Mide Bubu Amesiwo Woɖo Mia Nu ŋu
Mide Bubu Amesiwo Woɖo Mia Nu ŋu
“Mibu amewo katã, milɔ̃ nɔviawo, mivɔ̃ Mawu, mibu fia la.”—PETRO I, 2:17.
1, 2. Aleke amewo bua tatɔwoe egbea? Nukatae?
VIDADA aɖe xa nu vevie gblɔ be: “Woɖe nusianu ƒe mɔ na ɖeviwo fifia. Bubu aɖeke megali na dzilawo o.” Nuŋɔŋlɔ aɖe si woklã ɖe ʋu ŋu xlẽ be: “Tɔ Gbe Ŋusẽtɔwo.” Nya mawo nye nɔnɔme siwo ɖewohĩ ènya be wobɔ egbea ƒe kpɔɖeŋu eve ko. Bubu si womegadea dzilawo, nufialawo, dɔtɔwo, kple dziɖuɖumegãwo ŋu o bɔ le xexeame katã.
2 Ame aɖewo agblɔ ko be: ‘Tatɔwo medze be made bubu wo ŋu o.’ Ɣeaɖewoɣi la, asesẽ be woagbe nya ma. Míesea dziɖuɖumegãwo ƒe nufitifitiwɔwɔ, dɔtɔ ŋuklẽlawo, nufiala mabimabiwo, kple dzila sẽŋutawo ŋu nyadzɔdzɔwo ɣesiaɣi. Dzidzɔtɔe la, Kristotɔ geɖe mebua amesiwo wona ŋusẽe le hamea me nenema o.—Mateo 24:45-47.
3, 4. Nukatae wòle be Kristotɔ nabu tatɔwo?
3 Esi míenye Kristotɔwo ta la, “ehiã” be míade bubu xexemedziɖuɖuwo ŋu. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be “[woabɔbɔ wo ɖokui] na dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na. Elabena dziɖuɖu aɖeke meli o, negbe esi tso Mawu gbɔ ko; ke dziɖuɖu, siwo li la, Mawue ɖo wo anyi.” (Romatɔwo 13:1, 2, 5; Petro I, 2:13-15) Paulo ɖe susu nyui si ta wòle be woaɖo to tatɔwo le ƒomea me hã fia, be: “Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo, abe alesi wòdze le Aƒetɔ la me ene. Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le nusianu me; elabena esia dze Aƒetɔ la ŋu nyuie.” (Kolosetɔwo 3:18, 20) Hamemegãwo dze be míade bubu wo ŋu elabena ‘gbɔgbɔ kɔkɔe lae ɖo wo dzikpɔlawoe be woanyi Mawu ƒe hamea.’ (Dɔwɔwɔwo 20:28) Bubu si míedea Yehowa ŋu tae míebua tatɔ siwo nye amegbetɔwo ɖo. Tso dzɔdzɔ me la, bubu dede Yehowa ƒe tanyenye ŋu xɔa nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me ɣesiaɣi.—Dɔwɔwɔwo 5:29.
4 Yehowa ƒe tanyenye si ƒo ɖesiaɖe ta nenɔ susu me na mí ne míade ŋugble le ame aɖewo siwo mede bubu tatɔwo ŋu o kple amesiwo de bubu wo ŋu la ŋuti.
Bubumademade Hea Ŋudzedzemakpɔmakpɔ Vɛ
5. Amemabumabunu kae Mixal wɔ ɖe Dawid ŋu, eye nukae do tso eme?
5 Míate ŋu akpɔ alesi Yehowa bua amesiwo medea bubu tatɔ siwo Mawu ɖo ŋu o le Fia Dawid ƒe ŋutinya me. Esi Dawid na wotsɔ nubablaɖaka gbɔe va Yerusalem la, srɔ̃a Mixal “kpɔ Dawid le kpo tim hele ɣe ɖum le Yehowa ŋku me, eye wòɖu fewu le eŋu le eƒe dzi me.” Ðe wòle be Mixal nabu Dawid be enye dukɔa ƒe fia ke menye ƒome ƒe ta ɖeɖeko o hafi. Gake egblɔ eƒe seselelãmewo gbɔɖiametɔe be: “Aleke gbegbe Israel-fia de bubu eɖokui ŋu heɖe ama le eteviwo ƒe dɔlanyɔnuwo ŋku me egbe, abe alesi yakamewo ɖea amae ene!” Esia wɔe be Mixal tsi ko.—Samuel II, 6:14-23.
6. Aleke Yehowa bu Korax ƒe bubumademade Eƒe amesiamina ŋui?
6 Bubumademade amesi Mawu tia be wòaxɔ Mose IV, 16:1-3, 28-35
ŋgɔ le teokrasiɖoɖo me ŋu ƒe kpɔɖeŋu vlo aɖe nye esi Korax ɖo. Esi wònye Kehat-vi ta la, mɔnukpɔkpɔ gã wònye be wòanɔ Yehowa subɔm le avɔgbadɔa me! Le esia katã megbe hã la, ekpɔ vodada le Mose kple Aron, amesiwo Mawu tia wonye ŋgɔnɔlawo na Israel-viwo la ŋu. Korax wɔ ɖeka kple Israel-megã bubuwo eye wogblɔ na Mose kple Aron amemabumabutɔe be: “Ha blibo la le kɔkɔe, eye Yehowa le wo dome tso, nukaŋuti miawo miele mia ɖokui dom ɖe dzi le Yehowa ƒe dukɔ la dome ale?” Aleke Yehowa bu Korax kple edzidelawo ƒe nɔnɔme lae? Mawu bu woƒe nuwɔnaa be enye bubumademade Yehowa ŋutɔ ŋu. Esi Korax kple amegã 250 la kpɔ eteƒe anyigba ke nu mi amesiwo katã wɔ ɖeka kpli wo vɔ la, dzo tso Yehowa gbɔ va tsrɔ̃ woawo hã.—7. Ðe “apostolo, siwo kɔ akpa” tɔ dzɔ be woaɖe ɖeklemi Pauloa?
7 Le ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea me la, ame aɖewo nɔ anyi siwo gbe bubudede teokrasiŋusẽ ŋu. Amemabumabu ƒe nɔnɔme nɔ “apostolo, siwo kɔ akpa” le Korinto hamea me si ɖe Paulo ŋu. Woɖe ɖeklemi eƒe nuƒoƒoŋutete gblɔ be: “Eya ŋutɔ nye ame beli, eye eƒe nyawo mele ɖeke me o.” (Korintotɔwo II, 10:10; 11:5) Paulo ɖanye nuƒola bibi alo meɖanyee o, edze be woade bubu eŋu abe apostolo ene. Gake ɖe Paulo ƒe nuƒoƒo mele ɖeke me o nyateƒea? Eƒe dutoƒonuƒo siwo woŋlɔ ɖe Biblia me ɖo kpe edzi be enye nuƒola si ƒe nyawo wɔa dɔ ɖe ame dzi. Esi Paulo dzro nu me kpuie kple Herodes Agripa II, amesi nya “anukutsyɔtsyɔ siwo katã le Yudatɔwo dome” megbe la, ewɔe be fia la gblɔ be: ‘Esusɔ ʋɛ, nàƒoe ɖe nunye be mazu Kristotɔ’! (Dɔwɔwɔwo 13:15-43; 17:22-34; 26:1-28) Gake apostolo siwo kɔ akpa le Korinto la he nya ɖe eŋu be eƒe nuƒo mele ɖeke me o! Aleke Yehowa bu woƒe nɔnɔmeae? Le Yesu Kristo ƒe gbedasi si wòɖo ɖe Efeso hamea dzikpɔlawo me la, eƒo nu nyui tso amesiwo meɖe mɔ be ‘amesiwo gblɔna be apostolowoe yewonye, evɔ womenyee o la’ kplɔ wo trae o la ŋu.—Nyaɖeɖefia 2:2.
Bubu Tsɔtsɔ na ne Womede Blibo O Hã
8. Aleke Dawid ɖee fia be yedea bubu ŋusẽ si Yehowa na Saul ŋui?
8 Amesiwo de bubu tatɔwo ŋu ƒe kpɔɖeŋu geɖe le Biblia me, eye wowɔ esia ne tatɔawo zã woƒe ŋusẽa ɖe mɔ gbegblẽ nu gɔ̃ hã. Dawid nye kpɔɖeŋu nyui siawo ɖola dometɔ ɖeka. Fia Saul si te wònɔ dɔ wɔm le la va nɔ ŋu biam dzidzedze siwo Dawid kpɔ eye wòdi be yeawui. (Samuel I, 18:8-12; 19:9-11; 23:26) Gake togbɔ be mɔnukpɔkpɔwo su Dawid si be wòawu Saul hã la, egblɔ be: “Nede megbe xaa tso gbɔnye le Yehowa ta be, made nye asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu!” (Samuel I, 24:3-6; 26:7-13) Dawid nya be Saul tɔ medzɔ o, gake egblẽe ɖe Yehowa si me be wòadrɔ̃ ʋɔnui. (Samuel I, 24:12, 15; 26:22-24) Megblɔ nya gbegblẽ aɖeke tso Saul ŋu alo do nu ɖe egbɔ o.
9. (a) Aleke Dawid se le eɖokui me esime Saul nɔ fu wɔmee? (b) Aleke míate ŋu agblɔ be bubu vavã Dawid de Saul ŋu?
9 Ðe Dawid xa nu esime wonɔ fu wɔmeea? Dawid do gbe ɖa na Yehowa be: “Ŋutasẽlawo le nye ku dim.” (Psalmo 54:5) Egblɔ eƒe dzimenyawo na Yehowa be: “Nye Mawu, ɖem tso nye futɔwo nu . . . ame sesẽwo kpe ta ɖe ŋunye, menye le nye dzidada kple nye nuvɔ̃wo ta o, Yehowa! Menye vodada ŋuti wole du dzi, eye wodzra ɖo ɖi o. Nyɔ, nava kpem, eye kpɔ nya la me!” (Psalmo 59:2-5) Èse le ɖokuiwò me alea kpɔa—be mèwɔ nu gbegblẽ aɖeke ɖe tatɔ aɖe ŋu o, gake wòle fu ɖem na wòa? Dawid megbe bubudede Saul ŋu o. Le esi teƒe be Dawid nakpɔ dzidzɔ be Saul ku la, ekpa konyifaha be: “Saul kple Yonatan, amesiwo wolɔ̃na le woƒe agbe me, eye tsi metoa wo dome o, . . . woɖe abla wu hɔ̃, eye wosesẽ wu dzata. Israel-nyɔnuviwo, mifa avi na Saul.” (Samuel II, 1:23, 24) Kpɔɖeŋu nyui ka gbegbee nye si Dawid ɖo le bubu vavã dede Yehowa ƒe amesiamina ŋu me, togbɔ be Saul dze agɔ le edzi hã!
10. Kpɔɖeŋu nyui kae Paulo ɖo le bubudede ŋusẽ si Mawu na dziɖuhaa ŋu me, eye nukae do tso esia me?
10 Le Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia me la, ame aɖewo hã nɔ anyi siwo de bubu amesiwo Mawu ɖo tatɔwoe ŋu. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugblẽ le Paulo ŋu kpɔ. Ede bubu nyametsotso siwo ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea ƒe dziɖuha la wɔ ŋuti. Le Paulo ƒe Yerusalem yiyi zi mamlɛtɔ me la, dziɖuha la ɖo aɖaŋu nɛ be wòakɔ eɖokui ŋu le kɔnu nu atsɔ aɖee fia ame bubuwo be yemetsi tre ɖe Mose ƒe Sea ŋu o. Paulo ate ŋu agblɔ na eɖokui be: ‘Esi nye agbe ɖo afɔku me va yi la, nɔvi mawo gblɔ nam be madzo le Yerusalem. Fifia wodi be maɖee fia le dutoƒo be medea bubu Mose ƒe Sea ŋu. Meŋlɔ agbalẽ ɖo ɖe Galatiatɔwo xoxo heɖo aɖaŋu na wo be woaɖe asi le Sea ŋu. Ne meyi ɖe gbedoxɔa me la, ame bubuwo ate ŋu ase nye nuwɔna la gɔme bubui, asusui be mele aʋatsotsotɔwo dzi dem.’ Gake edze ƒã be Paulo mebui nenema o. Esi eɖokui ŋu kɔkɔa menye Kristotɔwo ƒe gɔmeɖose aɖeke dzi dada o ta la, ede bubu ƒe alafa gbãtɔ me dziɖuhaa ƒe aɖaŋuɖoɖoa ŋu hewɔ edzi. Nusi do tso eme enumake enye be woɖe Paulo tso Yudatɔwo ƒe nuvlowɔha aɖe si me, eye emegbe wònɔ gaxɔ me ƒe eve. Mlɔeba la, Mawu ƒe lɔlɔ̃nu va eme. Paulo ɖi ɖase le dziɖuɖumegãwo ŋkume le Kaisarea eye dziɖuɖua ŋutɔ dee ʋu yi Roma be wòaɖi ɖase le Kaisaro ŋutɔ ŋkume.—Dɔwɔwɔwo 9:26-30; 21:20-26; 23:11; 24:27; Galatiatɔwo 2:12; 4:9, 10.
Ðe Nèɖea Bubu Fiana?
11. Aleke míate ŋu ade bubu dziɖuɖumegãwo ŋui?
11 Ètsɔa bubu si dze na tatɔwo naa woa? Wode se na Kristotɔwo be ‘woatu fe na amesiame, alesi dze, amesi dze bubu la, woabui.’ Le nyateƒe me la, menye míaƒe adzɔwo xexe koe mía ɖokui si míabɔbɔ na “dziɖuɖu, siwo ŋusẽ li na” la lɔ ɖe eme o, ke ebia hã be míade bubu dziɖuɖuŋusẽwo ŋu le míaƒe agbenɔnɔ kple nuƒoƒo me. (Romatɔwo 13:1-7) Ne míedze ŋgɔ dziɖuɖumegã siwo ƒe nya me sẽ la, aleke wòle be míawɔ nui? Le Chiapas State, Mexico, la, nuto aɖe dzi ɖulawo xɔ agblẽdenyigba si nye Yehowa Ðasefowo ƒe ƒome 57 tɔ la le wo si le esi Kristotɔ siawo mekpɔ gome le subɔsubɔzã aɖewo ɖuɖu me o ta. Le kpekpe siwo wowɔ be woatsɔ akpɔ nyaa gbɔe me la, Ðasefoawo, amesiwo dzra ɖo nyuie eye wo ŋu kɔ la, ƒoa nu le dzigbɔɖeanyi kple bubu me ɣeawokatãɣi. Le ƒe ɖeka megbe la, wotso afia si de wo dzi. Nɔnɔme si woɖe fia la na eteƒekpɔla aɖewo de bubu wo ŋu ale gbegbe be woawo hã di be yewoazu Yehowa Ðasefowo!
12. Nukatae wòle vevie be ame nade ‘bubu deto’ srɔ̃aŋutsu dzimaxɔsetɔ ŋu?
12 Aleke nàde bubu amesiwo Mawu ɖo tatɔwoe le ƒomea me ŋu? Esi apostolo Petro ƒo nu tso kpɔɖeŋu si Yesu ɖo le fukpekpewo me toto ŋu vɔ la, egblɔ be: “Nenema ke, mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, bene ne ame aɖewo meɖo to nya la o la, nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔ la naɖe wo, esi wokpɔ miaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ le vɔvɔ̃ me ɖa la.” (Petro I, 3:1, 2; Efesotɔwo 5:22-24) Le afisia la, Petro te gbe ɖe alesi wòle vevie be srɔ̃nyɔnu nabɔbɔ eɖokui ɖe srɔ̃ŋutsua te le ‘bubu deto’ me dzi, togbɔ be srɔ̃ŋutsu aɖewo manɔ nu boo aɖeke wɔm si adze na bubu sia o hã. Srɔ̃nyɔnu ƒe agbenɔnɔ bubutɔe ate ŋu atrɔ srɔ̃aŋutsu dzimaxɔsetɔ ƒe dzi.
13. Aleke srɔ̃nyɔnuwo ate ŋu ade bubu wo srɔ̃ŋutsuwo ŋui?
13 Le nya bubu siwo ƒo xlã ŋɔŋlɔ siawo me la, Petro he míaƒe susu yi Sara, amesi srɔ̃, Abraham, nye xɔse ƒe kpɔɖeŋuɖola ɖedzesi aɖe ƒe kpɔɖeŋu dzi. (Romatɔwo 4:16, 17; Galatiatɔwo 3:6-9; Petro I, 3:6) Ðe wòle be bubu si srɔ̃nyɔnu siwo srɔ̃wo nye xɔsetɔwo nade wo ŋu la nanɔ ʋɛ wu esi srɔ̃nyɔnu siwo srɔ̃wo nye dzimaxɔsetɔwo dena wo ŋua? Ke ne mèda asi ɖe srɔ̃wòŋutsua ƒe nyametsotso dzi le nya aɖe ŋu o ɖe? Yesu ɖo aɖaŋu aɖe si woate ŋu azã le mɔ geɖe nu le afisia be: “Amesi ke azi dziwò be, nazɔ kplii gaƒoƒo ɖeka la, zɔ eve kplii.” (Mateo 5:41) Ðe nèdea bubu srɔ̃wòŋutsua ŋu hewɔna ɖe eƒe didiwo dzia? Ne esia dze nu sesẽ akpa na wò la, gblɔ wò seselelãme le nyaa ŋu nɛ. Mègatsɔe be enya alesi nèsena le ɖokuiwò me o. Gake ne èle wò didiwo gblɔm nɛ la, wɔe bubutɔe. Biblia ɖo aɖaŋu na mí be: “Mina amenuveve kple dze nanɔ miaƒe nya me ɖaasi, bena mianya alesi wòdze be, miaɖo nya ŋuti na amesiame.”—Kolosetɔwo 4:6.
14. Nukae bubudede dzilawo ŋu lɔ ɖe eme?
14 Ke mi ɖeviwo ya ɖe? Mawu ƒe Nya de se be: “Mi ɖeviwo la, miɖo to mia dzilawo le Aƒetɔ la me, elabena esia le eteƒe. ‘Bu fofowò kple dawò,’—esia nye sedede gbãtɔ, si me ŋugbedodo le la.” (Efesotɔwo 6:1-3) De dzesii be wobu to si nàɖo dziwòlawo be enye ‘bubudede fofowò kple dawò ŋu.’ Helagbe me nya si gɔme woɖe be “bu” fia “asi dodo ɖe nane ŋu” alo “asixɔxɔ dede” eŋu. Eyata be nànye toɖola bia nu geɖe wu dziwòlawo ƒe se siwo adze na wò abe ɖe gɔmesese mele wo ŋu o dzi wɔwɔ dzikutɔe ko. Mawu bia tso asiwò be nàde asixɔxɔ dziwòlawo ŋu vevie eye nàbu woƒe mɔfiafiawo nu veviwoe.—Lododowo 15:5.
15. Aleke ɖeviwo ate ŋu ayi edzi ade bubu wo dzilawo ŋu ne wose le wo ɖokui me be yewo dzilawo wɔ vodada gɔ̃ hã?
15 Ne dziwòlawo wɔ nane si wɔe be bubu si le asiwò na wo dzi ɖe kpɔtɔ ɖe, nukae nàwɔ? Dze agbagba nàtsɔ susu si wotsɔ le nyawo kpɔmee la akpɔ nya lae. Menye woawoe “dzi wò” hekpɔ dziwò oa? (Lododowo 23:22) Ðe menye lɔlɔ̃ si le wo si na wò ye ʋã wo oa? (Hebritɔwo 12:7-11) Ƒo nu bubutɔe na dziwòlawo eye nàɖe wò seselelãmewo agblɔ le gbɔgbɔ fatu me. Ne woɖo eŋu le mɔ si medzɔ dzi na wò o nu gɔ̃ hã la, tsri nuƒoƒo na wo amemabumabutɔe. (Lododowo 24:29) Ðo ŋku alesi Dawid yi edzi de bubu Saul ŋu esime fia la da Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖowo ƒu la dzi. Bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe wò seselelãmewo nu. Dawid gblɔ be: “Mitrɔ miaƒe dzi ƒo ɖe eŋku me; Mawu enye míaƒe sitsoƒe.”—Psalmo 62:8; Konyifahawo 3:25-27.
Mide Bubu Amesiwo Le Ŋgɔ Xɔm Ŋu
16. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso aʋatsonufialawo kple mawudɔlawo ƒe kpɔɖeŋuawo me?
16 Gbɔgbɔ kɔkɔeae tiaa hamemegãwo le hamea me, gake wogakpɔtɔ nye ame madeblibowo eye wodaa vo. (Psalmo 130:3; Nyagblɔla 7:20; Dɔwɔwɔwo 20:28; Yakobo 3:2) Esia wɔe be hamea me tɔ aɖewo makpɔ ŋudzedze ɖe hamemegãwo ŋu o. Aleke wòle be míawɔ nui ne míese le mia ɖokui me be womekpɔ nane gbɔ le hamea me nyuie kura o, alo ne edze nenema? De dzesi vovototo si nɔ ƒe alafa gbãtɔ me aʋatsonufialawo kple mawudɔlawo dome: “[Aʋatsonufialawo nye] ame mabunuwo, ɖokuiŋudzelawo kple amesiwo medzona nyanyanya, ne wogblɔ busunya ɖe [ŋutikɔkɔemewo] ŋuti la o, wònye mawudɔlawo nye gãtɔwo wu le ŋutete kple ŋusẽ me hafi; gake womehe busufɔbubu vɛ ɖe wo ŋuti le Aƒetɔ la ŋku me o.” (Petro II, 2:10-13) Esi aʋatsonufialawo nɔ busunyawo gblɔm ɖe ‘ŋutikɔkɔeme’—siwo nye hamemegã siwo wona ŋusẽe le ƒe alafa gbãtɔ me Kristo-hamea me—ŋu la, mawudɔlawo megblɔ busunya ɖe aʋatsonufiala siwo nɔ mama dem nɔviawo dome ŋu o. Esi wònye be mawudɔlawo ƒe ɖoƒe de ŋgɔ wu eye wose sedziwɔwɔ gɔme nyuie wu amegbetɔwo ta la, wonya nusi nɔ edzi yim le hamea me. Ke hã ‘le bubu si le wo si na Yehowa ta la,’ wogblẽ ʋɔnudɔdrɔ̃a ɖe Mawu si me.—Hebritɔwo 2:6, 7; Yuda 9.
17. Ne kuxi siwo me nèsusu le be hamemegãwo tɔ medzɔ o do mo ɖa la, akpa kae wò xɔse wɔna?
17 Ne womekpɔ nya aɖe gbɔ alesi tututu wòle be woakpɔ egbɔe o hã la, ɖe mele be míaxɔ Yesu Kristo dzi ase be enye Kristo-hamea ƒe Ta si le agbe oa? Ðe menya nusi le edzi yim le eya ŋutɔ ƒe xexeame katã ƒe hamea me oa? Ðe mele be míade bubu mɔ si dzi wòle nɔnɔmea gbɔ kpɔm toe ŋu eye wòanɔ nyanya me na mí be ŋutete le esi be wòakpɔ nyaawo gbɔ oa? Le nyateƒe me la, ‘ameka míenye be míanɔ ʋɔnu drɔ̃m mía havi?’ (Yakobo 4:12; Korintotɔwo I, 11:3; Kolosetɔwo 1:18) Nukata màtsɔ nusiwo le fu ɖem na wò la aɖo Yehowa ŋkume le wò gbedodoɖawo me o?
18, 19. Nukae nàte ŋu awɔ ne èse le ɖokuiwò me be hamemegã aɖe wɔ vodada?
18 Le amegbetɔ ƒe blibomademade ta la, nya sesẽwo alo kuxiwo ate ŋu ado mo ɖa. Hamemegã ate ŋu awɔ vodada ɣeaɖewoɣi si aɖe fu na ame aɖewo. Míaƒe nuwɔwɔ dzimagbɔɖitɔe le go mawo me matrɔ nɔnɔmea o. Ðeko wòana kuxia nagado gã ɖe edzi boŋ. Amesiwo si gbɔgbɔmenugɔmesese le la akpɔ Yehowa si nu be Timoteo II, 3:16; Hebritɔwo 12:7-11.
wòaɖɔ nuwo ɖo eye wòana tohehe si ahiã la le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi kple eƒe mɔ nu.—19 Ke ne nya aɖe do nuxaxa na wò ya ɖe? Le esi teƒe be nànɔ egblɔm na ame bubuwo le hamea me la, nukatae màte ɖe hamemegãwo ŋu bubutɔe hena kpekpeɖeŋu o? Ðe alesi nyaa te ɖe dziwòe me na wo, eye mègawɔe vodadadiditɔe o. ‘Tsɔ ɖe le woƒe seselelãme me’ ɣesiaɣi, eye nàde bubu wo ŋu esi nèle wò dzimenyawo gblɔm na wo. (Petro I, 3:8) Mègagblɔ gbɔɖiamenyawo ɖe wo ŋu o, ke boŋ ka ɖe edzi be wonye Kristotɔ tsitsiwo. Kpɔ ŋudzedze ɖe dzideƒonamenya siwo woanɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi agblɔ dɔmenyotɔe la ŋu. Eye ne edze abe ehiã be woawɔ ɖɔɖɔɖo bubuwo la, kakaɖedzi nenɔ asiwò be Yehowa afia mɔ hamemegãwo be woawɔ nusi nyo eye wòle eteƒe.—Galatiatɔwo 6:10; Tesalonikatɔwo II, 3:13.
20. Nuka ŋue míade ŋugble le le nyati si kplɔe ɖo me?
20 Gake bubudede tatɔwo ŋu ƒe akpa bubu gali si ŋu wòle be míade ŋugble le. Ðe mele be amesiwo woɖo tatɔwoe nade bubu amesiwo wode woƒe dzikpɔkpɔ te ŋu oa? Mina míadzro ema me le nyati si kplɔe ɖo me.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
• Susu nyui ka tae wòle be míade bubu amesiwo nye tatɔwo ŋu?
• Aleke Yehowa kple Yesu bua amesiwo medea bubu tatɔ siwo Mawu ɖo la ŋu o?
• Amesiwo de bubu tatɔ siwo woɖo ŋu ƒe kpɔɖeŋu nyui kawoe le mía si?
• Nukae míate ŋu awɔ ne wòdze abe ɖe amesi woɖo mía nu wɔ vodada ene?
[Biabiawo]
[Nɔnɔmetata si le axa 12]
Sara de bubu deto Abraham ƒe tanyenye ŋu eye dzi dzɔe
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Mixal mede bubu Dawid ƒe tanyenye ŋu be enye ƒomea ƒe ta kple fia o
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
‘Nede megbe xaa tso gbɔnye be made asi Yehowa ƒe amesiamina la ŋu!’
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Nukatae màtsɔ nusiwo le fu ɖem na wò la aɖo Yehowa ŋkume le wò gbedodoɖawo me o?