Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukatae Nufitifitiwɔwɔ Bɔ Alea Gbegbe Ðo?

Nukatae Nufitifitiwɔwɔ Bɔ Alea Gbegbe Ðo?

Nukatae Nufitifitiwɔwɔ Bɔ Alea Gbegbe Ðo?

‘Mègaxɔ zãnu o, elabena zãnunana gbãa ŋku na nukpɔlawo, eye wòtrɔa ame dzɔdzɔe ƒe nya bua anyi.’—Mose II, 23:8.

ƑE AKPE etɔ̃ alafa atɔ̃ enye si va yi la, Mose ƒe Sea tsi tre ɖe zãnuxɔxɔ ŋu. Ƒe alafa siwo va yi tso ɣemaɣi la, wowɔ se gbogbo aɖewo tsɔ tsi tre ɖe zãnuxɔxɔ ŋu. Gake sewo wɔwɔ mete ŋu tsi zãnuxɔxɔ nu o. Wonaa zãnu miliɔn geɖe gbesiagbe, eye egblẽa nu le ame biliɔn geɖe ŋu.

Nufitifitiwɔwɔ va keke ta hedzi ŋɔ ale gbegbe be edi be yeagblẽ amegbetɔƒomea dome kura. Le dukɔ aɖewo me la, womewɔa naneke kura zãnuxɔxɔ manɔmee o. Ne zãnua ka amesi tututu si wòle be wòaka ko la, enala la ate ŋu akpɔ dzidzedze le dodokpɔ me, axɔ ʋukuku ƒe mɔɖegbalẽ, akpɔ dɔ, alo eƒe nya nadzɔ le ʋɔnu. Arnaud Montebourg, si nye senyala le Paris fa konyi be: “Nufitifitiwɔwɔ le abe dzudzɔ likɔɔ aɖe si na gbɔgbɔtsixe tsi amewo ƒo ene.”

Zãnuxɔxɔ dzi ɖe edzi vevietɔ le asitsadukɔwo me. Adzɔha aɖewo tsɔa viɖe si wokpɔna ƒe akpa ɖeka sɔŋ le etɔ̃ me tsɔ naa zãnu dziɖuɖumegã nufitifitiwɔlawo dzaa ko. Britaintɔwo ƒe magazine si nye The Economist gblɔ be tusitsalawo tsɔa dɔlar biliɔn 25 si wozãna ƒe sia ƒe ɖe dukɔwo dome tusitsatsa ŋu ƒe alafa memama 10 naa zãnu woƒe asisiwoe. Esi wònye nufitifitiwɔwɔ sia dzi ɖe edzi alea gbegbe ta la, emetsonuwo va nye afɔku ŋutɔ. Le ƒe ewo siwo va yi me la, wogblɔ be “xɔlɔ̃ veviwo” ɖeɖe dome dɔwɔwɔ—si me asitsatsa me nufitifitiwɔwɔ naa mɔnukpɔkpɔ ame ʋɛ siwo si asitsatsa ƒe ƒomedodo nyuiwo le la—gblẽ dukɔ blibowo ƒe gaŋutiɖoɖowo me keŋkeŋ.

Amesiwo kpea fu godoo le nufitifitiwɔwɔ kple ganyawo ƒe sesẽ si wòhena vɛ me wue nye ame dahewo—amesiwo wòasesẽ ŋutɔ na be woakpɔ nane atsɔ ana zãnui. Abe alesi The Economist gblɔe kpokploe ene la, “ameteteɖeanyi ƒe akpa aɖe koe nufitifitiwɔwɔ nye.” Ðe woate ŋu aɖu ameteteɖeanyi sia tɔgbe dzia, alo womate ŋu awɔ naneke le nufitifitiwɔwɔ ŋu oa? Be míaɖo biabia ma ŋu la, ele be míade dzesi nusiwo gbɔ nufitifitiwɔwɔ tsona dometɔ aɖewo gbã.

Nukawo Gbɔe Nufitifitiwɔwɔ Tsona?

Nukatae amewo tiana be yewoawɔ nu fiti wu be yewoaɖi anukware? Le ame aɖewo gome la, nufitifitiwɔwɔe nye mɔ bɔbɔetɔ si dzi woate ŋu ato—alo le nyateƒe me la, mɔ si ko dzi woato—akpɔ nusi dim wole. Ɣeaɖewoɣi la, zãnunana ate ŋu ana ame nakpɔ mɔnu nyui aɖe asi le tohehe nu. Ðeko ame geɖe—siwo va kpɔe be edze abe dunyahelawo, kpovitɔwo, kple ʋɔnudrɔ̃lawo ŋea aɖaba ƒua nufitifitiwɔwɔ dzi alo be woa ŋutɔwo gɔ̃ hã wɔnɛ la srɔ̃a woƒe kpɔɖeŋua ene.

Ne nufitifitiwɔwɔ le dzidzim ɖe edzi la, eva zua nusi dzi ame geɖe daa asi ɖo vivivi eye mlɔeba wòva zua woƒe nuwɔna keŋkeŋ. Amesiwo ƒe fetu mede naneke kura o va sena le wo ɖokui me be nu bubu aɖeke megali yewoawɔ tsɔ wu nu fiti o. Ele be woaxɔ zãnu hafi ate ŋu anɔ agbe wòaka ɖe eme na wo vie. Ne womehea to aɖeke na amesiwo xɔa zãnu alo nanɛ tsɔ baa ame bubuwoe o la, ame akpa gãtɔ matsi dzi be yewoaƒo nu tsi tre ɖe eŋu o. Fia Salomo de dzesii be: “Esi afia menya tsona le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu kaba o ŋuti la, eyata dzi ɖoa amegbetɔviwo ƒo ŋutɔ ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu.”—Nyagblɔla 8:11.

Ŋusẽkpɔɖeamedzi evee yi edzi le nufitifitiwɔwɔ ƒe dzoa tum ɖo: woawoe nye ɖokuitɔdidi kple ŋukeklẽ. Le ɖokuitɔdidi ta la, nufitifitiwɔlawo ŋea aɖaba ƒua fukpekpe si woƒe nufitifitiwɔwɔ hena vaa ame bubuwo dzii la dzi, eye womeƒoa nu tsia tre ɖe zãnuxɔxɔ ŋu o le esi wokpɔa viɖe tso eme dzaa ko ta. Zi alesi nufitifitiwɔla mawo le ŋutilã me kesinɔnuwo nu ƒom ƒu la, zi nenemae woganyea ŋuklẽlawo ɖe edzii. Salomo de dzesii be: “Amesi lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ o, eye amesi lɔ̃a kesinɔnu la, viɖe aɖeke matso eme nɛ o.” (Nyagblɔla 5:9) Enye nyateƒe be ŋukeklẽ ade ame dzi wòakpɔ ga ya, gake godoo la, ewua enu kple nufitifitiwɔwɔ kpakple sedzimawɔmawɔ.

Nyaa ƒe akpa bubu si mele be míaŋlɔ be o ye nye akpa si wɔm xexe sia ƒe dziɖula makpɔmakpɔ, si Biblia yɔ be Satana Abosam, le. (Yohanes I, 5:19; Nyaɖeɖefia 12:9) Satana le nufitifitiwɔwɔ dom ɖe ŋgɔ vevie. Zãnu kɔkɔtɔ kekeake si woŋlɔ ɖie nye esi Satana be yeatsɔ na Kristo. ‘Matsɔ xexeame ƒe fiaɖuƒewo katã ana wò, ne èdze klo de ta agu nam.’—Mateo 4:9.

Gake Yesu mewɔ nu fitifiti aɖeke o, eye efia eyomedzelawo be woawɔ nu nenema ke. Ðe Yesu ƒe nufiafia ate ŋu anye dɔwɔnu nyui aɖe hena nufitifitiwɔwɔ nu tsitsi egbea? Míadzro biabia sia me le nyati si kplɔe ɖo me.