Hadzidzi Siwo Dzea Mawu Ŋu
Hadzidzi Siwo Dzea Mawu Ŋu
Woɖɔ hadzidzi be enye “aɖaŋudɔwo ƒe xoxotɔ kekeake kple esi tso dzɔdzɔme wu.” Enye nunana wɔnuku aɖe si na amegbetɔwo to vovo tso lãwo gbɔ abe alesi wòle le gbegbɔgblɔ gome ene. Hadzidzi nyɔa seselelãmewo. Ate ŋu anya se na to eye wòatsi susu me na ame. Ƒo wo katã ta la, hadzidzi ate ŋu ado dzidzɔ na Mawu.
ABE alesi Biblia ɖee fia ene la, Israel-viwo nye amesiwo dzia ha ŋutɔ. Unger’s Bible Dictionary gblɔ be hadzidzi nye “aɖaŋudɔ ɖedzesi aɖe le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me le blema.” Enye woƒe gbesiagbegbenɔnɔ ƒe akpa aɖe be woadzi ha eye woƒoa haƒonuwo hã le woƒe tadedeagu me. Gake amegbetɔ ƒe gbee wozãna wu.
Fia Dawid tia amewo tso Lewi-viwo dome ‘be woakpɔ hadzidzi dzi’ le avɔgbadɔa ŋgɔ do ŋgɔ hafi wova kɔ gbedoxɔ si via, Salomo, tu la ŋu. (Kronika I, 6:16, 17) Esi wotsɔ nubablaɖaka, si tsi tre ɖi na Yehowa ƒe wo dome nɔnɔ, gbɔ va Yerusalem la, Dawid wɔ ɖoɖo be Lewi-viwo dometɔ aɖewo nana ‘woaɖo ŋku Yehowa dzi, ada akpe nɛ, eye woakafui.’ Woƒo ‘hadzinu siwo nye saŋkuwo, kasaŋkuwo, gakogoe siwo ɖina sesĩe, kple kpẽwo,’ kpe ɖe kafukafuha siwo dzim wonɔ la ŋuti. ‘Woŋlɔ ŋutsu siawo ƒe ŋkɔ bene woada akpe na Yehowa, “elabena eƒe amenuveve li tegbee.”’—Kronika I, 16:4-6, 41; 25:1.
Haxe si nye “[Yehowa ƒe] amenuveve li tegbee” dze le Psalmowo, si nye Biblia ƒe agbalẽ si me hawo le la me zi geɖe. Le kpɔɖeŋu me, enye Psalmo 136 lia ƒe kpukpui 26-awo dometɔ ɖesiaɖe ƒe akpa evelia. Biblia-nyalagã aɖe gblɔ be: “Alesi wòle kpuie na wòmaa nu na amewo. Amesiame si see la ate ŋu aɖo ŋku edzi.”
Psalmowo ƒe ŋgɔdonya ɖee fia be wozãa haƒonuwo ŋutɔ. Psalmo 150 lia yɔ kpẽ, saŋku, axatse, dze, kple gakogoewo, kpe ɖe kasaŋkuwo ŋu. Ke hã amegbetɔ ƒe gbee wobia be wòaɖi wu. Kpukpui 6 lia de dzi ƒo be: “Nusianu, si me gbɔgbɔ le la, nekafu Yehowa! Mikafu Yehowa!”
Esi wònye be hadzidzi ɖea míaƒe seselelãmewo fiana ta la, konyifafa le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me na wokpa konyifahawo alo nublanuihawo. Gake ha siawo ƒomevi dzidzi mebɔ le Israel-viwo ƒe hadzidziwo me o. Biblia-mekugbalẽ si nye Insight on the Scriptures * gblɔ be: “Avihɛwo alo konyifahawo me koe wolɔ̃na zãa nublanuinyawo le tsɔ wu be woazã wo le ha viviwo dzidzi me alo le hadzidzi vovovowo kple nuƒoƒo ŋutɔŋutɔ me.”
Yesu kple eƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒewo dzi kafukafuhawo na Yehowa le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me, eye ɖikeke mele eme o be Hallel Hadzidziwo me nyawoe wozã. (Psalmo 113-118) Aleke esia anya do ŋusẽ Yesu ƒe nusrɔ̃lawo be woanɔ te ɖe woƒe Aƒetɔ si adzo le wo gbɔ nui enye si! Gawu la, esi wodzi haxe si nye “elabena eƒe amenuveve li tegbee” zi gbɔ zi atɔ̃ sɔŋ la, anya na tame si woɖo be yewoakpɔtɔ anye xexeame katã ƒe Dziɖula Gãtɔ, Yehowa, ƒe subɔla wɔnuteƒewo la de to ɖe edzi.—Psalmo 118:1-4, 29.
Kristotɔ gbãtɔ siwo nɔ Efeso kple Kolose dzi “Psalmowo kple kafukafuhawo” (si gɔmeɖeɖe tẽ enye “subɔsubɔhawo”). Wodzia ‘gbɔgbɔ me ha’ siwo wodzina le woƒe dzi me la hã kpena ɖe eŋu. (Efesotɔwo 5:19; Kolosetɔwo 3:16) Esɔ be kafukafunyawo dona le wo nu le hadzidzi kple nuƒoƒo siaa me. Ðe Yesu megblɔ be “nya, si ke wu dzi la, eya nu gblɔna” oa?—Mateo 12:34.
Ha Siwo Medzɔa Dzi na Mawu O
Menye hadzidzi siwo katã ŋu woƒo nu tsoe le Biblia mee dzɔ dzi na Mawu o. De ŋugble le nusi dzɔ le Sinai-toa gbɔ, afisi Mose nɔ Se si me Se Ewoawo hã le la xɔm ŋu kpɔ. Esi Mose ɖi tso toa dzi la, nukae wòse? “Menye dziɖuɖuseye” o, menye “aʋasiɣli” o, ke boŋ “hadzidzi” bubu ye. Esia nye ha si wodzina le trɔ̃subɔsubɔ me, si nye nuwɔna si do dziku na Mawu eye wòna hadzila mawo dometɔ 3,000 kloe ku.—Mose II, 32:18, 25-28.
Togbɔ be amegbetɔwo ate ŋu akpa ha ƒomevi ɖesiaɖe, aƒoe, eye woase vivi na wo hã la, mefia be wo katã doa dzidzɔ na Mawu o. Nukatae? Kristotɔ apostolo Paulo ɖe eme be: “[Amewo] katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim.” (Romatɔwo 3:23) Zi geɖe la, wotsɔa trɔ̃subɔlawo ƒe vidzidzikɔnuwo, luʋɔ makumaku ƒe nufiafia, kple mawusubɔsubɔ ƒe bubu si wotsɔna naa Maria be enye “Mawu dada” la kpaa hawoe. Gake dzixɔse kple nuwɔna siawo medea bubu nyateƒe Mawu la ŋu o, elabena wotsi tre ɖe nusi wogblɔ le eƒe Nya, Biblia, si tso gbɔgbɔ me la ŋu.—Mose V, 18:10-12; Xezekiel 18:4; Luka 1:35, 38.
Hawo me Tiatia Nunyatɔe
Hadzidzi vovovo siwo li la wu gbɔgblɔ. Wotrɔ asi le kɔmpakt disk (haƒogbawo) ƒe gowo ŋu be wòaʋã asisiwo be woaƒle ha ƒomevi ɖesiaɖe. Gake ne Mawu subɔla di be yeadze Eŋu la, aɖɔ ŋu ɖo eye awɔ tiatia nunyatɔe be yeaƒo asa na ha siwo wodzi kple nu kpakple esiwo woƒo kple haƒonuwo eye alakpasubɔsubɔ dzixɔsewo dze le wo me alo wonye esiwo ku ɖe agbegbegblẽnɔnɔ kple gbɔgbɔ vɔ̃wo subɔsubɔ ŋu.
Albert, amesi nye Kristotɔ dutanyanyuigblɔla le Afrika kpɔ la lɔ̃ ɖe edzi be mɔnukpɔkpɔ mesua ye si be yeaƒo saŋku le afima o. Gake eƒoa ha siwo wolé ɖe agba dzi siwo wòtsɔ ɖe asi la edziedzi. Fifia si Albert trɔ yi aƒe la, enye dzikpɔla mɔzɔla si srãa Kristotɔwo ƒe hamewo kpɔna. Ɣeyiɣi si wòatsɔ ase hawo la dzi ɖe kpɔtɔ. Egblɔ be: “Hakpala si ƒe hawo dzɔa dzi nam enye Beethoven. Esi ƒeawo va le yiyim la, meƒle eƒe ha vovovo siwo woƒo kple haƒonu ɖekaɖekawo kple esiwo woƒo kple haƒonu geɖe le ha gãwo me.” Ha siawo sese doa dzidzɔ nɛ ale gbegbe. Ele eme be amesiame kple ha siwo dzɔa dzi nɛ ya, gake esi míenye Kristotɔwo ta la, Paulo ƒe nya siawo nɔa susu me na mí be: “Ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔ aɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu.”—Korintotɔwo I, 10:31.
Hadzidzi Kple Ðokuitsɔtsɔsavɔ
Nusi dzɔa dzi na Susie wu enye hadzidzi. Egblɔ be: “Mete saŋku ƒoƒo esi mexɔ ƒe 6, mete kasaŋku sue si woyɔna be violin ƒoƒo esi mexɔ ƒe 10, eye mlɔeba mete kasaŋku ƒoƒo esi mexɔ ƒe 12.” Emegbe Susie yi ɖasrɔ̃ kasaŋku ƒoƒo le Fiahawo ƒe Hasrɔ̃ƒe le London, England. Etsɔ ƒe ene srɔ̃e le Spaintɔ kasaŋkuƒola xɔŋkɔ aɖe gbɔ eye wògasrɔ̃e ƒe ɖeka le Paris Hasrɔ̃ƒe, eye wòxɔ haƒoƒo ɖaseɖigbalẽ deŋgɔ kpakple kasaŋku ƒoƒo kple saŋku fiafia ƒe ɖaseɖigbalẽ.
Susie va de ha kple Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe le London. Ekpɔ ɖetsɔleme kple lɔlɔ̃ vavãtɔ le hati Ðasefowo dome. Ʋɛʋɛʋɛ la, lɔlɔ̃ si le esi na Yehowa tsi ɖe edzi, eye dzo si ɖo eme ɖe eƒe subɔsubɔdɔa ŋu ʋãe be wòdi mɔ siwo dzi wòato asubɔe. Esia na wòɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ. Susie gblɔ be: “Hadzidzi tsɔtsɔ aɖo dɔe nye ɖokuitsɔtsɔsavɔgbenɔnɔ, eyata ɖokuitsɔtsɔsavɔgbenɔnɔ menye nu yeye nam o.” Esi wòƒo eɖokui ɖe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔ si nye gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒea ƒe nyanyuia me, abe alesi Yesu de se ene la, ɣeyiɣi si wòtsɔna ƒoa ha le fefewɔƒee la dzi ɖe kpɔtɔ.—Mateo 24:14; Marko 13:10.
Fifia esi ɣeyiɣi geɖe megale esi wòatsɔ aƒo hae o la, aleke wòsena le eɖokui me? Egblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, etena ɖe dzinye be ɣeyiɣi geɖe mele asinye matsɔ asrɔ̃e o, gake megaƒoa nye haƒonuwo hesea vivi na hadzidzi kokoko. Hadzidzi nye nunana tso Yehowa gbɔ. Fifia si metsɔ eƒe subɔsubɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le nye agbe me la, mesea vivi nɛ wu.”—Mateo 6:33.
Ha Siwo Kafua Mawu
Albert kple Susie kpakple Yehowa Ðasefo bubu siwo ade miliɔn ade kloe tsɔa hadzidzi kafua Yehowa Mawu edziedzi. Le Kristotɔwo ƒe kpekpe siwo wowɔna le Fiaɖuƒe Akpatawo me le dukɔ 234 me la, wotsɔa hadzidzi na Yehowa dzea woƒe kpekpewo gɔmee hewua enu kplii le teƒe siwo wòanya wɔ le. Wodzia ha vivi siwo me Ŋɔŋlɔawo me nyawo le la le gbe gã kple suewo me tsɔ kafua Yehowa Mawui.
Vavalawo katã dzia ha dzonɔamemetɔe be Yehowa nye Mawu si tsɔa ɖe le eme na ame (Hadzidzi 44 lia). Wodzia kafukafuha na Yehowa (Hadzidzi 190 lia). Woƒe hadzidziwo kuna ɖe dzidzɔ kple agbanɔamedzi siwo le Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa, Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ, kple Kristotɔwo ƒe nɔnɔme me la ŋu. Nusi gana woƒe hawo vivinae nye hadzidzi ƒe atsyã vovovo siwo Ðasefo siwo tso Asia, Australia, Europa, kple Dziehe kpakple Anyiehe Amerika zã tsɔ kpa haawoe. *
Nya siwo wotsɔ dze fiasã me kafukafuha vevi aɖe si wokpa le hakpala la ŋɔli gɔmee nye: “Midzi ha yeye na Yehowa, mi anyigbawo katã, midzi ha na Yehowa! Midzi ha na Yehowa, mikafu eƒe ŋkɔ, eye miɖe gbeƒã eƒe xɔname gbawotsyogbe! Mixlẽ eƒe ŋutikɔkɔe fia le dukɔwo dome kple eƒe nukunuwo le anyigba dzi tɔwo katã dome!” (Psalmo 96:1-3) Esia wɔmee Yehowa Ðasefowo le le miaƒe nutoa me, eye wole kpewòm be nàva wɔ ɖeka kple yewo le kafukafuha sia dzidzi me. Woado dzaa na wò le woƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me, afisi nàte ŋu asrɔ̃ alesi nàtsɔ hadzidzi si dzɔa dzi na Yehowa akafui le.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
^ mm. 7 Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ye tae.
^ mm. 22 Ha siawo le agbalẽ si nye Midzi Kafukafuhawo na Yehowa, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta me.
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Kafukafuhawo dzidzi na Yehowa