Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

“Mi Katã La Nɔviwo Mienye”

“Mi Katã La Nɔviwo Mienye”

“Mi Katã La Nɔviwo Mienye”

“Migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala, eye mi katã la nɔviwo mienye.”—MATEO 23:8.

1. Nya ka ŋue wòle be míade ŋugble le?

KRISTOTƆ nyɔnu aɖe si le Ɣedzeƒedukɔ aɖe me bia dutanyanyuigblɔla aɖe si tso Australia menye kple susu vɔ̃ o be: “Ameka ŋue wòle be woade bubu wu, dutanyanyuigblɔla loo alo amesi le subɔsubɔm le Betel? Edi be yeanya amesi wòle be woabu wu, nenye dutanyanyuigblɔla si tso dukɔ bubu me loo alo dukɔmetɔ subɔla si le dɔ wɔm le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe. Biabia ma si mebia kple susu vɔ̃ o, si ɖee fia be wotsia dzi ɖe ame ƒe ɖoƒe ŋu vevie la, dze dutanyanyuigblɔla la kpo. Gake amesi nye gã wu ƒe nya la tso didi be woanya ɖoƒe si ame le le tanyenye kple ŋusẽkpɔɖeamedzi gome.

2. Aleke wòle be míabu mía hati tadeagulawoe?

2 Nya sia menye nya yeye kura o. Yesu ƒe nusrɔ̃lawo gɔ̃ hã ʋli nya edziedzi le amesi nye gã ŋu. (Mateo 20:20-24; Marko 9:33-37; Luka 22:24-27) Ƒe alafa gbãtɔ me Yuda-subɔsubɔ, si me tɔwo tsia dzi ɖe ɖoƒe ŋu vevie mee woawo hã nɔ tsã. Ameha ma ƒe nue nɔ susu me na Yesu wòxlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be: “Migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala, eye mi katã la nɔviwo mienye.” (Mateo 23:8) Biblia-nyala Albert Barnes gblɔ be, subɔsubɔ ƒe dzesideŋkɔ abe “Rabi” ene si gɔmee nye “Nufiala” “nyɔa dada kple gãnyenye ƒe gbɔgbɔ ɖe amesiwo dzi wodae ɖo me, eye wònyɔa ŋuʋaʋã kple ametsɛnyenye ƒe seselelãme ɖe amesiwo womeyɔnɛ na o me; eye seselelãme kple nuwɔna bliboa tsi tre ɖe ‘ɖokuibɔbɔ si nɔ Kristo me’ ŋu.” Le nyateƒe me la, Kristotɔwo tsri dzikpɔla siwo le wo dome la yɔyɔ be “Hamemegã Asimasi,” anɔ nya “hamemegã” zãm abe amedodoɖedzi ƒe dzesideŋkɔ ene. (Hiob 32:21, 22) Le go bubu me la, hamemegã siwo nɔa agbe ɖe gɔmesese si le Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖoa nu la dea bubu hamea me tɔ bubuwo ŋu abe alesi Yehowa dea bubu esubɔla wɔnuteƒewo ŋu kple alesi Yesu Kristo hã dea bubu eyomedzela wɔnuteƒewo ŋui ene.

Yehowa Kple Yesu ƒe Kpɔɖeŋu

3. Aleke Yehowa de bubu eƒe gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ŋui?

3 Togbɔ be Yehowae nye ‘Dziƒoʋitɔ’ hã la, ede bubu eƒe nuwɔwɔwo ŋu tso gɔmedzedzea me ke ale be wòna wokpɔa gome le eƒe dɔwɔwɔwo me. (Psalmo 83:19) Esi Yehowa wɔ amegbetɔ gbãtɔ la, ena eƒe Tenuvia nye “dɔnunɔla” eye wòkpɔ gome le amegbetɔ wɔwɔ me. (Lododowo 8:27-30; Mose I, 1:26) Esi Yehowa ɖoe be yeatsrɔ̃ Fia vɔ̃ɖi Ahab la, eɖe mɔ na eƒe dziƒo dɔlawo gɔ̃ hã be woagblɔ mɔ si dzi woato atsrɔ̃e.—Fiawo I, 22:19-23.

4, 5. Aleke Yehowa dea bubu amegbetɔ siwo wòwɔ la ŋui?

4 Yehowa nye Dziɖula Gãtɔ si le xexeame katã dzi ɖum. (Mose V, 3:24) Mehiã be wòalé susu kpɔ kple amegbetɔwo o. Ke hã ne míagblɔe la, ebɔbɔa eɖokui ɖe anyi be yeabia woƒe nukpɔsusu ase. Hakpala aɖe dzi ha be: “Amekae de Yehowa, mía Mawu la, amesi bɔbɔ nɔ dzi me, amesi le ame bɔbɔɖeanyiwo kpɔm ɖa le dziƒo kple anyigba dzi la nu? Eya, amesi fɔ ame tsɛ la tso ʋuʋudedi me.”—Psalmo 113:5-8.

5 Hafi Yehowa natsrɔ̃ Sodom kple Gomora la, eɖo to Abraham ƒe biabiawo eye wòfa dzi si wòtsi ɖe dzɔdzɔenyenye ŋu la nu nɛ. (Mose I, 18:23-33) Togbɔ be Yehowa nya afisi Abraham ƒe biabiawo awu nu ɖo xoxo hã la, eɖo to Abraham dzigbɔɖitɔe eye wòxɔ eƒe nukpɔsusuwo.

6. Nukae do tso bubu si Yehowa de Xabakuk ŋu esime wòbia nyae me?

6 Yehowa ɖo to Xabakuk hã, amesi bia be: “Yehowa, ɣekaɣi manɔ yɔwòm sesĩe, eye nagbe esese ase ɖo?” Ðe Yehowa bu eƒe biabia la be enye gbe tɔtɔ yeƒe ŋusẽa? Ao, ebu Xabakuk ƒe biabiaawo be wole eteƒe, eyata egblɔ tame si wòɖo be yeana Kaldeatɔwo nakpɔ ʋɔnudɔdrɔ̃a me tohehea gbɔ la nɛ. Ena kakaɖedzi nyagblɔɖila la be ‘ʋɔnudɔdrɔ̃ sia si ƒe nya wogblɔ ɖi la ava eme kokoko.’ (Xabakuk 1:1, 2, 5, 6, 13, 14; 2:2, 3) Yehowa de bubu Xabakuk ŋu to alesi wòtsɔ nusiwo ŋu nyagblɔɖila la tsi dzi ɖo nu vevii kple alesi wòɖo wo ŋu nɛ me. Ewɔe be nyagblɔɖila la ƒe dzimaɖitsitsia nu tso eye dzi dzɔe, si na wòka ɖe Mawu, eƒe xɔnametɔ la dzi bliboe. Esia dze le Xabakuk ƒe agbalẽ si tso gbɔgbɔ me si doa ŋusẽ alesi míeka ɖe Yehowa dzi egbeae la me.—Xabakuk 3:18, 19.

7. Nukatae akpa si Petro wɔ le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la ɖe dzesi?

7 Yesu Kristo nye amesiwo de bubu ame bubuwo ŋu ƒe kpɔɖeŋu nyui bubu. Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo do ŋgɔ be, “amesi ke lagbe nu le gbɔnye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã magbe nu le eyama gbɔ le Fofonye . . . ƒe ŋku me.” (Mateo 10:32, 33) Gake le zã si me wodee asi me la, eƒe nusrɔ̃lawo katã gblẽe ɖi, eye apostolo Petro gbe nu le egbɔ zi etɔ̃ sɔŋ. (Mateo 26:34, 35, 69-75) Yesu bu nuwo ŋu yi ŋgɔ wu gotagome dzedzeme ko ale be wòbu Petro ƒe seselelãme ememetɔwo, eƒe dzimetɔtrɔ vavãtɔ ŋu. (Luka 22:61, 62) Ŋkeke 51 ko megbe la, Kristo de bubu apostoloa si trɔ dzime ŋu ale be wòna wònɔ Yesu ƒe nusrɔ̃la 120 la teƒe le Pentekoste-ŋkekea dzi zã ‘fiaɖuƒea ƒe safuiawo’ dometɔ gbãtɔ. (Mateo 16:19; Dɔwɔwɔwo 2:14-40) Wona mɔnukpɔkpɔ Petro be ‘wòatrɔ ava do ŋusẽ nɔviawo.’—Luka 22:31-33.

Bubu Dede Ƒomea me Tɔwo Ŋu

8, 9. Aleke srɔ̃ŋutsu ate ŋu asrɔ̃ Yehowa kple Yesu le bubu dede srɔ̃anyɔnua ŋu mee?

8 Anyo be srɔ̃ŋutsuwo kple dzilawo nadze agbagba be yewoasrɔ̃ Yehowa kple Yesu Kristo le tanyenye si Mawu na wo ŋudɔwɔwɔ me. Petro ɖo aɖaŋu be: “Mi ŋutsuwo la, minɔ anyi kple [mia srɔ̃wo] le nunya me, esi wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu la ŋuti, eye mitsɔ bubu na wo.” (Petro I, 3:7) Tsɔe be agba si ate ŋu agbã bɔbɔe, si mesẽ de agba si nye ati nu kura o ŋue nèle dɔ wɔm le. Ðe màɖɔ ŋu ɖo nyuie oa? Srɔ̃ŋutsu ate ŋu asrɔ̃ Yehowa le esia me, aɖo to srɔ̃anyɔnua ƒe nukpɔsusuwo ne wole ƒomenyawo ŋuti nyametsotsowo wɔm. Ðo ŋku edzi be Yehowa gbɔ dzi ɖi dzro nya me kple Abraham. Esi srɔ̃ŋutsua mede blibo o ta la, mate ŋu ase nyaa gɔme bliboe o. Eyata ɖe manyo be wòade bubu srɔ̃anyɔnua ŋu abu eƒe nukpɔsusu ŋu anukwareɖiɖitɔe oa?

9 Le dukɔ siwo me wotea tɔ ɖe ŋutsuwo ƒe tanyenye dzi le vevie la, ele be wòanɔ susu me na srɔ̃ŋutsu be abia be srɔ̃a naɖu vɔvɔ̃ geɖe dzi hafi ate ŋu aɖe eƒe seselelãme ememetɔ agblɔ. Srɔ̃ alesi Yesu Kristo wɔ nu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋu, amesiwo ava nye eƒe ŋugbetɔ ƒe akpa aɖe, esime wònɔ anyigba dzi. Ede asixɔxɔ wo ŋu, eye ebua woƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ me gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu hafi wogblɔa woƒe hiahiãwo nɛ gɔ̃ hã. (Marko 6:31; Yohanes 16:12, 13; Efesotɔwo 5:28-30) Gakpe ɖe eŋu la, gbɔ dzi ɖi nàlé ŋku ɖe nusi wɔm srɔ̃wò le na wò kple wò ƒomea ŋu, eye nàɖe wò ŋudzedzekpɔkpɔ afia le nuƒoƒo kple nuwɔnawo me. Ne amewo dze na ŋudzedzekpɔkpɔ, kafukafu, kple yayra la, Yehowa kple Yesu siaa ɖenɛ fiana. (Fiawo I, 3:10-14; Hiob 42:12-15; Marko 12:41-44; Yohanes 12:3-8) Esi Kristotɔ nyɔnu aɖe si le Ɣedzeƒedukɔ aɖe me srɔ̃ŋutsu va zu Yehowa Ðasefo la, egblɔ be: “Tsã la, srɔ̃nyeŋutsua nɔa ŋgɔ nam ne míele zɔzɔm, eye wònaa metsɔa agba ɖesiaɖe. Fifia la, eléa akploawo ɖe asi eye wòɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana ɖe nusi wɔm mele le aƒeme ŋu!” Ŋudzedzekpɔkpɔnya vavã si nàgblɔ akpe ɖe srɔ̃wònyɔnua ŋu wòase le eɖokui me be asixɔxɔ le ye ŋu.—Lododowo 31:28.

10, 11. Nukae dzilawo ate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu nyui si Yehowa ɖo le nuwɔwɔ ɖe Isreal-dukɔ sẽto la ŋu me?

10 Ele be dzilawo nasrɔ̃ Mawu ƒe kpɔɖeŋu ne wole nu wɔm ɖe wo viwo ŋu vevietɔ ne mokaname hiã. ‘Yehowa yi edzi xlɔ̃ nu Israel kple Yuda’ be woadzudzɔ woƒe nuwɔna vɔ̃ɖiwo, gake ‘woyi edzi sẽ dzime.’ (Fiawo II, 17:13-15) Israel-viwo “[vivi] nume nɛ kple woƒe nu, eye wotsɔ woƒe aɖe da alakpa nɛ” gɔ̃ hã. Dzila geɖe ase le wo ɖokui me be yewo viwo wɔa nu nenema ɣeaɖewoɣi. Israel-viwo nɔ “Mawu tetekpɔ dzi ɖaa” hedo dziku nɛ wòse veve. Ke hã Yehowa ‘kpɔ nublanui na wo, etsɔ vodada ke wo eye metsrɔ̃ wo o.’—Psalmo 78:36-41.

11 Yehowa ƒo koko gɔ̃ hã na Israel-viwo be: “Miva mídrɔ̃ ʋɔnu! Ne miaƒe nuvɔ̃wo le abe nyagadzĩ ene la, woafu abe sno ene.” (Yesaya 1:18) Togbɔ be Yehowa medze agɔ o hã la, ekpe dukɔ sẽto la be woava ne yewoaɖɔ nyawo ɖo. Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye esi dzilawo asrɔ̃ ne wole nu wɔm ɖe wo viwo ŋu! Ne nɔnɔmea bia la, mide bubu wo ŋu miaɖo to ase nya si le wo si, eye midzro susu si ta wòle be woawɔ tɔtrɔ me kpli wo.

12. (a) Nukatae wòle be míatsri bubu dede mía viwo ŋu wu Yehowa? (b) Nukae asixɔxɔ dede mía viwo ŋu ne míele mo kam na wo bia?

12 Gake ɖeviwo hiã aɖaŋuɖoɖo sẽŋuwo ɣeaɖewoɣi. Dzilawo madi be yewoanɔ abe Eli, amesi ‘nɔ viawo bum wu Yehowa’ ene o. (Samuel I, 2:29) Ke hã ehiã be ɖeviwo nakpɔ amelɔlɔ̃ ƒe susu si tae wole wo ɖɔm ɖo. Ele be woade dzesii be yewo dzilawo lɔ̃ yewo vavã. Paulo xlɔ̃ nu vifofowo be: “Migado dziku na mia viwo o, ke minyi wo le Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” (Efesotɔwo 6:4) Togbɔ be vifofo ƒe tanyenye ŋudɔwɔwɔ ye wowɔnɛ hã la, nusi dzi wole gbe tem ɖoe nye alesi wòhiã be vifofoa nade asixɔxɔ ɖeviawo ŋu ale be matsɔ eƒe dzimagbɔɖinuwɔna ado dziku na wo o. Ẽ, ebia ɣeyiɣi kple agbagbadzedze tso dzilawo si be woabu asixɔxɔ si le ɖeviwo ŋu nu vevii, gake ku siwo wòtsena wɔe be agbagbadzedzea menye dzodzro o.

13. Nukae nye Biblia ƒe nukpɔsusu le ame tsitsi siwo le ƒomea me ŋu?

13 Bubu dede ƒomea me tɔwo ŋu bia nu geɖe wu asixɔxɔ dede ame srɔ̃ kple ɖeviwo ŋu ko. Japantɔwo ƒe lododo aɖe gblɔ be: “Ne èzu amegã ɖeɖi la, ɖo to viwòwo.” Nusi gblɔm lododoa le enye be mele be dzila tsitsiwo nawɔ nu wòagbɔ ŋusẽ si wona dzilawo ŋu o eye ele be woalé to ɖe nya siwo wo vi tsitsiwo agblɔ ŋu. Togbɔ be esɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu be dzilawo nade bubu wo viwo ŋu ase nya si le wo si hã la, mele be ɖeviawo nawɔ amemabumabunu ɖe ƒomea me tɔ tsitsiwo ŋu o. Lododowo 23:22 gblɔ be: “Megado vlo dawò, ne eku nyagã o!” Fia Salomo nɔ agbe ɖe lododo sia nu eye wòde bubu dadaa ŋu esime dadaa te ɖe eŋu be yeabia nui. Salomo na zikpui Bat-Seba, dadaa si zu ame tsitsi, wònɔ eƒe ɖusime eye wòɖo to se nya si le dadaa si.—Fiawo I, 2:19, 20.

14. Aleke míate ŋu ade bubu ame tsitsi siwo le hamea me ŋui?

14 Le míaƒe gbɔgbɔmeƒome gã la me la, mɔnukpɔkpɔ nyui aɖe le mía si be ‘míatre’ hamea me tɔ siwo tsi la bubu. (Romatɔwo 12:10) Dewohĩ womagate ŋu awɔ dɔ geɖe abe alesi wowɔnɛ le ŋkeke siwo va yi me ene o, eye ɖewohĩ ema ɖea dzi le wo ƒo. (Nyagblɔla 12:1-7) Ðasefo amesiamina tsitsi aɖe si tsi aba dzi le dɔnɔdzikpɔƒe gblɔ dziɖeleameƒonya ma tɔgbe kpɔ be: “Mele tsɔtsɔm nam be maku ayi aɖadze dɔ gɔme o.” Le ame tsitsi siawo gome la, ŋudzedzekpɔkpɔ si sɔ ɖeɖe fia wo kple bubu dede wo ŋu ate ŋu akpe ɖe wo ŋu. Wode se na Israel-viwo be: “Amegã ta ɣi ŋku me nanɔ tsitre ɖo, eye bu amegã ɖeɖi la.” (Mose III, 19:32) Ðe ameŋububu fia nàna ame tsitsiwo nase le wo ɖokui me be yewo hiã eye be wokpɔa ŋudzedze ɖe yewo ŋu. ‘Tsitre tsitsi’ ate ŋu afia hã be woanɔ anyi aɖo to ase nusiwo wowɔ le ƒe siwo va yi me. Ema ade asixɔxɔ ame tsitsiwo ŋu eye wòatu mía ŋutɔwo ƒe gbɔgbɔmegbenɔnɔ ɖo.

“Mitre Mia Nɔewo Bubu!”

15. Nukae hamemegãwo ate ŋu awɔ atsɔ ade asixɔxɔ hamea me tɔwo ŋui?

15 Ne hamemegãwo ɖo kpɔɖeŋu nyui ɖi na hamea me tɔwo la, wodoa vevie nu. (Petro I, 5:2, 3) Togbɔ be ɣeyiɣi mele hamemegãwo si o hã la, esiwo tsɔa ɖe le eme na ame la wɔa afɔɖeɖe be yewoate ɖe sɔhɛwo, ƒome ƒe tawo, vidada srɔ̃manɔsitɔwo, srɔ̃nyɔnu aƒedzikpɔlawo, kple ame tsitsiwo ŋu, ne kuxiwo ɖale fu ɖem na wo alo mele nenema o hã. Hamemegãawo ɖoa to sea nusi le hamea me tɔwo si be woagblɔ eye wokafua wo ɖe nusiwo wote ŋu wɔna ta. Hamemegã si léa ŋku ɖe nu ŋu hegblɔa kafukafunyawo le nusi nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo te ŋu wɔna ŋu la le Yehowa, amesi kpɔa ŋudzedze ɖe eƒe anyigba dzi nuwɔwɔwo ŋu la srɔ̃m.

16. Nukatae wòle be míabui be hamemegãwo kple hamea me tɔ bubuwo dze na bubu?

16 Ne hamemegãwo srɔ̃a Yehowa la, woɖoa kpɔɖeŋu nyui le Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi wɔwɔ me, be: “Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃, mitre mia nɔewo bubu!” (Romatɔwo 12:10) Esia ate ŋu anye nu sesẽ na hamemegã siwo le dukɔ siwo me wotsia dzi ɖe ɖoƒenɔnɔ ŋu le. Le kpɔɖeŋu me, le Ɣedzeƒedukɔ aɖe me la, wozãa nya eve na “nɔvi,” ɖeka nye esi wotsɔ dea bubu ame ŋu eye evelia nye esi wogblɔna ko. Tsã la, hamea me tɔwo zãa esi wotsɔ dea bubu ame ŋui la na hamemegãwo kple ame tsitsiwo eye wozãa esi wogblɔna ko la na ame kpɔtɔeawo. Gake wode dzi ƒo na wo be woazã esi wogblɔna ko la na amewo katã, elabena abe alesi Yesu gblɔe na eyomedzelawo ene la, “mi katã la nɔviwo mienye.” (Mateo 23:8) Togbɔ be vovototoa madze ƒã le dukɔ bubuwo me o hã la, ele be mí katã míanɔ ŋudzɔ ɖe amegbetɔ ƒe nɔnɔme si nye vovototodedeameme le ɖoƒe ta ŋu.—Yakobo 2:4.

17. (a) Nukatae wòle be woate ŋu ate ɖe hamemegãwo ŋu? (b) Mɔ kawo nue hamemegãwo ate ŋu asrɔ̃ Yehowa le nuwɔwɔ ɖe hamea me tɔwo ŋu me?

17 Nyateƒee, Paulo de dzi ƒo na mí be míatsɔ “bubu teƒe eve” ana hamemegã aɖewo, gake nɔviwo ko wogakpɔtɔ nye. (Timoteo I, 5:17) Ne míete ŋu ‘tena ɖe Xexeame Katã Dziɖulagã ƒe amenuvevezikpuia ŋu ƒoa nu faa’ la, ɖe mele be míate ŋu ate ɖe hamemegã, siwo wòle be woasrɔ̃ Yehowa la ŋu oa? (Hebritɔwo 4:16; Efesotɔwo 5:1) Dzikpɔlawo ate ŋu ada alesi amewo tena ɖe wo ŋui akpɔ ne woabu zi alesinu ame bubuwo va biaa aɖaŋuɖoɖo wo alo va gblɔa woƒe susu na wo. Srɔ̃ nu tso alesi Yehowa na ame bubuwo kpɔa gome le eƒe dɔwɔwɔwo mee me. Edea bubu amewo ŋu to agbanɔamedziwo tsɔtsɔ na wo me. Ne edze abe susu aɖewo siwo Ðasefo bubu aɖe do ɖa mawɔ dɔ o ene hã la, ele be hamemegãwo nakpɔ ŋudzedze ɖe ɖetsɔleme si woɖe fia ŋu. Ðo ŋku alesi Yehowa wɔ nu ɖe Abraham ƒe biabia atraɖii kple Xabakuk ƒe yɔyɔ le xaxa me ŋu dzi.

18. Aleke hamemegãwo ate ŋu asrɔ̃ Yehowa le amesiwo hiã kpekpeɖeŋu ɖɔɖɔɖo me?

18 Ele eme be hati Kristotɔ aɖewo hiã ɖɔɖɔɖo ya. (Galatiatɔwo 6:1) Ke hã wogakpɔtɔ xɔ asi le Yehowa ŋkume eye wodze be woade asixɔxɔ wo ŋu. Ðasefo aɖe gblɔ be: “Ne amesi le aɖaŋu ɖom wɔ nu ɖe ŋunye bubutɔe la, enɔa bɔbɔe nam be mate ɖe eŋu.” Ne wowɔ nu ɖe ame akpa gãtɔ ŋu bubutɔe la, woxɔa aɖaŋuɖoɖowo nyuie. Ate ŋu axɔ ɣeyiɣi geɖe, gake toɖoɖo amesiwo ɖe afɔ gbegblẽwo nana wònɔa bɔbɔe na wo be woaxɔ aɖaŋuɖoɖo si hiã. Alesi Yehowa dzro nu me kple Israel-viwo edziedzi le nublanuikpɔkpɔ ta nenɔ susu me na wò. (Kronika II, 36:15; Tito 3:2) Aɖaŋu si woɖo le veveseɖeamenu kple ameŋububu me awɔ dɔ ɖe amesiwo hiã kpekpeɖeŋu ƒe dzi dzi.—Lododowo 17:17; Filipitɔwo 2:2, 3; Petro I, 3:8.

19. Aleke wòle be míabu amesiwo ƒe dzixɔsewo to vovo na Kristotɔwo tɔe?

19 Bubu si míade amewo ŋu la lɔ amesiwo ate ŋu ava zu míaƒe gbɔgbɔmenɔviwo le etsɔme ɖe eme. Ame siawo maxɔ míaƒe gbedasia enumake fifia o, gake ehiã be míagbɔ dzi ɖi na wo ahanya be ele be míade asixɔxɔ wo ŋu abe amegbetɔwo ene. Yehowa “melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ.” (Petro II, 3:9) Ðe mele be Yehowa ƒe nukpɔsusu nanɔ mía si oa? Ne míedea ŋugble le amewo katã ŋu la, míate ŋu aʋu ɖaseɖiɖi ƒe mɔ ɖi ne míedzea agbagba be míanye havi nyuiwo. Le nyateƒe me la, míatsri hadede si ƒomevi me gbɔgbɔmefɔkuwo anɔ. (Korintotɔwo I, 15:33) Ke hã míaɖe ‘domenyo’ afia, eye míaɖi gbɔ amesiwo ƒe dzixɔsewo to vovo na mía tɔ o.—Dɔwɔwɔwo 27:3.

20. Nukae wòle be Yehowa kple Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋuwo naʋã mí míawɔ?

20 Ẽ, Yehowa kple Yesu Kristo bua mía dometɔ ɖesiaɖe be míedze na bubu. Mina míanɔ ŋku ɖom alesi wowɔa nui dzi ɣesiaɣi eye míatre mía nɔviwo bubu nenema ke. Eye mina mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyawo nanɔ susu me na mí ɣesiaɣi be: “Mi katã la nɔviwo mienye.”—Mateo 23:8.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke wòle be nàbu hati tadeagulawoe?

• Aleke Yehowa kple Yesu ƒe kpɔɖeŋu ʋãa wò be nàde bubu ame bubuwo ŋui?

• Aleke srɔ̃ŋutsuwo kple dzilawo ade bubu ame bubuwo ŋui?

• Alesi hamemegãwo abu hati Kristotɔwo be wonye yewo nɔviwo aʋã wo be woawɔ nu le mɔ kawo nu?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Tsɔ nya siwo ɖea ŋudzedzekpɔkpɔ fiana de bubu srɔ̃wònyɔnu ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

De asixɔxɔ viwòwo ŋu nàse nya si le wo si

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

De asixɔxɔ hamea me tɔwo ŋu