Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wokpe Ðe Ŋunye Meɖu Nye Ŋukpe Dzi

Wokpe Ðe Ŋunye Meɖu Nye Ŋukpe Dzi

Agbemeŋutinya

Wokpe Ðe Ŋunye Meɖu Nye Ŋukpe Dzi

ABE ALESI RUTH L. ULRICH GBLƆE ENE

Dzidzi ƒom eye mefa avi le osɔfoa ƒe ʋɔtru nu. Ðeko wògblɔ alakpanya gbogbo aɖewo tso Charles T. Russell, si nye Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa ƒe zimenɔla gbãtɔa ŋu koe nye ema. Mina makɔ nusita nye amesi nye nyɔnuvi dzaa aɖe ko la menɔ amewo srãm kpɔ la me na mi.

ƑOME si tsɔ ɖe le mawusubɔsubɔ me vevie mee wodzim ɖo le ƒe 1910 me le agble aɖe dzi le Nebraska, U.S.A. Míexlẽa Biblia ɖekae le míaƒe ƒomea me ŋdi sia ŋdi kple fiẽ sia fiẽ le nuɖuɖu vɔ megbe. Papa nye Methodist-ha ƒe Kwasiɖagbe Suku si le du sue si nye Winside me, si anye kilometa ade tso míaƒe agblea gbɔ la dzi kpɔla. Agbatsɔkeke si sɔ hena si ƒe fesrewo ŋu fesrenuvɔwo le ale be aleke ke yame ƒe nɔnɔme anɔ o, míate ŋu ayi sɔleme le Kwasiɖagbe ŋdi la nɔ mía si.

Esi mexɔ ƒe enyi lɔƒo la, ɖeviwo ƒe tutudɔ dze nɔvinyeŋutsu si nye vidzĩ la dzi eye Dada kɔe yi dɔdaƒe le Iowa nuto si tsɔ ɖe mía gbɔ me. Togbɔ be etrɔ asi le nɔvinyea ŋu ale gbegbe hã la, eku esi wokpɔtɔ nɔ afima. Gake esi Dada nɔ nuto ma me la, edo go Biblia Nusrɔ̃vi aɖe, si nye alesi woyɔa Yehowa Ðasefowoe ɣemaɣi. Woɖo dze geɖe, eye Dada kplɔ nyɔnua ɖo yi Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe kpekpe aɖewo gɔ̃ hã.

Esi Dada trɔ gbɔ va aƒe la, etsɔ agbalẽ si nye Studies in the Scriptures, si Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ta la ƒe tata geɖe ɖe asi gbɔe. Eteƒe medidi o nuwo me va kɔ nɛ be Biblia Nusrɔ̃viawoe nɔ nyateƒea fiam eye be amegbetɔ ƒe luʋɔ makumaku kple funyafunyawɔwɔ ame vɔ̃ɖiwo le dzomavɔ me ƒe nufiafia menye nyateƒe o.—Mose I, 2:7; Nyagblɔla 9:5, 10; Xezekiel 18:4.

Gake Papa do dziku vevie, eye wòtsi tre ɖe agbagba siwo Dada dzena be yeayi Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe kpekpewo la ŋu. Eyi edzi kplɔa mía kple fonye Clarence yia sɔlemee. Gake ne Papa mele aƒeme o la, Dada fiaa Biblia mí. Esia na mɔnukpɔkpɔ mí ɖeviawo be míetsɔ Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe nufiafiawo asɔ kple míaƒe sɔlemea tɔ.

Mía kple Clarence míedea Kwasiɖagbe Suku le míaƒe sɔleme edziedzi, eye wòbiaa biabiawo nufiala la eye mete ŋu ɖoa wo ŋu o. Ne míetrɔ yi aƒeme la, míegblɔnɛ na mía dada, eye esia naa míeɖoa dze le nyatia ŋu ɣeyiɣi didi. Mlɔeba medo le sɔlemea me eye mete Dada kpɔkplɔ ɖo yia Biblia Nusrɔ̃viawo ƒe kpekpewo, eye eteƒe medidi o, Clarence hã te kpekpeawo dede.

Tenɔnɔ Ðe Ŋukpe Nu

Le ƒe 1922 me la, mía kple Dada míede Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe takpekpe si míaŋlɔ be akpɔ o le Cedar Point, Ohio. Nye ŋku gakpɔtɔ le avɔ gã ma si dzi nuŋɔŋlɔ Joseph F. Rutherford, si nye Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe zimenɔla ɣemaɣi tsɔ xlɔ̃ nu vavala siwo wu 18,000 la dzi, si gblɔ be: “Miɖe gbeƒã Fia la kple Fiaɖuƒe la.” Nyaawo wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe eye mese le ɖokuinye me be ehiã kpata be maƒo nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ŋu na amewo.—Mateo 6:9, 10; 24:14.

Le takpekpe siwo wowɔ tso ƒe 1922 va ɖo 1928 me la, woda asi ɖe tameɖoɖo kplikpaa vovovo aɖewo dzi, eye wota wo ɖe trakt miliɔn geɖe siwo Biblia Nusrɔ̃viawo ma na amewo le xexeame katã me. Ame tsralee menye—amewo yɔam be avu kɔkɔ—eye meƒua du tso aƒeme yi aƒeme nɔa agbalẽvi siawo mam. Dɔ sia wɔwɔ vivi nunye ale gbegbe. Ke hã be nye ŋutɔ mayi amewo ƒe ʋɔtru nu aƒo nu na wo tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu la nye nya bubu.

Ŋu kpeam ale gbegbe be ne Dada kpe míaƒe ƒometɔwo va míaƒe aƒemee zã ƒe sia ƒe la, dodo ɖe xexe nyea dɔ nam. Mesina yia nye xɔgãme hetsia afima. Ɣeaɖeɣi Dada di be yeaɖe foto ƒome bliboa katã eye wògblɔ nam be mado go va xexe. Esi nyemedi be mage ɖe wo dome o ta la, menɔ ɣli dom sesĩe esime wòva lém nɔ hehem do goe tso nye xɔa me.

Gake gbeɖeka meɖoe kplikpaa tsɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖewo de akplo me. Zi geɖe la, megblɔna be, “Nyemate ŋu awɔe o,” gake ɣebubuɣi ko la, megblɔna na ɖokuinye be, “Ele be mawɔe.” Mlɔeba, mete gbeadzi dede. Emegbe dzi va dzɔm ale gbegbe be melé dzi ɖe ƒo wɔ afɔɖeɖea. Nusita dzi dzɔm wue nye be mewɔ dɔa, ke menye be mele edzi o. Ɣemaɣi lɔƒoe medo go osɔfo si ŋu meƒo nu tsoe va yi hedzo le egbɔ kple avia. Esi ɣeyiɣiwo va nɔ yiyim la, Yehowa kpe ɖe ŋunye be mete ŋu ƒoa nu na amewo le woƒe ʋɔtruwo nu, eye ena nye dzidzɔ dzi ɖe edzi. Emegbe le ƒe 1925 me la, metsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me ɖo kpe nye adzɔgbeɖeɖe na Yehowa dzii.

Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Gɔme Dzedze

Esi mexɔ ƒe 18 la, metsɔ ga aɖe si ƒe dome menyi tso danyegã gbɔ la ƒle ʋui eye medze mɔɖeɖedɔa, si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa, wɔwɔ gɔme. Ƒe eve megbe le ƒe 1930 me la, wode dɔ asi na mía kple nye dɔwɔhati le gbeƒãɖeɖedɔa me. Ɣemaɣi la, Clarence hã te mɔɖeɖedɔa wɔwɔ. Emegbe kpuie la, wokpee be wòava subɔ le Betel, le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã le Brooklyn, New York.

Le ɣeyiɣi ma me la, mía dzilawo klã ɖa le wo nɔewo gbɔ, eyata mía kple Dada míena wotu kekexɔ na mí eye mía kplii míedze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme. Ɣemaɣie United States nɔ Ganyawo ƒe Sesẽ Gã ƒe ɣeyiɣia me. Mɔɖeɖedɔa dzi yiyi va sesẽ, gake míeɖoe kplikpaa be míaɖe asi le eŋu o. Míetsɔa Biblia-srɔ̃gbalẽwo naa amewo xɔa koklo, koklozi, kple agblemenuwo kpakple batri xoxowo kple aluminum-gba xoxowo ɖe wo teƒe. Míedzraa nusiawo tsɔ dzea mɔ̃memi dea ʋua me hetsɔa kpɔtɔea kpɔa nu bubuwo gbɔe. Mesrɔ̃ alesi nye ŋutɔ made ami ʋua ƒe teƒeteƒewo be ga ma natsi anyi na mí. Míekpɔe be Yehowa kpe ɖe mía ŋu míete ŋu ɖu mɔxenuwo dzi, abe alesi wòdo ŋugbee ene.—Mateo 6:33.

Medzo Yi Dutanyanyuigbɔgblɔdɔ Gbe

Le ƒe 1946 me la, womia asim be mava de Gbetakpɔxɔ Biblia Gilead Suku si nɔ South Lansing, New York, la ƒe klass adrelia. Ɣemaɣi la, mía kple Dada míewɔ mɔɖeɖedɔa ɖekae ƒe 15 kple edzivɔ sɔŋ, gake medi be yeawɔ naneke ado kplamatse mɔnukpɔkpɔ si su asinye be maxɔ hehe awɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔ o. Eyata ede dzi ƒo nam be maxɔ mɔnukpɔkpɔa ayi Gilead Sukua. Le sukua nu wuwu megbe la, Martha Hess, si tso Peoria, Illinois, va zu nye dɔwɔhati. Woɖo mía kplii kpakple ame eve bubuwo ɖe Cleveland, Ohio, be míava lala le afima ƒe ɖeka be woaɖo mí ɖe duta.

Ƒe 1947 mee wona dɔdasi ma mí. Woɖo mía kple Martha ɖe Hawaii. Esi wònye be ƒukpo siawo dzi vava mesesẽ o ta la, Dada va nɔ dugã si nye Honolulu si te ɖe mía ŋu la me. Dada ƒe lãme meganɔ sesẽm tututu o, eyata menɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm ganɔ edzi hã kpɔm. Mete ŋu kpɔ edzi vaseɖe esime wòtrɔ megbe le Hawaii le ƒe 1956 me esi wòxɔ ƒe 77. Esime míeva ɖo Hawaii teti la, Ðasefo siwo nɔ anyi anɔ 130, gake le ɣeyiɣi si me Dada ku la, wosɔ gbɔ wu akpe ɖeka, eye dutanyanyuigblɔlawo megahiã o.

Emegbe mía kple Martha míexɔ lɛta tso Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa gbɔ be míayi Japan. Nusi ŋu míetsi dzi ɖo gbãe nye ne míate ŋu asrɔ̃ Japangbea le afisi míetsi ɖo fifia ta. Ƒe 48 ye mexɔ ɣemaɣi, eye ƒe ene koe metsɔ nɔ ŋgɔe na Martha. Gake míegblẽ nyaa ɖe Yehowa si me eye míexɔ dɔdasia.

Esi míewu ƒe 1958 dukɔwo dome takpekpe si wowɔ le New York City ƒe Yankee Stadium kple Polo Grounds nu teti ko la, míeɖo meli hedze mɔ yina Tokyo. Esi míenɔ Yokohama melidzeƒe, afisi Don kple Mabel Haslett, Lloyd kple Melba Barry, kple dutanyanyuigblɔla bubuwo va do go mí le la gogom la, yali aɖe ɖe fu na mí vevie le ƒua dzi. Ɣemaɣi la, Ðasefo siwo nɔ Japan ƒe xexlẽme nye 1,124 ko.

Míedze Japangbea sɔsrɔ̃ gɔme enumake be míawɔ tso ʋɔtru nu yi ʋɔtru nu subɔsubɔdɔa. Míezã Eŋlisigbe me xexlẽdzesiwo tsɔ ŋlɔ míaƒe dzeɖonyawo ɖe Japangbea me ale be míaxlẽe na ameawo. Aƒemenɔlawo gblɔna be “Yoroshii desu” alo, “Kekko desu, si fia be, “Enyo” alo “Nya nyuie,” tsɔa ɖoa eŋui na mí. Gake menye ɣesiaɣie míenyana ne aƒemenɔlaa tsɔ ɖe le eme loo alo metsɔ ɖe eme o, elabena wozãa nya mawo ke tsɔ ɖenɛ fiana be yewomedi nyaa o. Gbe si amea tsɔ gblɔ nyae alo alesi wòɖo moe afia gɔmesese si le nyaa ŋu. Exɔ ɣeyiɣi hafi míete ŋu nya vovototo si le wo dome.

Nuteƒekpɔkpɔ Siwo Do Dzidzɔ na Nye Dzi

Esi meganɔ avu wɔm kple gbea sɔsrɔ̃ kokoko la, gbeɖeka meyi Mitsubishi Adzɔha ƒe dɔwɔlawo ƒe aƒeme va do go ɖetugbi aɖe si xɔ ƒe 20. Ewɔ ŋgɔyiyi nyuie le Biblia sɔsrɔ̃ me eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1966 me. Le ƒe ɖeka megbe la, edze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme, eye eteƒe medidi o wotiae mɔɖela vevii. Eganye mɔɖela vevi vaseɖe fifia. Ewɔa dɔ ɖe dzinye ɣesiaɣi ne mekpɔ alesi wòzã eƒe ɣeyiɣi kple ŋusẽ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me tso eƒe ɖetugbi me ke.

Biblia me nyateƒea tsɔtsɔ wɔ dɔe nye gbetɔame si nu sẽ ŋutɔ vevietɔ na amesiwo le amesiwo menye Kristotɔwo o la dome. Gake ame akpe geɖe te ŋu nɔ te ɖe gbetɔame sia nu, amesiwo mesrɔ̃ Biblia kplii dometɔ geɖe hã le wo me. Woɖe asi le Buddhatɔwo ƒe vɔsamlekpui xɔasiwo kple Shintotɔwo ƒe kplɔ̃ siwo zi geɖe wokpɔna le Japantɔwo ƒe aƒewo me la ŋu. Esi wònye ƒometɔwo susuna ɣeaɖewoɣi be nu mawo tsɔtsɔ ƒu gbe fia bubu mademade tɔgbui kukuwo ŋu ta la, ebia dzideƒo be ame yeyewo naɖe afɔ sia. Woƒe nuwɔna dzideƒotɔe na meɖo ŋku Kristotɔ gbãtɔwo siwo ɖe wo ɖokui ɖa le nusiwo do ƒome kple alakpasubɔsubɔ ŋu la dzi.—Dɔwɔwɔwo 19:18-20.

Meɖo ŋku Biblia-nusrɔ̃vi aɖe si nye srɔ̃nyɔnu aƒedzikpɔla si nɔ ɖoɖo wɔm be ye kple yeƒe ƒomea yewoaʋu adzo le Tokyo dzi. Edi be yeaʋu ayi aƒe yeye si me nuzazã siwo do ƒome kple trɔ̃subɔsubɔ aɖeke mele o la me. Eyata egblɔ eƒe didiwo na srɔ̃aŋutsua eye wòda asi ɖe edzi nɛ. Etsɔ dzidzɔ ƒo nu tso eŋui nam gake eva ɖo ŋku edzi be yetsɔ seƒoƒoze gã xɔasi aɖe si wotsɔ marble wɔe si yeƒle le esi wobe enaa dzidzɔ nɔa aƒeme ta hã de yeƒe nuwo me. Esi wòbui be edo ƒome kple alakpasubɔsubɔ ta la, etsɔ zu gbãe hetsɔe ƒu gbe.

Nyɔnu sia kple ame bubu siwo tsɔ nu xɔasi siwo do ƒome kple alakpasubɔsubɔ ƒu gbe hedze Yehowa subɔsubɔ ƒe agbe yeye nɔnɔ gɔme kple dzideƒo la kpɔkpɔ nye nuteƒekpɔkpɔ tuameɖo si naa nye dzi dzea eme ale gbegbe. Medaa akpe na Yehowa edziedzi be mete ŋu wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ƒe 40 kple edzivɔ sɔŋ le Japan.

Egbeŋkekea me “Nukunuwo”

Ne metrɔ kpɔ ƒe 70 kple edzivɔ siwo metsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔae la, nusi dzena nam abe egbeŋkekea me nukunuwo ene la wɔa nuku nam ale gbegbe. Esi menye sɔhɛ si ŋu kpena ŋutɔ ta la, meva susu me nam kpɔ be mate ŋu atsɔ nye agbe blibo aɖo anyi aƒo nu na amewo tso Fiaɖuƒe si ŋuti ame akpa gãtɔ medi be yease naneke tsoe o la ŋu o. Ke hã menye nye ɖeka koe te ŋu wɔe o, ke mekpɔ ame alafa alo akpe geɖe siwo hã le ewɔm nenema ke. Eye wowɔe nyuie ale gbegbe be Ðasefo akpe ɖeka kple nu sue aɖe si nɔ Japan hafi meva le ƒe 1958 me la dzi ɖe edzi wu 222,000 egbea!

Esi mía kple Martha míeva ɖo Japan gbã la, wona teƒe mí ɖe alɔdzedɔwɔƒea le Tokyo. Le ƒe 1963 me la, wotu dziƒoxɔ yeye tuɖedzi ade ɖe alɔdzedɔwɔƒea ƒe anyigba ma dzi, eye afima míenɔ tso ɣemaɣi vaseɖe fifia. Le November 1963 me la, míenɔ ame 163 siwo va se xɔŋukɔkɔ nuƒo si míaƒe alɔdzea dzi kpɔla Lloyd Barry ƒo la dome. Ɣemaɣi Ðasefowo ƒe xexlẽme ɖo 3,000 le Japan.

Enye dzidzɔ be mekpɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa dzi ɖe edzi ale gbegbe, eye le ƒe 1972 me la, gbeƒãɖelawo sɔ gbɔ wu 14,000, esime wowu alɔdzedɔwɔƒe yeye si lolo wu tutu nu le Numazu dua me. Gake kaka ƒe 1982 naɖo la, Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo nɔ Japan wu 68,000, eye wogatu alɔdzedɔwɔƒe si galolo sasasã wu la ɖe Ebina, si anye kilometa 80 tso Tokyo gbɔ.

Azɔ hã wodzra alɔdzedɔwɔƒe xoxo si le Tokyo dua titina la ɖo. Le ɣeyiɣi aɖe me la, eva nye dutanyanyuigblɔla siwo wu 20 siwo subɔ le Japan tso ƒe 40 alo 50 alo wu nenema ƒe aƒeme, mía kple Martha Hess, si nye nye dɔwɔhati tso gɔmedzedzea me ke hã míenɔ afima. Ðɔkta aɖe kple srɔ̃a si nye dɔnɔdzikpɔla hã nɔ míaƒe aƒea me. Wokpɔa mía dzi, eye wokpɔa míaƒe lãmesẽnyawo gbɔ lɔlɔ̃tɔe. Nyitsɔ laa la, wogatsɔ dɔnɔdzikpɔla bubu va kpe ɖe wo ŋu, eye nɔvinyɔnu Kristotɔwo va kpena ɖe wo ŋu le ŋkeke me. Ebina Betel ƒomea me tɔ eve ɖɔa li wo nɔewo va ɖaa nu na mí hedzraa aƒea me ɖo na mí. Le nyateƒe me la, Yehowa ƒe dɔme nyo na mí.—Psalmo 34:9, 11.

Nu vevitɔ si dzɔ le nye dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me dzɔ le November si va yi me, ƒe 36 le esime wokɔ xɔ si me mí dutanyanyuigblɔla xoxo geɖe míele fifia ŋu megbe. Le November 13, 1999 dzi la, menɔ ame 4,486 kple Ðasefo xoxo alafa geɖe siwo tso dukɔ 37 me, siwo va Gbetakpɔxɔ Biblia Kple Trakt Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Ebina, Japan la ŋu kɔ ƒe la dome. Fifia la, Betel ƒome ma me tɔwo anɔ 650.

Le ƒe 80 kloe siwo va yi si me medze Biblia me gbedasia gbɔgblɔ na amewo tso aƒeme yi aƒeme gɔme kple vɔvɔ̃ la, Yehowae nye amesi do ŋusẽm. Ekpe ɖe ŋunye be meɖu nye ŋukpe dzi. Kakaɖedzi blibo le asinye be Yehowa ate ŋu azã amesiame si ɖoa ŋu ɖe eŋu la, amesiwo ŋu kpena ŋutɔ abe nye ene gɔ̃ hã. Eye aleke gbegbe nuƒoƒo tso mía Mawu, Yehowa, ŋu na amedzrowo na nye dzi dze emee nye esi!

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Mía kple Dada kple Clarence, amesi tso Betel va srã mí kpɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Míaƒe klass si me menɔ le Gilead Suku si te ɖe South Lansing, New York ŋu la me tɔ siwo bɔbɔ nɔ gbe dzi nɔ nu srɔ̃m

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Miame: Nye, Martha Hess, kple dada, le Hawaii

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ðusime: Míaƒe dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe si le Tokyo la me tɔwo

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ete: Mía kple Martha Hess, si nye nye dɔwɔhati tso gɔmedzedzea me ke

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Wokɔ míaƒe alɔdzedɔwɔƒe si wokeke ɖe enu le Ebina la ŋu le November si va yi me