Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ƒe Sia Ƒe Takpekpe October 7, 2000

Ƒe Sia Ƒe Takpekpe October 7, 2000

Ƒe Sia Ƒe Takpekpe October 7, 2000

WOAWƆ Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania me tɔwo ƒe ƒe sia ƒe takpekpe le October 7, 2000, dzi le Yehowa Ðasefowo ƒe Takpexɔ si le 2932 Kennedy Boulevard, Jersey City, New Jersey la me. Woawɔ Habɔbɔ sia me tɔwo ɖeɖeko ƒe kpekpe do ŋgɔ le ŋdi ga 9:15 me, eye le ema megbe la, woawɔ ƒe sia ƒe takpekpea ŋutɔ si woɖea mɔ ame bubuwo hã dena la le ŋdi ga 10:00 me.

Habɔbɔa me tɔwo nana Agbalẽŋlɔla ƒe Dɔwɔƒea nanya adrɛs ƒe tɔtrɔ ɖesiaɖe si wowɔ le ƒe si va yi me la fifia ale be nyanyanagbalẽ kple amesiwo axɔ ɖe wo teƒe ne womate ŋu ava o ƒe ŋusẽnagbalẽ siwo woɖona ɖe wo la naɖo wo gbɔ le July me.

Ele be woatrɔ ŋusẽnagbalẽ siwo woaɖo ɖe wo kple ƒe sia ƒe takpekpea ƒe nyanyanagbalẽvia aɖo ɖe Habɔbɔa ƒe Agbalẽŋlɔla ƒe Dɔwɔƒe hafi August 1 nava yi. Ele be Habɔbɔa me tɔ ɖesiaɖe nakpe eƒe ŋusẽnagbalẽvia ɖo ahatrɔe aɖo ɖa enumake, eye wòagblɔe ne eya ŋutɔ ava takpekpea loo alo mava o. Ele be nyatakaka ɖesiaɖe si woagblɔ ku ɖe nya sia ŋu la me nakɔ nyuie, elabena eya dzie woanɔ te ɖo anya amesiwo ava.

Míele mɔ kpɔm be ɖoɖoawo katã, si me habɔbɔa ƒe dɔwɔnyawo kple nyatakakawo hã le la, awu enu le ŋdɔ ga 1:00 me alo le ema megbe teti. Ŋdɔ me takpekpe manɔ anyi o. Esi nɔƒe mesɔ gbɔ o ta la, amesiwo wona amekpegbalẽviwoe koe ava. Womawɔ ɖoɖo aɖeke be woato telefonkadodo dzi ase ƒe sia ƒe takpekpea me nyawo le takpexɔ bubuwo me o.