Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyanyuiawo—Ŋutinya Wonye Loo alo Nyakpakpawoe?

Nyanyuiawo—Ŋutinya Wonye Loo alo Nyakpakpawoe?

Nyanyuiawo—Ŋutinya Wonye Loo alo Nyakpakpawoe?

LE XEXEAME godoo la, ŋutinya si wogblɔna le Yesu Nazaretetɔ la—ɖekakpui si trɔ ameƒomea ƒe ŋutinya—ŋu nye amewo ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa aɖe. Ezu nusiwo amewo srɔ̃na le suku kple teƒe bubuwo. Ame geɖe bua Nyanyuiawo be nyateƒenya kple lododo siwo sɔ na ɣeyiɣi ɖesiaɖe la le wo me, abe ‘Miaƒe nanye ẽ, eye o, nanye o’ ene. (Mateo 5:37) Le nyateƒe me dziwòlawo ɖanye Kristotɔwo loo alo womenyee o, anye be Nyanyuiawo me nuŋlɔɖi aɖewo dzie wonɔ te ɖo fia nanewo wò.

Le Kristo yomedzela ɖianukware miliɔn geɖe gome la, Nyanyuiawo mee ŋutsu si ta wolɔ̃ be yewoakpe fu ahaku ɖo la ƒe ŋutinya le. Azɔ hã Nyanyuiawo mee wokpɔa dzideƒo, dzidodo, xɔse, kple mɔkpɔkpɔ tsonɛ. Ekema ɖe màlɔ̃ ɖe edzi be ebia kpeɖodzi siwo ŋu ɖikeke aɖeke mele o hafi woabu nuŋlɔɖi siawo be wonye nyakpakpa dzro aɖewo ko oa? Ne èbu ŋusẽ si gbegbe Nyanyuiawo me nuŋlɔɖiwo kpɔ ɖe amegbetɔ ƒe tamesusu kple agbenɔnɔ dzi ŋu hafi ame aɖe ava nɔ ɖikenyawo gblɔm ɖe woƒe nyateƒenyenye ŋu la, ɖe màbia be wòana kpeɖodzi vavã ye oa?

Míekpe wò be nàna míadzro Nyanyuiawo ŋu biabia geɖe siwo na wobua tame la me. Wò ŋutɔ kpɔ nusi Nyanyuiawo srɔ̃la aɖewo susu le biabia siawo ŋu, togbɔ be wo dometɔ aɖewo megblɔ be yewonye Kristotɔwo o hã. Ekema àte ŋu anɔ te ɖe nusiwo nènya dzi aƒo nya ta.

BIABIA SIWO ME MÍADZRO

Ðe wokpa Nyanyuiawo me nyawo aɖaŋutɔea?

Robert Funk, si to Yesu Ŋuti Numedzrokpekpea vɛ gblɔ be: “Mateo, Marko, Luka kple Yohanes ‘ƒo nu tso Mesia la ŋu’ kple susu be wòasɔ ɖe Kristotɔwo ƒe nufiafia siwo woto vɛ le Yesu ƒe ku megbe nu.” Gake esime wonɔ Nyanyuiawo ŋlɔm la, amesiwo se Yesu ƒe nyagbɔgblɔwo, kpɔ nusiwo wòwɔ teƒe, eye wokpɔe le eƒe tsitretsitsi megbe la kpɔtɔ nɔ agbe. Wometsɔ nya aɖeke ɖe Nyanyuiawo ŋlɔlawo ŋu be wole alakpa dam o.

Bu Kristo ƒe ku kple tsitretsitsi ŋu kpɔ. Menye Nyanyuiawo me koe Yesu ƒe ku kple tsitretsitsi ŋuti nuŋlɔɖi si dzi woate ŋu aka ɖo la le o ke ele apostolo Paulo ƒe lɛta gbãtɔ si wòŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo nɔ Korinto siwo dzi amewo da asi ɖo la hã me. Eŋlɔ be: “Nusi nye hã mexɔ la, metsɔ de asi na mi gbãgbiagbã bena, Kristo ku le mía nuvɔ̃ ŋuti le ŋɔŋlɔ la nu, eye bena woɖii, eye bena wogafɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome le ŋkeke etɔ̃agbe le ŋɔŋlɔ la nu, eye bena eɖe eɖokui fia Kefa, emegbe la ame wuieve la. Eya megbe la eɖe eɖokui fia nɔvi, siwo wu ame alafa atɔ̃ la zi ɖeka, amesiwo dome geɖeawo le agbe vaseɖe fifi, ke ame aɖewo hã dɔ alɔ̃. Emegbe la eɖe eɖokui fia Yakobo, emegbe la apostolowo katã. Wo katã megbe la eɖe eɖokui fia nye hã abe fu gegee ene.” (Korintotɔwo I, 15:3-8) Yesu ƒe agbenɔnɔ ŋutinya vavãwo nɔ ɖaseɖila siawo si.

Nya siwo egbegbe ɖikelawo gblɔ be wokpa la ƒe ɖeke medze le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me o. Ke boŋ ƒe alafa evelia M.Ŋ. me ƒe nuŋlɔɖiwo mee wodze le. Eyata ɣeyiɣi si megbedede tso Kristotɔnyenye vavãtɔ gbɔ nɔ mo dom ɖa le ƒuƒoƒo siwo ɖe aga tso apostoloawo ƒe ha la gbɔ mee woto Kristo ŋuti nyakpakpa siwo mele Ŋɔŋlɔawo me o vɛ.—Dɔwɔwɔwo 20:28-30.

Ðe Nyanyuiawo nye xotutuwoa?

Esesẽ na agbalẽŋlɔla kple ɖikela C. S. Lewis be wòaxɔ ase be Nyanyuiawo nye xotutu dzro aɖewo ko. Eŋlɔ be: “Esi menye ŋutinyaŋlɔla ta la, meka ɖe edzi kokoko be aleke ke Nyanyuiawo le o, womenye xotutuwo o. Womede atsiã wo me nenema gbegbe be woanye xotutuwo o. . . . Míenya nu tso Yesu ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa gãtɔ ŋu o, eye ame aɖeke makpa xotunyawo ana wòanɔ nenema o.” Enya se hã be togbɔ be ŋutinyaŋlɔla H. G. Wells megblɔ be yenye Kristotɔ o hã la, egblɔ be: “[Nyanyuiŋlɔla] eneawo katã ƒe nu sɔ le amenyenye ɖeka ɖɔɖɔ na mí me; wona . . . kpeɖodzia dze ƒã be nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔe.”

De ŋugble le ɣeyiɣi si me Yesu si wofɔ ɖe tsitre ɖe eɖokui fia eƒe nusrɔ̃lawo ŋu kpɔ. Anye ne xotunya kpala bibi ana Yesu ƒe tɔtrɔgbɔ nawɔ nuku, agblɔ be eva ƒo nuƒo wɔdɔɖeamedzi aɖe, alo aɖɔe be enye bubume si woɖo atsyɔ̃ geɖe na. Ðe eteƒe la, ɖeko Nyanyuiawo ŋlɔlawo gblɔ be eva tsi tre ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋkume. Ena woka asi eŋu, eye wòbia wo be: “Ðeviwo lee, lã mele mia si o mahã?” (Yohanes 21:5) Agbalẽnyala Gregg Easterbrook ƒo nya ta be: “Nya suesue siawo ƒomevie ɖee fia be wonye ŋutinya vavãwo, ke menye nyakpakpa o.”

Nutsotso be Nyanyuiawo nye xotutuwo tsi tre hã ɖe rabiwo ƒe nufiafia mɔnu kpaɖi si nɔ anyi le ɣeyiɣi si me wonɔ Nyanyuiawo ŋlɔm la ŋu. Mɔnu ma bia be woasrɔ̃ nu alé ɖe tame kokoko—enye mɔnu aɖe si me wogbugbɔ gblɔa nya ɖeka enuenu le be wòatsi susu me na ame. Esia awɔe be woaŋlɔ Yesu ƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo ŋu nya ɖi pɛpɛpɛ beléletɔe tsɔ wu be woaɖe ami ɖe nyaawo.

Ne xotutuwoe Nyanyuiawo nye la, ɖe wòanya wɔ be woaƒo wo nu ƒu le Yesu ƒe ku megbe kaba nenema?

Le kpeɖodzi siwo li nu la, ƒe 41 kple 98 M.Ŋ. domee woŋlɔ Nyanyuiawo. Ƒe 33 M.Ŋ. mee Yesu ku. Esia fia be ɣeyiɣi kpui aɖe ŋutɔ le eƒe subɔsubɔdɔa nuwuwu megbee woƒo eƒe agbemeŋutinyawo nu ƒu. Esia nye kplamatsedonu aɖe na nya si gblɔm wole be Nyanyuiawo me ŋutinyawo nye xotutu dzrowo ko. Exɔa ɣeyiɣi hafi xotutuwo va xɔa ŋkɔ. Kpɔɖeŋu aɖewoe nye Iliad kple Odyssey si blema Hela-hakpanyaŋlɔla Homer ŋlɔ. Ame aɖewo xɔe se be xotutu legbe eve mawo xɔ ƒe alafa geɖe hafi va xɔ ŋkɔ heli ke. Ke Nyanyuiawo ya ɖe?

Ŋutinyaŋlɔla Will Durant ŋlɔ le eƒe agbalẽ si nye Caesar and Christ me be: “Be ame tsɛ ʋɛ aɖewo ko . . . nakpa ame aɖe si ƒe amenyenye kpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi henyoa ame ŋu nenema gbegbe ŋuti nya, akpa agbenɔnɔ ŋuti se si de ŋgɔ nenema gbegbe kple amegbetɔwo ƒe nɔviwɔwɔ ŋuti nukpɔsusu si ʋãa ame nenema gbegbe ŋu nya la, ke anye nukunu si dzi xɔxɔ se asesẽ kura wu esiwo woŋlɔ ɖe Nyanyuiawo me. Le ƒe alafa eve ƒe Ðikeke Deŋgɔ megbe la, gɔmesese deto kpɔtɔ le agbalẽ siwo ƒo nu tso Kristo ƒe agbenɔnɔ, nɔnɔme, kple nufiafia ŋu la ŋuti, eye wònye nusi léa dzi na ame wu ɖesiaɖe le Ɣetoɖoƒetɔwo ƒe ŋutinya me.”

Ðe wova trɔ asi le Nyanyuiawo me nyawo ŋu emegbe bene woasɔ ɖe Kristo-ha gbãtɔa ƒe nudidiwo nua?

Ðikela aɖewo gblɔna be Kristo-ha gbãtɔa ƒe ɖoɖowo wɔe be Nyanyuiawo ŋlɔlawo va trɔ asi le Yesu ƒe ŋutinya ŋu alo tsɔ ɖe kpee. Gake ŋkuléle ɖe Nyanyuiawo ŋu tututu ɖee fia be asi fafa ɖe nu me aɖeke meyi edzi nenema o. Ne ɖe ƒe alafa gbãtɔa me Kristotɔwo ƒe amefuflu wɔe be wova trɔ asi le Yesu ƒe ŋutinya siwo le Nyanyuigbalẽawo me ŋu la, nukatae nya madeamedzi siwo ku ɖe Yudatɔwo kple Trɔ̃subɔdukɔwo me tɔwo ŋu la gakpɔtɔ dze le nuŋlɔɖia me?

Kpɔɖeŋu ɖeka dze le Mateo 6:5-7, afisi Yesu gblɔ le be: “Eye ne miele gbe dom ɖa la, miganɔ abe alakpatɔwo ene o; elabena wolɔ̃a gbedodoɖa le tsitrenu le ƒuƒoƒewo kple ablɔwo ƒe dzogoewo dzi, bena amewo nakpɔ yewo. Vavã mele egblɔm na mi bena: Woxɔ woƒe fetu yi xoxo.” Edze ƒã be nya sia nye fɔbubu Yuda-subɔsubɔhakplɔlawo. Yesu gblɔ yi edzi be: “Ne miele gbe dom ɖa la, migagblɔ nyatsinyatsi abe [Trɔ̃subɔlawo] ene o; elabena wobu xa bena, le yewoƒe nya geɖe gbɔgblɔ ŋuti la woaɖo to yewo.” Manye xɔsetɔ yeyewo dim Nyanyuiawo ŋlɔlawo nɔ esi woŋlɔ Yesu ƒe nyawo alea o. Nya siwo Yesu Kristo gblɔ tututu ko wònye ŋlɔm wonɔ.

Gabu nuŋlɔɖi si le Nyanyuiawo me ku ɖe nyɔnu siwo yi Yesu ƒe kpetoa gbɔ eye wokpɔ be etsi ƒuƒlu hã ŋu kpɔ. (Marko 16:1-8) Le Gregg Easterbrook ƒe nya nu la, “le blema Titina Ɣedzeƒetɔwo ƒe hadomegbenɔnɔ me la, wobua nyɔnuwo ƒe ɖaseɖiɖi be medze be woaka ɖe edzi kura koŋ o: le kpɔɖeŋu me, ŋutsu eve ƒe ɖaseɖiɖi sɔ gbɔ woatsɔ abu fɔ nyɔnu be ewɔ ahasi, evɔ womate ŋu atsɔ nyɔnu aɖeke ƒe ɖaseɖiɖi abu fɔ ŋutsu o.” Le nyateƒe me la, Yesu ŋutɔ ƒe nusrɔ̃lawo mexɔ nyɔnuawo dzi se o! (Luka 24:11) Eyata mate ŋu anɔ eme kura be ɖe woɖoe koŋ kpa ŋutinya ma o.

Alesi lododowo mele nusrɔ̃lawo ƒe lɛtawo kple Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me o nye kpeɖodzi sẽŋu si fia be menye Kristotɔ gbãtɔawoe tsɔ esiwo le Nyanyuiawo me tra ɖe eme o ke Yesu ŋutɔe gblɔ wo. Gakpe ɖe eŋu la, Nyanyuiawo tsɔtsɔ sɔ kple nusrɔ̃laawo ƒe lɛtawo nyuie ɖee fia be menye ɖe wotrɔ asi le Paulo alo Hela Ŋɔŋlɔawo ŋlɔlawo ƒe nyawo ŋu hegblɔ be Yesue gblɔ wo o. Ne Kristotɔ gbãtɔawoe wɔ nusia tɔgbe la, ke ele be míakpɔ mɔ be lɛtaawo me nya siawo ƒe ɖewo ya teti nanɔ Nyanyuiawo me. Esi míate ŋu akpɔ ɖeke le wo me o ta la, míate ŋu aƒo nya ta wòasɔ be Nyanyuiawo me nyawo nye Yesu ƒe nyawo ŋutɔŋutɔ eye kakaɖedzi le wo ŋu.

Ke Nyanyuiawo me nya siwo dze abe ɖe wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ene ya ɖe?

Ɣeyiɣi didi aɖee nye sia si ɖikelawo hea nya be Nyanyuiawo yɔ fũ kple nya siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu. Ŋutinyaŋlɔla Durant ɖoe be yeadzro Nyanyuiawo me nuŋlɔɖiwo me akpaɖekedzimademadetɔe—akpɔ ɖa be wonye ŋutinya vavãwo hã. Togbɔ be egblɔ be edze abe nanewo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ene hã la, eƒo nya ta be: “Nya suesue [maɖinya] aɖewo koe tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu, menye gɔmesesea o; nyanyuigbalẽ siwo gblɔ ŋutinya ɖeka ƒomevi la wɔ ɖeka le nya veviwo gome wòɖe dzesi ŋutɔ, ale be alesi woɖɔ Kristo la to mɔ ɖeka.”

Wote ŋu kpɔa ta na Nyanyuiawo me nya siwo dze abe ɖe wotsi tre ɖe wo nɔewo ŋu ene la bɔbɔe. Le kpɔɖeŋu me: Mateo 8:5 gblɔ be “aʋafia aɖe va [Yesu gbɔ] le kuku ɖem nɛ” be wòayɔ dɔ yeƒe subɔvi. Míexlẽ le Luka 7:3 be aʋafia la “[dɔ] Yudatɔwo ƒe amegãwo ɖo ɖe [Yesu gbɔ] ɖe kuku nɛ bena, wòava ɖe eƒe dɔla.” Aʋafia lae dɔ amegãawo be woaƒo nu ɖe ye nu. Esi ŋutsua tsɔ eƒe biabiaa to amegãawo dzi be woaƒo nu ɖe ye nu tae Mateo gblɔ be aʋafia la ŋutɔe ɖe kuku na Yesu ɖo. Esia nye kpɔɖeŋu ɖeka si fia be woate ŋu akpɔ ta na nya siwo wogblɔna be wonye Nyanyuiawo me nya siwo tsi tre wo nɔewo ŋu.

Ke nya siwo ɖikela siwo kua nu me vivivo gblɔna be Nyanyuiawo me nyawo meɖo dzidzenua gbɔ anye ŋutinya vavã o hã ɖe? Durant yi edzi be: “Le dzonɔameme si gbegbe Ðikela Deŋgɔwo tsɔ ɖe woƒe numekukuwo ŋu nu la, dzidzenu siwo wotsɔ do Nubabla Yeyea me gbalẽwo ƒe nyateƒenyenye kpɔ nu sẽ ale gbegbe be ne woazãe ɖe blema bubume alafa ɖeka aɖewo—abe Hammurabi, Dawid, Socrates ene—ŋu la, xotutu me me aɖewo koe woazu. Togbɔ be nazãbubu aɖewo kple mawusubɔsubɔ me nukpɔsusu aɖewo nɔ nyanyuiawo ŋlɔlawo si hã la, woŋlɔ nudzɔdzɔ aɖewo ɖi si dzi nyakpala dzro aɖewo atsyɔ nui—esiwo nye nɔƒe kɔkɔ nɔnɔ le Fiaɖuƒea me ŋuti hoʋiʋli si nɔ apostoloawo dome, woƒe sisi esime wolé Yesu, Petro ƒe nusesẽ . . . Amesiwo axlẽ nuŋlɔɖi siawo ƒe ɖeke make ɖi wo ŋlɔlawo ƒe nyateƒetoto o.”

Ðe egbegbe Kristotɔnyenye le Yesu si ƒe nya wogblɔ le Nyanyuiawo me srɔ̃ma?

Yesu Ŋuti Numedzrokpekpea wɔlawo gblɔ be ‘sɔlemehawo ƒe aɖaŋuɖotakpekpewo ƒe nyagbɔgblɔwo mekpɔ ŋusẽ ɖe numekuku si wɔm yewole le Nyanyuiawo ŋu dzi o.’ Gake ŋutinyaŋlɔla Wells de dzesii be vovototo gã aɖe le Yesu ƒe nufiafia siwo woŋlɔ ɖe Nyanyuiawo me kple Kristodukɔa tɔ dome. Eŋlɔ be: “Kpeɖodzi aɖeke meli si fia be Yesu ƒe apostoloawo se naneke tso Mawuɖekaetɔ̃a ŋu kpɔ o—womesee tso eya ŋutɔ nu gɔ̃ hã kpɔ o. . . . Eye [Yesu] megblɔ nya aɖeke tso dadaa, Maria, subɔsubɔ ŋu, abe Isis, si nye dziƒo Fianyɔnu, subɔsubɔ ene o. Eƒo asa na nusianu si ɖi [Kristodukɔa] ƒe subɔsubɔ kple nuwɔna.” Eyata ame aɖeke mate ŋu anɔ te ɖe Kristodukɔa ƒe nufiafiawo dzi atso nya me le Nyanyuiawo ƒe nyonyome ŋu o.

ALEKE NYE WÒ NYATAƑOƑO?

Esi nède ŋugble le nya siwo míegblɔ va yi ŋu vɔ la, nukae nye susu? Ðe kpeɖodzi vavã si me kɔ li si fia be Nyanyuiawo nye nyakpakpa dzro aɖewo koa? Ame geɖe kpɔe be kpekpeme mele nya siwo wobia kple ɖikenya siwo wohe ɖe Nyanyuiawo ƒe nyateƒenyenye ŋu la ŋuti o eye gɔmesese mele wo ŋu o. Be nàƒo nya ta na ɖokuiwò la, ele be nàkɔ susu me axlẽ Nyanyuiawo. (Dɔwɔwɔwo 17:11) Ne ède ŋugble le alesi Nyanyuiawo tsɔ anukwareɖiɖi ƒo nu tso Yesu ƒe amenyenye ŋu wòto mɔ ɖeka hesɔ pɛpɛpɛ ŋu la, àkpɔe be nuŋlɔɖi siawo menye gli aɖewo ko wofɔ kpe o. *

Ne ègbɔ dzi ɖi dzro Biblia me eye nètsɔ eƒe aɖaŋuɖoɖowo wɔ dɔe la, àkpɔ alesi wòatrɔ wò agbenɔnɔ wòanyo ɖe edzii. (Yohanes 6:68) Aleae wòle vevietɔ le Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Nyanyuiawo me gome. Gakpe ɖe eŋu la, àte ŋu asrɔ̃ nu tso etsɔme wɔnuku si le ŋgɔ na ameƒomea me tɔ toɖolawo la ŋu le eme.—Yohanes 3:16; 17:3, 17.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 29 Kpɔ agbalẽ si nye The Bible—God’s Word or Man’s? ƒe ta 5 vaseɖe 7 kple agbalẽ gbadza si nye Agbalẽ si Nyo na Amesiame. Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye ta evea siaa.

[Aɖaka si le axa 7]

Nyatakaka Vavã ƒe Kpeɖodzi

ƑE AÐEWOE nye si va yi la, Australiatɔ agbalẽŋlɔla aɖe si kea ɖi Biblia tsã ʋu nya me be: “Zi gbãtɔ le nye agbe me la, mewɔ nu gbãtɔ si wòle be nyadzɔdzɔŋlɔla nawɔ: megbugbɔ to nye nyawo me. . . . Nye mo wɔ yaa, elabena nusi xlẽm menɔ [le Nyanyuiawo me nuŋlɔɖiwo me] menye xotutu o eye menye ɖe wolé ŋku ɖe dzɔdzɔme ŋu ko hekpa nyaawo o. Nusi dzɔ tae woka. Nuŋlɔɖiawo nye nu wɔnuku siwo dzɔ amewo kpɔ kple esiwo wose heŋlɔ . . . Dzesi aɖe nɔa nyatakaka ŋu, eye dzesi ma dze le Nyanyuiawo ŋu.”

Nenema ke E. M. Blaiklock, si nye blemaŋutinyafialagã le Auckland Yunivɛsiti te tɔ ɖe edzi be: “Meƒu asi akɔ be menye ŋutinyafiala. Ŋutinyawo dzie menɔa te ɖo fiaa Blemaŋutinyawo. Eye magblɔ kple kakaɖedzi be kpeɖodziwo li na nusiwo ɖo kpe Kristo ƒe agbenɔnɔ, eƒe ku, kple tsitretsitsi dzi wu nusiwo ɖo kpe blemaŋutinyawo dzi.”

[Anyigbata/Nɔnɔmetata siwo axa 8]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

FOENIKE

GALILEA

Yordan Tɔsisi

YUDEA

[Nɔnɔmetatawo]

“Kpeɖodziwo li na nusiwo ɖo kpe kple tsitretsitsi dzi wu nusiwo Kristo ƒe agbenɔnɔ, eƒe ku, ɖo kpe blemaŋutinyawo dzi.”—NUFIALAGÃ E. M. BLAIKLOCK

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Anyigba ƒe nɔnɔmetata si le megbe ɖaa: Anyigba ƒe nɔnɔmetata si nye Pictorial Archive (Near Eastern History) Est. kple Survey of Israel tɔ mee míeɖee tsoe.