Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amiti Tseku le Mawu ƒe Aƒe Me

Amiti Tseku le Mawu ƒe Aƒe Me

Amiti Tseku le Mawu ƒe Aƒe Me

ATI aɖe le Israel-nyigba dzi si menya tsrɔ̃na o. Ne wolãe ƒu anyi hã la, eteƒe medidina hafi eƒe takpoa gadzena o. Eye ne wogbe eƒe kutsetsewo la, enana amesi tɔ wònye kpɔa ami gbogbo aɖe si woate ŋu azã na nuɖaɖa, akaɖi sisi, dzadzɛnyenye gbɔ kpɔkpɔ, kple na lekewɔwɔ.

Blema abebubu aɖe si woŋlɔ ɖe Biblia-gbalẽ si nye Ʋɔnudrɔ̃lawo me gblɔ be, “gbe ɖeka atiwo be, yewoaɖo fia ɖe yewo ɖokui nu.” Gbemetiawo dometɔ kae wotia gbã? Menye ati aɖeke wu amiti sesẽ tseku la o.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 9:8.

Ƒe 3,500 enye si va yi la, nyagblɔɖila Mose ɖɔ Israel be enye ‘anyigba nyui si dzi amitiwo le.’ (Mose V, 8:7, 8) Vaseɖe egbea gɔ̃ hã la, amitigblewo le anyigbaa dzi ƒe teƒeteƒewo tso Hermon Toa gɔme le dziehe vaseɖe Beer-Seba gbɔto le anyiehe. Wogaɖo atsyɔ̃ na Saron Gbadzaƒe si le ƒuta, wole Samaria-to siwo ŋu agakpewo le, kple Galilea bali wɔnuwo me.

Biblia-ŋlɔlawo zãa amitia le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔwo me zi geɖe. Wotsɔ ati sia ƒe nɔnɔmewo wɔ Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ, tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa, kple ƒomegbenɔnɔ si me dzidzɔ le ƒe kpɔɖeŋuwoe. Ŋkuléle ɖe amiti ŋu tsitotsito akpe ɖe mía ŋu be míase afisiwo woyɔe le le Ŋɔŋlɔawo me gɔme eye wòana míagakpɔ ŋudzedze geɖe ɖe ati tɔxɛ sia si wɔ ɖeka kple nuwɔwɔ bubuwo le Ewɔla kafukafu me ŋu.—Psalmo 148:7, 9.

Amiti Sesẽ La

Amiti menya kpɔna tututu ne èkpɔe zi gbãtɔ o. Mekɔkɔ yi yame abe Libanon sederti gã aɖewo ene o. Eƒe ati mexɔ asi abe sesewu tɔ ene o, eye eƒe seƒoƒowo menya kpɔna abe yevuziti tɔ ene o. (Hawo ƒe Ha 1:17; Amos 2:9) Amiti ƒe akpa vevitɔ medzena wokpɔna o—ele to me. Eƒe kewo ƒe didime, si te ŋu didina yia tome meta 6 eye wòte ŋu vuna yia adzɔgee wɔe be atia tsea ku sɔa gbɔ eye melɔ̃na kuna o.

Ke siawo wɔnɛ be amiti siwo le to wɔkpewo ŋu te ŋu nɔa anyi toa kuɖiɖi me evɔ ati bubu siwo le bali me le agame ya kuna xoxoxo le tsi makpɔmakpɔ ta. Eƒe kewo nana wòte ŋu yia edzi tsena ƒe alafa geɖe, togbɔ be eƒe kpeme totroa adze abe nake ko wòdze na ene hã. Nusi ko ati sesẽ sia hiãe nye teƒe si wòate ŋu atsi le kple ke si me ya te ŋu gena ɖo be wòakpɔ ya agbɔ, ale be gbewo alo numiemie bubu siwo me nugbagbe siwo gblẽa agblemenuwo le maɖe fu nɛ o. Ne wote ŋu kpɔ nu suesue siawo gbɔ nɛ la, ati ɖeka ate ŋu ana ami galɔn 15 ƒe sia ƒe.

Ðikeke mele eme o be Israel-viwo melɔ̃a nu le amiti gbɔ o le eƒe ami xɔasi la ta. Wosia akaɖi siwo me ɖovu le eye wozãa amiti ƒe ami le woƒe aƒewo me. (Mose III, 24:2) Amiti ƒe ami nye ami vevi aɖe si wotsɔ ɖaa nui. Ekpɔa woƒe ŋutigbalẽ ta tso ɣea nu, eye enaa Israel-viwo kpɔa adzalẽ tsɔ nyaa nui. Bli, wein, kple amiti tsetsewoe nye dukɔa ƒe agblemenuku veviwo. Eyata anye afɔku gã na Israel-ƒome ne womekpɔ amiti tsetsewo gbe sɔ gbɔ o.—Mose V, 7:13; Xabakuk 3:17.

Gake zi geɖe la, wokpɔa amiti ƒe ami wòsɔa gbɔ. Mose yɔ Ŋugbedodonyigba la be enye ‘anyigba si dzi amitiwo le’ ɖewohĩ le esi amitigble nye esi wodena le nutoa me wu ta. Ƒe alafa 19 lia me nugbagbeŋutinunyala H. B. Tristram yɔ amiti be enye “ati ɖedzesi le dukɔa me.” Le amiti ƒe asixɔxɔ kple eƒe bɔbɔ ta la, wova zãe abe ga ene le dukɔwo dome gɔ̃ hã le Mediterranea nuto bliboa me. Yesu Kristo ŋutɔ gblɔ le fenyinyi aɖe ŋu be wobui ɖe “amigo alafa” dzi.—Luka 16:5, 6.

“Abe Amiti Fẽwo Ene”

Esɔ be wotsɔ amiti nyui la wɔ kpɔɖeŋu na yayra siwo tso Mawu gbɔ. Teƒeɖoɖo kae woana ŋutsu mawuvɔ̃la? Hakpala dzi ha be: “Srɔ̃wò [anɔ] abe weinka, si tsena ene le wò xɔ ƒe xɔgã me, eye viwòwo [anɔ] abe amiti fẽwo ene le wò kplɔ̃ ŋu godoo.” (Psalmo 128:3) Nukawoe nye “amiti fẽwo,” eye nukatae hakpala la tsɔ wo sɔ kple viŋutsuwo?

Amiti le etɔxɛ le susua nu be eƒe amiti fẽwo tona ɖe eƒe kpeme enuenu. * Ne atia ŋutɔ va tsi eye megate ŋu le ku tsem abe tsã ene o la, agbledelawo ɖea mɔ na fẽawo, alo yeye siwo to ɖe eŋu be woatsi vaseɖe esime woava zu atia ƒe akpa aɖe. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ati sue sesẽ etɔ̃ alo ene va nɔa atia ŋutɔ ŋu, abe viŋutsuwoe ƒo xlã kplɔ̃ ŋu ene. Ke ɖekae le ati fẽ siawo si, eye woawo hã nana wokpɔa amiti tsetse gbogbo aɖe gbena.

Esɔ nyuie be amiti ƒe nɔnɔme sia ɖɔ alesi viŋutsuwo kple vinyɔnuwo ate ŋu atsi ahasẽ ŋu le xɔse me le alesi wo dzilawo ƒo ke ɖe to sesĩe le xɔse mee ta. Ne ɖeviwo le tsitsim la, woawo hã tsea ku eye wodoa alɔ wo dzila siwo wòdzɔa dzi na ne wokpɔ wo viwo wole Yehowa subɔm kpli wo.—Lododowo 15:20.

‘Mɔkpɔkpɔ Li na Ati Gɔ̃ Hã’

Vifofo tsitsi si subɔa Yehowa la kpɔa dzidzɔ ɖe via mawuvɔ̃lawo ŋu. Gake ɖevi siawo ke gafaa avi ne wo fofo ‘yi anyigba tume’ mlɔeba. (Fiawo I, 2:2) Be míate ŋu anɔ te ɖe ƒome dzɔgbevɔ̃e sia nu la, Biblia na kakaɖedzi mí be woafɔ amewo ɖe tsitre.—Yohanes 5:28, 29; 11:25.

Hiob si nye vi geɖewo fofo la nya nyuie be amegbetɔ ƒe agbenɔƒe le kpuie. Etsɔe sɔ kple seƒoƒo si yrɔna kaba. (Hiob 1:2; 14:1, 2) Edzro Hiob vevie be yeaku asi le yeƒe vevesese nu, eye wòbu yɔdo me be enye bebeƒe si yeagate ŋu ado le. Hiob bia be: “Ne ŋutsu ku la, ɖe wògagbɔa agbea?” Emegbe eɖo ŋu kple kakaɖedzi be: “Le nye aʋamenɔɣiwo katã la manɔ asiɖeɖe le ŋunye lalam. [Wò Yehowa] àyɔm, eye matɔ na wò, ne wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu le dzrowòm.”—Hiob 14:13-15.

Kpɔɖeŋu kae Hiob wɔ tsɔ ɖee fia be yeka ɖe edzi be Mawu ayɔ ye tso yɔdo me? Atie wòzã, eye alesi wòɖɔe fia be anye amiti wòwɔnɛ. Hiob gblɔ be: “Mɔkpɔkpɔ li na ati; ne wolãe la, ekema egadzena yeye.” (Hiob 14:7) Woate ŋu atso amiti ƒu anyi, gake matsrɔ̃ le ema ta o. Negbe ɖeko woaho atia hafi wòaku. Ne naneke mewɔ eƒe kewo o la, atia agamie kple ŋusẽ yeye.

Ne ku ɖi eteƒe didi wòna amiti tsitsi yrɔ sũ hã la, eƒe takpoea si lé bo agato ake. “Ne eƒe kewo do xoxo le anyigba me, eye eƒe takpo ku le to me la, tsi ƒe ʋeʋẽ nana be, wògadzena, eye wòtoa alɔ abe atilɔ mumu, si wodo ene.” (Hiob 14:8, 9) Teƒe si nye dzogbenyigba wɔkee Hiob nɔ, eye ɖewohĩ ekpɔ amiti tsitsi takpoe geɖe siwo dze abe ɖe woƒu eye agbe vɔ le wo me ene kpɔ. Gake ne tsi dza la, ati ‘kuku’ sia gagbɔa agbe eye ati yeye gatona tsoa eƒe kewo ŋu abe ‘ati yeye’ ene. Agbegbɔgbɔ ake si ɖe dzesi aleae na Tunisia abɔmenukuŋutinunyala aɖe gblɔ be: “Àte ŋu agblɔ be amitiwo mekuna o.”

Abe alesi agbledela kpɔa mɔ vevie be yeƒe amiti yɔyrɔewo nagato ake ene la, nenema ke wòdzroa Yehowa vevie be yeagagbɔ agbe ye subɔla wɔnuteƒewoe. Ekpɔa mɔ na ɣeyiɣi si me wòagagbɔ agbe nuteƒewɔlawo abe Abraham kple Sara, Isak kple Rebeka, kpakple ame bubu geɖe ene. (Mateo 22:31, 32) Aleke gbegbe wòawɔ nuku enye si be míagaxɔ ame kukuwo va agbe mee ake akpɔ wo woaganɔ agbe deblibo si ŋu viɖe le ake!

Kpɔɖeŋumiti La

Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ dze le alesi mekpɔa ame ŋkume o kple tsitretsitsi ƒe ɖoɖo si wòwɔ la me. Apostolo Paulo tsɔ amiti wɔ alesi Yehowa kpɔa nublanui na amewo eye mebua ŋutigbalẽ si le wo ŋu alo afisi wotso ŋu o la ƒe kpɔɖeŋui. Ƒe alafa geɖe la, Yudatɔwo dana be yewoe nye Mawu ƒe dukɔ tiatia, ‘Abraham ƒe dzidzimeviwo.’—Yohanes 8:33; Luka 3:8.

Menye nudidi be woadzi ame wòanye Yuda dukɔ me vi hafi Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe eŋu o. Gake Yesu ƒe nusrɔ̃la gbãtɔwo katã nye Yudatɔwo, eye mɔnukpɔkpɔ su wo si be wonye amegbetɔ gbãtɔ siwo Mawu tia be woanye Abraham ƒe ŋugbedodovi la ƒe akpa aɖe. (Mose I, 22:18; Galatiatɔwo 3:29) Paulo tsɔ nusrɔ̃la Yudatɔ siawo sɔ kple kpɔɖeŋumiti ƒe alɔwo.

Dzɔdzɔme Yudatɔ akpa gãtɔ gbe Yesu, eyata womegadze anye “ha sue” la alo “Mawu ƒe Israel” la me tɔwo o. (Luka 12:32; Galatiatɔwo 6:16) Eyata wova zu abe kpɔɖeŋumiti ƒe alɔ siwo wolã ɖa ene. Amekawoe ava xɔ ɖe wo teƒe? Le ƒe 36 M.Ŋ. me la, wotia Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔwo be woava nye Abraham ƒe dzidzimevia ƒe akpa aɖe. Ðeko wòle abe ɖe Yehowa tsɔ amiti ƒe alɔwo tso gbeme va do ɖe amiti si le abɔ me dzi ene. Amesiwo anye Abraham ƒe ŋugbedodovia dometɔ aɖewo anye dukɔ bubu me tɔwo. Kristotɔ siwo nye Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔwo ate ŋu ava zu ‘amitia me tsi ƒe gomekpɔlawo’ azɔ.—Romatɔwo 11:17.

Mava susu me na agbledela be wòalã amiti ƒe alɔ tso gbeme ava do ɖe amiti si le abɔ me dzi o eye “mele dzɔdzɔme nu o.” (Romatɔwo 11:24) Agbalẽ si nye The Land and the Book ɖe nu me be: “Abe alesi Arabiatɔwo gblɔna ene la, wò ya do amiti nyui la ɖe gbemetɔ dzi kpɔ, ɖeko wòaɖu gbemetɔa dzi, gake màgate ŋu ado gbemetɔ ɖe nyuitɔ dzi wòadze edzi o.” Nenema ke wòwɔ mo yaa na Yudatɔ Kristotɔwo esime Yehowa ‘trɔ susu ɖe trɔ̃subɔdukɔwo me tɔwo ŋu zi gbãtɔ be yeaxɔ dukɔ tso wo dome ne yeƒe ŋkɔ nanɔ wo ŋu.’ (Dɔwɔwɔwo 10:44-48; 15:14) Gake esia na wòdze ƒã be Mawu mato dukɔ ɖeka aɖe ko dzi awɔ eƒe tameɖoɖowo dzi o. Mawɔ nenema kura o, elabena “le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:35.

Paulo ɖee fia be esi wolã Yudatɔ mawɔnuteƒeawo ƒe ‘alɔwo’ ɖa le amitia ŋu ta la, nenema ke wòate ŋu adzɔ ɖe amesiame si ŋu Yehowa magakpɔ ŋudzedze ɖo o le dada kple tomaɖomaɖo ta la dzi. (Romatɔwo 11:19, 20) Esia ɖee fia kɔte be mele be míabu Mawu ƒe amenuveve nu tsɛe gbeɖe o.—Korintotɔwo II, 6:1.

Ami Sisi

Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso amiti ƒe ami zazã ŋutɔŋutɔ kple le kpɔɖeŋumɔ nu ŋu. Le blemaɣeyiɣiwo me la, ‘woɖea ami ɖe abi gãwo kple sueawo be woabɔbɔ’ ahaku kaba. (Yesaya 1:6) Le Yesu ƒe kpɔɖeŋuwo dometɔ ɖeka me la, Samariatɔ havilɔ̃la la kɔ amiti ƒe ami kple wein ɖe ŋutsu si wòdo goe le Yerixo mɔ dzi la ƒe abiwo me.—Luka 10:34.

Amiti ƒe ami sisi ɖe ta naa dzidzeme ame eye wòtsia vevesese nu. (Psalmo 141:5) Eye le gbɔgbɔmedɔlényawo gbɔ kpɔkpɔ me la, Kristotɔ hamemegãwo ate ŋu ‘asi ami na hamea me tɔ le Yehowa ƒe ŋkɔ me.’ (Yakobo 5:14) Wotsɔ hamemegãwo ƒe aɖaŋu siwo woanɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi aɖo lɔlɔ̃tɔe kple woƒe gbedodoɖa ɖe haxɔsetɔ si dze dɔ le gbɔgbɔ me ta la sɔ kple amiti ƒe ami si tsia vevesese nu. Enya se be ɣeaɖewoɣi le Hebritɔwo ƒe adaganawo me la, woyɔa ŋutsu nyui be enye “amiti ƒe ami adodoea.”

‘Amiti Tseku le Mawu ƒe Aƒe Me’

Le nya siwo míegblɔ va yi ta la, mewɔ nuku be wotsɔa Mawu subɔlawo sɔna kple amitiwo o. Edzro Dawid be yeanɔ abe “amiti dama ene le Mawu ƒeme.” (Psalmo 52:10) Abe alesi Israel-ƒomewo doa amitiwo ɖe woƒe aƒewo ŋui ene la, nenema ke wòdzro Dawid be yeate ɖe Yehowa ŋu ale be yeatse ku siwo anye kafukafu na Mawu.—Psalmo 52:11.

Esime Yuda ƒe to eve fiaɖuƒea nɔ nuteƒe wɔm na Yehowa la, enɔ abe “amiti dama, si ƒe tsetse nyo, eye wònya kpɔna” ene. (Yeremya 11:15, 16) Gake mɔnukpɔkpɔ ƒe ɖoƒe ma ge le Yudatɔwo si esime ‘wogbe be yewomaɖo to Yehowa ƒe nyawo o eye wodze mawu tutɔwo yome.’—Yeremya 11:10.

Be míanye amiti tseku le Mawu ƒe aƒe me la, ele be míaɖo to Yehowa eye míalɔ̃ axɔ tohehe si wòtsɔna ‘ɖea mía ŋui’ bene míate ŋu atse Kristotɔwo ƒe ku geɖe. (Hebritɔwo 12:5, 6) Gakpe ɖe eŋu la, abe alesi amiti ŋutɔŋutɔ hiã ke siwo vuna yia didiƒe be wòate ŋu anɔ te ɖe kuɖiɖi nui ene la, ele be míado ŋusẽ míaƒe gbɔgbɔ me kewo bene míate ŋu akpe akɔ kple dodokpɔwo kple yometiti.—Mateo 13:21; Kolosetɔwo 2:6, 7.

Amiti nye kpɔɖeŋu si sɔ na Kristotɔ nuteƒewɔla si ɖewohĩ xexeame medze sii o gake Mawu ya dze sii. Ne ame ma ku le nuɖoanyi sia me hã la, aganɔ agbe le xexe yeye si gbɔna me.—Korintotɔwo II, 6:9; Petro II, 3:13.

Amiti si menya tsrɔ̃na o eye wòyia edzi tsea ku ƒe sia ƒe la na míeɖo ŋku Mawu ƒe ŋugbedodo aɖe dzi, si nye: “Nye dukɔ atsi, abe alesi ati tsinae ene, eye nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo.” (Yesaya 65:22) Ŋugbedodo sia si nye nyagblɔɖi la ava eme le Mawu ƒe xexe yeyea me.—Petro II, 3:13.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 13 Zi geɖe la, wolãa yeye siwo to la ƒe ɖewo ɖa ƒe sia ƒe bene woagaxɔ ŋusẽ le atia ŋutɔ si o.

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Blema amiti ƒe kpeme totro aɖe si wofɔ le Jacea, Alicante Nutome, Spain

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Amitigblewo le Granada Nutome, Spain

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Blema amiti aɖe si le Yerusalem gliwo godo

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Biblia ƒo nu tso amiti ƒe alɔwo dodo ɖe bubu dzi ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Amiti fẽwo ƒo xlã amiti xoxo sia