Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbe Deblibo—Menye Drɔ̃e aɖe Koe Wònye O!

Agbe Deblibo—Menye Drɔ̃e aɖe Koe Wònye O!

Agbe Deblibo—Menye Drɔ̃e aɖe Koe Wònye O!

Xexeme si me blibodede le—nukae wòfia na wò? Bu ameƒome aɖe si dome nuvlowɔwɔ, atikevɔ̃ɖizazã, dɔwuame, koɖoɖo, alo madzɔmadzɔnyenye aɖeke mele o ŋu kpɔ ko. Seselelãme kple ŋutilãme lãmesẽ nyui le wo si. Konyifafa alo dzidzɔmakpɔmakpɔ aɖeke meli o, elabena woɖe ku gɔ̃ hã ɖa. Ðe nunya le eme be woakpɔ mɔ na xexeme sia tɔgbea?

TOGBƆ be ame akpa gãtɔ megbe be womewɔ ŋgɔyiyi le dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔ̃ɖaŋununya me o hã la, womexɔe se ŋutɔŋutɔ be amegbetɔ ƒe nunya alo nusɔsrɔ̃ ate ŋu ahe xexeme deblibo si me amewo anɔ ŋutifafa kple dzidzɔ me vɛ o. Le go bubu me la, amegbetɔ ƒe nɔnɔmee nye be yeate kpɔ atrɔ asi le nuwo ŋu woanyo ɖe edzi eye yeaɖɔ nusiwo mede blibo o la ɖo. Gake enye nyateƒe be didi dzro si mate ŋu ava eme o mate ŋu akpe ɖe aƒemanɔsitɔwo kple ame dahewo ŋu o, eye mana wɔametɔwo kple dɔnɔwo, siwo le didim vevie be yewoavo tso yewoƒe fukpekpewo me la ƒe dzi nadze eme o. Amegbetɔwo ƒe agbagbadzedze dzaa ko mate ŋu ahe xexeme deblibo vɛ o. Gake togbɔ be nɔnɔme si li egbea wɔ nublanui hete ɖe ame dzi hã la, kpeɖodzi sẽŋuwo li si ta wòle be míaxɔ ase be xexeme aɖe si nàte ŋu ayɔ be ede blibo gbɔna kpuie vavã.

Ne èle ŋugble dem le agbe deblibo ŋu la, agbe si Yesu Kristo nɔ ava wò susu me. Menye Yesu ɖeka koe nye ame deblibo nɔ anyigba dzi kpɔ o. Adam kple Xawa, amesiwo wowɔ ɖe Mawu ƒe nɔnɔme me la nɔ agbe deblibo le paradiso me. Gake le woƒe aglãdzedze ɖe woƒe Dziƒofofo ŋu ta la, wobu nɔnɔme nyui sia. (Mose I, 3:1-6) Gake Wɔla la de agbenɔnɔ tegbee ƒe didi amegbetɔwo me. Nyagblɔla 3:11 ɖo kpe nya ma dzi be: “[Mawu wɔ] nuwo katã nyuie ɖe wo wɔɣi, eye wòde mavɔmavɔ dzi me na wo, negbe ɖeko amegbetɔ menya mɔnu le nusiwo Mawu wɔ la ƒe agɔmegbɔ kple tagbɔ ŋu o.”

Esi blibomademade kple nuvɔ̃ kplɔ ameƒomea ƒe agbenɔnɔ de “gbegblẽ” kple “gbegblẽ ƒe kluvinyenye” me la, de dzesi akɔfanamenya si apostolo Paulo gblɔ be: “Nuwɔwɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ vevi la le mawuviwo ƒe ɖeɖefia la lalam. Elabena wobɔbɔ nuwɔwɔ la ɖe gbegblẽ la te, menye eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu o, ke le amesi bɔbɔe ɖe anyi la ŋuti hena mɔkpɔkpɔ. Eyata woaɖe nuwɔwɔ la ŋutɔ hã tso gbegblẽ ƒe kluvinyenye la me ayi ɖe mawuviwo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ablɔɖe la me.” (Romatɔwo 8:19-21) Biblia na eme kɔ ƒã be Mawu ƒe ɖoɖo si wòwɔ be yeagbugbɔ agbe deblibo ana ameƒomea la ato Yesu Kristo dzi ava.—Yohanes 3:16; 17:3.

Tsɔ kpe ɖe etsɔme mɔkpɔkpɔ wɔnuku sia ŋu la, ŋutete le mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu be wòayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me, wòana eƒe ŋgɔgbedede nadze fifia kura gɔ̃ hã.

Dze Agbagba be Yeanye Nugɔmesela

Yesu Kristo bu blibodede ƒe nyaa nu vevii ale gbegbe be egblɔ na ameha gã aɖe be: “Eyaŋuti miawo hã mizu blibo, sigbe alesi mia Fofo, si le dziƒo la, le blibo ene.” (Mateo 5:48) Ðe Yesu nɔ mɔ kpɔm ŋutɔŋutɔ be mele be míawɔ vodada aɖeke le fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia me oa? Ao. Enye nyateƒe be ele be míadze agbagba atu nɔnɔme siwo nye dɔmenyowɔwɔ, dɔmekɔkɔ, kple lɔlɔ̃ ɖo ɖe mía havi amegbetɔwo ŋu, gake zi geɖe la, míete ŋu wɔa nu dzɔdzɔe ɣesiaɣi o. Yesu ƒe apostoloawo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã ŋlɔ bena: “Ne míeʋu míaƒe nuvɔ̃wo me la, ekema nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye, bene wòatsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí, eye wòaklɔ madzɔmadzɔnyenye katã ɖa le mía ŋuti. Ne míegblɔ bena, míewɔa nuvɔ̃ o la, ekema míedo eyama aʋatsokalae, eye eƒe nya la mele mía me o.”—Yohanes I, 1:9, 10.

Ke hã míate ŋu atrɔ asi le nukpɔsusu si le mía si ɖe mía ɖokui ŋu kple alesi míewɔa nu ɖe ame bubuwo ŋui la ŋu wòanyo ɖe edzi, eye míatsri nuwɔwɔ wòagbɔ eme. Teƒe bubu kae gali woate ŋu akpɔ nɔnɔme si da sɔ, si sea nu gɔme le asrɔ̃ tsɔ wu esi le Mawu ƒe Nya Biblia me? Nɔnɔme siawo abe dzidzɔ kple numagbɔmewɔwɔ tutu ɖo akpe ɖe mía ŋu míanɔ anyi kple amewo le ŋutifafa me le dɔwɔƒe, le míaƒe srɔ̃ɖeɖe me, eye le nuwɔwɔ kple mía dzilawo alo mía viwo me. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Dzi nadzɔ mi le Aƒetɔ la me ɖaasi; megale egblɔm bena: Dzi nadzɔ mi! Amewo katã nanya miaƒe tufafa!”—Filipitɔwo 4:4, 5.

Nugɔmesese ƒe Viɖewo

Ne èda sɔ le nusiwo nèdina tsoa amewo gbɔ me eye nèƒo asa na didi be yeawɔ nusianu wòade blibo si doa nuxaxa na ame eye wògblẽa nu le ame ŋu la, aɖe vi na wò kple ame bubuwo siaa. Hafi nànya wò ŋutete ŋutɔŋutɔ la ele be nukpɔsusu si da sɔ si me nunya le ku ɖe nusi nèdi be yeawɔ ŋu nanɔ asiwò. Ðo ŋku edzi be ɖe Mawu wɔ mí be míanɔ anyigba dzi eye míawɔ dɔ si ŋu taɖodzinu le si aɖe vi na mía ŋutɔwo kple ame bubuwo.—Mose I, 2:7-9.

Ne èdia nu geɖe akpa tso ɖokuiwò si la, nukatae màtrɔ ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me o? Mawu ƒe ŋudzedzekpɔɖeameŋu ana dzidzeme geɖe wò. Yehowa nya míaƒe wɔwɔme kple blibomademade ƒe nɔnɔme si me míele, eyata menye nugɔmemasela alo amesi ŋu naneke medzena gbeɖe o. Hakpala la na kakaɖedzi mí be: “Alesi fofo ƒe dɔme trɔna ɖe viawo ŋui la, nenema Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋui. Elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” (Psalmo 103:13, 14) Aleke gbegbe míada akpee nye si be Mawu wɔa nu ɖe amegbetɔwo ŋu le lɔlɔ̃mɔ nu alea gbegbe! Enya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, gake míate ŋu anye via lɔlɔ̃ siwo ŋu asixɔxɔ le le eŋkume.

Le esi teƒe be míanɔ didim be nusianu si míawɔ nade blibo la, aleke gbegbe nunya le eme be míatu gbɔgbɔmenugɔmesese kple nukpɔsusu si da sɔ ɖoe enye si! Gawu la, míate ŋu aka ɖe edzi be ame aɖeke mate ŋu atɔ te Yehowa be mana tame si wòɖo be yeana ameƒomea naɖo blibodede gbɔ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te la nagava eme o. Gake nukae amegbetɔ ƒe blibodede fia?

Agbe Deblibo Nyo Wu Blibodede Didi tso Amewo Gbɔ

Blibodede mefia be ame nanye blibodededitsoamesila o. Amesiwo si mɔnukpɔkpɔ asu be woanɔ Paradiso me le anyigba dzi le Mawu ƒe Fiaɖuƒea te la manye amesiwo dia nu geɖe akpa tso amewo si o, womanye ɖokuiŋudzelawo o. Nudidi siwo wodi tso amesiwo atsi agbe le xaxa gã la me si dometɔ ɖekae nye ŋudzedzekpɔkpɔ si tso dzime ɖeɖefia ɖe tafevɔsaa ŋu, abe alesi ameha gã si tso dukɔ sia dukɔ me si ŋu apostolo Yohanes ƒo nu tsoe ɖee fiae ene be: “Xɔname nanye mía Mawu, si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi, kple alẽvi la tɔ” ene. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10, 14) Amesiwo katã atsi agbe le xaxa gã si tu aƒe la me ada akpe be Kristo tsɔ eɖokui na faa heku ɖe yewo kple amesiwo katã xɔa edzi sena la ta. Eƒe lɔlɔ̃ vɔsa la dzie woanɔ te ɖo aɖe wo atso woƒe blibomademade kple gbɔdzɔgbɔdzɔwo me tegbee.—Yohanes 3:16; Romatɔwo 8:21, 22.

Aleke agbe deblibo nɔnɔ anɔ? Ðe hoʋiʋli kple ŋkɔxɔxɔdidi ɖokuitɔdiditɔe teƒe la, lɔlɔ̃ kple dɔmekɔkɔ si amegbetɔwo aɖe afia wo nɔewo ana be agbenɔnɔ navivi, eye dzimaɖitsitsi kple ameɖokui bubu be yemeɖi naneke le yewo tɔwo dome o maganɔ anyi o. Ke hã agbe deblibo nɔnɔ mati ame o. Mawu ƒe Nya megblɔ Paradiso la ŋuti nya sia nya na mí o, gake eɖɔ agbe si ƒomevi míate ŋu akpɔ mɔ na be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o; elabena nye dukɔ atsi, abe alesi ati tsinae ene, eye nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo. Womadze agbagba dzodzro o, eye womadzi dzikudziku o.”—Yesaya 65:21-23.

Le esi teƒe be míatsi dzi ɖe modzakaɖeɖe, nuƒleƒe, mɔ̃ɖaŋununya, alo mɔzɔmɔnu si ƒomevi anɔ Fiaɖuƒea me ŋu la, kpɔ ɖokuiwò le susu me ɖaa be yele nya siawo ƒe me vava teƒe kpɔm be: “Amegãxi kple alẽvi woaɖu gbe le wo nɔewo gbɔ, dzata aɖu gbe abe nyi ene, eye da ƒe nuɖuɖu anye kewɔ. Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ ava nye to kɔkɔe blibo la dzi o, Yehowa ye gblɔe!” (Yesaya 65:25) Aleke gbegbe agbe deblibo ato vovoe na esi teƒe kpɔm nèle egbea enye si! Ne ànɔ amesiwo wobu be wodze anɔ agbe ɣemaɣi dome la, kakaɖedzi nenɔ asiwò be wò Dziƒofofo lɔlɔ̃tɔ la atsɔ ɖe le eme na mia kple wò ƒomea. “Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò, eye wòana nusi wò dzi di la wò.”—Psalmo 37:4.

Agbe deblibo nɔnɔ menye drɔ̃e aɖe ko o. Tameɖoɖo siwo le Yehowa si lɔlɔ̃tɔe na ameƒomea ava eme keŋkeŋ. Mia kple wò ƒomea miate ŋu anɔ amegbetɔ siwo ava de blibo eye woanɔ agbe tegbee le Mawu ƒe xexe yeyea me la dome. Biblia gblɔ ɖi be: “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:29.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Míate ŋu atrɔ asi le nukpɔsusu si le mía si ku ɖe mía ɖokui kple ame bubuwo ŋu la ŋu wòanyo ɖe edzi eye míaƒo asa na blibodede didi tso amewo gbɔ alo nya sia nya me kuku tsitotsito

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Nukatae màtsɔe be yele agbe le Paradiso ƒe nɔnɔme si me ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye anɔ la me xoxo o?