Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ku Ðe Mawumenufiafia Ŋu Sesĩe

Ku Ðe Mawumenufiafia Ŋu Sesĩe

Ku Ðe Mawumenufiafia Ŋu Sesĩe

“Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.”—LODODOWO 3:5, 6.

1. Aleke gbegbee míete ŋu kena ɖe amegbetɔ ƒe nunya ŋu si medzɔ kpɔ o?

FIFIA la, nyadzɔdzɔgbalẽ siwo wotana gbesiagbe hedzrana le xexeame godoo anɔ 9,000. Ƒe sia ƒe la, wotaa agbalẽ yeye siwo ade 200,000 le United States ɖeɖe dzaa. Akɔntabubu aɖe fia be va ɖo ƒe 1998 ƒe March me la, nyatakakanɔƒe (Web page) miliɔn 275 ye nɔ Internet dzi. Wogblɔ be nyatakakanɔƒe miliɔn 20 ye gava kpenɛ ɣleti ɖesiaɖe. Medzɔ alea kpɔ be amewo te ŋu kena ɖe nyati ɖesiaɖe ko ƒe nyatakaka ŋu o. Togbɔ be nɔnɔme sia nyo le mɔ aɖewo nu hã la, nyatakaka ƒe agbogbododo alea he kuxiwo vɛ.

2. Kuxi kawoe ate ŋu ado mo ɖa ne ame aɖe te ŋu kena ɖe nyatakaka gbogbowo ŋu?

2 Ame aɖewo va zu kluviwo na nyatakakawo didi, wodina ɣesiaɣi be yewoakpɔ nya yeyewo hafi woƒe dzi nadze eme, evɔ woŋea aɖaba ƒua nusiwo le vevie wu dzi. Nusɔsrɔ̃ siwo gɔmesese sesẽ ŋuti nunya afã kple afã koe sua ame bubuwo si hafi wobua wo ɖokui ame bibiwoe. Wonɔa te ɖe gɔmesese sue aɖe ko dzi wɔa nyametsotso siwo nye ŋkubiãnya siwo ate ŋu agblẽ nu le woawo ŋutɔ alo ame bubuwo ŋu. Eye afɔku aɖe si li kokokoe nye be míate ŋu ava ke ɖe alakpanya alo nyatakaka siwo mesɔ tututu o ŋu. Zi geɖe la, mɔnu adodoe aɖeke meli míato anya ne nyatakaka gbogboawo le eteƒe heda sɔ o.

3. Nuxlɔ̃ame kawoe le Biblia me ku ɖe amegbetɔ ƒe nunya yomenɔnɔ ŋu?

3 Didi be yeanya nu tso nane ŋu nye amegbetɔ ƒe nɔnɔme tso gbaɖegbe ke. Keke Fia Salomo ŋɔli kee wode dzesii be ɣeyiɣi fũ gbegblẽ anɔ nyatakaka gbɔlo alo gbegblẽtɔ yome gblẽa nu geɖe. Egblɔ be: “Na woaxlɔ̃ nu wò! Agbalẽ geɖe wɔwɔ mekpɔa [seɖoƒe] o, eye nusɔsrɔ̃ geɖe ɖe wòtea ɖeɖi ŋutilã ŋu.” (Nyagblɔla 12:12) Ƒe alafa geɖe megbe la, apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Timoteo be: “Dzra nusi wode asi na wò la ɖo; gbe dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo kple aʋatsosidzedze ƒe nudadafiafia, si me ame aɖewo ʋu, eye wogatre mɔ tso xɔse la gbɔ.” (Timoteo I, 6:20, 21) Ẽ, ehiã egbea be Kristotɔwo naƒo asa na nukpɔsusu gbegblẽwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi madzemadzee.

4. Mɔ siwo dzi míate ŋu aɖee afia le be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa kple eƒe nufiafiawo ŋu dometɔ ɖeka ɖe?

4 Azɔ hã anyo be Yehowa ƒe amewo nawɔ ɖe Lododowo 3:5, 6 me nyawo dzi be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.” Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bia be míagbe nukpɔsusu ɖesiaɖe si tsi tre ɖe Mawu ƒe Nya ŋu, eɖanye mía ŋutɔwo alo mía havi amegbetɔ ƒe nukpɔsusue wonye o. Be míakpɔ míaƒe gbɔgbɔmemenyenye ta la, ele vevie ŋutɔ be míana hehe míaƒe nugɔmesese ŋutetewo bene míate ŋu akpɔ nyatakaka gbegblẽ adze sii ahaƒo asa nɛ. (Hebritɔwo 5:14) Mina míadzro nyatakaka siawo tsoƒe aɖewo me.

Xexeme si Dzi Satana Kpɔ Ŋusẽ Ðo

5. Nukpɔsusu gbegblẽwo tsoƒe dometɔ ɖeka ɖe, eye ameka gbɔe wotsona?

5 Nukpɔsusu gbegblẽ geɖe tsoa xexeame. (Korintotɔwo I, 3:19) Yesu Kristo do gbe ɖa na Mawu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ta be: “Nyemele biabiam be, naɖe wo tso xexeame o, ke boŋ bena, nadzra wo ɖo tso vɔ̃ɖitɔ la si me.” (Yohanes 17:15) Alesi Yesu bia be woakpɔ yeƒe nusrɔ̃lawo ta tso “vɔ̃ɖitɔ la” si me ɖo kpe edzi be Satana kpɔ ŋusẽ ɖe xexeame dzi. Kristotɔ siwo míenye mefia be míevo tso xexeame ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo me o. Yohanes ŋlɔ be: “Míenyae bena, Mawu me míetso, eye xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.” (Yohanes I, 5:19) Vevietɔ le ŋkeke mamlɛawo ƒe nuwuɣi sia me la, ele be míakpɔ mɔ be Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ana nyatakaka gbegblẽwo nabɔ ɖe xexeame.

6. Aleke modzakaɖeɖewo ate ŋu ana ame ƒe dzi naku atrii?

6 Ele be míakpɔ mɔ be nyatakaka gbegblẽ siawo dometɔ aɖewo adze abe ɖe womagblẽ naneke o ene. (Korintotɔwo II, 11:14) Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le modzakaɖeɖe si me television dzi wɔnawo, sinimawo, haƒoƒo, kple agbalẽwo le ŋu kpɔ. Ame geɖe lɔ̃ ɖe edzi be enuenu la, wodoa nuwɔna ɖigbɔ aɖewo abe agbegbegblẽnɔnɔ, ŋutasesẽ, kple atikevɔ̃ɖizazã ɖe dzi le modzakaɖeɖe aɖewo me. Ne nukpɔlawo kpɔ modzakaɖeɖe aɖe wòɖi gbɔ wu alesi wonyae la, woɖia vo. Gake ekpɔkpɔ enuenu ate ŋu ana magate ɖe ame dzi o. Negadzɔ gbeɖe be míabu modzakaɖeɖe si dea nukpɔsusu gbegblẽwo dzi be wonyo alo be magblẽ naneke o.—Psalmo 119:37.

7. Amegbetɔ ƒe nunya ka ƒomevie ate ŋu ana míagaka ɖe Biblia dzi o?

7 De ŋugble le nyatakakatsoƒe bubu si ate ŋu agblẽ nu ŋu kpɔ—eyae nye nukpɔsusu gbogbo siwo dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kple agbalẽnyalagã aɖewo siwo kea ɖi Biblia ƒe nyateƒenyenye tana. (Tsɔe sɔ kple Yakobo 3:15.) Zi geɖe la, nyati siawo dzena le magazine siwo amewo lɔ̃a xexlẽ kple agbalẽ xɔŋkɔwo me, eye woate ŋu ana míagaka ɖe Biblia dzi o. Ame aɖewo ƒe dzidzɔe nye be woanɔ nya aɖewo susum anɔ gbɔgblɔm atraɖii be yewoatsɔ ada Mawu ƒe Nya la ɖe anyi. Kuxi sia ƒomevi nɔ anyi le apostoloawo ŋɔli hã, abe alesi wòdze le apostolo Paulo ƒe nyawo mee ene be: “Mikpɔ nyuie, bena ame aɖeke nagakplɔ mi ayi aboyo to xexemenunya kple beble dzodzro me o, le amewo ƒe nuɖoanyi kple xexeme ƒe gɔmedzenuwo la nu, eye menye le Kristo nu o.”—Kolosetɔwo 2:8.

Nyateƒea ƒe Futɔwo

8, 9. Aleke xɔsegbegbe le mo dom ɖa egbea?

8 Xɔsegbelawo hã ate ŋu agblẽ míaƒe gbɔgbɔmemenyenye me. Apostolo Paulo gblɔe ɖi be xɔsegbegbe ado mo ɖa le amesiwo be yewonye Kristotɔwo dome. (Dɔwɔwɔwo 20:29, 30; Tesalonikatɔwo II, 2:3) Eƒe nyawo va eme ale be le apostoloawo ƒe ku megbe la, xɔsegbegbe gã aɖe wɔe be Kristodukɔa va do. Xɔsegbegbe gã aɖeke mele edzi yim le Mawu ƒe amewo dome egbea o. Ke hã ame ɖekaɖeka aɖewo do le mía dome, eye wo dometɔ aɖewo ɖoe be yewoanɔ alakpanyawo kple nya totrowo gblɔm atsɔ agblẽ Yehowa Ðasefowo ŋui. Wo dometɔ ʋɛ aɖewo wɔa ɖeka kple ƒuƒoƒo bubuwo wobɔa ha tsia tre ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu. Wotoa nusia wɔwɔ me va nɔa xɔsegbela gbãtɔ, Satana, ƒe akpa dzi.

9 Eva le bɔbɔm be xɔsegbela aɖewo le nyatakakamɔnu vovovo siwo ame geɖe zãna dzi tom tsɔ le alakpanyawo gblɔm le Yehowa Ðasefowo ŋu, eye wotoa Internet hã dzi. Ewɔe be ne dzianukwaretɔwo le numekuku wɔm le míaƒe dzixɔsewo ŋu la, wote ŋu kena ɖe xɔsegbelawo ƒe togblẽnyawo ŋu. Ðasefo aɖewo gɔ̃ hã ke ɖe nya gbegblẽ siawo ŋu le manyamanya me. Gakpe ɖe eŋu la, xɔsegbelawo kpɔa gome le television alo radio dzi wɔnawo me ɣeaɖewoɣi. Nunyamɔ ka dzie wòle be míato le nusia ta?

10. Afɔ kae míaɖe nunyatɔe ɖe xɔsegbelawo ƒe togblẽnyawo ŋu?

10 Apostolo Yohanes gblɔ na Kristotɔwo be woagaxɔ xɔsegbelawo ɖe woƒe aƒewo me o. Eŋlɔ be: “Ne ame aɖe va mia gbɔ, eye mehe nufiafia sia ɖe asi vɛ o la, migaxɔe ɖe aƒea me o, eye migado ɖoaƒe hã nɛ o; elabena amesi do ɖoaƒe nɛ la, ede ha kplii le eƒe dɔwɔwɔ vɔ̃wo me.” (Yohanes II, 10, 11) Asaƒoƒo na futɔ siawo le nusianu me akpɔ mía ta tso woƒe nukpɔsusu gbegblẽa me. Ne míetoa egbegbe nyatakakamɔnu vovovoawo dzi kea ŋku ɖe xɔsegbelawo ƒe nufiafiawo me la, ɖeko wòle abe ɖe míexɔ xɔsegbelaa ŋutɔ ɖe míaƒe aƒewo me ene. Negadzɔ gbeɖe be míana numekuku vivivo nable mí de afɔkunuwɔna ma me o!—Lododowo 22:3.

Le Hamea Me

11, 12. Afikae nukpɔsusu gbegblẽwo te ŋu tsona le ƒe alafa gbãtɔ me hamea me? (b) Aleke Kristotɔ aɖewo mete ŋu ku ɖe mawumenufiafia ŋu sesĩe o?

11 Gade ŋugble le nukpɔsusu gbegblẽwo tsoƒe bubu ŋu kpɔ. Togbɔ be Kristotɔ ɖeadzɔgbe maɖoe be yeafia alakpanuwo o hã la, ate ŋu azu numame nɛ be wòanɔ nya dadawo gblɔm. (Lododowo 12:18) Le míaƒe blibomademade ta la, mí katã míate ŋu ada vo le nuƒoƒo me ɣeaɖewoɣi. (Lododowo 10:19; Yakobo 3:8) Edze ƒã be le apostolo Paulo ŋɔli la, ame aɖewo nɔ hamea me siwo mete ŋu ɖu woƒe aɖe dzi o ale be wova nɔa glãka hem le nyawo ŋu. (Timoteo I, 2:8) Wo dometɔ bubuwo bua woawo ŋutɔ ƒe nukpɔsusuwo be wonyo wu eye wonɔ edzi ʋuu va nɔ nya hem ɖe Paulo ƒe ɖoƒe ŋu. (Korintotɔwo II, 10:10-12) Nɔnɔme sia he masɔmasɔwo vɛ madzemadzee.

12 Ɣeaɖewoɣi la, masɔmasɔ siawo doa gã ɖe edzi zua ‘nyahehe dzodzrowo,’ eye wògblẽ hamea ƒe tomefafa me. (Timoteo I, 6:5; Galatiatɔwo 5:15) Paulo ŋlɔ nu tso amesiwo he nyahehe siawo vɛ ŋu be: “Ne ame aɖe fia nu bubu, eye meléna ɖe Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nya, siwo le blibo, kple nufiafia, si le mawusubɔsubɔ nu la, nu o la, edoa eɖokui ɖe dzi glodzo, eye menya naneke o, ke boŋ eléa anukutsyɔtsyɔwo kple nyaʋawɔwɔ ƒe dɔ, eye nusiawo hea ŋuʋaʋã, dzrewɔwɔ, busunyagbɔgblɔ, nya vɔ̃ susu ɖe ame ŋuti [vɛ].”—Timoteo I, 6:3, 4.

13. Nɔnɔme kae nɔ Kristotɔ akpa gãtɔ si le ƒe alafa gbãtɔa me?

13 Dzidzɔ wònye be le apostoloawo ŋɔli la, Kristotɔ akpa gãtɔ wɔ nuteƒe eye woƒe susu gakpɔtɔ nɔ Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuigbɔgblɔdɔa dzi. Wotsɔ dzo ɖe ‘tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi kpɔkpɔ le woƒe xaxa me’ ŋu eye wokpɔ wo ɖokui dzi be ‘xexeame meƒo ɖi wo o’ ale be womegblẽ woƒe ɣeyiɣi nɔ glãka gbɔlowo hem le nyawo ŋu o. (Yakobo 1:27) Woƒo asa na ‘hadede vɔ̃wo’ le Kristo-hamea gɔ̃ hã me kple susu be yewoakpɔ yewoƒe gbɔgbɔmemenyenye ta.—Korintotɔwo I, 15:33; Timoteo II, 2:20, 21.

14. Ne míekpɔ nyuie o la, aleke aɖaŋuɖoɖo na ame nɔewo ate ŋu azu nyaʋiʋli gblẽnuwoe?

14 Nenema ke nɔnɔme siwo ŋu míeƒo nu tsoe le memama 11 lia me la mele Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me egbea o. Gake ade mía dzi be míanya be nyahehe dzodzro siawo ate ŋu ado mo ɖa. Le nyateƒe me la, esɔ be míaɖo dze tso Biblia me nuŋlɔɖiwo ŋu alo ade ŋugble le xexeme yeye si ŋugbe wodo ƒe akpa siwo womeɖe fia mí haɖe o ŋuti. Eye naneke megblẽ ne míeɖe míaƒe nukpɔsusuwo fia mía nɔewo tso ame ŋutɔ ƒe nyawo abe awudodo kple dzadzraɖo alo modzakaɖeɖe si míatia ŋu o. Gake ne míetea tɔ ɖe míaƒe nukpɔsusuwo dzi eye wòvea mí ne amewo melɔ̃ ɖe edzi na mí o la, ke mama aɖo hamea me le nya suesuewo ta. Nusi míabu le gɔmedzedzea me be enye nya sue la ate ŋu ava gblẽ nu vavã.

Nusi Wode Mía Si Ta Kpɔkpɔ

15. Afikae “gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia” ate ŋu agblẽ nu le mía ŋu le gbɔgbɔ me ase ɖo, eye aɖaŋu kae woɖo le Ŋɔŋlɔawo me?

15 Apostolo Paulo xlɔ̃ nu be: “Gbɔgbɔ la gblɔe kɔte bena, le ŋkeke mamlɛawo me la ame aɖewo ade megbe atso xɔse la me, eye woaɖo to beblegbɔgbɔwo kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nufiafia.” (Timoteo I, 4:1) Ẽ, nukpɔsusu gbegblẽwo ate ŋu agblẽ nu ŋutɔ. Eme kɔ be Paulo bia tso exɔlɔ̃ lɔlɔ̃a Timoteo si be: “Oo, Timoteo! Dzra nusi wode asi na wò la ɖo; gbe dzeɖoɖo ƒuƒlu makɔmakɔwo kple aʋatsosidzedze ƒe nudadafiafia, si me ame aɖewo ʋu, eye wogatre mɔ tso xɔse la gbɔ.”—Timoteo I, 6:20, 21.

16, 17. Nukae Mawu tsɔ de mía si, eye aleke wòle be míakpɔ etae?

16 Aleke nuxlɔ̃ame sia si me lɔlɔ̃ le la ate ŋu aɖe vi na mí egbeae? Wotsɔ nane de Timoteo si—enye nu xɔasi aɖe si wòalé be na ahakpɔ eta. Nukae wònye? Paulo ɖe eme be: “Lé nya, siwo le blibo, siwo nèse le nunye la ƒe kpɔɖeŋu me ɖe asi le xɔse kple lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu me la me. Dzra nu nyui, si wode asi na wò la ɖo to Gbɔgbɔ kɔkɔe, si nɔa mía me la me.” (Timoteo II, 1:13, 14) Ẽ, nusiwo wode Timoteo si dometɔ aɖee nye “nya, siwo le blibo,” si nye ‘nufiafia, si sɔ ɖe mawusosroɖa nu.’ (Timoteo I, 6:3) Le ɖekawɔwɔ me kple nya siawo la, egbe Kristotɔwo ɖoe kplikpaa be yewoakpɔ yewoƒe xɔse kple nyateƒenya siwo katã wotsɔ de yewo si la ta.

17 Nusi wotsɔ de wo si ta kpɔkpɔ bia be woatu Biblia sɔsrɔ̃ ƒe nɔnɔme nyui kple kutrikuku le gbedodoɖa me ɖo, eye woawɔ “nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.” (Galatiatɔwo 6:10; Romatɔwo 12:11-17) Paulo gayi edzi xlɔ̃ nu be: “Dze dzɔdzɔenyenye, mawusosroɖa, dzixɔse, lɔlɔ̃, dzidodo, dɔmefafa yome. Ʋli xɔse ƒe ʋiʋli nyui la; wò asi nasu agbe mavɔ, si ta woyɔ wò ɖo, eye nèʋu emeʋuʋu nyui le ɖaseɖila geɖewo ƒe ŋku me la dzi.” (Timoteo I, 6:11, 12) Alesi Paulo zã nyagbe ‘ʋli ʋiʋli nyui la’ kple ‘wò asi nasu edzi’ la na eme kɔ be ele be míaku kutri eye míaɖoe kplikpaa atsi tre ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi siwo gblẽa gbɔgbɔmemenyenye me la ŋu.

Alesi Gɔmesese Hiãe

18. Aleke wòle be mí Kristotɔwo míada asɔ le xexemenyatakakawo me kuku mee?

18 Le nyateƒe me la, gɔmesese hiã le xɔse ƒe ʋiʋli nyui la me. (Lododowo 2:11; Filipitɔwo 1:9) Le kpɔɖeŋu me, anye nugɔmemasemase ne míegbe xexemenyatakakawo katã dzi xɔxɔ se. (Filipitɔwo 4:5; Yakobo 3:17) Menye amegbetɔ ƒe nukpɔsusuwo katãe tsi tre ɖe Mawu ƒe Nya ŋu o. Yesu ƒe nuƒoƒo fia be ehiã be dɔnɔ nakpɔ atikewɔla bibi—si nye xexemedɔwɔna. (Luka 5:31) Togbɔ be atikewɔwɔ mede ŋgɔ le Yesu ŋɔli o hã la, elɔ̃ ɖe edzi be woate ŋu akpɔ viɖe aɖe sinu tso atikewɔla ƒe dɔ me. Kristotɔ siwo li egbea hã dana sɔna le xexemenyatakakawo gome, gake wogbea ŋkukeke ɖe esiwo agblẽ nu le ame ŋu le gbɔgbɔ me la me.

19, 20. Aleke hamemegãwo wɔa nu kple gɔmesesee ne wole kpekpeɖeŋu nam nya dada gblɔlawo? (b) Aleke hamea wɔa nu kple amesiwo yia edzi nɔa alakpanufiafiawo dzi dem?

19 Gɔmesesẽ hiã vevie ŋutɔ na hamemegãwo hã ne wobia tso wo si be woakpe ɖe amesiwo gblɔa nya dadawo ŋu. (Timoteo II, 2:7) Ate ŋu adzɔ ɣeaɖewoɣi be hamea me tɔwo nava nɔ nya hem le nyamaɖinyawo kple nya siwo wosusu hegblɔ ŋu. Be hamemegãwo nakpɔ hamea ƒe ɖekawɔwɔ ta la, ele be woawɔ kaba akpɔ kuxi siawo gbɔ. Le ɣeyiɣi ma ke me la, woaƒo asa na susu vɔ̃ bubu ɖe wo nɔviwo ŋu eye womagatso ko abu wo be wonye xɔsegbelawo o.

20 Paulo yɔ nɔnɔme si me woate ŋu ana kpekpeɖeŋu ame le. Egblɔ be: “Nɔviwo, ne vodada aɖe ɖi ɖe ame aɖe hã la, mi amesiwo nye gbɔgbɔmemewo la, miɖɔ nenem me sia ɖo le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me.” (Galatiatɔwo 6:1) Esi Yuda nɔ nu ƒom tẽ tso Kristotɔ siwo ƒe susu nɔ wɔwɔm eveve ŋu la, eŋlɔ be: “Mikpɔ nublanui na ame aɖewo, amesiwo le ɖi kem, . . . eye mihe wo do go tso dzo la me.” (Yuda 22, 23) Gake ne hamemegãwo xlɔ̃ nu ame aɖe zi gbɔ zi geɖe gake wòle edzi dea alakpanufiafiawo dzi la, ehiã be woatso nya me megbemakpɔmakpɔe akpɔ hamea ta.—Timoteo I, 1:20; Tito 3:10, 11.

Nya Siwo Dze Kafukafu Tsɔtsɔ Yɔ Míaƒe Susu Mee

21, 22. Nukawo mee wòle be míatia, eye nukawoe wòle be woaxɔ míaƒe susu me?

21 Kristo-hamea gbea nu le nya gbegblẽ siwo ‘kekena ɖe edzi abe abi vɔ̃ ene’ gbɔ. (Timoteo II, 2:16, 17; Tito 3:9) Eɖanye ‘xexemenunya’ fluamewo, xɔsegbelawo ƒe togblẽnyawo, alo nya dada siwo wogblɔ le hamea me ye o, wogbea nu le wo gbɔ. Togbɔ be megblẽ ne didi nyui le ame me be yeasrɔ̃ nu yeyewo o hã la, ŋkukeke ɖe nusianu ko me ate ŋu ana míava nɔ ŋku kem ɖe nukpɔsusu gbegblẽwo me. Satana ƒe ayemɔwo mele ɣaɣla ɖe mí o. (Korintotɔwo II, 2:11) Míenya be ele agbagba ɖesiaɖe dzem be yeatrɔ míaƒe susu ɖe nu bubuwo ŋu ale be míawɔ alɔgblɔdɔ le Mawu subɔsubɔ me.

22 Esi míenye subɔla nyuiwo ta la, mina míaku ɖe mawumenufiafia ŋu sesĩe. (Timoteo I, 4:6) Mina míawɔ tiatia le nyatakaka siwo míedi be míanya me bene míawɔ míaƒe ɣeyiɣi ŋudɔ le nunya me. Esia wɔwɔ ana be togblẽnya siwo tso Satana gbɔ maflu mí bɔbɔe o. Ẽ, mina míayi edzi abu “nusiwo nye nyateƒe, nusiwo dzea bubu, nusiwo le dzɔdzɔe, nusiwo le dzadzɛ, nusiwo dze na lɔlɔ̃, nusiwo dze na gbɔgblɔ, ne nudzeamewɔwɔ aɖe li, eye ne kafukafu aɖe li la” ŋuti! Ne míena nusiawo tɔgbe xɔ míaƒe dzi kple susu me la, Mawu ƒe ŋutifafa anɔ anyi kpli mí.—Filipitɔwo 4:8, 9.

Nukawoe Míesrɔ̃?

• Aleke xexemenunya ate ŋu agblẽ míaƒe gbɔgbɔmemenyenye mee?

• Nukae míate ŋu awɔ be míakpɔ mía ɖokuiwo ta tso xɔsegbelawo ƒe nya gbegblẽwo mee?

• Nuƒoƒo ka tɔgbe wòle be míaƒo asa na le hamea me?

• Aleke wòle be Kristotɔwo nada asɔ ne wole nu wɔm ɖe nyatakaka siwo do agbogbo egbea ŋui?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Magazine kple agbalẽ nyanyɛ geɖe tsi tre ɖe mí Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔdzidzenuwo ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Kristotɔwo ate ŋu aɖe nukpɔsusuwo afia wo nɔewo gake womanɔ tɔ tem ɖe wo tɔ ko dzi o