Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Afikae Nàkpɔ Aɖaŋuɖoɖo Nyuitɔ Le?

Afikae Nàkpɔ Aɖaŋuɖoɖo Nyuitɔ Le?

Afikae Nàkpɔ Aɖaŋuɖoɖo Nyuitɔ Le?

“Aɖaŋuɖoɖodɔ” va zu dɔ si me wokpɔa dɔlar biliɔn nanewo le ƒe sia ƒe. Amewo le kpekpeɖeŋu dim. Heinz Lehmann, si nye tagbɔdɔléleŋutinunyala gblɔ be: “[Le egbexexea me] la, agbalẽsɔsrɔ̃ kple hadomegbenyuinɔnɔ dzi ɖe kpɔtɔ. Asixɔxɔ megale xɔsehawo ŋu abe alesi wònɔ tsã ene o. Ƒomewo megale ke lim o . . . , eye esia na be nuwo me le sesẽm na amewo.” Agbalẽŋlɔla Eric Maisel gblɔ be: “Fifia la, amesiwo yina wo de trɔ̃nua, osɔfo, alo ƒome ɖɔkta gbɔ tsã bena wòakpe ɖe yewo ŋu yewoakpɔ yewoƒe tagbɔ, gbɔgbɔ me, kple ŋutilãme kuxiwo gbɔ va le ta dom ɖe agbalẽ siwo menye gligbalẽwo o gbɔ ne yewo ŋutɔ yewoaxlẽ wo akpɔ kuxiawo gbɔ na yewo ɖokui.”

AMERIKA Susuŋutinunyalawo ƒe Habɔbɔ ɖo dɔwɔha aɖe be wòaku nu me tso alesi aɖaŋuɖoɖodɔa le viɖe kpɔmee la ŋu. Dɔwɔhaa gblɔ be “kakaɖedzi geɖe li be woate ŋu akpe ɖe amewo ŋu be woase wo ɖokui kple ame bubuwo gɔme ya . . . , gake ŋugbedodo siwo kpe ɖe ɖoɖo siawo ŋu nye esiwo wogblɔ wòkɔkɔ sasasã wu nusi woate ŋu awɔ.” Toronto Star nyadzɔdzɔŋlɔla aɖe gblɔ be: “Ele be nànya nu tso alesi gbegbe subɔsubɔhawo ƒe gbɔgbɔ me alakpanuwɔwɔ le ŋu. . . . Kpɔ nyuie vevietɔ le agbalẽ siwo katã wobe wò ŋutɔ àte ŋu atsɔ akpɔ kuxiwo gbɔe le ɖokuiwò si, kasɛtwo alo takpekpe siwo me wodoa ŋugbe le gleglegle be nuwo anyo le ɣeyiɣi kpui ŋutɔ aɖe ko megbe ame ŋutɔ ƒe agbagbadzedze alo ɖokuimamlã boo aɖeke manɔmee la ŋu.” Ele eme be ame geɖe li siwo di vavã be yewoana kpekpeɖeŋu amesiwo hiã tu ya. Gake nublanuitɔe la, enye nyateƒe be alakpatɔ geɖe li siwo ɖua nu le akogotsilawo kple fukpelawo ŋu dzodzro kpekpeɖeŋu alo kuxia gbɔ kpɔnu ŋutɔŋutɔ aɖeke manamanae.

Le susu sia ta la, kpekpeɖeŋu tsoƒe si tututu dzi míate ŋu aka ɖo kae li? Afikae míate ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui si ate ŋu awɔ dɔ ɣesiaɣi la le?

Mɔfiame si Medoa Kpo Nu O Tsoƒe

Ƒe alafa 19 lia me mawunyagblɔla Amerikatɔ Henry Ward Beecher gblɔ be: “Biblia ye nye Mawu ƒe mɔfiamegbalẽ si dzi nàzɔ ɖo, si akpɔ tawò be nàganyrɔ ɖe ƒu gɔme o, eye be wòafia afisi melidzeƒea le wò, eye wòafia alesi nàwɔ aɖo melidzeƒea dedie be màlɔ kpe alo nu ɣaɣla aɖeke le tɔgɔme o la wò.” Ŋutsu bubu gblɔ le Biblia ŋu be: “Ame aɖeke metsi wu Ŋɔŋlɔa kpɔ gbeɖe o; agbalẽa kpɔa nya geɖe gbɔ eye wòtsina kpli mí.” Nukatae wòle be nàde ŋugble le mɔfiame tsoƒe sia ŋu vevie?

Biblia ŋutɔ gblɔ le eɖokui ŋu be: “Ŋɔŋlɔ sia ŋɔŋlɔ, si tso Mawu ƒe Gbɔgbɔ me la, enyo hã na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe, si le dzɔdzɔenyenye me, bene Mawu ƒe ame la nade blibo, eye wòanɔ dzadzraɖoɖi hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.” (Timoteo II, 3:16, 17) Nya siwo le Biblia me la tso amesi ŋutɔŋutɔ nye agbe Dzɔtsoƒe, si nye Yehowa Mawu gbɔ. (Psalmo 36:10) Esia ta la, enya nu tso míaƒe wɔwɔme ŋu tsitotsito, abe alesi Psalmo 103:14 ɖo ŋku edzi na mí ene be: “Enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” Eyata kakaɖedzi blibo ate ŋu anɔ mía si ɖe kpekpeɖeŋu si Biblia ana mí la me.

Le nyateƒe me la, gɔmeɖosewo kple mɔfiamewo le Biblia me kpaŋkpaŋ siwo ŋudɔ nàte ŋu awɔ wòaɖe vi na wò le nɔnɔme ɖesiaɖe si me nàge ɖo la me. Mawu to edzi gblɔ na mí be: “Mɔ la enye si, mito edzi!” (Yesaya 30:21) Ðe Biblia ate ŋu akpɔ amesiame ƒe hiahiãwo gbɔ egbea nyateƒea? Mina míakpɔe ɖa.

Biblia Kpɔa Míaƒe Hiahiãwo Gbɔ . . .

Le Tenɔnɔ ɖe Dzimaɖitsitsiwo Nu Me. Biblia gblɔ na mí be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.” (Filipitɔwo 4:6, 7) Ðe gbedodoɖa te ŋu wɔ dɔ le tenɔnɔ ɖe dzimaɖitsitsi si ganyawo, amegbɔdɔdɔ sesẽe kple ƒoƒo, alo lɔlɔ̃tɔ aɖe ƒe ku he vɛ nu la mea? De ŋugble le nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna ŋu kpɔ.

Esi Jackie se be wodɔ ye vi nyɔnuvi gbɔ sesẽe la, elɔ̃ ɖe edzi be: “Fɔɖiɖi sese le ɖokuinye me le esi ŋusẽ mele ŋunye mete ŋu kpɔ vinyea ta o wu gbɔgblɔ nam. Ele nam be mawɔ avu kple veve, nyaléleɖedɔme kple dzikudodo ƒe seselelãmewo. Seselelãme siawo dze egɔme nɔ nu gblẽm le nye agbe ŋu. Mehiã Yehowa vevie ale gbegbe be wòadzɔ nye dzi ŋu.” Esi wòxlẽ Filipitɔwo 4:6, 7 gagbugbɔ xlẽe vɔ la, edze agbagba vevie tsɔ aɖaŋuɖoɖo si le eme la wɔ dɔe. Jackie gblɔ be: “Medo gbe ɖa gbesiagbe henɔ biabiam be nyemagaɖe mɔ le ɖokuinye ŋu seselelãme manyomanyowo nagblẽ nu le ŋunye o, eye Yehowa kpe ɖe ŋunye dzi fatu kpɔdzidzɔ ɖo menye. Le nyateƒe me la, nye dzi dze eme fɔŋ.”

Wò hã àte ŋu aɖo nɔnɔme aɖe si awu tsɔtsɔ na wò alo wòanye esi ŋu màte ŋu awɔ naneke le o me, si ana wò dzi natsi yame. Ne èdo gbe ɖa abe alesi Biblia xlɔ̃ nui ene la, àte ŋu anɔ te ɖe enu nyuie. Hakpala la tsɔ nya siawo de dzi ƒo na mí be: “Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa dzi, eye naɖo ŋu ɖe eŋu, ekema awɔe ade goe.”—Psalmo 37:5.

Hena Dzideƒoname. Hakpala la gblɔ nya sia tsɔ ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fiae be: “Yehowa, melɔ̃ wò aƒe nɔƒe kple teƒe, si wò bubu le. Nye afɔ tsi tre ɖe teƒe gbadzaa. Makafu Yehowa le takpekpewo me.” (Psalmo 26:8, 12) Wode dzi ƒo na mí le Biblia me be míaƒo ƒu ɣesiaɣi asubɔ Yehowa. Aleke hadede sia ate ŋu akpɔ wò hiahiãwo gbɔe? Nukae ame bubuwo de dzesii?

Becky gblɔ be: “Dzinyelawo menye Yehowa subɔlawo o, eyata nusianu si madi be mawɔ si aku ɖe Mawu ƒe subɔsubɔdɔa ŋu la, woɖea fu nam le eŋu ale gbegbe. Le gonyeme la, avu kple kɔe wònyena nam hafi mete ŋu yia kpekpewo.” Becky se le eɖokui me be yekpɔ yayra geɖe le esi yeʋli sesĩe de Kristotɔwo ƒe kpekpewo edziedzi ta. “Kpekpeawo doa ŋusẽ nye xɔse, bena mate ŋu anɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu siwo vaa dzinye gbesiagbe esi menye sukuvi, vinyɔnuvi, kple Yehowa subɔla ta la nu. Amesiwo le Fiaɖuƒe Akpata me to vovo ale gbegbe na sukuviwo le suku! Woléa be na ame eye wokpena ɖe ame ŋu, eye míaƒe dzeɖoɖowo tua ame ɖo ɣesiaɣi. Wonye xɔlɔ̃ vavãwo.”

Ẽ, ne míewɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiame be míaƒo ƒu ɖekae ɣesiaɣi dzi la, Yehowa akpɔ míaƒe dzideƒoname ƒe hiahiã gbɔ na mí. Afisiae míakpɔ hakpala ƒe nya sia ƒe nyateƒenyenye le be: “Yehowa enye sitsoƒe kple ŋusẽ na mí, xɔnametɔ ŋutɔ wònye le xaxawo me.”—Psalmo 46:2.

Hena Dɔwɔwɔ si me Dzidzeme Kple Viɖe Le. Biblia ɖo aɖaŋu be: “Minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.” (Korintotɔwo I, 15:58) Ðe “Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ” naa dzidzeme nyateƒea? Ðe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa wɔ nane si ŋu viɖe lea?

Amelia gblɔ alesi wòse le eɖokui mee be: “Mesrɔ̃ Biblia kple srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu aɖe siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe nɔ gbagbãm. Mekpe ɖe nyɔnu aɖe si vinyɔnu wowu ŋutasesẽtɔe hã ŋu. Nɔnɔme si me ame kukuwo le si ŋu nyɔnua menya nu le tututu o nɔ fu ɖem nɛ vevie. Le nya evea siaa me la, Biblia ƒe gɔmeɖosewo tsɔtsɔ wɔ dɔe na woƒe dzi dze eme eye mɔkpɔkpɔ su wo si. Dzi dzɔm ale gbegbe eye nye dzi dze eme elabena mewɔ akpa aɖe le kpekpeɖeŋu nana wo me.” Scott gblɔ be: “Ne nuteƒekpɔkpɔ nyui aɖe su asiwò le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, èdze Biblia-nusɔsrɔ̃ yeye aɖe gɔme, alo èkpɔ dzidzedze le vomeɖaseɖiɖi aɖe me la, ànɔ egbɔgblɔ dzi ƒe geɖe. Seselelãme kple dzidzɔkpɔkpɔ ma ke vana le nuteƒekpɔkpɔ ɖesiaɖe me! Subɔsubɔdɔa mee dzidzɔkpɔkpɔ gãtɔ kekeake si nɔa anyi ɖaa tsona.”

Eme kɔ ƒã be Biblia ƒe mɔfiame be míanye subɔla siwo kpɔa gome le subɔsubɔdɔa wɔwɔ me ɣesiaɣi tsɔtsɔ wɔ dɔe kpɔ dɔwɔna si me dzidzeme kple viɖe le ƒe hiahiãa gbɔ na amesiawo. Míekpe wò hã be nàkpɔ gome le nufiafia amewo tso Mawu ƒe mɔ kple gɔmeɖosewo ŋu ƒe dɔ sia me, eye be wòaɖe vi na wò ŋutɔ hã.—Yesaya 48:17; Mateo 28:19, 20.

Viɖekpɔkpɔ le Mawu ƒe Nya la Me

Ðikekemanɔmee la, Biblia nye mɔfiame si woate ŋu atsɔ awɔ dɔe si dzi woate ŋu aka ɖo la tsoƒe le egbexexea me. Be wòaɖe vi na mí la, ele be míaku kutri vevie ɣesiaɣi. Ele be míaxlẽe, asrɔ̃e, eye míade ŋugble le eŋu ɣesiaɣi. Paulo xlɔ̃ nu be: “De ŋugble le nusiawo ŋu; ƒo ɖokuiwò ɖe wo me, bene wò ŋgɔgbedede nadze ƒã le amewo katã ŋku me.” (Timoteo I, 4:15, NW; Mose V, 11:18-21) Mawu na kakaɖedzi mí be ne míedze agbagba tsɔ yeƒe aɖaŋuɖoɖo siwo le Biblia me wɔ dɔe la, míakpɔ dzidzedze. Edo ŋugbe be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu . . . Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.”—Lododowo 3:5, 6.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 31]

Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo tsɔtsɔ wɔ dɔe naa dzidzeme kple viɖe nɔa agbe ŋu