Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Xɔ Mawu Ƒe Nyagblɔɖinya La Dzi se!

Xɔ Mawu Ƒe Nyagblɔɖinya La Dzi se!

Xɔ Mawu Ƒe Nyagblɔɖinya La Dzi se!

‘Nyagblɔɖinya, si dzi wogaɖo kpee geɖe wu la, le mía si.’—PETRO II, 1:19.

1, 2. Nyagblɔɖi kae nye gbãtɔ si woŋlɔ ɖi, eye biabia siwo wòfɔ ɖe te dometɔ ɖeka ɖe?

YEHOWA ye gblɔ nyagblɔɖi gbãtɔ si woŋlɔ ɖi kpɔ. Esi Adam kple Xawa wɔ nuvɔ̃ megbe la, Mawu gblɔ na da la be: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.” (Mose I, 3:1-7, 14, 15) Ƒe alafawo ava yi hafi wova se nyagblɔɖinya mawo gɔme nyuie.

2 Mɔkpɔkpɔ vavã aɖe nɔ nyagblɔɖi gbãtɔ ma me na ameƒome siwo nye nuvɔ̃mewo. Emegbe Ŋɔŋlɔawo gblɔ be Satana Abosam ye nye “da xoxo la.” (Nyaɖeɖefia 12:9) Gake amekae ava nye Mawu ƒe Dzidzimevi si ŋugbe wòdo la?

Dzidzimevi la Didi

3. Aleke Habel ɖee fia be yexɔ nyagblɔɖi gbãtɔa dzi se?

3 Mawuvɔ̃la Habel mewɔ nu abe fofoa ene o, ke boŋ eya xɔ nyagblɔɖi gbãtɔa dzi se. Anɔ eme be Habel kpɔe dze sii be ahiã be woakɔ ʋu ɖi atsɔ aɖe nuvɔ̃ ɖae. Eyata xɔse ʋãe wòtsɔ lã sa vɔe wòdze Mawu ŋu. (Mose I, 4:2-4) Ke hã amesi Dzidzimevi si ŋugbe wodo nye menɔ nyanya o.

4. Ŋugbe kae Mawu do na Abraham, eye nukae nya sia ɖe fia le Dzidzimevi si ŋugbe wodo ŋu?

4 Anɔ ƒe 2,000 le Habel ƒe ŋkekea megbe la, Yehowa do ŋugbe sia si nye nyagblɔɖi na blemafofo Abraham be: “Mayra wò geɖe ŋutɔ, eye viwòwo asɔ gbɔ fũ abe dziƒoɣletiviwo . . . ene. . . . To wò dzidzimeviwo me woayra anyigba dzi dukɔwo katã le.” (Mose I, 22:17, 18) Nya mawo fia be Abraham dzie woato ana nyagblɔɖi gbãtɔa nava eme. Wofia be Abraham ƒe dzidzimea mee Dzidzimevi si dzi woato agblẽ Satana ƒe dɔwɔwɔwo me la ado tso. (Yohanes I, 3:8) Abraham “meke ɖi le Mawu ƒe ŋugbedodo la ŋuti le dzimaxɔse me hã o,” eye nenema ke enye Yehowa ƒe ɖasefo bubu siwo nɔ agbe do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia, amesiwo ‘ƒe asi mesu ŋugbedodo la dzi o’ hã. (Romatɔwo 4:20, 21; Hebritɔwo 11:39) Ke boŋ woyi edzi xɔ Mawu ƒe nyagblɔɖinya la dzi se.

5. Ameka dzie Mawu ƒe ŋugbedodo le Dzidzimevia ŋu va eme ɖo, eye nukata nèɖo eŋu nenema?

5 Apostolo Paulo ɖe Mawu ƒe Dzidzimevi si ŋugbe wòdo fia esime wòŋlɔ bena: “Ke Abraham la wogblɔ ŋugbedodowo na eya kple eƒe ƒome; womegblɔ be: ‘Kple ƒomeawo’ abe ame geɖe ene o, ke abe ame ɖeka ene boŋ: ‘Kple wò ƒome,’ si nye Kristo.” (Galatiatɔwo 3:16) Menye Abraham ƒe viwo katã mee Dzidzimevi si dzi woato ayra dukɔwo la atso o. Wometo via Ismael ƒe dzidzimeviwo kple vi siwo Ketura dzi nɛ dzi yra ameƒomea o. Via Isak kple tɔgbuiayɔvi Yakob mee Dzidzimevi si ahe yayra vɛ la to va. (Mose I, 21:12; 25:23, 31-34; 27:18-29, 37; 28:14) Yakob ɖee fia be “dukɔwo” aɖo to Silo si tso Yuda-toa me, gake emegbe wona Dzidzimevi la va to Dawid ƒe ƒomea ɖeɖeko me. (Mose I, 49:10; Samuel II, 7:12-16) Ame ɖekae ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo kpɔ mɔ na be ava anye Mesia, alo Kristo la. (Yohanes 7:41, 42) Eye Mawu ƒe nyagblɔɖi ku ɖe Dzidzimevia ŋu va eme to Via, Yesu Kristo, dzi.

Mesia la Do!

6. (a) Aleke wòle be míase kwasiɖa 70 ƒe nyagblɔɖia gɔmee? (b) Ɣekaɣie Yesu ‘tsi nuvɔ̃ nu,’ eye aleke wòwɔe?

6 Nyagblɔɖila Daniel ŋlɔ Mesia ŋuti nyagblɔɖi vevi aɖe ɖi. Le Mediatɔ Dario ƒe ƒe gbãtɔ me la, ekpɔe be Yerusalem ƒe aƒedozuzu ƒe 70 la gogo eƒe nuwuwu. (Yeremya 29:10; Daniel 9:1-4) Esime Daniel nɔ gbe dom ɖa la, mawudɔla Gabriel va eye wòɖee fia be ‘woɖo kwasiɖa blaadre ɖi be woatsi nuvɔ̃ nu.’ Woatsrɔ̃ Mesia la le kwasiɖa 70 lia ƒe domedome. “Ƒewo ƒe kwasiɖa blaadre” la dze egɔme tso ƒe 455 D.M.Ŋ. me esime Persia Fia Artaxsasta I ‘de se be woagbugbɔ Yerusalem atso.’ (Daniel 9:20-27; Moffatt; Nexemya 2:1-8) Mesia la ado le kwasiɖa 7 kple kwasiɖa 62 megbe. Ƒe 483 siawo dze egɔme tso ƒe 455 D.M.Ŋ. va wu nu le ƒe 29 M.Ŋ. me, esime wona nyɔnyrɔ Yesu eye Mawu si ami nɛ wòzu Mesia, alo Kristo. (Luka 3:21, 22) Yesu ‘tsi nuvɔ̃ nu’ esi wòtsɔ eƒe agbe na tafee le ƒe 33 M.Ŋ. me. (Marko 10:45) Susu nyui siwo ta míaxɔ Mawu ƒe nyagblɔɖinya dzi ase kawo gbegbee nye si! *

7. Zã Ŋɔŋlɔawo nàtsɔ aɖe alesi Yesu na Mesia ŋuti nyagblɔɖi va emee la me.

7 Mawu ƒe nyagblɔɖinya dzixɔse na míete ŋu de dzesi amesi Mesia la nye. Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ŋlɔlawo tsɔ Mesia ŋuti nyagblɔɖi gbogbo siwo le Hebri Ŋɔŋlɔawo me dometɔ geɖe ku ɖe Yesu ŋu tẽ. Le kpɔɖeŋu me: Ðetugbi nɔaƒe aɖee dzi Yesu le Betlexem. (Yesaya 7:14; Mixa 5:1; Mateo 1:18-23; Luka 2:4-11) Woyɔe tso Egipte, eye wowu ɖeviwo le edzidzi megbe. (Yeremya 31:15; Hosea 11:1; Mateo 2:13-18) Yesu tsɔ míaƒe dɔlélewo. (Yesaya 53:4; Mateo 8:16, 17) Abe alesi wogblɔe ɖi ene la, edo tedzivi ge ɖe Yerusalem. (Zaxarya 9:9; Yohanes 12:12-15) Hakpala la ƒe nyawo va eme esi woklã Yesu ɖe ati ŋu megbe, esime asrafowo ma eƒe awuwo ɖe wo nɔewo dome eye wodzidze nu ɖe eƒe awu ʋlaya dzi. (Psalmo 22:19; Yohanes 19:23, 24) Alesi womeŋe Yesu ƒe ƒuwo o eye woƒo nu ɖee hã nye nyagblɔɖi si va eme. (Psalmo 34:21; Zaxarya 12:10; Yohanes 19:33-37) Nya siawo nye Mesia ŋuti nyagblɔɖi siwo Biblia-ŋlɔla siwo Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã wotsɔ ku ɖe Yesu ŋu la ƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ko. *

Do Dzaa na Mesia Fia La!

8. Amekae nye Amegã Ðeɖi la, eye aleke nyagblɔɖi si le Daniel 7:9-14 va emee?

8 Le Babilon-fia Belsazar ƒe ƒe gbãtɔ me la, Yehowa na nyagblɔɖila Daniel ku drɔ̃e aɖe eye wòkpɔ ŋutega ɖedzesiwo. Gbã, nyagblɔɖila la kpɔ lã gã ene. Mawu ƒe dɔla gblɔ be wonye “fia ene,” si fia be wotsi tre ɖi na xexemefiaɖuƒewo. (Daniel 7:1-8, 17) Azɔ Daniel kpɔ Yehowa, “Amegã Ðeɖi la,” wòbɔbɔ nɔ fiazikpui dzi le ŋutikɔkɔe me. Edrɔ̃ fɔbuʋɔnu lãawo eye wòxɔ dziɖulanyenye le wo si hetsrɔ̃ lã enelia. Emegbe etsɔ dziɖuɖu si anɔ anyi ɖaa la na ‘ame aɖe si ɖi amegbetɔvi’ be wòaɖu ‘dukɔwo, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo’ dzi. (Daniel 7:9-14) Nyagblɔɖi wɔdɔɖeamedzi kae nye si ku ɖe “amegbetɔvi,” Yesu Kristo, si woɖo fiae le dziƒo le ƒe 1914 me ŋu!—Mateo 16:13.

9, 10. (a) Nukae legba la ƒe akpa vovovoawo fia? (b) Aleke nàɖe Daniel 2:44 me vava mee?

9 Daniel nya be Mawu ‘ɖea fiawo le zi dzi, eye wòɖoa fiawo zi dzi.’ (Daniel 2:21) Esi nyagblɔɖila la xɔ Yehowa si nye ‘nya ɣaɣlawo Ðefiala’ la dzi se ta la, ete ŋu ɖe Babilon-fia Nebukadnezar ƒe drɔ̃e si ku ɖe legba gã aɖe ŋu la gɔme. Eƒe akpa vovovoawo fia asi xexemefiaɖuƒe siwo ƒe ɖewoe nye Babilon, Medo-Persia, Hela, kple Roma ƒe ŋusẽkpɔkpɔ kple woƒe anyidzedze. Azɔ hã Mawu to Daniel dzi gblɔ nusiwo adzɔ le xexeame va ɖo míaƒe ŋkekea me kple emegbe ɖi.—Daniel 2:24-30.

10 Nyagblɔɖia gblɔ be: “Le fia mawo ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” (Daniel 2:44) Esi ‘dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia’ wu enu le ƒe 1914 me la, Mawu ɖo Dziƒofiaɖuƒea anyi wòle Kristo te. (Luka 21:24; Nyaɖeɖefia 12:1-5) Ɣemaɣie Mawu ƒe ŋusẽ na Mesia Fiaɖuƒea ƒe “kpe” la ge tso Mawu ƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ƒe “to” la dzi. Le Harmagedon me la, kpe ma alɔ legba la agbãe wòazu wɔ. Mesia Fiaɖuƒe si nye dziɖuɖu ƒe to si akpɔ ŋusẽ ɖe “anyigba blibo la dzi” la anɔ anyi tegbee.—Daniel 2:35, 45; Nyaɖeɖefia 16:14, 16. *

11. Nukae Yesu ƒe nɔnɔmetɔtrɔa na wokpɔ do ŋgɔ, eye dɔ kae ŋutega ma wɔ ɖe Petro dzi?

11 Fiaɖuƒedziɖuɖu lae nɔ susu me na Yesu wògblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ame aɖewo le amesiwo le tsitre ɖe afisia la dome, siwo mele ku ɖɔ ge akpɔ o, vaseɖe esime woakpɔ Amegbetɔvi la le eƒe fiaɖuƒe la me gbɔna.” (Mateo 16:28) Ŋkeke ade megbe la, Yesu kplɔ Petro, Yakobo, kple Yohanes yi to kɔkɔ aɖe dzi eye eƒe nɔnɔme trɔ le wo ŋkume. Esi alilikpo keklẽ aɖe ƒo xlã apostoloawo la, Mawu gblɔ be: “Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama!” (Mateo 17:1-9; Marko 9:1-9) Kristo ƒe Fiaɖuƒe ŋutikɔkɔe kpɔkpɔ do ŋgɔ ka gbegbee nye si! Mewɔ nuku o be Petro he susu yi ŋutega keklẽ ma dzi hegblɔ be: ‘Nyagblɔɖi, si dzi wogaɖo kpee geɖe wu la, le mía si.’—Petro II, 1:16-19. *

12. Nukata wònye fifia koŋue wòle be míaɖe Mawu ƒe nyagblɔɖinya la dzixɔse afia?

12 Edze ƒã be menye Hebri Ŋɔŋlɔawo me nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mesia la ŋu koe nye ‘nyagblɔɖinya’ la o, ke nya si Yesu gblɔ be yeava “kple ŋusẽ kple ŋutikɔkɔe geɖe” la hã le eme. (Mateo 24:30) Nɔnɔmetɔtrɔ la ɖo kpe nyagblɔɖinya si ku ɖe Kristo ƒe vava le ŋutikɔkɔe me le Fiaɖuƒeŋusẽ me dzi. Eteƒe madidi kura o eƒe ɖeɖefia le ŋutikɔkɔe me anye tsɔtsrɔ̃ na xɔsemanɔsitɔwo eye wòanye yayra na amesiwo ɖea xɔse fiana. (Tesalonikatɔwo II, 1:6-10) Biblia ƒe nyagblɔɖiwo me vava ɖee fia be ‘ŋkeke mamlɛawo’ mee míele. (Timoteo II, 3:1-5, 16, 17; Mateo 24:3-14) Mixael, Yesu Kristo si nye Yehowa ƒe Ametsrɔ̃la Gã la le klalo be yeahe nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ava nuwuwu le “xaxa gã” la me. (Mateo 24:21; Daniel 12:1) Eyata edze ƒã be fifiae wòle be míaɖee afia be míexɔ Mawu ƒe nyagblɔɖinya la dzi se.

Yi Edzi Nàxɔ Mawu ƒe Nyagblɔɖinya la Dzi Se

13. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be lɔlɔ̃ si le mía si na Mawu nakpɔtɔ nɔ mía me eye wòado ŋusẽ eƒe nya dzixɔxɔse?

13 Godoo la, dzi dzɔ mí esi míeva nya nu tso Mawu ƒe nyagblɔɖinya la me vava ŋu zi gbãtɔ. Gake ɖe míaƒe xɔse gbɔdzɔ eye míaƒe lɔlɔ̃ nu va fa emegbea? Negadzɔ gbeɖe be míanɔ abe Kristotɔ siwo nɔ Efeso, amesiwo ‘gblẽ woƒe gbã lɔlɔ̃ ɖi’ la ene o. (Nyaɖeɖefia 2:1-4) Eɖanye ɣeyiɣi didi kae míetsɔ subɔ Yehowae o, nusia tɔgbe ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi ne ‘míeyi edzi di Mawu ƒe fiaɖuƒea kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã’ tsɔ dzra kesinɔnuwo ɖo ɖe dziƒo o. (Mateo 6:19-21, 31-33) Kutrikuku le Biblia sɔsrɔ̃ me, gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me edziedzi, kple Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ veviedodotɔe akpe ɖe mía ŋu be lɔlɔ̃ si le mía si na Yehowa, na Via, kple na Ŋɔŋlɔawo akpɔtɔ anɔ mía me. (Psalmo 119:105; Marko 13:10; Hebritɔwo 10:24, 25) Esia wɔwɔ hã ado ŋusẽ alesi míexɔ Mawu ƒe nya la dzi see.—Psalmo 106:12.

14. Aleke woɖoa eteƒe na Kristotɔ amesiaminawo ɖe alesi woxɔ Yehowa ƒe nyagblɔɖinya la dzi se ta?

14 Abe alesi Mawu ƒe nyagblɔɖinya va eme le blemae ene la, nenema ke míate ŋu axɔ nya si wògblɔ ɖi le etsɔme ŋu hã dzi asee. Le kpɔɖeŋu me, Kristo ƒe anyinɔnɔ le Fiaɖuƒeŋutikɔkɔe me va eme fifia, eye nyagblɔɖi me ŋugbedodo sia va eme na Kristotɔ amesiamina siwo wɔ nuteƒe vaseɖe ku me be: “Amesi ke ɖu dzi la, mana agbeti, si le Mawu ƒe Paradiso me la, ƒe kutsetsee, ne wòaɖu.” (Nyaɖeɖefia 2:7, 10; Tesalonikatɔwo I, 4:14-17) Yesu na mɔnukpɔkpɔ aʋadziɖula siawo ‘be woaɖu agbeti’ si le ‘Mawu ƒe dziƒo paradisoa’ me la ‘ƒe kutsetse.’ Ne wofɔ wo ɖe tsitre la, makumakugbenɔnɔ kple nɔnɔme magblẽmagblẽ si tso Yehowa, “fia mavɔmavɔtɔ, si nye Mawu magblẽmagblẽ, makpɔmakpɔ ɖeka hɔ̃” gbɔ la sua wo si to Yesu Kristo dzi. (Timoteo I, 1:17; Korintotɔwo I, 15:50-54; Timoteo II, 1:10) Teƒeɖoɖo gã ka gbegbee nye si woakpɔ ɖe woƒe lɔlɔ̃ na Mawu si nu metsina o kple eƒe nyagblɔɖinya dzixɔse si meʋuʋuna o ta!

15. Amekawoe wotsɔ ɖo “anyigba yeye” la gɔme anyi, eye amekawoe nye woƒe zɔhɛwo?

15 Esi wofɔ amesiamina wɔnuteƒe siwo ku la yi “Mawu ƒe Paradiso me” le dziƒo megbe teti la, woɖe gbɔgbɔ me Israel ƒe ame susɔe siwo le anyigba dzi la tso “Babilon gã” si nye alakpasubɔsubɔ ƒe xexemefiaɖuƒe la me. (Nyaɖeɖefia 14:8; Galatiatɔwo 6:16) Woawoe wotsɔ ɖo “anyigba yeye” la gɔme anyii. (Nyaɖeɖefia 21:1) Esia na “anyigba aɖe” dzɔ, eye wotui ɖo wòzu gbɔgbɔmeparadiso si le dzidzedze kpɔm le anyigba katã dzi egbea. (Yesaya 66:8) Eya mee gbɔgbɔ me Israel la ƒe zɔhɛ gbogbo aɖewo siwo si alẽwo ƒe nɔnɔme le la le gegem ɖo fifi laa, “le ŋkeke mlɔeawo me.”—Yesaya 2:2-4; Zaxarya 8:23; Yohanes 10:16; Nyaɖeɖefia 7:9.

Wogblɔ Ameƒomea ƒe Etsɔme Ði le Mawu ƒe Nyagblɔɖinya la Me

16. Mɔkpɔkpɔ kae le amesiaminawo ƒe zɔhɛ wɔnuteƒewo si?

16 Mɔkpɔkpɔ kae le amesiaminawo ƒe zɔhɛ wɔnuteƒewo si? Woawo hã xɔ Mawu ƒe nyagblɔɖinya la dzi se, eye woƒe mɔkpɔkpɔe nye be yewoayi ɖe anyigba dzi Paradiso la me. (Luka 23:39-43) Woano “agbetsitɔsisi” aɖe si léa agbe ɖe te la me tsi le afima eye woatsɔ ‘ati’ siwo wodo ɖe eto “ƒe aŋgbawo” ayɔ dɔ woe. (Nyaɖeɖefia 22:1, 2) Ne mɔkpɔkpɔ nyui sia le asiwò la, ke yi edzi nàɖee fia be lɔlɔ̃ deto le ye si na Yehowa eye be yexɔ eƒe nyagblɔɖinya la dzi se. Neva eme be nànɔ amesiwo ƒe dzidzɔ agba go le agbe mavɔ nɔnɔ le Paradisonyigba dzi la dome.

17. Yayra kawoe amewo akpɔ le agbenɔnɔ me le anyigba dzi Paradisoa me?

17 Amegbetɔ madeblibowo mate ŋu aɖɔ alesi agbenɔnɔ anɔ le anyigba dzi Paradiso si gbɔna me pɛpɛpɛ o, gake Mawu ƒe nyagblɔɖinya la na míenya yayra siwo le ameƒomea me tɔ toɖolawo lalam. Ne Mawu ƒe Fiaɖuƒea le dzi ɖum tsitretsiɖeŋula aɖeke manɔmee eye wole eƒe lɔlɔ̃nu wɔm le anyigba dzi abe alesi wowɔnɛ le dziƒo ene la, ame wɔadãwo—alo lãwo gɔ̃ hã—‘mawɔ vɔ̃ aɖeke loo alo ahe gbegblẽ vɛ o.’ (Yesaya 11:9; Mateo 6:9, 10) Ame fafawo anɔ anyigba la dzi, eye “dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” (Psalmo 37:11) Dɔ magawu amehawo o, elabena “bli ado kpekpekpe le anyigba dzi kple towo tame.” (Psalmo 72:16) Magadzɔ be amewo nafa avi le nuxaxa ta o. Dɔléle nu ayi eye ku gɔ̃ hã maganɔ anyi o. (Yesaya 33:24; Nyaɖeɖefia 21:4) Àte ŋu akpɔe le susu me be—ɖɔktawo, atikewo, kɔdzi, alo tagbɔdɔdaƒewo, kple kunuwɔwɔwo maganɔ anyi o. Mɔkpɔkpɔ nyui ka gbegbee nye si!

18. (a) Nuka ŋue wona kakaɖedzi Daniel le? (b) Nukae anye Daniel ƒe “gome”?

18 Ameƒomea ƒe yɔdowo gɔ̃ hã atsi ƒuƒlu ne tsitretsitsi va xɔ ɖe ku teƒe. Mɔkpɔkpɔ sia nɔ ame dzɔdzɔe Hiob si. (Hiob 14:14, 15) Nenema ke enye nyagblɔɖila Daniel hã, elabena Yehowa ƒe dɔla na kakaɖedzi fakɔname siae be: “Ke wò la heyi, vaseɖe esime nuwuwu naɖo, gbɔ ɖe eme, eye nafɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu naxɔ wò gome.” (Daniel 12:13) Daniel subɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe vaseɖe eƒe agbenɔnɔ ƒe nuwuwu. Fifia ele gbɔgbɔm ɖe eme le ku me, gake ‘afɔ’ le “ame dzɔdzɔewo ƒe tsitretsitsi la me” le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me. (Luka 14:14) Nukae anye Daniel ƒe “gome”? Ne Xezekiel ƒe nyagblɔɖia va eme le Paradiso me la, afia be Yehowa ƒe amewo katã akpɔ nɔƒe, eye woama anyigba la gɔ̃ hã sɔsɔe le ɖoɖo nu. (Xezekiel 47:13–48:35) Eyata nɔƒe anɔ Daniel si le Paradisoa me, gake menye anyigba si wòakpɔ koe anye eƒe gome le afima o. Akpa si wòawɔ le Yehowa ƒe tameɖoɖo me vava me hã le eme.

19. Nukae míawɔ hafi anɔ agbe le anyigba dzi Paradisoa me?

19 Ke wò ŋutɔ kple wò gome ya ɖe? Ne èxɔ Mawu ƒe Nya, Biblia, dzi se la, anɔ eme godoo be adzro wò be nànɔ agbe le anyigba dzi Paradisoa me. Ðewohĩ ànɔ alesi nànɔ afima, ase vivi le eƒe yayra gbogboawo me, alé be na anyigba, eye nàtsɔ dzidzɔ ado dzaa na ame kuku siwo gbɔ agbe la kpɔm le susu me. Ne míebu eŋu kpɔ la, Paradisoe nye ameƒomea ƒe nɔƒe. Teƒe sia tɔgbe ye Mawu wɔ ame eve gbãtɔwo be woanɔ. (Mose I, 2:7-9) Eye edi be amegbetɔ toɖolawo nanɔ agbe tegbee le Paradiso me. Àwɔ nu wòasɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu ale be nàte ŋu anɔ ame biliɔn gbogbo siwo ava nɔ agbe le Paradisonyigba la dzi mlɔeba domea? Àte ŋu anɔ afima ne èlɔ̃ Yehowa, mía Fofo si le dziƒo la vavã, eye ne Mawu ƒe nyagblɔɖinya la dzixɔse like le asiwò.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 6 Kpɔ Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La! ƒe ta 11 kple “Seventy Weeks” (Kwasiɖa Blaadre) le Insight on the Scriptures, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta me.

^ mm. 7 Kpɔ “All Scripture Is Inspired of God and Beneficial,” si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe axa 343-4.

^ mm. 10 Kpɔ Ðo To Daniel ƒe Nyagblɔɖi La! ƒe ta 4 kple 9.

^ mm. 11 Kpɔ nyati si nye “Ðo To Mawu ƒe Nyagblɔɖinya La,” le April 1, 2000, ƒe Gbetakpɔxɔ me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nya kae nye gbãtɔ si wogblɔ ɖi kpɔ, eye amekae nye Dzidzimevi si ŋugbe wodo la?

• Mesia ŋuti nyagblɔɖi siwo va eme ɖe Yesu dzi la dometɔ aɖewo ɖe?

• Aleke Daniel 2:44, 45 ava emee?

• Etsɔme kae Mawu ƒe nyagblɔɖinya la fia asii na ameƒomea me tɔ toɖolawo?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Èle mɔ kpɔm be yeanɔ agbe le anyigba dzi Paradisoa mea?