Srɔ̃kpekpe Dodzidzɔname Siwo Dea Bubu Yehowa ŋu
Srɔ̃kpekpe Dodzidzɔname Siwo Dea Bubu Yehowa ŋu
Welsh Kple Elthea Ðe Wo Nɔewo Le Soweto, South Africa, Le Ƒe 1985 Me. Ɣesiaɣi Si Woa Kple Wo Vinyɔnu Zinzi Woakpɔ Woƒe Srɔ̃ɖeɖefotowo La, Wogaɖoa Ŋku Ŋkeke Dodzidzɔname Ma Dzi. Zinzi Dina Be Yeade Dzesi Amesiwo Wokpe Va Srɔ̃kpeƒeae Eye Alesi Dadaa Dzra Ðo Nyuie Le Fotoawo Me Kpɔkpɔ Dzɔa Dzi Nɛ Ŋutɔ.
SRƆ̃KPEKPEA dze egɔme kple srɔ̃ɖeɖenuƒo si woƒo le nutoa me ƒe akpata aɖe me le Soweto. Emegbe sɔhɛ Kristotɔwo nɔ ha me dzi kafukafuhawo na Mawu ɖe hagbe ene me ɖekae. Eyome vavalawo ɖu nu esime wonɔ Fiaɖuƒehawo ƒom le mɔ̃ dzi blewu. Womema aha sesẽ aɖeke o, eye haƒoƒo sesĩe alo ɣeɖuɖu aɖeke meyi edzi o. Ðe eteƒe la, vavalawo kpɔ dzidzɔ le hadede kpakple vividodo ɖe srɔ̃tɔawo ŋu me. Wɔna bliboa katã xɔ anɔ gaƒoƒo etɔ̃. Kristotɔ hamemegã aɖe si ŋkɔe nye Raymond gblɔ be: “Enye srɔ̃kpekpe si na meɖoa ŋku nu dodzidzɔnamewo dzi ɣesiaɣi.”
Le Welsh kple Elthea ƒe srɔ̃ɖeɣi la, wonye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo le Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le South Africa. Eyata srɔ̃kpekpe si le kpokploe koe woate ŋu awɔ. Kristotɔ aɖewo tiae be yewoaɖe asi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ŋu adi dɔwɔɖui bubuwo awɔ bene yewoate ŋu axe srɔ̃kpekpe kpeɖi ƒe fewo. Gake meve Welsh kple Elthea be yewowɔ srɔ̃kpekpe si le kpokploe o, elabena ena be wote ŋu yi Mawu subɔsubɔ dzi henye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo vaseɖe esime wodzi Zinzi.
Gake ne srɔ̃tɔ aɖewo adi be yewoaƒo xexemeha ahaɖu ɣe le yewoƒe srɔ̃kpeƒe ya ɖe? Ne woɖoe be yewoama wein alo aha sesẽ bubuwo ya ɖe? Ne woate ŋu awɔ srɔ̃kpekpe gã kpeɖi ɖe? Aleke woawɔ akpɔ egbɔ be wɔnaa nanye dzidzɔzã si dze Mawu subɔlawo? Ehiã be woabu biabia siawo ŋu nyuie, elabena Biblia de se be: “Ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔ aɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu.”—Korintotɔwo I, 10:31.
Asaƒoƒo na Aglotutu Blibaa
Gake manya wɔ be woawɔ srɔ̃kpekpe dzidzɔ manɔmee o. Ke hã afɔku gã wònye be woawɔ nu wòagbɔ eme ahatu aglo blibaa. Le amesiwo menye Ðasefowo o ƒe srɔ̃kpeƒe geɖe la, wɔna siwo medea bubu Mawu ŋu o yia edzi. Le kpɔɖeŋu me, wonoa aha sesẽwo muna. Nublanuitɔe la, esia dzɔ le Kristotɔwo ƒe srɔ̃kpeƒe aɖewo.
Biblia xlɔ̃ nu be “zidola enye aha muame.” (Lododowo 20:1) Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “zidola” fia be “woaɖe toɣli sesĩe.” Ne aha sesẽ ate ŋu ana ame ɖeka nanye toɣliɖela la, bu nusi wòate ŋu awɔ na ameha gã si ƒo ƒu eye wono aha wògbɔ eme ŋu kpɔ! Edze ƒã be ele bɔbɔe be ɣeyiɣi mawo natrɔ zu ‘ahamuɣiwo, aglotuɣiwo kple esia tɔgbewo,’ siwo woyɔ le Biblia me be “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo.” Nuwɔna siawo awɔe be amesi gbe dzimetɔtrɔ la madze na agbe mavɔ domenyinyi le Mawu Fiaɖuƒea ƒe dziɖuɖu me o.—Galatiatɔwo 5:19-21.
Wozãa Helagbe me nya si wozã na “aglotutu” tsɔ ɖɔa sɔhɛ siwo mu aha afã kple afã eye wotsɔ hadzidzi, ɣeɖuɖu, kple haƒoƒo bobobo le gbɔ lɔmee. Ne aha sesẽ bɔ wonona faa le srɔ̃kpeƒe aɖe, eye ne haƒoƒo bobobo kple ɣe
manyatalenuwo ɖuɖu li la, ele bɔbɔe ŋutɔ be wɔnaa nate ŋu azu aglotutu blibaa. Le nɔnɔme mawo me la, amesiwo nye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ate ŋu adze tetekpɔ me bɔbɔe aƒo wo ɖokui ɖe ŋutilãmenuwɔna siwo nye ‘matrewɔwɔ, makɔmakɔnyenye, kple hadzedze me [alo woado] dɔmedzoe.’ Nukae woate ŋu awɔ atsɔ axe mɔ ɖe ŋutilãmenuwɔna siawo nu be woagagblẽ dzidzɔ si anɔ Kristotɔ ƒe srɔ̃kpeƒe me o? Be míaɖo biabia ma ŋu la, mina míabu nusi Biblia gblɔ tso srɔ̃kpekpe aɖe ŋu kpɔ.Srɔ̃kpeƒe si Yesu De
Wokpe Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo yi srɔ̃kpeƒe aɖe le Kana le Galilea. Wowɔ ɖe amekpekpea dzi, eye Yesu wɔ nusi dzi wɔnaa ƒe dzidzɔ ɖe edzi gɔ̃ hã. Esi wein vɔ la, ewɔ gbogbo aɖe si nyo wu nukutɔe. Ðikeke mele eme o be esi tsi anyi la kpɔ ŋugbetɔsrɔ̃ ŋudzedzekpɔla la kple eƒe ƒomea ƒe nuhiahiawo gbɔ ɣeyiɣi aɖe sinu le srɔ̃kpekpea megbe.—Yohanes 2:3-11.
Nu geɖe li míate ŋu asrɔ̃ tso srɔ̃kpeƒe si Yesu de la me. Gbã la, Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo meyi srɔ̃ɖezãa ɖuƒe esi womekpe wo hafi o. Biblia gblɔ tẽ be ɖe wokpe wo. (Yohanes 2:1, 2) Nenema ke le srɔ̃ɖezã ƒe kpɔɖeŋu siwo Yesu wɔ dometɔ eve me la, egblɔ enuenu be ɖe wokpe ameawo hafi woyi.—Mateo 22:2-4, 8, 9; Luka 14:8-10.
Le dukɔ aɖewo me la, enye kɔnu be amesiame si le nutoa me ate ŋu ayi srɔ̃kpezã ɖuƒe faa, wokpee alo womeɖakpee o. Gake esia ate ŋu ahe gakuxiwo vɛ. Srɔ̃tɔ siwo si alɔme mele o ate ŋu anyi fe ne wodze agbagba be nuɖuɖu kple nunono nate ŋu ade ameha manyaxlẽ nu. Eyata ne srɔ̃tɔ Kristotɔ aɖewo ɖoe be kplɔ̃ kpokploe aɖe koe yewoaɖo ɖe ame xexlẽme aɖe nu la, ele be hati Kristotɔ siwo womekpe o la nase egɔme ahade bubu eŋu. Ŋutsu aɖe si ɖe srɔ̃ le Cape Town, South Africa, gblɔ be ame 200 yekpe be woava yeƒe srɔ̃kpeƒe. Gake ame 600 ye va, eye eteƒe medidi hafi yewoƒe nuɖuɖu vɔ o. Amesiwo womekpe o dometɔ aɖewo nye amedzro siwo yɔ bɔs ɖeka eye wonɔ tsa ɖim le Cape Town le kwasiɖanuwuwu si wonɔ srɔ̃kpekpea wɔm. Amesi nɔ mɔ fiam tsaɖila siwo nɔ bɔsua me la do ƒome abɔlegbe kple ŋugbetɔa eye wòsusu be yekpɔ mɔ akplɔ ƒuƒoƒo bliboa ayii ne yemena nyanya ŋugbetɔa alo ŋugbetɔsrɔ̃a o gɔ̃ hã!
Ne womegblɔ be amesiame ate ŋu ava kplɔ̃ɖoƒea o la, Yesu yomedzela vavãtɔ mayi srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoƒe ne womekpee o, ava kpɔ gome le ame kpekpeawo ƒe nuɖuɖu kple nunono me o. Ele be amesiwo wòadzro be yewoayi esi womekpe wo o la nabia wo ɖokuiwo be, ‘Ne meyi srɔ̃kpeƒe sia la, ɖe manye lɔlɔ̃ maɖemaɖe fia srɔ̃ɖela yeyeawo oa? Ðe menye kplamatse do ge meyina ahagblẽ wɔnaa ƒe dzidzɔ me oa?’ Le esi teƒe be Kristotɔ nugɔmesela nase veve be womekpe ye o la, ate ŋu aɖo nyuidiname ƒe gbedoname ɖa srɔ̃tɔawo lɔlɔ̃tɔe atsɔ abia Yehowa ƒe yayra na wo. Ate ŋu awɔ susu be yeana kpekpeɖeŋu srɔ̃tɔawo aɖo nunana aɖe ɖe wo si adzi woƒe srɔ̃ɖeŋkekea ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ɖe dzi.—Nyagblɔla 7:9; Efesotɔwo 4:28.
Ameka ƒe Agbanɔamedzie?
Le Afrika ƒe akpa aɖewo la, ebɔ be ƒometɔ tsitsiwo naxɔ srɔ̃ɖeɖoɖowo aƒu akɔ. Srɔ̃tɔwo ate ŋu akpɔ ŋudzedze ɖe esia ŋu, le esi wòaɖe fewo dzi akpɔtɔ ta. Woase le wo ɖokui me be esia hã aɖe nusianu si adzɔ ƒe agba le yewo dzi. Gake ele be kakaɖedzi nanɔ srɔ̃tɔawo si be woawɔ nu ɖe yewoƒe didiwo nu hafi alɔ̃ ɖe kpekpeɖeŋu ɖesiaɖe ƒomevi si ƒometɔ siwo meɖo susu vɔ̃ o adi be yewoana la dzi.
Togbɔ be Yesu nye Mawu ƒe Vi si “ɖi tso dziƒo va” hã la, naneke mefia be exɔ srɔ̃kpekpe si wowɔ le Kana ƒu akɔ hekpɔ nuwo dzi o. (Yohanes 6:41) Ke boŋ Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ na mí be wotia ame aɖe wònye ‘kplɔ̃ɖoɖoa dzikpɔla.’ (Yohanes 2:8) Amesia hã abu akɔnta na ƒome ƒe ta yeyea, si nye ŋugbetɔsrɔ̃a.—Yohanes 2:9, 10.
Ele be Kristotɔ ƒometɔwo nade bubu ƒome ƒe ta yeye si Mawu ɖo la ŋu. (Kolosetɔwo 3:18-20) Eya ŋkumee nusiwo ayi edzi le eƒe srɔ̃kpeƒea kpɔ. Le ɖoɖoa nu la, ele be ŋugbetɔsrɔ̃a nada asɔ, eye ne anya wɔ la, wòawɔ nu ɖe eƒe ŋugbetɔa, edzilawo, kple srɔ̃a ƒometɔwo ƒe didiwo nu. Gake ne ƒometɔwo te tɔ ɖe edzi be yewoawɔ nusiwo masɔ ɖe srɔ̃tɔawo ƒe didi nu o la, ekema srɔ̃tɔawo ate ŋu agbe woƒe kpekpeɖeŋunanawo tufafatɔe axe woawo ŋutɔ ƒe srɔ̃kpekpe kpokploea ŋuti fewo. Esia awɔe be naneke madzɔ si ana srɔ̃tɔawo nava nɔ tse ɖum emegbe o. Le kpɔɖeŋu me, le Kristotɔwo ƒe srɔ̃kpeƒe aɖe le Afrika la, ƒometɔ dzimaxɔsetɔ aɖe si woɖo wònye wɔnaa dzikpɔla la ƒo aha ɖi na tɔgbui kukuwo!
Ɣeaɖewoɣi la, srɔ̃tɔawo dzona yia woƒe srɔ̃ɖeɖe mɔkeke hafi srɔ̃kpekpe ƒe wɔnawo wua enu. Ne ele alea la, ele be ŋugbetɔsrɔ̃a nawɔ ɖoɖo be amesiwo dze nakpɔ egbɔ be wowɔ ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo dzi eye be wɔnaa wu enu le gaƒoƒo si sɔ me.
Ðoɖowɔwɔ Nyui Kple Dadasɔ
Edze ƒã be nuɖuɖu nyui geɖe nɔ srɔ̃ɖeƒe si Yesu de, elabena Biblia yɔe be enye “srɔ̃ɖeŋkekenyui.” Abe alesi míede dzesii ene la, wein gbogbo aɖe hã nɔ anyi. Ðikeke mele eme o be haƒoƒo si sɔ kple ɣeɖuɖu si ŋu bubu le yi edzi elabena esia nye Yudatɔwo ƒe hadomenuwɔna si wo katã wowɔna. Yesu ɖe esia fia le vi nudomegblẽla ƒe kpɔɖeŋu xɔŋkɔ si wòwɔ me. Dzi dzɔ fofo kesinɔtɔ si le ŋutinyaa me le via si trɔ dzime ƒe tɔtrɔ gbɔ ta ale gbegbe be wògblɔ be: “Mina míaɖu nu, eye míakpɔ dzidzɔ.” Yesu gblɔ be ‘woƒo saŋkuwo heɖu ɣe’ hã.—Luka 15:23, 25.
Gake nukutɔe la, Biblia megblɔ tẽ be haƒoƒo kple ɣeɖuɖu nɔ srɔ̃kpeƒe si wowɔ le Kana o. Le nyateƒe me la, womeƒo nu tso ɣeɖuɖu ŋu le srɔ̃kpeƒe siwo le Biblia me nuŋlɔɖiwo dometɔ aɖeke me o. Edze abe le Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiawo me dome la, ɣeɖuɖu menyea nusi woɖona koŋ wɔna o eye menye nu vevitɔ le woƒe srɔ̃ɖeƒewo o ene. Ðe míate ŋu asrɔ̃ nane le esia mea?
Le Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeƒe aɖewo le Afrika la, wozãa elektrik haƒomɔ̃ sesẽwo. Haƒoƒoa nu te ŋu sẽna ale gbegbe be vavalawo mete ŋu ɖoa dze faa o. Ɣeaɖewoɣi la, nuɖuɖu vɔna gake ɣeɖuɖu si te ŋu gbɔa eme bɔbɔe ya mevɔna o. Le esi teƒe be wɔnaa nanye srɔ̃ɖezã la, ɖeko ɣeyiɣi siawo trɔna zua ɣeɖuɖuzãwo ko. Azɔ hã zi geɖe la, haƒoƒo boboboa hea dzrewɔlawo kple amedzro siwo womekpe o vɛ.
Esi wònye be srɔ̃kpekpe siwo le Biblia ƒe nuŋlɔɖiwo me mete gbe ɖe haƒoƒo kple ɣeɖuɖu dzi o ta la, ɖe mele be esia nafia mɔ srɔ̃tɔ siwo le ɖoɖo wɔm be yewoawɔ srɔ̃kpekpe ƒe ɖoɖo si ade bubu Yehowa ŋu oa? Gake esi wonɔ dzadzram ɖo ɖe srɔ̃kpekpe siwo wowɔ nyitsɔ laa le anyiehe Afrika dometɔ geɖe ŋu la, Kristotɔ sɔhɛ siwo wotia be woanɔ srɔ̃ɖelawo ŋu la zã gaƒoƒo geɖe tsɔ srɔ̃ ɣe sesẽ aɖewo ɖuɖu. Wozã woƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ ɖe esia ŋu ɣleti geɖe. Gake ehiã be Kristotɔwo ‘naƒle ɣeyiɣi’ atsɔ awɔ ‘nusiwo le vevie wu,’ abe nyanyuigbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ, ɖokuisinusɔsrɔ̃, kple Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede ene.—Efesotɔwo 5:16; Filipitɔwo 1:10.
Le wein agbɔsɔsɔme si Yesu wɔ nu la, edze abe ɖe srɔ̃kpekpe si wowɔ le Kana la lolo eye wònɔ kpeɖii ŋutɔ ene. Gake míate ŋu aka ɖe edzi be wɔnaa menɔ gbodogbodo o eye be vavalawo meno aha sesẽa le mɔ gbegblẽ nu abe alesi wònɔna le Yudatɔwo ƒe srɔ̃kpeƒe aɖewo ene o. (Yohanes 2:10) Aleke míawɔ akpɔ kakaɖedzi na nya sia? Elabena Aƒetɔ Yesu Kristo nɔ wo dome. Le amegbetɔwo katã dome la, Yesue anye amesi akpɔ eɖokui dzi nyuie be yewɔ se si Mawu de le hadzedze vɔ̃wo ŋu dzi, si nye be: ‘Mèganɔ weintsunolawo dome o.’—Lododowo 23:20.
Eyata ne srɔ̃tɔ aɖewo ɖoe be yewoama wein alo aha sesẽ bubuwo na amewo le yewoƒe srɔ̃kpeƒe la, ele be woawɔ ɖoɖo be emama nanɔ amesiwo anɔ ŋudzɔ eye woate ŋu aka ɖe wo dzi la ƒe dzikpɔkpɔ te. Eye ne woɖoe be yewoaƒo ha la, ele be woatia ha siwo dze ana amesi dze nanɔ eƒe ɖiɖime gbɔ kpɔm. Mele be woaɖe mɔ ame kpekpeawo nava xɔe wòazu wo tɔ aƒo ha siwo ŋu ɖikeke le alo ana eƒe ɖiɖime nayi dzi wu alesi dze o. Ne woaɖu ɣe la, woate ŋu aɖui le bubu kple ɖokuidziɖuɖu me. Ne ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo alo Kristotɔ siwo metsi le gbɔgbɔ me o le ɣe tɔŋkuwo alo ɣe gbegblẽwo ɖum la, ahiã be ŋugbetɔsrɔ̃a natrɔ haa alo abia aɖaŋutɔe be woadzudzɔ ɣea ɖuɖu. Ne menye nenema o la, srɔ̃kpekpea ate ŋu atrɔ zu wɔna si me nuwɔwɔ wògbɔ eme anɔ eye wòazu nukikli.—Le afɔku siwo le egbeŋkekea me ɣeɖuɖu aɖewo, haƒoƒo bobobo, kple aha sesẽ nono faa me ta la, Kristotɔ ŋugbetɔsrɔ̃ aɖewo tso nya me be yewomade esiawo yewoƒe srɔ̃kpekpe me o. Woɖe ɖeklemi le ame aɖewo ŋu le esia ta, gake ɖe eteƒe la, ɖe wòle be woakafu wo le alesi wodi be yewoaƒo asa na nusianu si ate ŋu ahe vlodoame va Mawu ƒe ŋkɔ kɔkɔea dzi ta boŋ. Le go bubu me la, ŋugbetɔsrɔ̃ aɖewo wɔa ɖoɖo ɖe ha siwo dze ƒoƒo ŋu, wonaa ɣeyiɣi woɖua ɣe, eye womaa aha sesẽ le ɖoɖo nu. Le go eveawo siaa me la, ŋugbetɔsrɔ̃a ƒe ŋkumee wòkpɔ be wòaɖe mɔ ɖe nusi ayi edzi le eƒe srɔ̃kpeƒea ŋu.
Le Afrika la, amesiwo metsi le gbɔgbɔ me o dometɔ aɖewo ɖia gbɔ srɔ̃kpekpe siwo Kristotɔwo wɔna le bubu me gblɔna be wole abe kuteƒeyiyi ene. Gake esia menye nukpɔsusu si da sɔ o. Ŋutilãmenuwɔna vɔ̃ɖiwo ate ŋu ana woase vivi ɣeyiɣi kpui aɖe, gake wonana Kristotɔwo ƒe dzitsinya ɖea fu na wo eye wodoa vlo Mawu ƒe ŋkɔ. (Romatɔwo 2:24) Gake Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea na wokpɔa dzidzɔ vavãtɔ. (Galatiatɔwo 5:22) Kristotɔ srɔ̃tɔ geɖe ɖoa ŋku woƒe srɔ̃kpegbea dzi dzidzɔtɔe, le esi wonya be dzidzɔ ɣeyiɣi aɖee wònye ke menye “nuɖiaɖia aɖeke” o ta.—Korintotɔwo II, 6:3.
Welsh kple Elthea gaɖoa ŋku nya nyui geɖe siwo ƒometɔ dzimaxɔsetɔ siwo de woƒe srɔ̃kpeƒea gblɔ dzi. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Egbeŋkekea me srɔ̃kpeƒe siwo me woɖea toɣli le la ti mí. Enyo ŋutɔ be míede srɔ̃kpeƒe ɖɔʋu ɖeka si to vovo.”
Vivietɔ wu la, Kristotɔwo ƒe srɔ̃kpekpe siwo me dzidzɔ le eye bubu nɔa wo ŋu la dea bubu Srɔ̃ɖeɖegɔmeɖoanyila, Yehowa Mawu, ŋu.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 22]
NUSIWO ŊU NÀLÉ ŊKU ÐO LE SRƆ̃ÐEKPLƆ̃ÐOƑE
• Ne èkpe ƒometɔ dzimaxɔsetɔ be wòaƒo nuƒo la, èka ɖe edzi be matsɔ kɔnyinyi si mesɔ na Kristotɔwo o ade eme oa?
• Ne woaƒo ha la, ètia ha siwo dze koa?
• Ðe ha siwo woaƒo la ƒe ɖiɖime anyoa?
• Ne woaɖu ɣe la, ɖe woawɔe le bubumɔ nua?
• Ðe woama aha sesẽwo le alesi dze nua?
• Ðe amesiwo dzi woate ŋu aka ɖo akpɔ emama dzia?
• Èɖo ɣeyiɣi si sɔ si wòle be srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖoa ƒe wɔnawo nawu enua?
• Ðe amesiwo dzi woate ŋu aka ɖo anɔ anyi akpɔ egbɔ be nuwo yi edzi le ɖoɖo nu vaseɖe nuwuwua?