Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wode Dzi Ƒo Na Gilead Ƒe Klass 108 Lia Be Woawɔ Subɔsubɔdɔ Kɔkɔe

Wode Dzi Ƒo Na Gilead Ƒe Klass 108 Lia Be Woawɔ Subɔsubɔdɔ Kɔkɔe

Wode Dzi Ƒo Na Gilead Ƒe Klass 108 Lia Be Woawɔ Subɔsubɔdɔ Kɔkɔe

ZI GEÐE le Biblia me la, wozãa nyagbe ‘subɔsubɔdɔ kɔkɔe’ na Mawu subɔsubɔ. Etso Helagbe me nya si fia subɔsubɔdɔ wɔwɔ na Mawu me. (Romatɔwo 9:4) Ame 5,562 siwo se Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Biblia Gilead Sukua ƒe klass 108 lia sukunuwuwu ƒe nuƒowo see nuƒolawo ɖo aɖaŋu nyui siwo akpe ɖe sukunuwulaawo ŋu be woawɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na Yehowa Mawu wòadze eŋu. *

Theodore Jaracz, si nye Yehowa Ðasefowo ƒe Dziɖuha la me tɔe nye zimenɔla. Wɔnawo dze egɔme kple hadzidzi 52 lia, si ƒe tanyae nye “Mía Fofo ƒe Ŋkɔ.” Hadzidzia ƒe kpukpui evelia gblɔ be: “Mɔ siwo dzi míato akɔ wò ŋkɔ la ŋu dim míele.” Nya mawo ɖe alesi sukunuwulaawo (siwo tso dukɔ 10 me) di tso dzime ke be yewoazã hehe si yewoxɔ le yewoƒe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔƒewo, siwo anye le dukɔ 17 me, la fia nyateƒe.

Le nya siwo Nɔviŋutsu Jaracz gblɔ tsɔ ʋu wɔnaa nui me la, ehe susu yi Biblia sɔsrɔ̃ deto si me sukuviawo to ɣleti atɔ̃ si na wole dzadzraɖoɖi na subɔsubɔdɔa wɔwɔ le dutanyigbawo dzi la dzi. Ekpe ɖe wo ŋu be ‘wodo nuwo katã kpɔ,’ si fia be, woto Mawu ƒe Nyaa dzi gbugbɔ dzro nusiwo wosrɔ̃ tsã me, ale be ‘woalé nu nyuitɔ me ɖe asi.’ (Tesalonikatɔwo I, 5:21) Ede dzi ƒo na wo be woaku ɖe Yehowa, eƒe Nya, kple dɔdasi si ŋuti wona hehe wo ɖo la ŋu nuteƒewɔwɔtɔe. Nukae akpe ɖe wo ŋu ne wole nusiawo katã wɔm?

Aɖaŋuɖoɖo Nyuiwo na Subɔsubɔdɔ Kɔkɔe Wɔwɔ

Lon Schilling, si nye Betel Dɔwo ƒe Kɔmiti me tɔ ƒo nu tso nyati si nye “Miato Nugɔmesesename ƒe Dodokpɔa Me Adoa?” ŋu. Ete gbe ɖe asixɔxɔ si le nugɔmesesename, si ɖea mawumenunya fiana, dzi. (Yakobo 3:17) Nugɔmesesename bia be woanye amesi ɖea asi le nya ŋu, amesi da sɔ, ameŋubula, kple ɖokuidziɖula. Nɔviŋutsu Schilling gblɔ be: “Nugɔmeselawo dana sɔna le nuwɔwɔ kple amewo me. Womewɔa nu wògbɔa eme o.” Nukae akpe ɖe dutanyanyuigblɔla ŋu be wòanye nugɔmesela? Ame ɖokui mabumabu gãe, mɔnukpɔkpɔwo zazã atsɔ ase amewo ƒe nya ahasrɔ̃ nu tso wo gbɔ, kple be woalɔ̃ abu ame bubuwo ƒe nukpɔsusuwo ŋu gake womaɖe asi le mawumegɔmeɖosewo ŋu o.—Korintotɔwo I, 9:19-23.

“Migaŋlɔ Nu Ðuɖu Be O!” ye nye tanya na nuƒo ʋãme si kplɔe ɖo le wɔnaa me, si Samuel Herd, si hã nye Dziɖuhaa me tɔ, ƒo. Ete gbe ɖe alesi wòle vevie be woaɖu nu nyuie le gbɔgbɔ me bene woate ŋu asu te awɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔea dzi. Nɔviŋutsu Herd gblɔ be: “Eteƒe madidi o miaƒe gbɔgbɔmedɔwo wɔwɔ adzi ɖe edzi ne miege ɖe miaƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa me. Eyata ava hiã be miadzi gbɔgbɔmenu siwo mieɖuna ɖe edzi bene miada asɔ eye ŋusẽ nagakpɔtɔ anɔ mia ŋu.” Gbɔgbɔmenuwo ɖuɖu edziedzi akpe ɖe dutanyanyuigblɔla ŋu be wòaƒo asa na gbɔgbɔ me blanuiléle kple aƒedzroame. Ewɔnɛ be ame ƒe dzi dzea eme eye wògaɖonɛ kplikpaa be yeayi edzi awɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔea.—Filipitɔwo 4:13.

Gilead nufialawo dometɔ ɖeka, si nye Lawrence Bowen, de dzi ƒo na sukunuwulaawo be “Mitrɔ Yi Gɔmedzedzea.” Nukae wòwɔnɛ? Ena vavalawo katã ʋu Lododowo 1:7, si gblɔ be: “Yehowa-vɔvɔ̃ enye sidzedze ƒe gɔmetoto.” Nuƒola la ɖe nu me be: “Nya sia nya si woagblɔ atsɔ ada Yehowa ƒe anyinɔnɔ ƒe nyateƒenya vevi sia ɖe anyi la mate ŋu adze anye sidzedze akuakua o eye mate ŋu ana gɔmesese nyuitɔ nasu ame si o.” Nɔviŋutsu Bowen tsɔ Mawu ƒe Nya, Biblia, me nya vovovoawo sɔ kple nɔnɔmetata si wofli kakɛkakɛ wòle be woafɔ akpe. Ne wofɔ akpa kakɛawo kpe la, ezua nɔnɔmetata. Zi alesinu wole eƒe akpa kakɛawo fɔm kpe ko la, zi nenemae nɔnɔmetataa lolona hedzena nyuie ɖe edzi eye wote ŋu nyaa nusi ƒe tata wònye. Nusia ate ŋu akpe ɖe amesiame ŋu be wòawɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na Mawu.

Wallace Liverance, amesi nye ŋkɔŋlɔla le Gilead Sukua ƒo nuƒo siawo ƒe mamlɛtɔ. Eƒe nuƒoa ƒe tanyae nye “Tsɔ Akpedada Wɔ Wò Vɔsae na Mawu.” Ehe susu yi nuŋlɔɖi si gblɔ alesi Yesu yɔ dɔ anyidzela ewo dzi. (Luka 17:11-19) Wo dometɔ ɖeka koe trɔ va kafu Mawu heda akpe na Yesu. Nɔviŋutsu Liverance gblɔ be: “Ðikeke mele eme o be edzɔ dzi na ame kemɛawo be yewo ŋuti kɔ. Edze wo ŋu be yewozu alea, gake edze abe nusi ko dim wole enye be nunɔla nagblɔ be yewo ŋuti kɔ ene.” Ele be alesi ame ŋuti kɔna le nyateƒea sɔsrɔ̃ ta, kpakple dzidzɔ si wòna wokpɔna naʋã ame be wòada akpe na Mawu ɖe eƒe dɔmenyonyo ta. Wode dzi ƒo na Gilead ƒe klass 108 lia me tɔwo be woade ŋugble le Mawu ƒe nuwɔnawo kple dɔmenyonyo katã ŋu ale be woƒe subɔsubɔdɔa kple nusiwo woatsɔ asa vɔe nafia be wole akpe dam na Mawu.—Psalmo 50:14, 23; 116:12, 17.

Alesi Woawɔe Ŋu Nuteƒekpɔkpɔwo Kple Gbebiamewo

Mark Noumair, si nye Gilead nufiala bubue nye amesi kpɔ wɔnaa ƒe akpa si kplɔe ɖo dzi. Eku ɖe nusiwo teƒe klass la me tɔwo kpɔ le gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ me le woƒe hehexɔɣia ŋu. Le mama dedie nu la, sukuviawo le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm anɔ ƒe 12 sɔŋ hafi va Gilead. Esi wova sukua la, wodze Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe gɔme kple ame ƒomevi vovovowo, si fia be sukuviawo nya alesi ‘woazu nusianu na ame ƒomeviwo katã.’—Korintotɔwo I, 9:22.

Le sukuviawo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo megbe la, Charles Molohan kple William Samuelson bia gbe Betel-ƒomea me tɔ aɖewo kple dzikpɔla mɔzɔla siwo de Gilead kpɔ. Nɔviŋutsu siwo wobia gbee dometɔ ɖeka, si nye Robert Pevy, subɔ le Philippines esi wòdo le Gilead ƒe klass 51 lia. Eɖo ŋku edzi na klass la be: “Ɣesiaɣi si kuxi aɖe do mo ɖa la, amesiame ɖoa aɖaŋu si wòsusu be akpɔ kuxia gbɔ. Zi geɖe la, ame aɖe wɔna bla doa susu si nyo wu ɖa. Gake ne èyi Biblia me eye nèdze agbagba be yeakpɔ Mawu ƒe nukpɔsusu le nyawo ŋu la, ame aɖeke tɔ manyo wui o. Ɣesiaɣi la, emae anye ŋuɖoɖo nyuitɔ.”

Be gbɔgbɔmewɔna nyui sia nawu enu la, John Barr, amesi nye Dziɖuha la me tɔ, ƒo nu tso nyati si nye “Wɔ Subɔsubɔdɔ Kɔkɔe Dzeameŋu na Yehowa” ŋu. Efia alesi woate ŋu awɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔea le gbeadzisubɔsubɔdɔ me atsɔ akpe ɖe dzinyuitɔwo ŋu be woasubɔ Mawu wòadze eŋu. Esi Nɔviŋutsu Barr xlẽ Yesu ƒe nya siwo le Mateo 4:10 vɔ la, egblɔ be: “Ne Yehowa ɖeɖekoe míasubɔ la, ke ele be míatsri trɔ̃subɔsubɔ ƒomevi siwo katã menya kpɔna dzea si nyuie o, abe ŋubiabiã, didi be kesinɔnuwo nasu ame si, kple ameɖokuikafukafu ene. Aleke gbegbe dzi dzɔa míi enye si be dutanyanyuigblɔla siwo katã su mía si le ƒe siwo va yi tso keke ƒe 1940 me ke la ɖo kpɔɖeŋu nyui le go sia me! Eye míeka ɖe edzi be mi Gilead ƒe klass 108 lia nuwulawo hã miasrɔ̃ woƒe kpɔɖeŋu. Mieyina subɔsubɔdɔ kɔkɔe wɔ ge na Yehowa, amesi ɖeɖekoe dze nɛ.”

Enyo ŋutɔ be wowu wɔna tuameɖo sia nu nenema. Ɣeyiɣi ma mee wose nyuidinamela siwo le xexeame godoo ƒe gbedonamewo, wona ɖaseɖigbalẽwo, eye woxlẽ lɛta aɖe si klass la me tɔwo ŋlɔ tsɔ da akpe ɖe hehe si woxɔ ta. Woxlɔ̃ nu sukunuwulaawo be kukuɖedɔŋu nuteƒewɔwɔtɔe ƒe nɔnɔme nanɔ wo si le woƒe dɔwo wɔƒe kple le Yehowa subɔsubɔ me. Vavalawo katã, siwo dome amekpekpe siwo tso dukɔ 25 me hã le, wɔ ɖeka dzi ha hedo gbe ɖa tsɔ wu wɔnaa nui.

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 2 Wɔna sia yi edzi le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Hehenaƒe le Patterson, New York, le March 11, 2000, dzi.

[Aɖaka si le axa 23]

SUKUVIAWO ŊUTI NYATAKAKA

Dukɔ siwo me wotso ƒe xexlẽme: 10

Dukɔ siwo me woyina ƒe xexlẽme: 17

Sukuviawo ƒe xexlẽme: 46

Ƒe siwo woxɔ le mama dedie nu: 34

Ƒe si wole nyateƒea me le mama dedie nu: 16

Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔƒewo le mama dedie nu: 12

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku ƒe Klass 108 lia Nuwulawo

Le amesiwo ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe ete me la, woxlẽ fliawo tso ŋgɔgbe yi megbee eye woŋlɔ ŋkɔawo tso miame yi ɖusime le fli ɖesiaɖe dzi.

(1) Amadori, E.; Cook, O.; Byrne, M.; Lee, A. (2) Newsome, D.; Pederzolli, A.; Bigras, H.; Kato, T.; Gatewood, D. (3) Eade, D.; Eade, J.; Wells, S.; Jamison, J.; Gonzales, M.; Gonzales, J. (4) Kato, T.; Lohn, D.; Niklaus, Y.; Preiss, S.; Foster, P.; Ibarra, J. (5) Amadori, M.; Manning, M.; James, M.; Boström, A.; Gatewood, B.; Newsome, D. (6) Foster, B.; Jamison, R.; Hifinger, A.; Koffel, C.; Koffel, T.; Byrne, G. (7) Hifinger, K.; Manning, C.; Cook, J.; Boström, J.; Lohn, E.; Pederzolli, A. (8) James, A.; Wells, L.; Preiss, D.; Niklaus, E.; Lee, M.; Ibarra, P.; Bigras, Y.