Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Se Nusi Gbɔgbɔ La Agblɔ

Se Nusi Gbɔgbɔ La Agblɔ

Se Nusi Gbɔgbɔ La Agblɔ

“Miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si, mito edzi! nenye ɖusi me alo mia me miebe, yewoato.”—YESAYA 30:21.

1, 2. Aleke Yehowa ƒo nu na amegbetɔwo le ɣeyiɣi siwo va yi katã mee?

PUETO RICO ƒukpoa dzie yamenutomegbeɖiɖisemɔ̃ gãtɔ kekeake si ŋu agba ɖeka si xɔa nyatakaka kaba wu le xexeame godoo la le. Ƒe bla nanewoe nye sia si dzɔdzɔmeŋutinunyalawo le mɔ̃ gã sia zãm le mɔkpɔkpɔ me be yewoaxɔ nyatakaka tso dziƒonutome. Gake womete ŋu xɔ nyatakaka sia tɔgbe kpɔ o. Gake to vovo na ema la, gbedasi siwo me kɔ li tso dziƒonutome siwo mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu axɔ ɣeyiɣi ɖesiaɖe—mɔ̃ nyadri aɖeke mazãmazãe. Gbedasi siawo tso Amesi le ɖoƒe kɔkɔtɔ kekeake wu dziƒonutomeme ɖesiaɖe la gbɔ. Ameka gbɔe nyatakaka mawo tsona, eye amekawoe le wo xɔm? Nya kawoe gbedasiawo nye?

2 Ɣeyiɣi siwo me gbedasiwo tso dziƒo va amewo se ŋuti nuŋlɔɖi geɖe le Biblia me. Ɣeaɖewoɣi la, gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo nye Mawu ƒe amedɔdɔwoe tsɔa gbedasiawo vɛ. (Mose I, 22:11, 15; Zaxarya 4:4, 5; Luka 1:26-28) Wose Yehowa ŋutɔ ƒe gbe zi etɔ̃. (Mateo 3:17; 17:5; Yohanes 12:28, 29) Mawu ƒo nu to amegbetɔ nyagblɔɖilawo hã dzi, eye amesiawo dometɔ geɖe ŋlɔ nusi wòna wogblɔ la ɖi. Biblia le mía si egbea, eye nyatakaka siawo dometɔ geɖe siwo woŋlɔ kpakple Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ƒe nufiafiawo le eme. (Hebritɔwo 1:1, 2) Le nyateƒe me la, Yehowa le nyatakaka ɖom ɖe eƒe nuwɔwɔ amegbetɔwo.

3. Taɖodzinu kae le Mawu ƒe gbedasiwo ŋu, eye nukae wodi tso mía si?

3 Gbedasi siawo katã siwo tso Mawu gbɔ to eƒe gbɔgbɔ dzi la meɖe nu boo aɖeke fia tso xexeme si míekpɔna ŋu o. Nya siwo le vevie wu, siwo kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzi fifia kple etsɔme ŋue woku ɖo. (Psalmo 19:8-12; Timoteo I, 4:8) Yehowa toa wo dzi na míenyaa eƒe lɔlɔ̃nu eye etsɔa wo fiaa mɔ mí. Wonye mɔ siwo dzi nyagblɔɖila Yesaya ƒe nyawo le eme vam le dometɔ ɖeka be: “Miaƒe to ase nya sia le mia megbe bena: Mɔ la enye si, mito edzi! nenye ɖusi me alo mia me miebe, yewoato.” (Yesaya 30:21) Yehowa mezia mía dzi be míaɖo to yeƒe “nya” o. Ekpo ɖe mía gbɔ be míawɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiafia dzi ahazɔ eƒe mɔ dzi. Susu sia tae Ŋɔŋlɔawo xlɔ̃ nu mí be míaɖo to gbedasi siwo tso Yehowa gbɔ ɖo. Wode dzi ƒo na mí zi gbɔ zi adre le Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa me be ‘míase nusi gbɔgbɔa gblɔ.’—Nyaɖeɖefia 2:7, 11, 17, 29; 3:6, 13, 22.

4. Ðe susu anɔ eme be míakpɔ mɔ le mía ŋɔli be Mawu naƒo nu na mí tẽ tso dziƒoa?

4 Egbea la, Yehowa meƒoa nu na mí tẽ tso dziƒonuto me o. Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me gɔ̃ hã la, ƒã hafi gbɔgbɔmemewo ƒoa nu na amewo alea, ƒe alafawo te ŋu tsoa edome ɣeaɖewoɣi. Le ɣeyiɣi siwo va yi katã me la, mɔ siwo mele tẽ o dzie Yehowa tona ƒoa nu na eƒe amewo zi geɖe. Nenemae wòle le mía ŋɔli hã. Mina míalé ŋku ɖe mɔ etɔ̃ siwo dzi Yehowa tona ƒoa nu na mí egbea ŋu.

‘Ŋɔŋlɔawo Katã Tso Gbɔgbɔ Me’

5. Nukae nye Yehowa ƒe nyatakakamɔnu vevitɔ egbea, eye aleke wòate ŋu aɖe vi na míi?

5 Nyatakakamɔnu vevitɔ si le Mawu kple amegbetɔwo domee nye Biblia. Mawue na woŋlɔe, eye nusianu si le eme ate ŋu aɖe vi na mí. (Timoteo II, 3:16) Ame ŋutɔŋutɔ siwo wɔ woƒe tiatiawɔwɔblɔɖe ŋudɔ hetso nya me be yewoaɖo to Yehowa ƒe gbe kple amesiwo tia be yewomaɖo toe o ƒe kpɔɖeŋuwo le Biblia me fũ. Kpɔɖeŋu mawo ɖoa ŋku nusita wòle vevie ŋutɔ be míaɖo to nusi Mawu ƒe gbɔgbɔa gblɔna dzi na mí. (Korintotɔwo I, 10:11) Nunya vavã hã le Biblia me, eye enyea aɖaŋuɖoɖo na mí ne nyametsotsowo dze ŋgɔ mí le agbe me. Ðeko wòle abe ɖe Mawu le mía megbe hele nya siawo gblɔm ɖe to me na mí ene be: “Mɔ la enye si, mito edzi.”

6. Nukatae Biblia de ŋgɔ wu agbalẽ bubuwo katã?

6 Bene míase nusi gblɔm gbɔgbɔa le to Biblia dzi la, ele be míanɔ exlẽm gbesiagbe. Biblia menye agbalẽ si woŋlɔ nyuie, wònye esi le amewo si wu, kpakple esiwo bɔ egbea dometɔ ɖeka ko o. Mawu ƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔ Biblia eye Mawu ƒe nukpɔsusuwoe le eme. Hebritɔwo 4:12 gblɔ be: “Mawu ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee, eye wòƒona ɖe ame yina ɖe eme, halase esime wòmãa luʋɔ kple gbɔgbɔ kple ƒunukpeƒeewo kpakple ƒutomemi me, eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.” Ne míele Biblia xlẽm la, emenyawo ƒona ɖe míaƒe tamesusuwo kple dzimedidiwo me abe yi ene, eye wòɖea alesi míaƒe agbenɔnɔ sɔ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nui fiana.

7. Nukatae Biblia xexlẽ le vevie, eye wode dzi ƒo be míanɔ exlẽm aleke sinu?

7 Míaƒe “tamesusuwo kple dzimedidiwo” ate ŋu atrɔ ne ɣeyiɣiwo va le yiyim eye nusiwo me tom míele le agbe me le ŋusẽ kpɔm ɖe mía dzi—nɔnɔme sesẽwo kple nyuiawo siaa. Ne míesrɔ̃a Mawu ƒe Nya la edziedzi o la, míaƒe tamesusuwo, nɔnɔmewo, kple dzimedidiwo magava sɔ ɖe mawumegɔmeɖosewo nu o. Eyatae Biblia xlɔ̃ nu mí be: ‘Minɔ mia ɖokui dodo kpɔ dzi be miele xɔse me hã, minɔ kpe ɖom amesiwo ƒomevi mienye dzi.’ (Korintotɔwo II, 13:5) Ne míedi be míayi edzi anɔ nusi gbɔgbɔa le gbɔgblɔm sem la, ke ele be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoa dzi axlẽ Mawu ƒe Nya la gbesiagbe.—Psalmo 1:2.

8. Apostolo Paulo ƒe nya kawoe akpe ɖe mía ŋu be míadzro mía ɖokui me le Biblia xexlẽ gome?

8 Ŋkuɖodzinya vevi si yi na Biblia-xlẽlawoe nye si: Na ɣeyiɣi sɔgbɔ ɖokuiwò bene nusi nèxlẽ nage ɖe susu me na wò! Ne míele agbagba dzem be míawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖoa dzi axlẽ Biblia gbesiagbe la, míedi be míaƒu du ato ta geɖe me dzradzradzra agbe nusi xlẽm míele gɔmesese o. Togbɔ be Biblia xexlẽ gbesiagbe le vevie hã la, mele be míaƒe didi nanye be míawɔ ɖe ɖoɖowɔɖi aɖe dzi dzro ko o; ele be míadi le nyateƒe me be míasrɔ̃ nu tso Yehowa kple eƒe tameɖoɖowo ŋu. Le esia ta anyo be míazã apostolo Paulo ƒe nya siawo atsɔ adzro mía ɖokui mee. Esi wòŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe ehati Kristotɔwo la, egblɔ be: “Medzea klo na mía Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, bene wòaɖi na mi . . . bene Kristo nanɔ anyi le miaƒe dziwo me to xɔse me, eye wòali ke mi, eye wòaɖo mia gɔme anyi le lɔlɔ̃ me, bene mi kpakple ame kɔkɔewo katã miate ŋu adze si nusi nye kekeme kple didime kple goglome kple kɔkɔme, eye bene miadze si Kristo ƒe lɔlɔ̃, si ƒo sidzedze la ta sã la, bene woayɔ mi taŋ, ne miade Mawu ƒe agbɔsɔsɔ blibo la katã nu.”—Efesotɔwo 3:14, 16-19.

9. Aleke míatu didi be míasrɔ̃ nu tso Yehowa gbɔ ɖo ahana didia nade to ɖe edzii?

9 Ele eme baa be tso dzɔdzɔme la, nuxexlẽ mevivia mía dometɔ aɖewo nu o, evɔ ame bubuwo ya tsɔa dzo ɖe nuxexlẽ ŋu. Gake nɔnɔme ka kee ɖale mía si o, míate ŋu atu didi be míasrɔ̃ nu tso Yehowa gbɔ ɖo ahana didia nade to ɖe edzi. Apostolo Petro ɖe nu me be ele be wòadzro mí míadi be míanya Biblia, eye ede dzesii be ɖeko wòle be míatu didi sia ɖo. Eŋlɔ be: ‘Abe vidzĩwo ene la gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ nadzro mi vevie, bene miatsi to me hena xɔxɔ la.’ (Petro I, 2:2) Ne míedi be Biblia sɔsrɔ̃ ‘nadzro mí’ la, ke ɖokuimamlã le vevie. Abe alesi ne míeɖɔ nuɖuɖu yeye aɖe kpɔ zi gbɔ zi geɖe hafi eɖuɖu va vivia mía nui ene la, nenema ke míaƒe nɔnɔme ɖe nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃ ŋu ate ŋu atrɔ wòanyo ne míemlã mía ɖokui hewɔ ɖe ɖoɖowɔɖi dzi ɣesiaɣi.

‘Nuɖuɖu le Ɣeyiɣi Nyui Dzi’

10. Amekawoe nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” ƒe ha la me tɔwo, eye aleke Yehowa le wo zãm egbea?

10 Mɔ bubu si dzi Yehowa tona ƒoa nu na mí egbeae nye esi Yesu yɔ le Mateo 24:45-47. Eƒo nu tso Kristo-hame si wotsɔ gbɔgbɔ si ami na ŋu le afima—si nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la—be woɖoe be wòana ‘gbɔgbɔmenuɖuɖu le ɣeyiɣi nyui dzi.’ Ha sia me tɔ ɖesiaɖe nye Yesu ƒe “aƒemetɔwo.” Amesiawo kpakple “alẽ bubuwo” ƒe “ameha gã” me tɔwo xɔa dzideƒoname kple mɔfiame. (Nyaɖeɖefia 7:9; Yohanes 10:16) Nuɖuɖu sia si vana le ɣeyiɣi nyui dzi la ƒe akpa gãtɔ vana to agbalẽ siwo wotana dzi, si ƒe ɖewoe nye Gbetakpɔxɔ, Nyɔ!, kple agbalẽ bubuwo. Woganaa gbɔgbɔmenuɖuɖu bubuwo to nuƒo kple wɔwɔfia siwo wowɔna le takpekpe gã kple sueawo kpakple hame ƒe kpekpewo me la me.

11. Aleke míaɖee afia be míeɖoa to nya si gblɔm gbɔgbɔa le to “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi?

11 Wotrɔ asi le nyatakaka siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la nana ŋu be woado ŋusẽ míaƒe xɔse ana hehe míaƒe sidzedze ŋutetewo. (Hebritɔwo 5:14) Wote ŋu ɖoa aɖaŋu siawo gbadzaa be wòana mɔ amesiame wòazãe le alesi wòkae nu. Ɣeaɖewoɣi hã la, míexɔa aɖaŋuɖoɖo siwo ku ɖe míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe koŋ ŋu. Nɔnɔme kae wòle be wòanɔ mía si ne míele to ɖom nusi gblɔm gbɔgbɔa le to dɔla ƒe haa dzi nyateƒe? Apostolo Paulo ɖo eŋu be: “Miɖo to amesiwo le ŋgɔ xɔm le mia dome, eye mibɔbɔ mia ɖokui na wo.” (Hebritɔwo 13:17, NW) Nyateƒe wònye be amesiwo katã le ɖoɖo sia me mede blibo o. Ke hã edzɔa dzi na Yehowa be yeazã ye subɔla amegbetɔwo be woafia mɔ mí le nuwuɣi sia me, togbɔ be womede blibo o hã.

Míaƒe Dzitsinya ƒe Mɔfiame

12, 13. Mɔfiametsoƒe bubu kae Yehowa na mí? (b) Ŋusẽ nyui kae dzitsinya ate ŋu akpɔ ɖe amesiwo si Mawu ƒe Nya la ƒe sidzedze vavãtɔ mele o gɔ̃ hã dzi?

12 Yehowa na mɔfiametsoƒe bubu hã mí—si nye míaƒe dzitsinya. Ewɔ amegbetɔ hede nyui kple vɔ̃ nyanya ƒe seselelãme eme. Enye nɔnɔme si míedzɔ kplii. Le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Romatɔwo me la, eɖe nu me be: “Ne trɔ̃subɔla, siwo si se mele o la, wɔa nusi nye se la tɔ tso dzɔdzɔ me la, ekema amesiwo si se mele o la, wonye se na wo ɖokui, abe amesiwo fia bene, woŋlɔ se la ƒe dɔwɔwɔ ɖe woƒe dzitsinyawo me la ene, eye woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase hekpena ɖe eŋu, eye woƒe tamebubuwo nɔa wo nɔewo nu tsom, alo wonɔa wo nɔewo nu ɖem hã.”—Romatɔwo 2:14, 15.

13 Amesiwo medze si Yehowa o ate ŋu ana woƒe tamesusuwo kple nuwɔnawo nasɔ ɖe mawumegɔmeɖose siwo ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋuti nu va ɖo afi aɖe. Ðeko wòle abe ɖe wole gbe sue aɖe sem le wo ɖokuiwo me wòle mɔ fiam wo be woawɔ nu nyui ene. Ne ate ŋu anɔ alea le amesiwo si Mawu ƒe Nya la me sidzedze vavã mele o gome la, ke aleke gbegbe wòle be gbe sia naɖi sesĩe le Kristotɔ vavãwo mee nye si! Le nyateƒe me la, Kristotɔ ƒe dzitsinya si wotsɔ Mawu ƒe Nya ƒe sidzedze vavã na hehee eye wòwɔa nu wòsɔna ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe mɔfiafia nu ate ŋu ana mɔfiame si dzi woate ŋu aka ɖo.—Romatɔwo 9:1.

14. Aleke dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee ate ŋu akpe ɖe mía ŋui be míawɔ ɖe Yehowa ƒe gbɔgbɔa ƒe mɔfiame dzi?

14 Dzitsinya nyui si wotsɔ Biblia na hehee ate ŋu aɖo ŋku mɔ si dzi gbɔgbɔa di be míato dzi na mí. Ate ŋu anɔ eme ɣeaɖewoɣi be míaɖo nɔnɔme tɔxɛ aɖe me si ŋu Ŋɔŋlɔawo alo míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo megblɔ nya aɖeke le tẽ o. Ke hã míaƒe dzitsinya ate ŋu ana nyanya mí, axlɔ̃ nu mí tso nuwɔna si ate ŋu agblẽ nu ŋu. Le go mawo me la, aɖabaŋeŋe ƒu nusi míaƒe dzitsinya gblɔ na mí dzi ate ŋu afia be míele aɖaba ŋem ƒu nusi Yehowa ƒe gbɔgbɔa le gbɔgblɔm na mí dzi. Gake ne míenya alesi míaɖo ŋu ɖe Kristotɔ ƒe dzitsinya si wona hehee si le mía si ŋu la, míate ŋu awɔ nyametsotso siwo me nunya le ne womeŋlɔ mɔfiame aɖeke ɖi tso eŋu o hã. Gake ele vevie ŋutɔ be míaɖo ŋku edzi be ne mawu me gɔmeɖose, mɔfiame, alo se aɖeke meli ku ɖe nya siwo nye ame ŋutɔ ƒe nya ŋu o la, masɔ be míazi nusi mía ŋutɔwo ƒe dzitsinya gblɔ na mí ɖe hati Kristotɔwo dzi o.—Romatɔwo 14:1-4; Galatiatɔwo 6:5.

15, 16. Nukae ate ŋu ana be míaƒe dzitsinya nagbe dɔwɔwɔ nyuie, eye aleke míaxe mɔ na nusia ƒe dzɔdzɔe?

15 Dzitsinya dzadzɛ si wotsɔ Biblia na hehee nye nunana nyui aɖe si tso Mawu gbɔ. (Yakobo 1:17) Gake ele be míakpɔ nunana sia ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gblẽnuwo gbɔ ne míedi be wòanye agbenyuinɔnɔmɔfianu si wɔa dɔ nyuie. Ne míewɔna ɖe mía gbɔ kɔnuwo, kɔnyinyiwo, kple nuwɔna siwo tsi tre ɖe Mawu ƒe dzidzenuwo ŋu dzi la, woate ŋu ana míaƒe dzitsinya nagbe dɔwɔwɔ nyuie eye wòado kpo mɔfiafia mí be míaɖe afɔ nyuitɔ. Míate ŋu ado kpo nyametsotso nyuiwo wɔwɔ eye míate ŋu able mía ɖokuiwo asusu gɔ̃ hã be nuwɔna vɔ̃ɖi aɖe nyo.—Tsɔe sɔ kple Yohanes 16:2.

16 Ne míeyi edzi ŋea aɖaba ƒua míaƒe dzitsinya ƒe nuxlɔ̃ame dzi la, eƒe gbeɖiɖi anɔ to yim vivivi vaseɖe esime míaƒe dzi naku atri alo míagatsɔ ɖeke le nu nyui wɔwɔ me o. Hakpala ƒo nu tso nenem me siawo ŋu esime wògblɔ be: “Woƒe dzi ku atri abe ami ene.” (Psalmo 119:70) Amesiwo gbea nusi woƒe dzitsinya gblɔna na wo dzi wɔwɔ megate ŋu bua tame nyuie o. Mawumegɔmeɖosewo megafiaa mɔ wo o eye womegate ŋu wɔa nyametsotso nyuiwo o. Bene míaƒo asa na nɔnɔme sia la, ele be míase nusi Kristotɔ ƒe dzitsinya si le mía me gblɔna na mí ne nya siwo ŋu woku ɖo dze nya suewo hã.—Luka 16:10.

Dzidzɔtɔwoe Nye Amesiwo Sea Nya Hewɔa Edzi

17. Ne míese ‘nya si le mía megbe’ eye míewɔ ɖe nya si míaƒe dzitsinya si Biblia na hehee gblɔ dzi la, aleke woayra míi?

17 Ne wòzu numame na mí be míesea ‘nya si le mía megbe’—si nye nya siwo wogblɔna na mí to Ŋɔŋlɔawo me kple to dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa dzi—eye ne míewɔna ɖe ŋkuɖodzinya siwo míaƒe dzitsinya si míetsɔ Biblia na hehee gblɔna na mí dzi la, Yehowa atsɔ eƒe gbɔgbɔa ayra mí. Gbɔgbɔ kɔkɔea hã atu míaƒe ŋutete ɖo be míaxɔ nya si Yehowa gblɔna na mí ahase egɔme.

18, 19. Aleke Yehowa ƒe mɔfiame ate ŋu aɖe vi na mí le míaƒe subɔsubɔdɔa kple mía ŋutɔwo ƒe agbenɔnɔ siaa mee?

18 Yehowa ƒe gbɔgbɔ ana dzi hã nanɔ mía ƒo be míatsɔ nunya kple dzinɔameƒo akpe akɔ kple nɔnɔme sesẽwo. Abe alesi wònɔ le apostoloawo gome ene la, Mawu ƒe gbɔgbɔa ate ŋu aʋã míaƒe tamebubu ŋutetewo akpe ɖe mía ŋu ɣesiaɣi be míawɔ nu ahaƒo nu wòasɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo nu. (Mateo 10:18-20; Yohanes 14:26; Dɔwɔwɔwo 4:5-8, 13, 31; 15:28) Yehowa ƒe gbɔgbɔa kpakple mía ŋutɔwo ƒe agbagbadzedzewo ana míakpɔ dzidzedze ne míele nyametsotso veviwo wɔm le agbe me, eye dzi anɔ mía ƒo be míawɔ ɖe nyametsotsoawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu anye be èle susu wɔm be yeawɔ asitɔtrɔ le yeƒe agbenɔnɔ ŋu bene yeakpɔ ɣeyiɣi geɖe wu ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu. Alo ɖewohĩ tiatia vevi aɖewo siwo atrɔ wò agbenɔnɔ dze ŋgɔ wò, ate ŋu anye amesi nàɖe tiatia, dɔ aɖe wɔwɔ alo emawɔmawɔ, alo aƒe ƒeƒle. Le esi teƒe be míaɖe mɔ amegbetɔ ƒe seselelãme siwo le mía me nanye nusi koŋ dzi míanɔ te ɖo atso nya me la, ele be míase nusi Mawu ƒe gbɔgbɔa agblɔ eye míawɔ nu wòasɔ ɖe eƒe mɔfiafia nu.

19 Le nyateƒe me la, míekpɔa ŋudzedze ɖe ŋkuɖodzinya kple aɖaŋu siwo hati Kristotɔwo kpakple hamemegãwo ɖona na mí lɔlɔ̃tɔe ŋu. Gake mehiã ɣesiaɣi be míalala be amewo naɖo ŋku nu dzi na mí o. Ne míenya nunyanu si wòle be míawɔ kple asitɔtrɔ siwo wòle be míawɔ le míaƒe nɔnɔme kple agbenɔnɔ ŋu bene míaƒe nu nadze Mawu ŋu ko la, mina míawɔe. Yesu gblɔ be: “Ne mienya nusiawo, eye miewɔ wo la, woayra mi.”—Yohanes 13:17.

20. Yayra kawoe amesiwo ɖoa to ‘nya si ɖina le wo megbe’ la kpɔna?

20 Eme kɔ ƒã be ne Kristotɔwo di be yewoanya alesi yewoadze Mawu ŋui la, mehiã be woase gbeɖiɖi ŋutɔŋutɔ aɖeke tso dziƒo o, eye mehiã be mawudɔla aɖeke nava wo gbɔ o. Woyra wo be Mawu ƒe Nya si woŋlɔ ɖi la le wo si eye woxɔa mɔfiame si me lɔlɔ̃ le tso eƒe amesiaminawo ƒe ha si le anyigba dzi gbɔ. Ne wokpɔa egbɔ be yewowɔ ɖe ‘nya si ɖina le wo megbe’ dzi eye wowɔ ɖe woƒe dzitsinya si wotsɔ Biblia na hehee ƒe mɔfiame dzi la, woakpɔ dzidzedze le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me. Ekema woakpɔ apostolo Yohanes ƒe ŋugbedodonya siawo me vava teƒe godoo: “Amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:17.

Numetoto Kpui Aɖe

• Nukatae Yehowa ƒoa nu na eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔwo?

• Aleke Biblia xexlẽ gbesiagbe ƒe ɖoɖowɔɖi aɖe vi na míi?

• Aleke wòle be míaxɔ mɔfiame si tso dɔla ƒe ha la gbɔe?

• Nukatae mele be míagbe nya si dzitsinya si Biblia na hehee agblɔ sese o?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Mɔ̃ nyadriwo mehiã amegbetɔ be wòaxɔ gbedasiwo tso Mawu gbɔ o

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Courtesy Arecibo Observatory/David Parker/Science Photo Library

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Yehowa ƒoa nu na mí to Biblia kple “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la dzi