Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fiaɖuƒe Ŋuti Nyateƒea Ƒe Kuwo Ƒaƒã

Fiaɖuƒe Ŋuti Nyateƒea Ƒe Kuwo Ƒaƒã

Fiaɖuƒe Ŋuti Nyateƒea Ƒe Kuwo Ƒaƒã

“Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye megadzudzɔ le ɣetrɔ me o.”—NYAGBLƆLA 11:6.

1. Susu ka nue Kristotɔwo le nuku ƒãm le egbea?

AGBLEDEDE wɔ akpa vevi aɖe le blema Hebritɔwo dome. Susu ma tae Yesu, amesi nɔ Ŋugbedodonyigbaa dzi le eƒe amegbetɔgbenɔɣi katã me la, tsɔ agbledenyawo wɔ eƒe kpɔɖeŋuwoe. Le kpɔɖeŋu me, etsɔ gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒe nyanyuia sɔ kple nukuwuwu. (Mateo 13:1-9, 18-23; Luka 8:5-15) Vaseɖe egbe la, eɖanye agbledelawo domee míele loo alo menye wo domee míele o, gbɔgbɔmenukuwo ƒaƒã le mɔ sia nue nye dɔ vevitɔ kekeake si Kristotɔwo wɔna.

2. Aleke gbegbee míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa le vevie, eye nusiwo wɔm wole egbea be woawɔ dɔ sia ade goe la dometɔ aɖewoe nye kawo?

2 Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye be míakpɔ gome le Biblia ƒe nyateƒea ƒaƒã me le nuwuɣi sia me. Romatɔwo 10:14, 15 ɖe dɔ sia ƒe vevienyenye gblɔ wòsɔ be: “Ke aleke woase nya, ne nyanyui gbeƒãɖela aɖeke mele wo si o mahã? Ke aleke woaɖe gbeƒã, ne womedɔ wo ɖa hafi o mahã? Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: ‘Nyagblɔla, siwo gblɔa ŋutifafanya kple nyanyuie la ƒe afɔwo nyo loo!’” Menɔ vevie le ɣeyiɣi aɖeke me wu fifia kpɔ gbeɖe be míatsɔ nukpɔsusu nyui ayi edzi awɔ dɔ sia si Mawu de mía si o. Le susu sia ta la, Yehowa Ðasefowo biã ŋku ɖe Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo tata ɖe gbegbɔgblɔ 340 me kpakple wo mama ŋu. Dɔwɔwɔ le agbalẽ siawo ŋu bia be lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo wu 18,000 nanɔ woƒe dɔwɔƒegã kple alɔdzedɔwɔƒe siwo le dukɔ geɖe me. Eye Ðasefo miliɔn ade kloe ye le gome kpɔm le Biblia-srɔ̃gbalẽ siawo mama me le xexeame godoo.

3. Nukae le dzɔdzɔm to Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea ƒaƒã dzi?

3 Ku kawoe dɔ sesẽ sia wɔwɔ tse? Abe alesi wònɔ le Kristotɔnyenye ƒe gɔmedzeŋkekewo me ene la, ame geɖe le nyateƒea xɔm egbea. (Dɔwɔwɔwo 2:41, 46, 47) Gake nusi le vevie wu Fiaɖuƒegbeƒãɖela yeyewo ƒe xexlẽme gbogbo siwo va xɔa nyɔnyrɔe nye be ɖaseɖiɖidɔ gã sia kɔa Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu eye wòʋlia eta be eyae nye Mawu vavã la. (Mateo 6:9) Gakpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe Nya la nyanya le ame geɖe ƒe agbenɔnɔ ɖɔm ɖo eye ate ŋu ana woatsi agbe.—Dɔwɔwɔwo 13:47.

4. Aleke gbegbee apostoloawo tsɔ ɖe le amesiwo woɖea gbeƒã na mee?

4 Apostoloawo dze si alesi gbegbe nyanyuia le vevie na agbexɔxɔ kɔte, eye wotsɔ ɖe le eme na amesiwo woɖea gbeƒã na vevie. Nya sia dze ƒã le apostolo Paulo ƒe nyawo me, esi wòŋlɔ be: “Esi míelɔ̃a nu le mia gbɔ o ŋuti la, edze mía ŋu nyuie bena, menye Mawu ƒe nyanyui la ɖeɖeko míetsɔ na mi o, ke mía ŋutɔwo míaƒe agbe hãe boŋ; elabena mietrɔ zu míaƒe lɔlɔ̃tɔwo.” (Tesalonikatɔwo I, 2:8) Le ɖetsɔleme vavã sia ɖeɖe fia me la, Paulo kple apostolo bubuawo nɔ Yesu kple dziƒodɔlawo, amesiwo wɔa akpa geɖe le agbeɖeɖedɔ sia me la srɔ̃m. Mina míadzro akpa vevi siwo Mawu ƒe dziƒodɔla siawo wɔna le Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea ƒaƒã me, ne míakpɔ alesi woƒe kpɔɖeŋua ade dzi ƒo na mí be míawɔ míaƒe akpa dzi ɖa.

Yesu—Fiaɖuƒea Ŋuti Nyateƒea Ƒãla

5. Dɔ ka koŋ ŋue Yesu biã ŋku ɖo esime wònɔ anyigba dzi?

5 Ŋutete nɔ ame deblibo Yesu si be wòawɔ ŋutilãmenu nyui geɖe na eŋɔlimetɔwo hafi. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu akpɔ ta na atikewɔnya siwo gɔme amewo mese le eŋɔli me o, alo ate ŋu ana amegbetɔwo nase dzɔdzɔmeŋutinunya bubuwo gɔme ɖe edzi hafi. Gake ena eme kɔ le eƒe subɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzeɣi ke be yeƒe dɔe nye be yeaɖe gbeƒã nyanyuia. (Luka 4:17-21) Eye esi eƒe subɔsubɔdɔa yina nu wu ge la, eɖe nu me be: “Esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la.” (Yohanes 18:37) Eyata Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea ƒe kuwo ƒaƒã ŋue wòbiã ŋku ɖo. Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu nyawo fiafia eŋɔlimetɔwo nɔ vevie na Yesu wu be wòafia nu bubu ɖesiaɖe wo.—Romatɔwo 11:33-36.

6, 7. (a) Ŋugbe ɖedzesi kae Yesu do hafi dzo yi dziƒo, eye aleke wòle edzi wɔmee? (b) Aleke nɔnɔme si le Yesu si ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu wɔa dɔ ɖe dziwòe?

6 Yesu ƒo nu tso eɖokui ŋu wòfia be enye Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea Ƒãla. (Yohanes 4:35-38) Ewua nyanyuia ƒe kuwo ne mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe su esi. Esi wònɔ kukum le fuwɔameti ŋu gɔ̃ hã la, eɖe gbeƒã paradiso si gbɔna anyigba dzi le etsɔme ŋuti nyanyuia. (Luka 23:43) Gakpe ɖe eŋu la, dzi si wòtsi vevie ɖe gbeƒãɖeɖe nyanyuia ŋu mewu enu esi wòku ɖe fuwɔametia ŋu o. Hafi wòadzo ayi dziƒo la, ede se na apostoloawo be woayi edzi aƒã Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea ƒe kuwo eye woawɔ nusrɔ̃lawo. Emegbe Yesu do ŋugbe ɖedzesi aɖe. Egblɔ be: “Kpɔ ɖa, nye la meli kpli mi ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.”—Mateo 28:19, 20.

7 Yesu gblɔ nya siawo tsɔ fia be eɖoe eɖokui dzi be yeakpe asi ɖe nyanyui gbeƒãɖeɖedɔa ŋu, afia mɔ, ahakpɔ eta “ŋkekeawo katã vaseɖe xexeame ƒe nuwuwu.” Vaseɖe keke míaƒe ŋkekea me ke la, Yesu gayi edzi tsɔ ɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me kokoko. Eyae nye mía Ŋgɔnɔla si le Fiaɖuƒe ŋuti nyateƒea ƒaƒã dzi kpɔm. (Mateo 23:10) Esi wònye Kristo-hamea ƒe Ta ta la, eyae abu akɔnta le xexeame godoo ƒe dɔ sia ŋu na Yehowa.—Efesotɔwo 1:22, 23; Kolosetɔwo 1:18.

Mawudɔlawo Ðea Gbeƒã Dzidzɔnyawo

8, 9. (a) Aleke mawudɔlawo ɖe ɖetsɔleme vavãtɔ fia ɖe amegbetɔwo ƒe nyawo mee? (b) Gɔmesese ka nue woate ŋu agblɔ le be míenye nukpɔkpɔ na mawudɔlawo?

8 Esime Yehowa wɔ anyigba la, mawudɔlawo ‘tso aseye eye wogli kple dzidzɔ.’ (Hiob 38:4-7) Tso ɣemaɣi ke la, dziƒonuwɔwɔ siawo ɖe alesi wotsɔ ɖe le amegbetɔwo ƒe nyawo me vevie fia. Yehowa zã wo wogblɔ mawumegbedasiwo na amegbetɔwo. (Psalmo 103:20) Egale wo zãm vevietɔ le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me le mía ŋɔli. Le nusiwo woɖe fia apostolo Yohanes me la, ekpɔ ‘mawudɔla aɖe wònɔ dzodzom le dziƒo titina’ eye “wòlé nyanyui mavɔ ɖe asi, be yeagblɔ afia anyigbadzinɔlawo kple trɔ̃subɔlawo katã kple to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ, eye wòle gbɔgblɔm kple gbe gã bena: Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo.”—Nyaɖeɖefia 14:6, 7.

9 Biblia gblɔ le mawudɔlawo ŋu be “subɔsubɔgbɔgbɔwo wonye woɖo ɖa be, woawɔ subɔsubɔdɔ le amesiwo lanyi agbexɔxɔ ƒe dome la ta.” (Hebritɔwo 1:14) Esi mawudɔlawo tsɔ didi vevie le woƒe dɔdasiwo wɔm la, mɔnukpɔkpɔ sua wo si be woalé ŋku ɖe mía kple dɔ si wɔm míele la ŋu. Ðeko wòle abe fefewɔƒe si dzi nusianu dzena le ye míele míaƒe dɔa wɔm le ale be nukpɔla siwo le dziƒo le kpɔkpɔm ene. (Korintotɔwo I, 4:9) Aleke gbegbe wònye moveviɖonya kple dzidzɔnya enye si be míanya be menye míawo ɖeɖe koe le Fiaɖuƒea ƒe kuwo ƒaƒã dɔ wɔm o!

Míetsɔa Didi Vevie Wɔa Míaƒe Dɔae

10. Aleke míate ŋu azã aɖaŋuɖoɖo nyui si le Nyagblɔla 11:6 na míaƒe gbeƒãɖeɖedɔae?

10 Nukatae Yesu kple mawudɔlawo tsɔ ɖe le míaƒe dɔ me alea gbegbe ɖo? Yesu gblɔ susuawo dometɔ ɖeka esi wògblɔ be: “Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti.” (Luka 15:10) Ðetsɔleme vavã mae le míawo hã si na amewo. Eyatae míewɔa mía tɔ sinua be míawu Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea ƒe kuwo ɖe afisiafi. Woate ŋu azã Nyagblɔla 11:6 na míaƒe dɔa. Biblia xlɔ̃ nu mí le afima be: “Ƒã wò nukuwo le ŋdi, eye megadzudzɔ le ɣetrɔ me o; elabena mènya kae le wɔwɔ ge o, eɖanye esi alo ekeme alo woa kple eve lae le nyonyo ge o.” Ele eme baa be ame ɖeka ate ŋu axɔ míaƒe gbedasia gake ame alafa alo akpe bubu geɖe ya nagbee. Gake dzi dzɔa mí abe mawudɔlawo ke ene ne “nuvɔ̃wɔla ɖeka” xɔ xɔxɔgbedasia.

11. Aleke Biblia-srɔ̃gbalẽwo zazã ate ŋu aɖe kpee?

11 Nu geɖe yia edzi le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me. Kpekpeɖeŋunu vevi ɖeka si wotsɔ wɔa dɔ siae nye Biblia-srɔ̃gbalẽ siwo Yehowa Ðasefowo zãna. Le mɔ aɖewo nu la, agbalẽ siawo hã le abe nuku siwo wowu ɖe afisiafi ene. Míenya afisi woamie le o. Ɣeaɖewoɣi la, agbalẽ ɖeka ate ŋu atso ame ɖeka gbɔ ayi ame bubu geɖe gbɔ hafi ame aɖe nava xlẽe. Yesu kple mawudɔlawo ate ŋu ade asi nudzɔdzɔ aɖewo me le nɔnɔme aɖewo me gɔ̃ hã be nusia nadzɔ wòaɖe vi na dzianukwaretɔwo. Se nuteƒekpɔkpɔ aɖewo siwo fia be Yehowa ate ŋu ana nu wɔnuku siwo míekpɔa mɔ na o nadzɔ to agbalẽ si wogblẽ ɖe amewo gbɔ dzi ɖa.

Mawu Vavã la ƒe Nuwɔna

12. Aleke magazine xoxo aɖe wɔ dɔ ale be wòkpe ɖe ƒome aɖe ŋu wova nya Yehowa?

12 Le ƒe 1953 me la, Robert, Lila, kple wo viwo ʋu tso dugã aɖe me yi agblexɔ xoxo aɖe si nɔ gbagbãm me le kɔƒenuto aɖe me le Pennsylvania, U.S.A. Esi woʋu yi teti la, Robert wɔ susu be yeawɔ tsileƒe ɖe atrakpui aɖewo gɔme si wɔ bebeƒe. Esi wòɖe ʋuƒo geɖe le teƒea vɔ megbe la, ekpɔ be afiwo dzra pepa kakɛwo, netsrowo, kple nu kakɛ bubuwo ɖe glia megbe le afima. Magazine si nye The Golden Age hã nɔ nuawo dome. Nyati si ku ɖe vinyinyi ŋu koŋ mee Robert tsɔ ɖe le wu. Biblia me mɔfiame siwo me kɔ siwo dze le magazinea me wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be wògblɔ na Lila be yewole “Golden Age tɔwo ƒe ha la” me ɖo ge. Kwasiɖa ʋɛ aɖewo ko megbe la, Yehowa Ðasefowo va ƒo ʋɔ na wo, gake Robert gblɔ na wo be “Golden Age tɔwo ƒe ha la” koe nyo ƒomea ŋu. Ðasefoawo ɖe eme nɛ be ŋkɔ yeye le The Golden Age la si si nye Nyɔ! Robert kple Lila te Biblia sɔsrɔ̃ kple Ðasefoawo edziedzi, eye woxɔ nyɔnyrɔ mlɔeba. Woawo hã ƒã nyateƒea ƒe kuwo ɖe wo viwo me eye woŋe nu gbogbo aɖewo. Egbea la, ƒome sia me tɔ 20, siwo dome Robert kple Lila ƒe vi adre le, nye Yehowa Mawu subɔla xɔnyɔnyrɔwo.

13. Nukae ʋã srɔ̃tɔ aɖewo le Puerto Rico be wova tsɔ ɖe le Biblia me?

13 Anye ƒe 40 enye si va yi la, William kple Ada, siwo nye srɔ̃tɔwo tso Puerto Rico, metsɔ ɖeke kura le Biblia sɔsrɔ̃ me o. Ɣesiaɣi si Yehowa Ðasefowo ava ƒo ʋɔ na srɔ̃tɔawo la, wowɔna abe ɖe womele aƒea me o ene. Gbeɖeka William yi nuxoxodzraƒe aɖe be yeaƒle nane si hiã woatsɔ adzra nane ɖo le aƒea me. Esi wònɔ dzodzom la, ekpɔ agbalẽ aɖe si ƒe amadede di be yeanye gbemu wòle gbeɖuɖɔgo gã aɖe me. Agbalẽae nye Religion, si Yehowa Ðasefowo ta le keke ƒe 1940 me ke. William tsɔ agbalẽa yi aƒemee, eye edzɔ dzi nɛ be yexlẽ nu tso vovototo si le alakpasubɔsubɔ kple nyateƒetɔ dome ŋu. Ɣeyiɣi bubu si Yehowa Ðasefowo gava William kple Ada gbɔ la, wotsɔ dzidzɔ ɖo to woƒe gbedasia eye wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kpli wo. Ɣleti aɖewo megbe la, wonyrɔ wo le Mawu ƒe Lɔlɔ̃nu Dukɔwo Dome Takpekpe me le ƒe 1958 me. Tso ɣemaɣi ke la, wokpe ɖe ame 50 kple edzivɔ ŋu wova zu míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔvihabɔbɔa me tɔwo.

14. Abe alesi nuteƒekpɔkpɔ aɖe ɖee fia ene la, nukae míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ate ŋu awɔ?

14 Ƒe 11 koe Karl xɔ eye wòlɔ̃a gedidi. Ekpɔe be yeɖoa nya me ɣesiaɣi. Fofoa si nye Germanytɔ Methodist-mawunyagblɔla fia nui be wotɔa dzo ame vɔ̃ɖiwo le dzomavɔ me ne woku. Eyata Karl vɔ̃na na dzomavɔ. Gbeɖeka le ƒe 1917 me la, Karl kpɔ agbalẽ ɖeɖee kakɛ aɖe le mɔdodo dzi eye wòtsɔe. Esi wònɔ exlẽm la, enumake eƒe ŋku kli biabia sia, si nye: “Nukae Nye Dzomavɔ?” Agbalẽ ɖeɖeea nye amekpegbalẽ si nɔ amewo kpem be woava se nuƒo tso dzomavɔ ŋu, si ƒe ɖoɖo Biblia Nusrɔ̃viwo, amesiwo woyɔna egbea be Yehowa Ðasefowo, wɔ. Anɔ ƒe ɖeka megbe, esi wosrɔ̃ Biblia kple Karl zi gbɔ zi geɖe megbe la, wonyrɔe ale be wòva zu Biblia Nusrɔ̃vi. Wokpee le ƒe 1925 me be wòava wɔ dɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã—afisi wògakpɔtɔ le dɔ wɔm le. Kristotɔnyenye ƒe dɔ si wòwɔ ƒe blaenyi kple edzivɔ la dze egɔme kple agbalẽ ɖeɖee si wòfɔ le mɔdodo dzi.

15. Nukae Yehowa ate ŋu awɔ ne wòkpɔ be esɔ?

15 Enye nyateƒe be amegbetɔ mate ŋu anya ne mawudɔlawoe de asi nudzɔdzɔ siawo me tẽ o eye womate ŋu anya afisi wode asi eme le o. Ke hã mele be míake ɖi gbeɖe o be Yesu kple mawudɔlawo wɔa akpa vevi aɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me eye be Yehowa ate ŋu ade asi nyaawo me ne wòkpɔ be esɔ. Nudzɔdzɔ siawo kple wo tɔgbewo fia nu nyui siwo míaƒe agbalẽwo ate ŋu awɔ ne míetsɔ wo na amewo.

Wotsɔ Kesinɔnu aɖe De Mía Si

16. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nya siwo le Korintotɔwo II, 4:7 me?

16 Apostolo Paulo ƒo nu tso ‘kesinɔnu si le anyigoewo me’ ŋu. Kesinɔnuae nye gbeƒãɖeɖedɔ si Mawu de mía si, eye anyigoeawoe nye amegbetɔ siwo si Yehowa tsɔ kesinɔnua dee. Esi amegbetɔ siawo mede blibo o eye ŋutete mele wo ŋu boo o ta la, Paulo yi edzi gblɔ be nusi ado tso dɔ si wode wo si me nanye be ‘ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu natso Mawu gbɔ ke manye mía ŋutɔwo gbɔ wòatso o.’ (Korintotɔwo II, 4:7) Ẽ, míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be wòana ŋusẽ si hiã la mí bene wòakpe ɖe mía ŋu míawɔ dɔ si wode mía si.

17. Nukawoe míado goe esi míele Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea ƒe kuwo ƒãm, eye nukata wòle be nukpɔsusu nyui nanɔ mía si togbɔ be ele alea hã?

17 Zi geɖe la, ahiã be míatsɔ nanewo asa vɔe. Ate ŋu anye be dɔ wɔwɔ le anyigbamama aɖewo me asesẽ alo mavivi o. Nuto aɖewo li siwo me ame akpa gãtɔ metsɔa ɖeke le nyaa me le kura o, eye wowɔa adã gɔ̃ hã. Míate ŋu adze agbagba geɖe le nuto mawo me evɔ wòadze abe ɖe nu nyui aɖeke mele dodom tso eme o ene. Gake agbagbadzedze aɖeke menye dzodzro ne nɔnɔmea sesẽ o. Ðo ŋku edzi be nuku siwo nàƒã la ana amewo nakpɔ dzidzɔ fifia eye wòana agbe mavɔ wo le etsɔme. Nya siwo le Psalmo 126:6 va eme zi gbɔ zi geɖe be: ‘Amesi le azɔli dzi le avi fam esi wòtsɔ nuku siwo ƒãm wòle la, atsɔ lu bablawo agbɔ va aƒee kple dzidzɔ.’

18. Aleke míakpɔ míaƒe subɔsubɔdɔa dzi ɣesiaɣi, eye nukata wòle be míakpɔ edzi?

18 Mina míazã mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe atsɔ aƒã Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea ƒe kuwo le agbɔsɔsɔ me. Migana míaŋlɔ be gbeɖe o be togbɔ be míawoe le nukuawo ƒãm gale tsi demee hã la, Yehowae nana wotsina. (Korintotɔwo I, 3:6, 7) Ke hã zi alesi Yesu kple mawudɔlawo le woƒe akpa dzi wɔm ko la, Yehowa le mɔ kpɔm be míawo hã míawɔ míaƒe subɔsubɔdɔa bliboe. (Timoteo II, 4:5) Mina míakpɔ míaƒe nufiafia, míaƒe nɔnɔme, kple didi si le mía me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu dzi ɣesiaɣi. Nukatae? Paulo ɖo eŋu be: “Ne èwɔ esia la, àxɔ ɖokuiwò kple amesiwo ɖoa to wò la, ɖe agbe.”—Timoteo I, 4:16.

Nukawoe Míesrɔ̃?

• Mɔ kawo nue nuƒaƒãdɔ si wɔm míele la le ku nyuiwo tsem le?

• Aleke Yesu Kristo kple mawudɔlawo kpɔa gome le gbeƒãɖeɖedɔa me egbea?

• Nukatae wòle be míaƒã nuku geɖe esi míenye Fiaɖuƒea ƒe nuku ƒãlawo?

• Ne míedo go ɖekematsɔleme alo adãnuwɔwɔ le míaƒe subɔsubɔdɔa me la, nukae le be wòaʋã mí míaku kutri?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Kristotɔ siwo li egbea wua Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea ƒe kuwo le agbɔsɔsɔ me abe alesi agbledela siwo nɔ blema Israel wɔe ene

[Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]

Yehowa Ðasefowo taa Biblia-srɔ̃gbalẽ vovovo ɖe gbegbɔgblɔ 340 me hemana