Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tsɔ Didi Vevie Ðe Gbeƒã Nyanyui lae

Tsɔ Didi Vevie Ðe Gbeƒã Nyanyui lae

Tsɔ Didi Vevie Ðe Gbeƒã Nyanyui lae

‘Mixɔ dzo le gbɔgbɔ me. Miwɔ dɔ na Yehowa.’—ROMATƆWO 12:11.

1, 2. Nɔnɔme kae Kristotɔwo dzea agbagba be wòanɔ yewo si esi wonye nyanyuigbeƒãɖelawo ta?

DZI le ɖekakpui aɖe dzɔm ɖe dɔ yeye si wòkpɔ ŋu. Le eƒe dɔwɔŋkeke gbãtɔ dzi la, etsi dzodzodzoe henɔ eƒe dɔtɔ lalam be wòava na mɔfiamewo ye. Ekpɔ mɔ na eƒe dɔdasi gbãtɔ eye wòbiã ŋku ɖe ewɔwɔ ŋu. Edi vevie be yeawɔ ye tɔ sinua.

2 Nenema ke mí Kristotɔwo hã míate ŋu abu mía ɖokuiwo be míenye dɔwɔla yeyewoe. Esi wònye agbe mavɔ nɔnɔe míele mɔ kpɔm na ta la, míate ŋu agblɔ be azɔ koe míedze dɔ wɔwɔ gɔme na Yehowa. Ðikeke mele eme o be dɔ geɖe le mía Wɔla si wòadi be yeana mí míanɔ wɔwɔm kaka yi ɖe mavɔmavɔ me. Gake dɔdasi gbãtɔ si míexɔ enye be míaɖe gbeƒã eƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia. (Tesalonikatɔwo I, 2:4) Aleke míebua dɔ sia si Mawu na mí lae? Abe alesi wònɔ le ɖekakpuia gome ene la, míedi be míatsɔ míaƒe ŋutete ɖesiaɖe awɔe, míawɔe kple dzonɔameme, kple dzidzɔ—ẽ, kple didi vevie!

3. Nukae hiã hafi ame nate ŋu anye nyanyuigbeƒãɖela kpɔdzidzedze?

3 Nyateƒe wònye be mele bɔbɔe be nukpɔsusu nyui ma nanɔ ame si ɖaa o. Tsɔ kpe ɖe míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu la, dɔ bubu geɖe le mía dzi míawɔ, eye wo dometɔ aɖewo tea ɖeɖi mía ŋu eye míevona le mía ɖokui me o. Míete ŋu dzea agbagba kpɔa dɔ siawo ƒe akpa gãtɔ gbɔ galéa fɔ ɖe subɔsubɔdɔa ŋu alesi dze. Gake hloloetsotsoa aganɔ edzi yim kokoko. (Marko 8:34) Yesu te gbe ɖe edzi be abia agbagbadzedze vevie hafi míate ŋu anye Kristotɔ kpɔdzidzedzewo.—Luka 13:24.

4. Aleke dzimaɖitsitsi gbesiagbe ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe gbɔgbɔmenukpɔsusu dzi?

4 Esi dɔ geɖe li míawɔ ta la, ele bɔbɔe be nu naglo mí alo ɖeɖi nate mía ŋu ɣeaɖewoɣi. ‘Dzimaɖitsitsi ɖe agbe ŋu’ ate ŋu atsi dzo kple ŋudzedzekpɔkpɔ si le mía me ɖe teokrasidɔwo ŋu la nu. (Luka 21:34, 35; Marko 4:18, 19) Esi míenye amegbetɔ madeblibowo ta la, ate ŋu adzɔ be míaɖe asi le ‘lɔlɔ̃ si nɔ mía si le gɔmedzedzea me’ ŋu. (Nyaɖeɖefia 2:1-4) Subɔsubɔdɔ si míewɔna na Yehowa ƒe akpa aɖewo ate ŋu azu abe kɔnu ƒomevi aɖe ko ene. Aleke Biblia na dzideƒonamenya siwo hiã la míi be dzo nakpɔtɔ anɔ mía me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu?

Abe “Dzobibi” Ene Le Míaƒe Dzi Me

5, 6. Aleke apostolo Paulo bu gbeƒãɖeɖe ƒe mɔnukpɔkpɔ si nɔ esi lae?

5 Subɔsubɔdɔ si Yehowa de mía si la xɔ asi ale gbegbe be mele be wòazu dɔ maɖinu dzro aɖe ko o. Apostolo Paulo bu gbeƒãɖeɖe nyanyuia be enye mɔnukpɔkpɔ gã aɖe, eye ebu eɖokui be yemedze be woatsɔe ana ye hafi o. Egblɔ be: “Nye amesi nye ame kɔkɔewo katã dome suetɔ la, wotsɔ amenuveve sia na, bene magblɔ Kristo ƒe kesinɔnu, si mele nyanya tsitotsito o la afia le trɔ̃subɔlawo dome, eye bene mana keklẽ naklẽ na wo katã, bene woanya nusi nye nya ɣaɣla, si woɣla ɖe Mawu, si wɔ nuwo katã la me tso ŋɔli mavɔwo me la ƒe nuɖoanyi la.”—Efesotɔwo 3:8, 9.

6 Nukpɔsusu ɖɔʋu si nɔ Paulo si ɖe subɔsubɔa ŋu nye kpɔɖeŋu nyui ŋutɔ aɖe na mí. Egblɔ le agbalẽ si wòŋlɔ na Romatɔwo me be: “Le gonyeme la melɔ̃ bena, magblɔ nyanyui la afia.” Nyanyuia mekpe ŋu nɛ o. (Romatɔwo 1:15, 16) Nukpɔsusu nyuitɔ nɔ esi eye wòdi vevie be yeawɔ yeƒe subɔsubɔdɔa ade goe.

7. Nuka ŋue Paulo xlɔ̃ nu tsoe le agbalẽ si wòŋlɔ na Romatɔwo me?

7 Apostolo Paulo kpɔ alesi wòhiã be woayi edzi atsɔ dzo ɖe dɔa ŋui dze sii, eyata exlɔ̃ nu Kristotɔ siwo nɔ Roma be: “Ne veviedodo hiã la, migawɔ ƒome o; mixɔ dzo le gbɔgbɔ me; miwɔ [dɔ na Yehowa, NW].” (Romatɔwo 12:11) Helagbe me nya si gɔme woɖe be “ƒome” fia be woanye “ɖɔɖɔetɔ, kuviatɔ.” Togbɔ be míanɔ alɔgblɔdɔ ŋutɔŋutɔ wɔm le míaƒe subɔsubɔdɔ me o hã la, ehiã be mí katã míanɔ ŋudzɔ be míade dzesii ne gbɔgbɔmekuviawɔwɔ ƒe dzesiwo te dzedze eye míawɔ asitɔtrɔ siwo sɔ le míaƒe nɔnɔme ŋu ne míenya kpɔ dzesi mawo le mía ɖokui ŋu ko.—Lododowo 22:3.

8. (a) Nukae zu abe “dzobibi” ene le Yeremya ƒe dzi me, eye nukatae? (b) Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nusi dzɔ ɖe Yeremya dzi me?

8 Mawu ƒe gbɔgbɔ hã ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne dzi ɖe le mía ƒo. Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖeɣi la, dzi ɖe le nyagblɔɖila Yeremya ƒo, eye wòdi be yeadzudzɔ nyagblɔɖidɔa. Egblɔ le Yehowa ŋu gɔ̃ hã be: “Maɖe ŋku ɖa le edzi, eye [nyemagaƒo] nu le eƒe ŋkɔ me o.” Ðe esia fia be nu gã aɖe gblẽ le Yeremya ŋu le gbɔgbɔ mea? Ao. Le nyateƒe me la, alesi Yeremya sẽŋu le gbɔgbɔ me, lɔlɔ̃ si nɔ esi na Yehowa, kple nyateƒea ƒe dzo si nɔ emee do ŋusẽe be wòyi nyagbɔgblɔɖia dzi. Eɖe nu me be: “[Yehowa ƒe nya nɔa] nye dzi me abe dzobibi nue wotu nu ɖo ɖe nye ƒuwo me ene, etsɔtsɔ tia kɔ nam, eye wògloam.” (Yeremya 20:9) Enye nusi ate ŋu adzɔ be dzi naɖe le Mawu subɔla wɔnuteƒewo ƒo ɣeaɖewoɣi. Gake ne wodo gbe ɖa bia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu la, anya nusi le woƒe dzi me eye wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wo faa ne eƒe nya la le woƒe dzi me abe Yeremya ene.—Luka 11:9-13; Dɔwɔwɔwo 15:8.

“Migatsi Gbɔgbɔ la Nu O”

9. Nukae ate ŋu axe mɔ be gbɔgbɔ kɔkɔea magawɔ dɔ na mí o?

9 Apostolo Paulo xlɔ̃ nu Tesalonikatɔwo be: “Migatsi gbɔgbɔ la nu o.” (Tesalonikatɔwo I, 5:19) Ẽ, nuwɔna kple nɔnɔme siwo tsi tre ɖe mawumegɔmeɖosewo ŋu ate ŋu axe mɔ na gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe dɔwɔwɔ na mí. (Efesotɔwo 4:30) Wode dɔ asi na Kristotɔwo egbea be woaɖe gbeƒã nyanyuia. Míedea bubu mɔnukpɔkpɔ sia ŋu. Mewɔa nuku na mí be amesiwo menya Mawu o la doa vlo míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa o. Gake ne Kristotɔ aɖe ɖoe koŋ gbe eƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ la, ate ŋu awɔe be Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe ameʋãŋusẽ nu natsi.

10. (a) Aleke mía havi amegbetɔ ƒe nukpɔsusu ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii? (b) Míaƒe subɔsubɔdɔa ŋu nukpɔsusu ɖɔʋu kae dze le Korintotɔwo II, 2:17?

10 Amesiwo le Kristo-hamea godo dometɔ aɖewo abu míaƒe subɔsubɔdɔa be enye agbalẽmamadɔ aɖe ko. Bubuwo asusui vodadatɔe be nudzɔdzɔ xɔxɔ le amewo si tae míetsoa aƒeme yia aƒeme ɖo. Ne míeɖe mɔ nukpɔsusu gbegblẽ mawo kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nɔnɔme dzi la, ate ŋu aɖe ku si míetsena le subɔsubɔdɔa me dzi akpɔtɔ. Le esi teƒe be míaɖe mɔ nukpɔsusu mawo nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi la, mina nukpɔsusu si le Yehowa kple Yesu si ɖe subɔsubɔdɔa ŋu nanɔ míawo hã si. Apostolo Paulo ɖe nukpɔsusu ɖɔʋu ma gblɔ esime wògblɔ be: “Elabena míele abe ame geɖe, siwo baɖa Mawu ƒe nya la ene o; ke boŋ abe vavãnyenye me kple Mawu me míetsɔnɛ tsonɛ gblɔa nya le Mawu ƒe ŋku me le Kristo me ene.”—Korintotɔwo II, 2:17.

11. Nukae kpe ɖe Kristotɔ gbãtɔwo ŋu be dzo gakpɔtɔ nɔ wo me togbɔ be wonɔ wo yome tim hã, eye aleke wòle be woƒe kpɔɖeŋua nawɔ dɔ ɖe mía dzi?

11 Ɣeyiɣi kpui aɖe le Yesu ƒe ku megbe la, eƒe nusrɔ̃la siwo nɔ Yerusalem ge ɖe yometiti ƒe ɣeyiɣi aɖe me. Wodo vɔvɔ̃ na wo hede se na wo be woadzudzɔ gbeƒãɖeɖe. Ke hã Biblia gblɔ be “gbɔgbɔ kɔkɔe la yɔ wo katã taŋ, eye wogblɔ mawunya la kple dzideƒo.” (Dɔwɔwɔwo 4:17, 21, 31) Nya siwo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe Timoteo le ƒe aɖewo megbe la ɖe nukpɔsusu nyui si wòle be wòanɔ Kristotɔwo si ɣesiaɣi fia. Paulo gblɔ be: “Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mí o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kpakple ɖokuidziɖuɖugbɔgbɔe wòna mí. Eyata ŋu nagakpe wò le mía Aƒetɔ ƒe ɖaseɖiɖi kple nye, amesi nye eƒe gatɔ la ŋuti o; ke boŋ kpe fu kple nyanyui la le Mawu ƒe ŋusẽ la nu.”—Timoteo II, 1:7, 8.

Nuka ƒe Fee Míenyi le Mía Havi Si?

12. Susu vevi ka tae míeɖea gbeƒã nyanyuia ɖo?

12 Hafi nukpɔsusu nyui nanɔ mía si ɖe subɔsubɔdɔa ŋu la, ke ele be seselelãme nyui nanɔ mía si. Nukatae míeɖea gbeƒã ɖo? Susu vevitɔ dze le hakpala ƒe nyawo me be: “Yehowa, wò . . . mawumemewo akafu wò. Woagblɔ nya le wò fiaɖuƒe ƒe bubu ŋu, eye woaƒo nu le wò ŋusẽ ŋu, ne woaɖe eƒe nutsuwɔwɔwo kple eƒe fiaɖuƒe ƒe atsyɔ̃ nyo la fia amegbetɔviwo.” (Psalmo 145:10-12) Ẽ, ɖe míeɖea gbeƒã be míakafu Yehowa le gaglãgbe eye be míakɔ eƒe ŋkɔ ŋu le ameƒomea katã ŋkume. Ne ame ʋɛ aɖewo koe ɖoa to mí gɔ̃ hã la, xɔxɔgbedasia gbɔgblɔ nuteƒewɔwɔtɔe anye kafukafu na Yehowa.

13. Nukae ʋãa mí be míagblɔ xɔxɔ mɔkpɔkpɔ ŋu nya na amewo?

13 Lɔlɔ̃ na amewo kple esi míedi be míaɖi ʋufɔ o hã tae míeɖea gbeƒã ɖo. (Xezekiel 33:8; Marko 6:34) Nya siwo Paulo gblɔ esi wònɔ nu ƒom tso amesiwo le Kristo-hamea godo ŋu la do ƒome kple nya sia, egblɔ be: “Helatɔwo kple Barbaratɔwo, nunyalawo kple ame manyanuwo katã ƒe fenyila menye.” (Romatɔwo 1:14) Paulo se le eɖokui me be agba le ye dzi be yeaɖe gbeƒã nyanyuia na wo, elabena Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be ‘woaxɔ amewo katã ɖe agbe.’ (Timoteo I, 2:4) Egbea la, lɔlɔ̃ ma kee le mía si na mía havi eye míebui agbanɔamedzi nenema ke. Lɔlɔ̃ si le Yehowa si na ameƒomeae ʋãe be wòdɔ Via ɖo ɖe anyigba dzi be wòaku ɖe wo ta. (Yohanes 3:16) Vɔsa gã aɖee nye ema. Míesrɔ̃a Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ne míezã ɣeyiɣi hedze agbagba be míagblɔ xɔxɔ si nɔ te ɖe Yesu ƒe vɔsa dzi ŋu nyanyuia na ame bubuwo.

14. Nya kawoe Biblia gblɔ tso xexeme si le Kristo-hamea godo ŋu?

14 Yehowa Ðasefowo bua wo havi amegbetɔwo be woate ŋu ava nye Kristotɔwo ƒe nɔvihabɔbɔa me tɔwo. Ele be míaɖe gbeƒã dzinɔameƒotɔe, gake míaƒe dzinɔameƒoa menye dzrewɔtɔ o. Le nyateƒe me la, Biblia zã nyagbe sesẽ aɖewo esi wònɔ nu ƒom tso xexeame ŋu gbadzaa. Paulo zã nya “xexeme” le susu madeamedzi nu esi wònɔ nu ƒom tso “xexe sia me nunya” kple “xexeame nudzodzrowo” ŋu. (Korintotɔwo I, 3:19; Tito 2:12) Azɔ hã Paulo ɖo ŋku edzi na Efeso Kristotɔwo be esime wonɔ agbe nɔm ɖe ‘xexeme sia ƒe nuɖoanyiwo nu’ la, wonye “ame kukuwo” le gbɔgbɔ me. (Efesotɔwo 2:1-3) Nyagbɔgblɔ siawo kple bubu siwo ɖii la wɔ ɖeka kple apostolo Yohanes ƒe nya siawo be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.”—Yohanes I, 5:19.

15. Nukae míewɔna ɖe amesiwo mele Kristo-hamea me o ŋu o, eye nukatae mele be míawɔe o?

15 Gake ɖo ŋku edzi be nyagbɔgblɔ mawo ku ɖe xexeame gbadzaa si ɖe vovo tso Mawu gbɔ ŋu, ke menye ame ɖekaɖekawo o. Kristotɔwo metsɔnɛ ɖoa wo ɖokui dzi tsoa nya me do ŋgɔ tso alesi ame aɖe axɔ gbeƒãɖeɖeae ŋu o. Susu aɖeke mele wo si woanɔ te ɖe edzi agblɔ be ame aɖe nye gbɔ̃ o. Menye míaƒe dɔe wònye be míagblɔ nusi ava dzɔ ne Yesu va be yeama “alẽwo” kple “gbɔ̃wo” me o. (Mateo 25:31-46) Yesue nye ʋɔnudrɔ̃la si wotia; menye míawoe o. Gakpe ɖe eŋu la, nuteƒekpɔkpɔ ɖee fia be amesiwo nyrɔ wo ɖokui ɖe agbe vlotɔ kekeake nɔnɔ me gɔ̃ hã va xɔ Biblia ƒe gbedasia, wɔ tɔtrɔ, eye wozu Kristotɔ agbedzadzɛnɔlawo. Eyata togbɔ be míedi be míade ha kple ame aɖewo o hã la, míahe ɖe megbe le Fiaɖuƒe mɔkpɔkpɔa gbɔgblɔ na wo ŋu ne mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi o. Ŋɔŋlɔawo gblɔ be esime ame aɖewo gakpɔtɔ nye dzimaxɔsetɔwo la, ‘woƒe nɔnɔme sɔ na agbe mavɔ kpɔkpɔ.’ Wova zu xɔsetɔwo emegbe. (Dɔwɔwɔwo 13:48) Míate ŋu anya amesiwo si nɔnɔme nyui le nenema o vaseɖe esime míaɖi ɖase na wo hafi—ɖewohĩ zi gbɔ zi geɖe. Esi nya sia le susu me na mí ta la, míewɔa nu kple amesiwo mexɔ xɔxɔgbedasia haɖe o la le ‘tufafa’ kple ‘bubu deto’ me, akpɔ mɔ be wo dometɔ aɖewo ava xɔ agbenya la.—Timoteo II, 2:25; Petro I, 3:15.

16. Susu siwo ta míedi be míatu ‘nufiafiaɖaŋu’ ɖo dometɔ ɖeka ɖe?

16 Ne míetu nufialawo ƒe nɔnɔme ɖo la, ana míagadi vevie wu be míagblɔ nyanyuia. Le kpɔɖeŋu me: Amesi menya fefe alo kamedefefe aɖe wɔwɔ o la mase vivi nɛ o. Gake dzidzɔ sɔŋ wònyena na amesi nya eŋu nyuie. Nenema ke Kristotɔ siwo tu ‘nufiafiaɖaŋu’ ɖo la dzia woƒe dzidzɔkpɔkpɔ le subɔsubɔdɔa me ɖe edzi. (Timoteo II, 4:2; Tito 1:9) Paulo ɖo aɖaŋu na Timoteo be: “Do vevie be, natsɔ ɖokuiwò afia Mawu abe ame like kple dɔwɔla, si mehiã be, ŋu nakpee o, kpakple amesi wɔa nyateƒenya la ŋudɔ nyuie ene.” (Timoteo II, 2:15, NW) Aleke míatu míaƒe nufiafiaŋutetewo ɖoe?

17. Aleke míatu Biblia me sidzedze ƒe ‘dzodzro’ ɖoe, eye vi kae wòaɖe le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me?

17 Mɔ ɖekae nye be míasrɔ̃ nyateƒe sidzedzea geɖe akpee. Apostolo Petro de dzi ƒo na mí be: “Abe [vidzĩwo] ene la gbɔgbɔ me notsi tsimatɔ nadzro mi vevie, bene miatsi to me hena xɔxɔ la.” (Petro I, 2:2) Le dzɔdzɔme nu la, edzroa vidzĩ si le lãmesẽ me be yeano no. Gake ahiã be Kristotɔ natu Biblia me sidzedze ƒe ‘dzodzroa’ ɖo. Esia anya wɔ ne wotu nusɔsrɔ̃ kple nuxexlẽ ƒe nɔnɔme nyuiwo ɖo. (Lododowo 2:1-6) Agbagbadzedze kple ɖokuimamlã hiã ne míedi be míazu Mawu ƒe Nya la fiala bibiwo, gake teƒeɖoɖo geɖe le agbagba mawo dzedze me. Dzidzɔ si tsoa Mawu ƒe Nya la me dzodzro me awɔe be Mawu ƒe gbɔgbɔa nanɔ bibim le mía me, eye míadi vevie be míagblɔ nusi míesrɔ̃ na ame bubuwo.

18. Aleke Kristotɔwo ƒe kpekpewo ate ŋu adzra mí ɖo be míawɔ nyateƒea ŋudɔ nyuie?

18 Kristotɔwo ƒe kpekpewo hã wɔa akpa vevi aɖe le Mawu ƒe Nya la zazã nyuie me. Ne wole mawunyakpukpuiwo xlẽm le dutoƒonuƒo ƒoɣi kple le Ŋɔŋlɔawo me dzroɣi bubuwo la, anyo be míakpɔ wo dzi le míaƒe Biblia me. Ade mía dzi be míalé fɔ ɖe kpekpewo me dɔwɔnawo ŋu, tsɔ kpe ɖe esiwo ku ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu tẽ hã ŋu. Negadzɔ gbeɖe be míabu wɔwɔfiawo nu tsɛe o, ɖewohĩ aɖe mɔ be nane nahe míaƒe susu ɖa le wo dzi o. Ðokuimamlã kple susua ƒe nu ŋu nɔnɔ hiã le afisia hã. (Timoteo I, 4:16) Kristotɔwo ƒe kpekpewo doa ŋusẽ míaƒe xɔse, wokpena ɖe mía ŋu míetua dzodzro ɖo na Mawu ƒe Nya la, eye enaa hehe mí be míenyea gbeƒãɖela siwo dina vevie be yewoagblɔ nyanyuia.

Míate Ŋu Akpɔ Mɔ na Yehowa ƒe Kpekpeɖeŋu

19. Nukatae wòle vevie ŋutɔ be míakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔa me ɣesiaɣi?

19 Kristotɔ siwo ‘xɔ dzo le gbɔgbɔ me’ eye wodina vevie be yewoagblɔ nyanyuia dzea agbagba be yewoakpɔ gome le subɔsubɔdɔa me ɣesiaɣi. (Efesotɔwo 5:15, 16) Ele eme baa be míaƒe nɔnɔmewo to vovo, eye mí katã míate ŋu azã ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme ɖeka le agbeɖeɖedɔ sia me o. (Galatiatɔwo 6:4, 5) Gake ɖewohĩ nusi le vevie wu ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míazã le gbeƒãɖeɖedɔa mee nye zi alesinu míeƒoa nu tso míaƒe mɔkpɔkpɔa ŋu na amewo. (Timoteo II, 4:1, 2) Zi alesi míeɖea gbeƒãe la, zi nenemae míakpɔ dɔ sia ƒe vevienyenye adze sii. (Romatɔwo 10:14, 15) Ne míedoa go dzianukwaretɔ siwo le hũ ɖem hele konyi fam eye mɔkpɔkpɔ mele wo si o ɣesiaɣi la, míaƒe dɔmetɔtrɔ kple havilɔlɔ̃ adzi ɖe edzi.—Xezekiel 9:4; Romatɔwo 8:22.

20, 21. (a) Dɔ kae gale mía ŋgɔ? (b) Aleke Yehowa le asi kpem ɖe míaƒe agbagbadzedzewo ŋui?

20 Yehowa tsɔ nyanyuia de mía si. Esiae nye dɔ gbãtɔ si míexɔ tso egbɔ esi míenye eƒe “hadɔwɔlawo.” (Korintotɔwo I, 3:6-9) Míedi vevie be míatsɔ luʋɔ blibo, míaƒe ŋutete ɖesiaɖe, awɔ dɔ sia si Mawu de mía si lae. (Marko 12:30; Romatɔwo 12:1) Amesiwo si nɔnɔme nyui le dometɔ geɖe gakpɔtɔ le xexeame siwo nyateƒea ƒe dɔ le wuwum. Dɔ geɖe gali míawɔ, gake míate ŋu akpɔ mɔ be Yehowa ado alɔ mí esi míele agbagba dzem be míawu míaƒe subɔsubɔdɔa nu bliboe.—Timoteo II, 4:5.

21 Yehowa na eƒe gbɔgbɔ mí eye ena míele dzadzraɖoɖi kple ‘gbɔgbɔmeyi’ si nye Mawu ƒe Nya la. To eƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu ake nu ‘aƒo nu faa ana woanya nyanyuia ŋu nya ɣaɣla la.’ (Efesotɔwo 6:17-20) Neva eme be woagblɔ nya si apostolo Paulo gblɔ le Tesalonika Kristotɔwo ŋu le míawo hã ŋu be: “Míaƒe nyanyui la meva mia gbɔ le nya me ɖeɖeko o, ke boŋ le ŋusẽ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kpakple kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã.” (Tesalonikatɔwo I, 1:5) Ẽ, mina míatsɔ didi vevie aɖe gbeƒã nyanyui lae!

Numetoto Kpuie

• Le dzimaɖitsitsi ɖe agbe ŋu ta la, nukae ate ŋu adzɔ ɖe míaƒe dzonɔameme ɖe subɔsubɔdɔa ŋu dzi?

• Mɔ ka nue wòle be míaƒe didi be míaɖe gbeƒã nyanyuia nanɔ abe “dzobibi” ene le míaƒe dzi me?

• Subɔsubɔdɔa ŋu nukpɔsusu gbegblẽ kawoe wòle be míatsri?

• Aleke wòle be míabu amesiwo menye haxɔsetɔwo o lae?

• Aleke Yehowa kpena ɖe mía ŋu be dzo nakpɔtɔ anɔ mía me ɖe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ ŋu ɖaa?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Kristotɔwo srɔ̃a Paulo kple Yeremya ƒe dzonɔameme

[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]

Lɔlɔ̃ na Mawu kple ame havie ʋãa mí míedoa vevie nu le subɔsubɔdɔa me