Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Dzɔ Wò Dzi Ŋu”

“Dzɔ Wò Dzi Ŋu”

“Dzɔ Wò Dzi Ŋu”

YEHOWA gblɔ na nyagblɔɖila Samuel bena: “Menye alesi amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke Yehowa kpɔa keke dzi me ke.” (Samuel I, 16:7, 8) Esi hakpala Dawid hã nɔ nu ƒom tso kpɔɖeŋudzia ŋu la, edzi ha be: “[Yehowa,] èdo nye dzi kpɔ, eye nèɖe ŋku ɖem le zã me; èlólom, eye mèkpɔ naneke le ŋunye o.”—Psalmo 17:3.

Ẽ, Yehowa kpɔa dzi la me be yeakpɔ amesiwo tututu míenye. (Lododowo 17:3) Ekema susu nyui aɖe tae blema Israel Fia Salomo ɖo aɖaŋu be: “Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eya me agbe tsona.” (Lododowo 4:23) Aleke míadzɔ míaƒe kpɔɖeŋudziwo ŋui? Lododowo ƒe agbalẽa ƒe ta 4 lia na nya ma ƒe ŋuɖoɖo mí.

Mise Fofowo ƒe Amehehe

Lododowo ƒe agbalẽa ƒe ta 4 lia dze egɔme kple nya siawo be: “Mi viwo, mise fofowo ƒe amehehe, miɖo ŋku anyi, ne miadze si gɔmesese. Nufiafia nyui mele tsɔtsɔm na mi, migagblẽ nye nufiame ɖi o.”—Lododowo 4:1, 2.

Aɖaŋu si woɖo na sɔhɛwo enye be woaɖo to wo dzila mawuvɔ̃lawo ƒe nufiame nyuiwo, vevietɔ esi wo fofo ɖona na wo. Enye eƒe agbanɔamedzi si tso Ŋɔŋlɔawo me be wòakpɔ eƒe ƒomea ƒe ŋutilã me kple gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. (Mose V, 6:6, 7; Timoteo I, 5:8) Ne mɔfiafia siawo meli o la, aleke wòasesẽe na sɔhɛ be wòaɖo tsitsinyenye gbɔe nye si! Eyata ɖe mele be ɖevi naxɔ fofoa ƒe amehehe ahade bubu eŋu oa?

Ke sɔhɛ si si fofo aɖeke mele afia nui o ya ɖe? Le kpɔɖeŋu me, fofo megava nɔ Jason, si xɔ ƒe 11 si o esime wòxɔ ƒe ene. * Esi Kristotɔ hamemegã aɖe bia Jason nusi ɖea fu nɛ wu le agbe me la, eɖo eŋu enumake be: “Edzroam be fofo nanɔ asinye. Ɣeaɖewoɣi la, mexaa nu vevie.” Ke hã aɖaŋuɖoɖo fakɔnamewo li na sɔhɛ siwo dzilawo mefiaa mɔ wo o la. Jason kple ame bubu siwo ƒe nɔnɔme sɔ ate ŋu adi eye woaxɔ fofo ƒe aɖaŋuɖoɖo tso hamemegãwo kple ame tsitsi bubu siwo le Kristo-hamea me la gbɔ.—Yakobo 1:27.

Esi Salomo ɖo ŋku nufiame siwo wòxɔ dzi megbe la, eyi edzi be: “Esi menye ɖevi na fofonye, vi fẽ kple tenuvi na danye la.” (Lododowo 4:3) Edze ƒã be fia la ɖo ŋku alesi woɖe lɔlɔ̃ fiae le enyinyi mee dzi. Esi Salomo nye ‘visetonu’ si tsɔ fofo ƒe aɖaŋuɖoɖo wɔ dɔe ta la, ƒomedodo kplikplikpli si me lɔlɔ̃ le nɔ woa kple fofoa, Dawid, dome. Gawu la, Salomo nye “tenuvi,” alo amesi gbɔ womelɔ̃a nu le kura o. Aleke gbegbee wòle vevie be vi natsi le aƒe si me lɔlɔ̃ le eye dzeɖoɖo kple dzilawo ƒe mɔnuwo le ʋuʋuɖi me enye si!

Ƒle Nunya Kple Nugɔmesese

Esi Salomo nɔ ŋku ɖom fofoa ƒe aɖaŋuɖoɖo si me lɔlɔ̃ le dzi la, egblɔ be: “Efia num gblɔ bena: Wò dzi neku ɖe nye nyawo ŋu, dzra nye sededewo ɖo, ekema ànɔ agbe. Ƒle nunya, ƒle [nugɔmesese]! Megaŋlɔe be o, eye megate ɖe aga tso nye nu me nyawo ŋu o. Megaɖe asi le [nunya ŋu] o, ekema adzra wò ɖo; lɔ̃e, ekema akpɔ tawò. [Nunyae xɔ asi wu. Ƒle nunya; eye natsɔ wò kesinɔnuwo katã aƒle nugɔmesesee].”—Lododowo 4:4-7.

Nukata nunyae ‘xɔ asi wu’? Nunya gɔmee nye sidzedze kple nugɔmesese tsɔtsɔ awɔ dɔ le mɔ si aɖe vi nu. Sidzedze—si fia nusiwo ŋu kpeɖodzi le la nyanya to ŋkuléle ɖe nu ŋu kple nuteƒekpɔkpɔ dzi alo to nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃ dzi—le vevie be nunya nasu ame asi. Gake ne ŋutetea mele mía si be míawɔ eŋudɔ nyuie o la, viɖe aɖeke manɔ sidzedze si su mía si la ŋu o. Menye Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la nana xexlẽ edziedzi ɖeɖekoe le vevie o, ke ele hã be míadze agbagba atsɔ nusiwo míesrɔ̃na le wo me ade dɔwɔna me.—Mateo 24:45.

Nugɔmesese ƒeƒle hã le vevie. Eya manɔmee la, ɖe míate ŋu akpɔ vovototo si le nyawo dome ahase nya aɖe si ŋu wole nu ƒom tsoe la gɔme bliboea? Ne nugɔmesese mele mía si o la, aleke míate ŋu ase nusita nane le alesi wòle kple susu si ta nua mele nenema o gɔme ahanye nunyala kple nugɔmeselawoe? Ẽ, be míate ŋu ade ŋugble le nuwo ŋu tsitotsito ahawɔ nyametsotso nyuitɔa la, míehiã nugɔmesese.—Daniel 9:22, 23.

Salomo yi edzi gblɔ fofoa ƒe nyawo be: “[Kɔ nunya] ɖe dzi, ne wòakɔ wò ɖe dzi, akplɔ bubu aƒu wò, ne èkpla asi kɔ nɛ. Aɖɔ seƒoƒotsihe nyui ɖe ta na wò, eye wòana fiakuku dzeani wò.” (Lododowo 4:8, 9) Mawumenunya kpɔa amesi si wòle la ta. Gawu la, enaa bubu nɔa amea ŋu eye wòɖoa atsyɔ̃ nɛ. Ekema mina míadze agbagba ɖesiaɖe aƒle nunya.

“Lé Amehehe Ðe Asi Sesĩe”

Esi Israel fia la gbugbɔ nɔ nufiame siwo wòxɔ tso fofoa gbɔ gblɔm la, egblɔ yi dzi be: “Vinye, see, eye naxɔ nye nyawo awɔ tɔwòe, ekema agbenɔƒe geɖe anɔ asiwò. Nunyamɔ fiam mele wò, eye mekplɔ wò to toƒe dzɔdzɔe. Ne èle yiyim la, wò atame maxaxa o, eye ne èle du dzi la, màkli nu o. Lé amehehe ɖe asi sesĩe, megage le asiwò o, dzɔ eŋu, elabena wò agbee wònye.”Lododowo 4:10-13.

Esi Salomo nye visetonu ta la, akpɔ ŋudzedze ɖe asixɔxɔ si le amehehe si me lɔlɔ̃ le si fiaa nu ame heɖɔa ame ɖo si fofo ana via la ŋu. Amehehe si da sɔ manɔmee la, aleke míate ŋu akpɔ mɔe be míatsi le gbɔgbɔ me alo akpɔ mɔ be míatrɔ asi le míaƒe agbenɔnɔ ŋu be wòanyo wu? Le nyateƒe me ne míesrɔ̃ nu tso míaƒe vodadawo me o alo gbe be míaɖɔ nukpɔsusu gbegblẽwo ɖo o la, míele míaƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi bum nu vevii o. Amehehe si sɔ la nana wonɔa agbe nyui eye to ema dzi la, ekpena ɖe mía ŋu be ‘míato toƒe dzɔdzɔewo.’

Amehehe ƒomevi bubu hã naa ‘míaƒe agbenɔƒewo sɔa gbɔ ɖe edzi.’ Aleke? Yesu Kristo gblɔ be: “Amesi wɔa nuteƒe le nu suetɔ ke me la, enyea nuteƒewɔla le nu geɖewo hã me, eye amesi wɔa nu madzɔmadzɔ le nu suetɔ ke me la, enyea nu madzɔmadzɔ wɔla le nu geɖewo hã me.” (Luka 16:10) Ðe mía ɖokuidziɖuɖu le nu suewo me mana wòanɔ bɔbɔe na mí be míawɔ nenema ke le nu gã, siwo dzi míaƒe agbe anɔ te ɖo, hã me oa? Le kpɔɖeŋu me, ne míemlã míaƒe ŋku be ‘wòagakpɔ nyɔnu wòadzroe o la’ ana be míaƒo mía ɖokui ɖe agbegbegblẽnɔnɔ me bɔbɔe o. (Mateo 5:28) Ne míagblɔe koŋ la, gɔmeɖose sia ku ɖe ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa ŋu. Ne míemlã míaƒe susu be ‘wòaɖe aboyo tamesusuwo katã’ la, manɔ bɔbɔe be míawɔ vodada gãwo le nyagbɔgbɔ alo nuwɔna me o.—Korintotɔwo II, 10:5.

Enye nyateƒe be zi geɖe la, tohehe menya xɔna o eye edzena abe mɔxenu ene. (Hebritɔwo 12:11) Ke hã fia nunyala la ka ɖe edzi na mí be ne míexɔ amehehe la, míaƒe mɔ me akɔ míate ŋu awɔ ŋgɔyiyi. Abe alesi ne duƒula xɔ hehe nyuie wòte ŋu ƒua du nyuie anyi madzemadzee alo abi maxɔmexɔe ene la, nenema ke amehehe xɔxɔ wɔnɛ be míenɔa agbemɔa dzi kple dzonɔameme nu maklimaklii. Le nyateƒe me la, ele be míakpɔ nyuie le mɔ si míetia la ŋu.

Ƒo Asa Na “Ame Vɔ̃ɖiwo Toƒe”

Salomo tsɔ nuwɔwɔ kpata ƒe susu xlɔ̃ nui be: “Megage ɖe ame vɔ̃ɖiwo toƒe o, eye megazɔ ame vlowo ƒe mɔ dzi o. Ðe kɔ ɖa le eŋu, eye megato edzi o; dze le eŋu, eye nato eŋu ayi. Elabena woawo la, ne womewɔ vɔ̃ o kpaa, wometea ŋu dɔa alɔ̃ o, eye ne womeƒu ame anyi o la, alɔ̃dɔdɔ buna ɖe wo. Elabena woɖua nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe abolo, eye wonoa sesẽnuwɔwɔ ƒe wein.”Lododowo 4:14-17.

Ame vɔ̃ɖi siwo toƒe Salomo di be míaƒo asa na la wɔa nu vlowo tsɔ kpɔa wo ɖokui dzii. Nugbegblẽwɔwɔ le na wo ko abe nuɖuɖu kple nunono ene. Ne womewɔ ŋutasẽnuwo o kpaa, womete ŋu dɔa alɔ̃ o. Woƒe amenyenye katã ku ɖe nufitifitiwɔwɔ ŋu! Ðe míate ŋu adzɔ míaƒe dziwo ŋu nyateƒe ne míade ha kpli woa? Aleke wòanye movidzɔdzɔ enye si be ‘míazɔ ame vlowo ƒe mɔ dzi’ to ŋutasẽnuwɔwɔ si bɔ ɖe modzakaɖeɖe siwo le egbe ƒe xexeame me la kpɔkpɔ dzi! Agbagbadzedze be míaƒe dɔme natrɔ ɖe mía nɔewo ŋu mewɔ ɖeka kple vevemaseɖeamenu nuwɔna siwo woɖena le television dzi alo sinimawo me si míanɔ kpɔkpɔm la le mɔ aɖeke nu kura o.

Nɔ Kekeli La Me

Salomo yi edzi zã toƒe kpɔɖeŋua hegblɔ be: “Ame dzɔdzɔe ƒe toƒe le abe agudzedze ƒe kekeli, si nɔa kɔkɔm ɖe edzi, vaseɖe esime ŋu kena keŋ ene.” (Lododowo 4:18) Woate ŋu atsɔ Biblia sɔsrɔ̃ kpakple agbagbadzedze be woatsɔ nusiwo wògblɔ ade dɔwɔna me asɔ kple mɔzɔzɔ aɖe gɔmedzedze le fɔŋli me. Ne dziŋgɔli me mekɔ nyuie o eye viviti li la, míete ŋu kpɔa naneke nyuie o. Gake ne xexea me te kɔkɔ vivivi la, míete ŋu dea dzesi nusiwo ƒo xlã mí la nyuie wu. Mlɔeba ɣea klẽna nyuie, eye míekpɔa nusianu nyuie keŋkeŋ. Ẽ, nyateƒea me va kɔna na mí ne míeku kutri le Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ me dzigbɔɖitɔe kple veviedodo. Gbɔgbɔ me nunyiamewo nana míaƒe dzi le vevie ne míedi be míakpɔ eta tso aʋatso tamesusuwo me.

Gɔmesese alo nusi tututu fiam Biblia ƒe nyagblɔɖiwo le hã me kɔna ʋɛʋɛʋɛ. Nyagblɔɖiwo me va kɔna na mí ne Yehowa ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea na wo me kɔ eye ne xexemenudzɔdzɔwo alo nusiwo me tom Mawu ƒe amewo le na wole eme vam. Le esi teƒe be míatsɔ dzitsitsi anɔ wo me vava susum ko anɔ gbɔgblɔm la, ahiã be míalala be ‘kekelia naklẽ be wo me nakɔ ɖe edzi.’

Ke amesiwo gbe Mawu ƒe mɔfiame hegbe be yewomazɔ kekelia me o ya ɖe? Salomo gblɔ be: “Ame vɔ̃ɖi ƒe mɔ le abe blukɔ ene; womenya afika wole nu kli ge le o.” (Lododowo 4:19) Ame vɔ̃ɖiwo le abe ame aɖe si kli nu le viviti me evɔ menya nusi wòkli la o ene. Ne edze abe ɖe nu le edzi dzem na ame mavɔ̃mawuwo le woƒe numadzɔmadzɔwɔwɔ ta ene gɔ̃ hã la, ɣeyiɣi kpui aɖe koe woƒe yeaɖi dzidzedzekpɔkpɔa anɔ anyi. Hakpala la dzi ha le amesiawo ŋu be: “Nyateƒee, ètsɔ wo ɖo ɖiɖiƒe, eye [wò Yehowa] nèxlã wo ɖe anyi wozu anyiglãgo.”—Psalmo 73:18.

Yi Edzi Nànɔ Ŋudzɔ

Israel-fia la yi edzi gblɔ be: “Vinye, lé to ɖe nye nyawo ŋu, eye naƒu to anyi ɖe nye nuƒoƒo ŋu. Womegate ɖa le ŋkuwò me o, dzra wo ɖo ɖe wò dzi ƒe gogloeaƒe. Elabena agbe wonye na amesiwo katã ƒe asi su wo dzi la, eye woyɔa dɔ woƒe ŋutilã blibo la. Dzɔ wò dzi ŋu wu nuwo katã, elabena eya me agbe tsona.”Lododowo 4:20-23.

Salomo ŋutɔ ƒe kpɔɖeŋu ɖo kpe asixɔxɔ si le aɖaŋu si woɖo nɛ be wòadzɔ eƒe dzi ŋu la dzi. Le nyateƒe me la, enye ‘visetonu’ na fofoa le eƒe ɖevime eye wòlé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa nyuie yi ɖe eƒe tsitsi me. Ke hã Biblia gblɔ be: “Eye wòva me, esime Salomo tsi la, srɔ̃awo trɔ eƒe dzi ɖe mawu bubuwo ŋu, eye eƒe dzi menɔ Yehowa, eƒe Mawu la ŋu blibo abe fofoa Dawid ƒe dzi ene o.” (Fiawo I, 11:4) Ŋudzɔnɔnɔ ɣeawokataɣi manɔmee la, nugbegblẽwɔwɔ ƒe beble ate ŋu aflu dzi nyuitɔwo kekeake gɔ̃ hã. (Yeremya 17:9) Ele be ŋkuɖodzinya siwo le Mawu ƒe Nyaa me nanɔ míaƒe dzi ŋu ɣeawokatãɣi—‘wòanɔ dzia ƒe gogloeaƒe ke.’ Esia ŋue mɔfiafia siwo wona le Lododowo ƒe agbalẽa ƒe ta 4 lia me ku ɖo.

Lé Ŋku Ðe Wò Dzi ƒe Nɔnɔme Ŋu

Ðe míele míaƒe kpɔɖeŋudzia ŋu dzɔm dzidzedzetɔea? Aleke míawɔ anya alesi ame le le ememe? Yesu Kristo gblɔ be: “Nya, si ke wu dzi la, eya nu gblɔna.” (Mateo 12:34) Egblɔ hã be: “Dzi mee nu vɔ̃ɖi susuwo, amewuwuwo, ahasiwɔwɔwo, matrewɔwɔwo, fififiwo, aʋatsoɖaseɖiɖiwo kple ɖiŋudodowo doa go tsona.” (Mateo 15:19, 20) Ẽ, míaƒe nyawo kple nuwɔnawo ƒoa nu geɖe tsoa amesi míenye le dzi me ŋu.

Esɔ be Salomo ɖo aɖaŋu na mí be: “Ðe alakpanu ɖa le ɖokuiwò ŋu, eye nate aʋatsonuyi ɖa le ɖokuiwò gbɔ. Wò ŋkuwo nekpɔ ŋgɔ tẽ, eye wò aɖabawo nelé mɔ ɖeka tsɔ le ŋgɔwò. Ðe toƒe dzɔdzɔe na wò afɔwo, eye wò mɔwo katã nesɔ ɖe eteƒe. Megadze ɖe ɖusi alo mia me o, te wò afɔ ɖe aga tso vɔ̃ gbɔ.”Lododowo 4:24-27.

Le Salomo ƒe aɖaŋuɖoɖo siawo ta la, ehiã be míalé ŋku ɖe míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo ŋu. Ne míadzɔ míaƒe dzi ŋu ahawɔ nusi dzea Mawu ŋu la, ele be míaƒo asa na nya madzetowo gbɔgblɔ kple godzenuwo wɔwɔ. (Lododowo 3:32) Eyata ele be míalé ŋku ɖe nusi míaƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo ɖena fiana tso mía ŋu la ŋu gbedodoɖatɔe. Mina míabia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu be míate ŋu aɖɔ gbɔdzɔgbɔdzɔ ɖesiaɖe si míakpɔ la ɖo.—Psalmo 139:23, 24.

Ƒo wo katã ta la, mina ‘míaƒe ŋkuwo nakpɔ ŋgɔ tẽ.’ Mina míalé míaƒe taɖodzinu be míatsɔ luʋɔ̃ blibo ƒe subɔsubɔ ana mía Fofo si le dziƒo la me ɖe asi sesĩe. (Kolosetɔwo 3:23) Esi nèle agbagba dzem be yealé mɔ dzɔdzɔe sia me ɖe asi la, neva eme be Yehowa nana nàkpɔ dzidzedze le “wò mɔwo katã” dzi, eye neyra wò geɖe le esi nèxɔ aɖaŋuɖoɖo si tso gbɔgbɔ me be ‘nàdzɔ wò dzi ŋu’ la ta.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 7 Menye eƒe ŋkɔ ŋutɔe o.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]

Ðe nèƒoa asa na modzaka- ɖeɖe siwo me ŋutasẽnu- wɔnawo lea?

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Amesiwo si nuteƒekpɔkpɔ su ƒe aɖaŋuɖoɖowo neɖe vi na wò

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Amehehe xɔxɔ mahe ŋgɔyiyi si nàwɔ ɖe megbe o

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ku kutri le wò Biblia sɔsrɔ̃ me