Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nèxɔa Nusi Mèkpɔna O Dzi Senaa?

Ðe Nèxɔa Nusi Mèkpɔna O Dzi Senaa?

Ðe Nèxɔa Nusi Mèkpɔna O Dzi Senaa?

NE AME aɖe gblɔ be, ‘Nusi mekpɔ kple ŋku dzi koe mexɔna sena’ la, alakpae. Le nyateƒe me la, mí katã míexɔa nusiwo míekpɔna kple ŋku o dzi sena.

Le kpɔɖeŋu me esime nènɔ suku la, ɖewohĩ miedo nu kpɔ be yewoanya ne ŋusẽ aɖe li hea nuwo hã. Alesi wote ŋu wɔa nudodokpɔ lae nye si: Wu gayibɔ tutu ɖe agbalẽ ɖeɖee dzi. Emegbe nàtsɔ agbalẽ ɖeɖeea da ɖe galénu (magnet) dzi. Ne èʋuʋu agbalẽ ɖeɖeea la, gayibɔ tutuawo ƒoa ƒu ɖe galénua ƒe nugbɔwo eye wonɔa fli aɖe me wòsɔna ɖe galénua ƒe ŋusẽ ƒe nɔnɔme nu, àbu be akunyawɔwɔ ye. Esi nèwɔ nusia la, ɖe nèkpɔ ŋusẽ si lé ga la kple ŋkua? Ao, gake ŋusẽ si wòkpɔ ɖe gayibɔ tutuawo dzie ŋku kpɔ, eye wònye kpeɖodzi si me kɔ na wò be ŋusẽ aɖe li si hea nuwo.

Nu bubuwo li míekpɔna kple ŋku o gake míexɔa wo dzi sena ɖimakemakee. Ne míele nutata dzeani aɖe kpɔm alo le ŋku lém ɖe nukpakpɛ nyui aɖe ŋu la, míekea ɖi be menye nutala aɖee tae alo be menye nukpala aɖee kpae o. Eyata ne míele ŋugble dem le tsitsetse aɖe ŋu alo le ɣe ƒe toɖoɖo kpɔm la, ɖe mele be wòaʋã mí teti míabui be anye Aɖaŋuwɔla alo Nukpala Gã aɖee wɔ wo oa?

Nusita Ame Aɖewo Mexɔna Sena O

Ewɔ mo yaa ŋutɔ be ame aɖewo dzudzɔ Mawu dzi xɔxɔ se le nusi wofia wo le sɔleme ta. Aleae wònɔ le Norway ŋutsu aɖe si wogblɔ na be Mawu mèa amewo le dzomavɔ me la gome. Ŋutsua menya Mawu ka ƒomevie awɔ funyafunya amewo nenema o, eyata ezu mawudzimaxɔsela.

Gake emegbe la, ŋutsua lɔ̃ be Yehowa Ðasefo aɖe nakpe ɖe ye ŋu yeaku Biblia me. Ewɔ nuku nɛ esi wòva nya be Biblia mefia be wowɔa funyafunya ame vɔ̃ɖiwo le dzomavɔ me o. Biblia tsɔ ku sɔ kple alɔ̃dɔdɔ. Míegasea veve aɖeke le yɔdo me o; míeganyaa naneke kura o. (Nyagblɔla 9:5, 10) Ŋutsua srɔ̃e hã be amesiwo Mawu adrɔ̃ ʋɔnui be wonye ame vɔ̃ɖi matrɔdzimewo la atsi yɔdo me tegbee. (Mateo 12:31, 32) Woafɔ ame kuku mamlɛawo ɖe tsitre le Mawu ƒe ɣeyiɣiɖoɖi dzi, eye mɔkpɔkpɔ anɔ wo si be woanɔ agbe tegbee le Paradiso me. (Yohanes 5:28, 29; 17:3) Susu nɔ numeɖeɖe sia me nɛ. Ewɔ ɖeka kple nya si Biblia gblɔ be ‘Mawu nye lɔlɔ̃.’ (Yohanes I, 4:8) Ŋutsu dzianukwaretɔ sia yi Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ dzi eye le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eva lɔ̃ Mawu si tɔ Biblia nye.

Ame bubuwo gbe be Wɔla lɔ̃ame aɖeke meli o le alesi fukpekpe kple numadzɔmadzɔwɔwɔ bɔ ta. Wowɔ ɖeka kple Sweden ŋutsu aɖe si fia asi dziƒo kpɔ gbeɖeka hebia be: “Aleke wɔ hafi Mawu ŋusẽkatãtɔ si nye nusianu nala anɔ dziƒo afima evɔ nufitifitiwɔwɔ kple tagbɔsesẽ bɔ ɖe mía dome afisia alea gbegbe?” Le esi ame aɖeke mete ŋu ɖo eƒe biabiaa ŋu nɛ o ta la, eya hã zu mawudzimaxɔsela. Emegbe eva te Biblia sɔsrɔ̃ kple Yehowa Ðasefowo. Eva srɔ̃e be ŋuɖoɖo si me kɔ la le Mawu ƒe Nya la me na nya si wobiana tso gbaɖegbe ke be, Nukatae Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu ɖo? *

Ŋutsu dzinyuitɔ sia srɔ̃e be vɔ̃ɖinyenye si li ɖeɖe mefia be Mawu meli o. Le kpɔɖeŋu me: Ame aɖe ate ŋu awɔ hɛ be woatsɔ atso lãe. Nuƒlela ate ŋu ava ƒle hɛa atsɔ wu amee, ke matsɔe atso lãe o. Hɛa zazã le mɔ gbegblẽ nu mefia le mɔ aɖeke nu be ewɔla meli o. Nenema ke alesi womezã anyigba le alesi woɖoe be woazãe nu o la mefia be Ewɔla meli o.

Biblia fia be Mawu ƒe dɔwɔnawo de blibo. “Alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.” (Mose V, 32:4) Mawu naa nunana nyuiwo amewo, gake wozã nunanaawo dometɔ aɖewo yakayaka, wòna amewo kpe fu manyatalenuwo. (Yakobo 1:17) Gake Mawu atsi fukpekpe nu. Emegbe la, “ame ɖihiãwo anyi anyigba la dome, . . . eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:11, 29.

Esi Sweden ŋutsu si ƒe nya míegblɔ va yi kpɔ alesi ehavi amegbetɔwo nɔ fu kpemee la, ewɔ dɔ ɖe edzi. Le nyateƒe me la, eƒe vevesese ɖe amewo nu ɖo kpe edzi be Mawu li. Le mɔ ka nu?

Le ame akpa gãtɔ gome la, nɔnɔmetɔtrɔ dzi koe woxɔ se le Mawudzimaxɔse megbe. Nɔnɔmetɔtrɔdzixɔselawo fiaa “sesẽ nàɖu” nufiafia—si fia be amegbetɔwo kple lãwo ʋlia ho kple wo nɔewo be yewoatsi agbe. Sesẽawo tsia agbe; beliawo kuna. Wobe nenemae nuwo le le dzɔdzɔme nu. Gake ne wòle “dzɔdzɔme” nu be beliawo naku ne sesẽawo nakpɔ mɔ anɔ agbe la, ke nukae míagblɔ le alesi wòwɔa dɔ ɖe ame sesẽ aɖewo dzi ne wokpɔ wo havi amegbetɔ wòle fu kpem ŋu, abe alesi wònɔ le Sweden ŋutsua gome ene?

Mawu Nyanya

Míate ŋu akpɔ Mawu o le esi eƒe dzedzeme mele abe amegbetɔ tɔ ene o ta. Ke hã Mawu di be míanya ye. Mɔ siwo dzi míato adze sii dometɔ ɖekae nye be míalé ŋku ɖe eƒe asinudɔwɔwɔ wɔnukuwo ŋu—siwo nye xexemewɔwɔ ƒe “nutatawo” kple “nukpakpawo.” Biblia gblɔ le Romatɔwo 1:20 be: “Tso xexemewɔwɔ dzi la, ne wobua tame le eŋuti la, wokpɔa [Mawu ƒe] numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me.” Ẽ, abe alesi ŋkuléle ɖe nutata alo nukpakpa ŋu ate ŋu ana nànya amesi ƒomevi aɖaŋuwɔla la nye ene la, nenema ke ŋugbledede le Mawu ƒe asinudɔwɔwɔ wɔnukuwo ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàdze si amesi ƒomevi wònye nyuie.

Ele eme baa be míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na agbe me biabia ɖefunamewo katã ne míelé ŋku ɖe nusiwo Mawu wɔ ŋu dzro ko o. Gake míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖo na biabia mawo ne míedzro Mawu ƒe Nya, Biblia me. Esi ŋutsu eve siwo ƒe nya míegblɔ va yi lɔ̃ faa xlẽ Biblia tae wova kpɔe be Mawu li eye be etsɔa ɖe le nusiwo dzɔna ɖe mía dzi me.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Ne èdi nyatakaka bubuwo tso susu siwo ta Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu la, ke taflatse kpɔ agbalẽ si nye Is There a Creator Who Cares About You? si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta ƒe ta 10.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 28]

J. Hester and P. Scowen (AZ State Univ.), NASA