɔxɔ kple ametafatafa mee wòto kpɔ eƒe kesinɔnuawo—si wobu akɔnta be enye dɔlar miliɔn 45 la—katã kloe. Gake eƒe kesinɔnuawo meɖi naneke o ne wotsɔe sɔ kple dɔlar biliɔn geɖe siwo ƒe alafa 20 lia me dziɖula gbegblẽ aɖewo tsɔ ɣla ɖe gadzraɖoƒewo le adzame. Edze ƒã be amesi menya nusi le edzi yim o koe axɔe ase be egbegbe dziɖuɖuwo ɖu nufitifitiwɔwɔ ƒe aʋa la dzi.

Esi nufitifitiwɔwɔ xɔ aƒe ɖe amewo me hena ɣeyiɣi didi alea ta la, ɖe wòle be míatsɔe be enye amegbetɔ ƒe dzɔdzɔmenɔnɔme ƒe akpa aɖea? Alo ɖe woate ŋu awɔ nane atsɔ atsi nufitifitiwɔwɔ nua?

Aleke Woawɔ Atsi Nufitifitiwɔwɔ Nu?

Nu gbãtɔ si hiã le nufitifitiwɔwɔ nutsitsi mee nye be woadze sii be egblẽa nu dome eye wònye nu gbegblẽ, le esi wòdea ame vlowo dzi hegblẽa nu le ame bubuwo ŋu ta. Ðikeke manɔmee la, wowɔ ŋgɔyiyi aɖe le go ma me. James Foley, si nye United States dukɔa ƒe dɔdzikpɔlagã ƒe kpeɖeŋutɔ gblɔ be: “Mí katã míekpɔ nusi gbegbe zãnunana gblẽna. Zãnunana gblẽa dziɖuɖu nyui dome, egblẽa gaŋutiɖoɖo nyui kple ŋgɔyiyi me, etɔtɔa asitsatsa, eye wònaa dukɔmeviwo kpea fu le xexeame katã.” Ame geɖe alɔ̃ ɖe eƒe nyaa dzi. Le December 17, 1997, dzi la, dukɔ gã 34 de asi “zãnunananutsiɖoɖo” aɖe si woɖo be “wòade aʋa si xexeame katã ho ɖe nufitifitiwɔwɔ ŋu dzi vevie” la te. Wogblɔ le ɖoɖoa me be “enye nu vlo be woana zãnu dutadziɖuɖumegã aɖe alo ado eƒe ŋugbe nɛ le dukɔwo dome asitsaɖoɖowo wɔwɔ alo wo léle ɖe te me.”

Gake zãnunana be woatsɔ axɔ asitsadɔwo awɔ le dukɔ bubu me nye nufitifitiwɔwɔ ƒe akpa sue aɖe ko. Nufitifiti ɖeɖeɖa le xexeame katã bia be woaɖe afɔ evelia aɖe si sesẽ wu ɖesiaɖe: eyae nye be woatrɔ amea ƒe dzi, alo be woatrɔ ame geɖe ƒe dzi. Ele be amewo nasrɔ̃ alesi woalé fu zãnunana kple nufitifitiwɔwɔ le afisiafi. Ne wowɔ esia ko hafi woate ŋu atsi hokpɔkpɔ to mɔ fitifiti dzi nu. Newsweek magazine gblɔ le nya sia ŋu be ame aɖewo bui be ele be dziɖuɖuwo “nade dzi ƒo na amesiame be woanye dumevi nyuiwo.” Dukɔwo Dome Amebabanutsiha si wɔa dɔ kple sewɔhawo hã kafui be habɔbɔa dzidelawo “naƒã ‘nuteƒewɔwɔ ƒe ku’” ɖe woƒe dɔwɔƒewo.

Aʋa si woho ɖe nufitifitiwɔwɔ ŋu la nye agbenyuinɔnɔ ƒe aʋa si dzi sewo dede alo dziɖuɖu ƒe tohehe ƒe “yi” ɖeɖeko mate ŋu aɖu o. (Romatɔwo 13:4, 5) Ele be woaƒã nunyuiwɔwɔ kple nuteƒewɔwɔ ƒe kuwo ɖe amewo ƒe dzi me. Woate ŋu awɔ esia nyuie wu ne wozã nusi apostolo Paulo ɖɔ be “gbɔgbɔ ƒe yi,” si nye Mawu ƒe Nya, Biblia.—Efesotɔwo 6:17.

Biblia Tsi Tre Ðe Nufitifitiwɔwɔ Ŋu

Nukata Paulo mede nufitifitiwɔwɔ dzi o? Elabena edi be yeawɔ Mawu, “amesi medea ame dzi o, eye mexɔa zãnu aɖeke o” ƒe lɔlɔ̃nu. (Mose V, 10:17) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ɖikeke mele eme o be Paulo ɖo ŋku mɔfiame si wona le Mose ƒe Sea me tẽ dzi be: “Megate nya dzɔdzɔe ɖe to o, megakpɔ ame aɖeke ŋku me o, eye megaxɔ zãnu o, elabena zãnu ɖe wògbã ŋku na nunyalawo, eye wòtrɔa gbo ame dzɔdzɔewo ƒe nya.” (Mose V, 16:19) Fia Dawid hã nya be Yehowa lé fu nufitifitiwɔwɔ, eye wòbia be Mawu megabu ye de nuvɔ̃wɔlawo, ‘amesiwo zãnunana yɔ ɖusi na’ la dome o.—Psalmo 26:10.

Susu bubuwo gali siwo ta wòle be amesiwo dea ta agu na Mawu le anukwareɖiɖi me natsri nufitifitiwɔwɔ. Salomo ŋlɔ bena: “Dzɔdzɔenyenye fia tsɔna lia ke dukɔ, ke amesi klẽa ŋu ɖe zãnuxɔxɔ ŋu gblẽnɛ.” (Lododowo 29:4, New International Version) Dzɔdzɔenyenye hea kelili vɛ—vevietɔ ne amegã si le ɖoƒe kɔkɔtɔ kekeake vaseɖe eteviwo katã dzi wɔ eŋudɔ—gake nufitifitiwɔwɔ naa dukɔ daa ahe. Newsweek magazine gblɔe wòsɔ be: “Le nuɖoanyi aɖe si me amesiame di be yeato nufitifitiwɔwɔ me akpɔ nu vi aɖe aɖu eye wonya alesi woawɔ akpɔe la, gaŋutiɖoɖowo mete ŋu gblẽna bɔbɔe.”

Ne gaŋutiɖoɖowo me megblẽ keŋkeŋ o hã la, etena ɖe dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo dzi ne wozi kpi kpɔ nufitifitiwɔwɔ wòkeke ta. (Psalmo 73:3, 13) Enyea agɔdzedze le mía Wɔla, amesi tsɔ dzɔdzɔenyenye ƒe dzɔdzɔmedidi de mía me la hã dzi. Edzɔ kpɔ be Yehowa de asi nyawo me tsɔ tsi nufitifitiwɔwɔ vɔ̃ɖi nui. Le kpɔɖeŋu me, egblɔ nusita wòaɖe asi le Yerusalemtɔwo ŋu na woƒe futɔwo la na wo kaŋ.

Mawu to eƒe nyagblɔɖila Mixa dzi gblɔ be: “Misee, mi Yakob ƒe aƒe ƒe tatɔwo kple mi Israel ƒe aƒe ƒe amegãwo, mi amesiwo nyɔa ŋu se la, eye mieglɔ̃a nu dzɔdzɔewo katã; Woƒe tatɔwo drɔ̃a ʋɔnu le zãnunana ta, woƒe nunɔlawo fiaa nu ame le fetu ta, eye woƒe nyagblɔɖilawo gblɔa nya ɖi le ga ta . . . Eyata le mia ta woade Zion abe agble ene, Yerusalem azu glikpo.” Nufitifitiwɔwɔ gblẽ hadomegbenɔnɔ dome le Israel, abe alesi wògblẽ nu le Roma ŋu ƒe alafa geɖe megbee ene. Esi Mixa ŋlɔ nya mawo anɔ ƒe alafa ɖeka megbe la, eva eme abe alesi Mawu xlɔ̃ nui ene be wotsrɔ̃ Yerusalem wòzu aƒedo.—Mixa 3:9, 11, 12.

Gake mahiã be ame alo dukɔ aɖeke nawɔ nufitifiti o. Mawu de dzi ƒo na ame vɔ̃ɖiwo be woaɖe asi le woƒe mɔwo ŋu eye woawɔ tɔtrɔ le alesi wobua tamee me. (Yesaya 55:7) Edi tso mía dometɔ ɖesiaɖe si be míaɖe asi le ŋukeklẽ kple nufitifitiwɔwɔ ŋu ahatsɔ ɖokuitɔmadimadi kple dzɔdzɔenyenye aɖo wo teƒe. Yehowa le ŋku ɖom nu dzi na mí be: “Amesi te ame tsɛ ɖe anyi la, ɖea alɔme le ewɔla ŋu; ke amesi vea ame dahe nu la, dea bubu eŋu.”—Lododowo 14:31.

Biblia ƒe Nyateƒea Tsɔtsɔ Tsi Nufitifitiwɔwɔ Nu Dzidzedzetɔe

Nukae ate ŋu aʋã ame be wòawɔ tɔtrɔ ma? Ŋusẽ si ʋã Paulo be wòɖe asi le Farisigbenɔnɔ ŋu heva zu Yesu Kristo yomedzela veviedonula la kee. Eŋlɔ bena: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu.” (Hebritɔwo 4:12) Egbea la, Ŋɔŋlɔawo me nyateƒea kpɔtɔ doa anukwareɖiɖi ɖe ŋgɔ, le amesiwo ƒo wo ɖokui ɖe nufitifitiwɔwɔ me vevie tsã gɔ̃ hã dome. De ŋugble le kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ.

Esi Alexander, si tso Ɣedzeƒe Europa wu eƒe asrafohehexɔxɔ nu megbe kpuie la, eva ge ɖe nuvlowɔha aɖe si toa mɔ fitiwo dzi xɔa amewo ƒe ga, daa adzo, eye woxɔa zãnu la me. * Eɖe nu me be: “Nye dɔdasie nye be mada adzo asitsala kesinɔtɔwo ƒe ga. Ne menya ble asitsala la nu wòxɔ dzinye se ko la, míaƒe ƒuƒoƒoa me tɔ bubuwo tsɔa ŋutasẽnuwɔwɔ doa vɔvɔ̃ nɛ. Ke megblɔna be makpɔ nyaa gbɔ—ne exe ga home gã aɖe nam. Nye ‘asisiawo’ daa akpe nam be mekpe ɖe yewo ŋu yewokpɔ yewoƒe kuxia gbɔ, evɔ le nyateƒe me la, gbɔnyee nu bliboa katã tso hafi. Dɔa ƒe akpa sia wɔwɔe dzɔa dzi nam, togbɔ be menyo o hã.

“Azɔ hã ga si mekpɔna le nuwɔna sia me kple eme vivisesewo vivia nunye ale gbegbe. Ʋu nyuitɔ kekeakee nɔ asinye, menɔ aƒe nyui aɖe me, eye ga nɔ asinye be matsɔ aƒle nusianu si medi. Amewo vɔ̃am, eye ewɔe be mesena le ɖokuinye be mesẽ ŋu. Mese le ɖokuinye me be ame aɖeke mate ŋu ade asi ŋunye o, eye be se aɖeke meblam o. Mate ŋu akpɔ kuxi ɖesiaɖe si me maɖo le kpovitɔwo gbɔ la gbɔ to senyala bibi siwo nya mɔnu siwo dzi woato asi le dzɔdzɔenyenye nu la dzi loo alo ana zãnu amesi tututu dze.

“Gake amesiwo ƒe agbe nɔ te ɖe nufitifitiwɔwɔ dzi meɖia anukware na wo nɔewo gbeɖe o. Míaƒe nuvlowɔha la me tɔ ɖeka megava lɔ̃a nye nya o, eye mekpɔe be nye nu megale wo ŋu nyom o. Eteƒe medidi o nye ʋu dzeani la bu, nye gawo vɔ, eye ahiãvi ŋkugãtola si nɔ asinye la dzo le gbɔnye. Woƒom kutɔkutɔe gɔ̃ hã. Alesi nuawo va trɔ bubui alea na mebu tame le tameɖoɖo si le agbe ŋu la ŋuti vevie.

“Ɣleti ʋɛ aɖewo do ŋgɔ la, danye va zu Yehowa Ðasefo, eye mete woƒe agbalẽwo xexlẽ. Mawunyakpukpui si le Lododowo 4:14, 15 na mebu tame vevie, si gblɔ be: ‘Megage ɖe ame vɔ̃ɖiwo toƒe o, eye megazɔ ame vlowo ƒe mɔ dzi o. Ðe kɔ ɖa le eŋu, eye megato edzi o; eye nato eŋu ayi.’ Mawunyakpukpui siawo tɔgbe na mese egɔme be etsɔme vavã aɖeke meli na amesiwo di be yewoanye nuvlowɔlawo o. Mete gbe dodo ɖa na Yehowa hebiae be wòakplɔm ato mɔ dzɔdzɔea dzi. Yehowa Ðasefowo srɔ̃ Biblia kplim, eye metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbee na Mawu mlɔeba. Tso ɣemaɣi dzi la, nyemegawɔa nu fiti o.

“Ele eme be agbenɔnɔ ɖe gɔmeɖose siwo bia anukwareɖiɖi nu awɔe be ga manɔ ame si fũ ya o. Gake fifia la, mesena le ɖokuinye me be etsɔme aɖe le asinye, eye be gɔmesese ŋutɔŋutɔ le nye agbe ŋu. Mede dzesii be agbe si menɔ tsã kple eme viɖewo katã le ko abe aƒe aɖe si me agbalẽ kakɛwo yɔ fũ si ate ŋu agbã ɣesiaɣi la ene. Tsã la, nye dzitsinya ku. Fifia la, le Biblia si mesrɔ̃ ta la, eɖea fu nam ɣesiaɣi si anukwaremaɖimaɖi nuwɔna aɖe dze ŋgɔm—le nya suewo gɔ̃ hã me. Mele agbagba dzem be mawɔ nu wòasɔ kple Psalmo 37:3, si gblɔ be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye nawɔ nyuie! Nɔ anyigba dzi, eye naɖi anukware!’”

Amesi Lé Fu Zãnuxɔxɔ Anɔ Agbe’

Abe alesi Alexander va ke ɖe eŋui ene la, Biblia me nyateƒea ate ŋu aʋã ame wòaɖu nufitifitiwɔwɔ dzi. Ewɔ tɔtrɔwo le ɖekawɔwɔ me kple nya si apostolo Paulo gblɔ le eƒe lɛta si wòŋlɔ na Efesotɔwo me be: “[Miɖe] ame xoxo, si nɔ anyi le agbenɔnɔ tsãtɔ la nu, si gblẽa eɖokui le amebeble ƒe nudzodzro me la ɖa; . . . mina woawɔ mi yeye le miaƒe tamesusu ƒe gbɔgbɔ la me, eye mido ame yeye, si wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu la, le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye la me. Eyaŋuti miɖe aʋatsokaka ɖi, eye amesiame nagblɔ nyateƒe na ehavi; elabena ŋutinuwo míenye na mía nɔewo. Fiafitɔ la nagafi fi o, ke boŋ nedze agbagba, ne wòatsɔ eƒe asiwo awɔ dɔ nyui, bene wòakpɔ nane aɖana hiãtɔwo.” (Efesotɔwo 4:22-25, 28) Ameƒomea ƒe etsɔme nɔ te ɖe tɔtrɔ siawo wɔwɔ dzi.

Ne míeɖu ŋukeklẽ kple nufitifitiwɔwɔ dzi o la, woate ŋu agblẽ anyigba la dome abe alesi wokpe ɖe nusiwo gblẽ Roma Fiaɖuƒea dome ŋu ene. Gake dzidzɔtɔe la, ameƒomea Wɔla meɖoe be yeagblẽ nya siawo ɖi naneke mawɔmawɔ le wo ŋui o. Eɖoe kplikpaa be ‘yeatsrɔ̃ amesiwo gblẽa anyigba la.’ (Nyaɖeɖefia 11:18) Eye Yehowa do ŋugbe na amesi le xexe si me nufitifitiwɔwɔ mele o dim vevie la be madidi o “dziƒo yeye kple anyigba yeye, siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ la” ava.—Petro II, 3:13.

Nyateƒee, manɔ bɔbɔe be woanɔ agbe ɖe dzidzenu dzɔdzɔewo nu egbea o. Ke hã Yehowa na kakaɖedzi mí be “amesi le zãnuxɔxɔ yome dim la, eƒe aƒe agblẽ; ke amesi lé fu adzɔxɔxɔ la, anɔ agbe.” * (Lododowo 15:27) Ne míetsri nufitifitiwɔwɔ fifia la, míanɔ eɖem fia be míeɖia anukware na Mawu ne míele gbe dom ɖa be: “Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene!”—Mateo 6:10.

Esi míele Fiaɖuƒe ma lalam be wòakpɔ nyawo gbɔ la, mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu ‘aƒã dzɔdzɔenyenye ƒe ku’ to nufitifitiwɔwɔ dzi mademade alo etsitsri dzi. (Hosea 10:12) Ne míewɔe alea la, míaƒe agbenɔnɔwo aɖee afia be ŋusẽ le Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me la ŋu. Gbɔgbɔ ƒe yi la ate ŋu aɖu nufitifitiwɔwɔ dzi.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 20 Míetrɔ eƒe ŋkɔ.

^ mm. 28 Gake vovototo le zãnunana kple nunana ame ɖe dɔwɔna aɖe ta dome. Le esime wonaa zãnu tsɔ blua afɔ na dzɔdzɔenyenye alo ɖe anukwaremaɖimaɖi nuwɔnawo ta la, nunana ya nye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖefia ɖe dɔ aɖe si wowɔ na ame ta. Wokɔ nya sia me le “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ,” si dze le October 1, 1986, ƒe Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ me.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Le Biblia ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu ‘ado ame yeye la,’ eye míatsri nufitifitiwɔwɔ